1

Paulo, apostolo, si metso amewo gbɔ o, eye menye ame aɖeke hã dzi wòto o, ke boŋ to Yesu Kristo kple Mawu Fofo, si fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la dzi,
kple nɔvi siwo li kpli la, ŋlɔ ɖo ɖe hame siwo le Galatia.
Ŋutifafa kple yayra woana mi tso Mawu, Fofo la, kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ.
Yesu Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Mawu mía Fofo la ɖoe ene eye wòɖe mí tso nu vɔ̃ ƒe xexe vɔ̃ɖi sia si me míele la me.
Bubu woana Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
Ewɔ nuku nam ŋutɔ be miele mia ɖokuiwo hem ɖa kaba alea tso Mawu, ame si yɔ mi be miakpɔ gome le agbe mavɔ si wòna to Kristo dzi la me gbɔ. Miekplɔ “Nyanyui” bubu si makplɔ mi ayi dziƒo o la ɖo.
Elabena nyanyui bubu aɖeke megali wu esi míefia mi o. Ame siwo dzeaŋe Kristo ƒe nyateƒe la eye wotrɔnɛ la, le mia flum.
Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si fiaa nyanyui bubu aɖe si dzi woato akpɔ xɔxɔ, eye wòto vovo tso esi míefia mi gbɔ la dzi. Neva nye ŋutɔ gɔ̃ hã dzi. Ẽ, ne mawudɔla aɖe tso dziƒo va gblɔ nya bubu aɖe la, fiƒode mavɔ neva edzi.
Magagblɔe ake; ne ame aɖe gblɔ nyanyui bubu aɖe wu esi miexɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva ame ma dzi.
Miate ŋu akpɔe be nyemele agbagba dzem be madze mia ŋu kple nya viviwo kpakple amebeble o. Gbeɖe, mele agbagba dzem be madze Mawu ŋu. Nenye ɖe medzea agbagba be madze amegbetɔwo ŋu la, anye ne nyemenye Kristo ƒe dɔla o.
Xɔ̃nye lɔlɔãwo, mele atam kam na mi bena wometu dziƒomɔ si mefiana la ɖe amegbetɔ aɖeke ƒe susu alo drɔ̃ekuku dzi o.
Elabena nye nya metso ame aɖeke gbɔ wu Kristo ŋutɔ gbɔ o; Kristo ŋutɔe gblɔ nya si megblɔ la nam. Ame bubu aɖeke megblɔe nam o.
Mienya ale si menɔ esi medze Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ yome; ale si meti kristotɔwo yome nublanuimakpɔmakpɔtɔe. Mehea wo yia ʋɔnui eye mewɔ nu sia nu si mate ŋui la be maɖe wo katã ɖa.
Menye Yudatɔ siwo vɔ̃a Mawu wu ame bubuwo la dometɔ ɖeka le nye hatiwo dome le anyigba blibo la dzi eye medze agbagba ɖe sia ɖe si mate ŋui la be mawɔ se xoxo siwo katã ku ɖe nye subɔsubɔ ŋu la dzi.
Ke nya aɖe va dzɔ! Elabena hafi woadzim gɔ̃ hã la, Mawu tiam be manye ye tɔ, eye wòyɔm. O, amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kae nye esia!
Eyɔm be maɖe Via si le menye la afia ale be mate ŋu ayi Trɔ̃subɔlawo gbɔ eye magblɔ nyanyui la tso Yesu ŋu na wo. Esi nu siawo katã dzɔ ɖe dzinye la, nyemetso enumake be maƒo nu tso eŋu kple ame aɖeke o.
Nyemeyi Yerusalem be matsɔ nya la ɖo ame siwo nye apostolowo do ŋgɔ nam la ŋkume o. Ao! Meyi Arabia ƒe gbegbewo eye metrɔ va Damasko.
Ƒe etɔ̃ va yi hafi mede Yerusalem be makpɔ Petro ɖa eye menɔ egbɔ ŋkeke wuiatɔ̃.
Apostolo bubu ɖeka si ko mekpɔ lae, nye Yakobo, míaƒe Aƒetɔ la nɔvi.
Milé to ɖe nya si mele gbɔgblɔm na mi la ŋu elabena mele egblɔm na mi le Mawu ŋutɔ ƒe ŋkume. Nu siae nye nu si tututue dzɔ. Nyemele alakpa dam na mi o.
Le esia megbe la meyi Siria kple Kilikia.
