1
Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo le Roma: Agbalẽ sia tso Paulo, Yesu Kristo ƒe kluvi, ame si wotia be wòanye mawunyadɔgbedela eye wodɔe ɖa be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la, gbɔ.
Mawu ƒe nyagblɔɖilawo do nyanyui sia ŋugbe xoxoxo le Nubabla Xoxoa me.
Enye nyanyui tso Via, Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ, ame si va xexeame abe amegbetɔ ene eye wodzii ɖe Fia David ƒe fiaƒomea me la ŋu.
Esi wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, wofia be eyae nye Mawu Vi ŋusẽtɔ la eye Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme kɔkɔe la nɔ eme.
Azɔ la, to Kristo me la, wokɔ Mawu ƒe dɔmenyo ɖe mí nu vɔ̃ wɔla madzemadzewo dzi, eye azɔ la ele mía dɔm ɖe xexeame godoo be míagblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na xexeame la na amewo katã le afi sia afi, ale be woawo hã naxɔ edzi ase eye woaɖo toe.
Eye miawo hã miele ame siwo woyɔ be woanye Yesu Kristo tɔwo la dome.
Ŋutifafa kple amenuveve tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na mi katã le Roma, ame siwo Mawu lɔ̃ eye wòyɔ mi be miazu ame kɔkɔewo.
Mina magblɔe na mi gbã be teƒe ɖe sia ɖe si meyi la, mesea amewo nɔa nu ƒom tso mia ŋu, elabena amewo le nu nyam le xexeame godo tso miaƒe xɔse ŋu. Medaa akpe na Mawu to Yesu Kristo dzi le ɖaseɖiɖi nyui sia sese ta eye megadaa akpe ɖe mia dometɔ ɖe sia ɖe ta.
Mawu nya ale si medoa gbe ɖa enuenu ɖe mia tae. Metsɔa miawo kple miaƒe hiahiãwo yia gbedodoɖa me zã kple keli na ame si mesubɔna kple nye ŋusẽ katã, eye megblɔa nyanyui la tsoa Via ŋu na ame bubuwo.
Nu siwo mebiana to gbedodoɖa me la dometɔ ɖekae nye be makpɔ mɔnu, ne Mawu lɔ̃ la, mava kpɔ mi ɖa mlɔeba la, eye ne adze edzi la, mazɔ mɔ la dedie.
Mele didim vevie be mava kpɔ mi ɖa ale be matsɔ gbɔgbɔmenunana aɖe si ado ŋusẽ mi la ana mi,
hekpe ɖe esia ŋu be nye kple miawo siaa míado ŋusẽ mía nɔewo ƒe xɔse.
Nɔvinye lɔlɔ̃awo, medi be mianya be meɖoe zi geɖe be mava kpɔ mi ɖa ale be mate ŋu awɔ dɔ le mia dome eye makpɔ kutsetse nyui siwo ado tso eme abe ale si mewɔ le Trɔ̃subɔlawo ƒe ha bubuwo me ene. Gake esia mete ŋu dze edzi o,
elabena menyi fe le ame sia ame si, ŋkuʋuʋutɔwo kple ŋkumaʋumaʋutɔwo, ame siwo wohe kple ame siwo womehe o siaa si.
Eya ta ne mate ŋui ko la, mele klalo be mava miawo hã gbɔ le Roma be magblɔ Mawu ƒe nyanyui la na mi.
Elabena nyanyui si tso Kristo ŋuti mekpea ŋu nam o. Eyae nye Mawu ƒe mɔ si ŋu ŋusẽ le si dzi Mawu ato akplɔ ame siwo xɔ edzi se la ayi dziƒo. Gbã la, wogblɔ nya siawo na Yudatɔwo ɖeɖe ko, ke azɔ la wole ame sia ame yɔm be wòava Mawu gbɔ to mɔ ma ke dzi.
Nyanyui sia le gbɔgblɔm na mí be Mawu dzraa mí ɖo hena dziƒoyiyi eye wònaa míawo kple Mawu dome kɔna, ne míexɔ Kristo dzi se be aɖe mí. Xɔsee wɔa nu sia tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu. Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene la, “Ame si akpɔ agbe la, akpɔe ato mawudzixɔse me.”
Woɖe Mawu ƒe dziku ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔ ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple vɔ̃ɖinyenye katã ŋu, ame siwo tea nyateƒe la ɖe to, to woƒe vɔ̃ɖinyenye me.
Elabena nu si wòle be woanya tso Mawu ŋu me kɔ na wo keŋ, elabena Mawu kɔ eme na wo.
Elabena tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me Mawu ƒe nɔnɔme siwo womekpɔa kple ŋku o, esiwo nye eƒe ŋusẽ mavɔ kple eƒe mawunyenye me kɔ na wo ƒãa. Wose esia gɔme to eƒe nuwɔwɔwo me, be taflatsedodo naganɔ ame aɖeke si o.
Togbɔ be wonya Mawu hã la, womesubɔnɛ alo daa akpa nɛ abe Mawu ene o ke boŋ woƒe tamesusuwo zu nu dzodzro eye woƒe dzi manyanu la me do viviti.
Togbɔ be wobu be yewonye nunyalawo hã la, wonye bometsilawo boŋ,
elabena wotsɔ Mawu makumaku la ƒe ŋutikɔkɔe ɖɔ li aklamakpakpɛwo be wòanɔ abe amegbetɔ, dziƒoxeviwo kple lã afɔenewo kpakple nutatawo tɔ ene.
Eya ta, le woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu la, Mawu tsɔ wo de asi na ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye be woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo kple wo nɔewo.
Wotsɔ Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔ li aʋatsoe; wosubɔa eye wodea ta agu na nuwɔwɔwo wu wo Wɔla, ame si wòle be woakafu tegbetegbe. Amen.
Le esia ta Mawu tsɔ wo de asi na dzodzro vɔ̃wo; woƒe nyɔnuwo gɔ̃ hã tsɔ nu siwo menye dzɔdzɔmenuwo o la, ɖɔ li dzɔdzɔmenuwoe le gbɔdɔdɔnyawo gome.
Nenema ke woƒe ŋutsuwo hã ɖe asi le dzɔdzɔme ƒe kadodo si le ŋutsu kple nyɔnu dome ŋu eye woƒe lãme fiena ɖe wo nɔewo ŋu. Ale ŋutsu wɔa ŋunyɔnu kple ŋutsu bubuwo. Ale woxɔ woƒe ŋukpenanuwo ƒe fetu ɖe woƒe ŋutilã me.
Gawu la, esi wosusui be mehiã be woalé sidzedze Mawu me ɖe asi o ta la, Mawu ɖe asi le woƒe susu ŋu na bometsitsi be woawɔ nu si mele be woawɔ o.
Ale wo ameawo me yɔ fũu kple vɔ̃ɖinyenye ɖe sia ɖe ƒomevi, nu tovo wɔwɔ, ŋukeklẽ kple gbɔ̃ɖiɖi ame ɖokui. Nenema ke ŋuʋaʋã, hlɔ̃dodo, dzrewɔwɔ, beble kple vɔ̃ediname hã yɔ wo me fũu. Wonye ameŋunyagblɔlawo,
ameŋugblẽlawo, ame siwo léa Mawu ɖe ke me, amemabulawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, ame siwo toa nu gbegblẽ yeyewo wɔwɔ vanɛ, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o.
Wonye numanyalawo, dzimaxɔsetɔwo, nublanuimakpɔlawo kple tamesesẽtɔwo.
Togbɔ be wonya nu le Mawu ƒe sedede dzɔdzɔe la ŋu be ame siwo wɔa nenema nu siawo tɔgbi dze na ku hã la, womeyia nu siawo wɔwɔ dzi ɖeɖe ko o ke boŋ woda asi ɖe ame siwo wɔnɛ hã tɔ dzi.
2
Mianɔ biabia be, “Ame vɔ̃ɖi kawo ŋue mele nu ƒom le?” Milala vie. Miawo hã miele abe woawo ke ene. Ne miele gbɔgblɔm be wonye ame vɔ̃ɖiwo eye ele be woahe to na wo la, miele nya siawo ke gblɔm tso miawo ŋutɔ hã ŋu, elabena miewɔa nu vɔ̃ɖi siawo ke.
Míenya be Mawu ahe to na ame sia ame si wɔa nu siawo tɔgbi le eƒe dzɔdzɔenyenye ta.
Đe miele bubum bena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu abu fɔ ame aɖewo le nu siawo wɔwɔ ta ke wòagbe ʋɔnudɔdrɔ̃ miawo ne miewɔ nu mawo kea?
Đe mienya ale si gbegbe wògbɔa dzi ɖi na mi oa? Alo ɖe mietsɔ ɖeke le eme oa? Đe miekpɔe be egbɔ dzi ɖi ɣeyiɣi siawo katã eye mehe to na mi o ale be yeana ɣeyiɣi mi miatrɔ dzime oa? Eƒe dɔmenyo ƒe taɖodzinue nye wòana miatrɔ dzime.
Gake, gbeɖe, miegbe toɖoɖo. Ale miele tohehe sesẽ dzram ɖo na mia ɖokuiwo le miaƒe gbegbe be yewomaɖe asi le yewoƒe nu vɔ̃wo ŋu o ta; elabena ŋkeke aɖe gbɔna, gbe si gbe Mawu anye Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe na xexeame katã.
Atsɔ nu sia nu si dze na ame sia ame le eƒe dɔwɔwɔ ta la anɛ.
Ana agbe mavɔ ame sia ame si wɔa eƒe lɔlɔ̃nu, eye wòdia ŋutikɔkɔe kple bubu kpakple agbe mavɔ si Mawu nana.
Ke ahe to na ame siwo tsia tsitre ɖe eƒe nyateƒe la ŋu eye wowɔa nu vɔ̃. Mawu atrɔ eƒe dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi.
Konyifafa kple fukpekpe anɔ anyi na Yudatɔ kple Trɔ̃subɔla siwo nɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi la siaa sɔsɔe.
Ke ŋutikɔkɔe kple bubu kpakple ŋutifafa atso Mawu gbɔ na ame sia ame si ɖoa toe, ne wonye Yudatɔwo loo alo Trɔ̃subɔlawo,
elabena Mawu meɖea ame aɖeke le eme o.
Eya ta woahe to na ame siwo katã si se mele o la abe se manɔsitɔwo ene ne wowɔ nu vɔ̃, eye woadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo le se la te abe setenɔlawo ene.
Elabena menye ame siwo sea se la, woe nye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋkume o, ke boŋ ame siwo wɔa sea dzi lae woatso afia na abe ame dzɔdzɔewo ene.
Le nyateƒe me, ne Trɔ̃subɔla siwo si se mele o, gake wowɔ nu ɖe dzɔdzɔme ƒe ɖoɖo nu eye wòsɔ kple se la la, ekema wozu se na wo ɖokuiwo,
elabena wofia be woŋlɔ se la ƒe nyawo ɖe woƒe dziwo me, woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase eye woƒe tamesusu hã tsoa wo nu ɣeaɖewoɣi eye wòɖea wo nu ɣebubuɣi.
