Hebrews (Ewe)
1
1:1b.HEB.001.001 Le blema la Mawu ƒo nu na mía fofowo zi geɖe to mɔ vovovowo dzi to nyagblɔɖilawo dzi.
1:2b.HEB.001.002 Ke le ŋkeke mlɔetɔ siawo me la eƒo nu na mí to Via si wòtia be wòanye domenyila la dzi, ame si dzi hã woto wɔ xexeame.
1:3b.HEB.001.003 Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me le dziƒo.
1:4b.HEB.001.004 Ale wòkɔ sãa wu mawudɔlawo abe ale si ŋkɔ si wòtsɔ nyi domee la kɔ wu wo tɔ sãe ene.
1:5b.HEB.001.005 Elabena mawudɔlawo dometɔ kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Wòe nye vinye; egbe mezu fofowò?” Alo wògagblɔ na ɖe be, “Manye fofoa eye eya hã anye vinye?”
1:6b.HEB.001.006 Eye esi Mawu dɔ via ŋgɔgbea ɖe xexeame la, egblɔ be, “Ele be mawudɔlawo katã nasubɔe.”
1:7b.HEB.001.007 Mawu ƒo nu tso eƒe dɔlawo ŋuti be, “Ewɔ eƒe dɔlawo abe yaƒoƒowo ene eye eƒe subɔlawo abe dzoƒeaɖewo ene.”
1:8b.HEB.001.008 Ke egblɔ le via ya ŋuti be, “O, Mawu, wò fiazikpui anɔ anyi tegbetegbe eye dzɔdzɔnyenye anye wò fiaɖuƒe ƒe tsiamiti.
1:9b.HEB.001.009 Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye eye nèlé fu ŋutasesẽ eya ta Mawu, wò Mawu la, tsɔ wò ɖo teƒe kɔkɔ wu nɔviwòwo katã to esia me be etsɔ dzidzɔ ƒe ami ʋeʋĩ la si na wò.”
1:10b.HEB.001.010 Egagblɔ be, “O Aƒetɔ, le gɔmedzedzea me la eɖo xexeame ƒe gɔmeɖokpe anyi, eye dziƒowo hã nye wò asinudɔwɔwɔ.
1:11b.HEB.001.011 Woatsrɔ̃ gake wòla anɔ anyi, wo katã woanyunyɔ abe awu ene.
1:12b.HEB.001.012 ”Àŋlɔ wo abe awu ʋlaya ene eye ãɖe wo ɖi abe awu si wodo la ene, ke wò ya la, ãnɔ nanema, mãtrɔ o, eye wò ƒewo hã mawu enu akpɔ gbeɖe o.”
1:13b.HEB.001.013 Mawudɔla kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo woazu afɔɖodzinu na wò?”
1:14b.HEB.001.014 Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti.
2
2:1b.HEB.002.001 Esia ta ele na mí be míaɖo to nyateƒenya siwo katã míese la nyuie ne menye nenema o la míate ɖa xaa tso nyateƒe la gbɔ.
2:2b.HEB.002.002 Ne gbedeasi si mawudɔlawo gblɔ la nye nyateƒe eye edzidalawo kple ame siwo meɖo toe o la xɔ tohehe si wodze na la,
2:3b.HEB.002.003 ale ke míawo ya míawɔ asi le enu ne míegbe toɖoɖo ɖeɖenya gã sia? Đeɖe sia si Aƒetɔ la ŋutɔ ɖe gbeƒãe zi gbãtɔ la woɖo kpe edzi na mí to ame siwo ɖo toe la dzi.
2:4b.HEB.002.004 Mawu ŋutɔ hã ɖo kpe woƒe ɖaseɖiɖi dzi to dzesiwo, nukunuwo kple nukudɔ vovovowo dzi eye wòna Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nunana amewo le ale si wòlɔ̃ nu.
2:5b.HEB.002.005 Mawu metsɔ mawudɔlawo ɖo dziɖulawoe na xexeme si ava va esi ŋuti míele nu ƒom le o.
2:6b.HEB.002.006 Ke ame aɖe gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be, “Nu kae nye amegbetɔ be nébua eŋuti eye nu kae nye amegbetɔvi be neléa be nɛ?
2:7b.HEB.002.007 Èwɔ wo wobɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo, ètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ fiakuku nɛ
2:8b.HEB.002.008 eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.” Esi Mawu tsɔ nu sia nu de eƒe dzikpɔkpɔ te la, meɖe naneke le eme o. Gake fifi laa la medze abe nu sia nu le eƒe dzikpɔkpɔ te ene o.
2:9b.HEB.002.009 Míekpɔ Yesu, ame si wowɔ wòɖiɖi vie wu mawudɔlawo, ke fifia la woɖɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku nɛ elabena ekpe fu yi ɖe ku me ale be to Mawu ƒe amenuveve me wòaxɔ ku ɖe ame sia ame nu.
2:10b.HEB.002.010 Đe ko wòle eteƒe be, Mawu, ame si wɔ nuwo katã eye wòlé nuwo katã ɖe te la nawɔ Yesu blibo to fukpekpe me be wòakplɔ viŋutsu geɖewo vɛ woakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe me, elabena Yesue kplɔ wo yi ɖeɖe la gbɔe.
2:11b.HEB.002.011 Ame si wɔa amewo kɔkɔe kple ame siwo wowɔ kɔkɔe la katã nye ƒome ɖeka me nɔlawo. Eya ta mekpe ŋu na Yesu be wòayɔ wo be ye nɔviwo o.
2:12b.HEB.002.012 Egblɔ be, “Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ na nɔvinyewo, madzi wò kafukafuhawo le ameha la ŋkume.”
2:13b.HEB.002.013 Egagblɔ be, “Maɖo dzi ɖe Mawu ŋu.” Eye wogagblɔ be, “Nye kple vi siwo Mawu nam la miele afii”.
2:14b.HEB.002.014 Esi ɖeviawo nye ŋutilã kple ʋu ta la, eya hã kpɔ gome le woƒe amenyenye me ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ ame si si ku ƒe ŋusẽ le, ame si nye Satana,
2:15b.HEB.002.015 eye wòɖe ga ame siwo zu kluviwo to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbemeŋkekewo katã me.
2:16b.HEB.002.016 Le nyateƒe me la, menye mawudɔlawo ŋue wòkpe ɖo o, ke boŋ ekpe ɖe Abraham ƒe dzidzimeviwo ŋu.
2:17b.HEB.002.017 Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le go sia go me ale be wòava zu Osɔfogã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔ me, eye be woaxe fe ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta.
2:18b.HEB.002.018 Esi wònye be eya ŋutɔ kpe fu to tetekpɔ me ta la, ate ŋu a kpe ɖe ame siwo tem kpɔ wole la ŋu.
3
3:1b.HEB.003.001 Eya ta, nɔvinye kɔkɔewo, ame siwo kpɔ gome le dziƒo ƒe yɔyɔ la me, mida miaƒe susuwo ɖe Yesu, Apostolo kple Osɔfogã, ame si me mieʋu la dzi.
3:2b.HEB.003.002 Ewɔ nuteƒe na Mawu, ame si tiae abe ale si Mose hã wɔ nuteƒe le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒeme la ene.
3:3b.HEB.003.003 Abe ale si ame si tso aƒe nyui aɖe xɔa kafukafu wu aƒe si wòtso ene la, nenema kee Yesu hã dze na bubu wu Mose.
3:4b.HEB.003.004 Elabena aƒe ɖe sia ɖe la, ame aɖee tsoe gake Mawue nye nu sia nu wɔla.
3:5b.HEB.003.005 Mose nye dɔla nuteƒewɔla le nuwo katã me le Mawu ƒe aƒeme, nu sia ɖi ɖase le nu si Mawu ava gblɔ emegbe la ŋuti.
3:6b.HEB.003.006 Ke Kristo nye viŋutsu nuteƒewɔla ɖe Mawu ƒe aƒe dzi eye míawoe nye Mawu aƒe la, ne míelé dzideƒo kple mɔkpɔkpɔ si me míeƒoa adegbe le la me ɖe asi.
3:7b.HEB.003.007 Eya ta abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be, “Egbe ne miese eƒe gbe la,
3:8b.HEB.003.008 migasẽ miaƒe dziwo me abe ale si miewɔ le miaƒe aglãdzedze me, le ɣeyiɣi si me mieto dodokpɔ me le gbedadaƒo la ene o.
3:9b.HEB.003.009 Afi ma mia fofowo dom kpɔ eye wotem kpɔ le, eye wokpɔ nu si mewɔ ƒe blaene.
3:10b.HEB.003.010 Eya tae medo dziku ɖe dzidzime ma ŋu eye megblɔ be, ‘Woƒe dziwo tra mɔ ɣesiaɣi eye womenya nye mɔwo o!’
