1
"Agbalẽ sia tso nye, Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo, si woyɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me la kple nɔvi Sostenes gbɔ
na Mawu ƒe hame si le Korinto, ame siwo ŋu. wokɔ le Kristo Yesu me eye woyɔ wo be woanɔ Kɔkɔe la kpakple ame siwo katã le xexeame godoo xɔ mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi se abe wo ƒe Aƒetɔ kple mía Aƒetɔ ene.
Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo nayra mi eye wòana be miakpɔ ŋutifafa le miaƒe dziwo kple tamesusuwo me.
Mele akpedada dzi ɖaa na Mawu le nunana tɔxɛ siwo wòna mi le esime miezu kristotɔ azɔ la ta."
Ena be miaƒe agbanɔnɔ de blibo eye nu sia nu su mia si azɔ. Ena ŋusẽ mi be miate ŋu aƒo nu kple dzideƒo le Yesu Kristo ŋuti eye wòna be miake ɖe nu si nye nyateƒe la ŋu azɔ.
Nu si megblɔ be Yesu Kristo awɔ na mi la va eme pɛpɛpɛ abe ale si megblɔe ene.
Azɔ la, Mawu ƒe amenuveve manyagblɔ kple eƒe yayra su mia si. Le ɣeyiɣi sia me, esime miele mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava zi evelia lalam la, Mawu na gbɔgbɔmenunana vovovowo kple ŋusẽ tɔxɛ, si ana be miate ŋu anɔ eƒe lɔlɔ̃nu wɔm la mi.
Hekpe ɖe esia ŋu la, Mawu do ŋugbe be, tso fifia va se ɖe nuwuwu la, ame aɖeke makpɔ nu vɔ̃ aɖeke le mia ŋu o eye womabu fɔ mi le ŋkeke si dzi Aƒetɔ Yesu Kristo agatrɔ ava la dzi o.
Kakaɖedzi blibo le asinye be Mawu awɔ esia na mi elabena medana le eƒe ŋugbedodo dzi gbeɖe o. Gawu la Mawu ŋutɔe yɔ mi be miava zu Yesu Kristo xɔlɔ̃wo.
Nɔviwo, metsɔ Aƒetɔ Yesu Kristo le kuku ɖem na mi be miadzɔdzɔ nyahehe vivivo le mia nɔewo dome. Mina nusɔsɔ blibo nanɔ mia me ale be mama kukluiwo nagava mia dome o. Meɖe kuku na mi be miawɔ ɖeka le susu kple ɖoɖowo wɔwɔ me.
Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, mia nɔvi siwo le aƒetɔ Kloe ƒe aƒeme la dometɔ aɖewo fi tofi nam be, nyahehe kple dzre sɔŋ ko dzi miele.
Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, yewo la Paulo yomedzelawo yewonye; bubuwo be Apoloe nye yewoƒe amegã. Ame aɖewo hã be Petro ƒe amewo yewonye, gawu la ame aɖewo hã be yewo koe nye Yesu Kristo yomedzela vavãwo.
Miaƒe nuwɔna sia na wòle dzedzem abe ɖe Kristo ma ɖe akpa vovovowo me ene. Ke medi be mabia mi se be, nye Pauloe ku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta hã? Alo wode mawutsi ta na mia dometɔ aɖe le nye ŋkɔ dzia?
Edzɔ dzi nam ŋutɔ eye meda akpe na Mawu vevie be Krispo kple Gayo ɖeɖe koe nye ame siwo nye ŋutɔ mede mawutsi ta na le mia dome.
Eya ta fifia la, ame aɖeke mate ŋu agblɔ be mehe nu yeye aɖeke vɛ alo be mele nye ŋutɔ nye ha yeye tɔxɛ aɖe ɖom o.
Ẽ, meɖo ŋku edzi be mede mawutsi ta na Stefano kple eƒe aƒemetɔwo hã. Le woawo megbe la, nyemegade mawutsi ta na ame bubu aɖeke kura o.
Elabena Yesu Kristo meɖom ɖa be mava de mawutsi ta na amewo o ke boŋ be magblɔ nyanyui la. Ke hã la nye nyagblɔgblɔ la meɖea kpe tututu o elabena ne mele mawunya gblɔm la, nyemeɖea ami ɖe nye nyawo o, elabena nyemedi be matɔtɔ ŋusẽ blibo si le Yesu ƒe atitsogaŋunya la me kple amegbetɔwo ƒe nunya o.
Menya nyuie be ne ame siwo le mɔ tram eye wole bubum la se be Yesu ku be yeaɖe wo la, aɖi bometsinya na wo. Ke nya sia nye Mawu ƒe ŋusẽ na mí ame siwo kpɔ ɖeɖe.
Elabena Mawu ŋutɔ gblɔ be, “Magblẽ amegbetɔwo ƒe ɖoɖo siwo katã wòwɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ la me, ale ke ke nyasã anɔ emee hã eye maŋe aɖaba aƒu woƒe susuwo keŋ dzi.”
Ekema ale ke wòanɔ na xexemegbalẽnyala gãwo kple nunyala gãwo katã? Mawu na wo katã wodze abe bometsilawo kple numanyalawo ene.
Elabena, to nunya me la Mawu wɔe be xexeametɔwo mate ŋu ake ɖe Mawu ŋu gbeɖe to woawo ŋutɔ ƒe nunya alo ŋusẽ me o. Ke boŋ esi ɣeyiɣia de tututu ko la Mawu ŋutɔ na bena ame siwo katã xɔ eƒe nyanyui, si xexeametɔwo ya buna be enye bometsinya la dzi se la, kpɔ ɖeɖe.
Yudatɔwo dia nukunu kple dzesiwo, eye Griktɔwo dia xexemenunya,
ke míawo ya míeɖea gbeƒã Kristo ame si woklã ɖe ati ŋuti, nu si nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinya na Helatɔwo,
ke hena ame siwo Mawu yɔ la, Yudatɔwo kple Griktɔwo siaa la, Kristoe nye Mawu ƒe ŋusẽ kple nunya.
Elabena Mawu ƒe bometsinya xɔ asi wu amewo ƒe nunya eye Mawu ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ sesẽ wu amewo ƒe ŋusẽ.
Nɔviwo, ne mielé ŋku ɖe mia nɔewo dome la, miakpɔe be mí ame siwo le Kristo yome la, dometɔ ʋee aɖewo koe nye amegãwo alo ame ŋkutatɔwo.
Ke boŋ Mawu ɖe wòɖoe hetia ame siwo ŋu bubu mele o la be to wo dzi la, yeado ŋukpe xexemenunyala gãwo kple amegã siwo ŋu bubu le.
Đoɖo si xexemetɔwo mebu ɖe naneke me o ke boŋ wodo vloe la, eya dzie Mawu to heɖi gbɔ̃ xexemetɔwo ƒe ɖoɖo gãwo
eye le esia ta ame aɖeke mate ŋu atɔ asi akɔ le Mawu ƒe ŋkume be yenye nane o.
Elabena miaƒe agbe tso Mawu ɖeka hɔ̃ gbɔ to Yesu Kristo dzi. Yesue fia Mawu ƒe ɖoɖo si wòwɔ na mía ɖeɖe la mí. Eya kee wɔ mí míedze Mawu ŋu. Ewɔ mí míezu ame dzadzɛwo kple ame kɔkɔewo, eye wòtsɔ eɖokui na be yeaɖe mí tso nu vɔ̃ ƒe kluvinyenye me.
Mawunya ŋutɔ gblɔe be, “Ne ame aɖe di be yeaƒo adegbe la ekema neƒo adegbe le nu si Mawu wɔ la ɖeɖe ko ŋu.”
2
Nɔviwo, esi meva mia gbɔ zi gbãtɔ la nyemegblɔ mawunya na mi kple susu deŋgɔ boo aɖeke o.
Elabena meɖoe kplikpaa be nyemagblɔ nya boo aɖeke wu esi ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ku le atitsoga ŋuti la ŋu o.
Meva mia gbɔ le ɖokuibɔbɔ gã aɖe me eye menɔ vɔvɔ̃m henɔ dzodzom nyanyanya.
Nyemeɖe ami ɖe nye mawunyagbɔgblɔ kura o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ nɔ menye hedo ŋusẽ nye nyawo ale be ame siwo se nyawo la, dze sii be Mawu gbɔe wotso, ke menye xexemenunyala aɖeke ƒe nyawo wonye o.
Mewɔ esia be miaƒe xɔse nali ke le Mawu ƒe ŋusẽ me ke menye le amewo ƒe nunya nu o.
Ke ne mele kristotɔ siwo de ŋgɔ le gbɔgbɔ me la dome la, meƒoa nu na wo kple nunya tɔxɛ. Ke hã la, nyemewɔa xexe sia me nunya ŋutidɔ o eye nyemegblɔa nya siwo ƒomevi asɔ tome na ameŋuta siwo le xexeame, ame siwo le tsɔtsrɔ̃ ge abe ale si Mawu ɖoe anyi ene o.
Nya siwo míegblɔna la tso Mawu ŋutɔ gbɔ, eya ta wonye nya siwo gɔmesese blibo li na eye woɖe Mawu ƒe ɖoɖo tɔxɛ si wowɔ be yeana míakpɔ dzidzɔ la fia. Togbɔ be wowɔ ɖoɖo sia da ɖi hena míaƒe viɖekpɔkpɔ hafi xexeame va dzɔ hã la, enɔ ɣaɣla ɖe mía tɔgbuiwo.
Ke nublanuitɔe la, xexe sia me ƒe amegãwo mese ɖoɖoa gɔme o. Nenye ɖe wose egɔme la anye ne womeklã Ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o.
Esia tututue le Mawu ƒe nya la me be, nu si amegbetɔ aɖeke mekpɔ kple ŋku o, nu si ame aɖeke mese kpɔ alo nu si ame aɖeke mesusu ɖe ta me kpɔ gbeɖe o la, eya tututue Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la.
Gake míawo ya míenya nu le nu siawo ŋu elabena Mawu ɖo eƒe Gbɔgbɔ ɖe mí be wòaɖe nu ɣaɣla siawo afia mí eye eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzroa nu sia nu me tsitotsito heɖea Mawu ƒe nu ɣaɣlawo katã fiaa mí.
Amegbetɔ aɖeke mate ŋu anya nu si le nɔvia ƒe ta me alo ame si ƒomevi tututu ame bubu aɖe nye o, ke amea ŋutɔ koe anya nu si le ta me nɛ. Nenema ke ame aɖeke mate ŋu anya Mawu ƒe susuwo o negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ŋutɔ ko.
Le nyateƒe me la, Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ na mí be wòaɖe Mawu ƒe dɔmenyo ƒe nunana gã si nye eƒe yayra kple amenuveve manyagblɔ la afia mí.
Nya siwo tututu Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na mí la woawoe míetsɔ ɖe nya me na mi le nunana siawo ŋu, ke menye nya siwo dze mía ŋutɔwo ŋue megblɔ na mi o. Ale míeƒoa nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be míatsɔ aɖe eƒe nyawo me na mi.
Eya ta ne ame aɖe mexɔ Kristo ƒe Gbɔgbɔ o la mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o eye maxɔ wo dzi ase hã o, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔe le nya siawo gblɔm. Nya siawo katã aɖi bometsinya le tome na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le la gɔme, ame bubu aɖeke mate ŋu ase egɔme o.
Ke ame si me Gbɔgbɔ la le la, sea, nu sia nu me tsitotsito, eye esia ɖea fu na xexeametɔwo, ame siwo me Gbɔgbɔ la mele o, elabena eya mate ŋu ase nu siawo gɔme o.
Wɔna aɖeke mele ame sia tɔgbi ŋu o, elabena menya Aƒetɔ la ƒe susu o eye medzroa nya me kple Mawu kaka wòava yi Mawu yɔ ge to gbedodoɖa me wòatɔ nɛ o. Gake la enye nukunya be Kristo ƒe ɖoɖowo kple eƒe susuwo ƒe akpa aɖe le mí kristotɔwo me.
3
Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, nyemete ŋu ƒo nu na mi abe ame siwo tsi le Gbɔgbɔ me ene o, ke boŋ abe vidzĩwo, ame siwo mede ŋgɔ le kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me o eye wogale agbe le ŋutilã me abe ame siwo menye kristotɔwo o ene.
Le esia ta nyemate ŋu ana nuɖuɖu sesẽ mi be miaɖu o, ke boŋ notsi ko mana mi, elabena miaƒe dɔgbowo metsi atu nuɖuɖu sesẽ o. Va se ɖe fifia hã la, notsi koe wòle be mianɔ nonom.
Elabena va se ɖe fifi hã la, miegale ko abe ɖeviwo ene le kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Nu sia nu si dze mia ŋu lae miewɔna ke menye ɖe Mawu ƒe didi dzi o. Nu si tututu fia be mieganye ɖeviwo ko lae nye ale si miema ɖe hatsotso vovovowo me eye dzre, ŋuʋaʋã kple liʋiliʋĩlilĩ sɔŋ xɔ aƒe ɖe mia me. Le nyateƒe me la, miaƒe nuwɔnawo dze ko abe ame siwo menya Aƒetɔ la kura o la tɔ ene.
Mikpɔ ɖa, mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be yewoe nye Paulo ƒe amewo, bubuwo hã be yewoe nye Apolo yomedzelawo, ale miema Kristo ƒe ha la ɖe akpa eve me. Đe miaƒe nuwɔna sia mesɔ kple Trɔ̃subɔlawo tɔ oa?
Ke ame ka tututue nye Apolo alo nye Paulo ŋutɔ, be mianɔ dzre wɔm ɖe mía ta? Mawu ƒe dɔla maɖinu siwo wòna ŋutete tɔxɛ aɖewo ko míenye eye to míaƒe dɔwɔwɔwo me la, miexɔ Mawu dzi se.