Gbe ɖeka aɖe gbɔna kokoko, gbe si gbe le Mawu ƒe gbeɖeɖe nu la, Yesu Kristo adrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame le nu siwo wòwɔ le adza me la ta eye wòadrɔ̃ ʋɔnu wo le woƒe susu ɣaɣlawo kple taɖodzinuwo ta. Nu siawo katã nye Mawu ƒe ɖoɖo triakɔ si mele gbeƒã ɖem la ƒe akpa aɖe.
Mi Yudatɔwo miebu be yewo kple Mawu dome li nyuie elabena Mawu tsɔ eƒe sewo na mi. Mieƒoa adegbe be yewoe nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ veviwo.
Ẽ, mienya nu si dim wòle. Mienya nyui tso vɔ̃ gbɔ eye mieda asi ɖe nyui dzi, elabena wofia eƒe sewo mi tso keke miaƒe ɖevime ke.
Mienya Mawu gbɔ mɔ nyuie ale gbegbe be miate ŋu afia asii na ŋkuagbãtɔ gɔ̃ hã. Miebua mia ɖokuiwo abe mɔfiakaɖiwo ene hena mɔfiafia ame siwo bu ɖe viviti me la be woaɖo ta Mawu gbɔ.
Miebuna be yewoate ŋu afia mɔ numanyalawo eye yewoafia mawunya ɖeviwo gɔ̃ hã elabena mienya eƒe seawo nyuie eye nunya kple nyateƒe yɔ seawo me fũ.
Ẽ, miefiaa nu ame bubuwo, ekema nu ka ta miafia nu miawo ŋutɔ mia ɖokuiwo o? Miegblɔna na amewo be womegafi fi o; ɖe miawo miefia fia?
Miegblɔna be ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃; ɖe miawo ŋutɔ miewɔnɛa? Miegblɔna be“Migasubɔ legbawo o,” ke mietsɔ ga wòzu miaƒe mawu.
Miedana ɖe Mawu ƒe seawo nyanya dzi ŋutɔ ke miedoa vlo Mawu to seawo dzi dada me.
Nu sia tae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be xexeame ɖua fewu le Mawu ŋu le mia ta.
Asixɔxɔ aɖe le Yudatɔnyenye ŋu ne miewɔ Mawu ƒe seawo dzi. Ke ne miewɔ seawo dzi o la, ekema mienyo wu trɔ̃subɔlawo le go aɖeke me o.
Eye ne Trɔ̃subɔlawo wɔa Mawu ƒe sewo dzi la, ɖe Mawu matsɔ nu nyui kple bubu siwo wòɖo ɖi na Yudatɔwo la ana Trɔ̃subɔlawo o mahã?
Trɔ̃subɔla mawo tɔ me anyo sãa wu mi Yudatɔwo tɔ, evɔ mi Yudatɔwo mienya nu geɖewo tso Mawu ŋu eye eƒe ŋugbedodowo hã le mia si ke miewɔa eƒe sewo dzi o.
Elabena mienye Yudatɔ akuakuawo le mia dzilawo ƒe Yudatɔwo nyenye ɖeɖe ko ta loo alo le aʋatsotso si nye Yudatɔwo ƒe kɔnyinyi ɖeɖe ko ta o.
Yudatɔ akuakuae nye ame sia ame si ƒe dzi le nyuie ɖe Mawu ŋu. Elabena Mawu mele ame siwo lãa woƒe ŋutilã le aʋatsotso le ŋutilã me la dim o, ke ame siwo trɔ woƒe dziwo kple susuwo la dim wòle. Ame sia ame si ƒe agbenɔnɔ me tɔtrɔ ma tɔgbi le la, axɔ eƒe kafukafu tso Mawu gbɔ, ne mexɔe tso miawo gbɔ o gɔ̃ hã.
3
Ekema viɖe kae le Yudatɔnyenye me? Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe li na wo tso Mawu gbɔa? Viɖe aɖe le Yudatɔwo ƒe aʋatsotso ƒe kɔnuwɔwɔ la mea?
Ẽ, nu nyui geɖewo le Yudatɔnyenye me. Gbã la, Mawu tsɔ eƒe sewo de asi na wo ale be woate ŋu anya eƒe lɔlɔ̃nu eye woawɔe.
Nyateƒee, wo dometɔ aɖewo mewɔ Mawu ƒe gbe dzi o. Ke ɖe woƒe ŋugbedodowo na Mawu dzi mawɔmawɔ fia be Mawu hã agbe eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ na woa?
Gbeɖe o! Togbɔ be ame sia ame nye aʋatsokala le xexeame hã la, Mawu ya mele nenema o. Èɖo ŋku nu si Psalomowo ƒe Agbalẽ gblɔ tso susu sia ŋu dzia? Egblɔ be, togbɔ be amewo atsi tsitre ɖe Mawu ƒe nyawo ŋu hã la, Mawu ƒe nyawo anye nyateƒe kple nya dzɔdzɔe ɣesiaɣi.
Ame aɖewo gblɔna be, “Míaƒe vodadawo ɖe Mawu ŋu nye nu nyui elabena míaƒe nu vɔ̃wo ana amewo nadze si Mawu ƒe nyonyo ne wokpɔ míaƒe gbegblẽ. Ekema ɖe wònyo be wòahe to na mí le esime míaƒe nu vɔ̃wo nye kpekpeɖeŋu nɛa?” Nenemae ame aɖewo gblɔna.
Mawu naxe mɔ na nya sia tɔgbiwo. Ekema Mawu ka tɔgbi wòanye ne wòaŋe aɖaba aƒu nu vɔ̃wo dzi? Ale ke wòate ŋu abu fɔ ame aɖee?
Mate ŋu adrɔ̃ ʋɔnum, abu fɔm abe nu vɔ̃ wɔla ene o, elabena nye nu vɔ̃ wɔwɔ he ŋutikɔkɔe vɛ nɛ to asifiafia vovototo si le eya ƒe nuteƒewɔwɔ kple nye nuteƒemawɔmawɔ dome la me.
Ne èkplɔ susu ma ɖo la, ãva ke ɖe susu sia ŋu. Ale si míaƒe nu vɔ̃wo sɔ gbɔ ɖe edzi wu la, nenemae Mawu lɔ̃a mí ɖe edzi wui! Ele be woabu fɔ ame siwo gblɔa nya siawo tɔgbi. Ke ame aɖewo gblɔna be nu siawo tɔgbie mefiana!
Ekema ɖe mí Yudatɔwo míenyo wu ame bubuawoa? Ao, mele eme nenema kura o, elabena míeɖee fia xoxo be amewo katã nye nu vɔ̃ wɔlawo sɔsɔe, míeɖanye Yudatɔwo loo alo míeɖanye Trɔ̃subɔlawo o.
Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene la, “Ame aɖeke meli si nyo o, eye ame ɖeka aɖeke meli si ŋu nu vɔ̃ mele o.”
Ame aɖeke mewɔ Mawu ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ kpɔ loo alo ɖo kplikpaa kpɔ be yeawɔ wo dzi gɔ̃ hã o.
Ame sia ame tra mɔ; ame sia ame wɔ nu vɔ̃. Ame aɖeke mele afi aɖeke si lé nyuiwɔwɔ me ɖe asi o. Ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã meli o.
Woƒe nuƒoƒo nye nu vɔ̃ɖi kple ŋunyɔnu abe ʋeʋẽ si doa go tsoa yɔdo nuvowo me ene. Aʋatsokaka yɔ aɖe dzi na wo. Da si ƒomevi me aɖi vɔ̃tɔ le la ƒe aɖi nɔa nu sia nu si wogblɔna la me.
Điŋudodo kple dzrewɔwɔ yɔa nu me na wo.
Woɖea abla ɖe amewuwu ŋu eye woléa fu ame sia ame si tsia tsitre ɖe wo ŋu.
Afi sia afi si woyi la, wogblẽa konyifafa kple masɔmasɔ ɖe megbe,
eye womenya ale si woaɖe dzi ɖi eye woadzɔ dzi le Mawu ƒe yayrawo ŋu kpɔ ha ɖe o.
Wometsɔ ɖeke le eme na Mawu o eye wometsɔ ɖeke le nu si Mawu bu tso wo ŋu la hã me o.
Ale Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ asẽ na Yudatɔwo elabena woawo ƒe dɔdeasie wònye be woakpɔ Mawu ƒe seawo dzi le nu vɔ̃ siawo katã wɔwɔ teƒe. Đokuinuɖenya aɖeke mele wo dometɔ aɖeke si o. Le nyateƒe me la, xexeame katã ɖi fɔ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋkume.
Miekpɔe azɔa? Womate ŋu atso afia na ame aɖeke le Mawu ƒe ŋkume le amea ƒe sedziwɔwɔ ta akpɔ o. Elabena ale si míenya Mawu ƒe seawo ɖe edzi wu la, nenema tututue eme kɔna na mí ɖe edzi wu be míele seawo dzi wɔm o. Đe ko eƒe seawo nana míenyana be nu vɔ̃ wɔlawo míenye.
Ke azɔ la woɖe dzɔdzɔenyenye aɖe tso Mawu gbɔ ɖe go si to vovo tso se la gbɔ. Se la kple Nyagblɔɖilawo ɖi ɖase le eŋuti.
Nenem dzɔdzɔenyenye sia si tso Mawu gbɔ la vana to Yesu Kristo dzixɔse me, na ame siwo katã xɔ se. Vovototo aɖeke meli o,
elabena wo katã wɔ nu vɔ̃, Mawu ƒe ŋutikɔkɔe bu ɖe wo,
eye wotso afia na wo faa to eƒe amenuveve si va to Kristo Yesu ƒe ɖeɖedɔ dzi la me.
Elabena Mawu ɖo Kristo Yesu ɖa be wòaxɔ míaƒe nu vɔ̃wo ŋu tohehe eye wòatsi Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe mía ŋu nu. Ewɔ míaƒe xɔse kple Kristo ƒe ʋu ŋudɔ hena eƒe dɔmedzoe ɖe mía ŋu nu tsitsi. Ewɔ nuteƒe le mɔ sia nu togbɔ be mehe to na ame siwo wɔ nu vɔ̃ tsã o hã. Elabena enɔ mɔ kpɔm na ɣesiɣi Kristo ava eye wòaɖe nu vɔ̃ mawo ɖa.
Le ŋkeke siawo hã me la, agate ŋu axɔ nu vɔ̃ wɔlawo le mɔ sia ke nu elabena Yesu ɖe woƒe nu vɔ̃ ɖa.
