1

Nɔvinye lɔlɔ̃tɔ siwo le Korinto, agbalẽ sia tso nye Paulo, ame si Mawu ŋutɔ tia be manye Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla kple nɔvinye Timoteo gbɔ na mi. Míele agbalẽ sia ŋlɔm na miawo ɖeɖe ko o, ke boŋ míele eŋlɔm na nɔvi siwo hã le Akaya blibo la katã.
Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple ŋutifafa nagba go ɖe mia dzi duu.
Woakafu Mawu ame si nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, nublanuikpɔkpɔ Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu la,
ame si fa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me, ale be míawo hã míate ŋu afa akɔ na ame siwo le xaxa me kple akɔfafa si míawo ŋutɔ míexɔ tso Mawu gbɔ.
Abe ale si Kristo ƒe fukpekpewo gena ɖe míaƒe agbemee ene la, nenema kee to Kristo me míaƒe akɔfafa hã gba goe.
Ne míexaxa la, miawo ƒe akɔfafa kple ɖeɖe tae; ke ne wofa akɔ na mí la, miawo ƒe akɔfafa tae, esia dea dzigbɔgbɔblewuu miame be miawo hã mietea ŋu kpea fu siwo miekpena.
Míaƒe mɔkpɔkpɔ na mi like goŋgoŋgoŋ, elabena míenyae bena, abe ale si miekpɔ gome le míaƒe fukpekpewo me ene la, nenema ke miakpɔ gome le míaƒe akɔfafa hã me.
Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo mebu be ele be magblɔ fu siwo míekpe le Asia la na mi. Woƒo mí eye wowɔ fu mí ale gbegbe be míawo ŋutɔ gɔ̃ hã míebu mɔkpɔkpɔ ɖe sia ɖe be míatsi agbe.
Míebu be míele kuku ge elabena míekpɔ be wɔna aɖeke meganɔ mía ŋu o gake míetsɔ nu sia nu gblẽ ɖe Aƒetɔ si tea ŋu wɔa nu sia nu eye wòfɔa ame kukuwo gɔ̃ hã tso yɔdo me la sime.
Vavã, Mawu ɖe mí tso ku dziŋɔ aɖe sime, ale míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi be aɖe mí tso fukpekpe ɖe sia ɖe me ɖaa.
Eya ta mi katã miwɔ ɖeka ne miado gbe ɖa ɖe mía ta vevie. Zi ale si miedo gbe ɖa eye mieɖe kuku ɖe mía ta la, zi nenema ke miagada akpe na Aƒetɔ la ɖe eƒe ŋuɖoɖo si na be míenɔ dedie la ta.
Ke míawo hã, adegbe si míeƒona lae nye be, míeléa mía ɖokuiwo nyuie le xexe sia me, eye le mia dome hã la, míezɔna le dzitsinya kɔkɔe nu, míewɔ mía ɖokuiwo dzadzɛ eye míetoa nyateƒe le nu sia nu me. Ke menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ mee míewɔ esiawo le o, ke boŋ wo katã tso Aƒetɔ la gbɔ.
Elabena míeŋlɔ nya bubu aɖeke na mi, si miate ŋu axlẽ alo ase egɔme o. Mele mɔ kpɔm be
abe ale si miese míaƒe nya gɔme afã kple afãe ene la, miava se egɔme blibo ale be miate ŋu aƒo adegbe le mía ŋu abe ale si míaƒoe le mia ŋu le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkeke la dzi ene.
Esi meka ɖe miaƒe nugɔmesese dzi tae medi be mava mia gbɔ gbã le nye mɔzɔzɔ me, ale be miagaxɔ yayra ɖe yayra dzi.
Tso mia gbɔ la, mayi Makedonia eye ne metrɔ tso Makedonia la magava to mia gbɔ ale miado mɔm ne medzo yina Yudea.
Đewohĩ mianɔ biabia be, ɖe metrɔ ɖoɖo si mewɔ gbã la alo ɖe mele nu wɔm abe xexeametɔ siwo menya Kristo o la ene, ame siwo ne, nya lae nye “ẽ” la, wogblɔna be “ao” hã?
Gbeɖe, mele eme nenema o. Abe ale si Mawu nye nyateƒetɔ ene la, nyemenye ame ma ƒomevi o. Nye “ẽ” nye “ẽ”.
Elabena Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, ame si ŋu nye Paulo, Silvano kple Timoteo míeɖe gbeƒã le na mi la, menye ame si ne nya lae nye “ẽ” la, wògblɔ be “ao” o. Aƒetɔ Yesu Kristo wɔna ɖe nu sia nu si wògblɔ la ko dzi.
Aƒetɔ Yesu Kristo kpɔna hã be Mawu ƒe ŋugbedodo ɖe sia ɖe va eme pɛpɛpɛ. Ne ŋugbedodoawo wu akpe nanewo hã la, wovaa eme na mí to Kristo dzi hena Mawu ƒe kafukafu.
Medi be wòanɔ susu me na mi bena, Mawue wɔ mí kple miawo hã bena míezu kristotɔ vavãwo eye wòtia mí abe eƒe apostolowo ene be míaɖe gbeƒã nyanyui la.
Eya ame si de dzesi mí abe viawo ene, eye wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de míaƒe dziwo me abe kpeɖodzi ene be míenye etɔwo eye abe nu siwo wòle míana ge la ƒe akpa gbãtɔ ene.
Azɔ la, meyɔ Mawu tso nye dzime ke abe ɖase ene bena nu si gblɔm mele na mi la enye nyateƒe tututu; susu si ta nyemeva mia gbɔ haɖe o lae nye be nyemedi be mava ka mo na mi eye mawɔe be miaxa nu o.
Menye ɖe míegale amegã ɖum ɖe mia dzi hele se dem na mi tso nu si ke miaxɔ ase la ŋuti o, elabena mienya nu si dze be miaxɔ ase, eyae nye Kristo ame si dzi miexɔ se hã. Togbɔ be ne meva la nyemate ŋu akpe ɖe mia ŋuti, adzi míaƒe xɔse ɖe edzi o, elabena miaƒe xɔse sɔ gbɔ xoxo hã la, medi be mawɔ nane si ado dzidzɔ na mi ne meva, menye be mana mialé blanui o.

2

Ke azɔ la, nye ŋutɔ meɖoe be nyemagava mia gbɔ kple nu si agahe nuxaxa vɛ na mi o.
Elabena ne megade nuxaxa miaƒe dzi me la, miete ŋu le dzidzɔ do ge nam le mia gbɔnɔnɔ me o; evɔ ame bubu aɖeke hã meli si ado dzidzɔ nam tsɔ wu miawo o.
Esia tae meŋlɔ agbalẽ ma na mi ale be miaɖɔ nuwo ɖo hafi mava, elabena nyemedi be makpɔ naneke le mi ame siwo ŋu meɖoa ŋu ɖo be miado dzidzɔ geɖe nam la ŋu si ade nuxaxa nye dzime o. Menyae nyuie bena ne meva mia gbɔ le dzidzɔ me la ekema miawo hã miakpɔ dzidzɔ geɖe.
Nuxaxa kple veve geɖe nɔ nye dzime, eye aɖatsiwo ge le mo nam gɔ̃ hã le agbalẽ ma ŋɔŋlɔ me, eye menye ɖe meŋlɔ agbalẽ la be mana miaxa nu o, ke boŋ meŋlɔe be mana miadze si nu masɔmasɔ siwo le edzi yim le mia gbɔ kple ale si melɔ̃ mii vevie.
Ne ame aɖe he nuxaxa vɛ la, menye nyee wòdo nuxaxa na o ke boŋ mi katãe, mele egblɔm alea be nyemagate gbe ɖe dzi fũu o.
Eya ta tohehe si ame akpa gãtɔ da ɖe nenem me sia dzi la sɔ gbɔ nɛ.
Azɔ ele be miatsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee eye miafa akɔ nɛ. Ne menye nenema o la, ase veve eye dzi aɖe le eƒo ale gbegbe be wòatrɔ ɖa tso nyateƒe la gbɔ.
Meɖe kuku na mi, miɖee fiae azɔ be miegalɔ̃e pɛpɛpɛ abe tsã ene.
Meŋlɔ agbalẽ ma na mi be makpɔe ɖa be, miele klalo awɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi eye be makpɔe ɖa be toɖoɖo gbɔgbɔ le mia me mahã?
Nu si mietsɔ ke ame aɖe la, nye hã metsɔe kee, eye edze be nye hã matsɔe ke le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ me hena miaƒe nyonyo ko.
Susu bubu si ta wòdze be miatsɔ nu vɔ̃ ake amewo lae nye be miaxe mɔ na Satana be wòagaɖu mia dzi ahe tɔtɔ va mia dome o, elabena mí katã míedze si ale si wòdi be yeade zitɔtɔ hamewo dome.
Esi meva Troa be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la le afi ma la, mekpɔ be Aƒetɔ la ŋutɔ ʋu mɔ nam be dɔ la nayi edzi nyuie.
Gake metsi dzi le ɖokuinye me, elabena nyemekpɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔ Tito le afi ma o, gawu la nyemenya afi si wònɔ kple nu siwo nɔ dzɔdzɔm ɖe edzi o. Medo taflatse na Troatɔwo eye medzo le afi ma heyi Makedonia.
Ke akpe na Mawu be to nu si Kristo wɔ me la míekpɔ dziɖuɖu eye míekaka nyanyui la abe ami ʋeʋĩ si ʋẽna lililĩ ene ɖe amewo dome le afi sia afi si míeyi.
Elabena Mawu wɔ mí míezu ami si ʋẽna lililĩ la eye Kristo ƒe ʋeʋẽ lililĩ si wòtsɔ de mía me la kaka ɖe ame siwo katã kpɔ xɔxɔ kple ame siwo mekpɔe o siaa dome.
Nunana nyui si Kristo tsɔ na mí la ɖi ku ƒe ʋeʋẽ na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m. Ke le ame siwo xɔ Kristo dzi se ya gbɔ la, míenye ʋeʋẽ lililĩ si naa agbe. Azɔ biabia lae nye be, ame ka ŋu ŋutete le be wòawɔ Aƒetɔ la ƒe dɔ siawo?
Míawo la míele abe ame siwo tsɔ mawunya la ɖo ŋgonu hele amewo blem, le ga xɔm le wo si la ene o. Esi wònye Mawue dɔ mí ta la, míeƒoa nu kple Kristo ƒe ŋusẽ la eye Mawu ƒe ŋku le mía ŋu ɖaa.

