James (Ewe)

James (Ewe)

1

1:1b.JAM.001.001 Agbalẽ sia tso Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla, gbɔ na Yudatɔ kristotɔ siwo kaka ɖe xexeame godoo. Mele gbe dom na mi katã.

1:2b.JAM.001.002 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne dodokpɔ ƒomevi geɖewo tu mi la mibui dzidzɔ sɔŋ,

1:3b.JAM.001.003 elabena mienyae bena miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ hea dzidodo vanɛ.

1:4b.JAM.001.004 Ele be dzidodo nawu eƒe dɔ nu ale be miatsi azu blibo eye naneke mahiã mi o.

1:5b.JAM.001.005 Ne ame aɖe hiã nunya la nebia Mawu ame si naa ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ eye Mawu anae fɔbubumanɔmee.

1:6b.JAM.001.006 Gake ne ebia la ele nɛ be wòaxɔe ase ɖikekemanɔmee elabena ame si kea ɖi la le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la ene.

1:7b.JAM.001.007 Ame ma megasusu be yeaxɔ naneke tso Aƒetɔ la gbɔ o.

1:8b.JAM.001.008 Elabena enye dzime eve susula eye meli ke le nu siwo katã wowɔna la me o.

1:9b.JAM.001.009 Nɔvi si mele nɔƒe kɔkɔ aɖeke o la neƒo adegbe be wodo ye ɖe dzi.

1:10b.JAM.001.010 Ke ame si si kesinɔnuwo le la neƒo adegbe be yemenye naneke o elabena enu ava yi abe seƒoƒo le gbe dzi ene.

1:11b.JAM.001.011 Elabena ɣe dzena eye ɣe la ƒe ŋusẽ naa gbe yrɔna eye eƒe seƒoƒo duduna, ale wòbua eƒe anidzedze. Nenema ke kesinɔtɔ hã nu ava yi esime wòɖo eƒe agbe ƒe viviƒe.

1:12b.JAM.001.012 Woayra ame si doa dzi le tetekpɔ me elabena ne enɔ te va se ɖe nuwuwu la axɔ agbefiakuku esi ƒe ŋugbe Mawu do na ame siwo lɔ̃nɛ.

1:13b.JAM.001.013 Ne wote ame aɖe kpɔ la megagblɔ be, “Mawu le teyem kpɔ o.” Elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖi ate Mawu kpɔ alo eya ŋutɔ hã nate ame aɖeke akpɔ o.

1:14b.JAM.001.014 Ke boŋ ame sia ame ƒe didi vɔ̃woe tenɛ kpɔna eye woblea enu hehenɛ dzonae.

1:15b.JAM.001.015 Emegbe la didi vɔ̃ la fɔa fu hedzia nu vɔ̃ eye ne nu vɔ̃ tsi nyuie la edzia ku.

1:16b.JAM.001.016 Nɔvi lɔlɔ̃awo, migana woable mi o.

1:17b.JAM.001.017 Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe dziƒoe wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔlĩ trɔnae ene o.

1:18b.JAM.001.018 Enye eƒe lɔlɔ̃nu be wòadzi mí to nyateƒe ƒe nya la me ale be míanye eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe kutsetse gbãtɔ.

1:19b.JAM.001.019 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, milé ŋku ɖe nu sia ŋu be: ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo kple dzikudodo me,

1:20b.JAM.001.020 elabena ame ƒe dziku mehea dzɔdzɔenyenye ƒe agbenɔnɔ si Mawu di la vanɛ o.

1:21b.JAM.001.021 Eya ta miɖe ŋutilãmeɖiƒoƒowo katã ɖi kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ si bɔ ɖe mia dome la ɖi, eye miatsɔ ɖokuibɔbɔ axɔ nya si wodo ɖe mia me esi si ŋusẽ le be wòaɖe miaƒe luʋɔwo.

1:22b.JAM.001.022 Miganye nya la selawo ko ahanɔ mia ɖokuiwo blem o, ke boŋ miwɔ ɖe nu si nya la gblɔ dzi.