Ekema nu ka ŋuti míate ŋu aƒo adegbe le be míawɔ hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ? Naneke kura meli o. Nu ka ta? Elabena míaƒe afiatsotso meku ɖe míaƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu o, ke boŋ eku ɖe nu si Kristo wɔ kple ale si míexɔ Kristo dzi se la ŋu.
Aleae wòle be wotsoa afia na mí to Kristo dzixɔse me eye menye to nu nyui siwo míewɔna la me o.
Eye ɖe Mawu ɖea Yudatɔwo ko to mɔ sia nua? Ao, Trɔ̃subɔlawo hã ate ŋu ava egbɔ to mɔ sia ke dzi.
Mí katã míesɔ le Mawu ŋkume. Ame sia ame, Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa ate ŋu akpɔ ɖeɖe ne woxɔ se ko.
Enyo; ne woaɖe mí to xɔse me la, ekema ɖe esia fia be megahiã be míawɔ Mawu ƒe sewo dzi oa? Mele nenema kura o! Ne míexɔ Yesu dzi se la, eya ko hafi miate ŋu awɔ seawo dzi.
4
Azɔ nu ka gblɔ ge míala tso mía fofo Abraham, ame si ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu míeke ɖo le nya sia me la ŋuti?
Ne ele eme vavã be wotso afia na Abraham to dɔwɔnawo me la, ekema nane li si ŋuti wòaƒo adegbe le gake menye le Mawu gbɔ o.
Nu ka mawunya gblɔ tso nu sia ŋuti? “Abraham xɔ Mawu dzi se eye wobui dzɔdzɔenyenyee nɛ.”
Azɔ ne ame aɖe wɔ dɔ la ekema eƒe fetu menye amenuvevenu o, ke boŋ wobui abe nu si dze nɛ ene.
Ke ne amea mewɔ dɔ aɖeke o, ke boŋ wòxɔ Mawu, ame si bua ame vɔ̃ɖi dzɔdzɔe la dzi se la, ekema eƒe xɔse le Mawu me wɔe ame dzɔdzɔe.
Fia David ƒo nu tso nu sia ŋu esi wòɖi ɖase le nu vɔ̃ wɔla aɖe si ƒe nu vɔ̃wo Mawu ɖe ɖa la ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu be,
“Woayra ame siwo ƒe nu vɔ̃ wotsɔ ke wo kple ame siwo ƒe dzidada dzi wotsyɔ nui.
Woayra ŋutsu si ƒe nu vɔ̃ Aƒetɔ la magabu nɛ o.”
Azɔ la, biabia lae nye, ɖe wotsɔa yayra sia naa ame siwo xɔa Kristo dzi sena gake woléa Yudatɔwo ƒe sewo me ɖe asi loo alo ɖe wotsɔa yayra sia naa ame siwo meléa Yudatɔwo ƒe seawo me ɖe asi o, ke woxɔa Kristo dzi sena ya mahã? Enyo, Abraham ɖe? Míegblɔna be Abraham xɔ yayra siawo to eƒe xɔse me. Đe wòxɔe to xɔse ɖeɖe ko mea? Alo, ɖe wòxɔe to eƒe Yudatɔwo ƒe seawo dzi wɔwɔ me hã?
Hafi nãɖo biabia ma ŋu la, ele be nãɖo biabia sia ŋu gbã. Ɣekaɣie Mawu tsɔ yayra sia na Abraham? Etsɔe nɛ hafi wòzu Yudatɔ. Esia gɔmee nye do ŋgɔ na eƒe Yudatɔwo ƒe aʋatsotso ƒe kɔnu la wɔwɔ.
Menye emegbe sãa hafi o; wotso aʋa nɛ esi Mawu do ŋugbe nɛ be yeayrae le eƒe xɔse ta. Aʋatsotso la nye dzesi be Abraham xɔ se xoxo, be Mawu hã xɔe xoxo eye wòɖi ɖase le eŋu be enye ame dzɔdzɔe le yeƒe ŋkume hafi wotso aʋa nɛ. Ale Abraham zu gbɔgbɔmefofo na ame siwo kpɔ ɖeɖe to xɔse me ke menye to Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o. Edze ƒãa be ame siwo mewɔa se siawo dzi o la kpɔa ɖeɖe to Mawu dzixɔse me.
Hekpe ɖe esia ŋu la, Abraham nye gbɔgbɔmefofo na Yudatɔ siwo wotso aʋa na. Woakpɔe kɔtee le Abraham ƒe kpɔɖeŋu me be menye aʋatsotsoe nana wokpɔa xɔxɔ o, elabena Mawu kpɔ ŋudzedze le Abraham ŋu to eƒe xɔse me hafi wova tso aʋa nɛ.
Ekema eme kɔ be Mawu medo ŋugbe be yeatsɔ anyigba la katã ana Abraham kple eƒe dzidzimeviwo le eƒe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ ta o, ke boŋ le ale si wòxɔe se be Mawu awɔ eƒe ŋugbedodo dzi la ta.
Eya ta ne miegale gbɔgblɔm kokoko be Mawu ƒe yayra vana na ame siwo nye ame dzɔdzɔewo la, ekema ɖe miele gbɔgblɔm bena gɔmesese aɖeke mele Mawu ƒe ŋugbedodo na ame siwo xɔ se la me o, eye xɔse nye abunɛnu.
Nya la ƒe nyateƒe lae nye esi: Ne míedi be míaxɔ Mawu ƒe yayra kple ɖeɖe to eƒe sewo dzi wɔwɔ me la, nu si dzɔna koe nye míedoa dɔmedzoe nɛ elabena míetea ŋu wɔa seawo dzi o. Mɔ ɖeka si ko dzi míate ŋu ato avo tso sedzidada me koe nye se aɖeke manɔ anyi si dzi míada o!
Eya ta wonaa Mawu ƒe yayrawo mí to xɔse me abe nunana fexexemanɔŋu ene. Kakaɖedzi li be míaxɔ nunana siawo ne míelé Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi loo alo míelé wo me ɖe asi o, ne xɔse le mía si abe Abraham ene ko. Elabena Abraham nye mí katã fofo le xɔse ƒe nya gome.
Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le fiafiam esi wògblɔ be Mawu wɔ Abraham dukɔ geɖewo fofo. Mawu axɔ ame sia ame tso dukɔ ɖe sia ɖe me, ne amewo axɔ Mawu dzi ase abe Abraham ene. Ŋugbedodo sia tso Mawu ŋutɔ gbɔ, ame si naa ame kukuwo tsia tsitre eye wòƒoa nu tso nya siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la ŋu kple kakaɖedzi abe ɖe nuawo va eme xoxo ene.
Eya ta esi Mawu gblɔ na Abraham be yeana viŋutsuvii, ame si ƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ eye woazu dukɔ gã aɖe la, Abraham xɔ Mawu dzi se togbɔ be ŋugbedodo ma tɔgbi mate ŋu ava eme hafi o hã.
Esi eƒe xɔse tri akɔ ta la, metsi dzi be yetsi akpa na viŋutsuvidzidzi o, le esime wòxɔ ƒe alafa ɖeka, srɔ̃a Sara hã xɔ ƒe blaasieke eye wòtsi akpa na vidzidzi.
Ke Abraham meke ɖi kura o. Exɔ Mawu dzi se elabena eƒe xɔse gali ke ɖe edzi eye wòkafu Mawu ɖe eƒe yayra ta hafi nu si ŋugbe wodo nɛ la va eme gɔ̃ hã.
Eka ɖe edzi vevie be Mawu ate ŋu awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo.
Le Abraham ƒe xɔse ta la, Mawu tsɔ eƒe nu vɔ̃wo katã kee.
Nya wɔnuku sia be woɖe Abraham le eƒe xɔse ta la, menye viɖe na Abraham ɖeɖe ko o.
Enye viɖe na míawo hã eye wònye kakaɖedzi na mí be Mawu axɔ míawo hã to mɔ ma ke si dzi wòto xɔ Abraham ne míawo hã míaxɔ Mawu, ame si na Yesu tsi tsitre tso ame kukuwo dome la, ƒe ŋugbedodowo dzi se.
Eku ɖe míaƒe nu vɔ̃ wo ta eye wògatsi tsitre be yealé avu le míawo kple Mawu dome eye wòna Mawu ƒe amenuveve la yɔ mía me.
5
Eya ta azɔ la, esi wodzra mí kple Mawu dome ɖo to ale si míexɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se ta la, ŋutifafa vavãtɔ ate ŋu anɔ mí kple Mawu dome le nu si Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ la, wɔ na mí ta.
Elabena le míaƒe xɔse ta la, ekplɔ mí va afi sia, afi si mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ le, afi si míetsi tsitre ɖo eye míele mɔ kpɔm dzidzɔtɔe le xɔse me be míava zu nu si tututu Mawu ɖo ɖe mía ŋu be míava zu.
Míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne nukpekeamewo kple tetekpɔwo va mía dzi elabena míenya be wonye nu nyuiwo na mí, wokpena ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ dzidodo.
Dzidodo doa ŋusẽ míaƒe nɔnɔme eye wòkpena ɖe mia ŋu be míaxɔ Mawu dzi ase wu, ɣesiaɣi si míawɔ eŋudɔ va se ɖe esime le nuwuwu la, míaƒe mɔkpɔkpɔ kple xɔse va sẽa ŋu eye wonɔa te.
Ekema ne eva eme alea la, kakaɖedzi nɔa mía me le nyadzɔdzɔ ɖe sia ɖe me be nu sia nu anyo, elabena míenya ale si Mawu lɔ̃a mí. Míesea Mawu ƒe lɔlɔ̃ sia le mía me elabena Mawu tsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na mí be wòatsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ ayɔ míaƒe dzime.
Kpɔ ɖa, le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, esi míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ko la Kristo va ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta.
Mebɔ be ame aɖe naku ɖe ame dzɔdzɔe ta o ke ame nyui ya la, ɖewohĩ ame aɖe ado dzi be yeaku ɖe eya ta.
Gake Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia mí le esia me be esi míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.
Eye esi wòtsɔ eƒe ʋu wɔ esiawo katã na mí, ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo, eye azɔ esi eya ŋutɔ tso afia na mí la, ale ke gbegbe wòagawɔ na mí wu? Azɔ la, aɖe mí tso Mawu ƒe dɔmedzoe siwo katã gbɔna la me.
Eye, esi míenye eƒe futɔwo tsã, gake Via ƒe ku gbugbɔ mí va Mawu gbɔe la, ele be yayra geɖewo nanɔ esi na mí le esi míenye xɔlɔ̃awo azɔ eye wòle agbe le mía me la ta.
Fifia miekpɔ dzidzɔ le míaƒe ƒomedodo wɔnuku kple Mawu ŋuti. Ƒomedodo yeye sia tso nu si míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo wɔ na mí to eƒe ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta la me. Ku sia wɔ mí Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwoe.
