1

Nye Paulo, ame si nye Kristo Yesu ƒe apostolo to Mawu, mía Đela, ƒe gbeɖeɖe kple Kristo Yesu, míaƒe mɔkpɔkpɔ dzi la,
na Timoteo, vinye vavã le xɔse la me. Amenuveve, nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa si tso Mawu, Fofo la kple Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ, gbɔ la, nanɔ anyi kpli wò.
Abe ale si meƒoe ɖe nuwò hafi dzo yi Makedonia ene la, tsi Efeso eye nãɖo asi ŋutsu aɖewo, ame siwo le nudada fiam la dzi be womagafia nenem nuwo o
tɔ te wo be womagagblẽ woƒe ɣeyiɣiwo ɖe gliwo kple dzɔdzɔmenyatotowo ŋu o. Elabena nu siawo hea nyahehe dzodzrowo vanɛ ɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔ si xɔse hena vanɛ la teƒe.
Nu si metsi dzi na vevie nye be kristotɔ siwo katã le afi ma la nayɔ fũu kple lɔlɔ̃ si tso dzi vavãwo me, eye be woƒe susuwo me nadza eye woasẽ ŋu le xɔse me. Nufiala siawo da ƒu le nu siawo nyanya me eye wogblẽa woƒe ɣeyiɣi nɔa nya hem eye wonɔa nya maɖinyawo gblɔm.
Wodi be yewoaxɔ ŋkɔ abe Mose ƒe sefiala gãwo ene, evɔ woawo ŋutɔ menya naneke gobii tso Mose ƒe seawo kple nu si wofia mí la ŋu hafi o.
Se mawo nyo, zi ale si wowɔ wo ŋutidɔ abe ale si Mawu ɖoe la ene.
Míenyae hã be menye ame nyuiwoe wowɔ se la na o, ke boŋ sedzidalawo kple aglãdzelawo, mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ame makɔmakɔwo kple mawumasubɔlawoe wowɔ se la na, ame siwo wua wo fofowo kple dadawo, na hlɔ̃dolawo
na ahasiwɔlawo kple nu tovo wɔlawo, amesitsalawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo kpakple nu sia nu si tsi tre ɖe nufiafia vavãtɔ
si xɔ ɖe Mawu yayratɔ la ƒe ŋutikɔkɔe nyanyui si wòtsɔ nam la dzi ŋuti.
Medaa akpe geɖe na Kristo Yesu míaƒe Aƒetɔ la be wòtia nye hã abe eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka ene, eye wòna ŋusẽm be manye nuteƒewɔla nɛ,
togbɔ be meɖu fewu le Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti kpɔ gɔ̃ hã. Meti eƒe amewo ƒe agbe yome, eye mewɔ nu vevi wo le mɔ ɖe sia ɖe si dzi mate ŋui la nu. Ke Mawu kpɔ nublanui nam elabena nyemenya nu si wɔm menɔ la o, elabena ɣemaɣi la, nyemenya Kristo o.
O, míaƒe Aƒetɔ la ƒe dɔme nyo loo, elabena efiam ale si wòle be maxɔ edzi asee eye be Kristo Yesu ƒe lɔlɔ̃ nayɔ menye fũu.
Esia nye nyateƒenya si wòle be woaɖo toe axɔe ase keŋ be, Kristo Yesu va xexeame nu vɔ̃ wɔlawo ɖe ge, ame siwo dome menye gãtɔ le.
Ke Mawu kpɔ nublanui nam ale be Kristo Yesu ate ŋu awɔ ŋutinyedɔ abe kpɔɖeŋu ene be woatsɔ afia ame sia ame ale si wòte ŋu gbɔa dzi ɖi na nu vɔ̃ wɔla gãtɔ kekeake gɔ̃ hã ale be woawo hã nanyae be, woate ŋu akpɔ agbe mavɔ.
Ŋutikɔkɔe kple bubu woana Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Eyae nye Fia tso blema ke, Mawu makumakua si womekpɔna o, eye wòyɔ fũu kple nunya. Eya ɖeka koe nye Mawu. Amen.
Azɔ vinye, Timoteo, esia nye nye sedede na wò. Wɔ Aƒetɔ la ƒe aʋawo nyuie, abe ale si wogblɔ na wò to eƒe nyagblɔɖilawo dzi la ene.
Lé wò xɔse si le Kristo me la ɖe asi sesĩe eye ɣesiaɣi la wò dzitsinya nanɔ dzadzɛ eye nãwɔ nu si nènya be enyo la ko. Elabena ame aɖewo gbe toɖoɖo woƒe dzitsinya eye wowɔ nu si wonya nyuie be mele be woawɔ o. Ale mewɔ nuku be esi wogbe Mawu nenema la wobu woƒe xɔse si le Yesu Kristo me la o.
Himenaio kple Aleksandro wonye nu sia wɔlawo ƒe kpɔɖeŋuwo. Eva nɔ nam be matsɔ wo de asi na Satana be wòahe to na wo va se ɖe esime woanyae be menyo be woaƒo ɖi Kristo ƒe ŋkɔ o.