1:23b.JAM.001.023 Elabena ame aɖe si se nya la eye mewɔ ɖe edzi o ɖi ame aɖe si kpɔ eƒe mo le ahuhɔ̃e me,

1:24b.JAM.001.024 ke esi wodzo le ahuhɔ̃ea gbɔ la megaɖo ŋku ale si eƒe dzedzeme le la dzi o.

1:25b.JAM.001.025 Ke ame si dzroa Mawu ƒe se si de blibo, si naa ablɔɖe ame la me tsitotsito ɣesiaɣi eye meŋlɔa nu si wòsrɔ̃ la be o ke boŋ wòwɔa edzi la woayrae le nu si wòwɔna la me.

1:26b.JAM.001.026 Ne ame aɖe gblɔ be yenye xɔsetɔ ke mede ga eƒe aɖe o la le eɖokui blem eye eƒe xɔse la hã nye dzodzro.

1:27b.JAM.001.027 Xɔse si mía Mawu Fofo la xɔna abe esi le dzadzɛ eye kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o lae nye esi be: woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxa me, eye be amea maƒo ɖi eɖokui kple xexemenuwo o.

2

2:1b.JAM.002.001 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, abe ame si xɔ míaƒe ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ, Yesu Kristo, dzi se ene la, migakpɔ ame ŋkume o.

2:2b.JAM.002.002 Mítsɔe be ame aɖe va míaƒe sɔleme eye wòdo sikasigɛ nyuitɔ heta avɔ xɔasi eye ame dahe si do awu vuvu hã ge ɖe sɔlemexɔa me.

2:3b.JAM.002.003 Ne mietsɔ bubu tɔxɛ na ame si do awu xɔasi la hegblɔ nɛ be, “Va nɔ teƒe nyui sia,” gake miegblɔ na ame dahe la be “Wò ya nɔ tsitre ɖe afi ma” alo “Bɔbɔ nɔ anyigba le nye afɔnu,” la

2:4b.JAM.002.004 ɖe miede vovo ameawo me le mia dome eye mieva zu ʋɔnudrɔ̃la siwo me susu vɔ̃ɖiwo le o mahã?

2:5b.JAM.002.005 Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo tom: Đe Mawu metia ame siwo xexemetɔwo buna be wonye ame dahewo la be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me eye be woanyi fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe dome o mahã?

2:6b.JAM.002.006 Ke miawo la miedzu ame dahewo. Đe menye kesinɔtɔwoe le miabam oa?

2:7b.JAM.002.007 Đe menye woawoe le ɖi ƒom ame si ŋu bubuŋkɔ le, ame si tɔ mienye la oa?

2:8b.JAM.002.008 Ne mielé fiasedede si le mawunya me esi gblɔ be, “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene,” ɖe asi la miele nu dzɔdzɔetɔ wɔm.

2:9b.JAM.002.009 Ke ne miele ame ŋkume kpɔm la miewɔ nu vɔ̃ eye se la bu fɔ mi be mienye sedzidalawo.

2:10b.JAM.002.010 Ame si wɔa Mawu ƒe sewo katã dzi, gake wòda le ɖeka pɛ dzi la, eda le wo katã dzi.

2:11b.JAM.002.011 Elabena ame si de se be, “Mègawɔ ahasi o” la eya kee de se be, “Mègawu ame o.” Eya ta ne mèwɔ ahasi o, gake nèwu ame la, ènye sedzidala.

2:12b.JAM.002.012 Miaƒe nuƒo kple agbenɔnɔ naɖee fia be wole ʋɔnu drɔ̃ ge mi kple se si naa ablɔɖe.

2:13b.JAM.002.013 Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ si me nublanuikpɔkpɔ mele o la woatsɔ na ame si mekpɔa nublanui o. Nublanuikpɔkpɔ ɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi.

2:14b.JAM.002.014 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, viɖe ka wòanye ne ame aɖe gblɔ bena xɔse le ye si evɔ la dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o? Đe xɔse sia tɔgbi ate ŋu aɖea?