3

Ke nya siwo meŋlɔ na mi la, ɖe wodze abe míele mía ɖokui kafum enea? Míawo la míele abe aʋatsonufiala mawo siwo xɔa kafukafugbalẽwo tsoa amewo gbɔ va nɔa mia fiam la ene o; míawo ya kafukafugbalẽ aɖeke mehiã mí o.
Fifia la ame sia ame le afi sia afi kpɔe dze sii azɔ be Kristo to mia dzi wɔ dɔ nukutɔe le mia dome, eye miezu ame yeyewo. Elabena miedzudzɔ agbe vlo nɔnɔ eye mieva nyateƒe ƒe kekeli la gbɔ, esia ɖeɖe si amewo kpɔ le mia ŋuti la nye agbalẽ blibo si woaxlẽ.
Amewo akpɔe be miezu agbalẽ si tso Kristo gbɔ to mía dzi. Menye agbalẽ si woŋlɔ kple nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi o ke boŋ esi wotsɔ Mawu gbagbe la ƒe Gbɔgbɔ ŋlɔe ɖe miaƒe dziwo me, ke menye ɖe nuŋlɔkpewo dzi o.
Míele nya siawo gblɔm kple kakaɖedzi, elabena míeɖo ŋu ɖe Mawu ɖeka hɔ̃ la ko ŋu to Aƒetɔ Yesu Kristo me be akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe nu sia nu si míagblɔ la dzi.
Míawo la ŋusẽ aɖeke mele mía si si míate ŋu atsɔ awɔ nu siawo katã o, ke míaƒe ŋusẽ kple dzidzedzekpɔkpɔ la tso Mawu gbɔ.
Mawu nye ame si de dɔ sia asi na mí bena míaɖe gbeƒã nubabla yeye si wòwɔ be ame sia ame nakpɔ agbe mavɔ la. Nubabla yeye sia to vovo sãa tso xoxoa si nye be ame nadze agbagba awɔ ɖe Se Ewoawo dzi la gbɔ, ke yeyetɔe nye be míasubɔ Mawu le Gbɔgbɔ me. Elabena Gbɔgbɔ lae gbɔa agbe ame, ke seawo ɖeɖe ko dzi wɔwɔ kplɔa ame yia ku me.
Enye nyateƒe be Mose xɔ se siwo ɖeɖe dzi wɔwɔ hea ku vɛ la, le ŋutikɔkɔe gã aɖe me. Eye esi wòtrɔ gbɔ va Israelviwo gbɔ kple seawo la, keklẽ gã aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be eƒe amewo mete ŋu kpɔ eƒe ŋkume gɔ̃ o gake ŋutikɔkɔe ma nu va yi xoxo.
Ke azɔ la ɖe míakpɔ mɔ na dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe geɖe wu le esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le amewo xɔm ɖe agbe le ŋkeke siawo me oa?
Ne ŋutikɔkɔe geɖe ƒo xlã se siwo hea ku vɛ la, ekema ŋutikɔkɔe geɖe wu ŋutɔe aƒo xlã nubabla yeye si Mawu wɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ la me.
Le nyateƒe me la ŋutikɔkɔe ma si klẽ tso Mose ƒe ŋkume la menye naneke ne woatsɔ asɔ kple esi ƒo xlã Mawu ƒe nubabla yeye la o.
Eya ta ne nu xoxo si nu va yi la kpɔ ŋutikɔkɔe nenema la, ekema Mawu ƒe nubabla yeye si hea agbe mavɔ vɛ la ƒe ŋutikɔkɔe la mele gbɔgblɔ me o, elabena eya anɔ anyi tegbetegbe.
Esi míenya be nubabla yeye sia kple eƒe ŋutikɔkɔe la li tegbee ta la, dzika metsoa mía ƒo o, eye míegblɔa nya la kple dzideƒo.
Míawo ya la, míawɔ abe ale si Mose wɔ esi wòtsɔ nu tsyɔ mo be Israelviwo nagakpɔ keklẽ la kple ale si wonɔ bubum le mo nɛ la ene o.
Va se ɖe egbe ŋkeke dzi la, menye Mose ƒe mo ko wotsyɔ nui o, ke boŋ Israelviwo hã ƒe susuwo kple nugɔmesese dzie, elabena wogaɖoa dzi ɖe seawo ŋu eye woxlẽnɛ ɖaa abe nu si ko me woƒe mɔkpɔkpɔ le ene, evɔ wònye to Kristo dzixɔxɔse me ko hafi woate ŋu adzo le vivitia me eye agbe ƒe kekeli la nadze na wo.
Eye va se ɖe fifia ne woxlẽ Mose ƒe Se Ewoawo la, woƒe ŋkuwo meʋu o elabena wobuna be seawo dzi wɔwɔ koe ana agbe yewo.
Ke gbe si gbe wo dometɔ aɖe trɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi eye wòxɔ Kristo abe Aƒetɔ ene la, ekema nu si tsyɔ mo nɛ ta wòle viviti me la ɖena ɖa enumake.
Aƒetɔ la ŋutɔe nye Gbɔgbɔ si naa agbe wo eye afi si Aƒetɔa ƒe Gbɔgbɔ le ko la ablɔɖe vavã hã nɔa afi ma.
Ke mí ame siwo katã xɔ Yesu Kristo abe Aƒetɔ ene eye míeɖo dzi ɖe eya ɖeɖe ko ŋu la, nutsyɔnu aɖeke mele míaƒe mowo o eya ta míele abe ahuhɔ̃e si ɖea Aƒetɔ la ƒe keklẽ kple ŋutikɔkɔe fĩana la ene. Eye zi ale si Kristo ƒe Gbɔgbɔ la le dɔ wɔm le mía me la, etrɔa mí be míaɖi Kristo le eƒe ŋutikɔkɔe me.