Va se ɖe ɣemaɣi me gɔ̃ hã la, kristotɔ siwo nɔ Yudea la mekpɔm kpɔ o.
Nu si wonya koe nye nu si amewo nɔ gbɔgblɔm be, “Míaƒe futɔ xoxo la le gbeƒã ɖem xɔse si me eya ŋutɔ dze agbagba tsã be yeagblẽ la azɔ.”
Eye wotsɔ bubu na Mawu le tanye.

2

Le ƒe wuieve megbe la, megayi Yerusalem. Azɔ la, mekplɔ Barnaba ɖe asi eye Tito hã va.
Meyi le Mawu ƒe gbeɖeɖe nam nu be mayi aɖawɔ takpekpe kple nɔvi siwo le afi ma tso gbeƒã si ɖem menɔ na Trɔ̃subɔlawo la, ŋu. Meƒo nu kple hamedzikpɔlawo ɖeɖe ko ale be woase nu si tututu fiam menɔ la gɔme eye menɔ mɔ kpɔm be woalɔ̃ ɖe edzi be nye nufiafia nye nyateƒe.
Wolɔ̃ ɖe edzi hã. Womezi Tito, nye kpeɖeŋutɔ dzi be woatso aʋa nɛ gɔ̃ hã o, togbɔ be Tito menye Yudatɔ o hã.
Ame aɖewo nɔ afi ma siwo yɔa wo ɖokuiwo be “Kristotɔwo,” ke wonye alakpatɔwo. Ame siawo va be yewoafi ŋku akpɔ mí eye yewoase nu tso ablɔɖe si míena mía ɖokuiwo tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ me ŋuti. Ne menye ame siawo tae o la, ne aʋatsotso ƒe nya gɔ̃ hã medo ta ɖa o. Wodi be yewoatsɔ yewoƒe sewo abla mí abe ale si kluviwo nɔa kɔsɔkɔsɔwo me ene.
Ke míeɖo to wo kura o, elabena míedi be míaflu mi, ana miabu be ame ate ŋu akpɔ ɖeɖe to aʋatsotso kple Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o.
Naneke menɔ hamea dzikpɔla gã siwo nɔ afi ma la si woatsɔ akpe gbeƒã si menɔ ɖeɖem o. Nyemetsɔ ɖeke le woƒe hamedzikpɔla gãwo nyenye me o, elabena amewo katã sɔ le Mawu ŋkume.
Ke boŋ wokpɔe be wotsɔ nyanyui la gbɔgblɔ na Trɔ̃subɔlawo ƒe dɔ de asi nam, abe ale si wotsɔ Yudatɔwo tɔ de asi na Petro hã ene.
Elabena Mawu, ame si li kple Petro le eƒe dɔwɔwɔ me abe apostolo na Yudatɔwo ene la, eya kee li kple nye hã le nye dɔwɔwɔ me abe apostolo na Trɔ̃subɔlawo ene.
Yakobo, Petro kple Yohanes, ame siwo amewo buna be wonye sɔtiwo na hamea la, wona habɔbɔ ƒe asi nye kple Barnaba esi wokpɔ amenuveve si wona mí la dzesii. Wolɔ̃ hã be míawo míayi Trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi Yudatɔwo gbɔ.
Nya ɖeka si ko wogblɔe nye be ele be míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be míakpe ɖe ame dahewo ŋu. Nye ŋutɔ hã metsi dzi ɖe nu sia ŋu.
Ke esi Petro va Antioxia la, eva hiã be matsi tsitre ɖe eŋu sesĩe le amewo ŋkume eye mahe nya ɖe eŋu vevie le nu masɔmasɔ si wɔm wònɔ la ta.
Esi wò ɖo tetee la, eɖu nu kple kristotɔ siwo menye Yudatɔwo o, ame siwo mebui be mele be woatso aʋa kokoko eye woalé Yudatɔwo ƒe se bubu geɖewo me ɖe asi o. Ke emegbe la, esi Yudatɔ aɖewo, ame siwo nye Yakobo xɔlɔ̃wo va la, megalɔ̃ be yeaɖu nu kple wo o, elabena enɔ vɔvɔ̃m na nu si ame siawo, siwo lé Yudatɔwo ƒe sewo me ɖe asi sesĩe eye wogblɔna be aʋatsotso le vevie na ɖeɖekpɔkpɔ la agblɔ.
