1
Agbalẽ sia tso Hamemegã tsitsi la gbɔ na xɔ̃nye Gayo, ame si melɔ̃na le nyateƒe me.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, medo gbe ɖa be nãnɔ lãmesesẽ me eye nu sia nu nadze edzi na wò nyuie abe ale si wò luʋɔ gɔ̃ hã le dedie ene.
Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi nɔvi aɖewo va ƒo nu tso ale si nèlé nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ eye nèle agbe nɔm le nyateƒe la nu la ŋu.
Naneke medoa dzidzɔ nam wu be, mase be vinyewo le agbe nɔm ɖe nyateƒe la nu o.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃a, èle nuteƒe wɔm le nu siwo nèle wɔwɔm na nɔviawo la me, togbɔ be wonye amedzrowo na wò hã.
Woɖe gbeƒã na hamea katã le wò lɔlɔ̃ si nèɖe fia wo la ŋu. Anyo be nãdo mɔ wo le mɔ nyuitɔ si dze Mawu ŋu la nu.
Elabena ŋkɔ la tae wodze mɔ hele tsatsam eye womexɔ kpekpeɖeŋu aɖeke tso Trɔ̃subɔlawo gbɔ o.
Le esia ta ehiã be miawɔ dɔmenyo na ame sia tɔgbewo ale be mí katã míawɔ dɔ ado nyateƒea ɖe ŋgɔ.
Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hamea, gake Diotrefo ame si tsɔ eɖokui wɔ ŋgɔgbenɔlae la, meɖo to nye nyawo o.
Eya ta ne meva la maɖe nu siwo katã wɔm wòle la ɖe go, vevietɔ ale si wòle mía ŋu gblẽm la ta. Hekpe ɖe esia ŋu la eɖea ame siwo dina be yewoaxɔ nɔviawo la le hame.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ, megakpɔ nu vloe wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nãwɔ o, ke boŋ srɔ̃ nu nyui wɔwɔ. Ame sia ame si wɔ nu nyui la tso Mawu gbɔ. Ame si wɔa nu vɔ̃ la mekpɔa Mawu o.
Ame sia ame ƒoa nu nyuie le Demetrio ŋu. Nyateƒea ŋutɔ hã gblɔa eƒe nya nyuie. Míawo hã míeɖi ɖase nyui le eŋu, eye wò ŋutɔ enyae be míaƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.
Nya geɖe le asinye be maŋlɔ na wò gake nyemedi be maŋlɔe kple nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi ɖeɖe ko o. Mele mɔ kpɔm be míado go kpuie eye míaƒo nu ŋkume kple ŋkume. Ŋutifafa nanɔ anyi kpli wò. Nɔvi siwo katã le afi sia la do gbe na wò nyuie. Do gbe na nɔvi siwo le gbɔwò la na mí ɖekaɖeka.
- Holder of rights
- Multilingual Bible Corpus
- Citation Suggestion for this Object
- TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. 3 John (Ewe). 3 John (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-973C-B