John (Ewe)

John (Ewe)

1

1:1b.JOH.001.001 Le gɔmedzedzea me la, Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya la nye Mawu.

1:2b.JOH.001.002 Eli kple Mawu le gɔmedzedzea me.

1:3b.JOH.001.003 To eya amea me wowɔ nuwo katã eye eya manɔmee la, womewɔ naneke si wowɔ o.

1:4b.JOH.001.004 Eya amea mee agbe le eye agbe siae nye amegbetɔwo ƒe kekeli.

1:5b.JOH.001.005 Kekeli la klẽ ɖe viviti me eye viviti la mete ŋu ɖu edzi o.

1:6b.JOH.001.006 Ame aɖe va tso Mawu gbɔ, eƒe ŋkɔe nye Yohanes.

1:7b.JOH.001.007 Ame sia va be yeaɖi ɖase tso Kekeli la ŋu, ale be to eya amea dzi la amewo katã naxɔ ase.

1:8b.JOH.001.008 Menye Yohanes ye nye Kekeli la o, eya la, ɖeko wòva be yeaɖi ɖase le Kekeli la ŋu.

1:9b.JOH.001.009 Kekeli vavã si aklẽ na amewo katã la le mɔ dzi gbɔna va xexeame.

1:10b.JOH.001.010 Eya amea nɔ xexeame gake xexeame mekpɔe dze sii o, evɔ eya amea dzie woto wɔ xexeame.

1:11b.JOH.001.011 Eva eya ŋutɔ tɔwo gbɔ, gake eya ŋutɔ ƒe amewo mexɔe o.

1:12b.JOH.001.012 Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu viwo,

1:13b.JOH.001.013 ame siwo womedzi tso ʋu alo ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me.

1:14b.JOH.001.014 Nya la trɔ zu ame va nɔ mía dome le anyigba sia dzi eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒea. Mí ame aɖewo míekpɔ eƒe Ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la, ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.

1:15b.JOH.001.015 Yohanes ɖi ɖase le eŋuti hegblɔ bena, “Ame siae nye ame si ŋu menɔ nu ƒom le na mi esi megblɔ be, ‘Ame aɖe si li xoxoxo hafi meva dzɔ la gbɔna, ame sia de ŋgɔ wum sãa.’”"

1:16b.JOH.001.016 Ena yayra geɖe mi tso eƒe amenuveve sɔ gbɔ la me.

1:17b.JOH.001.017 Esi Mose va la, etsɔ Se sesẽ la kple kuxi geɖe, siwo le edziwɔwɔ me la, vɛ na mi. Ke Kristo ya tsɔ amenuveve kple nyateƒe la vɛ na mi.

1:18b.JOH.001.018 Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ame si ke nye Vi ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si sɔ kple Mawu eye wòle Fofo la ƒe axadzi la, eyae ɖee fia mí.

1:19b.JOH.001.019 Azɔ esiae nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi esime Yudatɔ siwo le Yerusalem dɔ Osɔfowo kple Levitɔwo ɖo ɖe egbɔ ne woabiae be," “Ame kae nènye?”

1:20b.JOH.001.020 Mesẽ nu o, ke boŋ eʋu eme na wo faa be, “Menye nyee nye Kristo la o.”

1:21b.JOH.001.021 Wogabiae be, “Ekema ame kae nènye, Eliya?” Egaɖo eŋu be, “Kpao, menye Eliyae menye o.” Wogabiae ake be, “Nyagblɔɖila lae nènyea?” Eye wòɖo eŋu be, “Gbeɖe, menye nyagblɔɖila lae menye o.”

1:22b.JOH.001.022 Amedɔdɔawo gayi edzi biae bena, “Ke ame ka tututue nènye? Gblɔe na mí ale be míanya nya si míagblɔ na ame siwo dɔ mí. Gblɔ nya aɖe na mí tso ɖokuiwò ŋu.”

1:23b.JOH.001.023 Yohanes ɖo eŋu na wo kple Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya siawo be, “Nyee nye gbe si le ɣli dom le gbea dzi be, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ la ɖo wòanɔ dzɔdzɔe’”

1:24b.JOH.001.024 Farisitɔwo ƒe amedɔdɔwo hã,

1:25b.JOH.001.025 biae be, “Esi menye wòe nye Kristo la alo Eliya loo alo Nyagblɔɖila la o la, nu ka ta nèle mawutsi dem ta na amewo ɖo?”

1:26b.JOH.001.026 Yohanes ɖo eŋu na wo bena, “Nye la, mele mawutsi dem ta na amewo kple tsi ƒuƒlu ko, gake ame aɖe le mia dome afii, si mienya o.

1:27b.JOH.001.027 Ame sia le yonyeme gbɔna eye nyemadze be manye amea ƒe subɔvi gɔ̃ hã o.”"

1:28b.JOH.001.028 Nu siawo katã dzɔ le Betania, kɔƒe aɖe si le Yɔdan tɔsisia godo, afi si Yohanes nɔ mawutsi dem ta na amewo le la me.

1:29b.JOH.001.029 Le ŋufɔke la, Yohanes kpɔ Yesu wògbɔna egbɔ, ale wòdo ɣli gblɔ bena," “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi si le xexe sia me ƒe nu vɔ̃wo ɖem ɖa lae nye ekem!

1:30b.JOH.001.030 Eya ŋutie menɔ nu ƒom le esi megblɔ bena, ‘Ŋutsu aɖe gbɔna kpuie, ame si de ŋgɔ wum boo, eye wòli xoxoxo hafi nye ya meva dzɔ gɔ̃.’

1:31b.JOH.001.031 Nye ŋutɔ nyemenya ame si wònye o, ke nye dɔ koe nye be, made mawutsi ta na amewo kple tsi atsɔ aɖee afia Israel dukɔa.”

1:32b.JOH.001.032 Azɔ Yohanes ɖi ɖase le ale si wòkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wònɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me nɔ ɖiɖim ɖe Yesu dzi tso dziƒo la ŋu.

1:33b.JOH.001.033 Yohanes gblɔ ake be, “Nye la, nyemenya be eyae nye amea o. Gake esi Mawu ɖom ɖa be made mawutsi ta na amewo la, egblɔ nam be, ‘Nenye be èkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wòle ɖiɖim ɖe ame aɖe dzi la, nyae bena eyae nye ame si dim nèle. Eyae ade mawutsi ta na amewo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.’

1:34b.JOH.001.034 Mekpɔe be nu sia tututue dzɔ ɖe ŋutsu sia dzi eya ta meɖi ɖase bena eyae nye Mawu Vi la.”

1:35b.JOH.001.035 Le ŋkeke evea gbe la, Yohanes kple eƒe nusrɔ̃la eve aɖewo nɔ tsitre ɖe teƒe aɖe eye Yesu va to wo gbɔ yina.

1:36b.JOH.001.036 Yohanes li ŋku ɖe Yesu dzi gãa eye wògblɔ bena, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi lae nye ekem!”

1:37b.JOH.001.037 Nusrɔ̃la eveawo dzo le Yohanes gbɔ dze Yesu yome.

1:38b.JOH.001.038 Yesu trɔ kɔ kpɔ wo wonɔ eyome eye wòbia wo bena, “Nu ka dim miele?” Woawo hã ɖo eŋu be, “‘Rabi’” (si gɔmee nye Nufiala) “afi kae nye wò nɔƒe?”

1:39b.JOH.001.039 Yesu gblɔ na wo bena, “Miva kpɔe ɖa.” Ale wokplɔe ɖo yi aƒe si me wònɔna la me eye wonɔ egbɔ tso ɣetrɔ ga ene me va se ɖe fiẽ hafi trɔ dzo.

1:40b.JOH.001.040 Ame siawo dometɔ ɖekae nye Andrea si nye Simɔn Petro nɔvi.

1:41b.JOH.001.041 Nu gbãtɔ si Andrea wɔ lae nye be edi nɔvia Simɔn eye wògblɔ nɛ be, “Míekpɔ Mesia la”, si gɔmee nye Kristo la

1:42b.JOH.001.042 Enumake ekplɔ nɔvia Simɔn va Yesu gbɔ. Yesu kpɔe dũu eye wògblɔ be, “Wòe nye Simɔn, Yohanes vi. Woayɔ wò azɔ be Kefa”" Esia gɔmee nye Kpe Gbadza.

1:43b.JOH.001.043 Le ŋufɔke la, Yesu ɖoe be yeayi Galilea, esi wònɔ mɔa dzi yina la, edo go Filipo eye wògblɔ nɛ be," “Va, nãdze yonyeme.”

1:44b.JOH.001.044 Filipo sia tso Betsaida si nye Andrea kple Petro wo de.

1:45b.JOH.001.045 Filipo hã ɖe abla yi ɖadi Nataniel eye wògblɔ nɛ bena, “Nɔvi, míeke ɖe Mesia, ame si ŋuti woŋlɔ nu tsoe le nyagblɔɖilawo kple Mose ƒe sea me la ŋu. Eŋkɔe nye Yesu, eye fofoa nye Yosef si tso Nazaret.”

1:46b.JOH.001.046 Nataniel do ɣli enumake gblɔ bena, “Nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaret mahã?” Filipo ɖo eŋu nɛ bena, “Wò ŋutɔ va nãva kpɔe ɖa.”

1:47b.JOH.001.047 Esi Yesu kpɔ Nataniel wògbɔna egbɔ la, egblɔ be, “Israel vi vavã si me alakpa aɖeke mele o lae nye esi gbɔna.”

1:48b.JOH.001.048 Nataniel bia Yesu be, “Aleke nèwɔ nya ame si ƒomevi menye?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mekpɔ wò le gboti ma te xoxoxo hafi Filipo va yɔ wò gɔ̃.”

1:49b.JOH.001.049 Nataniel gblɔ bena, “Nufiala, wòe nye Mawu Vi la vavã. Wòe nye Israel ƒe Fia la!”

1:50b.JOH.001.050 Yesu gabiae bena, “Đee nèxɔ dzinye se elabena mete ŋu kpɔ wò le gboti ma tea? Nu gãwo wu esia, aɖe ame si menye afia wò.

1:51b.JOH.001.051 Èle dziƒo kpɔ ge wòaʋu eye mawudɔlawo anɔ Nye Mesia alo Amegbetɔ Vi la gbɔ vam aganɔ dziƒo yim kura gɔ̃.”

2

2:1b.JOH.002.001 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wokpe Yesu dada be wòava kpɔ srɔ̃ɖeɖe aɖe teƒe le Kana si le Galilea nutomea me.

2:2b.JOH.002.002 Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã.

2:3b.JOH.002.003 Esi wɔnawo nɔ edzi yim la, wain si nom ameawo nɔ la vɔ. Ale Yesu dada va egbɔ va gblɔ nya sia nɛ.

2:4b.JOH.002.004 Yesu ɖo eŋu na dadaa be, “Aƒenɔ, nu ka dim nèle be mawɔ na wò fifia? Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o.”

2:5b.JOH.002.005 Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo bena, “Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ.”

2:6b.JOH.002.006 Azɔ tsizɔ ade nɔ teƒea. Esiawo Yudatɔwo zãna hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnuwo wɔwɔ. Tsi lita blaadre-vɔ-atɔ̃ alo alafa ɖeka wuiatɔ̃ tea ŋu nɔa wo me.

2:7b.JOH.002.007 Yesu gblɔ na subɔlawo be, “Miku tsi kɔ ɖe zɔwo katã me woayɔ.” Ale wowɔ nenema.

2:8b.JOH.002.008 Egagblɔ na wo bena, “Azɔ mikui yi ɖana nuɖuɖudzikpɔla la.” Wowɔ nenema.

2:9b.JOH.002.009 Nuɖuɖudzikpɔla la no tsi si trɔ zu wain la ƒe ɖe, ke menya afi si wòtso o, subɔlawo koe nya. Azɔ eyɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la eye wògblɔ nɛ bena,

2:10b.JOH.002.010 “Wò la èto vovo kura tso ame bubuwo gbɔ elabena zi geɖe la, srɔ̃ɖelawo na wain nyuitɔ woƒe amekpekpewo gbã eye ne ame sia ame noe wosui vɔ la, ekema wotsɔa manyomanyotɔ vanɛ. Ke wò la, èdzra nyuitɔ ɖo eye nètsɔe vɛ le nuwuwua.”

2:11b.JOH.002.011 Nukunu si Yesu wɔ le Kana le Galilea lae nye gbãtɔ si wòwɔ hetsɔ ɖe ŋusẽ si wòxɔ tso dziƒo la fia. Esia na be eƒe nusrɔ̃lawo hã xɔe se be eyae nye Mesia, ame si lava."

2:12b.JOH.002.012 Esi srɔ̃ɖeŋkekenyui la wu enu la, Yesu kple dadaa, nɔviawo kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Kapernaum eye wonɔ afi ma ŋkeke ʋee aɖewo.

2:13b.JOH.002.013 Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖo edzi la, Yesu yi Yerusalem."

2:14b.JOH.002.014 Le afi sia la, ekpɔ asitsalawo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu wonɔ nyiwo, alẽwo kple akpakpawo dzram hena vɔsasa. Gaɖɔlilawo hã nɔ teƒea nɔ ga ɖɔ lim na amewo.

2:15b.JOH.002.015 Enumake Yesu tsɔ ka aɖewo tro atam eye wònya wo katã do goe le gbedoxɔ la me, enya alẽawo kple nyiawo hã do goe, ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo ɖe anyigba eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi.

2:16b.JOH.002.016 Azɔ ezɔ yi ame siwo nɔ akpakpawo dzram la gbɔ eye wòɖe gbe na wo bena, “Mitsɔ nu siawo do goe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe Aƒe wɔ asimee o!”

2:17b.JOH.002.017 Nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be mawunya gblɔ be, “Didi vevi aɖe le menye be mawɔ dɔ akɔ wò aƒe alo gbedoxɔ la ŋu.”

2:18b.JOH.002.018 Azɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo va Yesu gbɔ va biae bena, “Ŋusẽ kae nèkpɔ bena nãnya ameawo do goe? Nenye be èka ɖe edzi be Mawue na ŋusẽ sia ye la ekema wɔ nukunu aɖe nãtsɔ ɖo kpe edzii na mi.”

2:19b.JOH.002.019 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Enyo, mawɔ nukunu aɖe na mi, eyae nye be, migbã mawuxɔ sia eye nye la magbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ pɛ ko megbe.”

2:20b.JOH.002.020 Ameawo katã do ɣli be, “Nu ka! Ƒe blaene-vɔ-adee wotsɔ tu gbedoxɔ siae. Ke wò ya nèbe yeate ŋu atui le ŋkeke etɔ̃ mea?”"

2:21b.JOH.002.021 Ke “gbedoxɔ” si ŋu Yesu nɔ nu ƒom le lae nye eƒe ŋutilã.

2:22b.JOH.002.022 Esi Yesu tsi tre tso ame kukuwo dome la, nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be egblɔ nya sia ɖi. Eye wokpɔe dze sii be, nya siwo katã Yesu gblɔ tso mawunya me la ƒo nu tso eya ŋutɔ ŋu eye wo katã hã va eme vavã.

2:23b.JOH.002.023 Nukunu geɖe siwo Yesu wɔ le Ŋutitotoŋkekea dzi le Yerusalem la na bena ame geɖe xɔe se be eyae nye Mesia la vavã.

2:24b.JOH.002.024 Ke Yesu meka ɖe ame siawo ƒe xɔse dzi o, elabena edze si amegbetɔwo ƒe nɔnɔme.

2:25b.JOH.002.025 Mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase nɛ tso amegbetɔ ŋu o, elabena eya ŋutɔ nya nu si le ame me."

3

3:1b.JOH.003.001 Azɔ la ame aɖe si tso Farisitɔwo dome, eye eƒe ŋkɔe nye Nikodemo la li; enye Yudatɔwo ƒe takpekpe gã me nɔla.

3:2b.JOH.003.002 Eva Yesu gbɔ le zã me eye wògblɔ bena, “Rabi, menyae be nufialae nènye tso Mawu gbɔ va. Elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi wɔnuku siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o.”

3:3b.JOH.003.003 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Esia le eme, gake le nyateƒe me, mele egblɔm na wò bena, ne womegbugbɔ wò dzi o la, mãte ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.”

3:4b.JOH.003.004 Nikodemo do ɣli gblɔ be, “Đe nèbe woagadzim akea? Nya sia gɔme ɖe? Aleke wɔ ame tsitsi nagatrɔ ayi dadaa ƒe vidzigolo me be woagadzii ake?”

3:5b.JOH.003.005 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nya si dzi mele gbe tem ɖo lae nye be, ne womegbugbɔ ame aɖe dzi to tsi kple gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.

3:6b.JOH.003.006 Amegbetɔ ate ŋu adzi ŋutilã ko gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae naa agbe yeye tso dziƒo.

3:7b.JOH.003.007 Le esia ta megawɔ nuku na wò bena megblɔ na wò be ele be woagbugbɔ wò adzi o.

3:8b.JOH.003.008 Ya ƒona yia teƒe ɖe sia ɖe si wòlɔ̃, ãte ŋu ase eŋkɔ gake mãte ŋu agblɔ afi si wòtso alo afi si wòyina o, nenema kee wònɔna na ame sia ame si wodzi to Gbɔgbɔ la me.”

3:9b.JOH.003.009 Nikodemo gabia Yesu bena, “Nu ka tututu gblɔm nèle? Nyemese wò nyaa gɔme o.”

3:10b.JOH.003.010 Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Wò, Israel ƒe nufiala, mèse nu siawo gɔme oa?

3:11b.JOH.003.011 Le nyateƒe me la, míawo la, míeƒoa nu tso nu siwo mienya, eye míeɖia ɖase tso nu siwo míekpɔ la ŋu, ke hã la miexɔa míaƒe ɖaseɖiɖi o.

3:12b.JOH.003.012 Esi megblɔ nu siwo le edzi yim le amewo dome le anyigba dzi le afii la na wò gake mèxɔ wo dzi se o ɖe, aleke nãwɔ axɔe se ne megblɔ nu siwo le edzi yim le dziƒo la na wò?

3:13b.JOH.003.013 Elabena nye Mesia alo Amegbetɔ Vi la koe tso dziƒo va anyigba dzi eye magatrɔ ayi dziƒo.

3:14b.JOH.003.014 ”Abe ale si Mose kɔ akɔblida la ɖe dzi le gbea dzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzii,

3:15b.JOH.003.015 be ame sia ame si xɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ.

3:16b.JOH.003.016 Elabena Mawu lɔ̃a xexeame ale gbegbe bena wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ɔ la na bena, ame sia ame si axɔ edzi ase la, matsrɔ̃ o, ke boŋ akpɔ agbe mavɔ.

3:17b.JOH.003.017 Mawu meɖo Via ɖa be wòava drɔ̃ ʋɔnu xexeame o, ke boŋ be woaɖe xexeame to eya amea dzi.

3:18b.JOH.003.018 ”Ame siwo xɔ edzi se la, womadrɔ̃ ʋɔnu wo o. Ke ame siwo mexɔ edzi se o la, wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo, elabena womexɔ Mawu ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la dzi se o.

3:19b.JOH.003.019 Nu si ta wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo lae nye be, Kekeli tso dziƒo va xexeame, gake ame siawo lɔ̃ viviti wu kekeli la, elabena woƒe nuwɔnawo vɔ̃ɖi ŋutɔ.

3:20b.JOH.003.020 Wolé fu Kekeli si tso dziƒo va la elabena wodi vevie bena yewoawɔ nu vɔ̃ le viviti me. Wote ɖa xaa tso Kekeli la gbɔ, elabena wovɔ̃ be yewoƒe nu vɔ̃wo adze le gaglãgbe.

3:21b.JOH.003.021 Gake ame siwo le nu nyui wɔm la, vaa Kekeli la gbɔ dzidzɔtɔe bena ame sia ame nakpɔe be yewole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm.”

3:22b.JOH.003.022 Le esia megbe la, Yesu kple ƒe nusrɔ̃lawo dzo le Yerusalem heyi Yudea afi si wonɔ ŋkeke ʋee aɖewo hede mawutsi ta na amewo.

3:23b.JOH.003.023 Ke Yohanes hã le mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi sɔgbɔ ɖe afi ma, eye amewo le vavam enuenu be wòade mawutsi ta na yewo

3:24b.JOH.003.024 Esia do ŋgɔ na Yohanes léle de gaxɔ me.

3:25b.JOH.003.025 Gbe ɖeka la, nyaʋiʋli ɖo Yohanes ƒe nusrɔ̃la aɖewo kple Yudatɔwo dome tso Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔkɔnu la ŋu.

3:26b.JOH.003.026 Esia na be nusrɔ̃lawo va Yohanes gbɔ va gblɔ nɛ be, “Nufiala, ŋutsu si nedo goe le Yɔdan tɔsisia godo, ame si nèbe eyae nye Mesia la hã le mawutsi dem ta na amewo, eye ame geɖe le egbɔ yim, le esime wòle be woava mia gbɔ boŋ hafi.”

3:27b.JOH.003.027 Yohanes ɖo eŋu na wo bena, “Mawu si le dziƒo la de dɔ tɔxɛ asi na ame sia ame.

3:28b.JOH.003.028 Nye dɔe nye be madzra mɔ ɖo ɖi na ŋutsu sia bena ame sia ame nate ŋu ayi egbɔ. Miawo ŋutɔwo miaɖo ŋku edzi be megblɔ na mi va yi kɔtee be, menye nyee nye Mesia la o. Nye ya la, nu si wɔ ge meva la koe nye be mata mɔ na Mesia la.

3:29b.JOH.003.029 Ele eme be amewo ƒoa zi ɖe nu nyui ɖe sia ɖe ŋu. Nenema ke ŋugbetɔ ayi afi si ŋugbetɔsrɔ̃ la le, eye afi mae ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo akpɔ dzidzɔ kplii le. Nyee nye ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃, eya ta dzidzɔ yɔ menye ɖe eƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋuti.

3:30b.JOH.003.030 Ele be eya amea natsi ɖe edzi gbeawotsyogbe. Ke nye la, mayi to.

3:31b.JOH.003.031 “Ame sia la, dziƒoe wòtso eye ede ŋgɔ wu amewo katã. Nye la, anyigba dzie metso eye nye nunya kple nugɔmesese mate ŋu akɔ wu anyigbadzitɔwo tɔ o.

3:32b.JOH.003.032 Eɖia ɖase tso nu si wòkpɔ kple nu si wòse la ŋuti, gake ame ʋee aɖewo koe xɔa eƒe ɖaseɖiɖiwo dzi sena.

3:33b.JOH.003.033 Ame si xɔ edzi se la ɖi ɖase be Mawue nye anukwaretɔ,

3:34b.JOH.003.034 Elabena ame si Mawu ɖo ɖa gblɔa Mawu ƒe nyawo, elabena Mawu na Gbɔgbɔ lae le agbɔsɔsɔ me.

3:35b.JOH.003.035 Fofo la lɔ̃a Via sia ale gbegbe be etsɔ nu sia nu de eƒe asime.

3:36b.JOH.003.036 Ame sia ame si xɔ Mawu ƒe Vi sia dzi se la, akpɔ agbe mavɔ. Ke ame siwo meɖoa toe o, eye womexɔa edzi sena o la, makpɔ agbe mavɔ la o, ke boŋ Mawu ƒe dziku anɔ wo dzi ɖaa.”