4

Mawu ŋutɔ ƒe nublanuikpɔkpɔ mee wòtso be wòtsɔ dɔ sia de asi na mí be míaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ kple agbe yeye nɔnɔ na ame sia ame. Eya tae ɖeɖi metea mía ŋu le ewɔwɔ me o.
Míeblua afɔ na Mawu ƒe nya la o, ke boŋ ale si ame geɖewo nyae ene la, míetsia tsitre ɖe Mawu ƒe ŋusẽ me eye míegblɔa nyateƒenya vavãtɔ la na ame sia ame. Le Kristo me la, míeɖe vivitimenuwɔnawo kple ŋukpenanuwɔwɔwo katã ɖa eye míegbe nu le alakpadada gbɔ helé nyateƒe la ko me ɖe asi.
Eya ta ne Kristo ƒe nyanyui si míele gbeƒã ɖem la gɔmesese sesẽ na ame aɖewo la, ekema ame siwo dze tsɔtsrɔ̃mɔ dzi la koe wòanɔ na nenema.
Satana ame si le dzi ɖum le xexe vɔ̃ɖi sia me fifia lae gbã dzimaxɔsetɔwo ƒe ŋkuwo eye wòtsyɔ nu woƒe susuwo dzi. Ewɔ esia be womagakpɔ kekeli si tso nyanyui la me le keklẽm ɖe wo dzi la eye woase nu si gblɔm míele tso Kristo si nye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ŋu la gɔme o.
Menye mía ŋutɔ ɖokuiwo ŋutie míele gbeƒã ɖem le na mi o, ke boŋ Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutie, eye eya koe dze be míasubɔ. Nya siwo ko míegblɔna tsoa mía ɖokuiwo ŋuti na mi koe nye be Kristo ƒe amedɔdɔwoe míenye ɖe nu gã siwo wòwɔ na mí la ta.
Mawu ame si gblɔ be: “Kekeli neklẽ ɖe viviti me la,” kee nye ame si klẽ ɖe míawo hã ƒe dzi me. To esia wɔwɔ me la, ena be míexɔ kekeli la ƒe sidzedze, si nye eƒe ŋutikɔkɔe si klẽna tso Kristo me.
Ke kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, be wòaɖee fia be ŋusẽ triakɔ sia metso mía gbɔ o, ke boŋ Mawu gbɔe wòtso.
Womimi mí ɖo le go sia go me, gake womegbã mí o, míetɔtɔ gake dzi meɖe le míaƒo o,
woti mía yome gake womegblẽ mí ɖi o, woƒo mí ƒu anyi, gake wometsrɔ̃ mí o.
Yesu ƒe ku le míaƒe ŋutilã me míele yiyimee gbe sia gbe, be woaɖe Yesu ƒe agbe hã ɖe go le míaƒe ŋutilã me.
Elabena wotsɔ mí ame siwo le agbe la de asi na ku gbe sia gbe le Yesu ta, be woaɖe eƒe agbe ɖe go le míaƒe ŋutilã si le kuku ge la me.
Eya ta, ku le dɔ wɔm le mía me, gake agbe le dɔ wɔm le miawo me.
Esi míenya be Mawu tsɔa beléle tɔxɛ na mí ta la, míawo hã míeɖea gbeƒã Kristo ame si dzi míexɔ se la kple dzideƒo, abe ale si Psalmowoŋlɔla gblɔe ene be: “Mexɔe se, eya ta meƒo nu ɖo” la, nenema ke míawo hã míexɔe se eya ta míadzudzɔ nuƒoƒo o.
Míenya be Mawu ame si fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, afɔ míawo hã kple Kristo ɖe tsitre eye wòatsɔ mí kple miawo siaa nɛ.
Míaƒe fukpekpe siawo katã nye viɖe geɖe na mi, eye zi ale si míeɖe gbeƒã Mawu ƒe amenuveve sia na ame geɖewo eye wokpɔ gome le eme la zi nenema ke woatsɔ kafukafu kple akpedada na Aƒetɔ la.
Esia tae ɖeɖi metea mía ŋu o eye míana ta o. Togbɔ be míaƒe ŋutilãwo le gbɔdzɔgbɔdzɔm hã la, ŋusẽ si tso Aƒetɔ la gbɔ eye wòle mía me la, le tsitsim ɖe edzi gbe sia gbe.
Xaxa kple fuwɔame siwo katã le mía dzi vam fifia la nu gbɔna yiyi ge kpuie. Eye le esia teƒe la, Mawu ana eƒe yayrawo kple ŋutikɔkɔe geɖe mí ɖaa tso mavɔ me yi mavɔ me.
Susu sia tae míetsɔa nu siwo kpɔm míele fifia la dea ta me o. Ke boŋ míetsɔa míaƒe susuwo gblẽna ɖe nu siwo le Aƒetɔ la gbɔ, siwo ke míekpɔ haɖe o la dzi. Elabena fukpekpewo katã nu ava yi kpuie, ke dzidzɔ si gbɔna tso Aƒetɔ gbɔ la anɔ anyi tegbee.

5

Míenyae bena ne wokaka míaƒe anyigbadzixɔ siwo nye míaƒe ŋutilãwo la, Mawu ana ŋutilã yeye, makumaku mí le dziƒo. Eye xɔ yeye siwo Mawu ana mí la menye amegbetɔwo ƒe asinudɔ o, ke Mawu ŋutɔe tui.
Míele fu kpem ŋutɔ le míaƒe anyigba dzi ŋutilã siawo me, eya tae wòle mía dzrom vevie eye míele mɔ kpɔm na gbe si gbe Aƒetɔ la atsɔ dziƒoŋutilã yeyewo ava do na mí abe awu ene.
Elabena menye gbɔgbɔme ko míanɔ o, ke boŋ Mawu ado awu na mí esi nye dziƒoŋutilã la.
Zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me ko la zi nenema ke míekpea fu siwo hea hũɖeɖe kple vevesese vaa mía dzi. Menye ɖe míebe míadzo kaba le anyighbadziŋutilã sia me o, ke boŋ míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be Aƒetɔ la natsɔ dziƒotɔ si nye agbe la atsyɔ na mí, bena wòaɖu esi me míele fifia si gblẽna la dzi.
Mawu ŋutɔe ɖoe be tɔtrɔ sia nava míaƒe agbenɔnɔ me eya tae wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de mía me abe kpeɖodzinu ene.
Azɔ la míele mɔ kpɔm kple dzideƒo na dziƒoŋutilã yeye sia xɔxɔ. Míenyae bena zi ale si míegale anyigbadziŋutilã me le afi sia la, míeɖo Aƒetɔ la gbɔ le dziƒo haɖe o.
Míenyae bena esiawo katã le eme vavã to xɔse me ke menye to nukpɔkpɔ kple ŋku me o.
Ke dzideƒo blibo le mía si eye wòdzroa mí gɔ̃ hã be míadzo le anyigbadziŋutilã sia me aɖanɔ Aƒetɔ la gbɔ le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe mavɔ la me.
Ke míaƒe didi vevi enye be ne míele agbe le anyigbadziŋutilã sia me alo míele egbɔ le dziƒo la míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me.
Elabena mí katã míava tsi tre ɖe Kristo ŋkume gbe ɖeka, bena wòadrɔ̃ ʋɔnu mí eye wòadzro míaƒe agbenɔɣinuwɔnawo me tsitotsito. Eye wòaxe fe na ame sia ame pɛpɛpɛ ɖe ale si wònɔ agbe le anyigba dzii la nu. Ne èwɔ nu nyui la, ãxɔ fetu nyui eye ne èwɔ vɔ̃ la, ãxɔ fetu vɔ̃.
Mawuvɔvɔ̃ si le mía me tae míeɖea gbeƒã eye míeƒoa dzimetɔtrɔ ƒe nya la ɖe amewo katã nu be woava Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔ nya bena míele dɔ sia wɔm kple dzimekɔkɔ; eye mexɔe se be miawo hã mienyae nenema tututu.
Menye mía ɖokui kafum míele alo menye mía ɖokui dom míele ɖe dzi o, ɖe ko míedi be miada ɖe mía dzi abe ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe amedɔdɔ vavãwo ene. Eye miate ŋu atsɔ mí aƒo adegbee alo aɖo nya ŋu na nufiala alakpatɔ siwo le mia dome, ame siwo ƒe susu koe nye be yewoƒe dzedzeme nanya kpɔ nyuie le amewo gbɔ ko, ke woƒe dziwo me do viviti tsiɖitsiɖi.
Ne nya siawo sese ɖi le miaƒe towo me abe ɖe míaƒe susuwo da ene la, ekema le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la tae. Ke ne miedze sii be míaƒe nyawo meɖi ame siwo ƒe tagbɔ tɔtɔ tɔ o la, ekema aɖe vi geɖe na mi.
Menye mía ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ tae míele nu sia nu si wɔm míele la wɔm o; míele ewɔm elabena Kristo ƒe lɔlɔ̃ le mía kplɔm. Esi míexɔe se bena Aƒetɔ Yesu Kristo ku ɖe mí katã ta la, ele be míawo hã míaxɔe se be míeku na agbe xoxo siwo míenɔna tsã la.
Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖo lae nye be mí ame siwo le agbe fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuvevenunana si nye agbe mavɔ la me la, míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la, eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu ko.
Eya ta tso fifia dzi heyina la migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke le ŋutilã nu be, ame sia nye amegã alo bubume alo be nɔvi kristotɔ aɖe nye nu vɔ̃ wɔla o. Ŋku ma ƒomevie míetsɔ kpɔ Kristoe tsã be enye vɔ̃wɔla. Gake fifia la meganye nenemae míegale ekpɔmii o.
Ne ame aɖe xɔ Kristo abe eƒe Aƒetɔ ene la, Kristo tsɔa agbenɔnɔ yeye dea amea me. Agbenɔnɔ vɔ̃ɖi xoxotɔ si wònɔna tsã la nu va yina, eye wòdzea agbe yeye nɔnɔ gɔme.
Nu siawo katã tso Mawu dɔmenyotɔ la gbɔ, ame si gbɔ agbe míawo hã eye wògawɔa mí etɔwoe to Kristo dzi. Mawu ŋutɔ tsɔ dɔ nyui sia de asi na mí be míakplɔ ame bubuwo hã va egbɔe be wòakpɔ nublanui na wo eye woawɔ ɖeka kplii.
Gbeƒã si ko ɖem míele fifia lae nye be Mawu, to Kristo dzi le xexeame katã kpem va eɖokui gbɔe. Mãgaɖo ŋku amewo ƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o, ke boŋ ãtsɔ wo ake wo eye wòatutu wo ɖa keŋ. Nukunya siae wòde asi na mí be míagblɔ na amewo katã.
Eya ta míawo la, Kristo ƒe amedɔdɔwoe míenye, eye Mawu le nu ƒom na mi to mía dzi. Míeto Kristo dzi hele kuku ɖem na mi be ame sia ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye wòaxɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ si wòna be ne wòawɔ ɖeka kplii.
Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dɔmenyo kple amenuveve ɖo eteƒe na mí katã.

