1
Nu si li tso xexeame ƒe gɔmedzedze ke, nu si ŋkɔ míese eye míekpɔ. Nu si míekpɔ kɔtee kple míaƒe ŋkuwo, eye míawo ŋutɔ míeka asi eŋu la, eya ƒe nya míele gbeƒã ɖem na mi be, eyae nye Agbenya la.
Agbe sia do, míekpɔe, míeɖia ɖase le eŋuti eye míeɖea gbeƒã agbe mavɔ si le Fofoa gbɔ eye wòdze na mí la na mi.
Míeɖea gbeƒã nu si míekpɔ kple nu si míese la, na mi bene miawo hã miado fome kpli mí. Eye míaƒe ƒomedodo sia li kple Fofo la kple Via Yesu Kristo."
Míele esia ŋlɔm ɖo ɖe mi be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.
Azɔ la, esia nye gbedeasi si míese tso egbɔ eye míele gbeƒã ɖemi na mi be, “Mawue nye kekeli eye viviti aɖeke mele eme kura o.”
Ne míegblɔ be míebɔa ha kplii gake míegale viviti me zɔm la, ekema míenye alakpatɔwo eye míele nyateƒe la dzi wɔm o.
Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le, kekeli me ene la ekema míebɔ ha kple mía nɔewo eye Yesu Kristo si nye Via, ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti.
Ne míegblɔ be nu vɔ̃ mele mía ŋuti o la, ekema míele mía ɖokuiwo blem eye nyateƒea mele mía me o.
Gake ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me la ekema Mawu si nye nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ la atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti.
Ne míele gbɔgblɔm kokoko be míewɔ nu vɔ̃ o la ekema míedo eya amea alakpatɔe eye eƒe nya mexɔ aƒe ɖe mía me o.
2
Vinye lɔlɔ̃awo mele esia ŋlɔm ɖo ɖe mi be miagawɔ nu vɔ̃ o. Gake ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la, Yesu Kristo si nye Kɔkɔetɔ la, li na mí eye aƒo nu aʋli mía ta le Fofo la gbɔ.
Eyae nye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye menye míawo ɖeɖe ko tɔ tae o, ke boŋ ɖe xexeame blibo la ƒe nu vɔ̃wo hã tae.
Ne míewɔ ɖe eƒe sewo dzi la ekema kakaɖedzi le mía si be míenyae vavã.
Ame si agblɔ be “Menyae,” gake mewɔ ɖe eƒe sededewo dzi o la, ame ma nye alakpatɔ eye nyateƒe mele eme o.
Gake ne ame aɖe wɔa eƒe nya dzi la, Mawu ƒe lɔlɔ̃ de blibo le eya amea me vavã. Eye aleae míawɔ anya be míele eya amea me:
ame si gblɔ be yele eya amea me la, nanɔ agbe abe ale si Yesu hã nɔ agbee ene.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, nyemele se yeye aɖeke ŋlɔm na mi le agbalẽ sia me o, ke boŋ, se xoxo ma si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me la koe. Sedede xoxo siae nye gbedeasi si miese xoxo.
Ke hã la, mele se yeye aɖe ŋlɔm ɖo ɖe mi, si ƒe nyateƒe le dzedzem le miawo kple eya amea me xoxo, elabena viviti la le bubum eye kekeli vavã la le keklẽm xoxo.
Ne ame aɖe agblɔ be yele kekeli la me gake wòléa fu nɔvia la, ekema ame sia gale viviti me kokoko.
Ame si lɔ̃a nɔvia la, ƒe agbenɔnɔ nye kekeli eye naneke mele eƒe agbe me si ana be woakli nu o.
Gake ne ame aɖe lé fu nɔvia la, ekema ame sia le viviti me eye wòzɔna le viviti me menya afi si wòɖo tae o elabena viviti la tsyɔ mo nɛ.
Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo, Elabena wotsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi Le eƒe ŋkɔ la ta.