4

4:1b.JOH.004.001 Farisitɔwo se be Yesu le nusrɔ̃lawo kpɔm fũu eye wòle mawutsi dem ta na amewo tsɔ wu Yohanes,

4:2b.JOH.004.002 togbɔ be menye eya ŋutɔe le mawutsi dem ta na amewo o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawoe.

4:3b.JOH.004.003 Esi Yesu se nya sia la, edzo le Yudea, hetrɔ yi Galilea nutome.

4:4b.JOH.004.004 Enɔ na Yesu be wòato Samaria nutome hafi ayi Galilea.

4:5b.JOH.004.005 Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, eva ɖo Samariatɔwo ƒe du aɖe si woyɔna be Sikar la ƒe gbɔto.

4:6b.JOH.004.006 Yakɔb ƒe vudo la le afi sia. Vudo sia le anyigba si Yakɔb tsɔ na via Yosef la dzi. Le mɔ legbe si wòzɔ le ŋdɔ sesẽ nu kple ɖeɖiteameŋu ta la, Yesu bɔbɔ nɔ vudoa gbɔ be yeadzudzɔ.

4:7b.JOH.004.007 Eteƒe medidi o, Samaria nyɔnu aɖe va be yeaku tsi, ale Yesu biae be nena tsi vi aɖe ye yeano.

4:8b.JOH.004.008 Yesu ɖeka koe nɔ teƒea le ɣeyiɣi sia me elabena eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi kɔƒea me nuɖuɖu ƒle ge.

4:9b.JOH.004.009 Ewɔ nuku na Samaria nyɔnua ŋutɔ be Yesu si nye Yudatɔ la bia nu ye Samariatɔ. Le nyateƒe me la, Yudatɔwo meƒoa nu kple Samariatɔwo o. Le esia ta Samaria nyɔnua gblɔ na Yesu bena, “Aleke wò Yudatɔ, nèle tsi biam nye Samaria nyɔnu be yeano?”

4:10b.JOH.004.010 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne ɖe nènya ame si ƒomevi menye kple nunana xɔasi si Mawu ɖo ɖi na wò la, anye ne ãbiam be mana agbetsi la ƒe ɖe ye.”

4:11b.JOH.004.011 Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Vudo sia goglo ŋutɔ eye naneke mele asiwò be nãtsɔ aku tsii le eme o. Afi ka nèle agbetsia kpɔ ge le?

4:12b.JOH.004.012 Hekpe ɖe esia ŋu la, wòe de ŋgɔ wu mia tɔgbuitɔgbui Yakɔb mahã? Aleke wɔ wò nãte ŋu ana tsi si nyo wu tsi si eya kple viawo kpakple eƒe nyiwo no va yi?”

4:13b.JOH.004.013 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne amewo no tsi sia ƒe ɖe la, tsikɔ gawua wo.

4:14b.JOH.004.014 Gake tsi si mana wò la, azu agbetsi anɔ dzidzim le mewò, ana be tsikɔ magawu wò o, ke boŋ ahe agbe mavɔ vɛ na wò.”

4:15b.JOH.004.015 Nyɔnu la gblɔ na Yesu bena, “Aƒetɔ, meɖe kuku, na tsi sia ƒe ɖem! Ekema nyemagazɔ azɔli tso keke dua me ke ava nɔ tsi kum le afi sia gbe sia gbe o.”

4:16b.JOH.004.016 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Heyi nãyɔ srɔ̃wò vɛ.”

4:17b.JOH.004.017 Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Srɔ̃ mele asinye o” Yesu gblɔ nɛ be, “Èto nyateƒe esi nègblɔ be srɔ̃ mele asiwò o.”

4:18b.JOH.004.018 Elabena èɖe ŋutsu atɔ̃ kpɔ, eye ame si gbɔ nèle fifia hã la menye srɔ̃wò wònye o, èto nyateƒe le nya sia me.”

4:19b.JOH.004.019 Egblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mexɔe se be nyagblɔɖilae nènye.

4:20b.JOH.004.020 Nu ka tae mi Yudatɔwo mienɔa gbɔgblɔm godoo be, Yerusalem kokokoe wòle be woasubɔ Mawu le, evɔa mí Samariatɔwo hã miebe, ele be woasubɔ Mawu le to sia dzi elabena afi siae mía tɔgbuiwo subɔe le?”

4:21b.JOH.004.021 Yesu gblɔ nɛ bena, “Nyɔnu, xɔm se be, ɣeyiɣi gbɔna eye womagasubɔ Fofo la le to sia dzi alo leYerusalem o.

4:22b.JOH.004.022 Mi Samariatɔwo la, miesubɔa nu si mienya o, ke míawo la míesubɔa nu si míenya, elabena xɔxɔ la tso Yudatɔwo gbɔ.

4:23b.JOH.004.023 Gake ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye wòde azɔ be nyateƒe subɔsubɔwɔlawo woasubɔ Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena Fofo la dia subɔla siawo tɔgbi

4:24b.JOH.004.024 Mawu nye Gbɔgbɔ eye ame siwo le esubɔm la, ele be woasubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.”

4:25b.JOH.004.025 Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Nye la, menyae bena Mesia alo Kristo la le vava ge eye ne eva la, aɖe nu sia nu gɔme na mí.”

4:26b.JOH.004.026 Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee nye Mesia la.”

4:27b.JOH.004.027 Esi wògblɔ nya sia vɔ teti ko la, eƒe nusrɔ̃lawo va do. Ewɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ bena Yesu nɔ dze ɖom kple nyɔnu aɖe gake wo dometɔ aɖeke mebia nu si ta wòle nu ƒom kple nyɔnua alo nu si me dzrom wonɔ la o.

4:28b.JOH.004.028 Nyɔnu la gble eƒe tsize la ɖe vudoa to eye wòtrɔ yi dua me ɖagblɔ na ame siwo wòkpɔ la be,

4:29b.JOH.004.029 “Miva kpɔ ŋutsu aɖe si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam ɖa. Đe manye ame siae nye Kristo la oa?”

4:30b.JOH.004.030 Ale ame geɖewo tso dua me va bena yewoakpɔ amea ɖa.

4:31b.JOH.004.031 Esi nuɖuɖua sɔ gbe la, nusrɔ̃lawo ɖe kuku na Yesu be wòaɖu nu.

4:32b.JOH.004.032 Ke Yesu gblɔ na wo bena, “Nyemaɖu nu o, elabena nuɖuɖu aɖe le asinye esi ŋu miawo mienya nu le o.”

4:33b.JOH.004.033 Ke nusrɔ̃lawo bia le wo nɔewo dome be, “Ame kae tsɔ nuɖuɖua vɛ nɛ?”

4:34b.JOH.004.034 Yesu ɖe eme na wo bena, “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ Mawu, ame si ɖom ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu eye mawu dɔ si wòdɔm la nu.

4:35b.JOH.004.035 Menye miawoe nɔa gbɔgblɔm be esusɔ ɣleti ene ne nuŋeɣi naɖo oa? Miwu miaƒe ŋkuwo dzi, ne miakpɔ agblewo dzi ɖa, nukuawo tsi eye wole klalo na ŋeŋe xoxo.

4:36b.JOH.004.036 Nuŋelawo axɔ fetu nyuiwo eye woakplɔ ame geɖewo va agbe mavɔ la mee. Nuƒãlawo kple nuŋelawo siaa akpɔ dzidzɔ geɖe.

4:37b.JOH.004.037 Enye nyateƒe be, ame aɖee doa nu hafi ame aɖe va ŋena.

4:38b.JOH.004.038 Nye la, medɔ mi be miayi aɖaŋe nu le afi si mieƒã nu ɖo o, ame bubuwoe ƒã nua hafi miawo mieyi ɖaŋe wo.”

4:39b.JOH.004.039 Esi Samaria nyɔnua gblɔ na wo detɔwo be Yesu gblɔ nu sia nu si yewɔ kpɔ la na ye la, ame geɖe ŋutɔ le dua me xɔe se be Yesue nye Mesia la.

4:40b.JOH.004.040 Azɔ esi Samariatɔwo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ be wòanɔ yewo gbɔ, eye wònɔ wo gbɔ ŋkeke eve

4:41b.JOH.004.041 Le eƒe nyawo ta la, ame geɖe wu xɔ edzi se.

4:42b.JOH.004.042 Ale wova gblɔ na nyɔnu si do goe gbã le vudoa to be, “Azɔ la, miawo hã miexɔ edzi se elabena míawo ŋutɔ hã miese nya geɖewo tso eƒe nu me, ke menye le wò ɖaseɖiɖi ɖeɖe ko ta o. Le nyateƒe me la, ame siae nye xexeame ƒe Đela vavã.”

4:43b.JOH.004.043 Le ŋkeke eve megbe la, edzo yi Galilea.

4:44b.JOH.004.044 Elabena Yesu ŋutɔ gblɔe ɖi xoxo be, nyagblɔɖila aɖeke mekpɔa bubu le eya ŋutɔ de o.

4:45b.JOH.004.045 Gake esi wòyi Galilea la, Galileatɔwo xɔe alɔ eve, elabena ewɔ nukunu geɖewo wokpɔ le Yerusalem esi wòyi ɖaɖu ŋutitotoŋkeke nyui la le afi ma.

4:46b.JOH.004.046 Yesu gava Kana le Galilea afi si wòtrɔ tsi wòzu wain le. Afi mae wòdo go fiaŋutime aɖe le, ŋutsu sia ƒe vi le dɔ lém le Kapernaum.

4:47b.JOH.004.047 Esi wòse be Yesu tso Yudea va ɖo Galilea la, eyi egbɔ heɖe kuku nɛ be wòava yɔ dɔ ye viŋutsuvi si ɖo kudo nu la na ye.

4:48b.JOH.004.048 Yesu biae bena, “Ke mia dometɔ aɖeke maxɔ dzinye ase o, negbe ɖeko mewɔ nukunu geɖewo hafia?”

4:49b.JOH.004.049 Aʋafia la ɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, va míyi kaba hafi vinyea naku?”

4:50b.JOH.004.050 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Trɔ nãyi aƒe elabena viwò la ƒe lãme sẽ.” Aʋafia la xɔ Yesu dzi se eye wòtrɔ hedze aƒemɔ dzi.

4:51b.JOH.004.051 Esi wònɔ mɔa dzi yina la, eƒe dɔla aɖewo va kpee hegblɔ nɛ be, via ƒe lãme sẽ.

4:52b.JOH.004.052 Aʋafia la bia wo be woagblɔ gaƒoƒo si me tututu ŋutsuvi la ƒe lãme sẽ la na ye. Woɖo eŋu nɛ bena, “Etsɔ, anɔ abe ŋdɔ ga ɖeka me ene la, asrã sesẽ la dzo ɖa le edzi kpata.”

4:53b.JOH.004.053 Aʋafia la ɖo ŋku edzi be gaƒoƒo ma me tututue Yesu gblɔ na ye be, “Viwò la ƒe lãme sẽ.” Ale Aʋafia sia kple eƒe aƒe me tɔwo katã xɔe se be Yesue nye Mesia la vavã

4:54b.JOH.004.054 Esia nye Yesu ƒe nukunu evelia si wòwɔ esi wòtso Yudea va Galilea.

5

5:1b.JOH.005.001 Le nu siawo megbe la, Yesu yi Yerusalem le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui aɖe dzi.

5:2b.JOH.005.002 Taa aɖe nɔ dua ƒe agbo si woyɔna be Alẽgbo la gbɔ. Woyɔa taa sia le Hebrigbe me be Betesda Taa. Wowɔ agbadɔ atɔ̃ ƒo xlãe.

5:3b.JOH.005.003 Lãmetututɔwo, bunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, titilélawo kple dɔ vovovo lélawo va nɔa agbadɔawo te, le taa la to, henɔa tsia me bublu lalam

5:4b.JOH.005.004 Elabena edziedzi la, mawudɔla aɖe ɖina ɖe tsi la me heblunɛ, eye dɔnɔ si ge ɖe tsia me gbã le ebublu vɔ megbe la, ƒe dɔ si lém wònɔ la vɔna nɛ.

5:5b.JOH.005.005 Ame aɖe hã nɔ teƒea si nɔ dɔ lém ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi sɔŋ.

5:6b.JOH.005.006 Esi Yesu kpɔe eye wòkpɔe dze sii be ele dɔa lém eteƒe didi la, ebiae be, “Èdi be wò lãme nasẽa?”

5:7b.JOH.005.007 Dɔnɔa ɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, gake ame aɖeke mele asinye si akɔm ada ɖe tsia me nenye be wova blui o. Ne medze agbagba be mage ɖe eme ko la, ame bubu doa ŋgɔ gena ɖe eme xoxo.”

5:8b.JOH.005.008 Yesu gblɔ nɛ bena, “Tsi tre, nãŋlɔ wò aba ne nãyi aƒe me!”

5:9b.JOH.005.009 Dɔnɔa ƒe lãme sẽ enumake ale wòŋlɔ eƒe aba la hede asi zɔzɔ me. Sabat ŋkekea dzie Yesu wɔ nukunu sia le.

5:10b.JOH.005.010 Le esia ta la, Yudatɔwo ƒe dumegãwo kpɔ dziku ɖe eŋu. Wogblɔ na ame si ŋu wòda gbe le be, “Egbee nye Sabat, eya ta mèkpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke o. Mɔɖeɖe hã meli be nalé aba ɖe asi anɔ yiyim o!”

5:11b.JOH.005.011 Ŋutsua ɖo eŋu na wo be, “Ame si da gbe le ŋunye lae na mɔm.”

5:12b.JOH.005.012 Wobiae be, “Ame kae nye ame ma si ɖe mɔ na wò be nãwɔ esia?”"

5:13b.JOH.005.013 Amea menya ame si Yesu nye o, evɔ Yesu hã bu ɖe ameha la dome xoxo.

5:14b.JOH.005.014 Emegbe la, Yesu va ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me eye wògblɔ nɛ bena," “Azɔ la, wò lãme sẽ eya ta mègawɔ nu vɔ̃ azɔ o, ne menye nenema o la, nu si adzɔ ɖe dziwò emegbe la, avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.”

5:15b.JOH.005.015 Ke ŋutsua yi ɖadi Yudatɔwo ƒe amegãwo eye wògblɔ na wo bena Yesue nye ame si da gbe le ye ŋu.

5:16b.JOH.005.016 Le esia ta la, Yudatɔwo ti Yesu yome vevie be eda le Sabat ƒe sea dzi.

5:17b.JOH.005.017 Ke Yesu gblɔ na wo bena, “Fofonye le dɔ nyui wɔwɔ dzi ɖaa va se ɖe fifi, ale nye hã mele eƒe afɔteƒe tom.” Eƒe nya siawo gade ada mo na Yudatɔwo ƒe nunɔlawo ale wodi kokoko be yewoawui. Hekpe ɖe esia ŋu la, wogblɔ be eyɔ Mawu be eyae nye ye Fofo, ale be wòtsɔ eɖokui sɔ kple Mawu.

5:19b.JOH.005.019 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, nu si wòwɔna lae nye nu si wòkpɔ Fofoa wòle wɔwɔm.

5:20b.JOH.005.020 Elabena Fofo la lɔ̃a Via be wòawɔ nukunu gãwo wu esi miekpɔ va yi.

5:21b.JOH.005.021 Via afɔ ame kuku siwo dze eŋgɔ la ɖe tsitre abe ale si Fofo la wɔnɛ ene.

5:22b.JOH.005.022 Fofo la tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ katã gble ɖe Via sime

5:23b.JOH.005.023 be amewo katã nade bubu eŋu abe ale si wodea bubu Fofo la ŋui ene. Gake ne miegbe bena yewomade bubu Mawu Vi si wòɖo ɖe mi la ŋu o la, efia be miele bubu dem Fofo la hã ŋu o.

5:24b.JOH.005.024 ”Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame sia ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ Mawu si ɖom ɖa la dzi se la, akpɔ agbe mavɔ, ale be womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi agbe mavɔ la me xoxo.

5:25b.JOH.005.025 Megale gbe tem ɖe edzi na mi bena, ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eva ɖo gɔ̃ hã xoxo, esime ame kukuwo gɔ̃ hã ase nye gbe, ẽ, woase nye Mawu Vi la ƒe gbe, eye ame siwo awɔ ɖe edzi la akpɔ agbe mavɔ.

5:26b.JOH.005.026 Abe ale si agbe le Fofo la ŋutɔ me ene la, nenema kee wòna be agbe nanɔ Via hã me,

5:27b.JOH.005.027 ale be Vi la nadrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔwo katã le woƒe nu vɔ̃wo ta elabena eyae nye Mesia alo Amegbetɔvi la.

5:28b.JOH.005.028 Megawɔ nuku na mi o. Le nyateƒe me la, ɣeyiɣi aɖe li gbɔna; esi ame kuku siwo le yɔdowo me hã ase Mawu Vi la ƒe gbe,

5:29b.JOH.005.029 eye woatsi tre ado go tso yɔdoawo me. Ana ame siwo wɔ nu nyuiwo la nayi agbe mavɔ la me, ke adrɔ̃ ʋɔnu ame vlo siwo kpɔ dzidzɔ le vɔ̃wɔwɔ ŋuti.

5:30b.JOH.005.030 ”Nye la medrɔ̃a ʋɔnu abe ale si Fofo la di tso asinye ene. Nyemedrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke hã o, negbe ne Fofo la di tso asinye ko. Hekpe ɖe esia ŋu la, medrɔ̃a ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye nu eye ame ŋkumekpɔkpɔ mele eme o, elabena medrɔ̃a ʋɔnu ɖe Mawu si dɔm ɖa la ƒe didi nu. Nye la nyemewɔa nye lɔlɔ̃nu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu ko mewɔna.

5:31b.JOH.005.031 ”Ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu la, amewo mexɔnɛ sena o.

5:32b.JOH.005.032 Ame bubu aɖe li si le ɖase ɖim tso ŋutinye eye menya be eƒe ɖaseɖiɖi tso ŋutinye le eteƒe.

5:33b.JOH.005.033 ”Miawo la miedɔ amewo ɖe Yohanes gbɔ, eye wòɖi ɖase ɖo kpe nyateƒe la dzi.

5:34b.JOH.005.034 Gake mana mianya bena, ɖase detotɔ katã wu esi woɖi tso ŋunye metso amegbetɔ aɖeke gbɔ o. Togbɔ be meƒo nu na mi tso Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi ŋuti hã la, ɖe mewɔ esia be miaxɔ dzinye ase ale be miakpɔ ɖeɖe.

5:35b.JOH.005.035 Yohanes zu kekeli klẽ na mi ɣeyiɣi kpui aɖe, ale be miekpɔ dzidzɔ le kekelia ŋuti elabena eƒe keklẽ la ɖe vi na mi.

5:36b.JOH.005.036 Ke nye la, ɖasefo si kɔ wu Yohanes la le asinye. Esiae nye be, mewɔ nukunu geɖe siwo nye dɔ siwo Fofo la tsɔ de asi nam. Woawoe fia be Fofo lae dɔm vavã.

5:37b.JOH.005.037 Fofo la ŋutɔ ɖi ɖase le ŋunye togbɔ be miekpɔe kpɔ alo meƒo nu na mi kpɔ o hã.

5:38b.JOH.005.038 Ke, togbɔ be Fofo la le ɖase ɖim na mi hã la, miegbe be yewoamaɖo toe o, elabena miegbe be yewomaxɔ nye, ame si wòdɔ ɖa kple eƒe agbenya la dzi ase o.

5:39b.JOH.005.039 ”Miedzroa mawunya me tsitotsito elabena miexɔ se bena miekpɔa agbe mavɔ le eme. Evɔ mawunya bliboa katã la, dzinyee wotui ɖo.

5:40b.JOH.005.040 Gake miegbe gbidii bena yewomava gbɔnye ale be mana agbe mavɔ sia mi o.

5:41b.JOH.005.041 ”Nyemexɔa kafukafu tso amewo gbɔ o.

5:42b.JOH.005.042 Ke menya mi, eye menyae be, Mawu ƒe lɔlɔ̃ mele mia me o.

5:43b.JOH.005.043 Menya esia elabena nye la meva le fofonye ƒe ŋkɔ me gake miegbe gbidii be yewomaxɔm o, ke esi ɖokuitɔdilawo va le woawo ŋutɔwo ƒe ŋkɔ me la, miexɔ wo alɔ eve.

5:44b.JOH.005.044 Mewɔ nuku nam bena miegbe bena yewomaxɔ dzinye ase o. Elabena miedea bubu mia nɔewo ŋu kple dzidzɔ gake mietsɔ ɖeke le eme na bubu si Mawu ɖeka hɔ̃ɔ hã de mia ŋu o!

5:45b.JOH.005.045 ”Menye nyee le mia nu tso ge na Fofo la tso nu siawo ŋuti o, ke boŋ Mose, ame si ƒe sewo dzi mietsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔwo katã da ɖo bena ele mia kplɔ ge ayi ɖe dziƒoe la, eyae le mia nu tso ge.

5:46b.JOH.005.046 Miawo la, miegbe bena yewomaxɔ Mose dzi ase o, anye ne miexɔ nye hã dzinye se. Elabena Mose ŋlɔ nu tso ŋunye gake miexɔ edzi se o. Le esia ta miexɔ nye hã dzinye se o.

5:47b.JOH.005.047 Esi miexɔ Mose ƒe ŋɔŋlɔwo dzi se o ta la, miexɔ nye hã dzinye se o.”

6

6:1b.JOH.006.001 Le esiawo megbe la, Yesu tso Galilea ƒu si woyɔna hã be Tiberia ƒu la yi egodo.

6:2b.JOH.006.002 Ameha gã aɖe nɔ eyome elabena wokpɔ nukunu siwo wòwɔ heda gbe le dɔnɔwo ŋu.

6:3b.JOH.006.003 Yesu lia togbɛ aɖe eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ anyi ɖe afi ma.

6:4b.JOH.006.004 Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la hã te tu aƒe le ɣemaɣi me.

6:5b.JOH.006.005 Esi Yesu fɔ ta dzi la, ekpɔ ameha gã aɖe gbɔna ɖe egbɔ, etrɔ ɖe Filipo ŋu biae bena, “Filipo, afi kae míakpɔ nuɖuɖu le aƒle na ame gbogbo siawo?”

6:6b.JOH.006.006 Yesu gblɔ esia bena yeatsɔ ado Filipo ƒe xɔse akpɔ elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala.

6:7b.JOH.006.007 Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Míahiã ga home gã aɖe ŋutɔ ne míete kpɔ be míaƒle nuɖuɖu na ame siawo katã!”

6:8b.JOH.006.008 Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, Andrea, Simɔn Petro nɔvi, gblɔ nɛ bena,

6:9b.JOH.006.009 “Ŋutsuvi aɖe le afii si si abolo atɔ̃ kple tɔmelã memee eve le, gake nu ka esia ate ŋu awɔ le ameha gã sia ŋuti?”

6:10b.JOH.006.010 Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ame sia ame nanɔ anyi.” Ale ame siwo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ la nɔ anyi ɖe gbe dama la dzi.

6:11b.JOH.006.011 Yesu tsɔ aboloawo eye wòdo gbe ɖa heda akpe ɖe wo ta. Emegbe la, etsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Edo gbe ɖa ɖe tɔmelã memee eveawo hã ta eye wòtsɔe na ameawo. Ale ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie.

6:12b.JOH.006.012 Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo bena, “Azɔ, miƒo abolo wuwluiawo katã nu ƒu bena womagazu vlo o.”