3:11b.HEB.003.011 Eya ta le nye dziku me la meka atam gblɔ be, womage ɖe nye dzudzɔ la me gbeɖe o.’” Nɔvinyewo, mikpɔ egbɔ be dzi si me nu vɔ̃ le kple dzi maxɔse si trɔna le Mawu gbagbe la yome la, naganɔ mia dometɔ aɖeke si o.
3:13b.HEB.003.013 Ke, mide dzi ƒo na mia nɔewo gbe sia gbe, zi ale si ɣeyiɣi li, ale be mía dometɔ aɖeke ƒe dzi maku atri to nu vɔ̃ ƒe beble me o.
3:14b.HEB.003.014 Đe míeva be míakpɔ gome le Kristo me, nenye be míelé dzideƒo si le mía si le gɔmedzedzea me la me ɖe asi sesĩe ko.
3:15b.HEB.003.015 Abe ale si mawunya gblɔe do ŋgɔ fifia ene be, “Egbe ne miese eƒe gbe la migasẽ miaƒe dziwo me abe ale si miewɔ le miaƒe aglãdzedze me ene la o.”
3:16b.HEB.003.016 Ame kawoe nye ame siwo se nya la eye wodze aglã? Đe menye woawoe nye ame siwo katã Mose kplɔ do goe tso Egipte lae oa?
3:17b.HEB.003.017 Eye ame kawo ŋue wòdo dziku ɖo hena ƒe blaene sɔŋ? Đe menye ame siwo wɔ nu vɔ̃ eye woƒe ŋutilãkukuwo tsi gbea dzi lae oa?
3:18b.HEB.003.018 Eye ame kawoe Mawu ka atam na be womage ɖe yeƒe dzudzɔ la me gbeɖe o ne menye ame siwo sẽ to lae oa?
3:19b.HEB.003.019 Ale míekpɔe kɔtɛe be womete ŋu age ɖe dzudzɔ la me o le woƒe dzimaxɔse ta.
4
4:1b.HEB.004.001 Eya ta esi eƒe dzudzɔmeyiyi ƒe ŋugbedodo gali ta la, mina míakpɔ nyuie be metsi mía dometɔ aɖeke ŋuti o.
4:2b.HEB.004.002 Elabena wogblɔ nyanyui la na mí abe alesi ke wogblɔe na woawo hã ene. Gake nya si wose la, meɖe vi na wo o elabena ame siwo see la mexɔe se o.
4:3b.HEB.004.003 Azɔ, mí ame siwo xɔe se la ge ɖe dzudzɔ ma me abe ale si Mawu ŋutɔ gblɔe ene be, “Eya ta meka atam le nye dziku me be, womage ɖe nye dzudzɔƒe la me akpɔ o.” Ke hã la ewu eƒe dɔ la nu tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me ke.
4:4b.HEB.004.004 Elabena eƒo nu tso ŋkeke adrea gbe ŋu le teƒe aɖe gblɔ be, “Eye le ŋkeke adrelia dzi la Mawu dzudzɔ eɖokui tso eƒe dɔwɔnawo katã me.”
4:5b.HEB.004.005 Le nya sia ke me la egagblɔ be “Womage ɖe nye dzudzɔƒe la me gbeɖe o.”
4:6b.HEB.004.006 Edze ƒã be ame aɖewo age ɖe dzudzɔ ma me godoo, gake ame siwo wogblɔ nyanyui la na do ŋgɔ la mete ŋu geɖe eme o le woƒe tosesẽ ta.
4:7b.HEB.004.007 Eya ta Mawu gaɖo ŋkeke bubu anyi si wòyɔ be “Egbe.” Ewɔ esia ɣeyiɣi geɖee megbe esi woƒo nu na David abe ale si míegblɔe va yi ene be, “Egbe ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dziwo me o.”
4:8b.HEB.004.008 Elabena nenye ɖe Yosua kplɔ wo yi dzudzɔ la mee la, anye ne Mawu magaƒo nu tso ŋkeke bubu aɖeke ŋu emegbe o.
4:9b.HEB.004.009 Ekema dzudzɔ si woyɔna be Sabat dzudzɔ la li godoo na Mawu ƒe amewo.
4:10b.HEB.004.010 Ame sia ame si ge ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la, me la dzudzɔna tso eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo me, abe ale si Mawu hã dzudzɔe ene.
4:11b.HEB.004.011 Eya ta mina be míadze agbagba ɖe sia ɖe be míage ɖe dzudzɔ ma, me eye be ame aɖeke magatsi mɔta to tomaɖomaɖo me abe ŋgɔdoawo ene o.
4:12b.HEB.004.012 Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le dɔ wɔm. Eɖana wu hɛ nuevee ɖe sia ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luʋɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo.
4:13b.HEB.004.013 Naneke mele nuwɔwɔ blibo la me si le ɣaɣla ɖe Mawu o. Woklo nu le nu sia nu dzi eye wòle ƒeƒle le Mawu, ame si míava na akɔntae la ƒe ŋkume.
4:14b.HEB.004.014 Eya ta esi Osɔfogã, Mawu Vi Yesu, le mía, si, ame si yi dziƒo ta la, mina míalé xɔse si me míeʋu la me ɖe asi sesĩe.
4:15b.HEB.004.015 Elabena menye Osɔfogã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ Osɔfogã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖe koe nu vɔ̃ mele eya ŋu o.
4:16b.HEB.004.016 Eya ta mi na míate va Mawu ƒe amenuveve fiazikpui la gbɔ kple dzideƒo, be wòakpɔ nublanui na mí eye wòave mía nu akpe ɖe mía ŋu le míaƒe xaxaɣiwo.
5
5:1b.HEB.005.001 Wotiaa Osɔfogã ɖe sia ɖe tso amegbetɔwo dome eye wodea dɔ asi nɛ be wòanɔ ŋgɔ na yewo le mawusubɔsubɔ ƒe nyawo me eye wòatsɔ nunanawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo aɖo Mawu ŋkume.
5:2b.HEB.005.002 Osɔfogã sia tea ŋu gbɔa dzi ɖi na numanyala siwo le mɔ tram la esi eya ŋutɔ hã nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ le mɔ geɖewo nu.
5:3b.HEB.005.003 Esia tae wò le be wòasa vɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo ta. Ame aɖeke metsɔa bubu sia dea eɖokui ŋuti o; ele be Mawu nayɔe abe ale si wòyɔ Arɔn ene.
5:5b.HEB.005.005 Eya ta Kristo hã metsɔ Osɔfogã ƒe ŋutikɔkɔe da ɖe eɖokui dzi o ke boŋ Mawu gblɔ nɛ be, “Wòe nye vinyeŋutsu, egbe mezu Fofowò.”
5:6b.HEB.005.006 Egagblɔ le teƒe bubu be, “Enye Osɔfo tegbetegbe eye wò ɖoƒe sɔ kple Melkizedek tɔ”.
5:7b.HEB.005.007 Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kpakple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta.
5:8b.HEB.005.008 Togbɔ be eyae nye Mawu vi hã la, esrɔ̃ ɖokuibɔbɔ le fukpekpe siwo me wòto la,
5:9b.HEB.005.009 eye esi wowɔe blibo la, eva zu ɖeɖe mavɔ kpɔtsoƒe na ame siwo katã ɖoa toe.
5:10b.HEB.005.010 Eye Mawu ɖoe be wòanye Osɔfogã abe Melkizedek ene.
5:11b.HEB.005.011 Nya geɖewo li si wò le be míagblɔ le nu sia ŋu, gake esi mietea ŋu sea nu gɔme kabakaba o ta la esesẽ na be míaɖe nya siawo me na mi.
5:12b.HEB.005.012 Le nyateƒe me la, togbɔ be fifia ele be mianye nufialawo hã la, miegahiã ame aɖe kokoko be wòagagbugbɔ afia mi gɔmedzenuwo tso Mawu ƒe nya ƒe nyateƒewo ŋu. Miehiã notsi, ke menye nuɖuɖu sesẽ o!
5:13b.HEB.005.013 Ame sia ame si ganoa notsi esi wònye ɖevi ko ta la, mate ŋu ase nufiafia tso dzɔdzɔenyenye ŋuti gɔme o.
5:14b.HEB.005.014 Ke nuɖuɖu sesẽ nye ame tsitsiwo tɔ, ame siwo to eŋudɔwɔwɔ atraɖi me he wo ɖokuiwo be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.
