1

Simon Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, ŋlɔ na ame siwo to míaƒe Mawu kple Yesu Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye me la hã xɔ xɔse si xɔ asi abe mía tɔ ene.
Amenuveve kple ŋutifafa nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ blibo me to sidzedze Mawu kple Yesu míaƒe Aƒetɔ la me.
Mawu ƒe ŋusẽ tsɔ nu sia nu si míehĩana na agbe kple mawusosroɖa to míaƒe sidzedze eya amea me, ame si yɔ mí to eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple nyuiwɔwɔ me.
To esiawo me wòtsɔ eƒe nunana gã kple ŋugbedodo xɔasi na mí, ale be to wo dzi míakpɔ gome le eƒe mawunyenye me eye míasi le gbegblẽ si dzodzro vɔ̃wo he va xexeame la nu.
Le susu sia ta miɖe afɔ ɖe sia ɖe be miatsɔ nyuiwɔwɔ akpe ɖe miaƒe xɔse ŋu, sidzedze nakpe ɖe nyuiwɔwɔ ŋu,
ɖokuidziɖuɖu nakpe ɖe sidzedzea ŋu, veviedodo nakpe ɖe ɖokuidziɖuɖu ŋu, mawumegbenɔnɔ nakpe ɖe veviedodo ŋu;
dɔmenyonyo na havi nakpe ɖe mawumegbenɔnɔ ŋu eye lɔlɔ̃ hã nakpe ɖe dɔmenyonyoa ŋu.
Elabena ne nɔnɔme siawo dzi ɖe edzi le mia me le agbɔsɔsɔ me la, woakpe ɖe mia ŋu be miaganye ŋutetemanɔŋutɔwo kple ame matsekuwo le miaƒe sidzedze míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo me o.
Ke ne nɔnɔme mawo mele ame aɖe me o la, enye ame si mekpɔa nu dea adzɔge o eye eƒe ŋkuwo gbã eye wòŋlɔ be, be woklɔ ye ŋu tso yeƒe tsã nu vɔ̃wo me.
Eya ta, nɔvinyewo, midze agbagba ɖe edzi wu tsã be miakpɔ kpeɖodzi na miaƒe yɔyɔ kple tiatia. Elabena ne miewɔ esiawo la, miada ƒu akpɔ o,
eye miaxɔ dzadoname tɔxɛ le míaƒe Aƒetɔ kple Đela, Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ la me.
Togbɔ be mienya nu siawo eye mieli ke le xɔse si su mia si fifia la me hã la, manɔ ŋku ɖom wo dzi na mi ɣesiaɣi.
Mesusu be zi ale si mele ŋutilã ƒe agbadɔ sia me la enyo be manɔ ŋku ɖom nu dzi na mi,
elabena menyae be, esusɔ vie maɖe agbadɔ sia ɖi, abe ale si míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gblɔe nam kɔtee la ene.
Makpɔ egbɔ be, meɖe afɔ ɖe sia ɖe si mate ŋui be, ne meva dzo la, miaɖo ŋku nu siawo dzi ɣesiaɣi.
Menye gli siwo wokpa kple nunya la yome míedze esi míeƒo nu na mi tso míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava ŋuti o, ke boŋ míenye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ si míekpɔ kple ŋku la ƒe ɖasefowo.
Elabena exɔ bubu kple ŋutikɔkɔe tso Mawu, Fofo la gbɔ esi gbe aɖe ɖi tso eƒe Gãnyenye ƒe Ŋutikɔkɔe me, gblɔ bena, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, esi ŋu mekpɔa ŋudzedze le.”
Míawo ŋutɔ míese gbe sia esi wòɖi tso dziƒo, esi míeli kpli le to kɔkɔe la dzi.
Ale míegakpɔ kpeɖodzi na nyagblɔɖilawo ƒe nyawo eya ta anye nu dzeame ne mieɖo to wo, elabena ele abe ale si kekeli klẽna ɖe viviti mee ene, va se ɖe esime ŋkekea nava eye ŋukeɣletivi la naklẽ ɖe miaƒe dziwo me.
Gawu la, ele be miase egɔme be nyagblɔɖi aɖeke mele mawunya me, si va eme to nyagblɔɖila la ŋutɔ ƒe nyameɖeɖe me o.
Elabena nyagblɔɖi ƒe dzɔtsoƒe metso amegbetɔ ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ ame xɔa gbe tso Mawu gbɔ abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ eya amea ene.