Ale kristotɔ bubuawo katã, ame siwo nye Yudatɔwo la zu alakpanuwɔlawo. Barnaba gɔ̃ hã nɔ ame siawo dome. Wodze Petro ƒe kpɔɖeŋu yome le esime wonya nu wu ema hafi.
Esi mekpɔ nu si nɔ edzi yim eye mede dzesii be womenɔ nyateƒe tom tututu le nu si woxɔ se ŋuti o, eye womenɔ zɔzɔm ɖe nyateƒe si le nyanyui la me nu o la, megblɔ na Petro le ame bubuawo katã ŋkume be, “Togbɔ be ènye Yudatɔ dzidzia hã la, èɖe asi le Yudatɔwo ƒe sewo ŋu xoxoxo; eya ta nu ka tae nètrɔ kpata hele didim be yeana ame siawo, ame siwo menye Yudatɔwo o la, nawɔ seawo dzi mahã?
Nye kple wò siaa míenye Yudatɔ dzidziawo; menye Trɔ̃subɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla dzodzrowo míenye o.
Ke mí kristotɔ siwo nye Yudatɔwo la, míenyae nyuie be míate ŋu adze Mawu ŋu to Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, ke boŋ to Yesu Kristo ame si ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ɖa la dzixɔse ɖeɖe ko me. Ale míawo hã míeɖo ŋu ɖe Yesu Kristo ŋu be Mawu axɔ mí le xɔse ta, eye menye be míewɔ Yudatɔwo ƒe sewo dzi ta o. Elabena ame aɖeke makpɔ xɔxɔ le seawo dzi wɔwɔ ta akpɔ o.”
Ke ne míexɔ Kristo dzi se be aɖe mí eye míedze sii be míeda vo eya ta míate ŋu akpɔ ɖeɖe o, negbe ɖe ko wotso aʋa na mí eye míewɔ Yudatɔwo ƒe se bubuawo dzi hafi la, ɖe mele be míagblɔ be Kristo dzixɔsee na míeda vo oa? Gbeɖe, Mawu mana be ame aɖeke nabu nu sia tɔgbi ɖe míaƒe Aƒetɔ la ŋu o.
Míanye nu vɔ̃ wɔlawo ne míagadze dzixɔse xoxo siwo mele agbagba dzem be maɖe ɖa la me léle ɖe asi gɔme, anɔ bubum be Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ana míakpɔ ɖeɖe.
Elabena to Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la xexelẽ mee meto va nya be nyemate ŋu adze Mawu ŋu gbeɖe to agbagbadzedze be mawɔ seawo dzi me o, elabena medana ƒu. Meva dzesii bena, míate ŋu adze Mawu ŋu to Kristo dzixɔse me ko.
Woklãm ɖe ati ŋu kple Kristo eye nye ŋutɔ nyemegale agbe o ke boŋ Kristo le agbe le menye. Agbe si tututu le menye fifia la tso ale si mexɔ Mawu Vi la dzi se la gbɔ, ame si lɔ̃m eye wòtsɔ eɖokui na ɖe tanye.
Nyemenye ame siwo bua Kristo ƒe ku abe nu si ŋu gɔmesese aɖeke mele o ene la dometɔ ɖeka o. Elabena ne Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ate ŋu aɖe mí la, ekema mehiã be Kristo naku o.

3

O, mi Galatiatɔ tsibomewo! Ame kae flu mo na mi eye wòhe gbɔgbɔ vɔ̃ va mia dzii? Elabena tsã la, miesea Yesu Kristo ƒe ku gɔme nyuie abe ɖe metsɔ nutata aɖe si me Yesu nɔ kukum le atitsoga ŋu fia mi ene.
Mina mabia nya ɖeka sia mi: Đe miexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la to Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ mea? Kura o! Elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi esime miese nu tso Kristo ŋu eye miexɔ edzi se be aɖe yewo la megbe.
Ekema ɖe miele tsu kum azɔa? Elabena ne agbagbadzedze be woawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi mena agbe mi le gbɔgbɔ me o la, nu ka ta miebu be agbagbadzedze be yewoawɔ wo dzi awɔ mi azɔ kristotɔ nyuiwo wu?
Miekpe fu geɖe ɖe nyanyui la ta. Miele didim azɔ be yewoaɖe asi le nyanyui la ŋu. Esẽ nam be maxɔ nu sia dzi ase!