6
6:1b.HEB.006.001 Eya ta mina míaɖe asi le gɔmedzenuwo fiafia tso Kristo ŋuti ŋu eye míaɖe zɔ ayi ɖe tsitsi ɖe edzi me. Migana míagbugbɔ gɔmeɖokpe aɖo na dzimetɔtrɔ tso nu siwo kplɔa ame yia kume la o, kple agbugbɔ gɔmeɖokpe agaɖo na xɔse le Mawu me,
6:2b.HEB.006.002 nufiafia tso mawutsideta ŋu, asidada ɖe ame dzi, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ŋuti o.
6:3b.HEB.006.003 Esia míawɔ ne Mawu lɔ̃.
6:4b.HEB.006.004 Ke ame siwo dze anyi la, ale ke woawɔ agbugbɔ wo va dzimetɔtrɔ me? Wonye ame siwo nɔ Mawu ƒe kekeli me kpɔ. Woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ eye wokpɔ gome hã le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me,
6:5b.HEB.006.005 ame siawo ɖɔ Mawu ƒe nya la ƒe nyonyo kple ŋusẽ siwo le dzidzime si gbɔna la me hã kpɔ.
6:6b.HEB.006.006 Ke wode megbe! Be woagbugbɔ wo ava dzimetɔtrɔ mee la nye nu sesẽ elabena to woƒe megbedede me, wogbugbɔ Mawu ƒe Vi la gale kaklãm ɖe ati ŋuti, eye wole ŋukpe domii le gaglãgbe.
6:7b.HEB.006.007 Anyigba si noa tsi si dzana ɖe edzi zi geɖe eye wòwɔa nuku nyuie na agbledela siwo ŋlɔa anyigba la, xɔa yayra tso Mawu gbɔ.
6:8b.HEB.006.008 Ke ne anyigba la mie ŋuwo kple aŋɔkawo la, meganyo na naneke o eye ŋɔdzi li be ele fiƒode te. Mlɔeba la, woatɔ dzoe.
6:9b.HEB.006.009 Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be míele nu ƒom alea hã la, kaka ɖedzi le mía si be nya siawo meku ɖe mia ŋu o. Ke boŋ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ le ku nyuiwo tsem le miaƒe agbe me.
6:10b.HEB.006.010 Mawu menye nuteƒemawɔla o, eya ta maŋlɔ dɔ nyui si míewɔ nɛ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fiae be míekpe ɖe eƒe amewo ŋu eye míegale nu siawo wɔm fifia la, be gbeɖe o.
6:11b.HEB.006.011 Enye míaƒe didi be mia dometɔ ɖe sia ɖe nalé nu siawo wɔwɔ me ɖe asi va se ɖe nuwuwu kple ŋkubia ale be miaƒe mɔkpɔkpɔ na de blibo.
6:12b.HEB.006.012 Míedi be ame aɖeke nazu kuviatɔ o ke boŋ ame sia ame nasrɔ̃ ame siwo to xɔse kple dzigbɔɖi me nyi nu si ŋugbe wodo na wo la ƒe dome ƒe kpɔɖeŋu.
6:13b.HEB.006.013 Esi Mawu do ŋugbe na Abraham eye ame aɖeke meli lolo wui wòayɔ aka atam o ta la, eta eya ŋutɔ ɖokui,
6:14b.HEB.006.014 hegblɔ bena, “mayra wò godoo eye mana dzidzimevi geɖewo wò.”
6:15b.HEB.006.015 Ale, esime Abraham gbɔ dzi ɖi blewuu la, ŋugbedodo sia va eme nɛ pɛpɛpɛ.
6:16b.HEB.006.016 Ne ame aɖe be yeaka atam la, eyɔa ame bubu si ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ kɔ wu eya ŋutɔ tɔ la ka atam lae heɖoa kpe nya si wògblɔ la dzi eye wòtsia nyaʋiʋli ɖe sia ɖe nu.
6:17b.HEB.006.017 Esi wònye be Mawu di be yeana eme nakɔ nyuie na ŋugbedodo ƒe domenyilawo be nu si ƒe ŋugbe yedo matrɔ o ta la, eka atam tsɔ ɖo kpe eƒe ŋugbedodo la dzi.
6:18b.HEB.006.018 Mawu wɔ esia ale be, to nu eve siwo metrɔna o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le gbeɖe o la dzi, mí ame siwo si yi ɖaku ɖe mɔkpɔkpɔ si wona mí la ŋu la nakpɔ dziɖeƒo gã aɖe.
6:19b.HEB.006.019 Mɔkpɔkpɔ sia le mía si abe luʋɔ ƒe seke sesẽ si maʋa akpɔ o la ene. Ete ŋu gena ɖe Kɔkɔeƒe le xɔmetsovɔ la godo
6:20b.HEB.006.020 afi si Yesu ame si do ŋgɔ na mí la ge ɖo ɖe mía nu. Eya va zu Osɔfogã abe Melkizedek ene tegbee.
7
7:1b.HEB.007.001 Melkizedek sia enye Salem fia kple Osɔfogã na Mawu, dziƒoʋĩtɔ la. Esi Abraham trɔ tso aʋagbedzi, afi si wòɖu fia geɖewo dzi le, gbɔna la, Melkizedek va kpee eye wòyrae.
7:2b.HEB.007.002 Le esia megbe la, Abraham ma nu siwo katã wotsɔ tso aʋagbedzi gbɔe la ɖe akpa ewo me eye wòtsɔ akpa ɖeka na Melkizedek. Melkizedek ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Dzɔdzɔenyenye, ƒe fia. Eye eya kee nye Ŋutifafa Fia, elabena du si me wònye fia lee nye Salem si gɔmee nye “Ŋutifafa.”
7:3b.HEB.007.003 Fofo kple dada mele Melkizedek si o, eye nuŋlɔɖi aɖeke meli tso tɔgbuiawo ŋuti o. Dzigbe alo kugbe meli nɛ o ale eƒe agbe ɖe ko wòle abe Mawu Vi la tɔ ene, ame si nye Osɔfo tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
7:4b.HEB.007.004 Mibu ale si wònye gãe la ŋuti kpɔ. Abraham, xɔsetɔwo fofo, gɔ̃ hã tsɔ eƒe afunyinuwo ƒe ewolia nɛ!
7:5b.HEB.007.005 Azɔ la, se la bia tso Levi viwo ame siwo nye Osɔfowo la si be woaxɔ nu ewolia le woƒe dukɔmeviwo si, ame siwo nye wo nɔviwo, togbɔ be wo nɔviawo nye Abraham ƒe dzidzimeviwo hã.
7:6b.HEB.007.006 Ke ŋutsu sia, Melkizedek, menye Levi ƒe dzidzimevi o, ke hã la, exɔ nu ewolia le Abraham si eye wòyra eya ame si xɔ Mawu ƒe ŋugbedodoawo
7:7b.HEB.007.007 abe ale si ame sia ame nya ene la, zi geɖe la ame si naa yayra la kɔna wua ame si yram wòle.
7:8b.HEB.007.008 Ame siwo nye Osɔfowo esi woxɔ nu ewolia la nye amegbetɔwo, ŋutilã kple ʋu, si kuna. Ke hena Melkizedek ya la, wogblɔ le eŋuti be egale agbe.
7:9b.HEB.007.009 Míate ŋu agblɔ le Levi, ame si xɔ nu ewolia ŋuti gɔ̃ hã be exe nu ewolia to Abraham dzi,
7:10b.HEB.007.010 elabena esi Melkizedek do go Abraham la, Levi nɔ tɔgbuia, Abraham, ƒe alime.
7:11b.HEB.007.011 Elabena to Levi viwo ƒe Osɔfodɔwɔwɔ dzi, wona Se la Israelviwo. Azɔ la, nenye be Levi viwo ƒe Osɔfodɔwɔwɔ ɖe wòde blibo la, magahiã be woatsɔ Osɔfo bubu vɛ o, ame si nye Osɔfo le Melkizedek ƒe ɖoɖo nu, ke menye le Arɔn ƒe ɖoɖo nu o.
7:12b.HEB.007.012 Elabena ne tɔtrɔ va Osɔfoɖuɖu ŋuti la, ele be tɔtrɔ nava Se la hã me.
7:13b.HEB.007.013 Eya ame si ŋu wogblɔ nu siawo katã le la tso to bubu me eye ame aɖeke metso to ma me kpɔ subɔ abe Osɔfo ene le vɔsamlekpui la ŋgɔ o,
7:14b.HEB.007.014 elabena eme kɔ ƒãa be míaƒe Aƒetɔ la dzɔ tso Yuda ƒe to la me, eye ku ɖe to ma ŋuti la, Mose megblɔ nya aɖeke ku ɖe woƒe Osɔfoɖuɖu ŋuti o.