2

Gake aʋatsonyagblɔɖilawo nɔ ameawo dome abe ale si aʋatsonufialawo anɔ miawo hã domee ene. Woahe nudadafiafiawo vɛ le adzame, woagbe nu gɔ̃ hã le aƒetɔwo dzi Aƒetɔ si xɔ wo ƒle la gbɔ eye woahe gbegblẽ ava woawo ŋutɔ ɖokui dzii kaba ŋutɔ.
Ame geɖewo adze woƒe ŋukpenanuwɔwɔwo yome eye woahe nyateƒe ƒe mɔ la ade nyahehe dzodzrowo me.
Nufiala siawo, le woƒe ŋukeklẽ me atsɔ nya kpakpawo aɖe vi le mia ŋuti. Woƒe fɔbubu le ta dzi na wo tso blema ke eye woƒe gbegblẽ medɔ alɔ̃ o.
Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na mawudɔlawo esi wowɔ nu vɔ̃ o, ke boŋ eɖo wo ɖe dzomavɔ me, hede gawo ɖe ʋe globo do viviti me, be woanɔ afi ma va se ɖe ʋɔnudrɔ̃gbe;
ne metsɔe ke blema xexemetɔwo o, ke boŋ wòna tsi ɖɔ hetsrɔ̃ mawumavɔ̃la mawo, negbe dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela, Noa, kple ame adreawo koe wòɖe;
ne ebu fɔ Sodom kple Gomora duawo hena dzo fia wo wozu afi, eye wòtsɔ wo wɔ kpɔdzidzee na nu si adzɔ ɖe mawumavɔ̃lawo dzi;
ne eɖe dzɔdzɔetɔ Lot, ame si semanɔsitɔ mawo ƒe agbe ƒaƒã nɔnɔ ti kɔ na,
elabena esi ame dzɔdzɔe ma nɔ wo dome la, eƒe luʋɔ dzɔdzɔe la kpea fu gbe sia gbe ne ekpɔ eye wòse semanɔsigbe si nɔm ameawo le.
Ne ele alea la, ekema Aƒetɔ la nya ale si wòaɖe mawuvɔ̃lawo tso dodokpɔwo mee eye wònya ale si wòalé mawumavɔ̃lawoe, anɔ to hem na wo va se ɖe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la dzi.
Esia nye nyateƒe, vevietɔ na ame siwo dze nu vɔ̃ ŋutilã ƒe dzodzro vɔ̃wo yome eye wodoa vlo kplɔlawo. Dzideƒo kple ɖokuiŋudzedze le ame siawo me ale gbegbe be, womevɔ̃na nya vlowo gbɔgblɔ ɖe dziƒo nuwo ŋu o.
Togbɔ be mawudɔlawo de ŋgɔ, he sesẽ wu wo gɔ̃ hã la, wometsɔa ameŋugblẽnya tsoa nu gbagbe siawo nui le Aƒetɔ la ƒe ŋkume o.
Gake ame siawo gblɔa busunya le nya siwo gɔme womese o la me. Wole abe lã siwo si nunya mele o, nuwɔwɔ siwo wɔ nu ɖekematsɔlemetɔe kple lã siwo wodzi ko be woalé wo eye woatsrɔ̃ wo la ene. Eye abe lãwo ene la, woawo hã atsrɔ̃.
Woaxe fe na wo kple nuveviwɔme, ɖe nu vevi si wowɔ amewo la ta. Woƒe susu le dzidzɔdoname ŋutie nye be woamu aha ŋdɔkutsu dzatsɛ, wonye ɖiƒoƒo kple kpɔtsɔtsɔ gã aɖe le miaƒe habɔbɔ la ŋu, elabena wotua aglo manyatalenuwo, evɔ la wonɔa anyi ɖe kplɔ̃ ɖeka ŋu ɖua nu kpli mi.
Ahasiwɔwɔ xɔ ŋku dzi na wo eye womedzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ gbeɖe o, wodɔna kple ame malikewo. Wobi ɖe ŋukeklẽ me eye wonye dzidzime si dzi fiƒode le!
Wogblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi, helé Beor vi, Balaam ƒe mɔ tsɔ, ame si lɔ̃ vɔ̃ɖinyenye ƒe fetu.
Ke tedzi, lãmaƒonu, tsɔ ame ƒe gbe ƒo nui nɛ, heka mo nɛ ɖe eƒe vɔ̃ wɔwɔ ta, heɖo asi nyagblɔɖila la ƒe tsukunuwo wɔwɔ dzi.
Ŋutsu siawo le abe vudo siwo me tsi mele o kple afudodo si ahom lɔna ɖe nu la ene. Wodzra viviti tsiɖiɖiɖi ɖo ɖi na wo.
Elabena wotsɔa woƒe nu gblɔa nya dzodzro, siwo me dada le, wotsɔa nu vɔ̃ ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo heblea ame siwo si le ame vɔ̃ɖiwo nu fifi laa la nu.
Wodoa ablɔɖe ƒe ŋugbe na wo, esi woawo ŋutɔ nye kluviwo na anyidzedze, elabena ame nyea kluvi na nu sia nu si ɖu aƒetɔ ɖe eya amea dzi.
Nenye be wosi le gbegblẽ si le xexeame nu, to sidzedze míaƒe Aƒetɔ kple Đela Yesu Kristo me, evɔ wogbugbɔ gabla wo ɖe numawo ke me, heɖu wo dzi la, woƒe nuwuwu avɔ̃ɖi wu ale si wonɔ le gɔmedzedzea me.
Anyo na wo be womanya dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ o, wu be woanyae eye woatrɔ megbe ade sedede kɔkɔe si wotsɔ de asi na wo.
Ame siawo la lododo siawo nye nyateƒe le wo ŋuti be, “Avu trɔna gayia nu si wòdzɔ la gbɔ” kple, “Ha si wole tsi na la gayia eƒe ba bublu dzi”