Megale mia biam be ɖe Mawu na Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ mi eye wòwɔ nukunuwo le mia dome le miaƒe agbagbadzedze be yewoawɔ Yudatɔwo ƒe sewo dzi taa? Mele nenema kura o. Esime miexɔ Kristo dzi se eye mieɖo ŋu ɖe eŋu tso dzi blibo me tae.
Nenema kee wònɔ na Abraham hã. Nu si na Mawu kpɔe be edze na dziƒo koe nye be, exɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se.
Miate ŋu akpɔe tso esia me be ame siwo nye Abraham ƒe vi vavãwo lae nye ame siwo katã xɔ Mawu dzi se nyateƒetɔe.
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la kpɔe do ŋgɔ be Mawu atso afia na Trɔ̃subɔlawo le xɔse me, eya ta wòɖe gbeƒã na Abraham do ŋgɔe be, “Woyra dukɔwo le mewò.”
Eya ta woyra ame siwo katã xɔse la kple xɔsetɔ Abraham.
Ame siwo katã tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe sea dzi wɔwɔ dzi la le fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be, “Woƒo fi de ame sia ame si melé nu sia nu si woŋlɔ ɖe Segbalẽa me la me ɖe asi o.”
Eme kɔ ƒãa be womatso afia na ame aɖeke le Mawu gbɔ to se la me o, elabena woŋlɔ ɖi be, “Ame dzɔdzɔe la anɔ gbe le xɔse me.”
Wometu Sea ɖe xɔse dzi o, ke boŋ mawunya gblɔ bena, “Ame si awɔ nu siawo la anɔ agbe ɖe wo nu.”
Kristo ɖe mí tso Se la ƒe fiƒode me, esi wòzu fiƒode ɖe mía teƒe, elabena woŋlɔ ɖe mawunya me be, “Woƒo fi de ame sia ame si woklã ɖe ati ŋuti.”
Ale woɖe mí be yayra si wotsɔ na Abraham la nava Trɔ̃subɔlawo hã dzi to Kristo Yesu me, ale be to xɔse me míaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu tsɔ do ŋugbee.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, le míaƒe agbenɔnɔ gbe sia gbe me gɔ̃ hã la, ne ame aɖe do ŋugbe na nɔvia eye wòŋlɔe da ɖi, de asi ete la, womagate ŋu atrɔe o. Ŋugbedola magate ŋu atrɔ tame be yeawɔ nu bubu o.
Azɔ la, Mawu do ŋugbe aɖewo na Abraham kple Via. Đo ŋku edzi be nya sia megblɔ be wodo ŋugbe na viawo o; anye ne esia afia be via siwo katã nye Yudatɔwo. Ke wodo ŋugbe na Via eye esia gɔmee nye na Kristo.
Nu si mele didim be magblɔ lae nye esi: Mawu ƒe ŋugbe si wòdo be woaɖe ame to xɔse me la eŋlɔ ŋugbedodo sia da ɖi eye wòde asi ete; womate ŋu aɣlae alo atrɔe ƒe alafa ene blaetɔ̃ megbe, esi Mawu na Se Ewoawo o.
Ne se mawo dzi wɔwɔ ate ŋu aɖe mí la, ekema eme kɔ ƒãa bena esia ato vovo sã tso Abraham ƒe mɔ gbɔ elabena ɖe ko Abraham ya xɔ Mawu ƒe ŋugbedodo dzi se.
Enyo: Nu ka tae wode se mawo? Wotsɔ se siawo kpe ɖe tsãtɔwo ŋu le ŋugbe sia dodo vɔ megbe be woafia amewo ƒe fɔɖiɖi ne woda Mawu ƒe sewo dzi. Ke se siawo anɔ anyi va se ɖe Kristo, Vi, si Mawu do ŋugbe na la ƒe vava dzi ko. Vovototo bubu sia hã gali. Mawu tsɔ eƒe seawo na mawudɔlawo be woatsɔ ana Mose, eye eya hã tsɔ wo na eƒe amewo.
Ke esi Mawu do ŋugbe na Abraham la, eya ŋutɔe doe na Abraham; metsɔ ŋugbedodo la to mawudɔlawo alo Mose dzi o.
Ekema ɖe se la tsi tre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu mahã? Gbeɖe! Elabena nenye ɖe se si wona la ana agbe la, anye ne dzɔdzɔenyenye ava to se la me vavã.
Gake Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be xexeame katã le nu vɔ̃ ƒe game, ale be ŋugbe si wodo be to Yesu Kristo dzixɔse me ame siwo xɔse akpɔ ɖeɖe la, nasu wo si.