7:15b.HEB.007.015 Eye nu si míegblɔ la, me agakɔ ɖe edzi wu ne Osɔfo bubu abe Melkizedek ene va ɖo,
7:16b.HEB.007.016 ame si va zu Osɔfo, menye to ɖoɖo si wowɔ da ɖi, ku ɖe eƒe dzɔtsoƒe ŋuti o, ke boŋ ku ɖe ŋusẽ si le agbe si mekuna o la dzi.
7:17b.HEB.007.017 Psalmoŋlɔla ɖe nu sia fia mi kɔtee esi wògblɔ tso Kristo ŋuti bena, “Wòe nye Osɔfo le Melkizedek ƒe ɖoƒe nu tso mavɔ me yi mavɔ me.”
7:18b.HEB.007.018 Wotsɔ ɖoɖo gbãtɔ si wowɔ la da ɖe aga elabena egbɔdzɔ eye menyo na naneke o,
7:19b.HEB.007.019 elabena Mose ƒe Se la mate ŋu awɔ naneke wòade blibo o, eye azɔ la, wohe mɔkpɔkpɔ yeye vɛ to esia dzi míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu kpokploe.
7:20b.HEB.007.020 Mawu ƒe atamkaka kpe ɖe esiawo katã ŋu, ke ame bubuwo ya ɖua Osɔfo atamkakamanɔmee,
7:21b.HEB.007.021 ke Yesu ya ɖu Osɔfo to Mawu ƒe atamkaka me, elabena Mawu gblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ la ka atam eye matrɔ eƒe susu o, ‘Wò la, Osɔfoe nènye tegbetegbe.’”
7:22b.HEB.007.022 Le atamkaka sia ta la, Yesu va zu nubabla si nyo wu sãa la ƒe kpeɖodzinu.
7:23b.HEB.007.023 Vovototo bubu si le Osɔfo mawo kple Yesu domee nye be Osɔfo mawo sɔ gbɔ elabena woku eye womagate ŋu ayi woƒe dɔ dzi o
7:24b.HEB.007.024 gake Yesu ya le agbe tegbetegbe. Seɖoƒe meli na eya ƒe Osɔfodɔ o.
7:25b.HEB.007.025 Eya ta ŋusẽ le esi be wòaɖe ame siwo va Mawu gbɔ to eya amea dzi la blibo, elabena ele agbe tegbee le nya xɔm ɖe akɔ na wo.
7:26b.HEB.007.026 Ekema Yesue nye Osɔfogã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛ, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo gbɔ eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui.
7:27b.HEB.007.027 Mele abe Osɔfogã bubuwo ene o elabena mehiã be wòasa vɔ gbe sia gbe, gbã ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye evelia, ɖe ame bubuwo tɔ ta o. Esa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, esi wòtsɔ eɖokui hena.
7:28b.HEB.007.028 Elabena Mose ƒe Se la tɔ asi ame siwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la dzi be woanye Osɔfogãwo, ke Mawu ƒe atamkaka si va ɖe Sea yome la tɔ asi Via dzi, ame si wòwɔ wòde blibo tegbetegbe.
8
8:1b.HEB.008.001 Nya siwo katã míegblɔ na mi la ƒe taƒonyae nye esi: bena Osɔfogã vavã le mía si. Azɔ la ele dziƒo eye wònɔ anyi ɖe bubuteƒe gãtɔ kekeake,
8:2b.HEB.008.002 eyae subɔna le gbedoxɔ vavãtɔ si le dziƒo la me. Gbedoxɔ sia menye esi amegbetɔ tsɔ eƒe asi tui o, ke boŋ Aƒetɔ la ŋutɔe tui.
8:3b.HEB.008.003 Esi wònye Osɔfogã ɖe sia ɖe ƒe dɔ be woasa vɔ eye wòana nuwo la, ele na Kristo hã be woana nane.
8:4b.HEB.008.004 Nenye ɖe wòle anyigba dzi la, maɖu Osɔfo o elabena Osɔfowo li xoxo, ame siwo tsɔa nunanawo nana le Yudatɔwo ƒe se la nu.
8:5b.HEB.008.005 Osɔfo siawo subɔna le Kɔkɔeƒe la, si nye esi le dziƒo la ƒe vɔvɔlĩ. Esia tae, esi Mose be yeatu Agbadɔ le gbea dzi la, Mawu xlɔ̃ nui be, “Kpɔ egbɔ be nãwɔ nu sia nu ɖe ɖoɖo si woɖe fia wò le toa dzi la nu.”
8:6b.HEB.008.006 Ke Osɔfodɔ si wode asi na Yesu la, kɔ sãa wu wo tɔ eye abe ale si nubabla si ƒe avuléla wònye la kɔ wu xoxotɔ sãa ene la, nenema kee woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo siwo nyo wu tsãtɔwo la dzi.
8:7b.HEB.008.007 Elabena nenye ɖe naneke megblẽ le nubabla gbãtɔ ŋu o la, anye ne wometsɔ nubabla bubu ɖɔ lii o.
8:8b.HEB.008.008 Ke Mawu ŋutɔ kpɔ vodada le eƒe dukɔ la ŋu eye wògblɔ bena, “Aƒetɔ la be, ŋkekewo li gbɔna esi dzi mabla nu yeye kple Israel kpakple Yuda ƒe aƒewo.
8:9b.HEB.008.009 Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo esi melé woƒe alɔnu, kplɔ wo do goe le Egipte la ene o, elabena womewɔ nuteƒe le nu si mebla kpli wo la me o, eya ta nye hã metrɔ megbe de wo. Aƒetɔ lae gblɔe.
8:10b.HEB.008.010 Azɔ la esiae nye nu si mabla kple Israel ƒe aƒe la, le ŋkeke siwo gbɔna la me. Aƒetɔ lae gblɔe. Matsɔ nye sewo ade woƒe susuwo me eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo ŋu. Manye woƒe Mawu eye woawo hã woanye nye dukɔ.
8:11b.HEB.008.011 Ame aɖeke magafia nu ehavia alo afia nu nɔviaŋutsu agblɔ be, ‘Dze si Aƒetɔ la’ o, elabena wo katã woanyam tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi.
8:12b.HEB.008.012 Matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ake wo eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.”
8:13b.HEB.008.013 Ke esi Mawu yɔ nubabla sia be “Yeye” la, ewɔ gbãtɔ wòdo xoxo eye nu si tsi, do xoxo la, nu ava yi kpuie.
9
9:1b.HEB.009.001 Azɔ la, nubabla gbãtɔ ɖo ɖoɖowo anyi na subɔsubɔ eye wotu anyigbadzi Kɔkɔeƒe hã.
9:2b.HEB.009.002 Wotu Agbadɔ; le Agbadɔ la ƒe xɔ gbãtɔ me la, akaɖiti, kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo nɔ anyi eye woyɔ teƒe sia be Kɔkɔeƒe.
9:3b.HEB.009.003 Wotsɔ xɔmetsovɔ tso xɔ sia mee eye woyɔa teƒe si le xɔmetsovɔa megbe la be, Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe.
9:4b.HEB.009.004 Nu siwo le xɔ sia mee nye Sikavɔsamlekpui kple aɖaka si woyɔna be Nubablaɖaka, wofa sika ɖe aɖaka sia ŋuti kpe ɖo. Le aɖaka sia me la, míakpɔ kpe eve siwo dzi woŋlɔ se ewoawo ɖo, eye sikakplu si me mana le la hã le aɖaka la me hekpe ɖe Arɔn ƒe atikplɔ si ƒo se la ŋuti.
9:5b.HEB.009.005 Ŋutikɔkɔkɔe ƒe Kerubiwo nɔ Nubablaɖaka la tame eye wokeke woƒe aʋalawo ɖe teƒe si wotsɔa nu vɔ̃ kena le. Ke míate ŋu adzro nya siawo me ayi edzi fifia o.
9:6b.HEB.009.006 Ne nu sia nu sɔ gbe vɔ la, Osɔfowo gena ɖe xɔ ŋgɔgbetɔ me ɖaa edzi edzi eye wowɔa mawusubɔsubɔdɔ.
9:7b.HEB.009.007 Ke Osɔfogã ɖeka koe gena ɖe xɔ emetɔ me eye wòwɔa esia zi ɖeka ko le ƒe ɖeka me. Ne eyina la, megbea ʋu tsɔtsɔ ɖe asi o, ʋu si wòtsɔna saa vɔe, ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya me la ta.
9:8b.HEB.009.008 Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖee fia to esia dzi be womeklo nu le mɔ si yi Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la dzi haɖe o, zi ale si Agbadɔ gbãtɔ la gale te nu ko.
9:9b.HEB.009.009 Esiae nye nufiafia tso fifia ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti esi le asi tɔm edzi be nunana kple vɔsa siwo wowɔna na Mawu la, mate ŋu aɖe vɔ̃ ɖa le ame si le subɔsubɔ wɔm la ƒe susu me o.