6:13b.JOH.006.013 Woƒo abolo wuwluiawo katã nu ƒu wòyɔ kusi wuieve sɔŋ.

6:14b.JOH.006.014 Esi ameawo kpɔ nukunu gã si Yesu wɔ la, wodo ɣli gblɔ bena, “Le nyateƒe me la, ame siae nye Nyagblɔɖila si míele mɔ kpɔm na!”

6:15b.JOH.006.015 Yesu kpɔe dze sii bena ameawo nɔ didim be yewoalé ye aɖo fia sesẽtɔe eya ta ewɔ dzaa galia togbɛ la eye wòdzo le wo gbɔ.

6:16b.JOH.006.016 Le fiẽme la, nusrɔ̃lawo yi ƒuta ɖanɔ elalam le afi ma.

6:17b.JOH.006.017 Zã do vɔ keŋ, gake Yesu medo ta ɖa o. eya ta nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me eye wokui ɖo ta Kapernaum

6:18b.JOH.006.018 Ya sesẽ aɖe de asi ƒoƒo me eye ƒu la dze agbo.

6:19b.JOH.006.019 Esi woku ʋua abe kilometa atɔ̃ alo ade ko ene la, wokpɔ Yesu wòle tetem ɖe ʋua ŋuti, enɔ zɔzɔm le tsia dzi, ke nusrɔ̃lawo vɔ̃ ŋutɔ.

6:20b.JOH.006.020 Gake edo ɣli yɔ wo eye wògblɔ na wo bena, womegavɔ̃ o.

6:21b.JOH.006.021 Esi wonya be Yesue la, wokɔe de ʋua me eye enumake ʋua de tɔkɔ afi si yim wonɔ.

6:22b.JOH.006.022 Le ŋufɔke la ameha la le tsitre ɖe ƒu la ƒe go kemɛ dzi, eye wokpɔ bena ʋu bubu aɖeke megale afi ma o, negbe ɖeka ko, wokpɔ hã be Yesu meɖo ʋua kple eƒe nusrɔ̃lawo o, ke boŋ woawo ɖeɖe koe yi.

6:23b.JOH.006.023 Tete ʋu bubu aɖewo hã tso Tiberia va ɖo afi si ameawo ɖu abolo si Aƒetɔ la yra kple akpedada le,

6:24b.JOH.006.024 eya ta ameawo nɔ ŋku lém ɖe wo me nɔ Yesu dim. Ke esi womekpɔ Yesu alo eƒe nusrɔ̃lawo le ʋuawo dometɔ aɖeke me o la, woɖo ʋuawo heyi Kapernaum be yewoaɖadii

6:25b.JOH.006.025 Esi woɖo Kapernaum la, wokpɔ Yesu eye wobiae be, “Nufiala, ale ke nèwɔ hafi va do ɖe afi sia?”

6:26b.JOH.006.026 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Le nyateƒe me la, miele diyem, menye kple susu be miexɔ dzinye se ta o, ke boŋ le nuɖuɖu si mena mi nyitsɔ la ta.

6:27b.JOH.006.027 Nuɖuɖu tea ŋu gblẽna, eya ta migatsi dzi ɖe nu siwo gblẽna la ŋu akpa o. Ke boŋ mitsɔ miaƒe ŋusẽ katã ti agbe mavɔ si Nye, Mesia alo Amegbetɔ Vi la mana mi la yome. Elabena esia tae Mawu Fofo la ɖom ɖe xexeame.”

6:28b.JOH.006.028 Ameawo biae be, “Nu ka tututue míawɔ be wòadze Mawu ŋu?”

6:29b.JOH.006.029 Yesu gblɔ na wo be, “Enye Mawu ƒe didi be miaxɔ ame si wòɖo ɖe mi la dzi ase.”

6:30b.JOH.006.030 Tete ameawo biae be, “Nukunu ka nãwɔ míakpɔ be míaxɔ dziwò ase? Nu ka nãwɔ?”

6:31b.JOH.006.031 Mía fofowo ɖu mana le gbea dzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ena abolo wo tso dziƒo be woaɖu.”

6:32b.JOH.006.032 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Fofonyee na aboloa wo, menye Mosee na wo o. Eya ta azɔ la, ele Abolo vavãtɔ nam mi tso dziƒo.

6:33b.JOH.006.033 Abolo vavãtɔ siae nye Amegbetɔ, si Mawu ɖo ɖa tso dziƒo, eye ame sia naa agbe xexeame katã.”

6:34b.JOH.006.034 Ameawo gagblɔ bena, “Aƒetɔ, na abolo vavã sia mí gbe sia gbe.”

6:35b.JOH.006.035 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Nyee nye abolo vavã si naa agbe amewo. Ame sia ame si ava gbɔnye la, dɔ magawui akpɔ o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ hã magawui gbeɖegbeɖe o.

6:36b.JOH.006.036 Gake nu si le fu ɖem na mi, abe ale si megblɔ do ŋgɔe ene lae nye bena, togbɔ be miekpɔm hã la, miexɔ dzinye se o.

6:37b.JOH.006.037 Ke ame siwo Fofo la tsɔ nam la, ava gbɔnye eye nyemagbe wo xɔxɔ gbeɖe o.

6:38b.JOH.006.038 Elabena ɖe metso dziƒo va bena mawɔ Mawu si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, ke menye nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o.

6:39b.JOH.006.039 Mawu ƒe didie nye bena, nyemabu ame siwo wòtsɔ nam la ƒe ɖeke o, ke boŋ be makplɔ wo va agbe mavɔ la mee le Nuwuwuŋkekea dzi.

6:40b.JOH.006.040 Enye Fofo la ƒe didi vevie hã be, ame sia ame si kpɔ Via eye wòxɔ edzi se la, nakpɔ agbe mavɔ eye mafɔe ɖe tsitre le Nuwuwuŋkekea dzi.”

6:41b.JOH.006.041 Azɔ Yudatɔwo de asi liʋiliʋĩlilĩ me le eŋu le ale si wògblɔ be yee nye abolo si tso dziƒo va la ta.

6:42b.JOH.006.042 Wodo ɣli hoo be, “Nu ka! Menye ame siae nye Yesu, Yosef vi la oa? Mienya fofoa kple dadaa ɖe! Ke nu ka koŋ gblɔm wòle fifia? Đe wòle gbɔgblɔm be dziƒoe yetso va?”

6:43b.JOH.006.043 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Migalĩ liʋiliʋĩ be megblɔ nya sia ta o.

6:44b.JOH.006.044 Elabena ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo si dɔm ɖa lae hee ɖe ŋunye, eye le Nuwuwuŋkekea dzi la, mana ame siawo katã ƒomevi natsi tre.

6:45b.JOH.006.045 Abe ale si woŋlɔe ɖe mawunya mee ene la, ‘Woafia nu wo katã tso Mawu ŋuti.’ Ame siwo katã Fofo la ƒo nu na, eye wosrɔ̃ nyateƒe la le egbɔ la, ava gbɔnye.

6:46b.JOH.006.046 Menye ɖe mele gbɔgblɔm be ame aɖeke kpɔ Mawu kpɔ ŋkume kple ŋkume o, elabena Nye, ame si tso Fofo la gbɔ la, koe kpɔe kpɔ.

6:47b.JOH.006.047 ”Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be, ame sia ame si xɔ dzinye se la, agbe mavɔ le esi xoxo!

6:48b.JOH.006.048 Nyee nye agbebolo la!

6:49b.JOH.006.049 Togbɔ be mia fofowo ɖu mana si wona wo tso dziƒo hã la, wo katã woku.

6:50b.JOH.006.050 Ke esiae nye abolo si ɖi tso dziƒo va, esi ame aɖu eye maku o.

6:51b.JOH.006.051 Nyee nye agbebolo si ɖi tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbee. Abolo siae nye nye ŋutilã si matsɔ ana ɖe xexeame ƒe agbe ta.”

6:52b.JOH.006.052 Azɔ ʋiʋli gaɖo Yudatɔwo dome tso nya si tututu gblɔm Yesu nɔ la ŋuti. Wobia wo nɔewo be, “Aleke ŋutsu sia awɔ atsɔ eƒe ŋutilã ana mi be míaɖu?”

6:53b.JOH.006.053 Yesu gaɖo eŋu na wo bena, “Mele gbe tem ɖe edzi na mi nyateƒetɔe bena, ne ame aɖe meɖu Mesia alo Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutilã eye wòno eƒe ʋu o la, agbe mavɔ la mate ŋu anɔ eme o.

6:54b.JOH.006.054 Ke ame si ɖu nye ŋutilã eye wòno nye ʋu la, agbe mavɔ la le esi xoxo, eye eyae nye ame si mafɔ ɖe tsitre le Nuwuwuŋkekea dzi.

6:55b.JOH.006.055 Elabena nye ŋutilãe nye nuɖuɖu vavã la eye nye ʋue nye nunono vavã la.

6:56b.JOH.006.056 Ame sia ame si ɖua nye ŋutilã eye wònoa nye ʋu lae nye ame si le menye eye nye hã mele eme.

6:57b.JOH.006.057 Nye la mele agbe, elabena Fofo gbagbe si dɔm ɖa la na ŋusẽm, eye nenema ke ame siwo ɖua nye ŋutilã la, anɔ agbe elabena mena agbe wo.

6:58b.JOH.006.058 Nyee nye abolo vavã si tso dziƒo va, ame sia ame si aɖu abolo sia ƒe ɖe la anɔ agbe tso mavɔ me yi mavɔ me, eye maku abe ale si mia fofowo ku togbɔ be woɖu abolo si tso dziƒo la hã ene o.”

6:59b.JOH.006.059 Yesu gblɔ nya siawo katã le esime wònɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum. Nya la nye gbɔgbɔ kple agbe

6:60b.JOH.006.060 Eƒe nusrɔ̃lawo ŋutɔ gɔ̃ hã gblɔ bena, “Nyateƒe, Aƒetɔ ƒe nya siawo gɔmesese sesẽ ŋutɔ. Ame kae ate ŋu ase wo gɔme?”

6:61b.JOH.006.061 Yesu kpɔe dze sii be yeƒe nusrɔ̃lawo le liʋiliʋĩ lĩm, eya ta ebia wo bena, “Đe nye nyawo ɖia mia nua?

6:62b.JOH.006.062 Ne ele alea ɖe, aleke miabu nenye be miekpɔ Amegbetɔ Vi la, wotrɔ yina dziƒo ake?

6:63b.JOH.006.063 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la koe naa agbe mavɔ. Wɔna aɖeke mele ŋutilã ya ŋu o. Nya siwo megblɔ na mi la, nye Gbɔgbɔ kple Agbe.

6:64b.JOH.006.064 Gake va se ɖe fifia la, mia dometɔ aɖewo mexɔ dzinye se o.” Ke Yesu nya ame siwo mexɔ edzi se o kple ame si le ede ge asi la tso gɔmedzedzea me ke.

6:65b.JOH.006.065 Yesu gblɔ mlɔeba be, “Nya si megblɔ va yi lae nye nu si mewɔnɛ esi megblɔ be ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo la ŋutɔe hee ɖe ŋunye.”

6:66b.JOH.006.066 Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, eƒe nusrɔ̃la geɖewo trɔ dzo le egbɔ hegblee ɖi.

6:67b.JOH.006.067 Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃la wuieveawo ŋu eye wòbia wo bena, “Miawo hã miedi be yewoadzoa?”

6:68b.JOH.006.068 Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, ame ka gbɔe míadzo ayi? Wò ko sie agbe mavɔ nya la le.

6:69b.JOH.006.069 Míexɔe se eye mienyae bena wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔe la.”

6:70b.JOH.006.070 Yesu trɔ gblɔ nɛ be, “Mi ame Wuievee metia, gake ame ɖeka le mia dome si nye abosam!”

6:71b.JOH.006.071 Yesu gblɔ nya sia tso Yuda, Simɔn Iskariɔt vi, ame si nye ame Wuieveawo dometɔ ɖeka, eye wònye ame si atsɔe ade asi na eƒe futɔwo la ŋu.

7

7:1b.JOH.007.001 Emegbe la, Yesu trɔ yi Galilea nutome, henɔ tsatsam le kɔƒewo me. Medi bena yeaɖo Yudea ya kura o, elabena Yudatɔwo nɔ nugbe ɖom ɖe eŋu le afi ma be yewoawui.

7:2b.JOH.007.002 Azɔ Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui vevi aɖe ɖo edzi. Woyɔa ŋkeke sia be Agbadɔmeŋkekenyui.

7:3b.JOH.007.003 Esi ŋkekea tu aƒe ta la, Yesu nɔviŋutsuwo va ƒoe ɖe enu be neyi Yudea ne wòaɖu ŋkekenyuia le afi ma. Nɔviawo gblɔ nɛ be, “Míedi be nãyi Yudea elabena amewo le afi ma fũu si ate ŋu akpɔ wò nukunuwɔwɔwo.

7:4b.JOH.007.004 Ame si dina be yeazu ame ŋkuta la mewɔa nu le bebeme o. Eya ta esi nèle nu siawo wɔm la, ele be nãdo ɖe gaglãgbe ne xexeame nakpɔ wò.”

7:5b.JOH.007.005 Nɔviawo gblɔ esia elebena woawo ŋutɔ gɔ̃ hã mexɔ edzi se o.

7:6b.JOH.007.006 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Miawo la, mievo eye miekpɔ mɔ ayi teƒe sia eye nya aɖeke madzɔ o, ke nye la, ɣeyiɣi sia menye ɣeyiɣi nyuitɔ nam be mayi o.

7:7b.JOH.007.007 Miawo la, xexeametɔwo melé fu mi o, ke nye la, wolé fum vevie elabena mehe nya ɖe wo ŋu ɖe woƒe nu vɔ̃ kple nu madzemadze wɔwɔ ta.

7:8b.JOH.007.008 Mido ŋgɔ mianɔ yiyim faa. Ne ɣeyiɣi nyuitɔ ɖo nam ko la, nye hã madze mia yome.”

7:9b.JOH.007.009 Ale Yesu tsi Galilea le ŋkeke mawo me.

7:10b.JOH.007.010 Esi Yesu nɔviŋutsuwo dzo vɔ megbe la, eya hã yi ŋkekenyuia ɖuƒe. Ke eyi le bebeme be amewo nagakpɔ ye o.

7:11b.JOH.007.011 Yudatɔwo ƒe amegãwo dii vevie le azã la ɖuƒe eye wonɔ eta biam se le amewo gbɔ.

7:12b.JOH.007.012 Ame geɖewo nɔ nu ƒom le eŋu le teƒea. Ame aɖewo gblɔ be, “Enye ame deŋgɔ wɔnuku aɖe.” Ke ame bubuwo hã gblɔ be, “Alakpatɔe wònye le amewo flum le yiyim.”

7:13b.JOH.007.013 Ke dzideƒo menɔ ame siwo nɔ ekafum la si be woaƒo nu tso eŋu le dutoƒo o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m be Yudatɔwo ƒe amegãwo ava he to na yewo.

7:14b.JOH.007.014 Esi ŋkekenyui la ƒe afa nu yi la, Yesu yi ɖe gbedoxɔ la me eye wòde asi nufiafia amewo me.

7:15b.JOH.007.015 Ewɔ nuku na Yudatɔwo ƒe amegãwo ŋutɔ esi wose nu siwo gblɔm wònɔ le gbedoxɔ la me. Wobia wo nɔewo be, “Aleke wɔ ame sia nya nu siawo nyuie ale, togbɔ be mede miaƒe suku aɖeke kpɔ o?”

7:16b.JOH.007.016 Yesu gblɔ na wo bena, “Nye la, nyemele nu siwo tso nye ŋutɔ nye susu me la fiam o, ke boŋ Mawu si ɖom ɖa la ƒe susuwo fiam mele.

7:17b.JOH.007.017 Nenye be mia dometɔ aɖe ɖoe kplikpaa bena yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔe adze sii xoxo nenye be nye nufiafia tso Mawu gbɔ loo alo enye nye ŋutɔ nye nyawo.

7:18b.JOH.007.018 Ne ame aɖe le nu ƒom tso nu si eya ŋutɔ susu ŋuti la, ekema ele kafukafu dim na eɖokui tso amewo gbɔ. Ke ame si le didim bena yeade bubu ame si ɖoe ɖa ŋuti la, ame mae nye nyateƒetɔ kple nuteƒewɔla.

7:19b.JOH.007.019 Mia dometɔ aɖeke mewɔa Mose ƒe sewo dzi o, ke nu ka tae wòle be miatsɔ nya ɖe ŋunye bena meda le eƒe sewo dzi. Eye nu ka tae wòle be miawum ɖe esia ta?”

7:20b.JOH.007.020 Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Wò la, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò! Ame kae le didim be yeawu wò?”

7:21b.JOH.007.021 Yesu gblɔ na wo bena, “Nukunu ɖeka pɛ ko mewɔ eye mi katã miaƒe mo wɔ yaa.

7:22b.JOH.007.022 Ke Mose de se na mi be miatso aʋa eye mietsoa aʋa na mia viwo le Sabat ŋkekea gɔ̃ hã dzi. Ke menye Mosee to aʋatsotso vɛ o, ke boŋ edzɔ tso fofoawo dzi le blema.

7:23b.JOH.007.023 Azɔ la nenye be woate ŋu atso aʋa na ɖevi le Sabat dzi ale be womada le Mose ƒe se dzi o la, nu ka ŋuti miele dziku dom ɖe ŋunye be meda gbe le ameti blibo la ŋu le Sabat dzi?

7:24b.JOH.007.024 Migadrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzedzeme nu o, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzɔdzɔenyenye nu.”

7:25b.JOH.007.025 Yerusalemtɔ aɖe siwo nɔ afi ma la gblɔ na wo nɔewo be, “Alo menye ame si dim dumegãwo le be yewoawu lae nye esia oa?

7:26b.JOH.007.026 Ame lae nye esi le afii le mawunya gblɔm le dutoƒo gake ame aɖeke mebia nya aɖekee o. Đe míaƒe dumegãwo xɔe se mlɔeba be eyae nye Kristo la vavã?

7:27b.JOH.007.027 Ame bubuwo hã nɔ gbɔgblɔm be ame sia mate ŋu anye Kristo la o, elabena míenya afi si wodzii le, evɔ nenye be Kristo ŋutɔ ava la, ɖeko wòado ko kpoyi, ame aɖeke manya afi si wòtso o.”

7:28b.JOH.007.028 Yesu nya nu sia nu si gblɔm wonɔ eya ta esi wònɔ mawunya gblɔm le gbedoxɔ la me la, egblɔ bena, “Miawo la, mienyam eye mienya afi si wodzim le, ke magblɔ na mi bena, ame si mienya o lae dɔm ɖa, eye ame siae nye Nyateƒe la.

7:29b.JOH.007.029 Nye la menyae elabena nye kplie li hafi wòdɔm ɖe mia gbɔ.”

7:30b.JOH.007.030 Le Yesu ƒe nya siawo ta la, Yudatɔwo ƒe amegãwo di be yewoalée, gake ame aɖeke mete ŋu te ɖe eŋu kaka ayi elé ge o, elabena Mawu ƒe ɣeyiɣi si wòɖo la mede haɖe o.

7:31b.JOH.007.031 Ame geɖe siwo nɔ gbedoxɔ la me la xɔ edzi se eye wogblɔ be, “Nukunu kawoe miele mɔ kpɔm be ne Kristo la va la awɔ, esi ame sia mewɔ o?”

7:32b.JOH.007.032 Esi Farisitɔwo se nya siawo le amewo nu la, wo kple Osɔfogãwo dɔ gbedoxɔmesrafowo ɖa bena woayi aɖalé Yesu.

7:33b.JOH.007.033 Gake Yesu gblɔ be, “Ele be maganɔ mia gbɔ vie hafi matrɔ agayi ame si dɔm ɖa gbɔ.

7:34b.JOH.007.034 Miadim, ke miakpɔm o, eye miate ŋu ava afi si meyi hã o.”

7:35b.JOH.007.035 Yesu ƒe nya siawo na be Yudatɔwo ƒe amegãwo tɔtɔ. Wobia wo nɔewo be, “Afi kae wòle ɖoɖo wɔm bena yeadzo ayi? Đewohĩ edi be yeayi aɖagblɔ mawunya na Yudatɔ siwo le anyigba vovovowo dzi alo be yeayi trɔ̃subɔlawo ƒe anyigba dzi aɖagblɔ mawunya na wo le afi ma.”

7:36b.JOH.007.036 Wogabia hã be, “Nu ka tututue wòwɔnɛ be, ‘Miadim ke miakpɔm o, eye miate ŋu ava afi si mayi hã o.’”

7:37b.JOH.007.037 Le agbadɔmeŋkekenyuia ƒe ŋkeke mamlɛtɔ dzi la, Yesu do ɣli gblɔ na ameha la be, “Nenye be tsikɔ le mia dometɔ aɖe wum la, neva gbɔnye wòava no tsi faa.

7:38b.JOH.007.038 Elabena, mawunya gblɔ bena, “Ame si xɔ dzinye se la, tɔsisi si me agbetsi le la anɔ dzidzim tso eya ma me ke.”

7:39b.JOH.007.039 Yesu nɔ nu ƒom tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti elabena woana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame sia ame si xɔ edzi se. Ke womena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o elabena womekɔ Yesu ŋuti haɖe o. Mama ɖo ameawo dome

7:40b.JOH.007.040 Esi amehawo se nya si wògblɔ la, ɖewo gblɔ be, “Le nyateƒe me la, ame siae nye nyagblɔɖila si ava do ŋgɔ na Mesia la.”

7:41b.JOH.007.041 Ame bubu aɖewo be, “Eyae nye Kristo la” . Ke ame bubu aɖewo le biabiam be, “Đe Kristo ate ŋu atso Galilea mahã?

7:42b.JOH.007.042 Đe mawunya megblɔ be Kristo la atso David ƒe ƒome kple Betlehem, du si me David nɔ la me oa?”

7:43b.JOH.007.043 Ale mama ɖo ameawo dome tso ame si tututu Yesu nye la ŋuti.

7:44b.JOH.007.044 Ame aɖewo di vevie be yewoalée gake wo dometɔ aɖeke medo dzi ka asi eŋu o.

7:45b.JOH.007.045 Asrafo siwo Osɔfogãwo kple Farisitɔwo ɖo ɖa be woayi aɖalé Yesu la trɔ gbɔ va asi ƒuƒlu. Ameawo bia wo bena, “Nu ka tae mielé ŋutsua vɛ o.”

7:46b.JOH.007.046 Ke asrafoawo ɖo eŋu na wo be, “Nya geɖe siwo ŋutsu sia gblɔ la sɔ to me na mi ŋutɔ. Le anukware me la míese nya deto sia tɔgbi kpɔ o.”

7:47b.JOH.007.047 Faristitɔawo ɖu fewu le asrafoawo ŋu gblɔ be, “Ke ɖe ŋutsu sia flu miawo hã xoxoa?

7:48b.JOH.007.048 Miekpɔ dumegã aɖe alo Farisitɔ aɖe wòxɔ ame sia dzi sea?

7:49b.JOH.007.049 Ameha gã sia, si mele naneke nyam o la, koe xɔ edzi se, ke nu kae wonya tso nu sia ŋuti. Fiƒode ava ame siawo dzi kokoko!”

7:50b.JOH.007.050 Ke Nikodemo si nye ameawo dometɔ ɖeka, ame si hã va Yesu gbɔ le zã me la tsi tre hebia etɔwo bena,

7:51b.JOH.007.051 “Đe wòle se nu be woatso nya me hafi adrɔ̃ ʋɔnu ame aɖea?”

