1

Agbalẽ sia tso nye Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo ame si Mawu ɖo ɖa be wòaɖe gbeƒã agbe mavɔ si ŋugbe wòdo to Yesu Kristo dzixɔse me na amewo katã la gbɔ
na Timoteo, vinye lɔlɔ̃a. Mawu, Fofo la, kple Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ nana eƒe amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa wò.
Timoteo, medaa akpe na Mawu ɖe tawò. Medoa gbe ɖa ɖe tawò gbe sia gbe. Meɖea kuku na Mawu zi geɖe le zãwo me be wòakɔ yayra geɖewo ɖe dziwò. Eyae nye fofonyewo ƒe Mawu kple nye Mawu eye nye taɖodzinu le agbe sia me koe nye madze eŋu.
Mele didim vevie be magakpɔ wò. Dzi adzɔm ŋutɔ elabena meɖoa ŋku ale si nèfa avi vevie esime míenɔ kaklãm ɖa tso mía nɔewo gbɔ la dzi.
Menya ale si nèɖoa ŋu ɖe Aƒetɔ la ŋu abe dawò Enuike kple mamawò Loide ke ene. Meka ɖe edzi be ègale ŋu ɖom ɖe Aƒetɔ la ŋu kokoko abe tsã ene.
Le esia ta mele ŋku ɖom edzi na wò be nade dzo Mawu ƒe nunana si ge ɖe me wò to nye asidada ɖe dziwò me la me,
elabena Mawu mena vɔvɔ̃ gbɔgbɔ mí o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kpakple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔe wòna mí.
Ne ãde dzo ŋusẽ si le mewò me la, mãvɔ̃ ɣeaɖekeɣi na gbeƒãɖeɖe Aƒetɔ la na ame bubuwo, alo ana woanya be xɔ̃wò menye, togbɔ be mele gaxɔ me le afii le Kristo ta hã o. Anɔ klalo be yeakpe fu kplim le Aƒetɔ la ta, elabena Aƒetɔ la ana ŋusẽ wò le fukpekpe me.
Eyae ɖe mí eye wotia mí na eƒe dɔ kɔkɔe la wɔwɔ, menye be míedze nɛ ta o, ke boŋ elabena eyae nye eƒe ɖoɖo xoxoxo hafi wòwɔ xexeame be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve afia mí to Kristo dzi.
Ke azɔ la, ena nu siawo katã me kɔ na mí to mía Đela Yesu Kristo ƒe vava me. Yesu Kristo ɖu ku ƒe ŋusẽ dzi eye wòfia agbe mavɔ la ƒe mɔ mí to edzi xɔxɔse me.
Eye wòtiam be manye nyanyui sia ƒe gbeƒãɖela, apostolo kple nufiala.
Eya tae mele fu kpem le afi sia le gaxɔ me ɖo. Nu sia menye ŋukpe nam kura o, elabena menya ame si ŋu meɖo ŋu ɖo eye meka ɖe edzi be ate ŋu adzɔ nu siwo katã metsɔ de asi nɛ la ŋu dedie va se ɖe gbe si gbe wòagava.
Lé nyateƒe si mefia wò la me ɖe asi sesĩe vevitɔ esi ku ɖe xɔse kple lɔlɔ̃ si Yesu tsɔ na wò la ŋu.
Lé be na ŋutete si Mawu na nexɔ to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le agbe le mewò dzi la nyuie.
Abe ale si nènya ene la, kristotɔ siwo katã tso Asia va afi sia la, gblẽm ɖi. Figelo kple Hermogene gɔ̃ ha gblẽm ɖi.
Aƒetɔ la nayra Onisifero kple eƒe aƒe blibo la elabena ekpɔam ɖa eye wòdea dzi ƒo nam enuenu. Eƒe kpɔkpɔɖa gbɔa agbem abe ya fafɛ nyui ene eye nye gaxɔmenɔnɔ menye ŋukpe nɛ o.
Le nyateƒe me la, esi wòva Roma la, edim vevie le afi sia afi eye wòke ɖe ŋunye mlɔeba.
Aƒetɔ la nana yayra tɔxɛe le Kristo ƒe vavagbe la dzi. Wò ŋutɔ ènya ale si wòkpe ɖe ŋunye le Efeso la nyuie wu ale si mate ŋu agblɔe na wò.