Dɔ si Mawu de asi nam koe nye be mado nuku la ɖe miaƒe dziwo me, eye Apolo hã ƒe dɔe nye be wòade tsi nukuawo. Ke Mawu ŋutɔe na be nukuawo tsi eye wotse ku le miaƒe dziwo me.
Nukudola kple ame si de tsi nukuawo la ƒe dɔ mele vevie abe Mawu, ame si na be nukuawo tsi la tɔ ene o.
Nye kple Apolo la, dɔ ɖeka ma ke ko wɔm míele. Taɖodzinu ɖeka koe le mía si, ke Mawu axe fe na mía dometɔ ɖe sia ɖe le ale si wòdo vevi ɖe eƒe dɔ ŋu la nu.
Mawu ƒe hadɔwɔlawo ko míenye, ke miawoe nye Mawu ƒe agble kple eƒe xɔ si wòtu, menye nye kple Apolo tɔwoe mienye o.
Le eƒe dɔmenyo manyagblɔ ta la, Mawu na xɔtutu ƒe aɖaŋum eye nye hã medze agbagba ɖo gɔme ɖokpe anyi, ke Apoloe va tu xɔa yi edzi. Ele be ame si le xɔa tum ɖe gɔmeɖokpea dzi la nakpɔ egbɔ be yetui nyuie.
Elabena ame aɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖokpe bubu aɖeke anyi si to vovo tso esi li xoxo, si nye Yesu Kristo la gbɔ o.
Gake xɔtunu vovovowo li si woate ŋu atsɔ atu xɔe ɖe gɔmeɖokpea dzi. Ame aɖewo tua xɔ kple sika, klosalo alo kpe xɔasi bubuwo, ame bubuwo hã tsɔa ati, aɖa alo be gɔ̃ hã tua xɔe.
Ke ele be ame sia ame naɖo ŋku edzi be, ne Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la ɖo edzi la, woado xɔtunu vovovoawo kpɔ. Woatsɔ dzo ado ame sia ame ƒe dɔwɔna kpɔ, akpɔe ɖa be eƒe dɔ la anɔ te mahã?
Ame siwo ƒe dɔ mefia le dzo me o la, axɔ wo ƒe fetu.
Ke ne ame aɖe ƒe xɔ fia le dzoa me la ekema ebu nu gã aɖe, gake woaɖe eya ŋutɔ abe ame si woɖe le dzobibi me ene.
Đe mienyae bena, Mawu ƒe xɔe mienye eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me oa?
Ne ame aɖe katse, do ŋunyɔ eye wògblẽ Mawu ƒe aƒe sia la, Mawu hã atsrɔ̃ ame ma enumake. Elabena, Mawu ƒe aƒe la nye teƒe kɔkɔe si me ɖiƒoƒo aɖeke mele o eye miawo tututue nye aƒe sia.
Mikpɔ nyuie be miaganɔ mia ɖokuiwo flum o. Ne mia dometɔ aɖe bu be yenyaa nu ŋutɔ le amewo ƒe nukpɔkpɔ nu la, ekema ele be wòawɔ eɖokui bometsilae hafi ate ŋu anye nunyala vavãtɔ tso dziƒo.
Elabena xexe sia me ƒe nunyawo katã nye bometsitsi le Mawu ƒe ŋkume. Nu sia tututue woŋlɔ ɖe Hiob ƒe agbalẽ me be, “Mawu tre mɔ na amegbetɔ kple eya amegbetɔ ŋutɔ ƒe nunya”
Wogagblɔe na mí le Psalmowo ƒe agbalẽ hã me be, “Aƒetɔ la nyae be amegbetɔwo ƒe susuwo katã le wodzoe abe ɖetifu ko ene.”
Eya ta nɔviwo, miganɔ dadam ɖe mia nɔewo dzi o, elabena Mawu tsɔ nu sia nu si hiã mi la na mi xoxo.
Etsɔ Paulo, Apolo kple Kefa na mi be woakpe ɖe mia ŋu. Mawu gatsɔ xexeame blibo, agbe, ku, egbe ŋkeke kple etsɔ si gbɔna la hã na mi.
Nu siawo katã nye mia tɔ, eye miawo hã mienye Kristo tɔ eye Kristo hã nye Mawu tɔ.
4
Eya ta ele be miakpɔ Apolo kple nye Paulo ŋutɔ abe Kristo ƒe subɔlawo ko ene. Míaƒe dɔe nye be míaɖe Mawu ƒe nu ɣaɣlawo ɖe go eye to esia me la míahe yayra geɖe vɛ na amewo.
Nu si le vevie na dɔla enye be, wòakpɔ egbɔ be yewɔ yeƒe aƒetɔ ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ.
Ke ame aɖe abia be, ɖe nye Paulo hã mewɔ dɔ abe dɔla nyui enea? Esia menye nya si ɖea fu na nye susu o. Nyemetsɔ ɖeke le nu si miawo alo ame bubu aɖewo buna le nye dɔwɔwɔ ŋu la me o. Azɔ hã nyemeka ɖe nye ŋutɔ nye nyametsotso hã dzi le nya sia me o.
Togbɔ be nye dzitsinya meɖea fu nam o hã la, esia mefia kokoko be mele nye dɔ wɔm abe ale si dze ene o. Mawu ŋutɔ koe ate ŋu ana nyametsotso le nye dɔwɔna ŋu, be mewɔe nyuie alo nyemewɔe nyuie o.
Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzime la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣemaɣi me.
Đe ko metsɔ Apolo kple nye ŋutɔ le kpɔɖeŋu ɖom na mi be maɖe nu si gblɔm mele la me na mi nyuie, ale bena miagade vovototo amewo me o. Migado vivi ɖe mawudɔwɔla ɖeka hã ŋu wu bubuawo o.
Nɔvinyewo, nu ka ta kura, miele mia ɖokuiwo dom ɖe dzi hlodzoo ale? Nu ka kurae le mia si si menye Mawue na mi o? Ke ne mielɔ̃ ɖe edzi be nu siwo katã le mia si la nye nunana tso Mawu gbɔ la, ekema nu ka tae miele wɔwɔm abe ɖe miede ŋgɔ fũ ŋutɔ eye mia ŋutɔwo ƒe agbagbadzedze tae miezu ame alea ene?
Edze nam abe miebuna be yewoƒe asi su gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo hiã mi la katã dzi xoxo ene. Miewɔ mia ɖokuiwo abe ame siwo naneke megahiã o, ame siwo ɖi ƒo le gbɔgbɔ me la ene. Ẽ, miezu abe fia gã hotsuitɔ siwo bɔbɔ nɔ woƒe fiazikpuiwo dzi hele mí ame mamlɛawo kpɔm ɖo ɖa ene! Nenye ɖe miezu fiawo vavã eye miebɔbɔ nɔ miaƒe fiazikpuiwo dzi la, anye ne enyo ŋutɔ hafi. Elabena ne ɣeyiɣi sia ɖo la, miakpɔe be míawo hã míabɔbɔ nɔ míaƒe fiazikpuiwo dzi aɖu fia kpli mi.
Ɣeaɖewoɣi la edzena nam abe ɖe Mawu wɔ mí apostolowo abe ame mamlɛatɔwo ene. Míedzena abe ame siwo wotso kufia na hekplɔ yina wuwu ge la ene eye míezu nukpɔkpɔ na mawudɔlawo kple amegbetɔwo siaa.
Le Kristo ta la, míezu abe bometsilawo ene, ke miawo mienye kristotɔ nunyalawo. Míegbɔdzɔna le ŋutilã me, gake ŋusẽ le miawo ya ŋu. Wobua mi nyuie, ke míawo la míezu ame ɖigbɔ̃wo ɖeɖe ko.
Va sa ɖe fifi laa hã la, dɔ le mía wum, tsikɔ hã le mía wum eye míekpɔ awu vuvu tete hã ado be vuvɔ nagawɔ mí o. Eye esi aƒe aɖeke mele mía si o ta la, wotua asi mí tso afii yi afi mɛ.
Míawo ŋutɔwo míetsɔ asi wɔ dɔ kple kutrikuku be míakpɔ mía ɖikuiwo dzii. Míeyraa ame siwo ƒoa fi de mí la eye míegbɔa dzi ɖi blewu na míaƒe futɔwo.
Ne ame aɖe gblɔ nya vɔ̃ɖi tso mía ŋu hã la, míewɔa dzre kplii o. Ke esiawo katã meɖe vi aɖeke o elabena va se ɖe fifia hã la amewo mebua mí o. Míele ko abe aɖukpodzinu si ŋu ŋudɔwɔnu aɖeke kura mele o la ene.
Menye ɖe mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi be ŋu nakpe mi o, ke boŋ be maka mo na mi eye maɖo aɖaŋu na mi abe vinye lɔlɔ̃awo ene.
Elabena, togbɔ be ame akpe ewo gɔ̃ hã afia nu mi tso Kristo ŋu hã la, nye koe nye mia fofo. Nyee nye ame si to nyanyui la gbɔgblɔ na mi eye to esia me la mehe mi va Kristo gbɔe.
Eya ta mele kuku gã aɖe ɖem na mi bena, miato nye afɔtoƒe, eye miawɔ nu si mewɔna la.
Esia tututu tae mele Timoteo ɖom ɖe mi be wòava kpe ɖe mia ŋu. Eya hã nye ame siwo mehe va Kristo gbɔ la dometɔ ɖeka eye enye vinye lɔlɔ̃tɔ kple nuteƒewɔla vavã le Aƒetɔ la me. Timoteo sia agaɖo ŋku nu siwo katã mefiana le hawo katã me la dzi na mi.
Menyae nyuie be, dadagbɔgbɔ yɔ mia dometɔ aɖewo me eye miele gbɔgblɔm gɔ̃ hã be nyemate ŋu ava he nya ɖe yewo ŋu o.
Ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, mava mia gbɔ kpuie eye nyemegbɔna be mava nya nu siwo gblɔm dadala siawo le la ɖeɖeko o, ke boŋ be manya afi si wokpɔ ŋusẽ hã tsoe hafi le nyawo gblɔm.
Mawufiaɖuƒe la me nɔnɔ menye nu kpoloe ƒoƒo wònye o, ke boŋ enye agbenɔnɔ le Mawu ƒe ŋusẽ me.
Kae adze mia ŋu wu, be mava mia gbɔ kple ameƒoti loo alo be mava le lɔlɔ̃ kple tufafa me?
5
Busunya si dzɔ le mia dome lae nye be, miaƒe hametɔ aɖe xɔ fofoa srɔ̃. Nya sia ɖi hoo eye ame sia ame le nu ƒom le eŋu. Nu sia nye busunu ale gbegbe be medzɔna le Trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã dome o.
Ke esi nu sia ƒomevi le edzi yim le mia dome la, ɖe miegale mia ɖokuiwo bum be yewode ŋgɔ le gbɔgbɔ mea? Đe wòle be mialé blanui afa konyi ŋukpetɔe eye miaɖe ame sia le ha la me enumake!
Togbɔ be nyemele mia gbɔ le afi ma o hã la, mebua tame vevie le nu sia ŋu, eye le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me la meɖo kpe nu si wòle be miawɔ la dzi, abe ɖe mele mia dome ene.
Miyɔ hame takpekpe gã, eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me. Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple nye gbɔgbɔ anɔ mia dome le takpekpea me.
Minya ame sia tsɔ de asi na Abosam be wòahe to nɛ vie le ŋutilã me, ale be to esia me la ɖewohĩ eƒe luʋɔ akpɔ ɖeɖe ne Aƒetɔ Yesu Kristo gatrɔ va.
Enye nublanui ŋutɔ be, togbɔ be nu dziŋɔ sia le edzi yim le mia dome hã la, miegale mia ɖokuiwo bum ame kɔkɔewoe. Mienyae be, “Deku ɖekae gblẽa bubuawo katã oa?” Eye ne mieɖe mɔ be ame ɖeka nawɔ nu vɔ̃ sia ɖe, magblẽ nu le ame bubuwo hã ŋu oa?
Miɖe ame vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome, bena miaƒe ŋkɔ nagagblẽ o eye mianɔ dzadzɛ. Miɖo ŋku edzi be, wowu Kristo, ame si nye Mawu ƒe Alẽvi la, abe ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsalẽvi ene na mí.
Eya ta mina míaɖu nu, ano nu le Kristo me bena míatsi nyuie le kristotɔgbenɔnɔ me, eye míaɖe asi le agbe vlo siwo míenɔna tsã la ŋu, adzudzɔ fuléle kple tamesesẽwɔwɔ. Boŋ la, mina be, bubu, nyateƒetoto kple nu si le eteƒe la nanye míaƒe gbe sia gbe nuɖuɖu kple nunono.
Le nye agbalẽ si meŋlɔ na mi do ŋgɔ me la, megblɔ na mi be, migade ha kple ahasiwɔlawo o.
Ke menye Trɔ̃subɔla siwo nye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, fiafitɔwo kple legbasubɔlawo la mewɔnɛ o. Zi ale si miele xexeame ko la, miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖe aga le ame siawo gbɔ o.
Nu si mewɔnɛ enye be, migade ha kple ame siwo le wo ɖokuiwo yɔm be kristotɔwo, gake woganye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, amebalawo, legbasubɔlawo, ahanomunɔwo kple dzrewɔlawo o. Migaɖu nu kple ame siawo ƒomevi gɔ̃ hã o.
Menye míaƒe dɔ wònye be míadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo menye hametɔwo alo kristotɔwo o, gake enye míaƒe dɔdeasi vevi aɖe be míadrɔ̃ ʋɔnu hametɔwo, aka mo eye míahe to na ame siwo le nu vɔ̃ɖi wɔm.