2:15b.JAM.002.015 Mítsɔe be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe li esi si avɔ kple gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu mele o.

2:16b.JAM.002.016 Ne mia dometɔ aɖe agblɔ nɛ be, “Heyi, medi dzɔgbenyui na wò, de dzo lãme eye naɖi ƒo nyuie,” evɔ mehewɔ naneke le eƒe ŋutilãmehiahiãwo ŋuti o la, viɖe kae wonye?

2:17b.JAM.002.017 Nenema kee, nye xɔse ŋutɔ hã. Ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la enye nu kuku.

2:18b.JAM.002.018 Ke ame aɖe agblɔ dzideƒotɔe be, “Wò la xɔse le asiwò ke nye la dɔwɔwɔwo le asinye.” Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔwo mekpe ɖo o lam eye nye hã maɖe nye xɔse afia wò to dɔ siwo mewɔna la me.

2:19b.JAM.002.019 Èxɔe se be Mawu ɖeka koe li, enyo gake gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔe se nenema eye wodzona nyanyanya kple vɔvɔ̃.

2:20b.JAM.002.020 Wò bometsila, ɖe nèle kakaɖedzi dim hafi anya be xɔse, dɔwɔwɔmanɔmee nye xɔse kuku oa?

2:21b.JAM.002.021 Đe womebu mía tɔgbui, Abraham, be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ esi wòtsɔ via Isak be yeasa vɔe na Mawu oa?

2:22b.JAM.002.022 Edze ƒaã be eƒe xɔse kple dɔwɔwɔwo sɔ ɖekae ale be eƒe xɔse de blibo to nu si wòwɔ la me.

2:23b.JAM.002.023 Esia wɔ ɖe mawunya si gblɔ be, “Abraham xɔ Mawu dzi se eye wòto esia me zu ame dzɔdzɔe” la dzi eya ta woyɔe be Mawu xɔlɔ̃.

2:24b.JAM.002.024 Edze ƒãa be menye ame ƒe xɔse ɖeɖe koe wotsɔna tsoa afia o ke boŋ dɔ siwo wòwɔ hã kpena ɖe eŋu.

2:25b.JAM.002.025 Nenema ke ɖe womebu Rahab gbolo la gɔ̃ hã be enye dzɔdzɔetɔ le nu si wòwɔ esi wòɣla ŋkutsala siwo dze egbɔ eye wòna woto mɔ bubu dzo oa?

2:26b.JAM.002.026 Ale si ŋutilã, gbɔgbɔmanɔmee nye nu kuku la nenema ke xɔse, dɔwɔwɔmanɔmee hã nye nu kuku.

3

3:1b.JAM.003.001 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, mia dometɔ geɖewo megabu wo ɖokuiwo nufialawoe o, elabena mienyae be mí ame siwo nye nufialawo la woadrɔ̃ ʋɔnu mí vevie wu ame bubuwo.

3:2b.JAM.003.002 Elabena mía dometɔ ɖe sia ɖe daa vo le mɔ geɖewo nu. Ne ame aɖe medaa vo le nuƒoƒo me o la eyae nye ame si de blibo ale wòtea ŋu dea ga eƒe ŋutilã blibo la.

3:3b.JAM.003.003 Numega sue si míedea sɔwo ƒe nume la, eyae nana be woɖoa to mí eye míetea ŋu trɔa lã bliboa ɖe afi sia afi.

3:4b.JAM.003.004 Mítsɔ tɔdziʋu gãwo abe kpɔɖeŋu ene. Togbɔ be wololo gã eye ya sesẽwoe hea wo hã la, kuɖɔ sue aɖe si le ʋua gɔme lae kuɖɔɖola la zãna tsɔna trɔa tɔdziʋu gã la ƒe mo ɖe afi sia afi si wòdi be tɔdziʋu gã la nayi.