2

Ke wò, vinye Timoteo, sẽ ŋu le amenuveve si le Kristo Yesu me la me,
elabena ele na wò be nãfia nu siwo mi kple ame bubuwo miese tso gbɔnye la ame bubuwo. Mifia nyateƒe xɔasi siawo ame nuteƒewɔlawo eye woawo hã woafia ame bubuawo.
Tsɔ wò fukpekpewo kpoo abe Yesu Kristo ƒe asrafo vavã ene, abe ale si mewɔna ene,
eye abe Kristo ƒe asrafo ene la, megatsɔ ɖokuiwò nyrɔ ɖe xexemenuwo me o; ne menye nenema o la, mãte ŋu adze ame si xɔ wò ɖe eƒe aʋakɔ me la ŋu o.
Lé Aƒetɔ la ƒe sewo me ɖe asi le eƒe dɔwɔwɔ me abe ale si duɖimekala léa seawo me ɖe asi eye wòɖua dzi loo alo wòɖea asi le seawo ŋu eye meɖua dzi o ene.
Ku kutri vevie abe agbledela si xɔa fetu nyui ne exa nuku geɖewo ene.
Bu kpɔɖeŋu etɔ̃ siawo ŋu kpɔ. Aƒetɔ la nakpe ɖe ŋuwò be nãse ale si kpɔɖeŋu siawo ku ɖe ŋuwòe la gɔme.
Đo ŋku Yesu Kristo, ame si wofɔ tso ku me eye wòdzɔ tso David ƒe ƒome me la dzi. Esiae nye nye nyanyui la,
si ta mele fu kpem ɖo eye wodem game gɔ̃ hã abe hlɔ̃dola ene. Gake womede ga Mawu ƒe nya ya o.
Eya ta mekpea fu sia fu ɖe ame tiatiawo ta be woawo hã woakpɔ ɖeɖe si le Kristo Yesu me kpe ɖe ŋutikɔkɔe mavɔ ŋu.
Esia nye nyateƒenya be, “Ne míeku kpakplii la, Míanɔ agbe hã kpakplii;
Ne míekpe fu kplii la, Míaɖu dzi hã kpakplii. Ne míegbe nu le egbɔ la, Eya hã agbe nu le mía gbɔ.
Ne míenye teƒemawɔlawo hã la, Eya anɔ anyi nuteƒewɔla Elabena mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o.”
Đo ŋku nya xɔasi siawo dzi na wò amewo eye nagbe na wo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me be, womagahe nya tso nu siwo mele vevie o la ŋu o. Nyahehe siawo tɔgbi tɔtɔa ame,. Viɖe aɖeke menɔa wo ŋu o eye wowɔa nu vevi ame gɔ̃ hã.
Wɔ dɔ sesĩe ale be Mawu nate ŋu agblɔ na wò be, “Dɔ nyui wɔla, woe le dɔ nyui wɔwɔ dzi.” Nye dɔwɔla nyui, ame si ŋu makpe ne Mawu do wò dɔwɔwɔ kpɔ o. Nya nu si eƒe nya la gblɔ kple nu si wofia.
Megade nu nyahehe dzodzro siwo naa amewo wɔa nu vɔ̃ to dɔmedzoedodo ɖe wo nɔewo ŋu la me o.
Elabena to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo gblɔa nya aɖewo siwo gblẽa nu ɣeyiɣi didi aɖe. Himenaio kple Fileto nye ame siawo tɔgbi le ale si wolɔ̃a nyahehe dzodzrowo la ta.
Woɖe asi le nyateƒe la ŋu eye wokaa aʋatso ɖea gbeƒã be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la va eme xoxo, eye wona ame siwo xɔ wo dzi se la ƒe xɔse gbɔdzɔ.
Ke hã la, Mawu ƒe gɔmeɖokpe sesẽ la, le te eye wotre enu kple nya siawo be “Aƒetɔ la nyaa ame siwo nye etɔ vavãwo”, eye, “Ame sia ame si ʋua Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la nate ɖa tso ŋutasesẽ gbɔ.”
Menye sikanuwo kple klosalonuwo ɖeɖe koe nɔa aƒe gã me o, ke boŋ atinuwo kple anyinuwo hã nɔa anyi, ɖewo na bubumewo xɔxɔ eye ɖewo hã na gbe sia gbe ƒe ŋudɔwɔwɔ.
Ne ame aɖe kɔ eɖokui ŋuti tso nu vɔ̃ mawo me la, eya ŋudɔe woawɔ abe nu si ŋu bubu le, nu si le kɔkɔe, si nye ŋudɔwɔnu na Aƒetɔ la eye wòle klalo hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ene.
Si le nu sia nu si naa nu vɔ̃ ƒe susu si ɖea fu na ɖekakpuiwo enuenu eye wògena ɖe wo me la nu, ke nalé fɔ ɖe nu sia nu si nyɔa didi le mewò be nãwɔ nu nyui la ŋu. Xɔse kple lɔlɔ̃ nanɔ mewò eye nana hadede kple ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la eye woƒe dzime kɔ la, nado dzidzɔ na wò.
Megale egblɔm na wò be megade nu nyahehe dzodzro siwo tɔtɔa ame eye wodoa dɔmedzoe na ame la me o.
Mele be Mawu ƒe amewo nanye dzrewɔlawo o, ke boŋ ele be woanye nufiala siwo faa tu eye wogbɔa dzi ɖi na vodalawo.
Bɔbɔ ɖokuiwò ne èle nu fiam ame siwo tɔtɔ le nyateƒe la ŋu. Elabena ne etsɔ ɖokuibɔbɔ kple gbe blewu ƒo nu na wo la, mɔkpɔkpɔ geɖe li bena, to Mawu ƒe amenuveve me la, woaɖe asi le woƒe susu tatrawo ŋu eye woaxɔ nyateƒe la dzi ase.
Ekema woadze si nyateƒe la eye woasi le Satana ƒe mɔ siwo wòtrena be yeana woazu kluviwo na nu vɔ̃ ɣesiaɣi si yelɔ̃ la nu; ale woate ŋu adze Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi wɔwɔ gɔme.