Mawu ŋutɔ koe adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo mele kristoha la me o. Ke ele be miawo ŋutɔ miakpɔ nya sia gbɔ eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me kokoko.
6
Nɔvinyewo, nu ka ta, ne masɔmasɔ aɖe dzɔ le mi kristotɔwo dome la, mietsɔa nya la yia fia alo dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe be Trɔ̃subɔlawo nadrɔ̃ na mi esi wòle be miayi kristotɔwo boŋ gbɔ?
Đe mienyae bena, gbe ɖeka la, mí kristotɔwoe aɖu fia ɖe xexeame blibo dzi eye míadrɔ̃ ʋɔnu xexeametɔwo o mahã? Nu ka ta miate ŋu adzra nya viviwo ɖo le mia nɔewo dome o?
Alo mienya be gbe aɖe gbe la, mí kristotɔwoe adrɔ̃ ʋɔnu mawudɔla siwo le dziƒo gɔ̃ hã, eye miaxe fe na wo dome ɖe sia ɖe abe ale si dze ene oa? Eya ta nɔviwo, ele be miawo ŋutɔ miate ŋu adzra mia nɔewo dome ɖo bɔbɔe le anyigba sia dzi.
Nu ka ta wòhiã be miatsɔ miaƒe nyawo ayi na Trɔ̃subɔlawo be woadrɔ̃ na mi?
Mele nya siawo gblɔm kple susu be ŋu nakpe mi. Đe miele gbɔgblɔm be le miaƒe ha bliboa me la, ame aɖeke kura meli si si susu le ale be wòate ŋu awɔ nya siawo ŋutidɔ na mi oa?
Ke nu ka ta wòle dzɔdzɔm le mia dome be kristotɔ natsɔ nya ɖe nɔvia kristotɔ bubu ŋu le Trɔ̃subɔlawo, ame siwo menya Mawu o la gbɔ?
Esi mietsɔ nya ɖe mia nɔewo ŋu le ʋɔnu ɖeɖe dza fia be woɖu mia dzi xoxo. Nu ka wɔ miaɖe mɔ be woada vo ɖe mia ŋu boŋ o? Nu ka ta miaɖe mɔ be woaba mi boŋ o?
Ewɔ nublanui ŋutɔ be miawo boŋue le nu vlowo wɔm. Miele amebaba dzi ɣesiaɣi eye esi gavlo wue nye be miewɔa nu siawo ɖe mia nɔvi kristotɔwo kekeake hã ŋu.
Đe mienyae be ame vɔ̃ɖiwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o. Ahasiwɔlawo kple Trɔ̃subɔlawo, matrewɔlawo kpakple ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsu bubuwo,
fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo, ameŋunyagblɔlawo kple amebalawo la, womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.
Tsã la, mia dometɔ aɖewo ƒe agbenɔnɔ sɔ pɛpɛpɛ kple ame baɖa siawo tɔ. Ke fifia la, woklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋu, eye le nu si Aƒetɔ Yesu Kristo kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la wɔ na mi ta la, Mawu xɔ mi miezu eƒe ame tɔxɛwo.
Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, mɔɖeɖe li be yewoate ŋu awɔ nu sia nu faa, ne Aƒetɔ Yesu mede se tɔxɛ aɖeke ɖe wo nu o. Esia anya nɔ eme alea, gake menye nu sia nu wɔwɔe nyona na ame o. Ame ate ŋu awɔ nu sia nu faa ne mɔɖeɖe li, gake menyo be ame nazu kluvi na naneke kura o.
Ele eme be Mawu wɔ ƒodo na mí be míaɖu nu, gake menye esia tae wòle be ame naɖu nutsu o. Le nyateƒe me la, miganɔ bubum be nuɖuɖu le vevie akpa o, elabena gbe ɖeka la, Mawu le nuɖuɖu kple míaƒe ƒodowo siaa ɖe ge ɖa. Medi be mianya nyuie hã be, ahasiwɔwɔ menyo le mɔ aɖeke nu o. Menye esia tae wowɔ míaƒe ŋutilã sia ɖo o, ke boŋ ɖe wowɔe na Aƒetɔ la, eye enye Aƒetɔ la ƒe didi vevie be ye ŋutɔ yeava nɔ miaƒe ŋutilãwo me.
Gbe ɖeka la Mawu afɔ miaƒe ŋutilã ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, abe ale si tututu wòfɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ene.
Alo mienyae be miaƒe ŋutilãwo nye Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutilã ƒe akpa vovovowo oa? Ne ele alea la, ekema ɖe wònyo be miatsɔ Kristo ƒe ŋutilã ade ha kple gbolowoa? Gbeɖe, mele be wòanɔ alea o!
Đe mienyae be ame si de ha kple gbolo aɖe la zu ŋutilã ɖeka kplii oa? Elabena wogblɔe be, “Wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka.”
Ke ame si tsɔ eɖokui lé ɖe Aƒetɔ la ŋu la, eya kplii wozu ɖeka le gbɔgbɔ me.
Le esia ta mele gbe tem ɖe edzi na mi be miadzudzɔ ahasiwɔwɔ. Elabena ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ si ƒoa ɖi ame ƒe ŋutilã. Eya ta ne miewɔ nu vɔ̃ sia la, miawo ŋutɔ koe akpe fu.
Nu ka tae va se ɖe fifia hã la mienya kpɔ be miaƒe ŋutilã nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi la ƒe nɔƒe eye wòle mia me ɣesiaɣi o mahã? Miawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo menye mia tɔ o.
Elabena Mawu ƒle mi ho gã aɖe. Eya ta, miwɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ŋutidɔ hena Mawu ƒe dodoɖedzi kple kafukafu elabena etɔwoe mienye.
7
Nya siwo miebiam le agbalẽ si mieŋlɔ ɖo ɖem me la ƒe ŋuɖoɖo enye be, ne ŋutsu aɖe meɖe srɔ̃ o la, megblẽ naneke o.
Gake, zi geɖe, le ahasiwɔwɔ ta la, enyo be ame naɖe srɔ̃, ŋutsu ɖe sia ɖe kple etɔ; nenema kee nye nyɔnu ɖe sia ɖe hã, ale be ame aɖeke nagawɔ nu vɔ̃ o.
Ele na srɔ̃ŋutsu be wòakpɔ egbɔ be yemegblẽ ye srɔ̃ ɖi le go aɖeke me o eye srɔ̃nyɔnu hã nawɔ nenema pɛpɛpɛ.
Ne nyɔnu ɖe srɔ̃ ko la, ekema megakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃a hã kpɔ ŋusẽ ɖe edzi eye nenema ke srɔ̃nyɔnu hã kpɔ ŋusẽ ɖe ŋutsua ƒe ŋutilã dzi, ale ŋutsua mate ŋu awɔ nu si dze eya ŋutɔ ɖeɖe ko ŋu o.
Eya ta srɔ̃tɔwo nakpɔ egbɔ be yewomegblẽ yewo nɔewo ɖi o, negbe wo ame eve la wowɔ ɖoɖo tɔxɛ be yewoakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Emegbe la mite kpe be Satana nagate mi akpɔ le ɖokuidzimaɖumaɖu ta o.
Mele esia gblɔm abe mɔnana ene ke menye abe sedede ene o.
Anye nye didi be ŋutsuwo katã nanɔ abe nye ene. Gake ŋutsu ɖe sia ɖe kple nunana si wòxɔ tso Mawu gbɔ, ame ɖeka xɔ nunana sia eye ame bubu xɔ nunana kemee.
Eya ta magblɔ na trewo kple ahosiwo be woanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee abe nye ŋutɔ ene.
Gake, ne ame aɖe mate ŋu aɖu eɖokui dzi o la, ekema neɖe srɔ̃ elabena enyo be woaɖe srɔ̃ wu be woayɔ fũu kple fieŋufieŋu.
Ke mele se sia dem na srɔ̃tɔwo, menye nyee le sea dem o, ke boŋ Aƒetɔ lae be, srɔ̃nyɔnu mekpɔ mɔ agbe srɔ̃ŋutsua o.
Ke ne egbee la, ele nɛ be wòanɔ tre alo wòatrɔ ayi aɖawɔ ɖeka kple srɔ̃ŋutsua. Nenema ke srɔ̃ŋutsu hã mekpɔ mɔ agbe srɔ̃nyɔnua o.
Azɔ nye ŋutɔ medi be maɖo aɖaŋu aɖe na mi; esia menye Aƒetɔ la ƒe sedede o, gake edze nam abe enyo ene. Eyae nye be, ne kristotɔ aɖe srɔ̃nyɔnu menye kristotɔ o, gake nyɔnua lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, ŋutsua megaɖe asi le eŋu o.
Nenema ke, ne nyɔnu kristotɔ aɖe srɔ̃ŋutsu menye kristotɔ o gake wòlɔ̃ be nyɔnua nanɔ ye gbɔ la nyɔnua hã megagbee o.
Elabena srɔ̃ŋutsu si mexɔ se o la ŋuti kɔ le srɔ̃nyɔnua ta eye nenema ke srɔ̃nyɔnu si mexɔ se o la hã ŋuti kɔ le srɔ̃ŋutsua ta. Nemenye nenema o la mia viwo anye nu makɔmakɔwo, gake esi wòle alea ta la, wo ŋuti kɔ.
Ke ne srɔ̃tɔ si mexɔ se o la dzo la, neyi faa. Elabena sea aɖeke mebla srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu si xɔse la le nya sia me o; Mawu yɔ mí be míanɔ anyi le ŋutifafa me.
Srɔ̃nyɔnu, ale ke nèwɔ nya be ãte ŋu aɖe srɔ̃wò ŋutsu? Alo wò srɔ̃ŋutsu, ale ke nèwɔ nya be ãte ŋu aɖe srɔ̃wò nyɔnu?
Le esiawo katã wɔwɔ me la, ame sia ame nakpɔ egbɔ be yewɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖo dzi le srɔ̃ɖeɖe me loo alo le trenɔnɔ me eye nu sia nu si Mawu na ame aɖe la, wòaxɔe kple dzi faa. Hamewo katã nawɔ ɖe sedede vevi siawo dzi.
Le kpɔɖeŋu me, ne wotso aʋa na ŋutsu aɖe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi wòtrɔ zu kristotɔ la, amea megatsi dzi le eŋu kura o. Nenema ke ne wometso aʋa na ame aɖe hã o la, eya hã megatsi dzi be ele be yeatso aʋa kokoko o.
Elabena kɔnu sia wɔwɔ mele vevie kura le kristotɔgbenɔnɔ me o. Nu si le vevie enye be kristotɔ nakpɔ egbɔ be yele Mawu ƒe sewo dzi wɔm eye be Mawu nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ɣesiaɣi.
Ame sia ame nanɔ nɔnɔme si me wònɔ hafi Mawu yɔe, ne enye aʋatsotso alo aʋamatsomatsotɔ.
Ne ènye kluvi hafi zu kristotɔ la, mègana wòaɖe fu na wò o. Gake ne èkpɔ mɔnu be nazu ablɔɖevi la, mègana wòato ŋuwò o.
Kluvi si trɔ zu kristotɔ la zu Kristo ƒe ablɔɖevi eye wòvo tso nu vɔ̃ ƒe asi sesẽ la te. Ke ne ènye ablɔɖevi hafi zu kristotɔ la, nyae be yezu Kristo ƒe kluvi azɔ.
Yesu Kristo ƒle mi eye wòxe fe ɖe mia ta keŋkeŋ eya ta miezu etɔ eye le esia ta migawɔ mia ɖokuiwo abe kluviwo ene na amegbetɔwo kple xexe sia me nuwo o.
Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ale si ame sia ame nɔ hafi zu kristotɔ ko la, nenɔ nenema elabena azɔ la Aƒetɔ la li kplii eye wòakpe ɖe eŋu le nu sia nu me.
Azɔ maɖo miaƒe biabia evelia ŋu na mi. Miele biabiam be, nu ka yewoawɔ kple ɖetugbi siwo meɖe srɔ̃ haɖe o la hã? Đe woaɖe mɔ na wo be woaɖe srɔ̃ faa hã? Le nyateƒe me la, nyemexɔ sedede tɔxɛ aɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le nya sia ŋu o. Ke Mawu ŋutɔ na susum be mawɔ eŋutidɔ eya ta magblɔ nu si nye ŋutɔ mebu le nya sia ŋu la na mi.
Eyae nye be, le fukpekpe geɖe si le mí kristotɔwo dzi vam le egbe ŋkekewo me ta la, anyo be ame sia ame nanɔ anyi abe ale si wole fifia ene.
Ne èɖe srɔ̃ la mègagbee o. Ne meɖe srɔ̃ haɖe o la megaɖe o.
Ke ne èɖe srɔ̃ la mèwɔ nu vɔ̃ o, eye ne ɖetugbivi dza ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu vɔ̃ o. Gake ame siwo ɖe srɔ̃, woado go fuɖename geɖewo le agbe sia me, nukpekeame siawo mee medi be maɖe mi tsoe.
Nɔviwo nu si gblɔm mele lae nye be; Ɣeyiɣi la le kpuie. Eya ta tso azɔ dzi la, ame siwo si srɔ̃ le la, nanɔ agbe abe srɔ̃ ɖe mele wosi o ene.
Ame siwo le nu xam la nanɔ abe ɖee womele nu xam o ene, dzidzɔkpɔlawo abe ɖe womele dzidzɔ kpɔm o ene eye ame siwo ƒle nuwo kɔ ɖi la abe nuawo menye wotɔ o ene.