3:5b.JAM.003.005 Nenema ke ame ƒe aɖe nye ŋutinu sue aɖe ko gake etea ŋu ƒoa adegbe gã. Mikpɔ ale si dzoxi sue aɖe tea ŋu tɔa dzo ave gãwoe la ɖa.

3:6b.JAM.003.006 Aɖe ŋutɔ hã nye dzo; enye xexeme vɔ̃ɖi le ŋutinuwo dome. Egblẽa ameti blibo la dome. Etɔa dzo amea ƒe agbemɔzɔzɔ blibo la eye mlɔeba la wotɔa dzo eya ŋutɔ hã le dzo mavɔ ʋe me.

3:7b.JAM.003.007 Amegbetɔ ate ŋu amla lã ɖe sia ɖe ƒomevi, xeviwo, nutatawo kple tɔmelãwo siaa,

3:8b.JAM.003.008 gake ame aɖeke mate ŋu amla ame ƒe aɖe o. Enye aɖi vɔ̃ɖi si dzi womate ŋu aɖu o.

3:9b.JAM.003.009 Mietsɔa míaƒe aɖe kafua míaƒe Aƒetɔ kple Mawu eye míegatsɔa aɖe ma ke ƒoa fi dea amegbetɔ si wowɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme me.

3:10b.JAM.003.010 Kafukafu kple fiƒode dona tsoa ame ƒe nu ɖeka ma ke me. Ke, nɔvinyewo, le nyateƒe me la, mele be wòanɔ alea o.

3:11b.JAM.003.011 Đe vudo ɖeka ma ate ŋu adzi tsi vivi kple dzetsia?

3:12b.JAM.003.012 Nɔvinyewo, ɖe gboti ate ŋu atse amikutsetsewo, alo wainka ate ŋu atse gbotitsetsewoa? Gbeɖe, dzetsivudo hã mate ŋu adzi tsi vivi o.

3:13b.JAM.003.013 Ame kae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome? Neɖee fia to agbe nyui nɔnɔ kple dɔwɔwɔ siwo wowɔ le ɖokuibɔbɔ si tsoa nunya gbɔ la me.

3:14b.JAM.003.014 Ke ne miaƒe dzi yɔ fũu kple ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi kple ɖokuitɔdidi la, esia meganye adegbe mianɔ ƒoƒom alo agbe nyateƒe la o.

3:15b.JAM.003.015 ”Nunya” sia tɔgbi metso dziƒo o, ke boŋ etso anyigba dzi afi eye wònye nu si tso Abosam gbɔ eye eŋuti mekɔ o.

3:16b.JAM.003.016 Elabena afi si ŋuʋaʋã kple ɖokuitɔdidi vivivo le lae, masɔmasɔ kple nu vloe ɖe sia ɖe wɔwɔ nɔna.

3:17b.JAM.003.017 Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛ eye wòlɔ̃a tomefafa, efana na ame bubuwo, ebɔbɔa eɖokui, eye wòyɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, etsea ku nyuiwo, medea ame dzi o eye wòwɔa nu si le eteƒe.

3:18b.JAM.003.018 Ŋutifafame siwo ƒãa ŋutifafa la, xaa dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse.

4

4:1b.JAM.004.001 Nu kae hea avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ vaa mia dome? Đe menye miaƒe dzimedidi siwo le aʋa wɔm le mia me lae oa?

4:2b.JAM.004.002 Miedia nu gake miekpɔnɛ o, miewua ame, xɔa eƒe nuwo, gake nu si dim miele la masu mia si o. Miewɔa dzre eye miewɔa avu hã gake nuawo mesua mia si o, elabena miebiaa Mawu o.

4:3b.JAM.004.003 Ne miebia la, miaƒe asi mesua edzi o, elabe miebia kple susu vɔ̃ɖi, miebia nu siwo miawɔ yakayaka na mìa ɖokuiwo.

4:4b.JAM.004.004 Mi ahasiwɔlawo! Đe mienya be ne miedze xɔlɔ̃ kple xexeame la ekema mielé fu Mawu oa? Ame sia ame si dze xɔlɔ̃ xexeame la nye Mawu ƒe futɔ.