3

Wò ŋku nenɔ esia dzi be, ɣeyiɣi vɔ̃wo lava le ŋkeke mamlɛawo me.
Amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, amedzulawo, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o, akpemadalawo, ame makɔmakɔwo,
amemalɔ̃lawo, ame siwo metsɔa nu vɔ̃ kena o, ameŋugblẽlawo, ɖokuidzimaɖulawo, ŋutasẽlawo, ame siwo léa fu nu nyui
amegɔmezɔlawo, dzimagbɔɖitɔwo, ɖokuiŋudzelawo, ame siwo lɔ̃a xexemedzidzɔ wu Mawu,
ame siwo si gotagome ƒe mawuvɔvɔ̃ le evɔ wogbe nu le Mawu ƒe ŋusẽ gbɔ. Te ɖokuiwò ɖa xaa tso ame siawo gbɔ. Woawoe nye ame siwo yia ame bubuwo ƒe aƒewo me le adza me eye wowɔa xɔlɔ̃ kple nyɔnu abunɛtɔ siwo me nu vɔ̃ xɔ aƒe ɖo la eye wofiaa woƒe xɔse yeye la wo.
Nyɔnu siawo tɔgbi dzea nufiala yeyewo yome ɣesiaɣi, ke womesea nyateƒe la gɔme ɣeaɖekeɣi o.
Nufiala siawo tsia tsitre ɖe nyateƒe la ŋu abe ale si Yane kple Yambre tsi tsitre ɖe Mose ŋu ene. Susu ƒoɖi totro kpaɖikpaɖiwo le wo me eye wotsi tre ɖe Kristo dzixɔse la ŋu.
Ke womanɔ edzi alea tegbee o. Gbe ɖeka la, amewo katã ava nya woƒe amebeble abe ale si amewo va nya Yane kple Yambre ƒe nu vɔ̃ ene.
Ke, ènya tso ŋkuléle ɖe ŋunye me be nyemenye ame siawo tɔgbi o. Ènya nu si dzi mexɔ se, ale si menɔa agbee kple nu si dim mele. Ènya nye Kristo dzixɔse kple nye fukpekpewo. Ènya nu tso ale si melɔ̃ wò kple nye dzidodo ŋu.
Ènya fukpekpe geɖe siwo va dzinye le gbeƒãɖeɖe nyanyui la ta. Ènya nu siwo katã wowɔm esi meyi Antioxia, Ikonio kple Listra hã, ke Aƒetɔ la ɖem tso wo me.
Ẽ, ame siwo ɖo be yewoadze Kristo Yesu ŋu to agbenɔnɔ le mawuvɔvɔ̃ me la, akpe fu le ame siwo lé fui la ƒe asi me.
Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple aʋatsonufialawo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi anɔ sesẽm ɖe edzi wu, eye woanɔ ame geɖewo blem abe ale si Satana ble woawo ŋutɔ hã ene.
Ke ele na wò be nalé nu siwo wofia wò la dzixɔse me ɖe asi. Ènya be nu siawo nye nyateƒe elabena ènya be yeate ŋu axɔ mí ame siwo fia nu siawo wò la dzi ase.
Ènya ale si, esi nenye ɖevi sue la, wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la wò, nu siawo na nedze nunya be naxɔ Mawu ƒe amenuveve to Kristo Yesu dzixɔse me.
Mawu tsɔ eƒe nya la na mí to eƒe Gbɔgbɔ si wɔ dɔ le amewo me la dzi. Eya ta Biblia nyo hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si wòana míadze si nu siwo nye nu vɔ̃ le míaƒe agbenɔnɔ me. Edaa mí ɖe mɔ dzɔdzɔe dzi eye wòkpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu si nyo eye wòdze.
Eyae nye Mawu ƒe mɔ si dzraa mí ɖo nyuie le go sia go me hena nyuiwɔwɔ na ame sia ame.