6

Esi mí kata míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, míele kuku ɖem na mi bena migado vlo Mawu ƒe amenuveve la o.
Elabena Mawu gblɔ be, “Meɖo to wò le nye amenuveɣi la, eye mekpe ɖe ŋuwò le xɔxɔgbe la.” Mele egblɔm na wò be fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa fifi enye xɔxɔgbe!
Míedi be ame aɖeke nakpɔ vodada le dɔ si wɔm míele na Aƒetɔ la ŋu o.
Eya ta le xaxawo, hiãkamewo kple yometiti geɖewo me hã la míedoa dzi eye míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔla vavãwo ene.
Woƒo mí eye wode mí gaxɔ me, ame siwo lɔ veve helihelĩ ɖe dzime la tso ɖe mía ŋu kpɔ, míewɔ dɔ sesĩe ale be ɖeɖi te mía ŋu kpɔ; míetsia zãdomadɔlɔ̃e eye dɔ wua mí.
Le nu sia nu me la, míeɖea mía ɖokuiwo fiana abe mawuviwo ene eye míenɔa anyi le dzadzɛnyenye me. Míegbɔa dzi ɖi eye míenyoa dɔme na ame sia ame. Ale si míedze si Aƒetɔ lae ŋu míezɔna ɖo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ mí fũu eye míezɔna le eme kple lɔlɔ̃ si me alakpa mele o.
Míezɔna le Mawu ƒe nyateƒe kple eƒe ŋusẽ me, esi nana be míekpɔa dziɖuɖu ɣesiaɣi. Eye ame dzɔdzɔewo ƒe aʋawɔnu siwo le nuɖusime kple miame la le mía si.
Nenye be amewo de bubu mía ŋu alo do ŋukpe mí, nenye be wodzu mí alo kafu mí eye wose nyateƒe si gblɔm míele gake wogbe be yewomaxɔe o, eye wobu mí abe alakpatɔwo ene hã la, Aƒetɔ la ko míanɔ agbe na.
Xexeametɔwo mebua mí ɖe naneke me o, gake Mawu ya nya mí nyuie. Míele kudo nu ɣesiaɣi, gake kpɔɖa, míele agbe wu nu sia nu. Wode abi mía ŋu gake mieku o.
Míaƒe dziwo sea veve ŋutɔ eye míeléa blanui, gake Aƒetɔ la tsɔa eƒe dzidzɔ dea mía me. Míenye kesinɔtɔ le xexeamenuwo me o, gake míenaa gbɔgbɔmenunana xɔasiwo. Míedzena abe ame siwo si naneke mele o la ene gake nu sia nu nye mía tɔ to Kristo me.
Nɔvi Korinto hametɔ lɔlɔ̃awo, meʋu nye dzi me faa gblɔ nu siwo le eme la na mi. Míelɔ̃a mi ŋutɔ eya ta
míeɣla naneke ɖe mi o, ke boŋ míelɔ̃ mi tso dzi blibo me gake ewɔ nuku ŋutɔ be mieʋu miaƒe dziwo me ɖe mía ŋu abe ale si míawo míewɔe na mi ene o.
Azɔ la medi be maƒo nu na mi abe vinye ŋutɔ ŋutɔwo ene. Mina be miaƒe dɔme nakɔ ɖe mía ŋu, eye mialɔ̃ mí tso dzi blibo me abe ale si míelɔ̃ mii ene.
Migawɔ ɖeka kple ame siwo melɔ̃a Aƒetɔ la o. Ƒomedodo kae le xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo dome? Eye ale ke kekeli kple viviti ate ŋu anɔ teƒe ɖekae le ɣeyiɣi ɖeka me?
Ale ke Kristo si nye dzɔdzɔetɔwo ƒe fia kple Abosam si nye nu vɔ̃ wɔlawo ƒe fia la ate ŋu awɔ ɖekae? Eye ale ke kristotɔ hã ate ŋu awɔ ɖeka kple abosamtɔ?
Nenema ke mele be ɖekawɔwɔ aɖeke nanɔ gbedoxɔ kple trɔ̃xɔ dome o. Míawoe nye Mawu gbagbe la ƒe gbedoxɔ, afi si wònɔna. Mawu ŋutɔ gblɔ bena, “Manɔ ame siwo nye tɔnyewo la dome, mazɔ le wo dome. Manye woƒe Mawu eye woawo hã woanye nye dukɔ.”
Esia tae Aƒetɔ la gblɔ be, “Vinyewo mido go ɖa le wo dome, eye miaɖe vovo ɖa tso wo gbɔ le nu sia nu me. Migade asi woƒe nu si wo ŋuti mekɔ o, alo nu ƒoɖi siwo wowɔna la ŋuti o, ekema maxɔ mi abe tɔnyewo ene;
manye mia Fofo eye miawo hã mianye vinye ŋutsuwo kple vinye nyɔnuwo.”

7

Ke azɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo esi Mawu do ŋugbe gã siawo na mí ta la, mina mía dzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ. Eye míate ɖa xaa tso nu siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ la gbɔ, eye míanɔ agbe kɔkɔewo to Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, alé eƒe nyawo me ɖe asi sesĩe.
Le míaƒe dɔwɔwɔ me kpli mi la míekplɔ ame aɖeke to mɔ tatra aɖeke dzi o, míeba ame aɖeke alo gblẽ ame aɖeke ƒe naneke o eya ta miʋu miaƒe dziwo ƒe ʋɔtruwo ne miaxɔ mí ɖe eme.
Nyemele esiawo gblɔm be matsɔ fɔbubu aɖeke ada ɖe mia dzi o, elabena megblɔ va yi xoxo be mena teƒe mi le nye dzi me tegbee be manɔ agbe kpli mi eye maku hã kpli mi.
Meɖoa dzi ɖe mia ŋu ŋutɔ eye medana ɖe mia dzi hã ŋutɔ eye togbɔ be nuxaxa kple vevesese geɖe le dzinye hã la, ne meɖo ŋku mia dzi ko la, dzideƒo ɖoa asinye eye dzidzɔ yɔa menye taŋtaŋtaŋ.
Míekpɔ ŋutifafa aɖeke esi míeva ɖo Makedonia o, fukpekpewo sɔŋ koe ƒo xlã mí. Amewo do dzre na mí to mɔ ɖe sia aɖe dzi, eye vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi yɔ mía me fũu ŋutɔ.
Ke Mawu, ame si ŋutɔ dea dzi ƒo na ame siwo ƒo dzi ɖe le la, de dzi ƒo na míawo hã esi Tito va ɖo mía gbɔ.
Menye esi wòva ɖo mía gbɔ dedie la ɖeɖe koe na be míekpɔ dzidzɔ o, ke boŋ nya siwo keŋ wògagblɔ nam tso mia ŋuti tae; ale si miexɔe nyuie, ale si wònye miaƒe didi be yewoakpɔm, eye ale si wove mi ŋutɔ be mele fu geɖe kpem kple ale si miele klalo be yewoalé nu siwo mefia mi la ko me ɖe asi la, na megli kple dzidzɔ.
Fifia la megavem be meŋlɔ agbalẽ sesẽ ma ɖo ɖe mi o, togbɔ be mexa nu geɖe le eŋu le gɔmedzedzea me hã la, menya be miawo hã miexa nu ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
Azɔ la mekpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe bena meɖo agbalẽ ma ɖe mi. Nyemele dzidzɔ kpɔm bena miexa nu o, ke boŋ be agbalẽ la na miedzudzɔ agbe vlowo nɔnɔ eye mieva Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔe to dzinye ŋlɔ agbalẽ ma na mi be miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eya ta menye míawoe na miexa nu o.
Elabena ɣeaɖewoɣi la, Mawu nana míexaa nu be míadze si míaƒe nu vɔ̃wo eye míadzudzɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ eye míadi agbe mavɔ la. Ke ne ame aɖe menye kristotɔ o gake wòxa nu vevie le eya ŋutɔ ƒe agbe vlo nɔnɔ ta gake metrɔ zu kristotɔ o la, ayi dzo mavɔ me godoo le eƒe kugbe.
Miawo ŋutɔ mikpɔ nu si Mawu wɔ na mi to agbalẽ si meŋlɔ na mi dzi la ɖa. Ena mieku kutri eye mietsi dzimaɖi be yewoatsri nu vɔ̃ si ŋu meƒo nu le na mi la wɔwɔ. Vɔvɔ̃ ɖo mi le nuwɔna ma ta eye miedi gɔ̃ hã be mava kpe ɖe yewo ŋuti le nya sia me. Miehe to na ame siwo wɔ nu gbegblẽ sia hã vevie, eye mieɖe mia ɖokui fia be miede nu si wòwɔ la dzi o.
Eya ta ɖe meŋlɔ agbalẽa koŋ be Aƒetɔ la naɖe ale si melɔ̃na na mí la afia ke menye ɖe ŋutsu ma si xɔ fofoa srɔ̃ alo fofoa si ŋu wòda vo ɖo la koŋ ta o.
Hekpe ɖe dzideƒo si miena mí to lɔlɔ̃ si mieɖe fia mí la ŋu la, míegakpɔ dzidzɔ geɖe hã le ale si miexɔ Tito kple nu nyui siwo katã miewɔ nɛ be eƒe dzi dze eme la ta.
Hafi Tito nadzo le gbɔnye la, metsɔ mi ƒo adegbe nɛ eye meɖi ɖase nyui le mia ŋuti nɛ, eye vavã miewɔ nu siwo megblɔ nɛ tso mia ŋuti la hã nɛ. Abe ale si metoa nyateƒe na mi le nu sia nu me ene la, nenema ke me gblɔ nyateƒe tso mia ŋuti na Tito hã.
Azɔ ne Tito hã ɖo ŋku ale si mieɖo toe le nu si wòfia mi me, ale si mieɖe lɔlɔ̃ fiae kple ale si miexɔe kple dzi blibo dzi la, enana be eya hã ƒe lɔlɔ̃ na mi gadzina ɖe edzi.
Ke esi menya be ɖekawɔwɔ kple lɔlɔ̃ gaɖo mía dome azɔ la, ena be nye hã mekpɔ dzidzɔ blibo eye megaɖo ŋu ɖe mia ŋu le nu sia nu me.