7:52b.JOH.007.052 Woɖo eŋu nɛ be, “Wò hã Galileatɔe nènyea? Wò ŋutɔ dzro mawunya la me eye nãkpɔ ŋuɖoɖo na ɖokuiwò. Le nyateƒe me la, nyagblɔɖila aɖeke matso Galilea o!”

7:53b.JOH.007.053 Ale takpekpea kaka eye ame sia ame dzo yi aƒe me.

8

8:1b.JOH.008.001 Yesu trɔ dzo yi Amito la dzi.

8:2b.JOH.008.002 Gake esi ŋu ke ko la, egatrɔ va gbedoxɔ la me. Ameha gã aɖe gaƒo zi ɖe eŋu, eye wòbɔbɔ nɔ anyi hefia nu wo.

8:3b.JOH.008.003 Esi wònɔ nu ƒom la, Yudatɔwo ƒe dumegãwo kple Faristitɔwo kplɔ nyɔnu aɖe si wolé asiasii, wònɔ ahasi wɔm la vɛ eye wokplɔe da ɖe ameawo titina.

8:4b.JOH.008.004 Azɔ wogblɔ na Yesu be, “Nufiala, míelé nyɔnu sia, asiasii wònɔ ahasi wɔm.

8:5b.JOH.008.005 Mose ƒe Se gblɔ bena, ne wolé ame aɖe alea la, ele be woaƒu kpee. Aleke nèkpɔ tso nya sia ŋu?”

8:6b.JOH.008.006 Ame siawo bia biabia sia Yesu be yewoatsɔ atre mɔ nɛ ale be ne wògblɔ nya aɖe ko la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu. Ke ɖeko Yesu bɔbɔ ta tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nui ɖe anyigba.

8:7b.JOH.008.007 Ameawo ganɔ fu ɖem nɛ kokoko be neɖo nya la ŋu na yewo, eya ta efɔ kɔ dzi gblɔ na wo be, “Enyo, miƒu kpe nyɔnu sia ne wòaku, gake ame si ŋu nu vɔ̃ aɖeke mele o la, netre kpea ƒuƒui.”

8:8b.JOH.008.008 Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ ko la, ebɔbɔ ta eye wògade asi nua ŋɔŋlɔ me ɖe anyigba.

8:9b.JOH.008.009 Esi wose esia la, wode asi dzodzo me ɖekaɖeka, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe esime wo katã wodzo negbe Yesu kple nyɔnua kple ameha la koe susɔ.

8:10b.JOH.008.010 Yesu fɔ ta dzi bia nyɔnua be, “Afi ka ame siwo tsɔ nya ɖe ŋuwò la le? Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ɔ hã meƒu kpe wò oa?”

8:11b.JOH.008.011 Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Meɖe kuku, ao.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nye hã nyemebu fɔ wò o; heyi eye tso esia dzi la, mègawɔ nu vɔ̃ azɔ o.”

8:12b.JOH.008.012 Yesu gaƒo nu na ameawo eye wògblɔ be, “Nyee nye xexeame ƒe Kekeli la. Eya ta ne ame aɖe dze yonyeme la, mazɔ viviti me o, elabena agbe ƒe kekeli la aklẽ ɖe eƒe mɔ dzi.”

8:13b.JOH.008.013 Farisitɔ siwo nɔ afi ma la ɖo eŋu nɛ be, “Wò la, ɖokuiwò ko dom nèle ɖe dzi. Wò ɖaseɖiɖiwo nye alakpa sɔŋ ko.”

8:14b.JOH.008.014 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Togbɔ be mele ɖase ɖim le ɖokuinye ŋu hã la, nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe. Elabena nye la menya afi si metso kple afi si meyina, ke miawo la mienya afi si metso alo afi si meyina o.

8:15b.JOH.008.015 Miawo la miedrɔ̃a ʋɔnu le amegbetɔwo ƒe nugɔmesese nu. Nye la nyemele ʋɔnu drɔ̃m ame aɖeke o,

8:16b.JOH.008.016 gake ne medrɔ̃ ʋɔnu la, anye ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe le go sia go me, elabena nye kple Fofonye si dɔm ɖa lae le edrɔ̃ ge.

8:17b.JOH.008.017 Miaƒe see gblɔ be, ne ame eve ƒe ɖaseɖiɖi le nya aɖe ŋu sɔ ko la, woaxɔe be nyateƒe.

8:18b.JOH.008.018 Nenema ke nye kple Fofonye hã ƒe ɖaseɖiɖi le ɖeka, eya ta nye nyawo nye nyateƒe.”

8:19b.JOH.008.019 Ameawo biae be, “Afi kae Fofowòa le?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la mienya ame si menye o, eya ta mienya ame si nye Fofonye hã o. Ne ɖe mienyam la, anye ne mienya Fofonye hã.”

8:20b.JOH.008.020 Togbɔ be Yesu gblɔ nya siawo le gbedoxɔ la ƒe gadzraɖoƒe hã la, ame aɖeke mete kpɔ be yealée o elabena eƒe ɣeyiɣi la meɖo haɖe o.

8:21b.JOH.008.021 Yesu gagblɔ na wo hã be, “Nye la mele dzodzo ge, miadim gake miakpɔm o, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me, eye afi si meyina hã la, miate ŋu ava o.”

8:22b.JOH.008.022 Yudatɔwo bia be, “Ame sia ɖe, ɖe wòle susu wɔm be yeawu ye ɖokuia? Nu ka tututue wòwɔnɛ esi wògblɔ be, ‘Miawo la miate ŋu ava afi si nye la meyina o.’?”

8:23b.JOH.008.023 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, anyigba sia dzie mietso, ke nye la dziƒoe metso. Miawo la, xexe sia me tɔwoe mienye, ke nye la, nyemetso xexe sia me o.

8:24b.JOH.008.024 Esia tae megblɔ na mi be, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me. Le nyateƒe me, ne miexɔ dzinye se be nyee nye ame si le vava ge o la, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me.”

8:25b.JOH.008.025 Ameawo gabia be, “Gblɔ ame si tututu nènye la na mi.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la tso gɔmedzedzea me ke.

8:26b.JOH.008.026 Nye la nu geɖewo li mate ŋu agblɔ tso mia ŋuti eye mate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe wo ta gake nyemawɔ esia o, elabena ame si dɔm ɖa la, eyae nye nyateƒetɔ la, eye nu siwo mese tso egbɔ lae megblɔna na xexeame.”

8:27b.JOH.008.027 Ke va se ɖe fifi hã la, ameawo mese nu si gblɔm wònɔ na wo le Fofo la ŋuti gɔme kpɔ o.

8:28b.JOH.008.028 Ale Yesu gagblɔ na wo be, “Le nye ku kple tsitretsitsi vɔ megbe hafi miakpɔe adze sii be, nyee nye Mesia la, eye nya siwo katã menɔ gbɔgblɔm na mi la, menye nye ŋutɔ nye nya kpakpawo o, ke boŋ wonye nya siwo Fofo la fiam be magblɔ.

8:29b.JOH.008.029 Eya ame si dɔm ɖa la li kplim ɖaa, medzo le gbɔnye o, elabena mewɔa eƒe didi ko dzi ɖaa.”

8:30b.JOH.008.030 Esi wònɔ nu ƒom la, ame geɖewo xɔ edzi se.

8:31b.JOH.008.031 Yesu gblɔ na Yudatɔ siwo xɔ edzi se la bena, “Ne mielé nye nufiafiawo me ɖe asi la, ekema mianye nye nusrɔ̃la vavãwo.

8:32b.JOH.008.032 Miadze si nyateƒe la hã, eye nyateƒe la awɔ mi ablɔɖeviwoe.”

8:33b.JOH.008.033 Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, Abraham ƒe dzidzimeviwoe míenye eye míenye kluviwo na ame aɖeke kpɔ le anyigba sia dzi o. Eya ta nu kae nèwɔnɛ esi nègblɔ bena, ‘Míazu ablɔɖeviwo’?”

8:34b.JOH.008.034 Yesu gagblɔ na wo be, “Mele gbe tem ɖe edzi na mi be, ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la nye nu vɔ̃ ƒe kluvi.

8:35b.JOH.008.035 Kluviwo la, gomekpɔkpɔ aɖeke meli na wo o, gake gomekpɔkpɔ li na aƒea tɔ ƒe vi la ya.

8:36b.JOH.008.036 Eya ta nenye be Vi la na miekpɔ ablɔɖe la, ekema miezu ablɔɖeviwo vavã.

8:37b.JOH.008.037 Menyae bena Abraham ƒe dzidzimeviwoe mienye, gake mi ame aɖewo miedi be yewoawum elabena nye nyawo mesɔ to me na mi o.

8:38b.JOH.008.038 Nu siwo gblɔm mele na mi lae nye esiwo teƒe mekpɔ esi menɔ Fofonye gbɔ. Gake miawo la, miele mia fofo ƒe gbedzi wɔm.”

8:39b.JOH.008.039 Ameawo gaɖo eŋu nɛ be, “Mía fofoe nye Abraham.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gbeɖe! Abraham menye mia fofo o, ne mia fofoe wònye la, anye ne miadze kpɔɖeŋu nyui si wògblẽ ɖi na mi la yome.

8:40b.JOH.008.040 Ke miawo la miele agbagba dzem be yewoawum elabena mele nyateƒe si tso Mawu gbɔ la gblɔm na mi. Abraham mewɔ nu siawo ƒomevi aɖeke o.

8:41b.JOH.008.041 Le nyateƒe me ne miewɔ alea la, mia fofo ƒe afɔtoƒe tututu ko tom miele.” Woɖo eŋu nɛ be, “Míawo la, menye ahasie mía dzilawo wɔ hafi dzi mí o. Fofo ɖeka koe li na mí le nyateƒe la me eye eyae nye Mawu ŋutɔ.”

8:42b.JOH.008.042 Yesu gblɔ na wo be, “Đe miaƒe nya sia le eme la, anye ne mialɔ̃m, elabena Mawu gbɔe metso hafi va mia gbɔ. Nyemeva le ɖokuinye si o, ke boŋ Mawue ɖom ɖa.

8:43b.JOH.008.043 Nu ka tae miate ŋu ase nya si gblɔm mele na mi la gɔme o? Miesea nu gɔme o, elabena wogbe na mi be miagaɖo tom o.

8:44b.JOH.008.044 Miawo la, satana ƒe viwoe mienye eya tae mielɔ̃a nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔna la wɔwɔ. Amewulae wònye tso gɔmedzedzea me ke eye melɔ̃a nu si nye nyateƒe o. Nyateƒe kui ɖeka pɛ hã mele eme o. Alakpadada hã la, meʋaa dzi nɛ o, elabena eyae nye alakpatɔwo fofo.

8:45b.JOH.008.045 Eya ta ne mele nyateƒe la gblɔm na mi hã la, ɖeko wòɖia alakpa le miaƒe towo me ale miexɔa edzi sena o.

8:46b.JOH.008.046 ”Mia dometɔ kae le afi sia si ate ŋu atɔ asi nu vɔ̃ ɖeka pɛ si mewɔ kpɔ la dzi? Ame aɖeke o. Ke nu ka tae ne mele nyateƒea gblɔm na mi la miexɔnɛ sena o.

8:47b.JOH.008.047 Ame si Fofoe nye Mawu la, ɖoa to eƒe nyawo dzidzɔtɔe. Gake esi miawo mielɔ̃a toɖoɖo Mawu ƒe nyawo o ta la, efia be mienye viawo o.”

8:48b.JOH.008.048 Yudatɔwo ƒe dumegãwo gblɔ na Yesu dzikutɔe be, “Đe menye nyateƒe wònye miegblɔ be, Samariatɔ si me gbɔgbɔ vɔ̃ le lae nènye oa?”

8:49b.JOH.008.049 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gbeɖe! Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖeke mele menye o. Elabena nye la medea bubu Fofonye ŋu, ke miawo la miele vlo domem.

8:50b.JOH.008.050 Togbɔ be menye nye didi be makɔ ɖokuinye ɖe dzi o hã la, Mawu ŋutɔ dom ɖe dzi xoxo eye wòle ʋɔnu drɔ̃ ge ame siwo katã gbe nu le gbɔnye.

8:51b.JOH.008.051 Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame sia ame si ɖoa tom la, mele kuku ge akpɔ o.”

8:52b.JOH.008.052 Yudatɔwo ƒe dumegãwo gagblɔ nɛ be, “Azɔ míeka ɖe edzi be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le mewò vavã, elabena Abraham kura kple nyagblɔɖila gã siwo nɔ anyi kpɔ la ku, ke wò la, èle gbɔgblɔm na mi fifia be, ame si xɔ ye dzi se la maku gbeɖe o.

8:53b.JOH.008.053 Đe nèle gbɔgblɔm be yede ŋgɔ wu mía fofo Abraham si kua? Eye ɖe nèle gbɔgblɔm hã be yede ŋgɔ wu nyagblɔɖila siwo ku va yia? Ame ka koŋ nèbuna be yenye?”

8:54b.JOH.008.054 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye nye ŋutɔe le ɖokuinye kafum la, ekema nye kafukafu la menye naneke o, ke Fofonye, si miawo hã miebe enye yewoƒe Mawu lae le kafuyem.

8:55b.JOH.008.055 Nye la menya Fofo la, ke miawo la mienyae o. Ne megblɔ be nyemenyae o la, ekema menye alakpatɔ abe miawo ke ene. Enye nyateƒe be menyae eye meɖoa toe le nuwo katã me.

8:56b.JOH.008.056 Esi mia fofo Abraham nya be megbɔna la dzi dzɔe eye eƒe dzidzɔ de blibo esi wòkpɔ ŋkekea.”

8:57b.JOH.008.057 Yudatɔwo gabiae be, “Wò ame si mexɔ ƒe blaatɔ̃ ŋutɔ gɔ̃ hã haɖe o lae le gbɔgblɔm be yekpɔ Abraham mahã?”

8:58b.JOH.008.058 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe matrɔmatrɔ lae nye be, nye la meli xoxoxo hafi Abraham va dzɔ ɖe xexeame nyitsɔ gɔ̃ hã.”

8:59b.JOH.008.059 Esi wògblɔ esia vɔ ko la, Yudatɔwo ƒe dumegãwo fɔ kpe be yewoaƒui. Gake Yesu ɣla eɖokui eye wòdo go le gbedoxɔ la me.

9

9:1b.JOH.009.001 Esi Yesu nɔ tsa ɖim la, ekpɔ ŋutsu aɖe si nye ŋkuagbãtɔ tso dzidzime ke.

9:2b.JOH.009.002 Nusrɔ̃lawo bia Yesu be, “Nufiala, nu ka tae wodzi ame sia ŋkuagbãtɔe? Eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃e wɔe be wòle alea loo alo edzilawo ƒe nu vɔ̃woea?”

9:3b.JOH.009.003 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Menye wo dometɔ aɖeke ƒe nu vɔ̃e na be ame sia ƒe ŋku gbã o. Wodzii nenema be woatsɔ aɖe Mawu ƒe ŋusẽ afia.

9:4b.JOH.009.004 Ele nam be mawɔ dɔ siwo ame si dɔm ɖa la nam kaba, elabena esusɔ vie ko zã nado eye ame aɖeke magate ŋu awɔ dɔ o.

9:5b.JOH.009.005 Gake zi ale si mele xexeame la, nyee nye xexeame ƒe Kekeli la.”

9:6b.JOH.009.006 Le esia megbe la, Yesu ɖe ta ɖe anyigba eye wòwɔ ba vi aɖe ɖe asi hesisi ɖe ŋkuagbãtɔ la ƒe ŋkuwo dzi.

9:7b.JOH.009.007 Azɔ egblɔ nɛ be, “Yi nãle tsi le Siloam Ta la me.” Siloam gɔmee nye, “Wodɔe ɖa.” Ŋkuagbãtɔ la tso kpla eye wòdze mɔ yi ɖawɔ abe ale si Yesu gblɔ nɛ la ene, eye enumake eƒe ŋkuwo ʋu nyuie wònɔ nu kpɔm.

9:8b.JOH.009.008 Ŋutsu sia ƒe aƒelikawo kple ame siwo katã nyae tsã be nubialae wònye la, bia wo nɔewo be, “Alo ɖe menye ŋkuagbãtɔ ma si nɔ nu biam lae nye esia oa?”

9:9b.JOH.009.009 Ame aɖewo be eyae eye ɖewo hã be menye eyae o, ɖeko wòɖii. Ke ŋutsua ŋutɔ gblɔ be, “Nye tututue.”

9:10b.JOH.009.010 Ameawo biae be, “Ke aleke wɔ hafi wò ŋkuawo ʋu?”

9:11b.JOH.009.011 Ŋutsua gblɔ na wo be, “Ŋutsu aɖe si woyɔna be Yesu lae nya anyi vi aɖe tsɔ sisi ɖe nye ŋkuwo dzi hegblɔ nam be mayi ɖale tsi le Siloam Ta la me. Mewɔ esia ale nye ŋkuwo ʋu eye mede asi nukpɔkpɔ me.”

9:12b.JOH.009.012 Ameawo gabiae be, “Afi ka amea le?” Eɖo eŋu na wo be, “Nyemenya o.”

9:13b.JOH.009.013 Ale ameawo kplɔ ŋutsua yi ɖe Farisitɔwo gbɔe.

9:14b.JOH.009.014 Nya siawo katã dzɔ le Sabat ŋkeke la dzi.

9:15b.JOH.009.015 Farisitɔ siwo gbɔ wokplɔ ŋutsua vɛ la biae be wòagblɔ nu si va eme la na yewo. Ale wògblɔ ale si Yesu tsɔ ba sisi ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye esi wòyi ɖale tsi ko la, eƒe ŋkuwo ʋu eye wòde asi nukpɔkpɔ me la na wo.

9:16b.JOH.009.016 Farisitɔawo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nenye be Yesu sia do dzi da gbe le ame ŋu le Sabat ŋkeke dzi la, ekema menye Mawue dɔe ɖa o.”

9:17b.JOH.009.017 Faristɔawo gatrɔ ɖe ame si woʋu ŋku na la gbɔ hebiae be, “Wò ŋutɔ ɖe alekee nye wò susu le ame si ʋu ŋku na wò la ŋu,? Ame ka ƒomevi nèbu be enye?” Ŋutsua ɖo eŋu na wo bena, “Le nye nukpɔkpɔ nu la, enye nyagblɔɖila aɖe si Mawu dɔ ɖo ɖa.”

9:18b.JOH.009.018 Yudatɔwo ƒe dumegãwo gbe be yewomaxɔe ase be ŋutsua nye ŋkuagbãtɔ tsã o, va se ɖe esime woyɔ edzilawo vɛ, eye

9:19b.JOH.009.019 wobia wo be, “Mia vie nye ame sia? Ŋkuagbãtɔe wònye hafi miedzia? Nenye be ele eme nenema ɖe ale ke wɔ wòle nu kpɔm fifia?”

9:20b.JOH.009.020 Edzilawo ɖo eŋu be, “Vavã mia vie nye ɖekakpuia, eye ele eme hã be ŋkuagbãtɔe míedzii,

9:21b.JOH.009.021 gake míenya nu si va dzɔ hafi eƒe ŋkuwo ʋu o, eye míenya ame si wɔe be eƒe ŋkuwo ʋu hã o. Mía via ŋutɔ hã tsi, aƒo nu aɖe eɖokui nu eya ta taflatse, mibia gbee!”

9:22b.JOH.009.022 Ŋutsua dzilawo gblɔ esiawo le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta, elabena Yudatɔwo ɖoe da ɖi xoxoxo be ame si agblɔ be eyae nye Kristo la, woaɖe nenem me ma le yewoƒe hame.

9:23b.JOH.009.023 Le esia ta dzilawo gblɔ be, “Etsi, mibia eya ŋutɔ.”

9:24b.JOH.009.024 Ale Farisitɔawo gayɔ ŋutsu si ƒe ŋkuwo gbã kpɔ la zi evelia eye wogblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, Mawue wòle be nãkafu, ke menye Yesu o, elabena Yesu la míenya be ame vɔ̃ɖie wònye.”

9:25b.JOH.009.025 Ŋutsua ɖo eŋu na wo be, “Yesu ɖanye ame vɔ̃ɖi o, eɖanye ame nyui o, nyemenya o. Nu ɖeka si ko menyae nye be, tsã la, menye ŋkuagbãtɔ, ke azɔ la, mele nu kpɔm!”

9:26b.JOH.009.026 Ameawo gabiae ake be, “Nu kae wòwɔ? Aleke tututue wòwɔ hafi da gbe le ŋuwò?”

9:27b.JOH.009.027 Ŋutsua do ɣli gblɔ na wo be, “Kpɔ ɖa, megblɔ nya sia na mi zi ɖeka xoxo. Alo miesee oa? Nu ka ta miedi be magagblɔ nu si dzɔ la na mi ake? Alo miawo hã ɖe miedi be yewoazu eƒe nusrɔ̃lawoa?”

9:28b.JOH.009.028 Nya siawo na be Farisitɔawo dzu ŋutsua eye wogblɔ nɛ be, “Wò la, eƒe nusrɔ̃lae nènye, ke miawo la, Mose ƒe nusrɔ̃lawoe mĩenye.

9:29b.JOH.009.029 Mĩenyae bena Mawu ƒo nu na Mose, ke ame sia la, mienya naneke tso eŋu o.”

9:30b.JOH.009.030 Ŋutsua gate kpɔ ɖo nya sia hã ŋu na wo bena, “Ewɔ nuku ŋutɔ be miegblɔ be yewomenya afi si ame sia tso o, evɔ wòte ŋu ʋu nye ŋkuwo.

9:31b.JOH.009.031 Le nyateƒe me la, Mawu meɖoa to ame vɔ̃ɖiwo o, ke boŋ ame siwo subɔnɛ eye wowɔa eƒe lɔlɔ̃nu.

9:32b.JOH.009.032 Tso xexeame ƒe gɔmedzedzea, ke la womese kpɔ be ame aɖe ʋu ŋku na ame si wodzi ŋkuagbãtɔe kpɔ o,

9:33b.JOH.009.033 ne menye Mawu gbɔe ame sia tso o la, mate ŋu awɔ nenem nu sia o.”

9:34b.JOH.009.034 Ameawo do ɣli ɖe ŋutsua ta gblɔ be, “Wò si wodzi ɖe nu vɔ̃ mee be yeafia nu mía?” Ale wonyae do goe.

9:35b.JOH.009.035 Yesu se be wonya ŋutsu sia eya ta edii va ke ɖe eŋu eye wòbiae be, “Èxɔ Amegbetɔ Vi la dzi sea?”

9:36b.JOH.009.036 Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, ame kae? Gblɔe nam elabena medi be madze sii.”

9:37b.JOH.009.037 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si nèkpɔ va yi eye wògale nu ƒom na wò fifia lae.”

9:38b.JOH.009.038 Ŋutsua do ɣli be, “Nye Aƒetɔ, mexɔe se!” Ale wòdze klo hesubɔ Yesu.

9:39b.JOH.009.039 Yesu gblɔ nɛ be, “Nye la ɖe meva xexeame bena maʋu ŋku na ame siwo ƒe gbɔgbɔmeŋkuwo gbã eye mafia ame siwo bu be yewole nu kpɔm la be woƒe ŋkuwo gbã.”

