1
Agbalẽ sia tso Paulo, Kristo Yesu ƒe gatɔ, kple mía nɔviŋutsu Timoteo gbɔ, na Filemon, mía xɔlɔ̃ lɔlɔ̃tɔ kple hadɔwɔla
kple Apfia, mía nɔvinyɔnu, na Arkipo, mía nɔvi, Kristo ƒe asrafo kpakple hame si kpea ta le aƒewòme.
Amenuveve kple ŋutifafa tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi.
Filemon lɔlɔ̃a, medaa akpe na Mawu ɣesiaɣi si mele gbe dom ɖa ɖe tawò
elabena mese nu tso wò lɔlɔ̃ kple xɔse si le Aƒetɔ Yesu me kpakple amekɔkɔeawo katã ŋu.
Nye gbedodoɖae nye be nãtsɔ dzo ɖe wò xɔse la, mama ŋu, ale be nãse nu nyui ɖe sia ɖe si le mía si le Kristo me la gɔme blibo.
Wò lɔlɔ̃ na dzidzɔ kple dzideƒo gã aɖem elabena wò, nɔviŋutsu, tsɔ dzidzɔ de ame kɔkɔeawo ƒe dziwo me.
Eya ta, togbɔ be dzideƒo le asinye le Kristo me be mate ŋu azi dziwò be nãwɔ nu si dze be nãwɔ hã la,
medi boŋ be maɖe kuku na wò le lɔlɔ̃ ta. Eya ŋuti nye Paulo, amegã xoxo aɖe kple ame si va zu Kristo Yesu ƒe gatɔ
mele kuku ɖem na wò ɖe vinye Onesimo ta, ame si trɔ zu vinye esi menɔ kɔsɔkɔsɔ me le afii.
Tsã la ŋudɔwɔnu aɖeke menɔ eŋu na wò o, ke azɔ la etrɔ zu ŋudɔwɔnu na nye kpli wò siaa.
Mele etrɔm ɖo ɖe wò eye mele nye ŋutɔ nye dzi hã ɖom ɖa wò kplii.
Medi vevie be mana wòanɔ gbɔnye le afii, le esime mele gaxɔ me le nyanyui la gbɔgblɔ ta. Wò hã ato esia me ana kpekpeɖeŋum to edzi.
Ke nyemedi be mawɔ nenema ne melɔ̃ ɖe edzi o. Nyemedi be nanyo dɔme nam to dzizizi me o, ke boŋ be wò ŋutɔ nãdi be yeave nunye.
Đewohĩ, anyo be nabu nya sia ŋu ale: Onesimo si dzo le gbɔwò ɣeyiɣi kpui aɖe, ale be azɔ la, woazu tɔwo tegbee.
Onesimo maganye kluvi ɖeɖe ko azɔ o, ke boŋ azu nu si kɔ sãa wu eye woanye nɔvi lɔlɔ̃a, vevietɔ nam. Agazu ame vevi na wò ŋutɔ hã azɔ, elabena maganye subɔla ko o, ke boŋ anye nɔviwò le Kristo me hã.
Ne menye xɔ̃wò le nyateƒe me la, ekema xɔ Onesimo kple dzaadoname si tututu natsɔ axɔm nenye nyee gbɔna gbɔwò.
Ne ewɔ nu vevi aɖe wò alo wòfi wò nane la, ekema kpɔ mɔ na teƒeɖoɖo tso gbɔnye.
Maɖo eteƒe na wò. Nye, Paulo, meɖo kpe nya sia dzi na wò to nu sia ŋɔŋlɔ kple nye asi na wò me. Ke nyemakɔ nu le fe si nenyi le asinye la dzi o! Nya lae nye be, wò luʋɔ la ŋutɔe nye fe si nenyi le asinye!
Ẽ, nɔvi lɔlɔ̃a, na wò nu sia wɔwɔ nam kple lɔlɔ̃ nado dzidzɔ nam ekema nye dzi gbɔdzɔ la akafu Aƒetɔ la.
Meŋlɔ agbalẽ sia na wò elabena meka ɖe edzi be awɔ nam wu ale si mebia gɔ̃ hã!
Meɖe kuku be nadi amedzroxɔ aɖe da ɖi nam, elabena mele mɔ kpɔm be Mawu ase miaƒe gbedodoɖa eye woana mava mia gbɔ kpuie.
Epafra, ame si le gaxɔ me kplim le gbeƒãɖeɖe Kristo Yesu ta la, do gbe na mi.
Marko, Aristarko, Đema kple Luka, nye hadɔwɔlawo hã do gbe na mi.
Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe yayra nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ la.
- Lizenz
-
CC-0
Link zur Lizenz
- Zitationsvorschlag für diese Edition
- TextGrid Repository (2025). Paul the Apostle. Philemon (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-9725-4