To Adam ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ me la, nu vɔ̃ ge ɖe amegbetɔƒome blibo la me. Eƒe nu vɔ̃ he ku va xexe blibo la me, ale nu sia nu de asi tsitsi kple kuku me, elabena ame sia ame wɔ nu vɔ̃.
Míenya be Adam ƒe nu vɔ̃e he esia vɛ, elabena, togbɔ be amewo nɔa nu vɔ̃ wɔm tso Adam dzi va ɖo Mose ƒe ɣeyiɣiwo me hã la, Mawu medrɔ̃ ʋɔnu wo, tso kufia na wo le eƒe sewo dzi dada ta o, elabena mena eƒe sewo wo haɖe o, eye megblɔ nu si wòdi be woawɔ la hã na wo o.
Eya ta woƒe ŋutilã ƒe kuku metso woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo gbɔ o, elabena woawo ŋutɔ meda Mawu ƒe se tɔxɛ ma dzi eye woɖu atikutsetse si ŋu wode se ɖo la abe Adam ene o. Vovototo gã ŋutɔe le Adam kple Kristo si meva haɖe o la dome!
Nenema ke vovototo gã ŋutɔe le amegbetɔ ƒe nu vɔ̃ kple Mawu ƒe tsɔtsɔke dome! Elabena ame ɖeka sia, Adam, he ku vɛ na ame geɖewo to eƒe nu vɔ̃ me. Ke ame bubu ɖeka sia, Yesu Kristo, he tsɔtsɔke vɛ na ame geɖewo to Mawu ƒe amenuveve me.
Adam ƒe nu vɔ̃ ɖeka he tohehe si nye ku la vɛ na ame geɖewo le esime Kristo ɖe míaƒe nu vɔ̃ gbogboawo ɖa faa eye wòna agbe si me ŋutikɔkɔe le la mí ɖe nu vɔ̃ teƒe.
Adam ɖeka ƒe nu vɔ̃ na ku zu fia ɖe ame sia ame dzi, ke ame siwo axɔ Mawu ƒe tsɔtsɔke ƒe nunana la, woazu fiawo le agbe sia me le Yesu Kristo ɖeka la ta.
Nyateƒe, Adam ƒe nu vɔ̃ he tohehe vɛ na ame sia ame, ke Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye dzra Mawu kple amewo dome ɖo ale be woate ŋu anɔ agbe.
Adam na ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawo elabena meɖo to Mawu o; Kristo na be ame geɖewo nakpɔ xɔxɔ le Mawu gbɔ elabena eɖo to Mawu.
Wotsɔ Se Ewoawo na amegbetɔwo ale be ame sia ame nanya ale si gbegbe wògbe mewɔ Mawu ƒe sewo dzi o. Ke zi ale si nu míedzea si míaƒe nu vɔ̃ wɔlawo nyenye la, zi nenema kee míedzea si Mawu ƒe amenuveve gbago la kple ale si wònaa tsɔtsɔke míi.
Tsã la, nu vɔ̃ ɖu ame sia ame dzi eye wòkplɔ amewo katã de ku me; ke azɔ la, Mawu ƒe amenuveve ɖu dzi ɖe eteƒe eye wòna mí kple Mawu dome le nyuie ale míekpɔa agbe mavɔ la to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi.
6
Enyo, ekema ɖe wòle be míanɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi ale be Mawu nate ŋu anɔ nublanuikpɔkpɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔke dzia?
Gbeɖe! Esi míeku na nu vɔ̃ la ale ke wɔ míaganɔ agbe le nu vɔ̃ me mahã?
Alo ɖe mienyae be mí ame siwo katã wode mawutsi ta na le Kristo Yesu me la, wodee na mí ɖe eƒe ku me oa?
Esi wòku la, woɖi míaƒe nu vɔ̃ lɔlɔ̃ ƒe nɔnɔme xoxo la kplii to mawutsideta me. Esi Mawu, Fofo la, fɔe ɖe tsitre to eƒe ŋusẽ me la, wotsɔ agbe yeye wɔnuku sia na mí.
Elabena miezu eyama ƒe akpa aɖe eya ta mieku kplii esi wòku. Azɔ la, míekpɔ gome le eƒe agbe yeyea me eye miatsi tsitre abe eya ke ene.
Woklã míaƒe dzodzro vɔ̃ɖi xoxoawo ɖe atisoga la ŋu kplii. Wode kubi míaƒe nɔnɔme si lɔ̃a nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu ale be míaƒe ŋutilã si lɔ̃a nu vɔ̃ wɔwɔ la, megale nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ te loo alo ganye kluvi na nu vɔ̃ o.
Elabena esi míetsri nu vɔ̃ ko la, mievo tso ŋusẽ si nu vɔ̃ ƒe amebeble kpɔ ɖe mia dzi tsã la me.
Eye esi míaƒe nɔnɔme si me nu vɔ̃ lɔlɔ̃ yɔ la “ku” kple Kristo la, míenya be míakpɔ gome le eƒe agbe yeyea me.
Kristo fɔ tso ame kukuwo dome eye magaku akpɔ o. Ku megakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o.
Eku zi ɖeka ko be yeaɖe nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ ɖa, ke azɔ la, ele agbe le hadede mavɔ me kple Mawu tegbetegbe.
Eya ta mibu miaƒe nɔnɔme xoxo si lɔ̃ nu vɔ̃ wɔwɔ la abe ɖe wòku eye nu vɔ̃ megakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o ene, ke boŋ minɔ agbe na Mawu eye mianɔ ŋudzɔ nɛ to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ la, me.
Migana nu vɔ̃ nakpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe ŋutilã dzi azɔ o, eye migana nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo naɖu mia dzi o.
Migana miaƒe ŋutilã ƒe akpa aɖeke nazu dɔwɔnu na vɔɖivɔ̃ɖinyenye o, ke boŋ mitsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa ɖe sia ɖe na Mawu le goawo katã me, elabena miefɔ tso ku me eye miedi be yewoazu ŋudɔwɔnu le Mawu ƒe asime, be wòawɔ mia ŋudɔ hena eƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ.
Mele be nu vɔ̃ naganye miaƒe dziɖula o, elabena azɔ la, miegale se siwo kplɔ mi le esime mienye nu vɔ̃ ƒe kluviwo la te o, ke mievo azɔ esi miele Mawu ƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ te.
Đe esia le fiafiam be azɔ la, míate ŋu ayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi eye míagatsi dzi le eŋu oa? Gbeɖe! Elabena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ meku ɖe sedziwɔwɔ ŋu o, ke boŋ eku ɖe Mawu ƒe amenuveve ŋu.
Đe miedze sii be yewoate ŋu atia Aƒetɔ na yewo ɖokui oa? Miate ŋu atia nu vɔ̃ eye ku akpe ɖe eŋu alo miate ŋu atia toɖoɖo eye tsɔtsɔke akpe ɖe eŋu. Wo dometɔ si mietsɔ mia ɖokuiwo na la, eyae axɔ mi eye wòanye miaƒe aƒetɔ eye miawo mianye eƒe kluviwo.
Mida akpe na Mawu be togbɔ be mietia tsã be yewoanye kluviwo na nu vɔ̃ hã, azɔ la, mietsɔ miaƒe dzi blibo xɔ nufiafia si Mawu tsɔ na mi.
Azɔ la, mievo tso miaƒe aƒetɔ xoxoa si nye nu vɔ̃, sime eye miezu kluviwo na miaƒe aƒetɔ yeyea si nye dzɔdzɔenyenye.
Mele nu ƒom alea eye metsɔ kluviwo kple aƒetɔwo le kpɔɖeŋu ɖom elabena wo gɔmesese le bɔbɔe. Abe ale si mienye kluviwo tsã na nu vɔ̃ vovovowo ene la, nenema kee wòle be miatsɔ mia ɖokuiwo awɔ kluviwo azɔ na nu siwo katã nyo eye wole kɔkɔe.
Le ɣemaɣi esi mienye kluviwo na nu vɔ̃ la, mietsi dzi ɖe nyuiwɔwɔ ŋu tututu o.
Nu kae do tso eme? Eme kɔ ƒãa be nyui aɖeke medo tso eme o, elabena ŋu le mia kpem fifia le nu siwo miewɔna tsã la ŋububu gɔ̃ hã ŋu, elabena nu mawo katã kplɔ mi yi tsɔtsrɔ̃ mavɔ me.
Ke azɔ la, mievo tso nu vɔ̃ ƒe ŋusẽtenɔnɔ me. Miezu kluviwo na Mawu eye kɔkɔenyenye kple agbe mavɔ le viɖe siwo miakpɔ tso Mawu gbɔ la dome.
Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunanae nye agbe mavɔ to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ la me.
7
Nɔvi Yudatɔ lɔlɔ̃awo le Kristo me, ɖe mienyae haɖe be ne ame aɖe ku la, se la megablae o mahã?
Mina maɖo kpɔɖeŋu aɖe na mi. Ne woɖe nyɔnu aɖe la, se la blae ɖe srɔ̃a ŋuti zi ale si srɔ̃ŋutsu la le agbe. Ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megabla nyɔnu la o.
Ekema ate ŋu aɖe ŋutsu bubu ne elɔ̃. Nyɔnu la ada vo ne ŋutsu la le agbe, ke nu sia sɔ le go sia go me le ŋutsu la ƒe ku megbe.
Tsã la, mia “srɔ̃ŋutsu,” si nye miaƒe aƒetɔ lae nye Yudatɔwo ƒe se; ke magblɔ be “mieku” kple Kristo le atitsoga la ŋu, eye esi “mieku” ta la, “miegaɖe se la o,” eye se la megabla mi o. Miegagbɔ agbe esi Kristo fɔ tso ame kukuwo dome eye miezu ame yeyewo. Azɔ la, mieɖe ame si fɔ tso ame kukuwo dome ale be miate ŋu atse ku nyui siwo nye dɔ nyuiwo wɔwɔ na Mawu.
Esi miaƒe nɔnɔme xoxoa nɔ mia me la, dzodzro vɔ̃ɖiwo nɔ dɔ wɔm le mia me, eye wonaa miedina be yewoawɔ nu siwo Mawu di be miagawɔ o. Ale mietsea nu vɔ̃ ƒe kutsetse siwo nye ku ƒe kutsetse gbegblẽwo.
Ke azɔ la, mehiã be miagatsi dzi ɖe Yudatɔwo ƒe seawo kple kɔnyinyiwo ŋuti o, elabena “mieku” le esime woɖe aboyo mi, ke azɔ la, miate ŋu asubɔ Mawu nyateƒetɔe, menye le mɔ xoxoa nu to seawo dzi wɔwɔ me tamemabumabutɔe o, ke boŋ le mɔ yeyea nu, miasubɔ Mawu kple miaƒe dzi blibo kpakple miaƒe susu katã.