Nenema ke ame siwo wɔ xexe sia me nuwo ŋuti dɔ abe ɖe wometsɔ ɖeke le xexemenuwo me o ene. Elabena xexe sia me abe ale si wòle fifia ene la nu ava yi kpuie.
Migatsi dzi ɖe naneke ŋu o. Ne srɔ̃ mele ŋutsu aɖe si o la, ekema ekpɔa vovo ɖe Aƒetɔ ƒe dɔ ŋu nyuie, eye wòdina ɣesiaɣi be yeƒe agbe nadze Aƒetɔ ŋu.
Ke srɔ̃tɔ ya mate ŋu awɔ alea o, elabena agbe sia me ƒe hloloetsotso xɔa eƒe ɣeyiɣi, eye eƒe didi koe nye be yeadze ye srɔ̃ ŋu ɣesiaɣi.
Ale eƒe dzi ƒe didiwo ma ɖe akpa gã eve me. Alea ke wònɔna na ɖetugbi si le atsuƒe hã. Eƒe susu katã nɔa srɔ̃a, viawo kple aƒemedɔwo ŋu ɣesiaɣi ale vovo menɔa eŋu kura na Mawu ƒe dɔ o. Ke nyɔnu si mele atsuƒe o la ƒe didi katã koe nye be yeawɔ dɔ na Aƒetɔ ɣesiaɣi.
Menye ɖe mele nya siawo gblɔm be maɖe dzi le mia ƒo le srɔ̃ɖeɖe ŋu o, ke boŋ be makpe ɖe mia ŋu. Medi be miadze agbagba awɔ nu sia nu si ana be miate ŋu asubɔ Mawu nyuie la eye miagaɖe mɔ na nu kukluiwo be woaxe mɔ na mi o.
Ne mia dometɔ aɖe kpɔe be trenɔnɔ menyo na ye o, elabena yemetea ŋu ɖua ye ɖokui dzi nyuie o la, ekema enyo be wòaɖe srɔ̃. Esia menye nu vɔ̃ o.
Gake ne ame aɖe ya, tea ŋu ɖua eɖokui dzi nyuie eye le esia ta wòɖoe be yemaɖe srɔ̃ o la, ewɔe nyuie.
Eya ta nɔviwo, minyae be, ne ame aɖe ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu gbegblẽ o eye ne ame bubu hã meɖe srɔ̃ o la, etɔ kura ganyo wu.
Srɔ̃nyɔnu kple srɔ̃ŋutsu le ɖeka zi ale si wole agbe. Ke ne ŋutsua ku la ekema nyɔnua kpɔ mɔ aɖe ŋutsu bubu le Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo nu.
Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, meka ɖe edzi be ne nyɔnu ahosia megaɖe srɔ̃ bubu kura o la, anyo nɛ wu. Meka ɖe edzi be Mawu ƒe Gbɔgbɔe le aɖaŋu sia ɖom na mi to dzinye
8
Miaƒe biabia bubu hã ku ɖe nuɖuɖu siwo woɖa hena trɔ̃wo kple legbawo la ɖuɖu ŋu. Mia dometɔ ɖe sia ɖe le gbɔgblɔm be yeƒe susu le nya sia ŋue nye nyuitɔ. Miɖo ŋku edzi be nu si le vevie na hamea tutuɖo lae nye lɔlɔ̃ ke menye ɖokuidodoɖedzi be menye esia kple ekemɛ o.
Ne ame aɖe susu be yenya nu sia nu la, eƒe numanyamanya boŋ ɖem fia wòle nublanuitɔe.
Ame si lɔ̃a Mawu le anukware me la, eyae Mawu naa nunya vavãe.
Mina míatrɔ ɖe nya la gbɔ azɔ. Eyae nye enyo be kristotɔ naɖu nuɖuɖu si woɖa hena trɔ̃wo kple legbawo loo alo menyo be wòaɖui oa? Mí katã míenyae kɔtee be Mawu gbagbe ɖeka pɛ koe li. Legbawo la, menye mawu wonye o.
Gake ame aɖewo ya xɔe se be mawu bubuwo hã gale dziƒo kple anyigba dzi fũ.
Ke míawo ya míenyae be Mawu Fofo ɖeka koe li, ame si wɔ xexeame eye wòwɔ mí míenye viawo. Míenyae hã be Aƒetɔ ɖeka koe li si nye Yesu Kristo ame si wɔ nu sia nu le xexeame eye wòna agbe mí.
Ke nublanuitɔe la, kristotɔ aɖewo menya esia o. Wobuna be legbawo hã nye nu gbagbewo eye woxɔe se be mawu gbagbewoe wotsɔa nuɖuɖu sia nana abe vɔsa ene. Eya ta ne kristotɔ siawo ɖu legbawo ƒe vɔsanuɖuɖu la, eɖea fu na woƒe dzitsinya vevie.
Nɔviwo, minyae nyuie be Mawu ya metsɔ ɖeke le eme ne mieɖu nuɖuɖu sia tɔgbi loo alo mieɖui o. Ame si ɖui kple ame si meɖui o la katã sɔ le Mawu ƒe ŋkume: ɖeke menyo wu nɔvia o.
Ke ne ame aɖe kpɔ be ne yeɖu nuɖuɖu sia tɔgbi la, anye nuɖiaɖia na kristotɔ bubu si ƒe dzixɔse meli ke nyuie o eye wòana ame sia nawɔ nu vɔ̃ la, ekema anyo be megaɖui o.
Nu si adzɔ enye be ne, kristotɔ aɖe si ƒe dzitsinya gblɔ nɛ be menyo be wòaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu o, ke ame sia va kpɔ wò kristotɔ bubu nèbɔbɔ nɔ trɔ̃xɔ me le nu ɖum la, ana be eya hã nate kpɔ be yeaɖui. Ke ne eɖui la eƒe dzitsinya aɖe fu nɛ vevie eye wòagbɔdzɔ le eƒe dzixɔse me.
Ale wò ame si tsi le gbɔgbɔ me la, ƒe nuwɔna azu nuɖiaɖia gã aɖe na ame bubu si hã ta Yesu ku ɖo ke wònye vidzĩ le gbɔgbɔ me.
Enye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Kristo ŋu be wò nuwɔna nade dzi ƒo na ame bubu be wòawɔ nu si tsi tre ɖe eƒe dzitsinya ŋu.
Eya ta, ne to trɔ̃wo ƒe vɔsadanuɖuɖu me, mana nɔvinye kristotɔ aɖe nazu nu vɔ̃ wɔla la, ekema nyemagaɖu nuɖuɖu sia tɔgbi gbeɖe o, elabena nyemedi be mana nɔvinye nawɔ nu vɔ̃ o.
9
Đee nyemevo oa? Menye apostoloe menye oa? Đe nyemekpɔ Yesu míaƒe Aƒetɔ la oa? Đe menye miawoe nye nye dɔ si mewɔ na Aƒetɔ la ƒe metsonu oa?
Ne ame bubuwo mebum ɖe apostolowo me o hã la, miawo ya mienyae be apostoloe menye elabena dzinyee mieto hafi zu kristotɔwo fifia.
Esia koe nye nya si le asinye na ame siwo nɔa ɖi kem kplim la.
Ale ke bum miele le ŋutinye? Đe mɔɖeɖe meli be mava dze mia gbɔ abe apostolo bubuawo ene le nye mɔzɔzɔwo me oa?
Ne ɖe srɔ̃ le asinye eye eya hã nye kristotɔ la, ɖe nyemate ŋu akplɔe ɖe asi le nye mɔzɔzɔwo me abe ale si apostolo bubuawo, Yesu nɔviawo kple Kefa hã wɔna ene oa?
Alo miesusu be nye kple Banabas koe anɔ fu kpem anɔ dɔ wɔm be míakpɔ mía ɖokuiwo dzi, le esime miawo miele ame bubuawo dzi kpɔm nyuie ɣesiaɣi?
Miese kpɔ be asrafo si le aʋagbedzi la kpɔ eya ŋutɔ ɖokui dzi le aʋagbedzi kpɔa? Alo miese kpɔ be agbledela mekpɔ mɔ aɖu eya ŋutɔ ƒe agblemenukuwo oa? Alo lãnyila kae mekpɔ mɔ ano nyinotsi si wòfia tso eƒe lã ƒe nowo me la ƒe ɖe o?
Menye amegbetɔwo ƒe susu ko gblɔm mele o; Mawu ƒe se gɔ̃ hã ɖo kpe nu siawo dzi pɛpɛpɛ.
Elabena woŋlɔe ɖe Mose ƒe segbalẽa me be, “Megabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o.” Nyitsuwo ŋue Mawu tsi dzi ɖoa?
Đe menye míawo tae wògblɔ nya sia ɖo oa? Ẽ, míawo tae, elabena Mawu di be yeafia be ele be woaxe fe na ame siwo le eƒe dɔ vovovowo wɔm, eye ame siwo dome wole dɔ aɖe wɔm le la, woe adzɔ ga axe fe na dɔwɔla la. Ele be apavi siwo ŋlɔ agble me eye wodo nukuawo la nakpɔ gome nenye be agblemenukuawo va tsi.
Míedo gbɔgbɔmenuku nyuiwo ɖe mia ƒe dziwo me. Eya ta ne míebia nuɖuɖu kple avɔtata tso mia gbɔ la, megblẽ kura o.
Miewɔnɛ abe ale si wòdze ene na nyagblɔla bubuawo. Ke míawo la, togbɔ be ele be miakpɔ mía dzi hã la, míebia naneke mi kpɔ gbeɖe o. Ke boŋ míawo ŋutɔ míekpɔa mía ɖokuiwo dzi ɣesiaɣi. Míelĩ fe ame aɖeke kpɔ o, elabena míele vɔvɔ̃m be ne míewɔ alea la, dzi aɖe le mia ƒo eye miagbɔdzɔ le Yesu Kristo ƒe nya si míetsɔ vɛ na mi la ŋuti.
Nɔviwo, ɖe mienyae be Mawu ŋutɔ ɖe mɔ na ame siwo nɔ dɔ wɔm le gbedoxɔ la me be woatsɔ nunana siwo amewo tsɔ vɛ na Mawu la ƒe ɖe awɔ wo ŋutidɔ faa oa? Ame siwo hã wɔa dɔ le Mawu ƒe vɔsamlekpui la ŋu la ɖua nuɖuɖu siwo amewo tsɔ vɛ be yewoatsɔ sa vɔe na Mawu la ƒe ɖe faa.
Nenema ke Mawu de se be ame siwo dome wole mawudɔ wɔm le la nakpɔ mawunyagblɔla la dzi.
Gake nyemebia pesewa ɖeka hã tso mia gbɔ kpɔ o. Menye ɖe mele esia gblɔm be miabu be ɖe medi be miaɖo ga ɖem azɔ o. Le nyateƒe me, ne dɔ wum meku la enyo wu be maxɔ ga le mia si eye mabu dzidzedze gã si mekpɔna ne megblɔ mawunya na mi faa.
Elabena nyemedze na kafukafu tɔxɛ aɖeke le nye mawunyagbɔgblɔ ta o. Ele nam kokoko be manɔ egbɔgblɔ dzi ɣesiaɣi madzudzɔmadzudzɔe. Ne mekatse dzudzɔ la baba nam!
Nenye nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nue metsɔ le dɔa wɔm la, ekema maxɔ nunana tɔxɛ tso Aƒetɔ la gbɔ. Gake mele eme alea o, ke boŋ Mawu ŋutɔe tiam tsɔ dɔ xɔasi sia de asi nam, eya ta nyemate ŋu agbe o.
Le esia ta la, nye fetu ko enye dzidzɔ tɔxɛ si yɔa menye ne megblɔ mawunya na amewo faa, naneke maxɔmaxɔe.
Viɖe tɔxɛ aɖe le esia me eye eyae nye bena, ame aɖeke mate ŋu azi dzinye le mɔ aɖeke nu o, elabena ame aɖeke kura mele fe xem nam o. Gake melɔ̃ faa be mabɔbɔ ɖokuinye na ame sia ame ƒomevi ale be to esia me la mate ŋu akplɔe va Yesu Kristo gbɔ.
Ne mele Yudatɔwo dome la, mewɔa nu sia nu abe Yudatɔ ene ale be woalɔ̃ aɖo to nyanyui si gblɔm mele na wo la. Ne mele Helatɔ siwo lé Yudatɔwo ƒe kɔnuwo kple sewo me ɖe asi hã gbɔ la, nyemehea nya ɖe wo ŋu kura o togbɔ be nyemelɔ̃ ɖe nu sia nu si wowɔna la dzi hafi o; elabena medi be makpe ɖe wo ŋu boŋ.
Ne mele trɔsubɔla tsiɖitsiɖiwo dome la, medzea agbagba sea woƒe nuwɔnawo gɔme negbe ɖe ko nyemedana le kristotɔwo ƒe sewo dzi o. To esia me la woxɔa dzinye sena ale be mekpɔa mɔ kpena ɖe woawo hã ŋu.
Ne mele ame siwo ƒe xɔse meli ke tututu haɖe o la dome la, megbɔa dzi ɖi na wo ale be woalɔ̃ be makpe ɖe yewo ŋu. Ẽ, medzea agbagba be masɔ kple ame sia ame le mɔ ɖe sia ɖe dzi, ale be makpɔ mɔnu aɖe kokoko aƒo nu nɛ tso Kristo ŋu bena wòakpɔ ɖeɖe tso egbɔ.
Mewɔ esia be makaka nyanyui la na amewo katã eye to esia me la, nye hã maxɔ yayra tɔxɛ aɖe.
Miɖo ŋku edzi nyuie be, ne wole duƒuƒu ƒe hoʋiʋli wɔm la, ame ɖeka pɛ koe xɔa dziɖuɖukplu la le hoʋlilawo katã dome.