8

Azɔ la nɔviwo, medi be magblɔ nu siwo wɔm Mawu le, le Makedonia hamewo me to eƒe amenuveve me la fia mi.
Togbɔ be wole fu geɖe kpem eye wonye ame dahewo hã la, wokɔ dɔme faa eye wodzɔa nu kple dzidzɔ.
Mele ɖase ɖim le hame siawo ŋuti bena wodzea agbagba dzɔa nu ŋutɔ eye wowɔnɛ wòwua ale si woate ŋui gɔ̃ hã kple dzi faa ke menye ɖe metee ɖe wo dzi be woawɔe o.
Woɖe kuku na mí be míaxɔ yewo hã ƒe nunana ale be yewo hã yewoakpɔ dzidzɔ be yewona kpekpeɖeŋu ame kɔkɔe siwo le Yerusalem.
Esi ƒo wo katã ta eye wòwɔ nuku na mí lae nye be wotsɔ wo ɖokuiwo na Kristo kple míawo hã eye wolɔ̃ be yewoaɖo to nya sia nya si míegblɔ na wo la. Wowɔ esia kple dzidzɔ geɖe ŋutɔ.
Esia ta míebia tso Tito, ame si de dzi ƒo na mi le yayra si le nunanadɔ si gɔme miedze me la, si be wòayi edzi ade dzi ƒo na mi be miawu amenuvedɔ sia nu le mia dome.
Ale si miede ŋgɔ le xɔse, nufiafia, nunya, vevidodo kple lɔlɔ̃ si mietsɔ na mí me la, nenema ke medi be mianye ame gbãtɔwo le lɔlɔ̃nunanadɔ sia hã me.
Menye ɖe mele se dem na mi alo le mia dzi zim be miawɔ nunana kokoko o, ke boŋ ale si wònye hame bubuwo ƒe didi vevie be yewoawɔ nunana alea tae medi be miawo hã miaɖe miaƒe lɔlɔ̃ afia abe hame bubuwo hã ene.
Miawo ŋutɔ mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyo gã si wòɖe fia la bena, togbɔ be kesinɔtɔ ŋutɔ wònye gake be wòawɔe bena mi ame siwo nye nublanuitɔwo kple hiãtɔwo la miava zu kesinɔtɔwo la, egblẽ eƒe kesinɔnuwo kple ŋutikɔkɔe katã da ɖi eye wòva wɔ miawo boŋ miezu kesinɔtɔwo.
Medi be maɖo aɖaŋu na mi be miado vevi nu le nunana sia me, awu nu si gɔme miedze le ƒe si va yi me la nu elabena miawoe nye ame gbãtɔ siwo do susu sia ɖa eye mieɖee fia be miele klalo ɖe ewɔwɔ ŋuti hã.
Azɔ esi miedze ʋua ƒoƒo gɔme dzidzɔtɔe alea la miaƒoe nenema va se ɖe nuwuwu. Mina nu si miate ŋui la tso nu si le mia si la me.
Ne enye miaƒe didi be yewoana nu mí la, migatsi dzi le ga home si sinu le mia si la ŋu o. Mawu ƒe didie nye be nana nu si nate ŋui ke menye wu esi le asiwo o.
Menye míaƒe didie wònye be miamia ŋku ana ga fũu be ame siwo miele nua dzɔm na la, nazu kesinɔtɔwo atsɔ miaƒe ga anɔ agbe vivi ɖum o.
Ke boŋ ɖe míedi be miama nu siwo le mia si la kpli wo. Fifia la nu geɖe le mia si, eya ta mikpe ɖe wo ŋu, ale be ne emegbe nu megava le mia si o, ke wòle woawo si la, woawo hã nakpe ɖe mia ŋu. To esia me la, ame sia ame akpɔ etɔ sinua.
Abe ale si wòle Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la mee ene be, “Ame si ƒoa ƒu nuwo fũu hã mekpɔ ɖeka ɖe edzi o, ke ame si ƒo ƒu sue aɖe la hã la naneke mehiãe o.”
Míeda akpe na Mawu bena wòdee Tito ƒe dzime be wòakpe ɖe mia ŋu axlɔ̃ nu mi le dɔ sia ƒe vevinyenye ŋuti abe nye ke ene.
Tito kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi míegblɔ nɛ be wòagava kpɔ mi ɖa. Eya ŋutɔ hã di vevie be yeava hafi míegblɔe gɔ̃ hã.
Mele nɔvi nyanyɛ bubu aɖe hã ɖom ɖa kpe ɖe Tito ŋuti le mɔzɔzɔ sia me. Hame geɖewo ɖi ɖase le ale si nɔvi sia hã kpɔ gome le Mawu ƒe amenuvevenunana la me be wòagblɔ Aƒetɔ la ƒe nyanyui la kple dzideƒo la ŋuti.
Le nyateƒe me la, hameawo tia nɔvi sia hã be eya hã nanɔ mí ame siwo le miaƒe nunanawo tsɔ ge ayi Yerusalem la dome. Míele dɔ sia wɔm be míatsɔ ade bubu Aƒetɔ la ŋuti eye míaɖe ale si wònye míaƒe didi vevie be míakpe ɖe mía nɔewo ŋuti la hã afia.
Nu si ta wòhiã be woatia amewo tso hameawo me woayi Yerusalem kple nunana lae nye be, míedi be ne ameawo trɔ gbɔ la woagblɔ ale si míema nunana gã sia la fia.
Mawu ŋutɔ nya be nuteƒewɔlawo míenye gake míedi be amewo hã nanya esia.
Míegale nɔvi bubu hã ɖom ɖe mi kpe ɖe wo ŋuti ame sia hã nye hadɔwɔla vevi ɖeka. Eya hã di vevie be yeakpe ɖe mia ŋu, esi megblɔ miaƒe vevidodo nɛ.
Đewohĩ ne ame aɖe bia mi bena ame kae nye Tito hã la, migblɔ be eya kple nye Pauloe le dɔ wɔm na Aƒetɔ la eye wònye tenyeƒenɔla le mia gbɔ. Eye ne wobia nu tso nɔvi eve bubuawo hã ŋu la, migblɔ ko be ame dɔdɔwoe wonye tso hame bubuawo me eye wonye kristotɔ vavã siwo nye Aƒetɔ la tɔ.
Meɖe kuku mitsɔ lɔlɔ̃ si le mia me ɖe ŋunye la na ame siawo hã, ale be woakpɔe be ale si meƒoa adegbe tso mia ŋuti la le eme vavã.