Meŋlɔe na mi, fofowo, Elabena mienya eya ame si Nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke. Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo, Elabena mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo, Elabena mienya Fofo la.
Meŋlɔe na mi, fofowo, Elabena mienya eya ame si Nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo, Elabena miesẽ ŋu, Mawu ƒe nya la le mia me Eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.
Migalɔ̃ xexeame kple nu siwo le eme la o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexeame la ekema melɔ̃a Fofo la o.
Elabena nu sia nu si le xexeame la metso Fofo la gbɔ o ke boŋ etso xexeame. Nu siawoe nye, amegbetɔ nu vɔ̃ wɔla ƒe didi vivivowo, eƒe ŋkubiabiã, kple amegbetɔ ƒe dada ɖe nu siwo le esi la dzi.
Xexeame kple eƒe didiwo nu ava yi gake ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa agbe tegbee.
Vi lɔlɔ̃awo, míege ɖe gaƒoƒo mamlɛtɔ me: eye abe ale si miese xoxo be Kristo ƒe futɔ la gbɔna vava ge ene la, fifi laa la, Kristo ƒe futɔ geɖewo va ɖo xoxo. Esiae na be míenya be gaƒoƒo alo ɣeyiɣi mamlɛtɔ ɖo.
Wodo go dzo le mía dome, gake le nyateƒe me la womenɔ mía dome le woƒe dziwo me o. Nenye mía dometɔ wonye vavã la anye ne wotsi anyi, eye womedzo le mía gbɔ o. Woƒe dzodzo fia kɔtee be wo dometɔ aɖeke menɔ mía dzi o.
Ke miawo la, Kɔkɔetɔ la ƒe amisisi le mia dzi eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nya nyateƒe la.
Nyemeŋlɔ ɖo ɖe mi esi mienya nyateƒe la ta o, ke boŋ be mienya nyateƒe la, elabena alakpa mate ŋu ado tso nyateƒe me o.
Ame kae nye aʋatsokala la? Ame si gblɔ be menye Yesue nye Mesia alo ɖela la o lae. Ame sia enye Yesu ƒe futɔ la si gbea nu le Fofo la kple Vi la gbɔ.
Ame si gbe nu le Vi la gbɔ la, menya Fofo la hã o; ke ame si xɔ Vi la la, eya amea xɔ Fofo la hã.
Ke miawo la, mikpɔ egbɔ be mielé nu si miese tso gɔmedzedzea me la ɖe asi. Ne miewɔ esia la ekema miayi dzi anɔ Vi la kple Fofo la me.
Eye nu si ƒe ŋugbe wòdo na mí la enye agbe mavɔ la.
Mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi tso ame siwo le agbagba dzem be yewoahe mi ayi mɔtatra dzii la ŋu."
Ke miawo la, amisisi si miexɔ tso egbɔ la, nɔa mia me eye megahĩa be ame aɖeke nafia nu mi o, elabena eƒe amisisi la fiaa nu mi tso nuwo katã ŋuti eye esi amisisi sia nye nyateƒetɔ eye menye aʋatsotɔ o ta la, minɔ eya amea me, abe ale si wòfia mi ene.
Azɔ la vinye lɔlɔ̃awo minɔ agbe le eya amea me elabena kakaɖedzi anɔ mía si eye ŋu makpe mí le eŋkume le eƒe vava ŋkekea dzi o.
Ne mienyae be enye dzɔdzɔetɔ la akema ame sia ame si wɔa nu dzɔdzɔe la nye via."
3
Mikpɔ ale si gbegbe Fofo la lɔ̃a mí ɖa be woayɔ mí be Mawu viwo. Nyateƒe, Mawu viwoe míenye. Nu si ta xexemetɔwo menya mí o lae nye be womenya eya amea o.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, fifia míenye Mawu viwo, ke míenya nu si míava nye etsɔmegbe la haɖe o. Gake míenya be ne Kristo va la míanɔ abe eya amea ene elabena míakpɔe abe ale si wòle tututu ene.