Ekema ɖe mele gbɔgblɔm be Mawu ƒe se siawo nye se dzodzrowoa? Gbeɖe! Ao, nu vɔ̃ mele se la ŋu o, ke boŋ se lae ɖe nye nu vɔ̃ fiam. Ne se la megblɔ be,“Mele be dzodzro vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzime o” la, anye ne nyemate ŋu anya nu vɔ̃ si le nye dzime kple dzodzro vɔ̃ɖi siwo ɣla ɖe afi ma o.
Ke nu vɔ̃ wɔ se siawo ŋudɔ hetso tsi tre ɖe dzodzro vɔ̃ɖiwo ŋu to ŋkuɖoɖo wo dzi nam me be, dzodzro ma tɔgbiwo nye nu vɔ̃ eye wonyɔa dzodzro siwo nu wode se ɖo la le menye! Ne se aɖeke meli si dzi woada o la, eya ko hafi nu vɔ̃ wɔwɔ aɖeke hã manɔ anyi o.
Eya tae nye dzi dze eme, zi ale si nyemese nu si se la bia tututu la gɔme o. Ke esi meke ɖe nyateƒea ŋu la, medze sii be meda sea dzi eye mezu nu vɔ̃ wɔla si wotso kufia na.
Eya ta le nye ɖeka gome la, le ale si se nyui la afia agbemɔ lam teƒe la, ena wotso kufia nam boŋ.
Nu vɔ̃ wɔm mezu abunɛtɔ esi wòto Mawu ƒe se nyuiwo ŋudɔwɔwɔ me na medze be woatso kufia nam.
Ke, abe ale si miakpɔe ene la, se la ŋutɔ le eteƒe pɛpɛpɛ eye wònyo hã!
Ke ale ke nu sia ate ŋu ava emee? Menye se lae hem de tsɔtsrɔ̃ mee nye ema oa? Ekema ale ke wòate ŋu anye nu nyui? Ao, enye nu gbegblẽ kple nu vɔ̃, nu si wɔ nu nyui ŋudɔ eye wòna wobu fɔm. Ale miate ŋu akpɔ ale si wònye nu vɔ̃ɖi si ate ŋu ahe ku vɛ eye wòle be woatsri eŋudɔwɔwɔ, elabena ewɔa Mawu ƒe se nyuiwo ŋudɔ hena eya ŋutɔ ƒe tameɖoɖo vɔ̃ɖiwo.
Ekema se la nyo, ke nu si gblẽ la tso gbɔnye elabena wodzram mezu kluvi na nu vɔ̃.
Nyemese ɖokuinye gɔme kura o elabena medina vevie be mawɔ nu si nyo, gake nyemetea ŋui o. Mewɔa nu si nyemedina be mawɔ o. Melé fu nu sia.
Menya nyuie be nu si wɔm mele la menyo o; nye dzitsinya vɔ̃ɖi la ɖenɛ fiaam be melɔ̃ ɖe se siwo dzi dam mele la dzi.
Gake wɔna aɖeke mele ŋunye o, elabena menye nyee gale ewɔm o; nu vɔ̃ si le menye la kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye eye eyae naa mewɔa nu vɔ̃ siawo.
Menya be menye ame gbegblẽ le goawo katã me le ale si nye dzɔdzɔme si nye nu vɔ̃ xoxoa sɔŋ le la ta. Nye agbagbadzedze ɖe sia ɖe metea ŋu naa mewɔa nu nyui o. Medina be mawɔ nu nyui gake nyemetea ŋu wɔnɛ o.
Ne medi be mawɔ nu nyui la, nyemetea ŋu wɔnɛ o. Ne medze agbagba be nyemawɔ nu vɔ̃ o la, mewɔa nu vɔ̃ kokoko.
Azɔ ne mele nu si nyemedina be mawɔ o wɔm la, ekema eme kɔ be menye nye ŋutɔe le ewɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si gakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye kokoko lae.
Edze abe enye nyateƒe aɖe le nye agbe me ene be, ne medi be mawɔ nu si nyo la, mewɔa nu si menyo o la kokoko.
Medina be mawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nye dzɔdzɔme yeyea nu.
Ke mekpɔ se bubu si le dɔ wɔm le nye ŋutilã me, ewɔa aʋa kple nye susu eye wòwɔam kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le nye ŋutinuwo me.
O, menye nublanuitɔ gã aɖe! Ame ka aɖem tso ŋutilã si kplɔm yina ku mee la sime?
Ke woada akpe na Mawu be eɖem to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la, dzi. Eya ta azɔ la menye kluvi na Mawu ƒe se la le nye susu me, ke menye kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le ŋutilã nu.
8
Eya ta azɔ la, fɔbubu aɖeke megale ame siwo nye Yesu Kristo tɔ la lalam o.
Elabena Gbɔgbɔ si naa agbe ƒe ŋusẽ si le menye to Yesu Kristo me la, ɖem tso nu vɔ̃ kple ku sime.
Womeɖea mí tso nu vɔ̃ ƒe asime to Mawu ƒe seawo nyanya me o, elabena míewɔa seawo dzi o, eye míate ŋu awɔ wo dzi hã o. Ke Mawu wɔ ɖoɖo bubu aɖe ŋudɔ be yeaɖe mí. Eɖo eya ŋutɔ via ɖa wònɔ ŋutilã me abe míawo ke ene, ke nu vɔ̃ le míawo ya ƒe ŋutilã ŋu. Eɖe nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ si wòkpɔ ɖe mía dzi la ɖa to eɖokuitsɔtsɔ sa vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta me.
Eya ta azɔ la, míate ŋu awɔ Mawu ƒe sewo dzi ne míedze Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yome eye míegaɖoa to nu vɔ̃ ƒe gbɔgbɔ si le mía me la o.
Ame siwo ɖea mɔ woƒe nu vɔ̃wo ƒe dzodzrowo ɖua wo dzi la, nɔa agbe ko be yewoadze yewo ɖokuiwo ŋu, ke ame siwo dzea Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yome la, dzea sii be yewole nu siwo dzea Mawu ŋu la wɔm.
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yomedzedze kplɔa mí yia agbe kple ŋutifafa me, ke nu vɔ̃ ƒe dzɔdzɔme xoxoa yomedzedze kplɔa ame yia ku me,
elabena míaƒe nu vɔ̃ ƒe dzɔdzɔme xoxoa tsia tsitre ɖe Mawu ŋu. Dzɔdzɔme sia mewɔ Mawu ƒe sewo dzi kpɔ o, eye mawɔe hã o.
Eya ta ame siwo gale woƒe nu vɔ̃ ƒe dzɔdzɔme xoxoa te kokoko eye wodina be yewoadze dzodzro vɔ̃ɖiwo yome la, mate ŋu adze Mawu ŋu akpɔ o.
Ke miawo miele nenema o. Ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me la, ekema miele miaƒe dzɔdzɔme yeye la te. Miɖo ŋku edzi be ame sia ame si me Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele o la, ame ma menye kristotɔ o.
Ke, togbɔ be Yesu Kristo le agbe le mia me hã la, miaƒe ŋutilã aku le nu vɔ̃ ta ke miaƒe gbɔgbɔ ya anɔ agbe elabena Kristo ve enu.
Eye ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ si fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le agbe le mia me la, ana miaƒe ŋutilã kukuawo naganɔ agbe le miaƒe ku megbe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ke si le agbe le mia me la dzi.
Eya ta, nɔvi lɔlɔ̃awo, se aɖeke mebla mi be miawɔ nu si miaƒe nu vɔ̃ ƒe dzɔdzɔme xoxoa di tso mia si be miawɔ o.
Elabena ne miaganɔ eyome kokoko la, miabu eye miatsrɔ̃, ke ne to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me, mieɖu miaƒe dzɔdzɔme xoxo vɔ̃ɖi la dzi la, mianɔ agbe.
Elabena ame siwo katã Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, ame mawoe nye Mawu viwo.
Eya ta mele be míanɔ abe kluvi vɔvɔ̃nɔtɔwo ene o, ke boŋ míawɔ nu abe Mawu ŋutɔ vi siwo wòxɔ ɖe eƒe ƒome la me eye míeyɔnɛ be, “Fofo, Aba” ene.
Elabena eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒoa nu na mí le míaƒe dzi ƒe gogloƒe ke eye wògblɔna na mí be Mawu viwo míenye vavã.
Eye esi míenye viawo ta la míakpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me elabena nu siwo katã Mawu naa Via Yesu la, zu míawo hã tɔ azɔ. Ke ne míakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe me la, ele be míakpɔ gome le eƒe fukpekpe hã me.
Ke fu si míakpe fifia la, menye naneke si woatsɔ asɔ kple ŋutikɔkɔe si woana mí emegbe la kura o.
Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã tsɔ dzigbɔɖi kple mɔkpɔkpɔ le lalam na ŋkeke si gbɔna si dzi Mawu afɔ viawo ɖe tsitre.
Elabena nuwɔwɔ blibo la le teteɖeanyi gã aɖe me, nu si menye eƒe didi o ke boŋ ame si he gbegblẽ sia vɛ la ƒe lɔlɔ̃nu wònye kple mɔkpɔkpɔ
be nuwɔwɔ blibo la axɔ ablɔɖe tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me age ɖe Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.
Elabena míenyae be dzɔdzɔmenu siwo nye atiwo kple lãwo gɔ̃ hã kpea fu le dɔléle kple ku sime esime wole mɔ kpɔm na nya gã sia ƒe dzɔdzɔ.
Mí kristotɔwo gɔ̃ hã, togbɔ be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le mía me eye wònye ŋutikɔkɔe si le mía ŋgɔ ƒe ɖeɖefia na mí hã la, míawo hã míedina vevie be woaɖe mí tso vevesese kple fukpekpe me. Míawo hã míele mɔ kpɔm vevie na ŋkeke ma gbe sia gbe. Mawu ana nu siwo nye mía tɔ abe viawo ene la mí. Nu siawo dometɔ ɖekae nye ŋutilã yeye siwo ŋugbe wòdo na mí. Ŋutilã siawo magalé dɔ o eye womaku gbeɖe o.
Woɖe mí to xɔse me; xɔse gɔmee nye mɔkpɔkpɔ na nane si mele mía si o la kpɔkpɔ. Mahiã be ame si si nane le xoxo la, nakpɔ mɔ eye wòaxɔe se be yeakpɔ nu ma o.
Ke ne wòle be míaxɔ Mawu dzi ase le nu si medzɔ haɖe o gome la, dzixɔse sia fiaa mí be míalala kple dzigbɔɖi kpakple kakaɖedzi.
Nenema ke to míaƒe xɔse me la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbe sia gbe ƒe xaxawo kple gbedodoɖawo me. Elabena míenyaa nu si míabia to gbedodoɖa me gɔ̃ hã loo alo ale si miado gbe ɖae o. Ke Gbɔgbɔ Kɔkɔe la doa gbe ɖa ɖe mía ta kple seselelãme si tɔgbi ŋu womate ŋu aƒo nu le o.