9:10b.HEB.009.010 Wonye nuɖuɖu, nunono kple ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu vovovowo ko ƒe nya, esiwo nyegotadzesiwo ƒe ɖoɖowo, esiwo nɔ anyi va se ɖe esime ɖoɖo yeyea va.
9:11b.HEB.009.011 Esi kristo va abe nu nyui siwo li xoxo ƒe Osɔfogã ene la, eto gbedoxɔ si lolo hede blibo wu la me, gbedoxɔ si wometsɔ asi tui o alo míagblɔ be menye nuwɔwɔ la ƒe akpa aɖe o.
9:12b.HEB.009.012 Mege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me to gbɔ̃wo kple nyiviwo ƒe ʋu me o, ke boŋ ege ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ hena ɣeyiɣiwo katã to eya ŋutɔ ƒe ʋu me, esia me wòto xɔ ɖeɖe mavɔ na mí.
9:13b.HEB.009.013 Nenye be gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu kpakple nyiviwo ƒe afi si wohlẽ ɖe ame siwo ŋuti mekɔ o la ŋu wɔnɛ be woƒe ŋuti kɔna le gotagome la,
9:14b.HEB.009.014 ekema geɖe wu Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la, ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vɛ la me, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la.
9:15b.HEB.009.015 Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la eku be wòazu fe xexeɖeta aɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ le nubabla xoxoa te.
9:16b.HEB.009.016 Afi si woŋlɔ domenyigbalẽ da ɖi le la, ehĩa be ame si ŋlɔ agbalẽ sia naku hafi,
9:17b.HEB.009.017 elabena wowɔa domenyigbalẽa me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔe da ɖi la megava li o. Womewɔa domenyigbalẽ me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔ agbalẽa la le agbe o.
9:18b.HEB.009.018 Esia tae womewɔ nubabla gbãtɔ me nyawo dzi ʋu manɔmee o.
9:19b.HEB.009.019 Esi Mose ɖe gbeƒã se ɖe sia ɖe si le segbalẽa me na dukɔ la la, etsɔ nyiviwo ƒe ʋu, tsi, ɖetifufu dzẽ kple ƒumekutsa eye wòtsɔe hlẽ ʋu ɖe segbalẽ kple dukɔ haho la ŋuti.
9:20b.HEB.009.020 Tete wògblɔ bena, “Esia nye nubabla la ƒe ʋu, nubabla si Mawu de se na mi be mialé ɖe asi.”
9:21b.HEB.009.021 Nenema ke wòhlẽ ʋu ɖe agbadɔ la kple nu siwo katã ŋuti dɔ wowɔna le subɔsubɔ me la ŋuti.
9:22b.HEB.009.022 Le nyateƒe me se la bia be woakɔ nu sia nu kloe ŋuti kple ʋu, eye newomekɔ ʋu ɖi o la nu vɔ̃ tsɔtsɔke manɔ anyi o.
9:23b.HEB.009.023 Eya ta ehĩa kokoko be woakɔ nu siwo nye dziƒonuwo ƒe vɔvɔli ŋuti kple vɔsa siawo, gake woakɔ dziƒonuawo ŋutɔ ŋu kple vɔsa siwo de ŋgɔ wu esiawo.
9:24b.HEB.009.024 Elabena Kristo meyi ɖe Kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi la me esi nye dziƒotɔ ƒe vɔvɔli la me o, ke boŋ eyi ɖe dziƒotɔ la ŋutɔ me afi si wodo ɖe Mawu ŋkume le azɔ ɖe mía teƒe
9:25b.HEB.009.025 Nenema ke meyi ɖe dziƒo be wòatsɔ eɖokui ana zi geɖe abe ale si Osɔfogã la gena ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe sia ƒe kple ʋu si menye eya ŋutɔ tɔ o la ene o.
9:26b.HEB.009.026 Ne ele alea la ele na Kristo be wòatsɔ eɖokui ana fukpekpe zi geɖe tso esi me ke woɖo xexea me gɔme anyi, gake azɔ la eva zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã le ɣeyiɣi siawo ƒe nuwuwu be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa to eɖokui tsɔtsɔ savɔe me.
9:27b.HEB.009.027 Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la,
9:28b.HEB.009.028 nenema ke wotsɔ Kristo hã savɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ ɖa eye agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu vɔ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe vɛ na ame siwo katã le elalam.
10
10:1b.HEB.010.001 Se la nye nu nyui siwo gbɔna la ƒe vɔvɔli ko eye menye nua ŋutɔwo o. Le susu sia ta la, vɔsa siwo wowɔna agbadre ƒe sia ƒe la, mate ŋu awɔ ame siwo va subɔnɛ la blibo gbeɖe o.
10:2b.HEB.010.002 Ne ɖe vɔsa mawo te ŋu wɔ wo blibo la, ne womedzudzɔ vɔsasa oa? Elabena, anye ne vɔsa la kɔ ame siwo sanɛ la ŋuti zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã eye woƒe dzitsinyawo magabu fɔ wo le woƒe nu vɔ̃wo ta o.
10:3b.HEB.010.003 Ke vɔsa mawo ɖoa ŋku nu vɔ̃ dzi na ameawo ƒe sia ƒe,
10:4b.HEB.010.004 elabena mele bɔbɔe be nyitsuwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu naɖe nu vɔ̃ ɖa o.
10:5b.HEB.010.005 Eya ta esi Kristo va xexeame la egblɔ bena. “Mèdi vɔsa kple numemewo o, ke boŋ ŋutilã si nèdzra ɖo ɖi nam;
10:6b.HEB.010.006 eye numevɔsa kple nu vɔ̃ vɔsawo hã medzea ŋuwò o.
10:7b.HEB.010.007 Tete megblɔ be, ‘Nyee nye esi, woŋlɔ nu tso ŋutinye le lagbalẽgbalẽ me be, O Mawu, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.’”
10:8b.HEB.010.008 Gbã la egblɔ be, “Vɔsawo, numemewo kple numevɔsawo kpakple nu vɔ̃ vɔsawo la medi wo o eye womedzea ŋuwò hã o.” Togbɔ be se la bia be woawɔ wo hã.
10:9b.HEB.010.009 Tete wògblɔ bena, “Nyee nye esi, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.” Ale wòɖe se gbãtɔ la ɖa be wòaɖo evelia anyi.
10:10b.HEB.010.010 Eye to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me wowɔ mí kɔkɔe to Yesu Kristo ƒe ŋutilã si wòtsɔ sa vɔe hena ɣeyiɣiwo katã la me.
10:11b.HEB.010.011 Osɔfo la wɔa eƒe vɔsasadɔwo gbe sia gbe eye nenema ke wòwɔ vɔsa mawo ke edziedzi, vɔsa siwo mate ŋu aɖe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o.
10:12b.HEB.010.012 Ke esi Osɔfo sia ya sa vɔ ɖe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la eyi ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusime.
10:13b.HEB.010.013 Tso ɣemaɣi la ele lalam be woatsɔ eƒe futɔwo awɔ eƒe afɔɖodzinui.
10:14b.HEB.010.014 Elabena to vɔsa ɖeka si wòwɔ me la ewɔ ame siwo ŋuti kɔm wòle la blibo tegbegbe le Mawu ƒe ŋkume.
10:15b.HEB.010.015 Gbɔgbɔ Kɔkɔe hã ɖi ɖase tso esia ŋuti; gbã la egblɔ bena,
10:16b.HEB.010.016 “Esia nye nu si mabla kpli wo le ɣeyiɣi ma megbe, Yehowae gblɔe. Matsɔ nye sewo ade woƒe dziwo me eye maŋlɔ wo ɖe woƒe susuwo me.”
10:17b.HEB.010.017 Egagblɔ kpe ɖe eŋu be, “Nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo dzi azɔ o.”
10:18b.HEB.010.018 Eye afi si wotsɔ nu siawo ke le la vɔsasa ɖe nu vɔ̃ ta megahĩa o.
10:19b.HEB.010.019 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esi me kakaɖedzi le mía si be míage ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la to Yesu ƒe ʋu me ŋuti la,
10:20b.HEB.010.020 eʋu mɔ yeye kple mɔ gbagbe na mí to xɔmetsovɔ si nye eƒe ŋutilã la me.
10:21b.HEB.010.021 Eye esi Osɔfogã le mía si le Mawu ƒe aƒe nu ta la,
10:22b.HEB.010.022 mina míate ɖe Mawu ŋu le dzi vavã me kple xɔse ƒe kakaɖedzi blibo la me kple dzi siwo ŋu wohlẽ ʋu ɖo be wòaklɔ mía ŋuti tso dzitsinya vɔ̃ɖiwo me, eye wòale tsi na míaƒe ŋutilãwo kple tsi zɔzrɔ̃e.