Ne ame aɖe di be yeaxɔ dziɖuɖukplua la, ele nɛ be wòazi eɖokui dzi eye wòadzudzɔ nu geɖewo wɔwɔ ale be wòate ŋu adzra eɖokui ɖo nyuie. Amewo wɔa esia bena woaxɔ dziɖuɖukplu si gblẽna le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe. Ke míawo ya miele esia wɔm bena míaxɔ dziɖuɖukplu si le dziƒo si megblẽna gbeɖe o.
Eya ta nyemele dudime kem taɖodzinu manɔsitɔe o, eye nyemele kɔ dam abe ŋutsu si le kɔ dam ɖe yame la ene o.
Ke boŋ meƒoa nye ŋutilã hewɔnɛ nye kluvii ale be nyemabu dziɖuɖufiakuku la o le esime wònye nyee gblɔ agbenya la na amewo hafi.
10
Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaŋlɔ nu siwo dzɔ ɖe mía tɔgbuitɔgbuiwo dzi le gbedadaƒo le gbe aɖe gbe ʋiĩ ke la be o. Mawu na alilĩkpo nɔ ŋgɔ na wo eye wòkplɔ wo va to Ƒu Dzĩ la me dedie.
Nuwɔna sia zu abe ɖe wode mawutsi ta na wo ɖe woƒe kplɔla Mose ŋkɔ me ene.
Wo katã woɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu ma ke,
eye wono gbɔgbɔmenunono ma ke; elabena wonoe tso gbɔgbɔ me kpe gbadza si zɔ kpliwo le gbea dzi, eye kpe gbadza siae nye Kristo.
Gake le esiawo katã megbe la, wo dometɔ geɖewo sẽ to eye womewɔ Mawu ƒe gbe dzi o. Ale Mawu tsrɔ̃ wo eye woƒe ŋutilã kukuawo kaka ɖe gbea dzi.
Ele be míasrɔ̃ nu tso esia me be míawo hã míagatsi nu vɔ̃ɖiwo yome abe mía tɔgbuiwo ene eye míagasubɔ legbawo abe ale si wowɔ ene o.
Woŋlɔe ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me be, “Wobɔbɔ nɔ anyi ɖu nu eye wono nu nyuie, eye emegbe la woɖu ɣe” hesubɔ sikanyivi la.
Nu bubu si wòle be míagasrɔ̃ tso nu siwo dzɔ ɖe wo dzi me lae nye be, esi wo dometɔ aɖewo wɔ ahasi ta la, ame akpe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ ku le wo dome le ŋkeke ɖeka ko dzi.
Nɔviwo, miawo hã migaɖia Aƒetɔ la nu abe ale si wowɔ eye da ɖu wo dometɔ geɖewo woku ene o.
Le esi wolĩ liʋiliʋĩ ɖe Mawu ŋu ta la, Mawu ɖo mawudɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ wo dometɔ geɖewo hã.
Nu siawo katã dzɔ ɖe wo dzi be wòanye kpɔɖeŋu kple nusɔsrɔ̃ na mí ale be míawo míagawɔ nu siawo ƒomevi o. Woŋlɔ wo da ɖi na mí be míaxlẽ ale be míasrɔ̃ nu tso eme le ɣeyiɣi siawo me esi xexeame ƒe nuwuwu tu aƒe.
Eya ta ame siwo buna be nu siawo mate ŋu adzɔ ɖe yewo dzi o la nakpɔ nyuie be womagadze tetekpɔ me o.
Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe tame edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe tame nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me.
Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mite ɖa le trɔ̃subɔsubɔ gbɔ.
Menya be nunyalawo mienye, eya ta mibu nya si gblɔ ge mala la ŋu be enye nyateƒe mahã?
Ne míele Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe ɖum la, mí katã míedoa gbe ɖa eye míenoa nu le kplu ɖeka nu. Đe esia mefia be mí katã míele yayra ɖeka xɔm tso Kristo ƒe ʋu me oa? Azɔ ne míeka abolo ɖeka me heɖu la, esia hã fia be mí katã míekpɔ viɖe tɔxɛ tso Kristo ƒe ŋutilã me oa?
Ne míesɔ gbɔ ale gbegbe hã la abolo ɖeka ma ko míemana ɖuna. Esia ɖo kpe edzi na mí be mí katã míenye Kristo ƒe ŋutilã ɖeka ma ƒe akpe aɖe.
Nenema ke le Israelviwo dome hã la, ame siwo katã ɖua vɔsalẽvia ƒe ɖe la katã zua ame ɖeka.
Ame aɖe abia be ɖe mele gbɔgblɔm be legba siwo Trɔ̃subɔlawo saa vɔ na la nye Mawu gbagbewo eye woƒe vɔsawo hã nye nu xɔasitɔwo mahã? Gbeɖe! Mele nenema kura o.
Nu si gblɔm mele boŋue nye be, ame siwo ɖa nu na legbawo la wɔ ɖeka le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔm menye Mawu subɔm wole kura o. Azɔ nyemedi be miade ha kple gbɔgbɔ vɔ̃wo to Trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsanu siawo ɖuɖu me o.
Miate ŋu ano nu le Aƒetɔ ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agatrɔ yi aɖanoe le Abosam hã ƒe kplɔ̃ ŋu o, eye nenema ke miate ŋu aɖu abolo le Aƒetɔ ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agaɖui le Abosam hã gbɔ o.
Nu ka? Đe miedi be yewoado dɔmedzoe na Aƒetɔa? Đe miebu be miesesẽ wuia?
Ne ame aɖe di be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu la ate ŋu aɖui faa, meda Mawu ƒe se aɖeke dzi o. Gake menye eya ta ame naɖu nu sia o. Togbɔ be se aɖeke mexe mɔ nɛ o hã la, ɖewohĩ nuwɔna sia medze tututu be wòawɔ o.
Miganye ɖokuitɔdilawo o, ke boŋ mibu mia nɔewo ŋu le miaƒe wɔnawo me.
Azɔ, ne mieyi asime la, miƒle lã ɖe sia ɖe si dzram wole eye migabia be afi kae lãa tso hã o. Ne menye nenema o la ɖewohĩ ŋuɖoɖoa aɖe fu na miaƒe dzitsinya.
Minyae be, xexeame bliboa kple emenu nyuiwo katã nye Aƒetɔ la tɔ, eye wòtsɔ wo na mi be miawɔ wo ŋuti dɔ le dzidzɔ me.
Ne Trɔ̃subɔla aɖe kpe mi kristotɔwo be miva ɖu nu kple ye eye wò dzro mi be miayi la, miate ŋu ayi faa. Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si wòtsɔ ɖo mia kɔme la, miɖui eye migabia be nu kae woɖa hã o. Mizi kpi eye miaɖu nua ekema trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖunya mava eme si aɖe fu na miaƒe dzitsinya o.
Gake ne miebe yewoaɖu nua ko ame aɖe gblɔ be wotsɔ nuɖuɖua sa vɔe na trɔ̃wo gbã hafi tsɔ na mi la, ekema migaɖui o, ɖe nu si ame si gblɔ nya sia na mi la abu tso nu si mieɖua ŋuti la ta.
Le nya sia me la, edze be miabu nu si ame sia gblɔ tso nuɖuɖua ŋuti la ŋu vevie. Eye miabia be, nu ka ta wòle be ame bubu ƒe susu nawɔ mi kluviwoe le nu si mienya be enyo la ŋuti?
Ne mãte ŋu ada akpe na Mawu ɖe nuɖuɖu la ta ko aɖui la, nu ka ta wòle be nana ame bubu nagblẽ nu siawo katã me elabena eya bu be èda vo?
Nu si ta megblɔ esia ɖoe nye be ele be miawɔ nu sia nu na Mawu ƒe kafukafu, le miaƒe nuɖuɖu kple nunono gɔ̃ hã me.
Eya ta miganye mɔxenu na ame aɖeke o, eɖanye Yudatɔwo, Trɔ̃subɔlawo alo kristotɔwo o.
Nu si nye ya mewɔna la enye be medze agbagba be madze ame sia ame ŋu le nu sia nu me. Menye be malè nu si doa dzidzɔ na nye ŋutɔ ɖeɖe ko me ɖe asi o. Ke boŋ la mewɔa nu si nyo na ame bubuwo hã be mate ŋu aɖe wo.
11
Mito nye afɔtoƒe abe ale si nye hã mezɔa Kristo ƒe afɔtoƒe ene.
Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, enye dzidzɔ nam be mielé nu siwo katã mefia mi la me ɖe asi sesĩe, eye miele wɔwɔm ɖe wo dzi pɛpɛpɛ. Miedze na kafukafu!
Ke medi be maɖo ŋku nu ɖeka aɖe dzi na mi; eyae nye be srɔ̃nyɔnu ɖe sia ɖe ƒe tatɔ enye srɔ̃ŋutsu eye srɔ̃ŋutsu hã ƒe tatɔ enye Kristo eye Mawu hã nye tatɔ na Kristo.
Esia tae menyo be ŋutsu natsyɔ avɔ ta alo aɖɔ kuku ne wòle gbe dom ɖa alo le mawunya gblɔm o elabena nuwɔna sia medea bubu eƒe tatɔ Kristo ŋu o.
Nenema ke ne nyɔnu aɖe metsyɔ avɔ ta hafi le gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi le amewo dome o la, ekema edo ŋukpe gã aɖe srɔ̃a, elabena efia be mebɔbɔ eɖokui na srɔ̃a o.
Ne nyɔnu gbe be yematsyɔ avɔ ta o la ekema neko ta boŋ. Ke esi wònye ŋukpe be nyɔnu nako ta la, ele be wòatsyɔ avɔ eƒe ta boŋ.
Mehiã be ŋutsu ya natsyɔ nu ta alo aɖɔ kuku o elabena esia nye eɖokui dada ɖe anyi. Ŋutsue nye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe elabena Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme wòwɔe ɖo, eye nyɔnu hã nye ŋutsu ƒe ŋutikɔkɔe.
Ŋutsu gbãtɔ si Mawu wɔ ɖe xexeame la medo go tso nyɔnu me o ke boŋ nyɔnue do go tso ŋutsua me.
Hekpe ɖe esia ŋuti la Mawu mewɔ Adam na Eva o ke boŋ Evae Mawu wɔ be wòado dzidzɔ na Adam.
Eya ta ele be nyɔnu natsyɔ nu eƒe ta dzi abe ŋutsutenɔnɔ ƒe dzesi ene eye abe ɖaseɖiɖi na mawudɔlawo ene.
Gake minyae nyuie be, Mawu ƒe ɖoɖoe nye be ŋutsu kple nyɔnu siaa nahiã wo nɔewo le woƒe agbenɔnɔ me.
Elabena togbɔ be nyɔnu gbãtɔ do go tso ŋutsu me hã la, tso ɣemaɣi dzi va se ɖe fifia la nyɔnu sia nyɔnu tso Mawu, woƒe Wɔla, gbɔ.
Nu kae nye miawo ŋutɔ ƒe susu le nya sia ŋu? Enyo be nyɔnu naɖe eƒe ta ɖi ƒuƒlu ko anɔ gbe dom ɖa le amewo domea?
Đe dzɔdzɔme ŋutɔ mefia mi be enye ŋukpe be ɖa legbe nanɔ ŋutsu ta oa?
Ke enye bubu na nyɔnu be ɖa legbe nanɔ eta, elabena ɖa legbe li nɛ ɖe tatsyɔnu teƒe.
Nyemedi be ame aɖeke nanɔ nya hem le nu sia ŋu fũ o, elabena nu si ko fiam míele lae nye be, ele be nyɔnu natsyɔ avɔ ta ne wòle gbe dom ɖa alo le nya gblɔm ɖi le amewo dome. Hame bubuawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi.
Nu ɖeka hã gali si ŋu medi be maƒo nu le, elabena nyemelɔ̃ ɖe ale si nuwo le edzi yim la dzi kura o. Edze abe ne mieƒo ƒu be yewoaɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la, masɔmasɔ gã aɖe nɔa mia dome ene.
Mese be nyahehe vivivo, dzrewɔwɔ kple mama ɖe ha kukluiwo me sɔŋ koe nye nu si dzɔna. Mexɔe se hã be nu siawo le eme vavã.
Ẽ, esia doa dzidzɔ na mi ame siwo buna be yewonya nu wu ame bubuwo elabena to esia me miegakɔa mia ɖokuiwo ɖe dzi eye amewo fɔa ŋku ɖe mia dzi.
Azɔ ne mieva ƒo ƒu ɖe afi ɖeka hele nu ɖum la, menye Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la ɖuɖue nye ema o.
Mese be nu si dzɔna enye be, ne miesɔ be yewoaɖu nu la, ame aɖewo mekpɔa naneke tsɔna vanae o. Ame aɖewo ya tsɔa nu geɖewo vanae. Ame siawo ɖua nu siwo woawo ŋutɔ tsɔ vɛ la katã eye wonoa aha muna. Evɔ la, ame aɖewo ya nɔa dɔmeɣi.
Nu ka! Enye nyateƒe be nu siawo le edzi yim le mia domea? Miate ŋu aɖu nu alo ano aha le aƒe me oa? Đe wòle be miado ŋukpe hamea eye miaɖi gbɔ̃ ame siwo si naneke mele oa? Esi miele esia wɔm la, ɖe miedi be makafu yewoa? Gbeɖe, nyemakafu mi akpɔ o.