Ame siwo katã le mɔkpɔkpɔ me alea la wɔa wo ɖokuiwo dzadze abe ale si eya hã le dzadze ene.
Ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la da sea dzi, le nyateƒe me la, nu vɔ̃ enye sedzimawɔmawɔ.
Ke ele nyanya me na mi be ɖe wòva be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ayii. Nu vɔ̃ aɖeke mele eya ŋutɔ ƒe agbe me o.
Ne ame aɖe le agbe le eya amea me la, amea meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi atraɖii o. Ne ame aɖe ganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi edziedzi la, ekema ame sia mekpɔe o loo alo nyae o.
Vinye lɔlɔ̃awo, migana ame aɖeke nable mi ne miatra mɔ o. Ame si wɔa nu nyui la enye ame dzɔdzɔe abe ale si eya hã le dzɔdzɔe ene.
Ame si wɔa nu vɔ̃ la nye Abosam ƒe ame elabena Abosam le nu vɔ̃ wɔm tso gɔmedzedzea me ke. Nu si ta Mawu ƒe Vi la va enye be wòagblẽ Abosam ƒe nuwɔwɔwo.
Ame si wodzi le Mawu me la meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi o, elabena Mawu ƒe kutsetse le eme. Mate ŋu awɔ nu vɔ̃ o elabena wodzii tso Mawu me.
To esia me míedea vovototo Mawu viwo kple Abosam viwo dome. Ame si mewɔa nu si le eteƒe o la menye Mawu vi o. Nenema ke ame si melɔ̃a nɔvia o la menye Mawu vi o.
Esia enye gbedeasi si miese tso gɔmedzedzea, bena ele be míalɔ̃ mía nɔewo. Miganɔ abe Kain ene o. Le esi wònye Abosam ƒe ame ta la, ewu nɔvia. Nu ka ta wòwu nɔvia? Elabena, eƒe wɔnawo vɔ̃ɖi, ke nɔvia ƒe wɔnawo le dzɔdzɔe.
Nɔvinyewo ne xexeame lé fu mi la megawɔ nuku na mi kura o.
Míenya be míeto ku me yi agbe me elabena míelɔ̃a mía nɔewo. Ame si melɔ̃a ame o la, gale ku ƒe asime.
Ame si ke léa fu nɔvia la nye amewula eye ele nyanya me na mi be agbe mavɔ meli na amewula aɖeke o.
Ale si Yesu Kristo va ku ɖe mía ta la, ɖe nu si lɔlɔ̃ nye la fia mí. Eya ta ele be míawo hã míatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi na mía nɔviwo.
Ne xexemenuwo le ame aɖe si fũu eye wòkpɔ nɔvia aɖe si nye hiãtɔ eye mekpɔ nublanui nɛ o la ale ke woate ŋu akpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ le eme?
Vinye lɔlɔ̃awo migana míalɔ̃ mía nɔewo kple nya alo kple aɖe ɖeɖe ko o, ke boŋ kple nuwɔna eye le nyateƒe me.
Ekema esia nye ale si míenyana be míenye nyateƒe la tɔ, kple ale si míeɖea dzi ɖi le eŋkume.
Ɣesiaɣi si míaƒe dzitsinya bu fɔ mí elabena Mawu lolo wu míaƒe dziwo eye wònya nu sia nu.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne míaƒe dziwo mebu fɔ mí o la, dzideƒo le mía si le Mawu ŋkume
eye nu sia nu si míabiae la míakpɔe elabena míewɔ eƒe sewo dzi eye míewɔ nu si dzea eŋu.
Eƒe sedede nye esia bena míaxɔ via Yesu Kristo dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo abe ale si wòde se na mí ene.
Ame siwo wɔa ɖe eƒe sewo dzi la nɔa agbe le eme eye eya hã nɔa wo me. Eye aleae míenyana be ele agbe le mía me: Míenyae to Gbɔgbɔ si wòna mí la dzi.