9:40b.JOH.009.040 Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae be, “Đe nèle gbɔgblɔm be míaƒe ŋkuwo gbã?”

9:41b.JOH.009.041 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne ɖe mielɔ̃ be yewonye ŋkuagbãtɔwo la, anye ne fɔɖiɖi aɖeke manɔ mia ŋu o. Gake esi miebe yewole nu kpɔm ko la, miaƒe nu vɔ̃wo azu agba ɖe mia dzi.”

10

10:1b.JOH.010.001 “Nyateƒe wònye mele gbɔgblɔm na mi be ame si megena ɖe alẽkpoa me to agboa nu o, ke boŋ wòyina ɖaliana to afi bubu hafi gena ɖe eme la, eyae nye fiafitɔ kple adzodala.

10:2b.JOH.010.002 Ke ame si toa agboa nu gena ɖe eme la, eyae nye alẽawo ƒe kplɔla.

10:3b.JOH.010.003 Agbonudzɔla ʋua agbo la na eyamea eye alẽawo ɖoa to eƒe gbe. Eyɔa eƒe alẽwo kple ŋkɔ eye wòkplɔa wo doa goe.

10:4b.JOH.010.004 Edzea ŋgɔ na alẽawo eye wokplɔnɛ ɖo elabena wodea dzesi eƒe gbe.

10:5b.JOH.010.005 Womadze ame tutɔ yome o, ke boŋ woasi le egbɔ elabena womede dzesi eƒe gbe o.”

10:6b.JOH.010.006 Yesu do lo sia na wo gake womese nu si gblɔm wòle na wo la gɔme o.

10:7b.JOH.010.007 Eya ta Yesu gagblɔ na wo be, “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, Nyee nye Agbo na alẽawo.

10:8b.JOH.010.008 Eye ame siwo katã va do ŋgɔ nam la, alẽawo meɖo to wo o, elabena fiafitɔwo kple adzodalawoe wonye.

10:9b.JOH.010.009 Esi wònye be Nyee nye Agboa ta la, ame siwo katã to Agboa nu la akpɔ ɖeɖe. Woado go ayi aɖaɖu gbe damawo eye woagagbɔ va to Agbo la nu age ɖe alẽkpoa me.

10:10b.JOH.010.010 Fiafitɔ la ƒe taɖodzinue nye be yeafi fi, awu ame, agblẽ nu. Ke nye ya ɖe meva be mana agbe si de blibo amewo.

10:11b.JOH.010.011 ”Nyee nye Alẽkplɔla Nyui la, elabena, metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta.

10:12b.JOH.010.012 Ke apadɔwɔla si woxɔ be wòakpɔ alẽawo dzi la meléa be na wo o. Ne ekpɔ amegâxi wògbɔna la, esina elabena alẽawo menye etɔ o. Ale amegãxi la dzea alẽawo dzi hevuvua ɖewo, eye mamlɛawo kakana gbee.

10:13b.JOH.010.013 Apadɔwɔla la sina elabena ɖeko wodɔe be wòakpɔ alẽawo dzi, ke eƒe dzi meku ɖe wo ŋu o.

10:14b.JOH.010.014 ”Nyee nye Alẽkplɔla Nyui la. Menya nye alẽwo eye nye alẽwo hã nyam,

10:15b.JOH.010.015 abe ale si Fofonye nyam ene la, nenema kee nye hã menya Fofonyee, eye metsɔ nye agbe na ɖe alẽawo ta.

10:16b.JOH.010.016 Alẽha bubuwo hã le asinye siwo wòle be makplɔ va gbɔnyee bena woase nye gbe, eye wo katã woanye alẽha ɖeka anɔ Kplɔla ɖeka te.

10:17b.JOH.010.017 ”Fofo la lɔ̃m ŋutɔ elabena metsɔ nye agbe na ɖe amewo ta bena magaxɔe emegbe. Ame aɖeke mate ŋu aɖem ɖa ne nyemena mɔ o.

10:18b.JOH.010.018 Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe na elabena ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe ana eye ŋusẽ le asinye be magaxɔe. Mɔnukpɔkpɔ siae Fofo la tsɔ nam.”

10:19b.JOH.010.019 Yesu ƒe nya siawo gahe mama de Yudatɔwo ƒe dumegãwo dome elabena ame aɖewo xɔ eƒe nyawo dzi se eye ɖewo hã mexɔe se o.

10:20b.JOH.010.020 Ame siwo mexɔe se o la gblɔ be, “Ame sia la, gbɔgbɔ vɔ̃e le fu ɖem nɛ, ne menye nenema o la, ekema ele tsu kum eya ta migaɖo toe o.”

10:21b.JOH.010.021 Ame bubuwo hã gblɔ be, “Ame sia ƒe nuƒo kple nuwɔnawo medze abe ame si gbɔgbɔ vɔ̃ le fu ɖem na la ene o. Đe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋku na ame siwo ƒe ŋku gbã?”

10:22b.JOH.010.022 Tete gbedoxɔ Ŋutikɔkɔŋkekenyui ɖo le Yerusalem. Enye vuvɔŋɔlĩ,

10:23b.JOH.010.023 eye Yesu nɔ gbedoxɔ la me nɔ zɔzɔm le teƒe si woyɔna be Salomo ƒe Akpata la me.

10:24b.JOH.010.024 Yudatɔwo ƒo xlãe eye wogblɔ nɛ be, “Ɣekayie nãna miatsi dzimaɖi se ɖo? Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mi”

10:25b.JOH.010.025 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ ame si menye la na mi xoxo, gake miexɔe se o. Nukunu siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔ me la hã le ɖase ɖim le ŋunye.

10:26b.JOH.010.026 Gake miele exɔm se o elabena miele nye alẽhawo dome o.

10:27b.JOH.010.027 Nye la, menya nye alẽwo eye woawo hã dze si nye gbe, eye wodzea yonyeme.

10:28b.JOH.010.028 Mena agbe mavɔ nye alẽawo ale be womatsrɔ̃ akpɔ o. Ame aɖeke hã mate ŋu axɔ wo le asinye akpasesẽtɔe o,

10:29b.JOH.010.029 elabena Fofonyee tsɔ wo nam eye Fofonyea sẽ wu ame sia ame. Ale ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le esi sesẽtɔe o.

10:30b.JOH.010.030 Mí kple Fofonye la ame ɖekae míenye.”

10:31b.JOH.010.031 Esi Yesu gblɔ alea la, Yudatɔwo ƒe dumegãwo tsɔ kpe be yewoaƒui.

10:32b.JOH.010.032 Gake Yesu gblɔ na wo be, “Mawu ŋutɔ ɖo nukunu siawo katã ɖi be mawɔ ne amewo nakpɔ ɖeɖe. Ke dɔ nyui siawo dometɔ ka tae miedi be yewoawum ɖo?”

10:33b.JOH.010.033 Woɖo eŋu nɛ be, “Menye dɔ nyui siwo nèwɔ tae miedi be miawu wò o, ke boŋ busunya siwo gblɔm nèle la tae. Aleke wò amegbetɔ nãtsɔ ɖokuiwò awɔ Mawui?”

10:34b.JOH.010.034 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Đe womeŋlɔe ɖe miaƒe se la me be, ‘Megblɔe be mawuwo mienye’ oa?

10:35b.JOH.010.035 Ne woyɔ mi be ‘mawuwo’ la, ame kawoe Mawu ƒe nya va na, eye womate ŋu da mawunya dzi o,

10:36b.JOH.010.036 eye aleke woabu tso ame si ŋu Fofo la kɔ heɖoe ɖe xexeame ŋu? Ekema nu ka ta mietsɔ nya ɖe ŋunye be megblɔ busunya elabena megblɔ be ‘Nyee nye Mawu Vi’?

10:37b.JOH.010.037 Ne menye Mawu gbɔe nukunu siwo wɔm mele la tso o la, ekema migaxɔ dzinye se o.

10:38b.JOH.010.038 Ne mele nukunuwo wɔm eye miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ nukunuawo ya dzi se ale be to esia me la, miadze sii be Fofo la le menye eye nye hã mele eme.”

10:39b.JOH.010.039 Ameawo di be yewoagalée gake edo go eye wòdzo le wo gbɔ.

10:40b.JOH.010.040 Etso Yɔdan tɔsisi la yi egodo eye wòyi ɖanɔ afi si Yohanes nɔ tsi dem ta na amewo le tsã la.

10:41b.JOH.010.041 Ame geɖewo dze eyome va afi sia hã. Ameawo gblɔ na wo nɔewo be, “Yohanes mewɔ nukunuwo o gake nya siwo katã wògblɔ ɖi tso ŋutsu sia ŋu la va eme pɛpɛpɛ.”

10:42b.JOH.010.042 Yesu ƒe nuwɔnawo ɖo kpe edzi na ameawo be, eyae nye Mesia la vavã eye woxɔ edzi se.

11

11:1b.JOH.011.001 Azɔ eva me be ŋutsu aɖe si woyɔna be Lazaro la dze dɔ, ame sia tso Betania, Maria kple Marta ƒe du me.

11:2b.JOH.011.002 Maria si nɔvi, Lazaro, le dɔ lém lae nye Maria si kɔ ami ʋeʋi ɖe Yesu ƒe afɔwo ta eye wòtutui kple eƒe taɖa.

11:3b.JOH.011.003 Eya ta nɔvinyɔnu siawo dɔ ame ɖo ɖa Yesu gblɔ be, “Aƒetɔ, ame si nèlɔ̃ vevie la le dɔ lém.”

11:4b.JOH.011.004 Esi Yesu se gbedeasi sia la, egblɔ be, “Dɔléle sia menye kudɔe o, ke boŋ to eme la woakafu Mawu eye woakɔ Mawu Vi la ŋuti.”

11:5b.JOH.011.005 Yesu lɔ̃ Marta kple nɔvianyɔnu Maria kpakple Lazaro.

11:6b.JOH.011.006 Gake esi wòse be Lazaro le dɔ lém la, eganɔ afi si wòle la ŋkeke eve hafi dze mɔ.

11:7b.JOH.011.007 Azɔ eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Mina mígayi Yudea.”

11:8b.JOH.011.008 Nusrɔ̃lawo melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o. Wogblɔ nɛ bena, “Nufiala, nyitsɔ laa koe Yudatɔwo di be yewoawu wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma?”

11:9b.JOH.011.009 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli nɔa anyi gaƒoƒo wuieve le ŋkeke ɖeka me eye le ɣeyiɣi siawo me, la ame ate ŋu azɔ nu maklimaklii elabena kekeli li be wòakpɔ nu.

11:10b.JOH.011.010 Ke ne ame aɖe zɔ le zã me la, akli nu elabena viviti do.”

11:11b.JOH.011.011 Yesu yi edzi be, “Mía xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm eya ta meyina be maɖanyɔe.”

11:12b.JOH.011.012 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ne ele alɔ̃ dɔm la, ekema eƒe lãme le sesẽ ge.”

11:13b.JOH.011.013 Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe ku ŋuti, ke nusrɔ̃lawo ya bu be alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ gblɔm wòle.

11:14b.JOH.011.014 Yesu ʋu eme na nusrɔ̃lawo be, “Lazaro ku.

11:15b.JOH.011.015 Eye le miawo ta la, edzɔ dzi nam ŋutɔ be nyemenɔ afi ma o. Elabena to esia me la, mana mɔnukpɔkpɔ mi ake be miaxɔ dzinye ase. Mitso kpla ne míayi egbɔ.”

11:16b.JOH.011.016 Toma, si wogayɔna hã be,“Venɔvi” la gblɔ na nɔvia nusrɔ̃la mamlɛawo be, “Mina míayi ale be míawo hã míaku kplii.”

11:17b.JOH.011.017 Esi wova ɖo Betania la, wogblɔ na wo bena Lazaro ku eye woɖii ŋkeke ene sɔŋ va yi xoxo.

11:18b.JOH.011.018 Betania anɔ abe kilometa eve kple afã ene tso Yerusalem gbɔ,

11:19b.JOH.011.019 eya ta Yudatɔ geɖewo va kua teƒe be yewoado baba na Marta kple Maria.

11:20b.JOH.011.020 Esi Marta see bena Yesu gbɔna la, etso kpla do go yi ɖakpee le mɔa dzi. Ke Maria ya meyi o.

11:21b.JOH.011.021 Marta gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, nenye ɖe nènɔ afi sia la, anye ne nɔvinyea meku o.

11:22b.JOH.011.022 Ke menyae be nu sia nu si nèbia Mawu la ana wò.”

11:23b.JOH.011.023 Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔviwò la atsi tre.”

11:24b.JOH.011.024 Marta lɔ̃ ɖe edzi eye wògblɔ be, “Ẽ, menya be nɔvinyea atsi tre le nuwuwuŋkekea dzi.”

11:25b.JOH.011.025 Yesu gagblɔ nɛ be, “Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame sia ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku abe ame bubuwo ene hã la, aganɔ agbe.

11:26b.JOH.011.026 Mana agbe mavɔ si nu meyina o la ame siawo ale be womatsrɔ̃ akpɔ gbeɖe o. Èxɔ nya siawo dzi sea, Marta?”

11:27b.JOH.011.027 Marta ɖo eŋu be, “Ẽ, Aƒetɔ, mexɔe se be wòe nye Mesia, Mawu Vi la, ame si míekpɔ mɔ na ʋuu.”

11:28b.JOH.011.028 Azɔ Marta trɔ dzo va aƒe me le nɔvia Maria gbɔ eye wòyɔe dzaa le konyifalawo dome gblɔ nɛ be, “Nufiala la va ɖo eye wòdi be yeakpɔ wò.”

11:29b.JOH.011.029 Maria tso enumake yi Yesu gbɔ.

11:30b.JOH.011.030 Yesu nɔ lalam le kɔƒea godo afi si Marta va kpee le.

11:31b.JOH.011.031 Esi Yudatɔ siwo va be yewoafa akɔ na Maria la kpɔe wòtso kpla do go yina la, wobu be Lazaro ƒe yɔdo toe woyina be yeaɖafa avi eya ta wokplɔe ɖo.

11:32b.JOH.011.032 Ke Maria zɔ va tu Yesu eye wòdze klo ɖe eƒe afɔnu gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe nèva kaba la, anye ne nɔvinyea meku o.”

11:33b.JOH.011.033 Esi Yesu kpɔ ale si Maria nɔ avi fam nublanuitɔe eye Yudatɔwo hã nɔ efam kplii la, eƒe dzi ʋuʋu eye eƒe ta me ɖe fu.

11:34b.JOH.011.034 Ebia be, “Afi kae woɖii ɖo?” Woɖo eŋu nɛ be, “Va kpɔ yɔdoa ɖa!”

11:35b.JOH.011.035 Enumake Yesu hã fa avi.

11:36b.JOH.011.036 Le esia ta la, Yudatɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃e ɖa?”

11:37b.JOH.011.037 Ke wo dometɔ aɖewo gblɔ bena, “Ame sia si te ŋu ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ, nu ka ŋuti mewɔe be ame sia megaku o ma?”

11:38b.JOH.011.038 Yesu gaʋuʋu le eɖokui me eye wòyi yɔ do la gbɔ. Yɔdoa nye agado aɖe si nu wotsɔ kpe xee.

11:39b.JOH.011.039 Eɖe gbe na ameawo be, “Mimli kpea ɖa.” Ke Marta, ame si nɔvi ku la gblɔ na Yesu be, “O Aƒetɔ, amea ku ŋkeke ene sɔŋue nye esi eya ta aʋẽ akpa.”

11:40b.JOH.011.040 Yesu trɔ biae be, “Nyemegblɔ na wò bena, ne èxɔ dzinye se la, Mawu awɔ nukunu gã aɖe nãkpɔ oa?”

11:41b.JOH.011.041 Womli kpe la da ɖe adzɔge. Azɔ Yesu wu mo dzi eye wògblɔ bena, “Fofo, meda akpe na wò be èɖoa tom.

11:42b.JOH.011.042 Èɖoa tom ɣesiaɣi gake mele esia gblɔm le ame siwo katã le afi sia ta, bena woaxɔe ase be wòe dɔm ɖa.”

11:43b.JOH.011.043 Le esia megbe la edo ɣli be, “Lazaro lee, do go va!”

11:44b.JOH.011.044 Enumake Lazaro fɔ tso ku me, do kple ameɖivɔ si me woblae ɖo. Yesu gblɔ na ameawo be, “Mitu avɔawo le eŋu ne wòadzo.”"

11:45b.JOH.011.045 Yudatɔ siwo va be yewoakpɔ Maria ɖa eye wokpɔ nukunu sia teƒe la xɔ Yesu dzi se mlɔeba.

11:46b.JOH.011.046 Ke wo dometɔ bubu aɖewo hã tso yi Farisitɔwo gbɔ eye wogblɔ nya siwo katã va dzɔ la na wo.

11:47b.JOH.011.047 Esi Osɔfogãwo kple Farisitɔwo se nya sia la, woyɔ takpekpe enumake be yewoadzro nya la me. Wobia wo nɔewo be," “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala?

11:48b.JOH.011.048 Enye nyateƒe be ŋutsu sia wɔa nukunuwo. Ne míena mɔe alea la, dukɔ la katã adze eyome. Ne esia va eme la, Romaʋakɔ la ava dze mia dzi, awu mi eye woaxɔ dziɖuɖua le mi Yudatɔwo si.”

11:49b.JOH.011.049 Wo dometɔ ɖeka si nye Kayafa, ame si nye Osɔfo gãtɔ le ƒe ma me la tsi tre gblɔ be.

11:50b.JOH.011.050 “Miekpɔe dze sii be enyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta wu be dukɔa katã natsrɔ̃ oa?”

11:51b.JOH.011.051 Abe Osɔfo gãtɔ le ƒe ma me ene la, egblɔ nya ɖi be Yesu aku ɖe dukɔ la ta, ke megblɔ esia le eya ŋutɔ ɖokui si o.

11:52b.JOH.011.052 Menye ɖe Israel dukɔa ɖeɖe ko ta o, ke boŋ ɖe Mawu vi siwo kaka ɖe xexeame katã la be woaƒo wo katã nu ƒu ɖekae.

11:53b.JOH.011.053 Le esia ta tso ema dzi la Yudatɔwo ƒe dumegãwo de asi ɖoɖowɔwɔ me ɖe Yesu wuwu ŋu.

11:54b.JOH.011.054 Azɔ Yesu dzudzɔ nufiafia le dutoƒo eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Yerusalem yi dzogbekɔƒe aɖe si woyɔna be Efrayim la me.

11:55b.JOH.011.055 Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la tu aƒe eya ta dutatɔwo katã va Yerusalem ŋkeke geɖewo do ŋgɔ be yewoawɔ ŋutikɔklɔkɔnu la hafi azã la naɖo.

11:56b.JOH.011.056 Wo dometɔ geɖe ŋutɔ di be yewoakpɔ Yesu eya ta wobia wo nɔewo edziedzi be, “Alekee, miebu be ele azã la ɖuƒe va gea?”

11:57b.JOH.011.057 Le ɣeyiɣi sia me la, Osɔfogãwo kple Farisitɔwo ɖe gbeƒã le dutoƒo be ame sia ame si kpɔ Yesu la nena yewoanya ne yewoalée enumake.

12

12:1b.JOH.012.001 Esusɔ ŋkeke ade woaɖu Ŋutitotoŋke-kenyui la. Yesu va ɖo Betania si nye Lazaro, ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe du me.

12:2b.JOH.012.002 Woɖo kplɔ̃ gã aɖe na Yesu le afi sia eye Marta subɔ Yesu le kplɔ̃a ŋu. Lazaro hã nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu.

12:3b.JOH.012.003 Esi wonɔ nu ɖum la, Maria tsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe vɛ eye wòsii na Yesu ƒe afɔwo eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu afɔawoe. Amia ƒe ʋeʋẽ lililĩ la xɔ aƒe blibo la me.

12:4b.JOH.012.004 Esi Yuda Iskariɔt, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, ame si va fia Yesu yomemɔ emegbe la, kpɔ nu sia la, egblɔ bena,

12:5b.JOH.012.005 “Nu ka ta wòle be woagblẽ amiʋeʋĩ xɔasi sia? Đe wòle be woadzrae atsɔ ga la ana ame dahewo.”

12:6b.JOH.012.006 Menye ɖe Yuda Iskariɔt le ame dahewo nu vem tae wògblɔ esia o, ke boŋ be enye fiafitɔ eye eya kee kpɔa nusrɔ̃lawo ƒe ga dzi tae.

12:7b.JOH.012.007 Tete Yesu gblɔ be “Miɖe asi le eŋu, elabena ewɔ esia dzra ɖo ɖi na nye ɖigbe.

12:8b.JOH.012.008 Ame dahewo le mia dome ɖaa, gake nyemanɔ mia dome ɖaa o.”

12:9b.JOH.012.009 Esi Yerusalemtɔwo se be Yesu va ɖo wo dome la, woʋli vevie bena yewoakpɔe, eye yewoakpɔ Lazaro, ame si gagbɔ agbe tso ku me hã.

12:10b.JOH.012.010 Eya ta Osɔfogãwo wɔ ɖoɖo be yewoawu Lazaro hã,

12:11b.JOH.012.011 elabena eya tae Yudatɔ geɖewo dzo le woƒe kplɔlawo gbɔ yi Yesu gbɔ eye woxɔ edzi se.

12:12b.JOH.012.012 Le ŋufɔke la, eɖi le Yerusalem dua katã me be Yesu le mɔ dzi gbɔna. Ame geɖewo siwo va Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuƒe la hã see ale woyi be yewoaɖakpee.

12:13b.JOH.012.013 Woŋe deʋayawo kple atilɔwo ɖe asi eye wonɔ ɣli dom nɔ aseye tsom be, “Hosana! Woayra Israel ƒe Fia la! Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!”

12:14b.JOH.012.014 Yesu nɔ tedzivi aɖe dzi eye esia fia be nyagblɔɖi si woŋlɔ ɖi be,

12:15b.JOH.012.015 “Mègavɔ̃ o, Zion nyɔnu. Wò Fia do tedzivi gbɔna le ɖokuibɔbɔ me!” la va eme tututu.

12:16b.JOH.012.016 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo menya bena Yesu wu nyagblɔɖi sia nu le ɣemaɣi o, gake esi wòtrɔ dzo yi dziƒo le ŋutikɔkɔe me la, eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ dze sii bena, nyagblɔɖi geɖe siwo woŋlɔ ɖe mawunya me la va eme wokpɔ.

12:17b.JOH.012.017 Ame siwo nɔ eteƒe hafi Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la gblɔ ale si nua katã va emee la na ame bubuwo.

12:18b.JOH.012.018 Le nukunu si wòwɔ wose ta la, amewo ƒo zi be yewoaɖakpɔe.

12:19b.JOH.012.019 Ale Farisitɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ɖa, míedɔ̃, xexeame katãe nye ma kplɔe ɖo hoo!”

12:20b.JOH.012.020 Griktɔ alo Helatɔ aɖewo hã nɔ ame siwo va Yerusalem dua me be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekea la dome.

12:21b.JOH.012.021 Ame siawo va Filipo si tso Betsaida gbɔ eye wogblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ, mieɖe kuku miedi be miakpɔ Yesu.”

12:22b.JOH.012.022 Filipo hã yi ɖagblɔe na Andrea ale eya kple Andrea woyi Yesu gbɔ yi ɖagblɔ ameawo ƒe didi nɛ.