4

Eya ta mele gbe tem ɖe edzi na wò le Mawu kple Kristo Yesu, ame si adrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo gbe ɖeka ne eva do be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe la gɔme anyi la, ŋkume be,
nãɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la kple vevidodo ɣeawokatãɣi, ɣesiaɣi si nãkpɔ mɔnu ko, vovo li o, vovo meli o. Fia mɔ nyuitɔwo eye naka mo na wò amewo ne ehiã. Do ŋusẽ wo be woawɔ nu si dze eye natsɔ Mawu ƒe nya anyi wo kple dzigbɔɖi ɣesiaɣi.
Elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime amewo magaɖo to nyateƒe la o, ke boŋ woanɔ tsatsam anɔ nufiala siwo agblɔ nya siwo woawo ŋutɔ adi be yewoase la dim.
Womaɖo to nu si Biblia le fiafiam o, ke boŋ woadze woawo ŋutɔ ƒe susu tatrawo yome dzidzɔtɔe.
Nɔ te sesĩe eye mègavɔ̃ fukpekpe le Aƒetɔ la ta o. Kplɔ ame bubuwo vɛ na Kristo. Mègagbe nu sia nu si wòle na wò be nawɔ la wɔwɔ o.
Elabena nye la, wole trɔyem ƒo ɖi xoxo abe nunovɔsa ene eye nye ɣeyiɣi de na dzodzo.
Meʋlĩ ʋiʋlĩ nyui la, mewu duɖimekeke la nu eye melé xɔse la me ɖe asi.
Ke azɔ la, wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe fiakuku ɖo ɖi nam esi Aƒetɔ, Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, anam le ŋkeke ma dzi, eye menye nye ɖeka koe o, ke boŋ ame siwo katã le mɔ kpɔm vevie na eƒe vava.
Do vevi be nãva gbɔnye kaba,
elabena Đema gblẽm ɖi hedzo yi Tesalonika elabena elɔ̃ xexe sia me. Kresken hã dzo yi Galatia. Nenema ke Tito hã dzo yi Dalmatia.
Luka koe li kplim. Di Marko eye nãkplɔe ɖe asi vɛ elabena ekpena ɖe ŋunye le nye dɔwɔwɔ me.
Medɔ Tikiko hã ɖe Efeso.
Ne ègbɔna la, tsɔ awu ʋlaya si megblẽ ɖe Karpo gbɔ le Troa vɛ nam. Nenema kee nye agbalẽawo hã, vevietɔ lãgbalẽtɔwo.
Aleksandro, akɔblinutula la wɔ nu vevi geɖem. Aƒetɔ la ahe to nɛ
ke kpɔ nyuie le eŋu elabena etsi tsitre ɖe nu sia nu si míegblɔ la ŋu.
Zi gbãtɔ si wohem yi ʋɔnudrɔ̃la ŋkume la, ame aɖeke menɔ afi sia akpe ɖe ŋunye o, ame sia ame si dzo. Mele mɔ kpɔm be womabu fɔ wo ɖe nu sia ta o.
Ke Aƒetɔ la nɔ ŋunye eye wòna mɔkpɔkpɔm be magblɔ mawunya dzideƒotɔe na xexeame katã nase. Ekpe ɖe ŋunye hã be wometsɔm na dzatawo o.
Ẽ, Aƒetɔ la aɖem ɣesiaɣi tso vɔ̃wo katã me eye woakplɔm ayi eƒe dziƒofiaɖuƒe la me. Ŋutikɔkɔe woana Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
Do gbe na Priskila kple Akwila kpakple ame siwo le Onisiforo ƒe aƒe me la nam.
Erasto le Kɔrinto eye megblẽ Trofimo, ame si dze dɔ la, ɖe Mileto.
Dze agbagba nava ɖo afi sia hafi vuvɔŋɔli naɖo. Eubulo, Pude, Lino, Klaudia kple ame bubuawo katã do gbe na wò.
Aƒetɔ la nanɔ anyi kple wò gbɔgbɔ. Mawu ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã.

Holder of rights
Multilingual Bible Corpus

Citation Suggestion for this Object
TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. 2 Timothy (Ewe). 2 Timothy (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-9721-8