9

Mikpɔe be megahiã kokoko bena magaŋlɔ agbalẽ na mi le ale si wòhiã be miadzɔ nu na nɔvi siwo le Yerusalem la ŋu o.
Elabena menya ale si wònye miaƒe didi vevie be yewoawɔ lɔlɔ̃nununana sia, eye metsɔ esia ƒo adegbe na Makedonia hamewo be miele klalo kple miaƒe nunanawo abe ƒe ɖekae nye esia ene. Le nyateƒe me la, esia de dzo tɔxɛ aɖe woawo hã me be wodzea nudzɔdzɔ gɔme.
Ke mele nɔvi siawo dɔm kple miaƒe nudzɔdzɔawo vavã, elabena míetsɔ mi ƒo adegbe na amewo ŋutɔ eye nyemedi be míaƒe adegbe sia natrɔ zu alakpa o.
Eye anye ŋukpe nam ŋutɔ eye wòanye ŋukpe na miawo hã ne nɔvi siwo tso Makedonia va kplim ko wòava dzɔ be miele klalo abe ale si megblɔ na wo ene o.
Esia tae mele nɔvi siawo dɔm ɖo ɖe mia gbɔ be woakpɔ egbɔ be nu siwo ŋugbe miedo la nasɔ gbe hafi nye ŋutɔ mava. Ale be wòanye nu si miena faa tso dzime eye menye tso dzizizi me o.
Ke medi be esia nanɔ nyanya me na mi be, ame si ana nu sue aɖe la, nu si wòakpɔ ɖe eteƒe anɔ sue. Agbledela si ƒã nuku sue aɖe ko la, xaa nuku sue aɖe ko le nuxaɣi, gake nenye be wòƒã nuku wòsɔ gbɔ la axa nuku fũu le nuxaɣi.
Ale si sinu ame aɖe di be yeana ko la nenae; migazi ame aɖeke dzi be nena wu ale si wòate ŋui o. Elabena Mawu kpɔa dzidzɔ geɖe le ame siwo naa nu kple dzi faa la ŋu.
Seɖoƒe aɖeke meli na Mawu ƒe nunana si wònaa mi gbe sia gbe o. Eya ŋutɔ naa nu siwo hiãa mi la mi, eye wònanɛ le agbɔsɔsɔ blibo me be, ne miewɔ wo ŋutidɔ ʋuu hã la, agatsi anyi zã be miana ame bubuwo hã.
Ele Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me bena, “Ema eƒe nuwo na ame dahewo yi keke didiƒewo ke, eya ta eƒe dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbetegbe.”
Ke Mawu ame si naa nuku agbledela wòƒãna eye emegbe la wòyrana ɖe edzi be wòakpɔ nuɖuɖu gbe sia gbe la, ana nuku geɖewo mi be miaƒã eye wòana woatsi aʋã nyuie ale gbegbe be miakpɔ nuku geɖe le nuxaɣi be miatsɔ ɖewo ana ame bubuwo hã.
Mawu ŋutɔ ana be miazu kesinɔtɔwo ale be miate ŋu ana nu ame dahewo ɣesiaɣi, ale be ne míetsɔ wo yii na wo la, woada akpe geɖe na Mawu le ale si miekpe ɖe wo ŋu ta.
Ale miakpɔe be nu evee do go tso miaƒe lɔlɔ̃nunana si nam miele la me; woawoe nye be ame siwo hiãm nu le la kpɔ nu siwo le wo hiãm la eye woatsɔ akpedada blibo na Fofo la.
Nɔvi siwo katã ŋu miele kpekpem ɖo la makpɔ dzidzɔ le miaƒe nunana nyuiwo ɖeɖe ko ŋuti o, ke boŋ woakafu Mawu hã le ale si wòto Kristo dzi wɔ mi miezu ame yeyewo eye Kristo ɖeɖe ko le miaƒe dzime la ta. Eye miaƒe nunana hã nye kpeɖodzi be Kristo le mia me vavã.
Nɔvi siawo ado gbe ɖa ɖe mia ta vevie ada akpe gã aɖe na Fofo la le amenuvedɔ gã siwo wòwɔ na wo to mia dzi la ta.
Akpedada kple kafukafu woatsɔ ana Mawu le Via si nye nunana vavãtɔ la ta.

10

Azɔ la, nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi kple dzigbɔɖi abe ale si Kristo ŋutɔ awɔ ene. Ke mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Ne mele adzɔge la meŋlɔa agbalẽ sesẽwo na mi, gake ne meva mia gbɔ ko la menɔa anyi abe vɔvɔ̃nɔtɔ ene.”
Mele kuku ɖem na mi bena migana be makplɔ mi kple asi sesẽ ne meva mia gbɔ o. Menya be ŋusẽ le asinye mazã ɖe ame siwo buna le mia dome be amegbetɔ ƒe nunya kple ŋusẽ ko metsɔ le dɔ wɔmii la ŋu hafi gake nyemedi be mawɔ alea o.
Enye nyateƒe bena amegbetɔe menye, eye ŋusẽ aɖeke mele ŋunye o. Gake menye amegbetɔwo ƒe mɔwo kple ŋusẽ metsɔna wɔa aʋawo o.
Menye amegbetɔwo ƒe ŋusẽ míezãna o, ke boŋ Mawu ƒe ŋusẽ si tri akɔ wu nu sia nu lae míetsɔna ɖua Abosam ƒe ŋusẽwo katã dzi.
Míetsɔa Mawu ƒe ŋusẽ sia ɖua nya vlo siwo katã amegbetɔwo gblɔna ɖe Mawu ŋuti la dzi eye eyae míetsɔna gbãa gli si wòtu ƒo xlã amewo be woagadze si Mawu o. Eye to ŋusẽ sia me la, míeléa ame si dze aglã ɖe Mawu ŋuti la kluvii be wòatrɔ gbɔ va Mawu gbɔ eye míetrɔa eƒe susuwo be wòaɖo to Kristo.
Ŋusẽ ma kee míetsɔ he miawo hã va Kristo gbɔe, eye eya kee míatsɔ ahe to na mi, ame siwo me aglãdzegbɔgbɔ gale le hamea me la vevie.
Nu si le fu ɖem na mi lae nye be, mietsɔ ameŋkumekpɔkpɔ ɖo dɔe, eye miele nye hã kpɔm be ŋusẽ aɖeke mele ŋunye o. Ke medi be miase egɔme bena ne ame aɖe ate ŋu agblɔ be Krsito ƒe ŋusẽ le ye si tututu la, nye Pauloe ate ŋu agblɔ esia.
Đewohĩ la awɔ na mi abe ɖe mele adegbe ƒom akpa le Kristo ƒe ŋusẽ si wònam la ta ene. Gake nye la menye ŋukpe nam bena maƒo adegbe le Kristo ƒe ŋusẽ si wonam la ta o, elabena ɖe wòna ŋusẽ siam be matsɔ tu mii ɖe edzi, menye be matsɔ agblẽ nu le mia ŋu o.
Nyemedi be miabui bena ɖe ko mele vɔvɔ̃ dom na mi kple nye agbalẽwo o.
Mia dometɔ aɖewo gblɔ be, “Miɖe asi le Paulo ya ŋu, elabena ne ele adzɔge la eyae wòŋlɔa agbalẽ nɔa ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ dom na ame. Gake ne eya ŋutɔ va la megatea ŋu gblɔa nya mawo dometɔ aɖeke o, ke boŋ eƒoa nu abe ɖevi ene.
Menya mawunya aɖeke hã gbɔgblɔ o.” Ke medi be ame siwo le nya mawo gblɔm la, nadzra ɖo ɖi, elabena ne míeva la, ŋusẽ si míetsɔ ŋlɔ agbalẽawo la, míele eɖe ge afia wo.
Míedi be míawɔ abe ale si mia dometɔ aɖewo wɔna nɔa wo ɖokuiwo kafum, eye wonɔa nya ʋlim le wo ɖokuiwo dome be ame kae nye gãtɔ hã o. Nu siawo katã nye movidzɔdzɔ be miadi be yewoakpɔ be ame kae nye gãtɔ wu le yewo dome hã?
Ke míawo la, míaƒo adegbe le nu si le míasi la ko ŋu; nu si Aƒetɔ la de mía si be míawɔ siwo dometɔ ɖekae nye be míatsɔ nyanyui la ava mia gbɔe la koe nye míaƒe taɖodzinu.
Míedze agɔ ne míegblɔ bena ŋusẽ le mía si ɖe mia dzi o, elabena míawoe nye ame gbãtɔ siwo tsɔ Kristo ƒe nyanyui la vɛ na mi.
Eye menye ɖe míele didim be míaƒo adegbe le ame bubu ƒe dɔ si wòwɔ le mia dome la ta o, ke míaƒe didi vevie nye miaƒe xɔse natsi ɖe edzi be míate ŋu awɔ dɔ gãwo le mia dome le ɖoɖo si wona mí la nu.
Le esia megbe la, míate ŋu akpɔ mɔ atsɔ Kristo ƒe nyanyui la ayii na dukɔ siwo le adzɔge le mia gbɔ afi si ame aɖeke mede haɖe o be woawo hã nadze si Kristo. Ale be ame aɖeke nagagblɔ be yee nye ame gbãtɔ si tsɔ nyanyui la yi du ma me hafi míeva o.
Mawunya gblɔe be, “Ame sia ame si di be yeaƒo adegbe la naƒoe le nu si Aƒetɔ Yesu Kristo wɔ la ko ŋu eye menye le amea ŋutɔ ŋu o.”
Elabena ame si ƒoa adegbe le eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwo ŋuti la, medzea Aƒetɔ la ŋu o, ke ame si ƒe dɔwɔwɔ ŋu Aƒetɔ la kpɔ ŋudzedze nyui le lae nye dɔwɔla nyuitɔ.