2

Eya ta mele nu xlɔ̃m be do ŋgɔ na nu sia nu la, woawɔ kukuɖeɖewo, gbedodoɖawo, nyaxɔɖeakɔwo kple akpedada ɖe amewo katã ta
ɖe fiawo kple dziɖulawo katã ta be míanɔ anyi le ŋutifafa kple agbe ƒe dziɖeɖi me le mawuvɔvɔ̃ kple kɔkɔenyenye katã me.
Esia nyo eye wòdze Aƒetɔ la ŋu.
Edi vevie bena ame sia ame nakpɔ ɖeɖe eye woase nyateƒe sia gɔme be:
Yesu Kristo ame si va xexeame abe amegbetɔ ene la, koe va dzra Mawu kple amegbetɔwo dome ɖo.
Ewɔ esia esi wotsɔ eƒe agbe na ɖe amewo katã ta. Esia nye gbedeasi si Mawu tsɔ na xexeame le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.
Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be wotiam be manye Mawu ƒe apostolo kple nyanyuidɔgbedela si agblɔ nyateƒe sia na dzimaxɔsetɔwo; afia wo Mawu ƒe ɖoɖo na amewo be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me.
Eya ta medi be ŋutsuwo le afi sia afi nado woƒe asi kɔkɔewo ɖe dzi na Mawu ado gbe ɖa, elabena wovo tso nu vɔ̃, dziku kple fuléle si me.
Nenema ke medi be nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, le dzadzenyenye kple nu dzeame wɔwɔ me, menye le atsyɔ̃ɖoɖo vivivo kple ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo, sikanuwo kple dzonu xɔasiwo dodo kpakple avɔ xɔasiwo tata me o,
ke boŋ kple nu nyui wɔwɔ si dze nyɔnu siwo ʋu eme be yewonye mawusubɔlawo.
Ele na nyɔnu be wòasrɔ̃ toɖoɖo le ɖoɖoezizi kple ɖokuibɔbɔ katã me.
Nyemeɖe mɔ na nyɔnu be wòafia nu alo aɖu amegã ɖe ŋutsu dzi o, ke boŋ nezi ɖoɖoe.
Nu ka ta? Elabena Mawu wɔ Adam gbã hafi va wɔ Eva.
Eye menye Adam Satana ble o, ke boŋ Evae eye to esia me nu vɔ̃ va.
Eya ta Mawu na be nyɔnuwo nekpe fu ase veve le woƒe vidzidzi me, ke aɖe woƒe luʋɔwo ne woxɔ edzi se, eye wonɔ agbe nyui le lɔlɔ̃ vavã me.