Eye Fofo la, ame si nyaa dziwo katã me la, nyaa nu si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm esime wòɖea kuku ɖe mía ta le nu siwo sɔ ɖe Mawu ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu dzi la ta.
Ke míenyae bena le nuwo katã me la, Mawu wɔa nu hena ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe nyui, ame siwo woyɔ le eƒe tameɖoɖo ɖi nu.
Elabena ame siwo Mawu nya ɖi la, woawo kee wòɖo ɖi be woanɔ Via ƒe nɔnɔme me be wòanye ŋgɔgbevi le nɔviawo dome.
Ame siwo wòtia da ɖi la, woawo ke hãe wòyɔ, ame siwo wòyɔ la, woawoe wòtso afia na eye ame siwo wòtso afia na la, woawo ŋutie wòkɔ.
Nu ka gɔ̃ míate ŋu agblɔ tso nu wɔnuku siawo tɔgbi ŋu? Ne Mawu le mía dzi la, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu?
Esi Mawu meve nu le Via gɔ̃ hã ŋu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta la, ɖe matsɔ nu bubu ɖe sia ɖe hã ana mí oa?
Ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe mí ame siwo Mawu tia na eɖokui la ŋu? Mawue nye afiatsola.
Ekema ame kae abu fɔ mí? Đe Kristo awɔ esia? Ao! Elabena eyae nye ame si ku ɖe mía ta eye wògatsi tsitre na mí; ebɔbɔ nɔ Mawu ƒe ɖusime eye wòle kuku ɖem ɖe mía ta le dziƒo.
Ame kae ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ gbɔ? Fuwɔame loo alo xaxa? Yometiti loo alo dɔwuamea? Amamanɔnɔ, loo dzɔgbevɔ̃e loo alo yia?
Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Le tawò míeɖoa ku ƒe xaxawo me le ŋkeke blibo la me, wobua mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuwu ge la ene.”
Ao, le nu siawo katã me míeɖu dzi ʋuu, wòglo to ame si lɔ̃ mí la me.
Elabena medze sii be naneke mate ŋu ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o. Ku mate ŋui o, agbe hã mate ŋui o. Mawudɔlawo mawɔe o, eye tsĩeƒe ŋutɔ ƒe ŋusẽ katã gɔ̃ hã mate ŋu aɖe mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o. Míaƒe egbe ƒe vɔvɔ̃wo kple míaƒe etsɔ ƒe dzimaɖeɖiwo
alo kɔkɔƒe, alo gogloƒe alo nuwɔwɔ bubu aɖeke gɔ̃ hã mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ, me la gbɔ o.
9
Nyateƒe gblɔm mele le Kristo me, nyemada alakpa aɖeke o eye nye dzitsinya le ɖase ɖim le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me
be mele nu xam ŋutɔ eye mele vevesese gã aɖe me le nye dzime.
Elabena anyo nam wu be woabu fɔm eye woaɖem ɖa tso Kristo gbɔ ne esia ana be nye amewo, Yudatɔwo, nakpɔ ɖeɖe.
Woawo tɔe nye vinyenye la, woawo tɔe nye Mawu me ŋutikɔkɔe la, nubablawo, se la xɔxɔ, gbedoxɔ me subɔsubɔ la kple ŋugbedodoawo.
Wonye fofoawo ƒe dzidzimeviwo, dzidzime siwo me Kristo dzɔ tso le ŋutilã nu, ame si nye Mawu ɖe nuwo katã dzi, ame si wokafuna tegbee! Amen.
Ekema ɖe Mawu gbe ŋugbe siwo wòdo na Yudatɔwo la dzi wɔwɔa? Ao! Elabena edo ŋugbe siawo na ame siwo nye Yudatɔ akuakuawo. Ke menye ame sia ame si wodzi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒome me lae nye Yudatɔwo akuakuawo o.
Be wodo tso Abraham me ɖeɖe ko mewɔ wo Abraham vi vavãwo o. Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be ŋugbedodo siawo li na Abraham vi Isak kple Isak ƒe dzidzimeviwo ko, togbɔ be vi bubuwo nɔ Abraham si hã.
Esia le fiafiam be menye Abraham viwo katãe nye Mawu viwo o, ke boŋ ame siwo xɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ŋugbe si wodo na Abraham dzi se la koe.
Elabena Mawu do ŋugbe be, “Mana viŋutsuvi wò kple Sara le ƒe si gbɔna me.”
Menye esia ɖeɖe ko o, ke Rebeka ƒe venɔviawo fofoe nye mía tɔgbui Isak.
Hafi ne woadzi venɔvi siawo alo venɔvi siawo nawɔ nane, nyui alo vɔ̃ la, bena Mawu ƒe tameɖoɖoɖi nanɔ eteƒe le tatia la nu,
ke menye le dɔwɔwɔ aɖeke nu o, ke boŋ tso ame si yɔa ame gbɔ la wogblɔ na Rebeka be, “Tsitsitɔ la azu subɔla na ɖevitɔ la.”
Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Mayra Yakɔb, ke menye Esau o.”
Đe Mawu wɔ nu madzɔmadzɔa? Gbeɖe!
Elabena Mawu gblɔ na Mose be, “Ne medi be mave ame aɖe nu la, mawɔe eye makpɔ nublanui na ame sia ame si medi be makpɔ nublanui na.”
Ale womenaa Mawu ƒe yayra ame elabena amea di be woayra ye alo ku kutri be yeaxɔ yayra la o. Wonaa yayra siawo elabena Mawu kpɔa nublanui na ame siwo wòdi be yeakpɔ nublanui na.
Farao, Egipte fia, nye kpɔɖeŋu le go sia me. Elabena Mawu gblɔ nɛ be yetsɔ Egipte fiaɖuƒea nɛ ale be yeate ŋu aɖe yeƒe ŋusẽ si tsi tsitre ɖe eŋu la afia, ale be xexeame katã nase nu tso ye Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu.
Ale miekpɔ be Mawu nyo dɔme na ame aɖewo elabena edi be yeanyo dɔme na wo eye wònaa ame aɖewo sẽa dzime.
Ekema nu ka ta Mawu bua fɔ wo le woƒe tomaɖomaɖo ta? Đe womewɔ nu si wòɖo na wo be woawɔ oa?
Ao, mègagblɔ nenema o! Ame kae nènye be nãdrɔ̃ ʋɔnu Mawu? Đe ame aɖe ƒe nuwɔwɔ abia nuwɔla be,“Nu ka ta nèwɔm alea mahã?”
Ne ame aɖe tsɔ tsu me ze aɖe la, ɖe mɔɖeɖe meli be zemela la natsɔ tsu ma ke ame kplu nyui aɖe si me woatsɔ seƒoƒo ade eye wòame kplu bubu si me wòatsɔ gbeɖuɖɔwo akɔ ɖo oa?
Nu ka adzɔ nenye be Mawu ame si lɔ̃, ɖe eƒe dɔmedzoe kple ŋusẽ fia la, gbɔ dzi ɖi na ame siwo dze na eƒe dɔmedzoe ƒe tohehe?
Alo ewɔ esia be yeaɖe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnuwo afia ame siwo le mɔ kpɔm na eƒe nublanuikpɔkpɔ, ame siwo wòdzra ɖo do ŋgɔ na eƒe ŋutikɔkɔe la,
mí ame siwo hã wòyɔ, menye tso Yudatɔwo dome ɖeɖe ko o, ke boŋ tso Trɔ̃subɔlawo hã domea?
Mieɖo ŋku nu si Hosea ƒe nyagblɔɖi gblɔ la dzia? Afi mae Mawu gblɔ le bena yeadi vi bubu siwo metso Yuda ƒomea me o la na ye ɖokui eye yealɔ̃ wo togbɔ be ame aɖeke melɔ̃ wo kpɔ o hã.
Wogblɔ le Trɔ̃subɔlawo ŋu tsã be, “Menye nye amewo mienye o.” Azɔ la, woayɔ wo be, “Mawu Gbagbe la ƒe viwo.”
Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ tso Yudatɔwo ŋu be, “togbɔ be woade ame akpe akpewo hã la, wo dometɔ ame ʋe aɖewo koe akpɔ ɖeɖe.
Elabena Aƒetɔ la atso nya me tso anyigba dzi ŋuti, awu eƒe wɔnawo nu kaba kple dzɔdzɔenyenye.”
Yesaya gagblɔ le teƒe aɖe be ne menye Mawu ƒe amenuveve tae o la, woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã, ame sia ame, abe ale si wotsrɔ̃ ame sia ame le Sodom kple Gomora ene.
Nya kawo míagblɔ tso nu siawo ŋu? Nu si míagblɔ koe nye be Mawu na mɔnukpɔkpɔ Trɔ̃subɔlawo be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me, togbɔ be womenɔ Mawu dim vevie o hã.
Ke Yudatɔwo, ame siwo dze agbagba vevie be yewoadze Mawu ŋu to Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ me la, mete ŋu dze Mawu ŋu o.
Nu ka tae? Elabena wonɔ agbagba dzem be yewoakpɔ ɖeɖe to seawo dzi wɔwɔ me eye yewoanɔ agbe nyui le esime wòle be woanya be xɔse me ko yewoato akpɔ ɖeɖe teƒe. Wokli kpe gã la dze anyi.
Mawu gbe nya na wo tso nu sia ŋu le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me esi wògblɔ be, “Metsɔ Agakpe aɖe da ɖe mɔ me na Yudatɔwo. Ame geɖewo akli Agakpe sia, si nye Yesu, eye woadze anyi. Ame siwo axɔ edzi se la, ŋu makpe wo gbeɖe o.”
10
Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, nye dzi ƒe didi kple nye gbedodoɖae nye be Yudatɔwo nakpɔ ɖeɖe.
Menya ale si wotsɔa dzo ɖe Mawu ƒe bubu ŋuti gake womewɔa nu sia to mɔ nyuitɔ dzi o.
Elabena womese egɔme be Kristo ku be yeadzra yewo kple Mawu dome ɖo o. Le esia gɔmesese teƒe la, wole agbagba dzem be yewoadze na Mawu ƒe amenuveve la to Yudatɔwo ƒe seawo kple kɔnyinyiwo dzi wɔwɔ me; ke esia menye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ o.
Womese eme be ame siwo xɔ Kristo dzi se la, Kristo naa nu sia nu si wodina to eƒe sewo dzi wɔwɔ me la wo o. Ewu nu siawo katã nu.
Elabena Mose ŋlɔ be ne ame aɖe anye ame nyui le go ɖe sia ɖe me, aɖu tetekpɔwo dzi le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye mawɔ nu vɔ̃ akpɔ o la, eya ko hafi woave enu wòakpɔ ɖeɖe.
Ke ɖeɖekpɔkpɔ si vana to xɔse me la, gblɔ be, “Mele be nãdi dziƒo be yeakpɔ Yesu le afi ma eye yeahee va anyigba dzi be wòakpe ɖe ye ŋu o,” eye,
Mehiã be nãyi ame kukuwo dome be yeana Kristo nagatsi tsitre o.