4
Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ko dzi se o, ke boŋ mido gbɔgbɔwo kpɔ be wotso Mawu gbɔ hã. Elabena aʋatsonyagblɔɖila geɖewo kaka ɖe xexeame.
Ale miatsɔ dze si Mawu ƒe Gbɔgbɔe nye si: Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si ɖe gbeƒã be Yesu Kristo va le ŋutilã me la, tso Mawu gbɔ.
Ke Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si meɖea gbeƒã Yesu Kristo o la metso Mawu gbɔ o. Esiae nye Kristo ƒe futɔ ƒe gbɔgbɔ si miese be egbɔna eye fifia gɔ̃ hã la ele xexeame xoxo.
Vinye lɔlɔ̃awo, miawo ya la mienye Mawu viwo eye mieɖu aʋatsonyagblɔɖila siawo dzi; elabena Gbɔgbɔ si le mia me la tri akɔ wu esi le xexeame.
Wotso xexeame, eya ta woƒoa nu le xexeame ƒe nugɔmesese nu, eye xexeame ɖoa to wo.
Míawo ya míetso Mawu gbɔ eye ame sia ame si nya Mawu la, ɖoa to mí; ke ame si metso Mawu gbɔ o la meɖoa to mí o. Esiae na míedzea si Nyateƒegbɔgbɔ kple aʋatsogbɔgbɔ.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, mina míalɔ̃ mía nɔewo elabena Mawu gbɔe lɔlɔ̃ tsona. Ame sia ame si lɔ̃a ame la wodzi tso Mawu me eye wònya Mawu.
Ame si melɔ̃a ame o la, menya Mawu o elabena Mawu nye lɔlɔ̃.
Ale si Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le mía dome lae nye; eɖo via ɖeka hɔ̃ɔ ɖe xexeame be míanɔ agbe to eya amea me.
Esia enye lɔlɔ̃ vavã, menye míawoe lɔ̃ Mawu o, ke boŋ le eƒe lɔlɔ̃ na mí ta wòɖo Via ɖa abe avulévɔsa le míaƒe nu vɔ̃wo ta ene.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔwo, le ale si Mawu lɔ̃ mí ta la ele be míawo hã míalɔ̃ mía nɔewo.
Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ke ne míelɔ̃ mía nɔewo la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mía me eye eƒe lɔlɔ̃ ade blibo le mía me.
Míenyae bena míele agbe le eya amea me eye eya hã le mía me, elabena etsɔ eƒe Gbɔgbɔ de mía me.
Míekpɔe eye míeɖi ɖase be Fofo la ɖo Via ɖa be wòanye xexeame ƒe Đela.
Ame sia ame si aɖe gbeƒã be Yesue nye Mawu Vi la la, Mawu le eya amea me eye eya hã le Mawu me.
Esi wòwɔ míaƒe lɔlɔ̃ wòde blibo le mía dome ale be dzideƒo nanɔ mía si le ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi, elabena míaƒe agbenɔnɔ le xexe sia me sɔ kple etɔ.
Vɔ̃vɔ aɖeke menɔa lɔlɔ̃ me o ke boŋ lɔlɔ̃ vavãtɔ nyaa vɔvɔ̃ katã ɖa. Elabena vɔvɔ̃ ku ɖe tohehe ŋu. Ame si vɔ̃na la ƒe lɔlɔ̃ mede blibo o.
Míelɔa mía nɔewo elabena Mawu tre mí lɔlɔ̃.
Ne ame aɖe ƒo adegbe be, “Melɔ̃ Mawu,” ke wòléa fu nɔvia la, enye alakpatɔ elabena ame sia ame si melɔ̃a nɔvia, ame si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu ame si mekpɔ o.
Mawu ŋutɔ de se na mí be, Ame si lɔ̃a Mawu la nelɔ̃ nɔvia hã.