3

Enye nyateƒenya be ne ame aɖe di be yeawɔ hamedzikpɔla ƒe dɔ la, etia dɔ nyuitɔ.
Azɔ la, ele na hamedzikpɔla be, wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ame si fa tu, ɖokuidziɖula, ame si ŋu bubu le, amedzrowɔla, ame si nya nufiafia
menye aha tsu nola o, menye ame si wɔa nu gbodogbodo o ke boŋ ewɔa nu le bɔbɔenyenye me, menye dzrewɔla alo galɔ̃la o.
Ele vevie be wòanye ame si kpɔa eƒe aƒe dzi nyuie eye vi ɖotowo le esi.
Elabena ne ŋutsu aɖe mate ŋu akpɔ eƒe aƒe sue la dzi be woanɔ agbe nyui o la, ale ke wòawɔ akpɔ Mawu ƒe hame dzi?
Mele be wòanye ame si ƒe dzimetrɔɣi medidi o, elabena ne menye nenema o la, dada ayɔ eya amea me eye wòadze anyi le ʋɔnudɔdrɔ̃ si va Satana dzi la te.
Ele na hamedzikpɔla be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui tso hamea godotɔwo hã gbɔ ale be mage adze vlododo kple Satana ƒe mɔ me o.
Nenema kee wòle na subɔlawo hã be woanye ame siwo ŋu bubu le kple nyateƒetɔwo, menye aha tsu nolawo kple ame siwo tia viɖe ƒoɖiwo yome o.
Ele na wo be woalé xɔse la ƒe nyateƒe detowo me ɖe asi kple dzitsinya nyui
Ele be woado wo akpɔ gbã eye ne naneke meku ɖe wo ŋu o la, woaɖe mɔ woawɔ subɔla ƒe dɔ.
Ele na wo srɔ̃nyɔnuwo be woanye ame ɖɔŋuɖowo, ke menye aha tsu nolawo kple ameŋunyagblɔlawo o, ke boŋ woawɔ nuteƒe le nu sia nu me.
Subɔlawo nanye srɔ̃ ɖeka tɔwo eye dzidzɔ kple toɖoɖo nanɔ woƒe aƒewo me.
Kpeɖeŋutɔ siwo wɔ dɔ nyuie la, woƒe fetu anye be amewo aɖo bubu na wo eye woawo ŋutɔ ƒe dzideƒo kple xɔse le Aƒetɔ la me hã atsi ɖe edzi.
Togbɔ be mele mɔ kpɔm be mava mia gbɔ kpuie hã la, mele nu siawo ŋlɔm na mi,
ale be ne nye vava he ɖe megbe hã la miate ŋu anya ame siwo tɔgbi miatia be woanye Mawu gbagbe la ƒe hanunɔlawo, hame si lé Mawu ƒe nyateƒe la me ɖe asi sesĩe.
Enye nyateƒe be mawumegbenɔnɔ mele bɔbɔe o. Gake ele bɔbɔe le Kristo ta, ame si va anyigba dzi abe ame ene. Điƒoƒo aɖeke menɔ eŋuti o eye wòdza le eƒe gbɔgbɔ me. Mawudɔlawo subɔe eye wogblɔ mawunya tso eŋuti le dukɔwo dome. Amewo xɔe le afi sia afi si wòyi eye wogaxɔe ɖe eƒe ŋutikɔkɔe me le dziƒo.

4

Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe na mi kɔtee bena le ŋkeke mamlɛawo me la, ame aɖewo le hamea me atrɔ le Kristo yome adze nufiala siwo ƒe susuwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo yɔ la yome kple dzo.