10:23b.HEB.010.023 Mina míalé mɔkpɔkpɔ si me míeʋu la me ɖe asi maʋãmaʋãe elabena ame si do ŋugbea la nye nuteƒewɔla.
10:24b.HEB.010.024 Eye mina míabu ale si míado ŋusẽ mía nɔewo la ŋuti be woayi dzi le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.
10:25b.HEB.010.025 Migana míagbɔ dzɔ le míaƒe takpeƒewo dede me o, abe ale si ame aɖewo tsɔe ɖo dɔe nɔ kuvia wɔm ene o, ke boŋ mina míade dzi ƒo na mía nɔewo vevietɔ esi mienyae be eƒe ŋkeke la te tu aƒe kpokploe.
10:26b.HEB.010.026 Ne míebua le nu vɔ̃ wɔwɔ dzi, esi míenya nyateƒe la vɔ megbe la, vɔsasa ɖe nu vɔ̃wo ta aɖeke megali o,
10:27b.HEB.010.027 ke nu si ko míanɔ mɔ kpɔm na le ŋɔdzi gã aɖe me lae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzobibi si ava fiã Mawu ƒe futɔwo.
10:28b.HEB.010.028 Ame sia ame si ada le Mose ƒe se dzi la, woƒua kpee nublanuimakpɔmakpɔtɔe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ ƒe nya nu.
10:29b.HEB.010.029 Tohehe gã kae miesusu be mehedze na ame si titi afɔ ɖe Mawu ƒe Vi la dzi oa? Ame si do ŋunyɔ nubabla la ƒe ʋu si klɔ eŋuti la abe nu makɔmakɔ wònye ene eye wodzu amenuveve ƒe Gbɔgbɔ la?
10:30b.HEB.010.030 Elabena míenya ame si gblɔ be, “Hlɔ̃biabia la tɔnyee, maɖo eteƒe nɛ,” egagblɔ hã be, “Aƒetɔ la adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ la.”
10:31b.HEB.010.031 Enye ŋɔdzinu be ame aɖe nage ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me.
10:32b.HEB.010.032 Miɖo ŋku ŋkeke siwo do ŋgɔ la dzi esi miexɔ kekeli la vɔ la mienɔ te sesĩe to ʋiʋli geɖewo me mieto fukpekpe hã me kalẽtɔe.
10:33b.HEB.010.033 Ɣeaɖewoɣi la wodzua mi le gaglã gbe eye wotia mia yome, ɣebubuɣiwo la mienɔ te kpe ɖe ame siwo nɔ xaxa mawo ke me la ŋuti.
10:34b.HEB.010.034 Miefa konyi kple ame siwo wode gaxɔ me eye esi woxɔ miaƒe nunɔamesiwo le mia si akpasesẽtɔe la miexɔe kple dzidzɔ, elabena miawo ŋutɔ mienyae be nunɔamesi siwo nyo saã wu eye womenyunyɔna o la le mia si.
10:35b.HEB.010.035 Eya ta dzi megaɖe le mia ƒo o elabena miaƒe dzideƒo ahe fetu geɖe vɛ na mi.
10:36b.HEB.010.036 Ele be miado vevie ale be ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la miaxɔ nu si ƒe ŋugbe wòdo.
10:37b.HEB.010.037 Elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, “Ame si gbɔna la ava ɖo matsi megbe o.
10:38b.HEB.010.038 Ke nye dzɔdzɔetɔ la anɔ agbe to xɔse me. Ke ne ede megbe la nyemakpɔ dzidzɔ le eŋuti o.”
10:39b.HEB.010.039 Ke míawo ya míele abe ame siwo de megbe eye wotsrɔ̃ la ene o, ke boŋ míenye ame siwo xɔe se eye míekpɔ ɖeɖe.
11
11:1b.HEB.011.001 Azɔ la xɔse nye kaka ɖe nu siwo míekpɔ mɔ na la dzi kple dziɖoɖo ɖe nu siwo míekpɔna o la ŋu.
11:2b.HEB.011.002 To xɔse mee ame siwo do ŋgɔ la kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le Mawu gbɔ le.
11:3b.HEB.011.003 To xɔse me míese egɔme be Mawu ɖe gbe eye xexeame va dzɔ ale be wowɔ nu si wokpɔna la tso nu si wowekpɔna o la me.
11:4b.HEB.011.004 To xɔse me Abel tsɔ vɔsasa si nyo wu Kain tɔ la na Mawu. To xɔse me wokafui be enye ame dzɔdzɔe esi Mawu ƒo nu nyui tso eƒe vɔsa la ŋu. To xɔse me wògale nu ƒom ko togbɔ be eku hã.
11:5b.HEB.011.005 To xɔse me wokɔ Enɔk dzoe tso agbe sia me ale be meɖɔ ku kpɔ o, ale womegakpɔe o elabena Mawu kɔe dzoe. Elabena hafi wokɔe dzoe la wogblɔ tso eŋu be Mawu kpɔ ŋudzedze le eya amea ŋuti.
11:6b.HEB.011.006 Xɔse manɔmee la ame aɖeke mate ŋu adze Mawu ŋu o, elabena ame si va Mawu gbɔ la ele be wòaxɔe se be Mawu li eye wòɖoa eteƒe na ame siwo dinɛ vevie.
11:7b.HEB.011.007 To xɔse me esi woxlɔ̃ nu Noa tso nu siwo mekpɔ dzɔ haɖe o ŋuti la etsɔ vɔvɔ̃ kɔkɔe kpa aɖakaʋu be wòaɖe eya kple eƒe ƒomea. To eƒe xɔse me wòbu fɔ xexeame eye wòzu dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me la ƒe domenyila.
11:8b.HEB.011.008 To xɔse me esi woyɔ Abraham be wòayi teƒe si wòava xɔ wòazu eƒe domenyinu la, eɖo to eye wòyi, togbɔ be menya afi si yim wònɔ o hã.
11:9b.HEB.011.009 To xɔse me ewɔ nɔƒe ɖe ŋugbedodonyigba la dzi eye wònɔ afi ma abe amedzro si le dzronyigba dzi la ene, elabena enɔ avɔgbadɔwo me. Nenema kee nye Isak kple Yakɔb ame siwo hã nye ŋugbedodo ma ke ƒe domenyilawo kplii.
11:10b.HEB.011.010 Elabena Abraham nɔ mɔ kpɔm na du si Mawu ŋutɔ nye egɔmeɖola, aɖaŋuwɔla kple etula.
11:11b.HEB.011.011 To xɔse me esi Abraham tsi xɔ ƒe geɖe hã la, ete ŋu dzi vi. Nenema kee nye srɔ̃a, Sara, hã, ame si tsi ko tsã. To xɔse me Abraham zu fofo elabena Mawu ame si do ŋugbe nɛ la, bui nuteƒewɔlae.
11:12b.HEB.011.012 Ale to ame ɖeka sia dzi, ame si ŋu míate ŋu agblɔ le be megale ŋutsu me o la, dzidzime geɖe siwo sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔlĩ ŋu kple ƒutake ene la va dzɔ.
11:13b.HEB.011.013 Ame siawo katã va ku esime wogalé xɔse me ɖe asi ko. Womexɔ nu siwo ƒe ŋugbe wodo na wo la o, ɖe ko wokpɔ wo, do dzaa na wo le adzɔge eye woʋu eme be amedzrowo kple mɔzɔlawo yewonye le anyigba dzi le afi.
11:14b.HEB.011.014 Ame siwo gblɔ nya siawo tɔgbi la, ɖee fia be wole woawo ŋutɔ ƒe dedu dim.
11:15b.HEB.011.015 Nenye be du si me wotso la ŋuti bum wonɔ la, anye ne mɔnukpɔkpɔ anɔ wo si be woatrɔ ayi.
11:16b.HEB.011.016 Le esia teƒe la wole du si nyo wu esi nye dziƒotɔ la dim. Eya ta menye ŋukpe na Mawu be woayɔe be woƒe Mawu o, elabena edzra du nyui aɖe ɖo ɖi na wo.
11:17b.HEB.011.017 To xɔse me esi Mawu do Abraham kpɔ la, etsɔ via Isak be yeasa vɔe, eya ame si xɔ ŋugbedodoawo la, nɔ klalo be yeatsɔ viaŋutsuvi ɖeka hɔ̃ la asa vɔe,
11:18b.HEB.011.018 togbɔ be Mawu gblɔ nɛ be, “To Isak dzi la dzidzimevi siwo katã ƒe ŋugbe wodo na wò la ava dzɔ hã.”
11:19b.HEB.011.019 Abraham dze sii be Mawu ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre eye woate ŋu agblɔe ko be exɔ Isak tso ku me.