Do ŋgɔ na Kristo ƒe vava la, se la dzɔ mía ŋu abe gamenɔlawo ene va se ɖe esime míaxɔ Đela si gbɔna la dzi ase.
Mina magagblɔe ale: Yudatɔwo ƒe sewo nye míaƒe nufiala kple mɔfiala va se ɖe esime Kristo va be yeana míanɔ nyuie kple Mawu to míaƒe xɔse me.
Ke azɔ esi Kristo va la, míegahiã se mawo be woadzɔ mía ŋu eye woakplɔ mí ayi egbɔe o.
Elabena azɔ la, mí katã míenye Mawu viwo to Yesu Kristo dzixɔse me,
eye mí ame siwo wode mawutsi ta na ɖe ɖekawɔwɔ kple Kristo me la, míedo Yesu abe awu ene.
Míeganye Yudatɔwo alo Helatɔwo, kluviwo alo ablɔɖeviwo, ŋutsuwo alo nyɔnuwo gɔ̃ hã o, ke mí katã míele ɖeka; míenye kristotɔwo; míele ɖeka le Kristo Yesu me.
Ke azɔ la, esi míenye kristotɔwo la, míenye Abraham ŋutɔ ƒe dzidzimeviwo eye Mawu ƒe ŋugbe siwo katã wòdo na Abraham la nye mía tɔ.

4

Miɖo ŋku edzi be ne fofo aɖe ku eye wògblẽ domenyinu gã aɖe ɖi na via sue aɖe la, ɖevi sue ma tɔ me menyo sãa wu kluvi aɖeke tɔ o va se ɖe esime wòatsi togbɔ be nu sia nu si fofoa gblẽ ɖi nɛ nye etɔ hã.
Ele na ɖevi la be wòawɔ nu si edzikpɔlawo ɖo nɛ va se ɖe esime wòaxɔ ƒe si fofoa ɖo da ɖi.
Alea tututue wònɔ na mí va se ɖe esime Kristo va. Míenye kluviwo na Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnyinyiwo elabena míebu be woate ŋu aɖe mí.
Ke esi ɣeyiɣi nyuitɔ si Mawu ɖo da ɖi va ɖo la, Mawu ɖo Via si nyɔnu aɖe dzi eye wònye Yudatɔ la ɖa
be wòana ablɔɖe mí ame siwo nye kluviwo na seawo ale be wòate ŋu axɔ mí abe eya ŋutɔ viwo ene.
Eye be míenye viawo ta la, Mawu ɖo Via ƒe Gbɔgbɔ ɖe míaƒe dziwo me eya ta azɔ la míate ŋu ayɔ Mawu dzideƒotɔe be enye mía Fofo lɔlɔ̃a.
Míeganye kluviwo azɔ o ke boŋ míenye Mawu ŋutɔ viwo azɔ. Azɔ esi míenye viawo ta la, nu sia nu si nye etɔ la nye mía tɔ elabena nenemae Mawu ɖoe.
Hafi mi Trɔ̃subɔlawo mianya Mawu la, mienye kluviwo na nu siwo miebuna abe mawuwo ene, evɔ mawu mawo menɔ anyi gɔ̃ hã o.
Ke azɔ esi mieke ɖe Mawu ŋu alo magblɔ be Mawu boŋ ke ɖe mia ŋu la, nu ka tae miagadi be yewoagagbugbɔ ayi subɔsubɔ gbɔdzɔ, dahe, dzodzro gbɔ hele agbagba dzem be miayi dziƒo to Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ me hã?
Miele agbagba dzem be yewoadze Mawu ŋu to nu si miawɔ alo nu si mele be miawɔ o le ŋkeke tɔxɛ aɖewo dzi alo le ɣleti aɖewo me alo le azãgbe aɖewo alo le ƒe aɖewo me la dzi.
Mevɔ̃ ɖe mia nu. Mele vɔvɔ̃m be nye agbagbadzedzewo katã ɖe mia ta la zu nu dzodzro.
Nɔvi lɔlɔ̃awo mina nu siawo nawɔ dɔ ɖe mia dzi abe ale si wowɔ dɔ ɖe dzinyee ene, elabena nye la mevo tso kɔkuti siawo te abe ale si miawo hã mievo tso wo te tsã ene. Esi megblɔ mawunya na mi zi gbãtɔ la miedo vlom o,
togbɔ be menɔ dɔ lém esi metsɔ nyanyui la vɛ na mi zi gbãtɔ hã.