Nufiala siawo aɖo mo ta, ada alakpa eye woadae enuenu ale gbegbe be woƒe dzitsinya magaɖe fu na wo gɔ̃ hã o.
Woagblɔ be menyo be woaɖe srɔ̃ o, eye menyo hã be woaɖu nanewo o, evɔ wònye Mawue tsɔ nu siawo na kristotɔ siwo li ke la be woakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti eye woada akpe ɖe wo ta hafi.
Elabena nu sia nu si Mawu wɔ la nyo, eye miate ŋu aɖui kple dzidzɔ nenye be mieda akpe ɖe eta,
eye miebia tso Mawu si be wòayrae, elabena Mawu ƒe nya kple gbedodoɖa awɔe kɔkɔe.
Nẽ eɖe nu siawo me na ame bubuwo la anɔ wò dɔdeasi wɔm abe Osɔfo nuteƒewɔla, si le xɔse kple nufiafia dzɔdzɔetɔ si nesrɔ̃ la ŋuti dɔ wɔm la ene.
Megagblẽ wò ɣeyiɣi anɔ nya hem tso susu manyatanuwo kple movinyawo kpakple gli dzodzrowo ŋuti o. Ke boŋ zã wò ɣeyiɣiwo kple wò ŋusẽ natsɔ atu ɖokuiwò ɖoe le gbɔgbɔ me.
Ame ɖokui tutuɖo le ŋutilã me nyo gake tutuɖo le gbɔgbɔ me le vevie wu, elabena enye atike na nu sia nu si nãwɔ. Eya ta tu ɖokuiwò ɖo le gbɔgbɔ me eye nadze agbagba be yeanye kristotɔ nyui wu, elabena eyae ava kpe ɖe ŋuwò. Menye fifia le agbe sia me ko o, ke boŋ le agbe si ava va la me hã.
Esia nye nyateƒe eye wòdze be woaxɔe ase blibo
eye le esia tae míewɔ dɔ heʋli vevie be míatsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ade Mawu gbagbe la me, ame si nye amewo katã ƒe Đela, vevietɔ ame siwo xɔ se. Fia nu siawo eye naka ɖe edzi be ame sia ame srɔ̃ wo nyuie.
Mègana ame aɖeke nabu wò ame gblɔe le wò ɖekakpuinyenye ta o. Ke boŋ nye kpɔɖeŋu nyuitɔ na wo. Na woadze nu si nèfiana kple agbe si nènɔna la yome. Na wò lɔlɔ̃, wò xɔse, kple wò susu dzadzɛwo nanye kpɔɖeŋu na wo.
Va se ɖe esime mava mia gbɔ la, xlẽ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la na hame la eye naɖe eme na wo; gblɔ Mawu ƒe nya la ɣesiaɣi.
Kpɔ egbɔ be nèwɔ amenuvenunana siwo Mawu na wò to eƒe nyagblɔɖilawo dzi esi hamemegãwo da asi ɖe dziwò la ŋutidɔ nyuie.
Wɔ nunana siawo ŋutidɔ nyuie. Tsɔ ɖokuiwò ƒo ɖe wò dɔwɔwɔwo me ale be ame sia ame nate ŋu akpɔ wò tsitsiɖedzi kple ŋgɔgbeyiyi adze sii.
Lé ŋku ɖe nu siwo katã nesusuna kple nu siwo katã newɔna la ŋuti nyuie. Lé nu si nyo eye wòle eteƒe la me ko ɖe asi eye Mawu ayra wò eye wòawɔ ŋuwòdɔ le kpekpeɖeŋunana ame bubuwo me.