Elabena megblɔ nu si tututu Aƒetɔ la ŋutɔ gblɔ le Nuɖuɖu Kɔkɔe ŋu la na mi xoxo, eye eyae nye be: Le zã si me Yuda dee asi la, Aƒetɔ Yesu tsɔ abolo ɖe asi
eye esi wòdo gbe ɖa heda akpe na Mawu ɖe eta vɔ la, eŋe eme eye wòtsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ na wo bena, “Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã si wotsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia ne miatsɔ aɖo ŋku dzinye.”
Nenema ke esime woɖu nua vɔ hã la etsɔ wainkplu la eye wògblɔ be, “Kplu siae nye Mawu kple amegbetɔwo ƒe nubabla yeye le nye ʋu me, ɣesiaɣi si mianoe la, miatsɔe aɖo ŋku dzinye.”
Elabena ɣesiaɣi si miaɖu abolo sia, eye miano wain sia la, ekema miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku. Minɔ esia dzi va se ɖe esime wòagatrɔ ava.
Eya ta ne ame aɖe aɖu abolo sia eye wòano nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadze la, ekema awɔ nu vɔ̃ ɖe Aƒetɔ ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋu.
Eya ta ele vevie be ame nadzro eɖokui me akpɔ nyuie hafi aɖu abolo sia eye wòano nu le Aƒetɔ ƒe kplua nu.
Elabena ne ame aɖe katse ɖu abolo sia eye wòno nu le kplu sia nu, le esime mese wɔna sia ƒe vevinyenye gɔme tututu o la, ekema ele Mawu ƒe dziku kple ʋɔnudɔdrɔ̃ hem va eɖokui dzi, elabena mebu Kristo ƒe ku la ɖe naneke me kura o.
. Esiae na be mia dometɔ geɖewo gbɔdzɔ le ŋutilã me, ɖewo le dɔ lém eye ɖewo ku gɔ̃ hã.
Ne miedzro mía ɖokuiwo me kpɔ nyuie hafi ɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, ekema ʋɔnudɔdrɔ̃ alo tohehe aɖeke meli na mí o.
Ke ne Mawu drɔ̃ ʋɔnu mí eye wòhe to na mí la, ɖe wòwɔe be womagabu fɔ mí abe xexeametɔ mamlɛawo ene o.
Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ne mieva be yewoa ɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔea la, milala va se ɖe esime ame sia ame va ƒo ƒu hafi miadze egɔme.
Ne dɔ le ame aɖe wum vevie la ekema neɖu nu le aƒe me kpoo, ale be eƒe nuwɔna magahe tohehe va edzii o. Nɔviwo, ne meva ɖo mia gbɔ hã míalé nya mamlɛawo akpɔ.
12
Azɔ la, nɔviwo, medi be maŋlɔ nu na mi tso nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la naa mía dometɔ ɖe sia ɖe la ŋu, elabena nyemedi be nugɔmemasemase aɖeke nanɔ wo ŋu o.
Miaɖo ŋku edzi be hafi miazu kristotɔwo la, mietso legba ɖeka gbɔ yi bubu gbɔ, legba siwo mate ŋu agblɔ nya ɖeka pɛ gɔ̃ hã o.
Ke azɔ la, miele go dom ame aɖewo eye wole gbɔgblɔm na mi bena yewoate ŋu agblɔ nya siwo Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gblɔ la na mi. Ale ke miawɔ anya be Mawue de nya siawo wo me loo alo alakpa dam wole? Mido wo kpɔ ale: Ame sia ame si tsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le nu ƒom la, mate ŋu agblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe Yesu ŋu o, eye ame aɖeke mate ŋu agblɔ nyateƒetɔe be “Yesu nye Aƒetɔ” o, negbe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu me ko.
Azɔ la, Mawu naa nunana tɔxɛ ƒomevi geɖewo mí, gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka ma koe nye wo katã ƒe dzɔtsoƒe.
Dɔ vovovowo li míawɔ na Mawu, ke Aƒetɔ ɖeka ma ko subɔm míele.
Mawu toa mɔ vovovowo dzi wɔa eƒe dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me, ke Mawu ɖeka ma ke koe wɔa eƒe dɔ to mí ame siwo katã nye etɔwo la dzi.
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖea Mawu ƒe ŋusẽ fiana toa mía dometɔ ɖe sia ɖe me eye wòtoa esia dzi kpena ɖe hame blibo la ŋu.
Gbɔgbɔ la naa ŋutete ame aɖe be wòaɖo aɖaŋu nyuie; ame bubu anyo ŋutɔ le nusɔsrɔ̃ kple nufiafia me eye esiae nye eya hã ƒe nunana tso Gbɔgbɔ ma ke gbɔ.
Enaa xɔse tɔxɛ ame aɖe eye wònaa dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ ame bubu.
Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woawɔ nukunuwo eye wònaa nyagblɔɖi kple mawunyagbɔgblɔ ƒe ŋusẽ ame bubuwo! Enaa ŋusẽ ame aɖewo be woanya nenye gbɔgbɔ vɔ̃woe le nu ƒom to ame siwo gblɔ be Mawu ƒe nya gblɔm yewole la dzi loo alo nenye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le nu ƒom nyateƒe. Hekpe ɖe esia ŋu la, enaa ŋusẽ ame aɖe be wòate ŋu agblɔ gbe si mesrɔ̃ kpɔ o eye wònaa ŋusẽ ame bubuwo, ame siwo hã menya gbe ma o la, be woase nu si gblɔm nuƒola la le gɔme.
Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka ma ke koe naa ŋusẽ kple nunana siawo katã eye wòtiaa esi dze na mía dometɔ ɖe sia ɖe la naa mí.
Ŋutinu geɖewo le míaƒe ŋutilã ŋu, ke ŋutinu geɖe siawo la, ŋutilã ɖeka ko wozuna ne wotsɔ wo katã ƒo ƒui. Nenema tututue wòle le Kristo ƒe “ŋutilã” gome hã.
Elabena wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka ma de mawutsita na mí katã ɖe ŋutilã ɖeka me, eye mí katã mieno Gbɔgbɔ ɖeka ma, eɖanye Yudatɔ o, alo Griktɔ o, loo alo ablɔɖevi o.
Ẽ, ŋutinu geɖewo le ŋutilã la ŋu, menye ŋutinu ɖeka koe wɔ ŋutilã o.
Ne afɔ agblɔ be, “Nyemenye ŋutilã ƒe akpa aɖe o, elabena nyemenye asi o” la, mefia be eya ta afɔ menye ŋutinu abe bubuawo ene o.
Nu ka nãbu ne èse to wògblɔ be, “Nyemenye ŋutilã la ƒe akpa aɖeke o, elabena to ko menye, nyemenye ŋku o”? Đe esia awɔe be megade blibo abe ŋutinu ɖeka ene oa?
Ne ŋutilã blibo la nye ŋku ko la, ekema ale ke wòawɔ hafi ase nu? Alo, ne wò ŋutilã blibo la nye to gã ɖeka la, ale ke nãwɔ hafi ase nane ƒe ʋeʋẽ?
Ke, menye nenemae Mawu wɔ mí o. Ewɔ míaƒe ŋutilã ƒe ŋutinu geɖewo eye wòtsɔ ŋutinu ɖe sia ɖe ɖo afi si tututu wòdi be wòanɔ.
Míaƒe ŋutilã anye nu wɔnuku aɖe ne wònye ŋutinu ɖeka koe wɔe!
Eya ta Mawu wɔ ŋutinu geɖewo ke ŋutilã ɖeka koe li.
Ŋku mate ŋu agblɔ na asi be, “Nyemehiã wò o.” Ta mate ŋu agblɔ na afɔ be, “Nyemehiã wò o.
Ŋutinu siwo míabu be wonye nu gblɔewo eye womele vevie o la woe nye esiwo hiã wu.
Ẽ, dzi dzɔ mí ŋutɔ be ŋutinu aɖewo le mía ŋu eye wodzena abe bubu mele wo ŋu o ene. Míeɣlaa ŋutinu siwo ame bubuwo makpɔ o,
ke míeɣlaa ŋutinu siwo ame bubuwo ate ŋu akpɔ la nenema o. Ale Mawu wɔ ŋutilã le mɔ sia nu be míatsɔ bubu kple beléle ana ŋutinu tɔxɛ aɖewo ne menye nenema o la, adze abe ɖe womele vevie tutu o ene.
Nu sia naa dzidzɔkpɔkpɔ nɔa ŋutinuwo dome ale ŋutinuawo tsɔa beléle naa wo nɔewo abe woawo ŋutɔ ke ene.
Ne fukpekpe va ŋutinu ɖeka dzi la, ŋutinu bubuawo katã kpea fu kplii, ke ne wode bubu ŋutinu ɖeka ŋu la, bubuawo katã tsoa aseye.
Nu si mele agbagba dzem be magblɔ lae nye esi. Mi katã mieƒo ƒu zu Kristo ƒe ŋutilã ɖeka eye mía dometɔ ɖe sia ɖe nye eƒe ŋutinu ɖeka si le vevie.
Nu siawoe nye ɖoƒe siwo wòɖo ɖe eƒe hame si nye eƒe ŋutilã me la dometɔ aɖewo. Gbãtɔ, Aposotolowo, Evelia, Nyagblɔɖilawo, Etɔ̃lia, Nufialawo, Emegbe, Nukunuwɔlawo, Dɔyɔlawo, Kpekpeɖeŋunalawo; Dɔdzikpɔlawo, Ame siwo ƒoa nu kple gbegbɔgblɔ siwo womesrɔ̃ kpɔ o.
Ame sia amee nye apostoloa? Ao! Ame sia amee nye mawunyagblɔlaa? Ao! Ame sia amee nye nufialaa? Đe ŋusẽ le ame sia ame si be wòawɔ nukunuwoa?
Đe ame sia amee ate ŋu ayɔ dɔ dɔnɔwoa? Kura o! Đe Mawu na ŋusẽ mía dometɔ ɖe sia ɖe be míaƒo nu le gbe siwo míesrɔ̃ kpɔ o la mea? Đe ame sia amee ate ŋu ase nu si gbe bubu gblɔlawo le gbɔgblɔm eye wòaɖe egɔmea?
Ao, ke midze agbagba be miaƒe asi nasu nunana siwo le vevie wu esiawo la, dzi. Gbã la, mina maƒo nu na mi tso nu bubu aɖe si nyo wu esiawo katã la ŋu.
13
Ne metsɔ amewo kple mawudɔlawo ƒe gbegbɔgblɔ ƒo nui, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, ɖeko mele abe gakogoe alo ayawagba ƒe ɖiɖi ene.
Ne nyagblɔɖi ƒe nunana le asinye, eye nunya katã hã le asinye be mate ŋu ase nuɣaɣlawo gɔme, eye ne xɔse le asinye be maɖe gbe na towo be woaho, evɔ lɔlɔ̃ mele asinye o la, nyemenyo na naneke o.
Nenye ɖe matsɔ nu sia nu si le asinye la ana ame dahewo eye mana woatɔ dzom gake nyemelɔ̃a amewo o la, viɖe aɖeke kura manɔ nu sia ŋu o.
Lɔlɔ̃ gbɔa dzi ɖi blewuu eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ mebiã ŋu hã o; meƒoa adegbe o eye medana o.
Lɔlɔ̃ medoa eɖokui ɖe dzi o, media eɖokui tɔ o eye mefiaa amemabumabu hã o. Lɔlɔ̃ mebiaa dzi o, meléa ehavi ɖe dɔme o eye medea dze si nu vɔ̃ siwo amewo wɔ ɖe eŋu ɖi o.
Lɔlɔ̃ medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋu o, ke ekpɔa dzidzɔ le nyateƒe la me.
Lɔlɔ̃ mena ta o, ekana ɖe nu dzi ɣesiaɣi, ekpɔa mɔ ɣesiaɣi eye wòdoa vevi nu ɣesiaɣi.
Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o. Nyagblɔɖiwo katã nu ava yi, afi si aɖeyeye gbɔgblɔ le la atɔ; eye afi si sidzedzi le la, enu ava yi.
Elabena míenya nu afã kple afã eye míegblɔa nya ɖi afã kple afã,
gake ne blibodede va la ekema nu si mede blibo o la, abu ɖa.
Ele ale: Esi menye ɖevi la, meƒo nu eye mebu tame abe ɖevi ene. Ke esi metsi la, nye susuwo tsi sãa wu nye ɖevimesusuwo eye azɔ la meɖe asi le ɖevimenuwo ŋu.
Ke azɔ la nu siwo li la ƒe vɔvɔli ko kpɔm míele, emegbe míakpɔ nuawo ŋkume kple ŋkume. Azɔ la menya nu afã kple afã emegbe la, manyae blibo, abe ale si wonyam keŋkeŋkeŋ egbea ene.
Nu etɔ̃e nɔa anyi ɖaa. Esiawoe nye xɔse, mɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃, eye nu si ƒo wo katã tae nye lɔlɔ̃.
14
Mina lɔlɔ̃ nanye miaƒe taɖodzinu gãtɔ, ke mibia nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana hã, vevietɔ nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana hena Mawu ƒe nyawo gbɔgblɔ.
Ke ne wò nunanae nye be nãte ŋu agblɔ “gbe bubuwo” si gɔmee nye nãƒo nu le gbe siwo mèsrɔ̃ kpɔ o me la, ãnɔ nu ƒom na Mawu ko, ke menye na amewo o, esi amewo mate ŋu ase wò nyawo gɔme o ta. Àƒo nu kple Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ ke wò nuƒoƒo la katã anye nya ɣaɣla.
Ke ame si gblɔa nya ɖi eye wògblɔa Mawu ƒe nya la, le kpekpeɖeŋu nam ame bubuwo be woatsi le Aƒetɔ la me eye wòle ŋusẽ dom wo hele akɔ fam na wo.