4:5b.JAM.004.005 Alo ɖe miesusu be dzodzroe mawunya gblɔ be gbɔgbɔ si wòde mía me la ʋãa ŋu veviea?

4:6b.JAM.004.006 Ke ena amenuveve geɖe mí. Esia ta mawunya gblɔ be, “Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋu ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyi la nu.”

4:7b.JAM.004.007 Eya ta mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu te. Mitsi tre sesĩe ɖe Abosam ŋuti ekema asi le mia nu.

4:8b.JAM.004.008 Mite ɖe Mawu ŋu kpokploe eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi nu vɔ̃ wɔlawo miklɔ miaƒe asiwo, eye mi ame siwo nye dzime eve susulawo la miklɔ miaƒe dziwo me.

4:9b.JAM.004.009 Milé blanui, mifa konyi eye mifa avi. Mina miaƒe nukoko nazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nazu blanuiléle.

4:10b.JAM.004.010 Mibɔbɔ mia ɖokui na Aƒetɔ la ekema ado mi ɖe dzi.

4:11b.JAM.004.011 Nɔviwo, migagblẽ mia nɔewo ŋu o, ame si gblẽ nɔvia ŋu alo drɔ̃ ʋɔnui la, tsi tsitre ɖe se la ŋu hedrɔ̃ ʋɔnui. Ne èdrɔ̃ ʋɔnu se la la, mèle edzi wɔm o ke boŋ ènɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi hele ʋɔnu drɔ̃mii.

4:12b.JAM.004.012 Senala kple ʋɔnudrɔ̃la ɖeka koe li, ame si tea ŋu ɖea ame eye wotsrɔ̃a ame hã. Ke wò la, ame kae nènye be nãdrɔ̃ ʋɔnu hawòvi?

4:13b.JAM.004.013 Azɔ la miɖo to afii, mi ame siwo le gbɔgblɔm be, “Egbe alo etsɔ míayi du sia alo ekemɛ me, anɔ anyi ƒe ɖeka, atsa asi eye míakpɔ ga.”

4:14b.JAM.004.014 Nu ka ta? Elabena mienya nu si ava dzɔ etsɔ si gbɔna gɔ̃ hã o. Nu kae miaƒe agbe nye? Miele abe afu si dona ɣeyiɣi kpui aɖe eye wògabuna la ene.

4:15b.JAM.004.015 Ke boŋ migblɔ bena, “Nenye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu la, míanɔ agbe eye míawɔ nu sia kple ekemɛ.”

4:16b.JAM.004.016 Ke nu si miewɔna la nye dada kple ɖokuidodo ɖe dzi ƒuƒlu. Adegbeƒoƒo siawo tɔgbi katã nye nu vɔ̃.

4:17b.JAM.004.017 Eya ta ne ame aɖe nya nu nyui si wòle be wòawɔ gake mewɔe o la, ewɔ nu vɔ̃.

5

5:1b.JAM.005.001 Azɔ la mi kesinɔtɔwo, miɖo to afii, mido ɣli eye mifa avi, le fukpekpe si gbɔna mia dzi va ge la ta.

5:2b.JAM.005.002 Miaƒe kesinɔnuwo nyunyɔ eye agbagblaʋui ɖu miaƒe avɔ nyuiwo keŋkeŋ.

5:3b.JAM.005.003 Miaƒe sika kple klosalowo lé ɣebia eye woƒe ɣebialéle sia nye ɖaseɖiɖi si tsi tre ɖe mia ŋu hele miaƒe ŋutilã ɖum abe dzo ene. Mieha kesinɔnuwo dzra ɖo fũu le ŋkeke mamlɛawo me.

5:4b.JAM.005.004 Mikpɔ ɖa, dɔwɔla siwo ŋlɔ miaƒe agblewo me eye miegbe fexexe na wo la, le avi fam ɖe mia ŋuti. Nenema ke ame siwo xa nu na mi le agble me la ƒe ɣlidodo va ɖo to me na Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ la.