Togbɔ be nye dɔléle la nye nuɖiaɖia hã la, miegbe nu le gbɔnye henyam o, ke boŋ miexɔm eye miekpɔ dzinye abe mawudɔla aɖe menye alo abe Yesu Kristo ŋutɔ ene.
Afi ka dzidzɔkpɔkpɔ ƒe gbɔgbɔ si nɔ mía dome tsã la le? Elabena menyae be le ŋkeke mawo me la, mialɔ̃ dzidzɔtɔe aho miaƒe ŋkuwo atsɔ aɖo tɔnyewo teƒe ne ema ate ŋu anye kpekpeɖeŋu nam.
Ke azɔ la, ɖe mezu miaƒe futɔ elabena megblɔ nyateƒe la na mia?
Aʋatsonufiala mawo, ame siwo le didim vevie be yewoadze mia ŋu la, mele agbagba dzem nenema ɖe miaƒe nyonyo ta o. Nu si wole didim be yewoawɔ lae nye yewoatrɔ miaƒe mo ɖa tso gbɔnye ale be miaɖo to woawo wu.
Enyo ne amewo ve mia nu kple tameɖoɖo nyui, to dzi vavãtɔ me vevietɔ ne womele mia nu vem le ɣeyiɣi si me mele mia gbɔ ko me o.
O, vinyewo miena nye dzi le veve sem! Megale veve sem abe funɔ si le mɔ kpɔm na vidzidzi ene eye mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Kristo ƒe gbɔgbɔ ayɔ mia me mlɔeba la.
Medi vevie be manɔ mia gbɔ fifia ale be nyemanɔ nu siawo ŋlɔm na mi o hafi; ke esi mía dome didi ta la, maʋu eme be nyemenya nu si tututu mawɔ o.
Miɖo tom, xɔ̃nyewo, mi ame siwo bu be ele be miawɔ Yudatɔwo ƒe sewo dzi kokoko hafi akpɔ ɖeɖe. Nu ka ta miadi nu siwo tututu se siawo fia o.
Elabena woŋlɔ ɖi be viŋutsu eve nɔ Abraham si; ɖeka dada nye kosi ke evelia dada ya nye ablɔɖenyɔnu.
Nya tɔxɛ aɖeke meku ɖe kosi la ƒe vi ɖe dzidzi ŋu o. Ke ablɔɖenyɔnua ya la Mawu ɖe wòdo ŋugbe nɛ hafi wòte ŋu dzi vi.
Nu siawo nye alobalo ko, elabena nyɔnu eveawo sɔ kple nubabla eve. Nubabla ɖeka la woxɔe le Sinai to dzi eye eyae dzi ɖevi siwo nye kluviwo. Esia nye Hagar.
Eya ta Hagar enye Sinaito si le Arabia, eye wòsɔ kple egbegbe Yerusalem du, elabena eya kple viawo le kluvinyenye me.
Ke Yerusalem si le dziƒo la vo, menye kluvi o, eye eyae nye mía dada.
Elabena woŋlɔ ɖi bena, “Dzi nedzɔ wò, O konɔ, wò nyɔnu si medzi vi kpɔ o; do ɣli sesĩe nãtso aseye, wò ame si melé ku kpɔ o; viwo le nyɔnu si tsi akogo la si wu nyɔnu si si srɔ̃ le gɔ̃ hã.”
Nɔvi lɔlɔ̃awo, nye kple miawo míenye vi siwo ŋugbe Mawu do abe ale si wòdo Isak ŋugbe ene.
Eya ta ame siwo di be míawɔ Yudatɔwo ƒe sewo dzi la, le mí ame siwo wodzi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me yome tim azɔ, abe ale si Ismael, kosi la ƒe vi, ti Isak, vi si ŋugbe wodo la yome ene.
Ke Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be Mawu gblɔ na Abraham be wòanya kosi la kple via elabena kosi la ƒe vi mate ŋu anyi Abraham ƒe dome kple ablɔɖenyɔnu la ƒe vi o.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, menye kosiwo ƒe viwo míenye o; eye míenye kluviwo na Yudatɔwo ƒe sewo hã o, ke míenye ablɔɖenyɔnu la ƒe viwo, eye míedzea Mawu ŋu le míaƒe xɔse ta.

5

Ale Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe. Azɔ la, mikpɔ egbɔ be mielé ablɔɖe sia me ɖe asi eye miagatrɔ azu kluviwo na Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnyinyiwo o.