12:23b.JOH.012.023 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gaƒoƒo la de woakɔ Amegbetɔvi la ŋu.

12:24b.JOH.012.024 Le nyateƒe me, mele egblɔm na mi be, ne bliku la mege ɖe anyigba eye wòku o la, ekema eya ɖeka tsi anyi, gake ne eku la, etsea ku geɖe.

12:25b.JOH.012.025 Nenye be ame aɖe tsi dzi ɖe eƒe agbe ŋu le xexe sia me la, abui, ke ame si tsɔ eƒe agbe na le tanye la, adzrae ɖo ɖi na agbe mavɔ la.

12:26b.JOH.012.026 ”Nenye be ame aɖe di be yeazu nye nusrɔ̃la la, nedze yonyeme, elabena ele na nye subɔla ɖe sia ɖe be wòanɔ afi si mele. Eye ne edze yonyeme la, Fofo la ŋutɔ ade bubu eŋu. Ele be woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi

12:27b.JOH.012.027 Nye gbɔgbɔ le nu xam vevie ŋutɔ. Đe mado gbe ɖa be, Fofo, ɖem tso fukpekpe siwo le ŋgɔnye la mea? Gbeɖe, mele be magblɔ nenema o, elabena esia tae meva xexeame ɖo.

12:28b.JOH.012.028 Fofo, de ŋutikɔkɔe kple bubu wò ŋkɔ la ŋu.” Esi Yesu wu nya siawo nu ko la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Mewɔ esia xoxo eye magawɔe ake.”

12:29b.JOH.012.029 Esi ameha la se gbe sia la, wo dometɔ aɖewo bu be dzie ɖe gbe, eye bubuwo hã gblɔ be mawudɔla aɖee ƒo nu nɛ.

12:30b.JOH.012.030 Yesu gblɔ na wo bena, “Miawo tae gbe sia ɖi ɖo, menye nye tae o.

12:31b.JOH.012.031 Xexeame ƒe Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la ɖo edzi vɔ eye gaƒoƒoa hã su be woanya satana, si nye xexeame dziɖula la ɖa.

12:32b.JOH.012.032 Eye ne woklãm ɖe atitsoga ŋu vɔ megbe la, mahe amewo katã ɖe ɖokuinye ŋu.”

12:33b.JOH.012.033 Yesu gblɔ nya sia bena yeatsɔ afia ku si ƒomevi ku ge yele.

12:34b.JOH.012.034 Ameha la biae be; “Đe nèbe yele kuku gea? Míesee be ne Mesia la va la, anɔ agbe tegbee. Nu ka tae nèbe woaklã Mesia la ɖe atitsoga ŋu? Mesia ka gblɔm nèle?”

12:35b.JOH.012.035 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nye Kekeli agaklẽ na mi hena ɣeyiɣi sue aɖe ko. Mizɔ le Kekeli la me esi mɔnukpɔkpɔ gale mia si be viviti nagado ɖe mi o, elabena ame si le zɔzɔm le viviti me la, menya afi si yim wòle o.

12:36b.JOH.012.036 Mixɔ Kekeli la dzi se zi ale si wole mia gbɔ be miazu kekeli ƒe viwo.”" Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, edo go le ameawo dome yi ɖaɣla eɖokui.

12:37b.JOH.012.037 Togbɔ be Yesu wɔ nukunu geɖe hã la, ame geɖewo mexɔ edzi se be eyae nye Mesia la o.

12:38b.JOH.012.038 Nu sia tututu ŋutie nyagblɔɖila Yesaya ƒo nu tsoe be," “Aƒetɔ, ame kae axɔ mia dzi ase? Ame kae axɔ Mawu ƒe nukunu gã siwo wòwɔ la dzi ase?”

12:39b.JOH.012.039 Yesaya gagblɔ bena,

12:40b.JOH.012.040 “Mawu na bena ame siawo ƒe gbɔgbɔmeŋkuwo gbã eye wòna bena woƒe dziwo ku atri, bena womagase nu, akpɔ nu alo atrɔ ɖe Mawu gbɔ be wòada gbe le wo ŋu o.”

12:41b.JOH.012.041 Yesaya ƒe nya siawo katã ku ɖe Yesu ŋu elabena Yesaya kpɔ ŋutega aɖe si me woɖe Mesia la ƒe ŋutikɔkɔe fiae le.

12:42b.JOH.012.042 Togbɔ be Yudatɔwo ƒe dumegã geɖewo xɔe se be Yesue nye Mesia la hã la, wonɔ vɔvɔ̃m na Farisitɔwo elabena ne wogblɔ le dutoƒo be Yesue nye Mesia la la, woaɖe wo le hame. Esia tae wogbe be yewomaʋu Yesu me o,

12:43b.JOH.012.043 elabena wolɔ̃ amegbetɔ ƒe bubu wu Mawu ƒe bubu. Yesu ƒe nyawoe woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu amewo

12:44b.JOH.012.044 Yesu do ɣli gblɔ na ameha la be, “Ne miexɔ dzinye se la, ekema Mawu dzie ma miexɔ se.

12:45b.JOH.012.045 Elabena ne miekpɔm la, ekema ame si dɔm ɖa lae ma miekpɔ.

12:46b.JOH.012.046 Nye la Kekelie menye va xexeame, ame siwo katã xɔ dzinye se la, magazɔ viviti me o.

12:47b.JOH.012.047 Ne ame aɖe se nye nyawo ke mewɔ ɖe wo dzi o la; nyemadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena menye ʋɔnu drɔ̃ gee meva o ke boŋ ɖe meva be maɖe xexeame tso tsɔtsrɔ̃ me.

12:48b.JOH.012.048 Gake ame siwo mexɔm o, eye womewɔ ɖe nye nyawo dzi o la, woadrɔ̃ ʋɔnu wo le nuwuwuŋkekea dzi eye nya siwo gblɔm mele fifia lae woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu woe.

12:49b.JOH.012.049 Elabena nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawo o, ke boŋ wonye gbedeasi si mexɔ tso Fofo la gbɔ na mi.

12:50b.JOH.012.050 Menyae kɔtee be eƒe nyawo katã akplɔ ame ayi agbe mavɔ mee, eya ta megblɔa nya sia nya si wògblɔ nam be magblɔ na mi la na mi.”

13

13:1b.JOH.013.001 Azɔ esusɔ ŋkeke ɖeka ko ne Ŋutitotoŋkekenyui la naɖo eye Yesu nya be ɣeyiɣia de be yeadzo le xexeame atrɔ ayi Fofo la gbɔ. Elɔ̃ etɔ siwo le xexeame ŋutɔ, eye wògaɖe lɔlɔ̃ sia fia.

13:2b.JOH.013.002 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Satana dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn vi la, be wòayi aɖade Yesu asi.

13:3b.JOH.013.003 Yesu nya be Fofo la tsɔ ŋusẽwo katã na ye. Enya hã be, Mawu gbɔe yetso va eye yeagatrɔ ayi Mawu gbɔ.

13:4b.JOH.013.004 Le sia ta Yesu tsi tre le fiẽnuɖukplɔ̃a ŋu eye wòɖe eƒe awu da ɖi hetsɔ tsiletsɛ sa ɖe ali.

13:5b.JOH.013.005 Etsɔ gagba ku tsi ɖe eme eye wòde asi nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo kɔklɔ me. Ne eklɔ ame aɖe tɔ vɔ la, etsɔa tsiletsɛ si wòsa ɖe ali la ƒe akpa aɖe tutua wo ŋui.

13:6b.JOH.013.006 Esi wòɖo Petro dzi be wòaklɔ eƒe afɔwo nɛ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, mele be wò nãklɔ míaƒe afɔwo ŋuti na mí o.”

13:7b.JOH.013.007 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mase nu si ta mele ewɔm la gɔme fifia o, gake ava se egɔme emegbe.”

13:8b.JOH.013.008 Ke hã Petro gbe be Yesu maklɔ yeƒe afɔwo o. Egblɔ na Yesu be, “Gbeɖe, mãklɔ nye afɔwo ŋuti o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne nyemeklɔ wò afɔwo o la, ekema mãkpɔ gome aɖeke tso gbɔnye o.”

13:9b.JOH.013.009 Petro do ɣli gblɔ be, “Ne ele nenema la, ekema menye nye afɔwo ko o, ke boŋ klɔ nye asiwo kple nye ta hã.”

13:10b.JOH.013.010 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si le tsi xoxo la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ bena eŋuti nakɔ nyuie. Wò la, ŋutiwò kɔ, gake menye ame sia ame si le afi sia la ŋutie kɔ o.”"

13:11b.JOH.013.011 Yesu gblɔ nya sia elabena enya ame si gbɔna ye de ge asi.

13:12b.JOH.013.012 Esi wòklɔ nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo vɔ la, etsɔ eƒe awu do, nɔ anyi eye wòbia wo be," “Miese nu si mewɔ la gɔmea?

13:13b.JOH.013.013 Miawo la mieyɔam be, ‘Aƒetɔ’ kple ‘Nufiala’, eye esia le eme vavã.

13:14b.JOH.013.014 Minya be, esi nye, miaƒe Aƒetɔ kple Nufiala, meklɔ miaƒe afɔwo ŋu la, ele na miawo hã be miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo.

13:15b.JOH.013.015 Kpɔɖeŋu wònye mena mi eya ta miwɔ ɖe kpɔɖeŋu sia dzi.

13:16b.JOH.013.016 Enye nyateƒe be subɔla mekɔna wua eƒe aƒetɔ o, eye dɔtsɔla hã mewua ame si dɔe o.

13:17b.JOH.013.017 Mienya esiawo eya ta miwɔ nenema be woahe yayra geɖe vɛ na mi.

13:18b.JOH.013.018 ”Ele eme be menye mi katãe mele nya sia gblɔm na o, elabena menya mia dometɔ ɖe sia ɖe. Mawunya gblɔ be “Ame si le nu ɖum kplim lae adem asi.” Nya sia ava eme kpuie.

13:19b.JOH.013.019 Mele nya siawo katã gblɔm na mi bena ne wova eme la, miaxɔ dzinye ase.

13:20b.JOH.013.020 ”Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, ame si laxɔ ame si medɔ la, nyee wòxɔ, eye ame si laxɔm la, xɔ ame si dɔm ɖa.”

13:21b.JOH.013.021 Azɔ Yesu gblɔ kple vevesese gã aɖe be, “Le nyateƒe me la, mia dometɔ ɖekae adem asi.”

13:22b.JOH.013.022 Nya siawo na be nusrɔ̃la ɖe sia ɖe trɔ kpɔ nɔvia ƒe ŋkume. Wonɔ ame si wòwɔnɛ la dim be yewoanya.

13:23b.JOH.013.023 Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, esi Yesu lɔ̃na vevie la, nɔ anyi ziɔ ɖe Yesu ŋu.

13:24b.JOH.013.024 Simɔn Petro wɔ dzesi nɛ gblɔ nɛ be, “Biae, mía dometɔ si ŋuti wòle nu ƒom tsoe.”

13:25b.JOH.013.025 Nusrɔ̃la la gaziɔ ɖe Yesu ŋu eye wòbiae be, “Aƒetɔ, ame kae?”

13:26b.JOH.013.026 Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Eyae nye ame si matsɔ abolo kakɛ sia asisi detsi atsɔ ana.” Tete wòtsɔ abolo kakɛ la sisi detsi hetsɔe na Simon vi, Yuda Iskariot.

13:27b.JOH.013.027 Esi Yuda ɖu aboloa vɔ ko la, satana ge ɖe eme. Yesu gblɔ nɛ be, “Đe abla nãyi aɖawɔ nu si nèɖo la.”

13:28b.JOH.013.028 Ke nusrɔ̃la mamlɛawo mese nya si gblɔm Yesu nɔ la gɔme o.

13:29b.JOH.013.029 Woawo ya bu be esi wònye Yudae nye yewoƒe gadzikpɔla tae Yesu le edɔm be wòayi aɖaxe fe ɖe nu si ɖum yewole la ta loo alo wòayi aɖana ga ame dahewo.

13:30b.JOH.013.030 Yuda hã dzo le xɔa me enumake hege ɖe viviti la me.

13:31b.JOH.013.031 Esi Yuda do go le xɔa me la, Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi de be woaɖe Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go eye woaɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to eya amea me.

13:32b.JOH.013.032 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Mawu aɖe ŋutikɔkɔe sia ɖe go to menye.

13:33b.JOH.013.033 Vinye lɔlɔ̃wo, ɣeyiɣi vi aɖe ko maganɔ mia gbɔ! Abe ale si megblɔ na Yudatɔwo ƒe amegãwo ene la, miadim gake miakpɔm o, eye afi si meyina hã miate ŋu ava o.”

13:34b.JOH.013.034 Le esia ta la, mele se yeye nam mi, si nye be, milɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mii ene.

13:35b.JOH.013.035 Lɔlɔ̃ vavã si miatsɔ na mia nɔewo lae afia xexeame kɔtee be mienye nye nusrɔ̃lawo vavã.”

13:36b.JOH.013.036 Simɔn Petro biae be, “Aƒetɔ, afi kae nèyina?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Afi si meyina fifia la miate ŋu akplɔm ɖo ayi o, ke emegbe la, miava.”

13:37b.JOH.013.037 Petro gabiae be, “Nu ka tae nyemate ŋu akplɔ wò ɖo fifia o? Nye la mele klalo be maku ɖe tawò.”

13:38b.JOH.013.038 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èka ɖe edzi be ãte ŋu aku ɖe tanyea? Nyateƒe wònye gblɔm mele na wò be hafi koklo naku atɔ zi gbãtɔ etsɔ fɔŋli la, ãgbe nu le gbɔnye zigbɔzi etɔ̃ be yemenyam o.”

14

14:1b.JOH.014.001 Yesu yi edzi gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migana vɔvɔ̃ naɖo mi eye miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o. Mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se.

14:2b.JOH.014.002 Fofonye ƒeme la xɔ nyui geɖewo li, ne ɖe mele nenema o la, ne megblɔe na mi. Meyina afi ma be madzra teƒe ɖo ɖi na mi.

14:3b.JOH.014.003 Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, matrɔ ava akplɔ mi be mianɔ gbɔnye ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma.

14:4b.JOH.014.004 Mienya afi si meyina la xoxo eye mienya mɔ la hã.”

14:5b.JOH.014.005 Toma gblɔ nɛ be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, mienya afi si nèyina o, aleke wɔ miate ŋu anya mɔ la?”

14:6b.JOH.014.006 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Mɔ la, Nyateƒe la kple Agbe la. Ame aɖeke mate ŋu ayi Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.

14:7b.JOH.014.007 Ne ɖe mienya ame si ƒomevi menye la, anye ne mienya ame si ƒomevi Fofonye hã nye. Tso azɔ dzi la, mienya ame si Fofonye nye eye miekpɔe hã!”

14:8b.JOH.014.008 Filipo gblɔ be, “Aƒetɔ, fia Fofo la mí ekema miaƒe dzi adze eme.”

14:9b.JOH.014.009 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Filipo, ke va se ɖe fifi hã la, mènya ame si ƒomevi menye o. Ke esi meli kpli mi ŋkeke siawo katã hã mienyam kpɔ oa? Ame sia ame si kpɔm la, Fofo lae ma wòkpɔ. Ke nu ka wɔ miegale didim be yewoakpɔ Fofo la?

14:10b.JOH.014.010 Đe miexɔe se be, mele Fofo la me eye Fofo la hã le menye oa? Nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawoe o, ke boŋ wonye Fofonye si le menye la ƒe nyawo. Fofo la wɔa eƒe dɔwo to dzinye.

14:11b.JOH.014.011 Miawo ya mixɔe se ko be mele Fofo la me eye Fofo la hã le menye. Ne miate ŋu axɔ ase le mɔ sia nu o la, ekema mixɔ dzinye se le nukunu gã geɖe siwo mewɔ miekpɔ la ta.

14:12b.JOH.014.012 Le nyateƒe me, mele egblɔm na mi be, ame sia ame si xɔa dzinye sena la awɔ dɔ siwo katã mele wɔwɔm, eye awɔ dɔ gãwo wu esiwo mewɔ, elabena meyina ɖe Fofo la gbɔ.

14:13b.JOH.014.013 Mawɔ nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la na mi ale be Vi la nakɔ Fofo la ŋuti.

14:14b.JOH.014.014 Ẽ, ne miebia nane to nye ŋkɔ dzi ko la, mawɔe na mi.

14:15b.JOH.014.015 ”Ne mielɔ̃am la, miawɔ nye sewo dzi.

14:16b.JOH.014.016 ”Mabia Fofo la, wòaɖo Nyaxɔɖeakɔla bubu ɖe mi,

14:17b.JOH.014.017 ame si nye nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ, be wòanɔ anyi kpli mi yi ɖe mavɔ me. Xexeame mate ŋu axɔ Nyaxɔɖeakɔla sia o elabena mekpɔnɛ alo dzea sii o. Ke miawo la, mienyae elabena ele mia me eye wòanɔ anyi kpli mi.

14:18b.JOH.014.018 Nye la, nyemagble mi ɖi abe tsyɔ̃eviwo ene o, matrɔ ava mia gbɔ.

14:19b.JOH.014.019 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, xexeametɔwo magakpɔm o, ke miawo ya miakpɔm elabena mele agbe eye miawo hã mianɔ agbe.

14:20b.JOH.014.020 Gbe ma gbe la, mianya be mele Fofo la me, eye miawo miele menye eye nye hã mele mia me.

14:21b.JOH.014.021 Ame si wɔna ɖe nye nyawo dzi la, eyae lɔ̃am, eye ame si lɔ̃am la, Fofonye hã alɔ̃e, nye hã malɔ̃e eye maɖe ɖokuinye afiae.”

14:22b.JOH.014.022 Yuda, ke menye Yuda Iskariɔt o, ke boŋ nusrɔ̃la bubu si tsɔ ŋkɔ sia la biae be, “Aƒetɔ, nu ka ta wònye be mí nusrɔ̃lawo koe nèle ɖokuiwò ɖe ge afia ke menye xexeame katã o?”

14:23b.JOH.014.023 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Elabena ele be maɖe ɖokuinye afia ame siwo lɔ̃m eye wowɔa nye gbe dzi. Fofo la hã alɔ̃ wo eye nye kple Fofo la miava nɔ wo gbɔ.

14:24b.JOH.014.024 Ame sia ame si mewɔa nye gbe dzi o la, melɔ̃am o. Nya siwo gblɔm mele la menye nye ŋutɔ tɔnye o, ke boŋ etso Fofo si dɔm ɖa la gbɔ.

14:25b.JOH.014.025 Mele nya siawo gblɔm na mi fifia esi megale mia gbɔ.

14:26b.JOH.014.026 Ke ne Fofo la dɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe, Akɔfala la, ɖo ɖe nye teƒe la, afia nu geɖewo mi eye wòagbugbɔ kpe aɖo nu siwo katã megblɔ na mi la dzi na mi.

14:27b.JOH.014.027 ”Mele ŋutifafa gblem ɖi na mi. Nye ŋutɔ nye ŋutifafa tsɔm mele na mi. Menye xexeame tɔ ƒomevi o. Eya ta migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya kple vɔvɔ̃ o, eye dzika hã megatso mia ƒo o.

14:28b.JOH.014.028 ”Miese megblɔ be, ‘Madzo eye magatrɔ agbɔ va mia gbɔ.’ Ne mielɔ̃m la, dzi adzɔ mi be mele dzodzom yina ɖe Fofo la gbɔ elabena Fofo la lolo wum.

14:29b.JOH.014.029 Megblɔ nya siawo na mi hafi woava dzɔ ale be ne wova dzɔ la, ne miaxɔ dzinye ase.

14:30b.JOH.014.030 ” Nyemagayi nuƒoƒo na mi dzi fũu o elabena xexe sia me dziɖula le mɔ dzi gbɔna. Mekpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o,

14:31b.JOH.014.031 gake ele be xexeame nanyae be melɔ̃ Fofo la eye be mewɔa nu si tututu Fofo la ɖo nam be mawɔ. Azɔ la, mina míadzo.”

15

15:1b.JOH.015.001 Nyee nye Wainti vavã la eye Fofonyee nye Agbletɔ la.

15:2b.JOH.015.002 Elãa alɔdze siwo le ŋunye eye wometsea ku o la ɖa, ke esiwo tsea ku la, eɖea wo ŋu be woagatse ku geɖe fũu wu.

15:3b.JOH.015.003 Miawo la Fofo la kɔ mia ŋu xoxo le nya siwo megblɔ na mi la ta.

15:4b.JOH.015.004 Minɔ menye eye nye hã manɔ mia me. Wain ƒe alɔdze aɖeke mate ŋu atse ku nenye be wolãe ɖa tso wainti la ŋu o. Eya ta miawo hã, nyemanɔmee la, miate ŋu atse ku aɖeke o.”

15:5b.JOH.015.005 Nyee nye Wainti la eye miawoe nye alɔdzeawo. Ame si le menye eye nye hã mele eme la, atse ku nyui geɖe elabena nyemanɔmee la miate ŋu awɔ naneke o.

15:6b.JOH.015.006 Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe.

15:7b.JOH.015.007 Ke ne mienɔ menye eye miewɔ nye gbe dzi la, nu sia nu si miabia la, woawɔe na mi.

15:8b.JOH.015.008 Nye nusrɔ̃la vavãwo tsea ku geɖe eye esia hea ŋutikɔkɔe geɖe vanɛ na Fofonye.”

15:9b.JOH.015.009 Melɔ̃ mi abe ale si Fofo la lɔ̃m ene. Eya ta minɔ nye lɔlɔ̃ sia me ɖaa.

15:10b.JOH.015.010 Ne miewɔa nye se siwo mede na mi dzi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ me abe ale si meɖo to Fofonye ƒe sededewo eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.

15:11b.JOH.015.011 Mele nya siawo gblɔm na mi bena dzidzɔ si le menye la nanɔ miawo hã mia me eye wòanɔ mia me agba go.

15:12b.JOH.015.012 Mele se dem na mi be, mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mii ene.

15:13b.JOH.015.013 Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si ame ate ŋu aɖe afia nɔviae nye be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe eta.

15:14b.JOH.015.014 Ne miewɔ ɖe nye gbe dzi la, ekema mienye xɔ̃nyewo.

15:15b.JOH.015.015 Azɔ la, nyemagayɔ mi be subɔlawo o, elabena aƒetɔ mate ŋu agblɔ eƒe nya ɣaɣlawo na subɔla o. Ke mayɔ mi azɔ be xɔ̃nyewo. Esia le eme vavã elabena megblɔ nya sia nya si Fofo la gblɔ nam la na mi.

15:16b.JOH.015.016 Menye miawoe tiam o. Nyee tia mi. Eye ɖe metia mi be miayi aɖatse ku nyui siwo anɔ anyi ɖaa. Le esia ta nu sia nu si miabia Fofo la le nye ŋkɔ dzi la, awɔe na mi.

15:17b.JOH.015.017 Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo.

15:18b.JOH.015.018 Ne xexe sia me tɔwo lé fu mi la, minyae be wolé fum gbã.

15:19b.JOH.015.019 Nenye xexe sia me tɔwo mienye la, anye ne woalɔ̃ mi, ke esi metia mi tso xexeame ta la, wolé fu mi.

15:20b.JOH.015.020 Miɖo ŋku nya si megblɔ na mi la dzi be,“Subɔla mewua eƒe Aƒetɔ o ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome. Nenye ɖe woɖo tom la, woaɖo to miawo hã.