5
Ame sia ame si xɔe se be Yesue nye Kristo la la, wodzii tso Mawu me, eye ame sia ame si lɔ̃a Fofo la la, lɔ̃a Via hã.
Esiae nye ale si míenyana be míelɔ̃a Mawu Viwo; to Mawu lɔ̃lɔ kple eƒe seawo dziwɔwɔ me.
Esiae nye lɔlɔ̃ na Mawu; be woawɔ eƒe seawo dzi eye eƒe sewo mesesẽ o.
Elabena ame si wodzi le Mawu me la, ɖu xexeame dzi. Míaƒe xɔsee nye nu si ɖu xexeame dzi.
Ame kae nye ame si ɖu xexeame dzi? Ame si xɔe se be Yesue nye Mawu Vi, la koe.
Yesu Kristo enye ame si va to tsi kple ʋu me. Meva to tsi me ɖeɖe ko o, ke boŋ to tsi kple ʋu me. Eye Gbɔgbɔ lae le ɖase ɖim le nu sia ŋu elabena Gbɔgbɔ lae nye nyateƒe la.
Ame etɔ̃e le ɖase ɖim,
woawoe nye Gbɔgbɔ la, Tsi la kple Ʋu la, eye wo katã ƒe ɖaseɖiɖi le ɖeka.
Míexɔa amegbetɔwo ƒe ɖaseɖiɖiwo, ke Mawu ƒe ɖase si wòɖi le Via ŋu la de ŋgɔ sãa wu esiawo.
Eya ta ame sia ame si xɔa Mawu Vi la dzi sena la, ɖia ɖase le eƒe dzi me. Eye ame si mexɔa Mawu dzi se o la ewɔ Mawu aʋatsokalae elabena mexɔ ɖase si Mawu ɖi le Via ŋu la dzi se o.
Nya lae nye si be Mawu na agbe mavɔ mí eye agbe mavɔ sia le Via me.
Ame si si Vi la le la agbe le esi; eye ame si si Mawu Vi la mele o la agbe mele esi o.
Mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi ame siwo xɔ Mawu Vi la ƒe ŋkɔ dzi se la ale be mianya be agbe mavɔ le mia si.
Kakaɖedzi sia le mía si le tete ɖe Mawu ŋu me be, ne míebia nu si sɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃nu dzi la eɖoa to mí.
Eye ne míenyae be eɖoa to mi le, nu sia nu si míebia me la, míenyae be míaƒe asi su nu si míebiae la dzi.
Ne ame aɖe kpɔ be ye nɔvi wɔ nu vɔ̃ si ƒe fetu menye ku o la, nedo gbe ɖa ale be Mawu naxɔe ɖe agbe. Esia ku ɖe ame siwo ƒe nu vɔ̃ mehea ku vanɛ o la ŋuti. Nu vɔ̃ aɖe li si hea ame yina ku me, menye nu vɔ̃ sia tɔgbe ƒe nya gblɔm mele o.
Nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe ƒomevi nye nu vɔ̃, gake nu vɔ̃ aɖewo li siwo mehea ame yina ku mee o.
Minyae kɔtee bena, ne wodzi ame aɖe tso Mawu me la, meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi atraɖii o, Mawu Vi la ŋutɔ kpɔa eta be wònɔna dedie eye Vɔ̃ɖitɔ la metea ŋu kaa asi eŋu o.
Míenyae be Mawu viwoe míenye eye be xexeame blibo la le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.
Míenyae hã bena Mawu Vi la va eye wòna nugɔmesese mí ale be míanya eya ame si nye nyateƒea. Míele nyateƒea si nye Via Yesu Kristo la me. Eyae nye nyateƒe Mawu kple agbe mavɔ la.
Vinye lɔlɔ̃awo, miɖe mia ɖokuiwo ɖa le legbawo gbɔ.
- Holder of rights
- Multilingual Bible Corpus
- Citation Suggestion for this Object
- TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. 1 John (Ewe). 1 John (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-9736-1