11

Mexɔ se be miagbɔ dzi ɖi ase nye movinya siwo gblɔm mele na mi. Miɖo to ne magblɔ nye dzimenyawo na mi.
Metsi dzi vevie ɖe mia ŋu be mianye Kristo ɖeka ko tɔ, eye mialɔ̃ Kristo ɖeka hɔ̃ ko tso dzi vavã me abe ale si ɖetugbi tsɔa eƒe lɔlɔ̃ naa ŋutsu si wotsɔe na be wòaɖe la ene.
Gake mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu bena ɖewohĩ la, ame aɖe ava ble mi eye wòatrɔ miaƒe susu ɖa tso Kristo gbɔ, abe ale si da dzeaye ma ble Eva le Eden bɔ mee ene.
Nu si ta mele esiawo gblɔm lae nye be edze nam be mia beble le bɔbɔe eye ne ame aɖe va mia gbɔ va ɖe gbeƒã Yesu bubu si to vovo tso esi ŋuti míefia nu mi le la gbɔ alo wòfia nu bubu sãa mi, alo ƒo nu tso gbɔgbɔ bubu aɖe si mesɔ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si miexɔ o ŋuti la, miexɔa ame ma dzi sena bɔbɔe.
Ke nye Paulo mexɔe se be, ame siwo nɔa wo ɖokuiwo yɔm be Mawu ƒe ame dɔdɔwo yewonye la, menyo wum le mɔ aɖeke nu o.
Ne nyemeɖea ami ɖe nye nuƒo abe ale si woawo wɔnɛ ene o hã la, menya nu si tututu gblɔm mele, elabena Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ me meƒoa nu le abe ale si miawo ŋutɔ mienya ene.
Azɔ esi meva mia gbɔ eye meɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la na mi le ɖokuibɔbɔɖeanyi blibo me eye nyemexɔ naneke le mia si o la, eyae nye nu vɔ̃ si mewɔ ɖe mia ŋu eya ta miebum ɖe naneke me oa?
Le ɣeyiɣi si mele gbeƒã ɖem le mia gbɔ la, hame bubuwoe nɔ dzinye kpɔm. Ale be wòva zu be mexɔ nu siwo hame bubuwo nam la hetsɔ wɔ dɔe le mia gbɔ.
Esi menɔ mia gbɔ eye nanewo va hiãm la nyemebia mi o, ke boŋ kristotɔ siwo tso Makedonia va gbɔnye lae tsɔ nu sia nu vɛ nam. Meɖoe be nyemanye agba na mi o, eya tae nyemebia pesewa ɖeka hã va se ɖe fifia o, eye nyemabia mi hã gbeɖegbeɖe o.
Abe ale si Kristo ƒe nyateƒe la le menye ene la, ame aɖeke mate ŋu atrɔ nye susu sia o eye mana nɔvi siwo katã le Akaya nutowo me la hã nanya nu le esia ŋuti.
Ame aɖe agblɔ be ɖe nyemelɔ̃ mi kristotɔwo o eya ta megblɔ esia ɖo gake mele eme nenema o elabena Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã nya be melɔ̃ mi vevie.
Ke mawɔ nu si meɖo la dzi be matsɔ ɖe ke le miaƒe apostolo siwo le adegbe ƒom bena yewo hã Mawu ƒe dɔ ko wɔm yewole abe míawo ke ene la te.
Nenɔ nyanya me na mi bena menye Mawue dɔ alakpa aʋatsopostolo mawo o. Alakpatɔwo wonye, eye wodze agbagba ble mi be Kristo ƒe apostolowo yewonye.
Esia mewɔ nuku nam o, elabena Satana ŋutɔ hã tea ŋu trɔa eɖokui ɣeaɖewoɣi abe Mawu ƒe dɔla ene.
Eya ta menye nu wɔnuku aɖeke wònye kura be Satana ƒe dɔlawo trɔ wo ɖokuiwo abe Kristo ƒe dɔlawo ene o. Gake le nuwuwu la woahe to na wo ɖe woƒe nuwɔnawo ta.
Megale kuku ɖem na mi be migabu be ɖe nyemenya ale si maƒo nui abe ame mawo ene o eye nenye be nyemenya ale si maƒo nui abe woawo ene o hã la, miɖe mɔ nam be maƒo nu abe abunɛtɔ ene eye nye hã maƒo adegbe vie abe woawo ene.
Adegbe sia ƒoƒo menye nu si Aƒetɔ la di tso asinye be mawɔ o gake mele eƒo ge abe ale si ame tagbɔmanɔsitɔ ƒoa nui ene.
Abe ale si ame geɖewo ƒoa adegbe be yewonye ame tɔxɛwo le xexeame ene la, nenema ke nye hã mele wɔwɔ ge fĩfĩ laa.
Miebe nunyalawoe yewonyea, gake mieɖoa to lãnyawo dzidzɔtɔe.
Mielɔ̃ wotsɔ mi wɔ kluviwoe woɖoa nu siwo menyo o la na mi miewɔna, wona miekpɔ wo dzi, wowɔa wo ɖokuiwo glodzoo eye wokaa mo na mi ɖe madzɔmadzɔ dzi gake miekea nu o.
Enye ŋukpe nam be magblɔ be dzideƒo kple ŋusẽ mele asinye be maƒo nu nenema o, ke nu sia nu si ŋu woaƒo adegbe le la nye hã mate ŋu aƒo adegbe le nenema nu ma ŋu. Eye enye dada nam be megale nu ƒom abe lã ene.
Woƒoa adegbe be Hebritɔwo yewonye, nye hã Hebritɔ menye. Wobe Israelviwo yewonye, nye hã Israelvi menye, eye wobe Abraham ƒe dzidzimeviwoe yewonye, nye hã Abraham ƒe dzidzimevie menye.
Megale nu ƒom dadatɔe abe ame si ƒe tagbɔ da enea? Wobe Kristo ƒe subɔlawo yewonyea? Gake mesubɔa Kristo wu wo katã. Eye mewɔ dɔ wu wo elabena le Kristo ta wodem gaxɔ me zi geɖe, woƒom kutɔkutɔe eye ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã la, medea tsiẽƒe gagbɔna.
Yudatɔwo ƒom zi atɔ̃ sɔŋ, eye le ƒoƒo ɖe sia ɖe me la, woƒom zi blaetɔ̃-vɔ-asieke.
Romatɔwo hã ƒom zi etɔ̃ kple gakawo, eye woƒu kpem zi ɖeka. Menɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃ sɔŋ; ɣeaɖeɣi gɔ̃ hã mege dze atsiaƒu me eye menɔ atsiaƒu gbanaa la me zã ɖeka kple ŋkeke ɖeka.
Mezɔ mɔ didi teɖeɖiameŋu geɖewo eye nye agbe ɖo xaxame le tɔɖɔɖɔ, fiafitɔwo, Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo ta. Le nyateƒe me la, meto dzɔgbevɔ̃ewo me le afi sia afi si mede la, le du gãwo me, gbedzi kple ƒudzi siaa. Nenema ke ame aɖewo siwo be yewonye nɔviwo le Kristo me evɔ mele eme nenema o hã do ŋɔdzi na nye agbe.
Le dɔwɔwɔ fũu ta la ɖeɖi tea ŋunye eye metsi zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe. Dɔ kple tsikɔ wuam zi geɖe. Dɔƒe hã menɔa asinye o, eye le zã me la vuvɔ wɔam elabena avɔ titri menɔa asinye o.
Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, metsina dzodzodzoe enuenu tso hamewo ƒe tsitsi ɖe edzi ŋuti.
Ne ame aɖe le hame aɖe me si gbɔdzɔ la etena ɖe dzinye eye nye hã megbɔdzɔna enumake, eye ne hamevi aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wòdze anyi la, enana be nuxaxa yɔa nye dzi me.
Azɔ ne medi be maƒo adegbe la, ɖe ko maƒoe le nu siwo nana be ŋusẽ mele ŋunye o la ŋu.
Mawu, ame si nye Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, eye wòdze kafukafu tso mavɔ me yi mavɔ me la hã nya bena nyateƒe gblɔm mele.
Esi menɔ Damasko la, fia Areta ɖo asrafowo dua ƒe agbowo nu be woalém.
Gake nɔvi siwo le afi ma la de ka kusi ŋu eye wotsɔm da ɖe kusia me hetsɔ to do si le glia me la me eye mesi dzo le egbɔ. Đe esia mefia be ame geɖewo lɔ̃a nye nya oa?