Ale ame si “gblɔa gbe bubuwo” la, kpena ɖe eɖokui ŋu eye wòtsina le gbɔgbɔ me, ke ame si gblɔa nya ɖi eye wògblɔa nya siwo tsoa Mawu gbɔ la, kpena ɖe hame blibo la ŋu be wòatsi le kɔkɔenyenye kple dzidzɔkpɔkpɔ me.
Madi be “gbe bubuwo gbɔgblɔ” ƒe nunana nanɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe si, ke nu si wu esiae nye madi be mi katã miate ŋu agblɔ nya ɖi, agblɔ Mawu ƒe nya elabena esia nye ŋusẽ gã kple ŋusẽ si ŋu viɖe le wu woagblɔ gbe manyamanyawo, negbe ne miate ŋu aɖe nya siwo miegblɔ la gɔme na amewo emegbe ale be woawo hã nakpɔ viɖe aɖe tso wo me.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, ne nye ŋutɔ mava aƒo nu na mi le gbe si mienya o me la, viɖe ka wòanye na mi? Ke ne magblɔ nu si Mawu ɖe fiam, kple nu siwo menya, kple nu siwo le eme va ge kpakple Mawu ƒe nya si nye nyateƒea la, nu siawoe miehiã eye woawoe akpe ɖe mia ŋu.
Mate ŋu atsɔ kpẽwo alo kasaŋkuwo aɖo kpɔɖeŋu afia be nyagbɔgblɔ le gbe siwo míenya me la, le vevie wu le gbe siwo míenya o la me. Ame aɖeke manya ha si kum wole o, negbe ɖe ko woku gbeɖiɖi ɖe sia ɖe pɛpɛpɛ eme kɔ.
Ne aʋakpẽkula meku gbeɖiɖiawo pɛpɛpɛ o la, ale ke asrafoawo awɔ hafi anya be wole yewo yɔm na aʋakpekpe?
Nenema ke ne ègblɔ nya na ame aɖe le gbe si menya o me la, ale ke wòawɔ hafi anya nya si gblɔm nèle? Asɔ kple nãnɔ nu ƒom le xɔ si me ame aɖeke mele o la me.
Mebu be gbe vovovo alafa nanewo le xexeame eye wo katã nye gbe xɔasiwo na wo gblɔlawo,
ke womenye naneke na nye ya o. Ame si aƒo nu nam le gbe siawo dometɔ ɖeka me la, anye amedzro nam eye nye hã manye amedzro nɛ.
Esi miele didim vevie alea be yewoaxɔ nunana tɔxɛwo tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ la, mibia nu nyuitɔ kekeakee; mibia nu siwo anye viɖe vavãwo na hame blibo la.
Ne wona nunana ame aɖe be wòate ŋu agblɔ nya le gbe manyamanyawo me la, ele be wòado gbe ɖa be woana nunana ye be yeanya nu si yegblɔ ale be yeate ŋu aɖe egɔme na amewo emegbe.
Elabena ne mado gbe ɖa le gbe si nyemenya o me la, nye gbɔgbɔ ado gbe ɖa gake nyemanya nya si megblɔ o.
Ekema nu ka mawɔ? Mawɔ nu eve siawo. Mado gbe ɖa le gbe manyamanyawo me eye magado gbe ɖa le gbe nyanyɛ la me ale be ame sia ame nase egɔme. Madzi ha le gbe manyamanyawo me eye magadzii le gbe nyanyɛ la hã me ale be mase kafukafuha si dzim mele la gɔme.
Elabena ne èkafu Mawu eye nèda akpe nɛ le gbɔgbɔ me ko kple nuƒoƒo le gbe bubu me la, ale ke ame siwo mese nu si wɔm nèle gɔme o la, ate ŋu akafu Mawu kple wò? Ale ke woate ŋu akpe ɖe ŋuwò miada akpe na Mawu ne womese nu si gblɔm nèle la gɔme o?
Àte ŋu anɔ akpe dam vevie gake manye kpekpeɖeŋu aɖeke na ame bubuawo o.
Meda akpe na Mawu be “megblɔa gbe manyamanyawo” le ɖokuinye si wu mia dometɔ ɖe sia ɖe.
Ke ne míele Mawu subɔm le hame la, anyo be magblɔ nya atɔ̃ siwo gɔme amewo ase eye woanye kpekpeɖeŋu na wo wu magblɔ nya akpe ewo “ ɖe gbe manyamanyawo me.”
Nɔvi lɔlɔ̃awo; migazu abe ɖeviwo ene le nu siawo gɔmesese me o. Mizu abe ɖevi maɖifɔwo ene le ɖoɖowɔwɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu me, ke mizu ŋutsu nugɔmeselawo le nya siawo tɔgbi gɔmesese me.
Wogblɔe na mí le Nubabla Xoxoa me be, Mawu aɖo amewo ɖa tso anyigba bubuwo dzi be woaƒo nu na eƒe amewo le dzrogbewo me, ke le ɣemaɣiwo me gɔ̃ hã la, womaɖo to wo o.
Ale miakpɔe be “nuƒoƒo le gbe bubuwo me” menye Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖefia Mawu ƒe amewo o, ke boŋ enye ɖeɖefia na ame siwo mekpɔ ɖeɖe o. Nu si kristotɔwo hiã lae nye nyagbɔgblɔɖi si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe nyateƒenya detoawo; ke dzimaxɔsetɔwo mele klalo nɛ o.
Hekpe ɖe esia ŋu la, ne ame si mekpɔ ɖeɖe o, alo ame si si nunana siawo mele o, ava miaƒe sɔleme eye wòase mi katã mianɔ gbe bubuwo gblɔm la, abu mi tsukunɔwoe.
Ke ne mi katã miegblɔ nya ɖi eye miegblɔ Mawu ƒe nya la, togbɔ be xɔsetɔwoe miegblɔna nya siawo na hã la, ame aɖe si mekpɔ ɖeɖe o, alo kristotɔ yeye aɖe si va eye mese nu siawo gɔme o la, nyagbɔgblɔ siawo katã ana wòadze sii be nu vɔ̃ wɔla yenye. Ekema nya sia nya si wòase la, awɔ dɔ ɖe eƒe dzitsinya dzi.
Esime wòle to ɖom la, ahe eƒe susu ɣaɣlawo ɖe go, adze klo asubɔ Mawu eye wòaɖe gbeƒã be vavã Mawu le mia dome le afi ma.
Enyo nɔvinyewo, mina míalé nya siwo katã gblɔm mele la nu aƒo ƒui azɔ. Ne miekpe ta la, ame aɖewo adzi ha, ame bubu aɖe afia nu alo agblɔ gbedeasi tɔxɛ aɖe si Mawu nɛ alo agblɔ nya le gbe manyamanya aɖe me, alo aɖe nya si ame bubu aɖe le gbɔgblɔm le gbe manyamanya aɖe me la gɔme. Ke ele be nu sia nu si woawɔ la nanye viɖe na ame sia ame eye wòatu wo ɖo ɖe Aƒetɔ la me.
Ame siwo aƒo nu le gbe manyamanyawo me la mawu eve alo etɔ̃ o. Woaƒo nu ɖekaɖekae eye ele be ame aɖe nanɔ klalo aɖe nu si gblɔm wole la gɔme.
Ke ne ame aɖeke meli aɖe nyaawo gɔme o la, ekema mele be woaƒo nu sesĩe o, ke boŋ woaƒo nu na wo ɖokuiwo kple Mawu ko le gbe manyamanya la me ke menye sesĩe na ameha la o.
Ale nyagblɔɖilawo la, ame eve alo ame etɔ̃ nagblɔ nya ɖi eye ame mamlɛawo nadzro nu siwo gblɔm wole la me kpɔ nyuie.
Ke nenye be ɖeɖefia aɖe vana ame siwo bɔbɔ nɔ anyi dometɔ aɖe la, ekema ame gbãtɔ nazi ɖoɖoe ana mɔ nɔvia.
Ale ame siwo katã si nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana le la ate ŋu aƒo nu ɖekaɖeka eye ame sia ame nasrɔ̃ nu eye nu si wòsrɔ̃ la nade dzi ƒo nɛ eye wòakpe ɖe eŋu.
Miɖo ŋku edzi be ame si xɔ gbedeasi aɖe tso Mawu gbɔ la, ate ŋu azi eɖokui dzi alo alala va se ɖe esime wòaɖo edzi be wòaƒo nu.
Mawu menye ame si lɔ̃na be woawɔ nuwo basabasa o; elɔ̃a nuwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nyui nu abe ale si wòle le hame bubuwo katã me ene.
Ele be nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le hamea ƒe takpekpewo me. Womade nu nyameɖeɖewo me o, elabena wole ŋutsuwo te abe ale si se la hã fia ene.
Ne nya aɖe le wo si woabia la, woabia wo srɔ̃wo le aƒe me elabena mesɔ be nyɔnuwo naɖe woƒe susuwo afia le hamea ƒe takpekpewo me o.
Mietsi tre ɖe ɖoɖo sia ŋua? Đe miebu be nunyanya tso Mawu ŋu dze egɔme eye wòwu enu kple mi Korintotɔwoa? Mieda vo!
Ele be mi ame siwo gblɔna be wona nyagbɔgblɔɖi ƒe nunana alo ŋusẽ tɔxɛ bubu aɖe yewo tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ la nanye ame gbãtɔ siwo anya be nu si gblɔm mele la nye se tso Aƒetɔ la ŋutɔ gbɔ.
Gake ne ame aɖe gbe nya siawo xɔxɔ kokoko la, migblẽe ɖe eƒe numanyamanya me.
Eya ta, nɔvi xɔsetɔwo, midi vevie be miazu nyagblɔɖilawo ale be miate ŋu agblɔ Mawu ƒe nya eme nakɔ eye migagblɔ kpɔ be, “nuƒoƒo le gbe bubuwo me” nye nu gbegblẽ o;
ke boŋ mikpɔ egbɔ be yewowɔ nu sia nu nyuie to mɔ nyuitɔ dzi le ɖoɖo nyuitɔ me.
15
Azɔ la, nɔviwo, mina maɖo ŋku nu si tututu nyanyui la nye la dzi na mi, elabena nyanyui la metrɔ o; nyanyui ma kee megblɔ na mi kpɔ. Miexɔe nyuie tsã kple fifia siaa elabena mieɖo miaƒe xɔsɛ la anyi sesĩe ɖe nya wɔnuku sia dzi.
Nyanyui sia kee aɖe mi ne miegalé edzixɔse me ɖe asi sesĩe ko. Ke ne meɖe mi o la, ekema ɖe miexɔ edzi se tututu zi gbãtɔ o.
Mena mienya nu si wogblɔ nam tso gɔmedzedzea ke be Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be wòaku ene;
woɖii eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la, efɔ tso yɔdo la me abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe do ŋgɔe ene.
Petro kpɔe gbã eye emegbe “ame wuieveawo” dometɔ bubuawo hã kpɔe.
Le esia megbe la, kristotɔwo wu alafa atɔ̃ kpɔe zi ɖeka. Ame siawo dometɔ aɖewo gale agbe ke ɖewo hã ku.
Yakobo kpɔe eye emegbe la apostoloawo katã kpɔe.
Nyee nye ame mamalɛa kpɔe le ame bubuawo katã megbe abe ɖe wotsi megbe akpa hafi dzim na ekpɔkpɔ ene.
Elabena nyee nye apostoloawo katã dome suetɔ eye le ale si mewɔ fu Mawu ƒe hamea ta la, mele be woayɔm gɔ̃ hã be apostolo hafi o.
Ke nu sia nu si menye fifia la tso Mawu ƒe dɔmenyo kple amenuveve si tɔgbi wòkɔ ɖe dzinye la gbɔ, eye menye dzodzroe o. Elabena mewɔ dɔ sesĩe wu apostolo bubuawo katã, evɔ le nyateƒe me la, menye nyee le ewɔm o, ke Mawue le ewɔm le menye, be yeayram.
Nenye nyee alo woawoe wɔ dɔ sesĩe wu hã la, vovototo aɖeke mele eme o. Nu vevitɔe nye be míegblɔ nyanyui la na mi eye miexɔe se.
Ke miɖo nya sia ŋu nam. Esi miexɔ nya si míegblɔ na mi se be Kristo fɔ tso ame kukuwo dome ɖe, nu ka ta mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be ame kukuwo magatsi tsitre o mahã?
Elabena ne ame kukuwo ƒe tsitretsitsi meli o la, ekema womefɔ Kristo hã ɖe tsitre o.
Eye ne womefɔ Kristo ɖe tsitre o la, ekema viɖe aɖeke mele míaƒe mawunyagbɔgblɔ me o, eye míaƒe Mawu dzixɔse nye nu gbɔlo kple nu dzodzro kpakple nu si ŋu mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o,
eye mí apostolowo katã míenye alakpatɔwo elabena míegblɔ be Mawu fɔ Kristo tso yɔdo me. Ke ne womefɔ Kristo ɖe tsitre hafi o la ekema mienye alakpatɔwo.
Nenye be ame kukuwo metsia tsitre o la, ekema Kristo ganye ame kuku kokoko.
Ekema mienye bometsilawo be miaganɔ Mawu dzi xɔm se kokoko be eɖe mi eye be fɔbubu li na mi ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta.
Ne ele nenema la, ekema kristotɔ siwo katã ku la bu.
Eye ne kristotɔnyenye nye viɖe na mí fifia le agbe sia me ɖeɖeko la, ekema míenye nublanuitɔ gãtɔwo wu amewo katã.
Ke nyateƒe lae nye be Kristo tsi tsitre tso ame kukuwo dome vavã eye wòzu gbãtɔ na ame akpe akpe siwo ava tsi tsitre gbe ɖeka.