5

Mègaƒo nu na me tsitsi aɖeke kple ada o, ke boŋ ƒo nu nɛ bubutɔe, abe wò ŋutɔ fofowòe nèle nu ƒom na ene. Ƒo nu na ɖekakpuiawo abe ale si nãƒo nu na nɔviwò ŋutsu lɔlɔ̃awo ene.
Tsɔ nyɔnu tsitsiwo abe dawòwo ene eye ɖetugbiwo abe nɔviwò nyɔnuwo ene, eye susu dzadzɛwo ko nanɔ wò ta me ɖe wo ŋu.
Nenye be ahosiwo mekpɔ ame aɖeke woakpɔ wo dzi o la, ekema hamea natsɔe ɖo eɖokui dzi atsɔ lɔlɔ̃ akpɔ wo dzii.
Ke ne viwo alo mamayɔviwo le wo si la, ekema ele be woawo nakpɔ wo dzi elabena ele be dɔmenyowɔwɔ nadze egɔme tso aƒe me, eya ta ele be woakpe ɖe wo dzila siwo le hiã me la ŋuti. Esia nye nane si dzea Mawu ŋu ŋutɔŋutɔ.
Hame la nèkpɔ ahosi dahe siwo tsi akogo le xexeame la dzi nenye be wole Mawu sinu kpɔm be wòakpe ɖe yewo ŋuti, eye wole gbe dom ɖa atraɖii,
ke menye ne wogblẽa woƒe ɣeyiɣi nɔa tsatsam nɔa ameŋunya gblɔm, nɔa ŋutilãmedzidzɔ ko dim eye wogblẽa nu le woƒe luʋɔ ŋuti o.
Esia nanye miaƒe hame la ƒe ɖoɖo ale be kristotɔwo nanya eye woawɔ nu si dze.
Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo le hiã me, vevietɔ esiwo le eya ŋutɔ ƒe aƒe me ŋuti o la, mekpɔ mɔ be wòayɔ eɖokui be kristotɔ o. Trɔ̃subɔla gɔ̃ hã nyo wu ame sia tɔgbi.
Womatsɔ ahosi aɖeke ƒe ŋkɔ ade ahosiwo dome o negbe exɔ ƒe blaade kple edzivɔ eye wònye ame si nɔ srɔ̃a gbɔ le nyateƒetoto me.
Ele be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui le amewo katã gbɔ le eƒe dɔ nyui wɔwɔ me le kpɔɖeŋu me ame si hea viawo nyuie, lɔ̃a amedzrowɔwɔ, klɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔwo, kpena ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu eye wòƒoa eɖokui ɖe dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.
Mele be woaxɔ ahosi siwo metsi o la ɖe dɔ tɔxɛ wɔla siawo dome o elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la woada le adzɔgbe si woɖe na Kristo la dzi eye woagaɖe srɔ̃.
Ale woadze na tohehe elabena woda le woƒe ŋugbedodo adzɔgbeɖeɖe la dzi.
Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele eme be woava zu ame ɖɔewo eye woagblẽ woƒe ɣeyiɣi anɔ ameŋunya gblɔm tso aƒe si me yi ekemɛ me, anɔ nu dem ame bubuwo ƒe nya me.
Eya ta mesusu be enyo na ahosi siwo metsi o la be woagaɖe srɔ̃, adzi viwo, eye woakpɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒe dzi. Ekema ame aɖeke mate ŋu agblɔ nya aɖeke ɖe wo ŋuti o.
Elabena mevɔ̃ be wo dometɔ aɖewo do le hamea me, eye Satana kplɔ wo tra mɔe xoxo.
Na magaɖo ŋku edzi na wò ake be ele na ahosiwo ƒe ƒometɔwo be woakpɔ wo dzi, eye mele be woaɖe asi le dɔ sia wɔwɔ ŋuti na hamea o. Ekema hamea ate ŋu atsɔ ga si le esi la akpɔ ahosi amemanɔsitɔwo dzii.
Hamedzikpɔla siwo wɔa hadɔ nyuie la, dze na bubuteƒe eve, vevietɔ esiwo kua kutri le mawunyagbɔgblɔ kple efiafia me,
elabena woŋlɔ ɖe mawunya me be, “Mègabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o.” Wogagblɔ le teƒe bubu hã be, “Dɔwɔla dze na eƒe fetu.”
Ne wotsɔ nya ɖe hamedzikpɔla aɖe ŋu la, mègawɔ nya la ŋudɔ o, negbe le ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe nya nu ko.
Woaka mo na nu vɔ̃ wɔlawo le hame bliboa ŋkume be wòanye kpɔɖeŋu na ame bubuwo.
Mele se dem na wò moveviɖotɔe le Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo kpakple mawudɔla kɔkɔeawo katã ƒe ŋkume, be nãwɔ nu sia ne hamemegã la nye xɔ̃wò vevi loo alo menye xɔ̃wò o. Ele be woatsɔ dzidzenu ɖeka ma ko na ame sia ame.
Mègatsi dzi klokloklo le hamemegãtiatia me o. Wò ŋku abu le eƒe nu vɔ̃wo dzi eye wòawɔ abe ɖe nède eƒe nu vɔ̃wo dzi ene. Kpɔ nyuie be wò ŋutɔ nate ɖa xaa tso nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ.
Ke hã la, esia mefia be nãtsri wain keŋkeŋ o. Ele be nano sue aɖe ɣeaɖewoɣi abe atike ene ɖe wò dɔmeɖu la ta elabena edzea dɔ kabakaba.
Đo ŋku edzi be ŋutsu aɖewo alo hamemegã aɖewo gɔ̃ hã, le nu vɔ̃ gbe nɔm eye esia le nyanya na ame sia ame. Le nu siawo me la, ate ŋu awɔ nane tso eŋuti. Ke le go bubuwo me la, ʋɔnudrɔ̃gbe la koe ate ŋu aɖe nyateƒe dziŋɔ la ɖe go.
Nenema ke, ame sia ame nya ale si hamemegã aɖewo wɔ dɔ nyuie, gake ɣeaɖewoɣi la womenya woƒe dɔ nyui wɔwɔwo o, va se ɖe ɣeyiɣi didi aɖewo megbe hafi.