3

Nɔvi lɔlɔ̃wo, esia nye nye agbalẽ evelia na mi. Meŋlɔ wo ame evea katã na mi be woanye ŋkuɖonudzi si ade dzo mia me be miaƒe tamesusuwo nanɔ blibo.
Medi be miaɖo ŋku nya siwo nyagblɔɖila kɔkɔewo gblɔ na mi va yi la dzi kple se si mía Aƒetɔ kple Đela de na mi to miaƒe apotolowo dzi.
Gbã la, ele be miase egɔme be, le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, anɔ fewu ɖum eye woadze woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome.
Woagblɔ bena, “Afi kae eƒe ‘vava’ ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso ɣeawoɣi ke mía fofowo ku la, nu sia nu le edzi yim abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene.”
Ke woɖoe koŋ heŋlɔ be be, gbe aɖe gbe ʋĩ ke wotsɔ Mawu ƒe nya wɔ dziƒo eye wowɔ anyigba tso tsi me kple tsi.
To tsi sia ke dzi wotsrɔ̃ xexeme si nɔ anyi ɣemaɣi le esi woxɔ beble dzi se ta.
To Mawu ƒe nya sia ke dzi wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo na dzo, eye woɖoe da ɖi na ʋɔnudrɔ̃gbe la kple mawumavɔ̃lawo ƒe tsɔtsrɔ̃.
Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ene eye nenema ke ƒe akpe le abe ŋkeke ɖeka ene.
Aƒetɔ la mele wɔwɔm blewublewu le eƒe ŋugbedodo la me abe ale si ame aɖewo se blewu gɔmee ene o. Egbɔ dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke netsrɔ̃ o, ke boŋ be amewo katã natrɔ dzime.
Ke Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene. Dziƒowo nu ava yi kple gbeɖeɖe gã aɖe, woatsrɔ̃ gɔmeɖonuwo kple dzo eye anyigba kple edzinuwo katã labi keŋkeŋkeŋ.
Esi woatsrɔ̃ nu sia nu alea la, ame ka ƒomeviwoe wòle be mianye? Ele be mianɔ mawumegbe kple agbe kɔkɔe,
esi miele mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋkeke la, hele du dom eƒe vava. Ŋkeke sia ƒe vava ana woatsrɔ̃ dziƒowo kple dzo eye emenuwo alolo le dzoxɔxɔ la me.
Ke le eƒe ŋugbedodo la nu, míele mɔ kpɔm na dziƒo yeye kple anyigba yeye, afi si anye dzɔdzɔenyenye nɔƒe.
Eya ta, nɔvi lɔlɔ̃wo, esi miele mɔ kpɔm na esia la, miɖe afɔ ɖe sia ɖe si miate ŋui la, be woakpɔ mi ɖi maƒomaƒoe, mokakamanɔŋutɔe eye mianɔ ŋutifafa me kplii.
Nenɔ susume na mi be, míaƒe Aƒetɔ la ƒe dzigbɔɖi nye miaƒe ɖeɖe, abe ale si mía nɔvi lɔlɔ̃ Paulo ŋlɔ na mi kple nunya si Mawu nɛ la ene.
Eŋlɔ nu alea le eƒe agbalẽwo katã me eye wòƒoa nu tso nu siawo katã ŋu. Nanewo le eƒe agbalẽawo me ƒe gɔmesese sesẽ, esi ame manyanuwo kple ame malikewo blua afɔ na, abe ale si wowɔna na mawunya bubuwo hã ene, hena woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃.
Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esi mienya esia xoxo la, minɔ ŋudzɔ be ame gblẽkuwo ƒe nu tovo wɔwɔ magakplɔ mi adzoe, be miage le teƒe si mieli ke ɖo la o.
Ke mitsi le amenuveve kple sidzedze míaƒe Aƒetɔ kple Đela Yesu Kristo me. Eya ko tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.

Holder of rights
Multilingual Bible Corpus

Citation Suggestion for this Object
TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. 2 Peter (Ewe). 2 Peter (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-9733-4