11:20b.HEB.011.020 To xɔse me Isak yra Yakɔb kple Esau, ku ɖe nu si woava nye le etsɔ me ŋuti.
11:21b.HEB.011.021 To xɔse me Yakɔb yra Yosef viŋutsuwo le esime eƒe kuɣi ɖo eye wòziɔ ɖe eƒe atitɔɖeŋu ŋuti hesubɔ Mawu.
11:22b.HEB.011.022 To xɔse me esime Yosef ƒe kuɣi ɖo la, eƒo nu tso Israelviwo ƒe gododo le Egipte ŋuti eye wògblɔ ɖoɖo tso eƒe ƒuwo ŋuti na wo.
11:23b.HEB.011.023 To xɔse me Mose dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃ sɔŋ le edzidzi vɔ megbe elabena wokpɔe dze sii be menye vidzĩ dzodzro aɖe koe wònye o eya ta womevɔ̃ na fia la ƒe se dzi dada o.
11:24b.HEB.011.024 To xɔse me esi Mose va tsi la, egbe be womayɔ ye be Farao vinyɔnu ƒe viŋutsu o
11:25b.HEB.011.025 ke boŋ elɔ̃ be yeakpe fu kple Mawu ƒe amewo wu be yease nu vɔ̃ ƒe vivi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
11:26b.HEB.011.026 Ebu vlododo le “Mesia” la ta nu xɔasi wu kesinɔnu siwo katã nɔ Egipte elabena enɔ mɔ kpɔm na eƒe fetu gã si nɔ ŋgɔgbe.
11:27b.HEB.011.027 To xɔse me Mose dzo le Egipte eye mevɔ̃ na fia la ƒe dziku o, ke boŋ edo vevi nu elabena ekpɔ eya, ame si womekpɔna kple ŋku o.
11:28b.HEB.011.028 To xɔse me Mose ɖo Ŋutitotoŋkekenyui kple ʋuhehlẽ la anyi ale be nugblẽla si wu ŋgɔgbeviwo la maka asi Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu o.
11:29b.HEB.011.029 To xɔse me Israelviwo tso Ƒu Dzĩ la abe anyigba ƒuƒui dzie wozɔ ene, gake esi Egiptetɔwo hã dze agbagba be yewoawɔ nenema la, wo katã tsi Ƒu Dzĩ la me.
11:30b.HEB.011.030 To xɔse me Yeriko ƒe gliwo mu esi Israelviwo ƒo xlãe ŋkeke adre.
11:31b.HEB.011.031 To xɔse me gbolo Rahab, esi wòxɔ ŋkutsalawo ta la, womewui kpe ɖe tosẽlawo ŋuti o.
11:32b.HEB.011.032 Đe wògahiã be mayi edzia? Ɣeyiɣi mele asinye be maƒo nu le Gideon, Barak, Samson, Yefta, David, Samuel kple nyagblɔɖila bubuwo ŋuti o,
11:33b.HEB.011.033 ame siwo to xɔse me xɔ fiaɖuƒewo, ɖu dzi le dzɔdzɔenyenye me eye woƒe asi su nu si ƒe ŋugbe wodo la dzi. Ame siawo de ga nu na dzatawo,
11:34b.HEB.011.034 tsi dzoƒeaɖewo nu eye wosi le yi nu, ame siwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ trɔ zu ŋusẽ, wozu kalẽtɔwo le aʋa me eye woɖu dzronyigbadziʋakɔwo dzi.
11:35b.HEB.011.035 Wogbɔ agbe nyɔnu siwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku eye wotsɔ wo na wo agbagbe. Wowɔ funyafunya ame bubuwo eye wogbe be womegana ablɔɖe yewo o ale be tsitretsitsi si nyo wu la nasu yewo si.
11:36b.HEB.011.036 Woɖu fewu le ame aɖewo ŋu, woƒo ɖewo kple atam ke wode ga bubuwo eye wode wo gaxɔ me.
11:37b.HEB.011.037 Woƒu kpe wo, wodze wo kple laxalaxa ɖe eve eye wowu wo kple yi. Wonɔ yiyim le alẽgbalẽwuwo kple gbɔ̃gbalẽwuwo me le ahedada gã aɖe me. Woti wo yome eye wosẽ ŋuta le wo ŋu,
11:38b.HEB.011.038 womeɖi naneke le xexe sia me o. Wonɔ tsaglãla tsam le gbedzi, towo dzi, agadowo me kple agakpetowo me le anyigba dzi.
11:39b.HEB.011.039 Woɖi ɖase nyui le ame siawo katã ŋuti le woƒe xɔse ta, ke hã la wo dometɔ aɖeke mexɔ nu si ƒe ŋugbe wodo la o.
11:40b.HEB.011.040 Mawu wɔ ɖoɖo si nyo wu la ɖe mía ŋuti, ale be ne wowɔ ɖeka kpli mí la hafi ko woade blibo.
12
12:1b.HEB.012.001 Eya ta esi ɖaseɖilawo ƒe ha gã aɖe ƒo xlã mí ta la, mina míaɖe mɔxenu ɖe sia ɖe kple nu vɔ̃ si bla mí sesĩe la ɖa eye mina míake duɖime si woɖo ɖi na mí la kple vevidodo.
12:2b.HEB.012.002 Mina míakpɔ Yesu dzi, ame si nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula, ame si le dzidzɔ si le ŋgɔ nɛ ta la, to atitsoga ƒe fu la me eye mebui ŋukpee o. Ale wòyi ɖanɔ Mawu ƒe fiazikpui la ƒe nuɖusime.
12:3b.HEB.012.003 Mibu fukpekpe gã si me wòto le nu vɔ̃ wɔlawo sime ŋu ale be miagagbɔdzɔ eye dzi naɖe le mia ƒo o.
12:4b.HEB.012.004 Le miaƒe ʋiʋli le nu vɔ̃ sime la, mieʋli va se ɖe esime miaƒe ʋu kɔ ɖi haɖe o.
12:5b.HEB.012.005 Ke mieŋlɔ dzideƒonya si yɔ mi be viŋutsuwo la be. Nya lae nye be, “Vinyeŋutsu, mègado vlo Aƒetɔ la ƒe amehehe eye dzi megaɖe le ƒowò ne eka mo na wò o,
12:6b.HEB.012.006 elabena Aƒetɔ la ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo eye wòhea to na ame sia ame si wòxɔ abe viaŋutsu ene.”
12:7b.HEB.012.007 Mito fukpekpe me abe miaƒe hehe ƒe akpa aɖe ene elabena Mawu le mia hem abe viaŋutsuwo ene elabena viŋutsu kae li ame si fofoa mehea to na o?
12:8b.HEB.012.008 Ame sia ame toa hehe me eya ta ne miawo mieto hehe me o la, ekema mienye viŋutsuvi vavãwo o, ke boŋ mienye ahasiviwo.
12:9b.HEB.012.009 Gawu la, anyigbadzifofowo le mía si, ame siwo naa hehe mí eye míetsɔ bubu naa wo ɖe eta. Geɖe wu la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe mía Fofo, gbɔgbɔmetɔ, te be míanɔ agbe!
12:10b.HEB.012.010 Míaƒe anyigbadzifofowo hea to na mí hena ɣeyiɣi kpui aɖe abe ale si wònyo na woe ene gake Mawu ya hea to na mí hena míaƒe nyonyo be míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me.
12:11b.HEB.012.011 Tohehe aɖeke meli si vivia ame nu o, ke boŋ evena, ke hã la, emegbe la, etsea dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa ƒe kuwo na ame siwo to tohehe la te.
12:12b.HEB.012.012 Eya ta mido ŋusẽ miaƒe abɔ siwo gbɔdzɔ kple miaƒe klo beliwo.
12:13b.HEB.012.013 Mita mɔ dzɔdzɔewo na miaƒe afɔwo ale be atatututɔ matsi mɔ ta o, ke boŋ wòakpɔ dɔyɔyɔ.
12:14b.HEB.012.014 Midze agbagba ɖe sia ɖe be mianɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔenyenyemanɔmee la ame aɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la o.
12:15b.HEB.012.015 Mikpɔ egbɔ be, Mawu ƒe amenuveve metsi ame aɖeke ŋu o eye mikpɔ nyuie be gbe vɔ̃ aɖeke meto ke ɖe mia dome esi ava zu aɖi vɔ̃ɖi anɔ fu ɖem na ame geɖewo ahaƒo ɖi wo o.
12:16b.HEB.012.016 Mikpɔ nyuie be ame aɖeke mezu ahĩawɔla alo anye mawumavɔ̃la abe Esau ene ame si tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye kple eŋu domenyinuwo dzra ɖe nuɖuɖu zi ɖeka ko ta la ene o.