6

Kluvi siwo nye kristotɔwo la nawɔ dɔ na woƒe aƒetɔwo kple ŋusẽ eye woabu wo; mègana woagblɔ tso Kristo ƒe hadɔwɔlawo ŋuti be wonye kuviatɔwo o. Mègana Mawu ƒe ŋkɔ alo eƒe nufiafia nazu alɔmeɖenu le nu sia ta o.
Ne woƒe aƒetɔ nye kristotɔ la, esia menye mɔnukpɔkpɔ be woawɔ alɔgblɔdɔ le woƒe dɔwɔnawo ŋuti o; ke boŋ ele be woagawɔ dɔ ɖe edzi wu elabena wole kpekpeɖeŋu nam wo nɔvi kristotɔ kple woƒe ŋusẽ. Timoteo, fia nyateƒenya siawo eye nãdo ŋusẽ ame sia ame be woawɔ ɖe wo dzi.
Ame aɖewo asẽ nu agblɔ be nya siawo mele eme o, gake wonye nufiafia dzɔdzɔe si de blibo, wonye esiwo Kristo ŋutɔ fia eye wonye mawumegbenɔnɔ ƒe gɔmeɖokpe.
Ame si agblɔ nya aɖe si ato vovo tso esia gbɔ la, ame ma nye dadala kple movitɔ. Elabena ele gɔmeɖeɖe bubu tsɔm na Kristo ƒe nyawo eye wòle nyahehe siwo awu nu le ŋuʋaʋã kple dziku me la hem vɛ. Esia ƒe metsonuwo koe anye megbeŋkɔyɔyɔ na amewo, nyatsɔtsɔ ɖe ame ŋu, kple nu vɔ̃ɖi susu ɖe ame nɔewo ŋuti.
Nyahela siawo, esiwo ƒe susuwo nu vɔ̃ bla goŋgoŋ la, menya ale si woagblɔ nyateƒe lae o. Le woawo gbɔ la, Agbenya la gbɔgblɔ nye gakpɔmɔnu ko. Eya ta mite ɖa xaa tso wo gbɔ.
Ke mawuvɔvɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ nye viɖe gã,
elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o eye edze ƒãa be míatsɔ naneke hã adzoe o.
Ke ne nuɖuɖu kple nudodowo le mía si la, mina woadze mía ŋu.
Ame siwo dina be yewoazu hotsuitɔwo la, gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kpakple movidzɔdzɔ kple didi vɔ̃wo me, esiwo kplɔa amewo yina ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me.
Nu tovo wɔwɔwo katã ƒe dzɔtsoƒee nye galɔlɔ̃, ame siwo tsi dzi ɖe gakpɔkpɔ ŋu la, trana tso xɔse la gbɔ eye wotsɔa veve geɖe ŋɔa wo ɖokuiwoe flofloflo.
Ke wò, Mawu ƒe ame, si le nu siawo katã nu eye nati dzɔdzɔenyenye, mawuvɔvɔ̃, xɔse, lɔlɔ̃, tenɔnɔ kple bɔbɔenyenye yome.
Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la, lé agbe mavɔ si woyɔ wò na esi nèʋu emeʋuʋu nyui le ɖasefo geɖewo ƒe ŋkume la me ɖe asi sesĩe.
Mele didim tso asiwò le Mawu si na agbe amewo katã kple Kristo Yesu si ɖi ɖase dzideƒotɔe le Pontio Pilato gbɔ la ƒe ŋkume be,
nãwɔ nu siwo katã wògblɔ na wò be nãwɔ la, ale be tso fifia dzi va se ɖe esime míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo natrɔ ava la, ame aɖeke makpɔ kpɔtsɔtsɔ le ŋutiwò o.
Elabena ne ɣeyiɣia ɖo la, Mawu yayratɔ, fiawo dzi Fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ, si koe nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, aɖe Kristo afia tso dziƒo.
Mawu sia ɖeka hɔ̃ koe mate ŋu aku o; keklẽ gã dziŋɔ aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be amegbetɔ aɖeke mate ŋu ate ɖe eŋuti o. Amegbetɔ aɖeke mekpɔe kpɔ o eye makpɔe akpɔ hã o. Eya tɔ nanye bubu kple ŋusẽ kpakple dziɖuɖu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen.
Gblɔ na kesinɔtɔwo katã be womegada wo ɖokuiwo eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu.
Gblɔ na wo be woawɔ woƒe ga ŋutidɔ le dɔ nyui wɔwɔ me. Ele be woazu kesinɔtɔwo le dɔ nyui wɔwɔ me eye woana nu hiãtɔwo faa kple dzidzɔ eye woanɔ klalo ɣesiaɣi be woama nu sia nu si Mawu tsɔ na wo la kple ame bubuwo.
To esia wɔwɔ me la, woanɔ kesinɔnu vavãwo ƒom ƒu ɖe dziƒo na wo ɖokuiwo. Eya koe nye agbe mavɔ ƒe nu si wodzrana ɖo eye megblẽna o! Ekema woanɔ kristotɔ ƒe agbe si ɖea vi la, le anyigba dzi afi sia hã.
O, Timoteo, mègado kpo nu siwo Mawu tsɔ de asiwò la wɔwɔ o. Mègahe nya manyatanu kple ame siwo dana be yewonya nu evɔ womenyae o la o.
Ame siawo bu nu vevitɔ kekeake le agbe me: Womenya Mawu o. Amenuveve nanɔ anyi kpli wò.

Lizenz
CC-0
Link zur Lizenz

Zitationsvorschlag für diese Edition
TextGrid Repository (2025). Paul the Apostle. 1 Timothy (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-971C-F