15:21b.JOH.015.021 Xexe sia me tɔwo ati mia yome elabena mienye tɔnyewo. Woawɔ esia elabena womenya Mawu si dɔm ɖa la o.

15:22b.JOH.015.022 ”Nenye ɖe nyemeva gblɔ mawunya la na wo o la, womabu fɔ wo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta o, gake esi wose mawunya la ta la, taflatsedodo aɖeke meli na wo o.

15:23b.JOH.015.023 Ame sia ame si lé fum la, lé fu Fofonye hã.

15:24b.JOH.015.024 Đe nyemewɔ nukunu gã geɖe si ame aɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, anye ne womabu fɔ wo o. Gake wokpɔ nukunu geɖe siwo mewɔ, eye wometsɔ ɖeke le eme o, ke boŋ wogbe nu le nye kple Fofonye gbɔ.

15:25b.JOH.015.025 Esia wu nya si nyagblɔɖilawo gblɔ tso Mesia la ŋu be, ‘Wogbe nu le gbɔnye dzodzro.’

15:26b.JOH.015.026 Ne Nyaxɔɖeakɔla la, ame si madɔ ɖo ɖe mi tso Fofo la gbɔ, nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ si tso Fofo la gbɔ, va la, aɖi ɖase tso ŋutinye.

15:27b.JOH.015.027 Gake ele be miawo hã miaɖi ɖase le ŋutinye, elabena mienɔ anyi kplim tso gɔmedzedzea me ke.

16

16:1b.JOH.016.001 Megblɔ nya siawo katã na mi bena ne miedo go nu dziŋɔ siwo le mia ŋgɔ la, ke megaɖe le mia te o.

16:2b.JOH.016.002 Ŋkekewo li gbɔna esi woaɖe mi le woƒe hame eye ne wowu mi hã la, woabu be Mawu ƒe dɔ wɔm yewole.

16:3b.JOH.016.003 Woawɔ esiawo elabena womedze sim alo Fofo la o.

16:4b.JOH.016.004 Le nyateƒe me la, ɖe mele nya siawo gblɔm na mi be mianɔ klalo eye ne ɣeyiɣia ɖo la, miaɖo ŋku edzi be mena mienya do ŋgɔ. Nyemegblɔ nya siawo na mi tsã o, elabena menya be manɔ mia gbɔ vie.

16:5b.JOH.016.005 Azɔ medzo yina ame si dɔm ɖa la gbɔ, gake mia dometɔ aɖeke mebia afi si meyina ta se o.

16:6b.JOH.016.006 Ke esi megblɔe na mi la, miaƒe dziwo yɔ fũu kple nuxaxa.

16:7b.JOH.016.007 Enye nyateƒe be ne medzo le mia gbɔ la enyo wu, elabena ne nyemedzo o la, Akɔfala hã mava o. Ke ne medzo la, Ame sia ava, elabena maɖoe ɖe mi.”

16:8b.JOH.016.008 Ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va la, atɔ asi xexe sia me tɔwo ƒe nu vɔ̃wo dzi na wo. Hekpe ɖe esia ŋu la, aɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ afia.

16:9b.JOH.016.009 Xexe sia me tɔwo ƒe nu vɔ̃e nye be, womexɔ dzinye se o.

16:10b.JOH.016.010 Le dzɔdzɔenyenye ŋuti la, meyina Fofo la gbɔ eye miagakpɔm o.

16:11b.JOH.016.011 Eye le ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti la, wodrɔ̃ ʋɔnu xexe sia me fia la xoxo.”

16:12b.JOH.016.012 Nya geɖe ŋutɔ le asinye be magblɔ na mi gake miate ŋu ase wo gɔme fifia o.

16:13b.JOH.016.013 Ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nye nyateƒe Gbɔgbɔ va la, ana miaŋɔ ɖe nyateƒe la me, elabena, magblɔ nya si dze eya ŋutɔ ŋu o, ke boŋ aƒo nu na mi tso nya siwo wòse la ko ŋu, eye agblɔ nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la na mi.

16:14b.JOH.016.014 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la aɖe nye ŋutikɔkɔe afia elabena nu siwo katã wòagblɔ na mi la atso gbɔnye.

16:15b.JOH.016.015 Nu siwo katã le Fofonye si la tɔnyee, esia tae megblɔ na mi be nu si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la agblɔ na mi la atso gbɔnye. E

16:16b.JOH.016.016 Esusɔ vie miagakpɔm o eye esusɔ vie miagakpɔm.”

16:17b.JOH.016.017 Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo bia wo nɔewo bena, “Nu ka tututu gblɔm wòle? Egblɔ be, ‘Esusɔ vie miagakpɔm o’ eye ‘esusɔ vie miagakpɔm’. Egagblɔ hã be, ‘Meyina Fofo la gbɔ.’

16:18b.JOH.016.018 ‘Esusɔ vie sia gɔme ɖe?’ Míese nu siwo katã gblɔm wòle la gɔme o.”

16:19b.JOH.016.019 Yesu nya be nusrɔ̃lawo di be yewoabia nya siwo yegblɔ la gɔme, eya ta egblɔ be, “Nya siwo megblɔ la gɔme biam miele mia nɔewoa?

16:20b.JOH.016.020 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, miaxa nu eye miafa avi, ke xexeame ya akpɔ dzidzɔ, mialé blanui, ke esia atrɔ azu dzidzɔ na mi.

16:21b.JOH.016.021 Ne nyɔnu le ku lém la, esea veve ale gbegbe, gake ne edzi vi ko la, eŋlɔa vevesesea be enumake eye wòkpɔa dzidzɔ be yedzi ame ɖe xexeame.

16:22b.JOH.016.022 Nenema ke wòle na miawo hã fifia, miele konyi fam, gake ne megatrɔ va mia gbɔ la, miakpɔ dzidzɔ gã aɖe, eye ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ o.

16:23b.JOH.016.023 Le ŋkeke mawo me la, miagabia nanekem o, elabena miate ŋu abia nu sia nu Fofo la faa, eye ne miebiae le nye ŋkɔ dzi ko la, ana mi.

16:24b.JOH.016.024 Va se ɖe fifi la, miebia naneke le nye ŋkɔ dzi kpɔ o. Ke azɔ la miadze egɔme. Mibia nu Fofo la le nye ŋkɔ dzi, ekema ana mi eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ hã agba go. Meɖu xexeame dzi”

16:25b.JOH.016.025 Meƒo nu tso nu siawo ŋu na mi to lododowo me, ke ɣeyiɣi li gbɔna esi nyemagawɔ esia o, ke boŋ maƒo nu na mi faa tso Fofo la ŋu.

16:26b.JOH.016.026 Le ŋkeke mawo me la, magahiã be maɖe kuku ɖe mia nu o, ke boŋ ne miebia nane Fofo la le nye ŋkɔ dzi la,

16:27b.JOH.016.027 ana mi, elabena mielɔ̃m eye miexɔe se bena Fofo lae dɔm ɖa. Le esia ta Fofo la hã lɔ̃ mi vevie.

16:28b.JOH.016.028 Fofo la gbɔe metso va xexe sia me eye Fofo la gbɔ magatrɔ ayi.”

16:29b.JOH.016.029 Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Azɔ ko nèle nu ƒom na mi faa, ke menye to lododowo me o.

16:30b.JOH.016.030 Azɔ la mienyae bena ènya nu sia nu eye megahiã be ame aɖeke naɖe naneke gɔme na wò o. Miexɔe se tso azɔ dzi yina be Mawue dɔ wò ɖa.”

16:31b.JOH.016.031 Yesu bia wo be, “Miexɔe se azɔa?

16:32b.JOH.016.032 Mikpɔ ɖa, gaƒoƒo aɖe li gbɔna eye eva ɖo gɔ̃ hã xoxo, bena woade zi mia dome eye miaka ahlẽ, ame sia ame aɖo ta eya ŋutɔ ƒe aƒe me, eye miagblem ɖi. Gake nyematsi akogo o, elabena Fofo la li kplim.

16:33b.JOH.016.033 Megblɔ nu siawo katã na mi be miaƒe dzi nadze eme. Tetekpɔ kple konyifafa geɖewo ava mia dzi, gake mele egblɔm na mi be, milé dzi ɖe ƒo, elabena meɖu xexe sia me ƒe fuwo katã dzi.”

17

17:1b.JOH.017.001 Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, ewu mo dzi hegblɔ be, “Fofo, ɣeyiɣia de azɔ. Đe Viwò la ƒe ŋutikɔkɔe fia ne Viwò hã natsɔ ŋutikɔkɔe na wò.

17:2b.JOH.017.002 Elabena èna ŋusẽe ɖe amegbetɔwo katã dzi le xexeame eye be wòana agbe mavɔ ame sia ame si nètsɔ nɛ.

17:3b.JOH.017.003 Ale si ame awɔ akpɔ agbe mavɔ lae nye be, wòanya wò Mawu vavã la, eye wòaxɔ Yesu Kristo, ame si nèɖo ɖe xexeame hã dzi ase.

17:4b.JOH.017.004 Mewɔ dɔ ɖe sia ɖe si nède asi nam la eye to esia me la, mena wò ŋutikɔkɔe dze na anyigbadzitɔwo katã.

17:5b.JOH.017.005 Eye azɔ la, Fofo, esi mele ŋkuwòme fifia la, ɖe ŋutikɔkɔe si le nye kpli wò si tso gɔmedzedzea me la fia le menye.

17:6b.JOH.017.006 Megblɔ ame si ƒomevi nènye la na ame siawo. Tsã la, wonɔ agbe abe xexe sia me tɔwo ene, ke azɔ la, ètsɔ wo nam. Le nyateƒe me la, tɔwòwoe wonye, eye esi nètsɔ wo nam va se ɖe fifia la, wolé wò nya la me ɖe asi.

17:7b.JOH.017.007 Azɔ ko wonya be nu sia nu si nètsɔ nam la tso gbɔwò,

17:8b.JOH.017.008 elabena nya si nède asinye la metsɔe na wo eye woxɔe. Wonyae kɔtee bena metso gbɔwò, eye woxɔe se hã be wòe dɔm ɖo ɖa.”

17:9b.JOH.017.009 Nyemele kuku ɖem ɖe xexeame katã nu o, ke boŋ ɖe ame siwo nètsɔ nam la ko nu, elabena tɔwòwoe wonye.

17:10b.JOH.017.010 Nu siwo katã nye tɔnye la tɔwòe eye nu siwo nye tɔwò hã tɔnyee eye woawo mee woɖe nye ŋutikɔkɔe fia le.

17:11b.JOH.017.011 Azɔ la, mele xexe sia me gble ge ɖi, ava gbɔwò. Fofo kɔkɔe, ame siwo katã nètsɔ nam la, wò ŋutɔ kpɔ wo dzi nyuie bena woawɔ ɖeka abe ale si nye kpli wò miele ɖeka ene, mègana ɖeke nabu le wo dome o.

17:12b.JOH.017.012 Esi menɔ xexeame le afii la, mekpɔ ame siwo katã nètsɔ nam la dzi nyuie. Medzɔ wo ŋu bena ɖeka pɛ hã megatsrɔ̃ o, negbe vi sẽto la koe ayi dzo mavɔ me abe ale si mawunya gblɔe da ɖi ene.”

17:13b.JOH.017.013 Ke azɔ la megbɔna gbɔwò eye mele nya siawo gblɔm esi mele wo gbɔ be nye dzidzɔ nanɔ wo me.

17:14b.JOH.017.014 Hekpe ɖe esia ŋu la, megblɔ wò sededewo na wo, eye woxɔ wo, ke xexeametɔwo lé fu wo elabena womewɔa nu abe xexeametɔwo ene o. Nenema ke nye hã nye agbenɔnɔ mesɔ kple xexeametɔwo ƒe agbenɔnɔ o.

17:15b.JOH.017.015 Fofo, menye ɖe mele biabiam be nãɖe wo le xexeame o, ke boŋ nãde wo wò aʋala te bena satana nagakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o.

17:16b.JOH.017.016 Menye xexe sia me tɔwo wonye o, abe ale si nye hã nyemenye xexe sia me tɔ o ene.

17:17b.JOH.017.017 Eya ta na woazu kɔkɔe eye woanye ame dzadzɛwo, to wò nya la me, elabena wò nya lae nye nyateƒe.

17:18b.JOH.017.018 Abe ale si nèdɔm ɖe xexeame ene la, nye hã mele wo dɔm ɖe xexeame.

17:19b.JOH.017.019 Mewɔ ɖokuinye kɔkɔe ɖe wo ta, bena woawo hã woazu ame kɔkɔewo le nyateƒe la me.”

17:20b.JOH.017.020 “Nyemele gbe dom ɖa ɖe woawo ɖeɖe ko ta o. Ke mele gbe dom ɖa ɖe ame siwo hã ava xɔ dzinye ase to woƒe gbedeasi me,

17:21b.JOH.017.021 be wo katã woanɔ ɖeka abe ale si wò, Fofo la, nèle menye eye nye hã mele mewò ene. Woawo hã nenɔ mía me be xexeame naxɔe ase be wòe dɔm ɖa.

17:22b.JOH.017.022 Metsɔ ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam la na wo; wo ameawo nenɔ ɖeka le nu sia nu me be xexeame nanyae be wòe dɔm ɖa eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene.

17:23b.JOH.017.023 Ne mele wo me eye wò hã nèle menye la, mi katã miade blibo le ɖekanyenye me, ale be xexeame anyae bena wòe dɔm ɖa, eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene.

17:24b.JOH.017.024 Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. Wòe na ŋutikɔkɔe siam elabena èlɔ̃m vevie hafi xexeame va dzɔ gɔ̃ hã.

17:25b.JOH.017.025 ”O, Fofo dzɔdzɔetɔ, xexe sia me tɔwo menya wò o, gake nye la menya wò, eye nusrɔ̃la siawo hã nya be wòe ɖom ɖa.

17:26b.JOH.017.026 Meɖe ame si wò Fofo la nènye la fia wo, eye manɔ esia dzi bena lɔlɔ̃ gã si nètsɔ nam la nanɔ woawo hã me, eye nye hã maxɔ nɔƒe ɖe woƒe dziwo me.”

18

18:1b.JOH.018.001 Esi Yesu wu nya siawo nu la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo do go yi ɖatso tɔsisi si woyɔna be Kidron la heyi egodo eye woyi abɔ aɖe si le afi ma la me.

18:2b.JOH.018.002 Yuda, ame si de Yesu asi la hã nya teƒe sia elabena Yesu kplɔa eƒe nusrɔ̃lawo yina afi ma edziedzi.

18:3b.JOH.018.003 Osɔfogãwo kple Farisitɔwo ɖe asrafowo kple kpovitɔwo kpe ɖe Yuda ŋu bena woava lé Yesu. Ale wodze mɔ kple akakatiwo kple akaɖiwo kpakple aʋawɔnuwo va do ɖe abɔa me afi si Yesu le.

18:4b.JOH.018.004 Yesu nya nu siwo katã le dzɔdzɔ ge ɖe dzi. Ezɔ ɖe ameawo dzi eye wòbia wo be, “Ame ka dim miele?”

18:5b.JOH.018.005 Woɖo eŋu nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyee nye esi.” Yuda, ame si fia eyomemɔ la hã le tsitre ɖe wo gbɔ le afi ma.

18:6b.JOH.018.006 Esi Yesu gblɔ nya sia ko la, ameawo katã dze anyi.

18:7b.JOH.018.007 Yesu gabia wo ake be, “Ame ka tututu dim miele?” Eye wogaɖo eŋu nɛ be, “Yesu Nazaretitɔ la dim míele.”

18:8b.JOH.018.008 Yesu te gbe ɖe edzi na wo ake be, “Megblɔe na mi be, Nyee nye esi, azɔ le esime wònye nye dim miele ta la, mina ame siawo ya nadzo le ŋutifafa me.”

18:9b.JOH.018.009 Yesu gblɔ nya sia bena woawu nya si wògblɔ ɖi do ŋgɔ nu be, “Nyemebu ame siwo nètsɔ nam la ƒe ɖeke o.”

18:10b.JOH.018.010 Ke Simɔn Petro ɖe eƒe yi le aku me eye wòkpa ɖusimeto na Malkus, Osɔfo gãtɔ la ƒe dɔla.

18:11b.JOH.018.011 Yesu trɔ gblɔ na Petro bena, “Tsɔ wò yi la de aku me. Đe mele be mano kplu si Fofo la tsɔ nam la oa?”

18:12b.JOH.018.012 Ale Yudatɔwo ƒe kpovitɔwo kple asrafowo kpakple asrafomegãwo lé Yesu eye woblae.

18:13b.JOH.018.013 Gbã la, wokplɔe yi na Anas, si nye Kayafa to. Kayafae nye Osɔfo gãtɔ le ƒe ma me eye

18:14b.JOH.018.014 eyae nye ame si ɖo aɖaŋu na Yudatɔwo bena,“Enyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta tsɔ wu be dukɔ bliboa natsrɔ̃.”

18:15b.JOH.018.015 Simɔn Petro kple nusrɔ̃la ɖeka dze amehawo yome. Le esi nusrɔ̃la bubu sia dze si Osɔfo gãtɔ ta la, woɖe mɔ na eya faa wòge ɖe aƒea me.

18:16b.JOH.018.016 Ke enɔ na Petro be wòalala le agboa nu. Nusrɔ̃la kemɛ, ame si Nunɔlagã la nya nyuie la, trɔ gbɔ va ƒo nu na ɖetugbi si nɔ agboa nu dzɔm eye wòna mɔ Petro wòge ɖe eme.

18:17b.JOH.018.017 Enumake nyɔnuvi la bia Petro bena, “Menye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃la menye o.”"

18:18b.JOH.018.018 Kpovitɔwo kple subɔlawo do dzo nɔ ƒuƒum ɣemaɣi elabena vuvɔ nɔ wɔwɔm sesĩe. Ale Petro hã va tsi tre ɖe wo dome nɔ dzoa ƒum.

18:19b.JOH.018.019 Le ʋɔnua la, Osɔfo gãtɔ la bia Yesu ame siwo nye eƒe nusrɔ̃lawo kple nu si tututu wòle wo fiam.

18:20b.JOH.018.020 Yesu ɖo eŋu na wo be," “Ame geɖewo nya nu si fiam mele, elabena mefia nu zi geɖe le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔ la me, Yudatɔwo ƒe amegãwo katã ɖoa to nya siwo megblɔna, eye nya aɖeke meli si megblɔna le ɣaɣlɛƒe si nyemegblɔna le dutoƒo o.

18:21b.JOH.018.021 Eya ta menye nyee wòle be miabia nya siae o, ke boŋ mibia ame siwo va ɖoa to nye nyawo. Wo dometɔ aɖewo hã le afi sia eya ta mibia wo.”

18:22b.JOH.018.022 Asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm la dometɔ ɖeka ƒo tome nɛ zi ɖeka hebiae bena, “Nenema wòle be nãɖo nya ŋui na Osɔfo gãtɔ la?”

18:23b.JOH.018.023 Yesu gblɔ nɛ bena, “Nenye be alakpa dam mele la, ekema tɔ asi nu si nye alakpa le nye nuƒoa me la dzi nam. Ke ne nyateƒe tom mele la, ɖe wòle be nãƒo tome na ame si le nyateƒe tom la mahã?”

18:24b.JOH.018.024 Ale Anas na wobla Yesu eye wokplɔe yi Kayafa, Osɔfo gãtɔ la gbɔe.

18:25b.JOH.018.025 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Simɔn Petro ganɔ dzoa ƒum eye ame bubu gabiae bena, “Menye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” Petro ɖo eŋu be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃lae menye o.”

18:26b.JOH.018.026 Osɔfo gãtɔ la ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka si nye ame si ƒe to Petro kpa la ƒe ƒometɔ aɖe hã bia Petro bena, “Menye wòe mekpɔ le abɔa me, nèle Yesu ŋu oa?”"

18:27b.JOH.018.027 Ke Petro gasẽ nu bena, yemenya Yesu o. Eye enumake la koklo ku atɔ.

18:28b.JOH.018.028 Kayafa hã drɔ̃ ʋɔnu Yesu, eye wòwu eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu le fɔŋli. Tso afi sia la wokplɔe yi ɖe Roma gɔvina la ƒe aƒe mee. Ame siwo tsɔ nya ɖe Yesu ŋu la gbe bena yewomage ɖe aƒea me o, elabena ne woyi afi ma la, ekema wogblẽ kɔ na wo ɖokui, eye ne woƒo ɖi wo ɖokui alea la, womana mɔ wo woaɖu Ŋutitotolẽvi la o.

18:29b.JOH.018.029 Ale Pilato, Roma gɔvina la ŋutɔ do go va kpe wo eye wòbia wo bena," “Nya kae mietsɔ ɖe ame sia ŋu eye nu kae miebe ewɔ?”

18:30b.JOH.018.030 Ameawo hã da gbe ɖe Pilato bena, “Đe ame sia mewɔ nu vɔ̃ɖi aɖeke o la, míele ekplɔ ge ava afi siae o.”

18:31b.JOH.018.031 Pilato ɖo eŋu na wo bena, “Ne ele alea la, mikplɔe yii eye miatsɔ miawo ŋutɔ ƒe sewo adrɔ̃ ʋɔnui.” Ameawo gaɖo eŋu nɛ be, “Đe miedi bena miaklãe ɖe ati ŋu eya tae mĩeva bena nãda asi ɖe ɖoɖo sia dzi.”

18:32b.JOH.018.032 Esia wu nyagblɔɖi si Yesu gblɔ ɖi tso ale si wole ewu gee la nu.

18:33b.JOH.018.033 Pilato trɔ yi ɖe eƒe fiasã la me, ena wokplɔ Yesu va egbɔe eye wòbia be, “Woe nye Yudatɔwo ƒe Fia la?”

18:34b.JOH.018.034 Yesu biae bena, “Susu ka nue nèbia nya sia ɖo? Le Yudatɔwo ƒe susu nu loo alo le wò susu nua?”

18:35b.JOH.018.035 Pilato ɖo eŋu kple dziku be, “Yudatɔe menye hafi nèle nya ma biamem hã? Menye wò ŋutɔ mia de tɔwo kple woƒe Osɔfogãwoẽ kplɔ wò va afi sia oa? Nu ka tae wokplɔ wò vɛ ɖo? Agɔ kae nèdze?”

18:36b.JOH.018.036 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nye la, menye anyigbadzifiae menye o. Nenye anyigbadzifiae menye la, anye ne nye amewo awɔ aʋa ɖe nunye esi Yudatɔwo ƒe amegãwo va lém. Nye fiaɖuƒea metso xexe sia me o.”

18:37b.JOH.018.037 Pilato gabiae bena, “Ekema fiae nenye nyateƒea?” Yesu ɖo eŋu be, “Ele me nenema, eye fiaɖuɖu tae wodzim ɖo. Eye esi meva xexe sia me la, ɖe meva bena magblɔ nyateƒe la afia ame sia ame. Ame siwo katã xɔ nyateƒe la dzi se lae nye nye nusrɔ̃lawo.”

18:38b.JOH.018.038 Pilato do ɣli enumake bena, “Nu kae nye nyateƒe la?” Edo go ɖagblɔ na Yudatɔwo be, “Nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le ame sia ŋu o.