5:5b.JAM.005.005 Mienɔ xexea me le agbeɖuɖu blibo me eye mietsɔ mia ɖokuiwo de vivisese geɖe me. Mienyi mia ɖokuiwo heda ami le wuwuŋkeke la lalam.

5:6b.JAM.005.006 Miebu fɔ amewo eye miewu ame maɖifɔ siwo metsi tre ɖe mia ŋu o.

5:7b.JAM.005.007 Eya ta, nɔvinyewo, migbɔ dzi ɖi blewu va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vava. Mienya ale si agbledela lalana na eƒe agblemenukuwo be woatse ku, eye wògbɔa dzi ɖi na adametsi kple kelemetsi.

5:8b.JAM.005.008 Alea ke wòle be miawo hã miagbɔ dzi ɖii eye mianɔ tsitre sesĩe elabe Aƒetɔ la ƒe vava ɖo vɔ.

5:9b.JAM.005.009 Nɔviwo, migalĩ liʋiliʋĩ le mia nɔewo ŋu o, ne menye nenema o la woadrɔ̃ ʋɔnu mi. Ʋɔnudrɔ̃la la ƒe afɔ le ʋɔtru la nu.

5:10b.JAM.005.010 Nɔviwo, mina Nyagblɔɖila siwo gblɔ Mawu ƒe nya na amewo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la nanye kpɔɖeŋu na mi le fukpekpewo me.

5:11b.JAM.005.011 Abe ale si wòle nyanya me na mi ene la, míebua ame siwo do dzi le xaxawo me la be wonye yayramewo. Miese Hiob ƒe dzidodo le fukpekpe me ƒe nyawo, eye mienya ale si Aƒetɔ la wɔ nɛ le nuwuwu. Aƒetɔ la nye dɔmenyotɔ kple nublanuikpɔla gã aɖe.

5:12b.JAM.005.012 Gawu la, nɔvinyewo, migata nu o, eɖanye kple anyigba loo dziƒo alo nu bubu aɖeke o. Miaƒe ẽ nanye ẽ eye miaƒe o nanye o, nemenye nenema o la miadze na ʋɔnudɔdrɔ̃.

5:13b.JAM.005.013 Mia dometɔ aɖe le fu kpema? Nedo gbe ɖa. Mia dometɔ aɖe le dzidzɔ kpɔma? Nedzi kafukafuhawo.

5:14b.JAM.005.014 Ame aɖe le dɔ lém le mia domea? Neyɔ hanunɔlawo ne woado gbe ɖa ɖe eta eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.

5:15b.JAM.005.015 Eye gbe si wodo ɖa le xɔse me la ana be amea ƒe lãme nasẽ, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre. Ne ewɔ nu vɔ̃ hã la, woatsɔe akee.

5:16b.JAM.005.016 Eya ta miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me na mia nɔewo eye miado gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta be miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe gbedodoɖa nu sẽna eye wòwɔa dɔ.

5:17b.JAM.005.017 Eliya nye amegbetɔ abe míawo ke ene. Edo gbe ɖa vevie be tsi nagadza o, eye tsi medza o ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ.

5:18b.JAM.005.018 Emegbe la egado gbe ɖa, dziƒo nu ʋu eye tsi dza ale be anyigba gatse eƒe kutsetsewo.

5:19b.JAM.005.019 Nɔvinye lɔlɔ̃awo, ne mia dometɔ aɖe tra tso nyateƒe la gbɔ eye ame aɖe kplɔe gbɔe la,

5:20b.JAM.005.020 nenya esia be: ame si na nu vɔ̃ wɔla trɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi la, aɖee tso ku me eye woatsɔ nu atsyɔ nu vɔ̃ gbogbo aɖewo dzi.


Holder of rights
Multilingual Bible Corpus

Citation Suggestion for this Object
TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. James (Ewe). James (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-972D-C