12:17b.HEB.012.017 Abe ale si mienya nyuie ene la, esi wòva be yeanyi yayra sia ƒe dome emegbe la, wogbe enana. Mɔ aɖeke meli si dzi wòato be woatrɔ nu sia o, togbɔ be edi yayra sia kple aɖatsi hã.
12:18b.HEB.012.018 Menye to si ŋuti woate ŋu aka asii, to si le bibim kple dzo la gbɔe mieva o; mieva viviti, afudodo kple ahom gbɔ o.
12:19b.HEB.012.019 Menye kpẽɖiɖi, gbe si le nu ƒom ale be ame siwo see la ɖe kuku nɛ be megaƒo nu na yewo azɔ o la gbɔe mieva o;
12:20b.HEB.012.020 elabena womate ŋu awɔ ɖe gbe si woɖe na wo be, “Ne lã aɖe gɔ̃ hã ka asi to la ŋu la, ele be woaƒu kpee woaku la dzi o. ”
12:21b.HEB.012.021 Nukpɔkpɔ la dzi ŋɔ ale gbegbe be Mose gblɔ be, “Mele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃.”
12:22b.HEB.012.022 Ke mieva Zion to la gbɔ, dziƒo Yerusalem, si nye Mawu gbagbe la ƒe du la gbɔe mieva. Mieva mawudɔla akpe akpe siwo ƒo ƒu le dzidzɔ kpɔm la ƒe asaɖa me.
12:23b.HEB.012.023 Mieva ŋgɔgbevi la ƒe hame, ame si ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒo. Mieva Mawu, ame si nye amegbetɔwo katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la la gbɔ. Mieva ame dzɔdzɔe siwo wowɔ blibo la ƒe gbɔgbɔwo gbɔ,
12:24b.HEB.012.024 mieva Yesu, nubabla yeye la ƒe avuléla la gbɔ kple ʋuhehlẽ si ƒo nu nyuie wu Abel ƒe ʋu la gbɔ.
12:25b.HEB.012.025 Mikpɔ nyuie be miagagbe toɖoɖo ame si le nu ƒom la o. Nenye be womete ŋu si, esi wogbe toɖoɖo eya ame si xlɔ̃ nu wo le anyigba dzi la nu o la, ale ke míawo ya míate ŋu asii ne míegbe toɖoɖo ame si le nu xlɔ̃m mí tso dziƒo?
12:26b.HEB.012.026 Le ɣemaɣi me la, eƒe gbe ʋuʋu anyigba gake azɔ la edo ŋugbe be, “Magaʋuʋu menye anyigba ɖeɖe ko o, ke boŋ dziƒowo hã”
12:27b.HEB.012.027 Nyagbe, “ake” ɖee fia be woaɖe nu si woate ŋu aʋuʋu la ɖa, nu siwo nye nuwɔwɔwo ale be nu siwo womate ŋu aʋuʋu o la ɖeɖe ko natsi anyi.
12:28b.HEB.012.028 Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la, mina míada akpe ɖe eta eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me,
12:29b.HEB.012.029 elabena dzo si fiaa nu lae nye míaƒe Mawu la.
13
13:1b.HEB.013.001 Minɔ mia nɔewo lɔlɔ̃ dzi ɖaa abe dadaviwo ene
13:2b.HEB.013.002 Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o; to esia wɔwɔ me ame aɖewo xɔ mawudɔlawo le manyamanya me
13:3b.HEB.013.003 miɖo ŋku ame siwo wode gaxɔme la dzi abe miawo hãe le gaxɔme kpli wo ene. Nenema ke miɖo ŋku ame siwo wole fu wɔmii la dzi abe miawo hãe le fua kpem ene.
13:4b.HEB.013.004 Ame sia ame nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu eye womaƒo ɖi srɔ̃ɖeba o elabena Mawu abu fɔ ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo katã.
13:5b.HEB.013.005 Mite mia ɖokuiwo ɖa xaa tso galɔlɔ̃ gbɔ eye nu si le mia si la nedze mia ŋu elabena Mawu gblɔ be, “Nyemaɖe asi le mia ŋu akpɔ o eye nyemagblẽ mi ɖi akpɔ gbeɖe o.”
13:6b.HEB.013.006 Esia ta míegblɔ kple dzideƒo be, “Yehowae nye nye xɔnametɔ, nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm?”
13:7b.HEB.013.007 Miɖo ŋku miaƒe kplɔlawo dzi, ame siwo gblɔa Mawu ƒe nya na mi. Mibu nu siwo do go tso woƒe agbenɔnɔ me la ŋuti ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.
13:8b.HEB.013.008 Yesu Kristo metrɔna gbeɖe o, ale si wònɔ etsɔ si va yi, nenema kee wòle egbe eye nenema kee wòanɔ ɖaa.
13:9b.HEB.013.009 Migana nufiafia trama aɖeke nakplɔ miaƒe susuwo adzoe o. Enyo be woatsɔ amenuveve ado ŋusẽ miaƒe dziwo ke menye to nuɖuɖu tɔxɛ aɖewo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, esiwo mehea viɖe aɖeke vanɛ na ame siwo ɖunɛ la o.
13:10b.HEB.013.010 Vɔsamlekpui aɖe le mia si; Osɔfo siwo subɔna le Agbadɔ me gɔ̃ hã mekpɔ mɔ aɖu nu si tso vɔsamlekpui sia dzi o.
13:11b.HEB.013.011 Osɔfogã la tsɔa lãwo ƒe ʋu yina ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene, gake wotɔa dzo lãawo ŋutɔ le asaɖa la godo.
13:12b.HEB.013.012 Esia tae Yesu hã kpe fu le du la ƒe agbo godo be wòakɔ eƒe amewo ŋu, awɔ wo kɔkɔe to eya ŋutɔ ƒe ʋu la me.
13:13b.HEB.013.013 Eya ta mina míayi egbɔ azɔ le asaɖa la godo be míawo hã míaɖu ŋukpe si wòtsɔ,
13:14b.HEB.013.014 elabena du si nɔa anyi ɖaa la, mele mía si le afii o, ke míele mɔ kpɔm na du si lava va.
13:15b.HEB.013.015 Eya ta mina míatsɔ kafukafuvɔsa na Mawu ɣesiaɣi to Yesu dzi, kafukafu siwo nye kutsetse tso nuyi siwo ʋua Yesu ƒe ŋkɔ me la me.
13:16b.HEB.013.016 Migaŋlɔ nyuiwɔwɔ be o eye miama nu kple mia nɔewo elabena vɔsa siawo tɔgbie dzea Mawu ŋu.
13:17b.HEB.013.017 Miɖo to miaƒe kplɔlawo eye miwɔ ɖe nu siwo wogblɔ na mi la dzi elabena wole mia ta kpɔm abe ame siwo wòle be woana akɔnta Mawu tso woƒe dɔwɔna ŋu ene. Miɖo to wo ale be woƒe dɔwɔwɔ nanye dzidzɔ na wo eye mazu agba na wo o; elabena ne ele alea la, manye kpekpeɖeŋu aɖeke na miawo hã o.
13:18b.HEB.013.018 Mido gbe ɖa ɖe mía ta ɣesiaɣi. Míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si eye míedina be míanɔ agbe bubutɔe ɣesiaɣi le nu sia nu me.
13:19b.HEB.013.019 Medi vevie be maƒoe ɖe mia nu tɔxɛ be miado gbe ɖa be woaɖe asi le ŋutinye na mi kpuie.
13:20b.HEB.013.020 Ŋutifafa ƒe Mawu la, ame si to nubabla mavɔ ƒe ʋu la me kplɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Alẽkplɔla gã la do goe tso ame kukuwo dome la,
13:21b.HEB.013.021 natsɔ nu nyui sia nu nyui akpe ɖe mia ŋuti le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ta eye wòawɔ nu si dze eŋu la le mía me to Yesu Kristo dzi, ame si ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
13:22b.HEB.013.022 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele eƒom ɖe mia nu be mialé to ɖe nye dzideƒonamenyawo ŋu elabena agbalẽ kpui aɖe koe wònye meŋlɔ na mi.
13:23b.HEB.013.023 Medi be mana mianya be woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu. Ne eva ɖo afi sia kaba la, nye kplii míava kpɔ mi ɖa.
13:24b.HEB.013.024 Mido gbe na miaƒe kplɔlawo katã kple Mawu ƒe ameawo katã. Nɔvi siwo tso Italia hã do gbe na mi.
13:25b.HEB.013.025 Amenuveve nanɔ anyi kple mi katã.
- Holder of rights
- Multilingual Bible Corpus
- Citation Suggestion for this Object
- TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. Hebrews (Ewe). Hebrews (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-972A-F