Ku va xexeame le nu si ame ɖeka, Adam, wɔ la ta eye le nu si ame bubu sia, Kristo, wɔ la ta la, tsitretsitsi tso ame kukuwo dome li azɔ.
Ame sia ame kuna elabena mí katã míedo ƒome kple Adam eye míedzɔ tso eƒe ƒome si wɔ nu vɔ̃ la me eye afi sia afi si nu vɔ̃ nɔna la, ku nɔa anyi. Ke ame siwo katã do ƒome kple Kristo la agatsi tsitre.
Ame sia ame atsi tsitre le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi: Kristo tsi tsitre gbã eye ne Kristo gatrɔ va la, eƒe amewo katã agagbɔ agbe.
Le ema megbe la, Kristo aɖu futɔ ɖe sia ɖe ƒomevi dzi, nuwuwua ava eye wòatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu, Fofo la.
Eya ta Kristo aɖu fia va se ɖe esime wòaɖu eƒe futɔwo katã dzi
eye wòaɖu futɔ mamlɛtɔ, ku, gɔ̃ hã dzi. Woaɖu eya hã dzi eye woaɖee ɖa.
Elabena Fofo la tsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽkpɔkpɔ ɖe nu sia nu dzi na Kristo, ke Kristo meɖu Fofo la ŋutɔ, ame si tsɔ ŋusẽ sia nɛ be wòaɖu dzi la, ya dzi o.
Ne Kristo ɖu dzi le aʋa si wɔm wòle kple eƒe futɔwo katã me mlɔeba la, ekema eya, Mawu Vi la, atsɔ eya ŋutɔ hã ade Fofoa ƒe ɖoɖowo te, ale be Mawu, ame si na dziɖuɖui ɖe nu bubu ɖe sia ɖe dzi la, azu tatɔ, dziɖula gãtɔ.
Ne ame kukuwo magatsi tsitre o la, ekema viɖe kae le mawutsidedeta na amewo ɖe ame kukuwo nu me? Nu ka tae wòle be miawɔe ne miexɔe se be ame kukuwo magatsi tsitre o?
Eye nu ka ta wòle be míatsɔ míaƒe agbe ade xaxa me anɔ ku ƒe asime ɣesiaɣi?
Enye nyateƒe be menɔa ku ƒe asime gbe sia gbe. Esia nye nyateƒe abe ale si medana le miaƒe tsitsi le Aƒetɔ la me ta ene.
Eye viɖe kae le avuwɔwɔ kple lã wɔadã mawo, Efesotɔwo, me ne wòanye ɖe viɖe si makpɔ le agbe sia me le anyigba sia dzi ta ko? Ne míaganɔ agbe le ku megbe o la, ekema anyo be míaɖu nu, ano nu eye míakpɔ dzidzɔ, elabena etsɔ míaku eye nu sia nu ase afi ma.
Migana ame siwo gblɔa nya siawo la nado lã mi o. Ne mieɖo to wo la, miade asi nuwɔwɔ me abe woawo ke ene.
Miwɔ susu ŋudɔ eye miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Ŋu nakpe mi elabena mia dometɔ aɖewo menye kristotɔwo o eye womedze si Mawu gɔ̃ hã o.
Ke ame aɖe abia be, “Ale ke ame kukuwo awɔ hafi agagbɔ agbe? Ŋutilã ka tɔgbie anɔ wo si?”
Biabia sia nye abunɛtɔwo ƒe biabia! Miakpɔ ŋuɖoɖoa le miawo ŋutɔ miaƒe agblewo me! Ne mietsɔ nuku aɖe de tome la, metsina zua ati o, negbe ɖe ko “wòaku” gbã hafi.
Eye ne nuku la mie la, nu miemie la toa vovo sãa tsoa nuku si mieƒã gbã la gbɔ. Nu si miede tome la nye bliku ƒuƒu sue aɖe ko alo nuku bubu aɖe si mieƒã.
Emegbe la, Mawu naa dzedzeme dzeani yeye aɖee; nɔnɔme si eya ŋutɔ di be wòanɔ esi. Ati bubu ƒomevi doa go tsoa nuku ɖe sia ɖe ƒomevi me.
Abe ale si nuku kple ati ƒomevi vovowo li ene la, nenema kee ŋutilã ƒomevi vovovowo hã li. Amegbetɔwo, lãwo, tɔmelãwo kple xeviwo ƒe ŋutilãwo to vovo.
Nuwɔwɔ siwo le dziƒo la ƒe nɔnɔme to vovo sãa tso esiwo le anyigba dzi tɔ gbɔ. Nenema kee, woƒe nyonyo kple ŋutikɔkɔe hã to vovo tso mia tɔ gbɔe.
Ŋutikɔkɔe aɖe ƒomevi le ɣe si eye ŋutikɔkɔe ƒomevi bubu le ɣleti kple ɣletiviwo hã si eye ɣletiviwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ le nyonyo kple keklẽ me.
Nenema ke míaƒe anyigbadziŋutilã siwo kuna eye wonyunyɔna la to vovo tso ŋutilã siwo anɔ mía si ne míetsi tsitre la gbɔ, elabena woawo ya magaku gbeɖe o.
Ŋutilã siwo nye mía tɔ fifia la ɖea fu na mí elabena woléa dɔ eye wokuna, ke ŋutikɔkɔe ayɔ wo me ne míeva tsi tsitre. Ẽ, wonye ŋutilã siwo gbɔdzɔna eye wokuna fifia, ke ne míeva tsi tsitre la, ŋusẽ ayɔ wo me fũ.
Wonye dzɔdzɔmeŋutilãwo ko le ku me, ke ne míeva tsi tsitre la, woanye gbɔgbɔmeŋutilãwo, elabena abe ale si amegbetɔwo ƒe ŋutilã dzɔdzɔmetɔwo li ene la, nenema kee ŋutilã siwo nye gbɔgbɔmetɔwo hã li.
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe na mí be, “Ame gbãtɔ, Adam, zu luʋɔ gbagbe.” Ke Adam mamlɛtɔ la zu gbɔgbɔ si na agbe.
Ale menye gbɔgbɔmetɔ enye gbãtɔ o, ke boŋ dzɔdzɔmetɔ lae, eya megbe hafi gbɔgbɔmetɔ va.
Wowɔ Adam tso anyi me; ke Kristo ɖi tso dziƒo va.
Ŋutilã le amegbetɔ ɖe sia ɖe si abe Adam tɔ ene. Wowɔe tso anyi me ke ame siwo katã zu Kristo tɔ la, Kristo ƒe ŋutilã tɔgbi, si anye ŋutilã si tso dziƒo la, anɔ wo si.
Abe ale si Adam ƒe ŋutilã tɔgbi le mía dometɔ ɖe sia ɖe si fifia ene la, nenema kee Kristo ƒe ŋutilã tɔgbi anɔ mía si gbe ɖeka.
Nɔvinyewo, megblɔ esia na mi: Anyigbadziŋutilã si nye lã kple ʋu la, mate ŋu ayi Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o. Míaƒe ŋutilã siwo gblẽna la menye ŋutilã nyuitɔ siwo anɔ agbe tegbee o.
Ke mele nya ɣaɣla wɔnuku sia gblɔm na mi: Mí katã míaku o, ke woana ŋutilã yeyewo mí katã.
Nu siawo katã ava eme le aɖabaƒoƒo ɖeka me ne woaku kpẽ mamlɛtɔ. Elabena woaku kpẽ aɖe tso dziŋgɔli me eye kristotɔ siwo katã ku la atsi tsitre enumake kple ŋutilã yeye siwo maku akpɔ o, eye mí ame siwo gale agbe la, woana ŋutilã yeyewo míawo hã enumake.
Elabena ele be woatrɔ míaƒe anyigbadziŋutilã siwo le mía si fifia eye woate ŋu aku la woazu dziƒoŋutilã siwo mate ŋu agblẽ o, ke boŋ woanɔ agbe tegbee.
Ne eva dzɔ alea la, ekema Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me nyawo ava eme be, “Womi ku le dziɖuɖu me.”
O, ku afi ka wò dziɖuɖu la le? O, ku afi ka wò ti la le?
Elabena ku ƒe ti enye nu vɔ̃, eye nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ enye se la.
Míeda akpe na Mawu le esiawo katã ta! Eyae wɔ mí dziɖulawoe to Yesu Kristo mía Aƒetɔ la dzi!
Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, esi kakaɖedzi li be míava ɖu dzi ta la, misẽ ŋu eye minɔ te. Mina miaƒe dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me nagbã go ɖaa si; elabena mienya bena nu sia nu si miawɔ na Aƒetɔ la la, mazu dzodzro akpɔ abe ale si wòanɔ ne tsitretsitsi aɖeke meli ene o.
16
Azɔ la, se siwo le ga si dzɔm miele be yewoaɖo ɖa kristotɔ siwo le Yerusalem ŋu la woe nye esiawo. Se siawo kee mede na hame siwo le Galatia.
Le Kwasiɖa ɖe sia ɖe gbe la ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ ga si wòkpɔ le kwasiɖa me la ƒe akpa aɖe adzra ɖo eye wòawɔ eŋutidɔ na nunana sia. Ga home la ku ɖe home si Aƒetɔ la kpe ɖe amea ŋu wòkpɔ la ŋu. Migalala va se ɖe esime mava afi ma hafi miadze agbagba be yewoadzɔ ga home la katã zi ɖeka o.
Ne meva la, maŋlɔ agbalẽ akpe ɖe miaƒe lɔlɔ̃ ƒe nunana la ŋu aɖo ɖe Yerusalem to dɔla nuteƒewɔla aɖe si miawo ŋutɔ miatia la dzi.
Eye ne anyo be nye hã mayi kplii la, ekema míate ŋu azɔ afɔ ɖeka.
Made Makedonia gbã hafi ava kpɔ mi ɖa, ke manɔ afi ma ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
Ate ŋu ava eme be manɔ miawo gbɔ wòadidi wu, ɖewohĩ le vuvɔŋɔli blibo la katã me, eye miado mɔm mayi teƒe bubu.
Nyemegadi azɔ be makpɔ mi ɖa ɣeyiɣi kpui aɖe ko eye matso eme o. Medi be mava nɔ anyi sẽe ne Aƒetɔ la aɖe mɔ nam.
Manɔ Efeso le afi sia va se ɖe Pentekoste ƒe ŋkekenyui la dzi,
elabena mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe li nam be magblɔ mawunya eye mafia nu le afi sia. Mɔnukpɔkpɔ geɖewo li ke futɔwo hã sɔ gbɔ.
Ne Timoteo va la, mina eƒe mo nadze anyi elabena ele Aƒetɔ la ƒe dɔ wɔm abe nye ke ene.
Migana ame aɖeke nado vloe alo agbe toɖoɖoe, be enye ɖekakpui ta o, ke mina wòakpɔ dzidzɔ le ɣeyiɣi si wòanɔ mia dome la me, eye miaɖoe ɖem. Mele mɔ kpɔm be makpɔe kaba kple ame bubu siwo trɔ gbɔna.
Meɖe kuku na Apolo be eya kple ame bubuwo nava kpɔ mi ɖa, ke ebu be menye Mawu ƒe ɖoɖo wònye na ye be yeayi fifia o. Ava mia gbɔ emegbe ne mɔnu aɖe ʋu nɛ:
Minɔ ŋudzɔ be miadze si gbɔgbɔme ƒe dzɔgbevɔ̃ewo. Miwɔ nuteƒe na Aƒetɔ la. Minɔ agbe abe ŋutsuwo ene eye misẽ ŋu.
Nu sia nu si miawɔ la, miwɔe kple amenuveve kpakple lɔlɔ̃.
Mieɖoa ŋku Stefana kple eƒe ƒomea dzia? Woawoe nye ame gbãtɔ siwo zu kristotɔwo le Akaya eye wole kpekpeɖeŋu geɖe nam kristotɔwo le afi sia afi.
Miwɔ nu siwo woaɖo na mi eye miwɔ nu sia nu si miate ŋui la be miakpe ɖe wo kple ame bubu siwo katã tsɔ wo ɖokuiwo sa vɔe abe woawo ene eye wowɔa dɔ sesĩe le mia dome la ŋu.
Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be Stefana, Fortunato kple Akaiko va ɖo mía gbɔ be yewoakpɔ mí ɖa. Wole kpekpeɖenudɔ siwo miele afĩ sia awɔ nam o la wɔm nam ɖe mia teƒe.
Wodo dzidzɔ geɖe nam eye wode dzi ƒo nam ŋutɔ. Meka ɖe edzi be nenema kee wowɔ na miawo hã. Mexɔe se be miekpɔ ŋudzedze le ame siawo kple ame bubu siwo le abe woawo ene la ƒe dɔwɔwɔ ŋu.
Hame siwo le Asia le afii la do gbe na mi. Akwila kple Priskila kpakple ame bubu siwo katã kpea ta le woƒe aƒe me hena sɔlemedede la hã do gbe na mi.
Nɔvi siwo katã le afi sia la bia tso asinye be mado gbe na mi na yewo. Mido gbe na mia nɔewo kple lɔlɔ̃ si dze la ne miedo go.
Meŋlɔ agbalẽ sia ƒe nya mamlɛtɔwo kple nye ŋutɔ nye asi.
Ame sia ame si melɔ̃a Aƒetɔ la o la, woaƒo fi adee. Aƒetɔ Yesu va!
Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã.
Metsɔ nye lɔlɔ̃ na mi katã elabena mí katã míenye Kristo Yesu tɔwo.
- Holder of rights
- Multilingual Bible Corpus
- Citation Suggestion for this Object
- TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. 1 Corinthians (Ewe). 1 Corinthians (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-9706-7