18:39b.JOH.018.039 Azɔ kɔnu aɖe le mia si si mewɔna na mi ƒe sia ƒe le Ŋutitotoŋkeke la dzi, eyae nye be maɖe asi le ame siwo le gaxɔ me la dometɔ si mielɔ̃ la ŋu na mi. Eya ta ne enye miaƒe didi la, maɖe asi le ‘Yudatɔwo ƒe Fia’ la ŋu na mi.”

18:40b.JOH.018.040 Ke ameawo ƒe mo nyra eye wodo ɣli sesĩe be, “Gbeɖe! Mègaɖe asi le ame sia ŋu o, ke boŋ ɖe asi le Baraba ŋu na mi!” Baraba siae nye adzodala aɖe si wode gaxɔ me.

19

19:1b.JOH.019.001 Azɔ Pilato na woƒo Yesu kple atam vevie.

19:2b.JOH.019.002 Asrafowo wɔ ŋukuku ɖɔ nɛ eye wodo awu dzĩ nɛ.

19:3b.JOH.019.003 Woɖu fewu le eŋu, eye wodo gbe nɛ fewuɖutɔe be, “Miedo gbe na wò Yudatɔwo ƒe Fia.” Eye ne wole esia wɔm la, woƒoa tome nɛ.

19:4b.JOH.019.004 Pilato gado go va xexe eye wògblɔ na Yudatɔwo be, “Mele ekplɔ ge ado goe na mi, gake minyae bena nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋu o.”

19:5b.JOH.019.005 Ale wòkplɔ Yesu do goe. Wodo awu dzĩ nɛ, tsɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Pilato gblɔ na wo bena “Miaƒe ame lae nye esi.”

19:6b.JOH.019.006 Esi Yudatɔwo kple woƒe Osɔfogãwo kpɔ Yesu ko la, woƒe dzi fla eye wodo ɣli sesĩe bena, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato ɖo eŋu na wo bena, “Miawo ŋutɔ miyi miaklãe ɖe atia ŋu, nye la, nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋuti o.”

19:7b.JOH.019.007 Woɖo eŋu nɛ bena, “Le miaƒe se nu la, ele nɛ be wòaku elabena etsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe Vii.”

19:8b.JOH.019.008 Esi Pilato se nya siawo la, vɔvɔ̃ ɖoe wu tsã

19:9b.JOH.019.009 eya ta egakplɔ Yesu yi fiasã la mee eye wòbiae be, “Kpɔ ɖa afi kae nètso?” Gake Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o.

19:10b.JOH.019.010 Pilato gabiae bena, “Mèle nya ŋu ɖo ge nam oa? Mènyae be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò alo be mana woaklã wò ɖe ati ŋu oa?”

19:11b.JOH.019.011 Yesu gblɔ nɛ bena, “Wò la, mãte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye nenye be womena wò tso dziƒo o. Eya ta ame siwo kplɔm vɛ na wò la, woƒe nu vɔ̃ sɔgbɔ wu tɔwò.”

19:12b.JOH.019.012 Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, Pilato di vevie ŋutɔ be yeaɖe asi le eŋu, gake Yudatɔwo ƒe Osɔfowo gblɔ nɛ bena, “Ne èkatse ɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame sia ame si tsɔ eɖokui wɔ fiae la, tsi tre ɖe Kaisaro ŋu.”

19:13b.JOH.019.013 Esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu gado goe tsɔ va wo gbɔe eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi. Woda ʋɔnudrɔ̃zikpui sia ɖe kpe gbadza aɖe dzi, Woyɔa teƒe si woda kpe gbadza sia ɖo le Hebrigbe me be, “Gabata”.

19:14b.JOH.019.014 Ŋkeke si dzi wole nu siawo wɔm la nye dzadzraɖoŋkeke na Ŋutitotoŋkekenyui la. Eye esi ŋdɔ me ɖo la, Pilato gblɔ na Yudatɔwo bena, “Mikpɔ ɖa, miaƒe Fia lae nye esi!”

19:15b.JOH.019.015 Wo katã wodo ɣli sesĩe be, “Mikplɔe dzoe, mikplɔe dzoe ne miaklãe ɖe ati ŋuti!”

19:16b.JOH.019.016 Ale Pilato tsɔ Yesu de asi na wo be woayi aɖaklãe ɖe ati ŋuti.

19:17b.JOH.019.017 Woƒe asi su Yesu dzi mlɔeba. Wotsɔ eƒe atitsoga da ɖe abɔta nɛ be wòatsɔ eye wokplɔe do go le dua me ɖo ta “Ametakoloeƒe”, si woyɔna be “Golgata” le Hebrigbe me.

19:18b.JOH.019.018 Afi siae woklã Yesu ɖe ati ŋu le eye woklã adzodala eve hã ɖe eƒe axawo kple eve dzi.

19:19b.JOH.019.019 Pilato ŋlɔ klã ɖe Yesu ƒe atitsoga la tame be, ‘YESU NAZARETITÅ, YUDATÅWO ƑE FIA.”

19:20b.JOH.019.020 Afi si woklã Yesu ɖo la medidi tso Yerusalem dua gbɔ o eye woŋlɔ nya siawo ɖe Hebrigbe, Latingbe kple Helagbe me bena ame sia ame nate ŋu axlẽe.

19:21b.JOH.019.021 Osɔfogãwo va gblɔ na Pilato be, mele be woaŋlɔ ɖe atitsoga la ƒe tame be “Yudatɔwo ƒe Fia” o, ke boŋ neŋlɔe be, “Ame sia be yee nye Yudatɔwo ƒe Fia.”

19:22b.JOH.019.022 Pilato ɖo eŋu na wo be, “Nu si meŋlɔ la, meŋlɔe xoxo. Nenɔ nenema.”

19:23b.JOH.019.023 Esi asrafoawo klã Yesu ɖe atia ŋu la, woma eƒe awuwo ɖe akpa ene me, eye woxɔe ɖekaɖekae, ke awutewui la ya la, womemae o. Awu sia nye awuʋlaya si wometɔ o, ke boŋ ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi.

19:24b.JOH.019.024 Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be “Menyo be miavuvui o, ke boŋ mina miada akɔ eye ame si ɖu dzi la naxɔe” . Esia va eme be wòawu ŋɔŋlɔ la nu be, “Woma nye awuwo na wo nɔewo, eye woda akɔ ɖe nye awuʋlaya dzi.” Aleae asrafoawo wɔ.

19:25b.JOH.019.025 Nyɔnu aɖewo va tsi tre ɖe atitsoga la gbɔ ɣemaɣi. Woawoe nye Yesu dada, dada nɔvi si woyɔna be Maria, ame si nye Kleopa srɔ̃ kple Maria si tso Magdala.

19:26b.JOH.019.026 Esi Yesu kpɔ dadaa wònɔ tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃la si wòlɔ̃na vevie xa la, egblɔ nɛ be, “Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòe nye esi.”

19:27b.JOH.019.027 Eye wògblɔ na nusrɔ̃la la hã be, “Kpɔ ɖa, dawòe nye esia!”" Eye tso ɣemaɣi dzi la nusrɔ̃la la kplɔ Maria yi eƒemee.

19:28b.JOH.019.028 Esi Yesu nyae bena nu sia nu wu nu azɔ eye woawu nya siwo woŋlɔ ɖe mawunya me nu la, egblɔ bena," “Tsikɔ le wuyem!”

19:29b.JOH.019.029 Wain tsitsi kplu ɖeka aɖe nɔ afi ma. Wotsɔe kɔ ɖe akutsa tɔxɛ aɖe me eye wotsɔe tɔ ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu nɛ be wòano.

19:30b.JOH.019.030 Esi Yesu ɖɔe kpɔ vɔ ko la, egblɔ bena, “Ewu nu vɔ azɔ,”" eye wòde ta to heɖe asi le eƒe gbɔgbɔ ŋu.

19:31b.JOH.019.031 Yudatɔwo ƒe amegãwo medi bena ameawo nanɔ atia ŋu va se ɖe Sabat ŋkeke la dzi o, eye kpe ɖe esia ŋu la, Sabat ŋkeke sia nye Sabat tɔxɛ elabena edze Ŋutitotoŋkeke la dzi, eya ta wodi tso Pilato si bena wòana woaŋe wo katã ƒe afɔwo bena woaku kaba. Eye ne woku la, woate ŋu aɖe woƒe kukuawo le atiawo ŋu."

19:32b.JOH.019.032 Ale asrafowo va ŋe ame eve siwo woklã kpe ɖe Yesu ŋu la ƒe afɔwo.

19:33b.JOH.019.033 Ke esi wòɖo Yesu dzi la, wokpɔ bena eku xoxo, eya ta womegaxa ŋe eƒe afɔwo o.

19:34b.JOH.019.034 Ke hã la, asrafoawo dometɔ ɖeka tsɔ akplɔ tɔ axadame nɛ eye ʋu kple tsi do go.

19:35b.JOH.019.035 Ame si kpɔ nu siawo katã teƒe la ŋlɔ nu tso eŋu na mí tsitotsito bena miawo hã miaxɔe ase.

19:36b.JOH.019.036 Nuwɔna siawo va eme be woawu mawunya nu be, “Womele eƒe ƒu aɖeke ŋe ge o!”

19:37b.JOH.019.037 Eye ŋɔŋlɔ bubu hã gagblɔ be, “Woafɔ ŋku ɖe ame si wotsɔ akplɔ tɔe la dzi.”

19:38b.JOH.019.038 Le nu siawo megbe la, Yosef si tso Arimatia, ame si nye Yesu ƒe nusrɔ̃la le adzame le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ƒe amegãwo ta la, va bia Pilato be wòana mɔ ye yeaɖe Yesu ƒu kukua le atia ŋu, eye Pilato na mɔe.

19:39b.JOH.019.039 Nikodemo, ame si va Yesu gbɔ le zãtiƒe la hã va eye wòtsɔ ami si naa ame kuku nɔa anyi ɣeyiɣi didi aɖe la vɛ. Ami sia ƒe kpekpe me anɔ abe kilogram blaetɔ̃ sɔŋ ene eye wotsɔ atike tɔxɛ aɖewo wɔe.

19:40b.JOH.019.040 Wosi ami la nɛ eye wo kple eve la tsɔ aklala si me ami ʋeʋĩ yɔ fũu la bla Yesu ƒe kukua ɖe eme. Wowɔe abe ale si Yudatɔwo wɔna na ame kuku hafi ɖina ene.

19:41b.JOH.019.041 Abɔ aɖe te ɖe afi si woklãe ɖo la ŋu eye le abɔa me la yɔdo yeye aɖe si me womeɖi ame ɖo kpɔ o la li.

19:42b.JOH.019.042 Eye le esime Sabat la ƒe gɔmedzedze tu aƒe ta la, wotsɔe yi ɖaɖi ɖe yɔdo sia me. Elabena etsɔ ɖe kpuiƒe na wo.

20

20:1b.JOH.020.001 Le Kɔsiɖagbe ŋdi kanya, esi xexeame mekɔ vɔ tututu o la, Maria si tso Magdala la yi Yesu ƒe yɔdo gbɔ eye wòkpɔ bena womli kpe gã si nɔ yɔdoa nu la ɖa.

20:2b.JOH.020.002 Eƒu du yi Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ vevie la gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Wova ɖe Aƒetɔ la ƒe kukua le yɔdoa me eye nyemenya afi si wotsɔe ɖada ɖo o!”

20:3b.JOH.020.003 Azɔ Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ la tso kpla yi ɖe yɔdoa gbɔ.

20:4b.JOH.020.004 Wo ame eve la ƒu du, ke nusrɔ̃la kemɛ la ƒu du gbɔ Petro ŋu hetre yɔdo la gbɔ ɖoɖo.

20:5b.JOH.020.005 Ebɔbɔ eye wòkpɔ ameɖivɔ la le yɔdoa me.

20:6b.JOH.020.006 Simɔn Petro hã va ɖo, eye wòge ɖe yɔdoa me. Eya hã kpɔ avɔ ɣi ƒuƒlu la le anyigba eye

20:7b.JOH.020.007 taku si wotsɔ bla Yesu ƒe moe la, woxatsae nyuie tsɔ da ɖe yɔdoa ƒe axa dzi.

20:8b.JOH.020.008 Nusrɔ̃la ma si ɖo yɔdoa gbɔ gbã la hã ge ɖe eme mlɔeba, ekpɔ eye wòxɔe se be etsi tre vavã.

20:9b.JOH.020.009 Elabena va se ɖe ɣemaɣi hã la, womenya be mawunya gblɔ bena agatsi tre o.

20:10b.JOH.020.010 Nusrɔ̃la la kple Petro trɔ yi aƒe me.

20:11b.JOH.020.011 Ke le ɣeyiɣi sia me Maria ya gatrɔ yi yɔdoa to eye wònɔ avi fam. Esi wònɔ avi fam la, ebɔbɔ be yeagakpɔ yɔdoa me ɖa,

20:12b.JOH.020.012 kasia ekpɔ mawudɔla eve siwo nɔ awu ɣiwo me la le yɔdoa me, ɖeka le tade eye evelia le afɔde.

20:13b.JOH.020.013 Mawudɔlawo biae bena, “Nu ka tae nèle avi fam ɖo?” Eɖo eŋu na wo bena, “Elabena wotsɔ nye Aƒetɔ la dzoe, eye nyemenya afi si wotsɔe da ɖo o.”

20:14b.JOH.020.014 Efɔ kɔ dzi eye wònye kɔ kpɔ megbe, kasia ekpɔ ame aɖe wònɔ tsitre ɖe emegbe. Yesue nye amea gake mekpɔe dze si o.

20:15b.JOH.020.015 Ame la biae be, “Nu ka ta nèle avi fam? Ame ka dim nèle?” Maria bu be eyae nye abɔdzikpɔla, eya ta wòɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wòe va tsɔe le afi sia la, gblɔ afi si nètsɔe da ɖo la nam bena mayi aɖakɔe.”

20:16b.JOH.020.016 Azɔ Yesu yɔe be, “Maria!” Enumake Maria hã trɔ ɖe Yesu ŋu.

20:17b.JOH.020.017 Yesu gblɔ nɛ bena, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Gake yi nãdi nɔvinyewo ne nãgblɔ na wo bena meyina ɖe Fofonye, ame si nye miawo hã Fofo la kple nye Mawu ame si nye miawo hã ƒe Mawu la gbɔ.”

20:18b.JOH.020.018 Maria Magdalatɔ la yi ɖadi nusrɔ̃lawo eye wògblɔ na wo bena, “Mekpɔ Aƒetɔ la!”" eye wògblɔ nya siwo Yesu de asi nɛ la na wo.

20:19b.JOH.020.019 Le Kɔsiɖa ma ƒe fiẽ la, nusrɔ̃lawo ɣla wo ɖokuiwo ɖe xɔ me nɔ takpekpe wɔm. Wotu ʋɔtru kple fesrewo katã sesĩe elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo ƒe amegãwo. Wole afi sia kasia Yesu va do ɖe wo dome kpoyi eye wòdo gbe na wo be," “Ŋutifafa na mi” .

20:20b.JOH.020.020 Etsɔ eƒe asiwo kple axadame fia wo. Nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe bena wogakpɔ Aƒetɔ la.

20:21b.JOH.020.021 Yesu gagblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi. Abe ale si Fofo la dɔm ene la, nenema nye hã mele mia dɔm ɖe xexeame.”

20:22b.JOH.020.022 Le esia megbe la, egbɔ ɖe wo dzi eye wògblɔ bena, “Mixɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.

20:23b.JOH.020.023 Ne mietsɔ ame aɖe ƒe nu vɔ̃wo kee la, ekema ekpɔ tsɔtsɔke vavã eye ne miegbe mietsɔe ke ame aɖe o la, ekema eƒe nu vɔ̃wo atsi eŋu.”

20:24b.JOH.020.024 Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, si nye evenɔvi, eye woyɔnɛ be Toma ya menɔ nusrɔ̃lawo dome ɣemaɣi o.

20:25b.JOH.020.025 Esi wòva la nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena, “Miekpɔ Aƒetɔ la.” Ke Toma ɖo eŋu na wo bena, “Nyemaxɔe ase o, va se ɖe esime nye ŋutɔ matsɔ nye asibidɛ aƒo ɖe eƒe gatagbadzɛbiawo me eye matsɔ nye asi aƒo ɖe abi si le axadame nɛ la me hafi.”

20:26b.JOH.020.026 Anɔ abe ŋkeke enyi megbe ene la, nusrɔ̃lawo gaƒo ƒu ɖe xɔ me tu ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu eye fifia ya la Toma hã nɔ wo dome. Kasia Yesu gava do ɖe wo dome eye wògado gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi” .

20:27b.JOH.020.027 Azɔ egblɔ na Toma bena, “Zɔ va nãtsɔ wò asibidɛ aƒo ɖe nye asiƒome, eye nãtsɔ wò asi aƒo ɖe nye axadame kpɔ. Tso azɔ la, mèganye dzimaxɔsetɔ o, xɔse vavã nenɔ asiwò!”

20:28b.JOH.020.028 Toma ɖo eŋu nɛ be, “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu.”

20:29b.JOH.020.029 Yesu gagblɔ nɛ be, “Esi nèkpɔm la èxɔe se be nyee, ke woayra ame siwo mekpɔm o, gake woxɔ dzinye se.”

20:30b.JOH.020.030 Nusrɔ̃lawo kpɔ Yesu wòwɔ nukunu bubu geɖewo siwo ya womeŋlɔ ɖe agbalẽ sia me o,

20:31b.JOH.020.031 ke woŋlɔ esiawo da ɖi bena miaxɔe ase bena eyae nye Mesia la kple Mawu ƒe Vi, eye ne miexɔe se la, miakpɔ agbe.

21

21:1b.JOH.021.001 Emegbe la, Yesu gaɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo le Tiberias ƒua nu.

21:2b.JOH.021.002 Eva dzɔ bena, Simɔn Petro, Toma Venɔvi la, Nataniel si tso Kana le Galilea, kple Zebedeo viwo hekpe ɖe nusrɔ̃la eve bubu ŋu, nɔ ƒuta.

21:3b.JOH.021.003 Simon Petro gblɔ bena, “Meyina tɔƒo.” Tete wo katã gblɔ be, “Míayi kpli wò.” Ale wodze mɔ yi ɖage ɖe tɔdziʋua me gake womeɖe lã aɖeke le zã ma me o.

21:4b.JOH.021.004 Le ŋdi la, Yesu nɔ tsitre ɖe ƒua ta gake nusrɔ̃lawo menyae be Yesue ma o.

21:5b.JOH.021.005 Yesu do ɣli bia be, “Xɔ̃nyewo, mieɖe lã aɖea?” Woɖo eŋu be, “Ao, mieɖe naneke o.”

21:6b.JOH.021.006 Egagblɔ bena, “Mida miaƒe ɖɔ la ɖe ʋua ƒe nuɖusime lɔƒo eye miaɖe lã” Wowɔ ɖe eƒe gbe dzi eye nyateƒe woɖe lã fũu ale gbegbe be womete ŋu hee de ʋua me gɔ̃ hã o.

21:7b.JOH.021.007 Azɔ nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na vevie la gblɔ na Petro bena, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ lae!” Esi Petro se nya sia ko la, etsɔ eƒe awu do kaba elabena avɔ kakɛ aɖe koe wòsa ɖe ali, eye wòdzo dze tɔa me doo, heƒu tsi va gota.

21:8b.JOH.021.008 Ke mí ame mamlɛawo la, míetsi ʋua me he ɖɔa va gota elabena gota anɔ abe meta alafa ɖeka ko ene.

21:9b.JOH.021.009 Esi míeɖo gota la, míekpɔ be wodo dzo ɖe afi ma, lã meme nɔ edzi, eye abolo hã kpe ɖe eŋu.

21:10b.JOH.021.010 Yesu gblɔ na wo bena, “Mitsɔ lã si mieɖe fifia la ƒe ɖe vɛ.”

21:11b.JOH.021.011 Ale Simɔn Petro yi ɖakpe ɖe wo ŋu wohe ɖɔ la ɖe gota. Esi woxlẽe la, gã siwo woɖe la, enɔ alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃, gake ɖɔ la mevuvu o.

21:12b.JOH.021.012 Yesu gblɔ na wo be, “Azɔ, miva ɖu nu.” Ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu bia ame si wònye o elabena woka ɖe edzi be Aƒetɔ lae.

21:13b.JOH.021.013 Yesu ma aboloa kple lã la na wo.

21:14b.JOH.021.014 Esia nye zi etɔ̃lia Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo esi wòfɔ tso ame kukuwo dome.

21:15b.JOH.021.015 Esi woɖu ŋdinu vɔ la, Yesu bia Simɔn Petro bena, “Simɔn, Yohanes vi, èlɔ̃m wu ame siawoa?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, wò ŋutɔ ènyae bena nyemelɔ̃a nu gbɔwò o.” Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema kpɔ nye alẽawo dzi.”

21:16b.JOH.021.016 Yesu gabiae be, “Simɔn, Yohanes vi, elɔ̃m vavã?” Petro ɖo eŋu be, “Ẽ, Aƒetɔ, wò ŋutɔ ènyae be nyemelɔ̃a nu gbɔwò o.” Yesu gblɔ nɛ be, “Ekema kpɔ nye alẽawo dzi.”

21:17b.JOH.021.017 Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes vi, èle lɔ̃yema?” Biabia etɔ̃lia sia ve Petro elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èle lɔ̃yema?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, wò ŋutɔ ènya nu sia nu eye ènyae be melɔ̃ wò.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo.

21:18b.JOH.021.018 Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be esi nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ èdoa awu hedoa go yia afi si nèlɔ̃, gake ne èku amegã la, ãkɔ wò abɔwo dzi, ame bubu ado awu na wò eye woakplɔ wò ayi afi si mèdi be yeayi o.”

21:19b.JOH.021.019 Yesu gblɔ nya sia nɛ bena wòatsɔ afia ku si ku ge wòala atsɔ kafu Mawu. Esi Yesu wu nya la nu la, egblɔ nɛ bena, “Dze yonyeme.”

21:20b.JOH.021.020 Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka le eƒe megbe gbɔna. Nusrɔ̃la siae nye ame si nɔ Yesu ƒe axadzi tututu le nuɖuƒea hebiae be, “Aƒetɔ, mía dometɔ kae ade wò asi mahã?”

21:21b.JOH.021.021 Ale Petro bia Yesu be, “Ku ka tɔgbie li na ame sia ya?”

21:22b.JOH.021.022 Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Nenye be medi be wòanɔ agbe va se ɖe esi magava la, wò nyae wònyea? Wò ya mebe dze yonyeme.”

21:23b.JOH.021.023 Ke nya sia kaka ɖe nɔvia nusrɔ̃la bubuwo dome bena, nusrɔ̃la sia mele kuku ge o. Ke menye nya siae Yesu gblɔ kura o, ɖeko wògblɔ bena, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esi magava la, wò nyaea?”

21:24b.JOH.021.024 Nusrɔ̃la siae nye esi Yesu lɔ̃na. Ekpɔ nu siawo katã teƒe tsitotsito eye wòŋlɔ wo da ɖi. Eye mí katã míenya be eƒe ɖaseɖiɖi tso nu siawo ŋu nye nyateƒe.

21:25b.JOH.021.025 Yesu wɔ nu bubu geɖewo hã kpe ɖe esiawo ŋu. Ne woaŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖi la, mesusu be xexeame katã gɔ̃ hã malolo na agbalẽ siawo tsɔtsɔ o.


Holder of rights
Multilingual Bible Corpus

Citation Suggestion for this Object
TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. John (Ewe). John (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-96FD-2