Miɖo tom, elabena nya sia le vevie. Ne miele ŋu ɖom ɖe aʋatsotso kple Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu be woana miadze Mawu ŋu la, ekema Kristo mate ŋu aɖe mi o.
Magagblɔe zi evelia. Ele na ame sia ame si le didim be yeadze Mawu ŋu to aʋatsotso me la be wòawɔ Yudatɔwo ƒe se ɖe sia ɖe dzi loo alo wòatsrɔ̃.
Ne miele didim be yewoaxe fe si mienyi le Mawu si kple se mawo dzi wɔwɔ la, ekema viɖe aɖeke mele Kristo ŋu na mi o. Ekema Mawu ƒe amenuveve la bu ɖe mi.
Ke to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu me la míele ŋu ɖom ɖe Kristo ƒe ku ŋu be wòaɖe míaƒe nu vɔ̃wo ɖa ale be míate ŋu adze Mawu ŋu.
Eye mehiã be mí ame siwo Kristo na agbe mavɔe la míatsi dzi o, ne wotso aʋa na mí loo alo míelé Yudatɔwo ƒe sewo me ɖe asi la, o. Elabena nu si ko míehiã lae nye xɔse si wɔa dɔ to lɔlɔ̃ me.
Miedze egɔme henɔ yiyim nyuie hafi. Ame kae va flu mi eye wòxe mɔ na nyateƒe la yomenɔnɔ?
Eme kɔ ƒãa be menye Mawue wɔ nu sia o, elabena eyae nye ame si yɔ mi hena ablɔɖe le Kristo me.
Ke mia dometɔ ɖeka koe agblẽ ame bubuawo katã.
Mele mɔ kpɔm be Mawu agagbugbɔ mi va xɔse la gbɔ abe ale si mele mɔ kpɔm le nu siawo me ene. Ame ka kee le fu ɖem na mi hele mia flum la, Mawu ŋutɔ ahe to nɛ.
Ame aɖewo gblɔ gɔ̃ hã be nye ŋutɔ mele gbeƒã ɖem be aʋatsotso kple Yudatɔwo ƒe sewo le vevie hena ɖeɖe. Enyo, ne meɖe gbeƒã nenema la, womagati yonyeme o, elabena gbeƒãɖeɖe sia meɖia ame aɖeke nu o. Esi wogale yonyeme tim kokoko la, fia be megale gbeƒã ɖem tso ɖeɖe to xɔse le Kristo ƒe atitsoga ɖeɖe ko me ŋu.
Đe ko medi vevie be nufiala siwo di be miana woatso aʋa na mi la, woaɖe wo ɖokuiwo ɖa le mia dome eye woaɖe le mia ŋu kpoo.
Elabena nɔvi lɔlɔ̃awo, wona ablɔɖe mi ke menye ablɔɖe be miawɔ nu vɔ̃ o, ke boŋ ablɔɖe be mialɔ̃ mia nɔewo eye miave wo nu.
Elabena woate ŋu aƒo seawo katã nu ƒu wòazu se ɖeka sia be, “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.”
Ke ne le lɔlɔ̃ na mia nɔewo teƒe ɖeklemiɖeɖe kple dzrewɔwɔ le miawo ɖeɖe dome la, ekema minɔ ŋudzɔ eye miakpɔ nyuie be miagagblẽ nu le mía nɔewo ŋu o.
Eya ta megblɔ be minɔ agbe le Gbɔgbɔ la me ale be miagawɔ miaƒe dzɔdzɔme vɔ̃wo ƒe didiwo dzi o.
Elabena dzɔdzɔme vɔ̃ dia nu si tsi tre ɖe Gbɔgbɔ la ŋu, eye nu si dim Gbɔgbɔ la le la hã nye futɔ na míaƒe dzɔdzɔme vɔ̃wo. Wole avu wɔm kple wo nɔewo, ale be miate ŋu awɔ nu si miedi be miawɔ la o.
Ke ne Gbɔgbɔ la le miakplɔm la, miegale se la te o.
Ke ŋutilãmenudzodzro vɔ̃wo dze ƒãa; esi woe nye, ahĩawɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze,
trɔ̃subɔsubɔ, adzewɔwɔ, fuléle, dzrewɔwɔ ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ɖokuitɔdidi, kɔmamawo, mamawo,
ŋubiabiã, ahamumu, aglotutu vɔ̃wo kple esia tɔgbiwo. Mele nu xlɔ̃m mi, abe ale si mexlɔ̃ nu mi va yi ene la be, ame siwo nɔ agbe alea la manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.
Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetse enye, lɔlɔ, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ,
tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi tre ɖe nu siawo ŋuti o.
Ame siwo nye Kristo Yesu tɔ la klã woƒe dzɔdzɔme vɔ̃wo kple woƒe fieŋufieŋuwo kpakple woƒe dzodzrowo ɖe ati ŋuti.
Esi míele agbe le Gbɔgbɔ la me la, mina míazɔ hã le eƒe kpɔkplɔ te.
Migana dada nayɔ mía me o, ado dziku na mía haviwo alo aʋa ŋu mía nɔewo o.

6

Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne kristotɔ aɖe dze nu vɔ̃ me la, ele na mi ame siwo vɔ̃a Mawu la be miatsɔ gbe blewu kple ɖokuibɔbɔ akpe ɖe eŋu be wòagbugbɔ ava mɔ dzɔdzɔe la dzi; miaɖo ŋku edzi be mia dometɔ aɖe hã ate ŋu azu vɔ̃wɔla ɣebubuɣi.
Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo eye miakpe ɖe wo ŋu le woƒe xaxawo me, ale miawɔ Aƒetɔ la ƒe se la dzi.
Ne ame aɖe bu be yenye nane le esime menye naneke o la eble eɖokui.
Mina ame sia ame naka ɖe edzi be yele yeƒe dɔ wɔm abe ale si yeate ŋui ene, ekema akpɔ dɔ nyui wɔwɔ ŋuti dzidzɔ eye mahiã be wòatsɔ eɖokui asɔ kple ame bubu aɖeke o.
Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ eya ŋutɔ ƒe vodadawo kple eya ŋutɔ ƒe agbawo elabena mía dometɔ aɖeke mede blibo o!
Ame siwo wofia Mawu ƒe nyae la nama woƒe nu nyuiwo kple woƒe nufialawo.
Migable mia ɖokuiwo o. Miɖo ŋku edzi be ame aɖeke mate ŋu aflu Mawu o. Nu si ame ƒãna la eya kee wòŋena ɣesiaɣi.
Ne eƒã eya ŋutɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo ƒe ku la, ekema ele nu vɔ̃wo ƒe ku ƒãm eye le nyateƒe me la, aŋe gbegblẽ ƒe ku. Ke ne eƒã gbɔgbɔmekuwo la, aŋe agbe mavɔ si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la anɛ.
Migana míagbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o, elabena ne míegbɔdzɔ o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.
Eya ŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nyui na amewo katã, vevietɔ na nɔvi dzixɔsetɔwo.
Matsɔ nye ŋutɔ nye asi aŋlɔ nuwunya mamlɛ siawo na mi. Mikpɔ ale si wòle be mana nye ŋɔŋlɔdzesiwo naloloe ɖa!
Miaƒe nufiala siwo le agbagba dzem be yewoana miatso aʋa la, le agbagba dzem le nu ɖeka ko ta: eyae nye be yewoadze amewo ŋu eye womagati yewo yome, abe ale si wòanɔ ne woaʋu eme be Kristo ƒe atitsoga koe ate ŋu aɖe mí ene o.
Menye ame siwo wotso aʋa na gɔ̃ hãe wɔa sea dzi o, ke wodi be woatso aʋa na mi ale be woaƒo adegbe le miaƒe ŋutilã ŋu.
Mawu neɖi be nyemaƒo adegbe le naneke ŋu o, negbe le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe atitsoga la ŋu ko, nu si me woto klã xexeame ɖe ati ŋuti nam eye woklã nye hã ɖe ati ŋuti na xexeame.
Gɔmesese aɖeke megale aʋatsotso kple aʋamatsɔmatso ŋu o: nu si le vevie lae nye nuwɔwɔ yeye zuzu.
Mawu ƒe ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ nanɔ anyi kple ame siwo katã wɔa se sia dzi, eye woanɔ anyi kple Mawu ƒe Israel hã.
Mlɔeba la migana ame aɖeke naɖe fu nam le nu siawo ŋuti o elabena Yesu ƒe dzesiwo le nye ŋutilã ŋu.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ, Amen.

Holder of rights
Multilingual Bible Corpus

Citation Suggestion for this Object
TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. Galatians (Ewe). Galatians (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-970C-1