12

Adegbe siwo katã ƒom mele la mehiã o, movinyawo sɔŋ ko wonye gake mele edzi yi ge. Mina magblɔ ŋutega siwo mekpɔ kple nu siwo katã Aƒetɔ la ɖe fiam la na mi.
Anɔ abe ƒe wuiene enye esia ene la, wokɔm yi dziƒo be makpɔ afi ma ɖa.
Migabiam be ŋutilã mee menɔ alo gbɔgbɔ mee menɔ hafi yi afi ma hã o, elabena nyemenya o. Mawu ɖeka koe nya. Gake menya be mede Paradiso la me vavã.
Le afi ma la mese nya siwo wɔ nuku ale gbegbe be wogbɔ amegbetɔwo ƒe susu kple gɔmesese ŋu yi, eye womeɖe mɔ nam be magblɔ wo na ame aɖeke o.
Nu si teƒe mekpɔ la nye nu xɔasi aɖe, si ŋu mate ŋu aƒo adegbe le gake nyemedi be mawɔ nenema o. Ke boŋ la maƒo adegbe le ale si megbɔdzɔe gake Mawu wɔ ŋutinyedɔ hena eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe la ŋuti.
Nu geɖewo ŋutɔ li siwo ŋu maƒo adegbe le, eye ne mewɔ esia la mawɔm movitɔ o gake nyemedi be amewo nabum amegãe wu ame si ŋutɔ menye o, ke boŋ be woakpɔ nu si wòdze be woakpɔ le nye agbenɔnɔ kple gbeƒã si ɖem mele la me.
Mawu ƒe gãnyenye kple nukunu siwo teƒe mekpɔ la menye nu bɔbɔe o, eye be nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la tae Mawu na be dɔléle aɖe ge ɖe nye ŋutilã me si zu ŋu nɔa fu ɖem nam. Esia nye Satana ƒe dɔla ƒe nuwɔna. Mawu ɖe mɔ na dɔléle sia be wòanɔ fu ɖem nam be nyemagaƒo adegbe o.
Medo gbe ɖa na Aƒetɔ la zi etɔ̃ sɔŋ kple kukuɖeɖe be wòaɖe dɔlélé sia ɖa le menye.
Ke ɣesiaɣi la Aƒetɔ la gblɔna nam be, “Ao, meli kpli wò. Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò. Elabena meɖea nye ŋusẽ fiana to ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la dzi.” Eya ta enye dzidzɔ nam be maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, ale be Kristo ƒe ŋusẽ blibo la katã nadze le menye tsɔ wu be maɖe nye ŋutɔ nye ŋusẽ kple ŋutetewo afia.
Esi menya be Kristo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu wònye be nu sia nadzɔ ɖe dzinye ta la, mekpɔa dzidzɔ be “ŋu” sia le nye ŋutilã me. Mekpɔa dzidzɔ hã be amewo dzuam, tia nye agbe yome eye meɖoa xaxa kple hiã geɖe me. Elabena mekpɔa ŋusẽ to gbɔdzɔgbɔdzɔ me eye zi ale si megbɔdzɔ la zi nenema ke meɖoa ŋu ɖe eŋu.
Miaƒe nuwɔnae na be meƒo nu, do ɖokuinye ɖe dzi abe lãtɔ ene. Evɔ la miawoe wòle be miakafum ke menye nye ŋutɔe wòle be makafu ɖokuinye hafi o eye togbɔ be nyemele naneke me o hã la, naneke mele miaƒe apostolo mawo si, si mele asinye o.
Esi mele mia gbɔ la, nye dɔwɔwɔ ɖe sia ɖe ɖo kpe edzi be Aƒetɔ lae tiam abe apostolo ene eye wòdɔm be mava gblɔ nyanyui la na mi, eye metsɔ dzigbɔɖi wɔ dzesiwo, nukunuwo kple ŋusẽdɔ geɖewo hã le mia dome.
Nu si ko nyemewɔ le mia gbɔ o, evɔ mewɔe le hame bubuwo me lae nye be nyemetsɔ nye nuɖuɖu, nye nuhiahiãwo kple xɔ si me manɔ la ɖo mia ŋkume o. Mitsɔe kem be nyemetsɔ agba siawo da ɖe mia dzi o.
Azɔ la, zi etɔ̃liae nye esia megbɔna mia gbɔ eye le nye vava me hã la, nyematsɔ dzinyekpɔkpɔ ƒe agba aɖo mia dzi o, elabena nyemele miaƒe ga dim o, ke boŋ miawo ŋutɔ dim mele. Vinyewoe mienye, eye menye viwoe wòle be woadi nuɖuɖu na wo dzilawo o. Vi fofoe wòle be wòakpɔ via dzi.
Enye dzidzɔ nam be matsɔ ɖokuinye kple nu siwo le asinye la na mi, be miatsi ɖe dzi le gbɔgbɔ me. Gake zi ale si mele mia lɔ̃m ɖe edzi la, zi nenema ke miaƒe lɔlɔ̃ nam hã dzi le ɖeɖem kpɔtɔ.
Ame aɖewo le mia dome le gbɔgblɔm be “Enye nyateƒe be ne eɖi tsa va kpɔ mí la, míegblẽa ga aɖeke ɖe eŋuti o. Gake Paulo sia ayetɔe wònye le mía blem. Le nyateƒe me la, anya to mɔ aɖe dzi kokoko wɔ ga le mía ŋuti.”
Enye nyateƒea? Đe ame siwo medɔ ɖo ɖe mi la ƒe ɖe va xɔ nane le mia sia?
Alo ɖe Tito kple nɔvi si medɔ ɖo ɖe mia gbɔ la va ba mia? Gbeɖe, elabena menya nyuie bena mí katã la Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ɖeka koe le mía me, eye nu ɖeka tɔgbi mí katã míewɔna.
Đewohĩ la, mianɔ bubum be ɖe mele esiawo katã gblɔm be maʋli mía ɖokuiwo ta le mia gbɔ ale be miagalɔ̃m. Esia mele eme nenema o. Nɔvi lɔlɔ̃wo mele nya sia gblɔm na mi le Mawu ƒe ŋkɔ me be matu mi ɖo le gbɔgbɔ me ke menye be matu ɖokuinye ɖo o.
Nu si vɔ̃m mele lae nye be ne meva mia gbɔ la, miaƒe agbenɔnɔ ava tɔ ŋku nam, eye esia ana be nye nuwɔna manɔ abe ale si miadi be wòanɔ ene o. Mele vɔvɔ̃m be ne meva la, mava kpɔ dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ameŋuzɔzɔ, sakplisasa, ɖokuidodoɖedzi, kple mama le mia dome.
Mele vɔvɔ̃m hã be nenye be meva la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le miaƒe ŋkume ale be manɔ dzi gbagbã kple nuxaxa me. Elabena mia dometɔ geɖe siwo wɔ nu vɔ̃ la trɔ zu nu vɔ̃ wɔlawo gbidii elabena wometsɔ ɖeke le eme be yewoatrɔ dzime o. Ke boŋ wogale nu vɔ̃ɖiwo kple ŋunyɔnuwo wɔm eye wole ahasi wɔm, le hadzenu wɔm, le amesrɔ̃ xɔm.

13

Esia anye zi etɔ̃lia mava mia gbɔ. Azɔ abe ale si woŋlɔ̃e ɖe mawunya mee ene la, “Woaxɔ nya si ame aɖe tsɔ ɖe nɔvia ŋu la to ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe kpeɖodzi me.”
Mexlɔ̃ nu mi xoxo esi meva mia gbɔ zi evelia va yi. Azɔ la megale egblɔm, esi nyemele mia gbɔ o. Ke ne metrɔ va la, nyematsɔe ake ame siwo wɔ nu vɔ̃ do ŋgɔ alo ame bubu siwo wɔe kplɔ ɖo o,
elabena miele nane dim be wòaɖo kpe edzi na mi be Kristoe le nu ƒom to dzinye. Kristoa megbɔdzɔ le tohehe na mi me o, ke esẽ ŋu le mia dome.
Be woaka ɖe edzi na mi la, woklãe ɖe ati ŋu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me, ke hã la, ele agbe to Mawu ƒe ŋusẽ me. Nenema ke, míegbɔdzɔ le eya amea me, gake to Mawu ƒe ŋusẽ me míele agbe be míasubɔ mi.
Mido mia ɖokuiwo kpɔ be miele xɔse me vavã mahã? Nenema ke midzro mia ɖokuiwo me. Đe miekpɔ dzesi be Kristo le mia me oa? Negbe ɖee mieto xɔse ƒe dodokpɔ la me o.
Mexɔe se be mi katã mialɔ̃ ɖe edzi kplim be mieto dodokpɔ la me.
Míaƒe gbedodoɖae nye be, mianɔ agbe dzadzɛ. Menye be miatso afia be míefia nu nyui mi alo miede ŋgɔ o. Gbeɖe, nenye be woɖe vodada na mí hã la ele be miawo ya miawɔ nu nyui.
Míaƒe dɔdeasi enye be míado ŋusẽ mi be miawɔ nu dzɔdzɔetɔ le ɣeawokatãɣi, ke menye nu vɔ̃ o.
Enye dzidzɔ na mí ne wobu mí ame gblɔewo eye woɖe alɔme le mía ŋu ke miawo miesẽ le xɔse me. Míaƒe gbedodoɖa kple didi vevi enye be miatsi ɖe edzi le Kristo me.
Mele nu sia ŋlɔm na mi kple mɔkpɔkpɔ be ne meva ɖo la, magahiã be mahe nya ɖe mia ŋu alo ahe to na ame aɖeke o. Elabena nye didie nye be mawɔ ŋusẽ si Aƒetɔ la nam la ŋutidɔ atsɔ atu mi ɖo le xɔse me. Ke menye be matsɔe aɖiɖi mi ɖe anyi o.
Mawu nye agbalẽa nu kple nya mamlɛtɔ siawo bena, Minɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa. Mitsi ɖe edzi le Kristo me. Miɖo to nya siwo katã megblɔ na mi. Minɔ anyi le ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me. Eye ŋutifafa kple lɔlɔ̃ ƒe Mawu la nanɔ anyi kpli mi.
Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe do gbe na mia nɔewo.
Nɔvi kristotɔ siwo katã le gbɔnye afii la do gbe na mi nyuie.
Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe habɔbɔ nanɔ anyi kple mi katã.

Rechtsinhaber*in
Multilingual Bible Corpus

Zitationsvorschlag für dieses Objekt
TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. 2 Corinthians (Ewe). 2 Corinthians (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-9709-4