Elabena ɖeɖekpɔkpɔ si tso Kristo dzixɔse me, si nye nu si ƒe gbeƒã míeɖena la, le bɔbɔe be wòasu mía dometɔ ɖe sia ɖe si. Le nyateƒe me la etsɔ ɖe mía gbɔ kpuie abe míaƒe dziwo kple nuwo ene.
Elabena ne ètsɔ wò ŋutɔ wò nu ʋu eme na ame bubuwo be Yesu Kristoe nye yeƒe Aƒetɔ eye nèxɔe se tso wò ŋutɔ wò dzime be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ãkpɔ ɖeɖe.
Elabena ame ƒe xɔse tso eƒe dzime kee naa ame kple Mawu dome nyona, eye ne èʋu eme kple wò nu na amewo la, ekema èɖo kpe wò ɖeɖekpɔkpɔ dzi.
Elabena Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na mí be, ŋu makpe ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la akpɔ o.
Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa sɔ le go sia me; Aƒetɔ ɖeka ma koe le wo katã si eye Aƒetɔ sia naa eƒe kesinɔnuwo ame sia ame si bianɛ la faa.
Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ dzi la akpɔ ɖeɖe.
Ke ne womexɔ edzi se o la, ale ke woate ŋu abiae be wòaɖe yewo? Eye ale ke woate ŋu axɔ edzi ase ne womese nu tso eŋu kpɔ o? Eye ale ke woawɔ ase nu tso eŋu ne ame aɖeke megblɔe na wo o?
Eye ale ke ame aɖe ayi aɖagblɔ Kristo ŋunya na wo ne ame aɖeke medɔe o? Nya siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm to nya siawo me be, “Ame siwo ɖea gbeƒã ŋutifafa si nɔa Mawu kple amewo dome ƒe nyanyui eye wògblɔa dzidzɔnyawo tso nu nyuiwo ŋuti la ƒe afɔwo nya kpɔna loo!” Esia gɔmee nye woado dzaa na ame siwo vana gblɔa Mawu ƒe nyanyui la!
Ke menye ame sia ame si sea nyanyui lae xɔnɛ kple dzidzɔ o, elabena nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be, “Aƒetɔ, ame kae xɔ dzinye se esi megblɔe na wo?”
Ke xɔse vana na ame to nyanyui sia, si nye nyanyui tso Kristo ŋuti la, sese me.
Ke Yudatɔwo ya ɖe? Đe wose Mawu ƒe Nya? Ẽ, ede afi sia afi si wole; wogblɔ nyanyui la na xexeame ƒe akpa ɖe sia ɖe.
Eye ɖe wose egɔme be Mawu atsɔ eƒe ɖeɖekpɔkpɔ ana ame bubuwo ne woawo, Yudatɔwo, gbe be yewomaxɔe oa? Ẽ, elabena le keke Mose ŋɔli gɔ̃ hã la, Mawu gblɔ be yeanyɔ ŋuʋaʋã kple sidzedze ƒe gbɔgbɔ le wo me to yeƒe ɖeɖetsɔtsɔ na Trɔ̃subɔlawo, abunɛtɔwo ƒe dukɔwo, me.
Emegbe la Yesaya ɖe gbeƒã bena ame siwo manɔ Mawu dim gɔ̃ hã o la, akpɔe.
Fifia la, ele asimiamia Yudatɔwo dzi, ke woawo le ɖeklemiɖeɖe dzi eye wogbea vava.
11
Ekema mabia be, ɖe Mawu gbe eƒe amewo, Yudatɔwo, eye wògblẽ wo ɖia? Ao, mele nenema kura o. Miɖo ŋku edzi be nye ŋutɔ hã Yudatɔe menye; Abraham ƒe dzidzimevie menye eye metso Benyamin ƒe ƒomea me.
Mawu meɖe asi le eya ŋutɔ ƒe amewo, ame siwo wòtia tso gɔmedzedzea me ke la ŋu o. Mieɖo ŋku nu si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na Eliya esi wònɔ Israelviwo nu tsom na Mawu dzia?
Eliya gblɔ be, “Aƒetɔ, wowu wò Nyagblɔɖilawo eye wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi; nye ɖeka hɔ̃ koe susɔ, eye wodi be yewoawu nye hã.”
Mieɖo ŋku ale si Mawu ɖo nya sia ŋu dzia? Mawu gblɔ be, “Ao, menye wò ɖeka koe susɔ o. Ame akpe adre sɔŋ le asinye kpe ɖe ŋuwò, ame siwo galɔ̃am kokoko eye womedea ta agu na legbawo o!”
Alea ke wògale egbe sia hã. Menye Yudatɔwo katãe de megbe tso Mawu gbɔ o. Ame ʋe aɖewo le xɔxɔ kpɔm le Mawu ƒe amenuveve si wòtsɔ tia woe la ta.
Nenye Mawu ƒe amenuveve tae la, ekema menye woƒe nyonyo tae o. Elabena ne ele nenema la, ekema nu si wona faa la meganye nunana o, ke boŋ enye nu si ame ŋutɔ wɔ dɔ hekpɔ.
Eya ta alea nya la lee nye esi: Yudatɔ geɖewo mekpɔ Mawu ƒe amenuveve si dim wole la o. Wo dometɔ ʋe siwo Mawu tia la kpɔe, ke ame bubuwo ƒe ŋkuwo gbã.
Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm esi wòxlẽ fia be Mawu na wodɔ alɔ̃, womia woƒe ŋkuwo eye woƒe towo me xe ale be womete ŋu se nu si gblɔm míele tso Kristo ŋu la gɔme o. Aleae wòle va se ɖe egbe.
Fia David ƒo nu tso nu ma ke ŋu esi wògblɔ be, “Mina woƒe nuɖuɖu nyuiwo kple yayra bubuwo nana woabu be nu sia nu sɔ le yewo kple Mawu dome. Mina nu nyui siawo nayi atrɔ agbɔ va dze ta dzi na wo eye woagbã wo gudugudu.
Mina woƒe ŋkuwo dzi natsyɔ ale be womagate ŋu akpɔ nu o. Mina agba kpekpe nabi dzime na wo gobaa hafi woanɔ yiyim ɖaa.”
Đe esia le fiafiam be Mawu gbe Yudatɔwo tegbetegbea? Kura o! Eƒe taɖodzinue nye yeana yeƒe ɖeɖe nanɔ anyi na Trɔ̃subɔlawo hã ekema Yudatɔwo aʋã ŋu eye woadi Mawu ƒe ɖeɖe na woawo ŋutɔ.
Azɔ ne xexeame katã kpɔ yayra to Mawu ƒe ɖeɖenana me la, ekema ne Yudatɔwo agbe Mawu ƒe ɖeɖe la xɔxɔ la, mibu yayra gã si wu esia, si ava xexeame dzi ne Yudatɔwo hã va xɔ Yesu la ŋu.
Abe ale si mienya ene la, Mawu tiam be manye dɔtsɔla tɔxɛ na mi Trɔ̃subɔlawo. Metea gbe ɖe nu sia dzi eye meɖoa ŋku edzi na Yudatɔwo ɣesiaɣi si mate ŋui,
ale be, ne mate ŋui la, mana woadi nu si le mi Trɔ̃subɔlawo si eye mato esia me aɖe wo dometɔ aɖewo.
Anye nu wɔnuku gã aɖe ŋutɔ ne wozu kristotɔwo. Mawu ƒe tɔtrɔ le wo yome fia be Mawu trɔ ɖe xexeame ƒe akpa bubuawo ŋu be yeatsɔ yeƒe ɖeɖe ana wo. Aganye nu si awɔ nuku wu ne Yudatɔwo azu kristotɔwo. Anɔ abe ame kukuwo ƒe agbegbɔgbɔ ene.
Eye zi ale si Abraham kple nyagblɔɖilawo nye Mawu ƒe amewo la, wo viwo hã anye Mawu ƒe amewo. Elabena ne ati aɖe ƒe kewo le kɔkɔe la, eƒe alɔwo hã anɔ kɔkɔe.
Ke wolã alɔ siawo dometɔ aɖewo, siwo le Abraham ƒe ati la ŋu la ɖa; ame siawoe nye Yudatɔwo. Eye mi Trɔ̃subɔlawo, mienye alɔwo tso amiti aɖe si nɔ gbeme la dzi, ke azɔ la, mieva zu alɔ na Abraham ƒe ati la. Eya ta azɔ la, miawo hã mixɔ yayra si ŋugbe Mawu do na Abraham kple viawo eye miakpɔ gome le Mawu ƒe nunyiame me tso eya ŋutɔ ƒe amiti tɔxɛ la gbɔ.
Gake mikpɔ nyuie be miagaƒo adegbe be wotsɔ yewo ɖo atilɔ siwo wolã ɖa la teƒe o. Miɖo ŋku edzi be miele vevie le ale si mienye Mawu ƒe ati la ƒe akpa aɖe la ɖeɖe ko ta; alɔ ko mienye, menye ati la ƒe kee mienye o.
Miagblɔ be, “Wolã alɔ siawo ɖa be woakpɔ teƒe nam. Esia fia be menye ame dzadzɛ.”
Kpɔ nyuie. Đo ŋku edzi be wolã alɔ ma siwo nye Yudatɔwo ɖa, elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye miawo miezu alɔwo le miaƒe dzixɔse ɖeɖe ko ta. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi o; mibɔbɔ mia ɖokuiwo, mida akpe eye miakpɔ nyuie.
Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na atilɔ gbãtɔwo o la, makpɔ nublanui na miawo hã o.
Mide dzesi ale si Mawu nyoa dɔme eye wògahea to hãe. Esẽa asi ɖe ame siwo gbea toɖoɖoe la dzi, ke enyoa dɔme ne míeyi elɔlɔ̃ kple edzixɔxɔse dzi. Ke ne míelɔ̃e o eye míexɔ edzi se hã o la, alã míawo hã ɖa.
Ke ne Yudatɔwo aɖe asi le woƒe dzimaxɔse ŋu eye woatrɔ ava Mawu gbɔ la, Mawu agaxɔ wo ado ɖe ati la dzi. Ŋusẽ le esi be wòawɔe.
Elabena ne Mawu lɔ̃ be yeaxɔ mi ame siwo nɔ adzɔge ke, mienye amiti dzodzro aɖe ƒe akpa aɖe tsã eye fifia yeaxɔ mi ado ɖe ye ŋutɔ yeƒe ati nyui dzi, nu si medzɔna edziedzi o la, ɖe miekpɔe be anɔ klalo sãa wu be yeagbugbɔ Yudatɔwo, ame siwo nɔ afi ma tsã la axɔ oa?
Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya nyateƒe sia tso Mawu gbɔ, ale be miagado mia ɖokuiwo ɖe dzi eye miade asi dada me o. Ẽ, eme kɔ be Yudatɔ aɖewo tsi tsitre ɖe nyanyui la ŋu azɔ, ke anɔ alea va se ɖe esime mi Trɔ̃subɔla siwo katã lɔ̃ la, miava Kristo gbɔ.
Ekema Israel blibo la akpɔ ɖeɖe. Mieɖo ŋku nu si nyagblɔɖilawo gblɔ tso nu sia ŋuti dzia? “Xɔla aɖe ado tso Zion eye wòatrɔ Yudatɔwo katã ɖa tso mawumavɔmavɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ.
Ɣemaɣi me la, maɖe woƒe nu vɔ̃wo katã ɖa abe ale si medo ŋugbee ene.”
Azɔ la Yudatɔ geɖeawo nye nyanyui la ƒe futɔwo. Wolé fui. Ke nu sia nye viɖe na miawo, elabena ena Mawu tsɔ eƒe nunana na mi Trɔ̃subɔlawo. Ke Mawu galɔ̃a Yudatɔwo kokoko le eƒe ŋugbe si wòdo na Abraham, Isak kple Yakɔb la ta.
Elabena Mawu magagbugbɔ eƒe nunanawo kple eƒe ameyɔyɔ axɔ o; Mawu magbe eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o.
Tsã la, mienye aglãdzelawo ɖe Mawu ŋu, ke esi Yudatɔwo gbe eƒe nunanawo xɔxɔ la, Mawu ve miawo nu ɖe wo teƒe.
Azɔ la, Yudatɔwoe nye aglãdzelawo. Gake gbe ɖeka la, woawo hã akpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve si wòkɔ ɖe mia dzi la me.
Elabena Mawu ɖe ŋku ɖa le wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ ta ale be yeate ŋu akpɔ nublanui na amewo katã sɔsɔe.
O, Mawu wɔnuku aɖe ŋutɔe le mía si. Eƒe nunya kple kesinɔnuwo lolo loo! Míate ŋu ase eƒe nyametsotsowo kple ɖoɖowo me akpɔ o!
Elabena mía dometɔ kae ate ŋu anya Aƒetɔ la ƒe tame? Ame kae nya nu ale gbegbe be wòate ŋu azu eƒe aɖaŋudela alo mɔfiala?
Ame kae ate ŋu adɔ Aƒetɔ la ɖa be wòaɖe mɔ amea nawɔ nane?
Elabena Mawu ko gbɔe nu sia nu tsona. Nu sia nu le agbe le eya ko ƒe ŋusẽ ta, eye nu sia nu li na eƒe ŋutikɔkɔe. Ŋutikɔkɔe nanye etɔ tegbee! Amen.
12
Eya ta, nɔvinyewo, le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, mele ŋusẽ dom mi be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsa gbagbe si le kɔkɔe eye wòdzea Mawu ŋu esi anye miaƒe subɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.
Migazɔ azɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me ekema miate ŋu anya, akpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu, eƒe lɔlɔ̃nu si nyo eye wòdze hede blibo.
Le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si wònam nu la, mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be: migabu mia ɖokuiwo ame gãwoe wu ale si dze o, ke boŋ mibu mia ɖokuiwo ɖokuibɔbɔlawoe le xɔse ƒe dzidzenu si Mawu na mi la nu.
Abe ale si ŋutinu geɖewo le miaƒe ŋutilãwo ŋu eye ŋutinu siawo katã mewɔa dɔ ɖeka o ene la
nenema kee wole Kristo hã ƒe ŋutilã ŋui, eye ŋutinu siawo nye wo nɔewo tɔ, ame sia ame hiã nɔvia.
Mawu na amenuvevenunana mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòawɔ nu tɔxɛ aɖe nyuie. Eya ta ne Mawu na nunana wò be nãgblɔ nya ɖi la, ekema ele na wò be nãgblɔ nya ɖi ɣesiaɣi si nãte ŋui kple zi geɖe ale si wò xɔse asẽ ŋu ale be nãte ŋu axɔ nya tso Mawu gbɔ.
Ne wò nunanae nye be nãsubɔ ame bubuwo la, ekema nãsubɔ wo nyuie. Ne ènye nufiala la, nãfia nu nyuie.
Ne ènye mawunyagblɔla la, ekema ele be nãkpɔ egbɔ be ŋusẽ le yeƒe mawunya ŋu eye wòkpena ɖe amewo ŋu. Ne Mawu na hotsui wò la tsɔe nyo dɔme eye nãkpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ne Mawu na dzikpɔkpɔ ƒe nunana wò eye wòna be nãkpɔ ame bubuwo ƒe dɔwo dzi la, ele na wò be nãlé fɔ ɖe wò dɔdeasi sia ŋu vevie. Ele na ame siwo faa akɔ na konyifalawo be woatsɔ kristotɔwo ƒe dzidzɔ awɔe.
Migalɔ̃ mia nɔewo le ŋkume ko o, ke boŋ milɔ̃ wo tso dzi vavã me ke. Milé fu nu vɔ̃. Mide nu nyui dzi.
Mitsɔ dadaviwo ƒe lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo eye mide bubu mia nɔewo ŋu wu miawo ŋutɔ ɖokuiwo.
Migagbɔdzɔ le vevidodo me o, ke boŋ mixɔ dzo le gbɔgbɔ me eye misubɔ Aƒetɔ la kple dzi blibo.
Mikpɔ dzidzɔ le ɖoɖo siwo katã Mawu le wɔwɔm ɖe mia ŋu la ŋuti. Mido dzi le xaxawo me eye mianɔ gbedodoɖa dzi ɣesiaɣi.
Ne Mawu viwo ge ɖe hiã me la, miɖe wo tso eme. Mikpe amewo va miaƒe aƒewo me enuenu ne woaɖu nu kpli mi; ne dzeƒe hiã wo la, mina wo.
Ne ame aɖe wɔ nu masɔmasɔ aɖe ɖe ŋuwò le wò kristotɔnyenye ta la, mègaƒo fi dee o; do gbe ɖa ɖe eta eye nãyrae.
Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm. Mifa konyi kple ame siwo le konyi fam.
Miwɔ dɔ kple mia nɔewo dzidzɔtɔe. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo o. Migadze agbagba be yewoadze amegãwo ŋu o, ke boŋ mide ha kple ame gblɔewo. Migabu be yewonya nu sia nu o.
Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Miwɔ nuwo ale be ame sia ame nate ŋu akpɔe be mienye nyateƒetɔwo le goawo katã me.
Migawɔ dzre kple ame aɖeke o, ke boŋ minɔ anyi kple ame sia ame le ŋutifafa me abe ale si miate ŋui ene.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o. Migblẽ hlɔ̃biabia ɖe Mawu ƒe asime elabena eya ŋutɔe gblɔ be yeabia hlɔ̃ ame siwo dze na hlɔ̃biabia.
Le hlɔ̃biabia teƒe la, ne dɔ le wò futɔ wum la, na nuɖuɖui. Ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano. Ekema ãna ŋu nakpee le nu si wòwɔ ɖe ŋuwò la ta.
Mègana nu vɔ̃ naɖu dziwò o, ke boŋ tsɔ nu nyui wɔwɔ ɖu nu vɔ̃ dzii.
13
Miɖo to dziɖuɖu la, elabena Mawue nye ame si ɖo dziɖuɖu la anyi. Dziɖuɖu aɖeke mele afi aɖeke si Mawu ŋutɔ metsɔ ŋusẽ na o.
Eya ta ame sia ame si gbe dukɔa ƒe sewo dzi wɔwɔ la, gbe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ eye tohehe adze nu sia yome.
Elabena kpovitɔ medoa ŋɔdzi na ame siwo le nu nyui wɔm o, ke ame siwo le nu vɔ̃ wɔm la, avɔ̃ kpovitɔ ɣesiaɣi. Eya ta ne mèdi be yeanɔ vɔvɔ̃m o la, wɔ seawo dzi kpoo ekema eme anyo na wò.
Mawue ɖo kpovitɔ la ɖa be wòakpe ɖe ŋuwò. Ke ne èle nu vɔ̃ aɖe wɔm la, eme kɔ ƒãa be ãnɔ vɔvɔ̃m elabena kpovitɔ la ana woahe to na wò. Nu sia tututu tae Mawu ɖoe ɖa.
Eya ta miwɔ seawo dzi le nu eve siawo ta : gbã, be miagaxɔ tohehe o; evelia, elabena mienyae xoxo be ele be yewoawɔ seawo dzi.
Midzɔ miaƒe dugawo hã le nu eve siawo ke ta, elabena ele be woaxe fe na dziɖuɖudɔwɔlawo ale be woate ŋu anɔ Mawu ƒe dɔ la wɔm, anɔ kpekpem ɖe mia ŋu.
Mixe fe na ame sia ame abe ale si wòdzee ene. Mixe miaƒe dugawo kple adzɔwo dzidzɔtɔe. Miɖo to miaƒe tatɔwo eye mitsɔ bubu na ame sia ame si dze bubu.
Migana naneke ƒe fe natsi mia ŋu o negbe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe ko. Migaxe ame bubuwo lɔlɔ̃ ƒe fe sia vɔ gbeɖe o! Elabena ne mielɔ̃ wo la, miawɔ Mawu ƒe sewo katã dzi eye miawɔ nu sia nu si Mawu bia tso mia si.
Ne èlɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ wò ŋutɔ ɖokuiwò ene la, mãdi be yeawɔ nu vevii, abae, awui, alo afi eƒe naneke o. Gawu la, mãwɔ nu vɔ̃ kple hawòvi srɔ̃ alo adi nu si nye etɔ alo awɔ nu bubu aɖeke si Se Ewoawo gblɔ be menyo o la ɖe eŋu o. Seawo katã ƒe ƒuƒoƒoe nye esia be nãlɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ ɖokuiwo ene.
Lɔlɔ̃ naa womedaa vo ɖe ame aɖeke ŋu o. Eya tae wòsɔ ɖe nu siwo katã wòle be míawɔ la dzi. Se ɖeka sia koe miehĩa.
Nu bubu si ta wòle be mianɔ agbe nyui nye be: mienya be ɣeyiɣi boo megali o. Minyɔ elabena Aƒetɔ la ƒe vava tu aƒe fifia wu ale si míexɔe se tsã.
Zã la va yi vɔ, ŋu le kekem azɔ! Eya ta mina míaɖe asi le vivitimenuwɔwɔwo ŋu eye míado kekeli ƒe akpoxɔnuwo.
Mina míawɔ nu dzeame, abe ale si nyo le ŋkeke me ene, menye le aglotutuwo kple ahamumuwo, menye le ahasiwɔwɔwo kple hadzedzewo eye menye le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o.
Ke boŋ mibia Aƒetɔ Yesu Kristo be wòakpe ɖe mia ŋu be mianɔ agbe abe ale si dze ene. Migakpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu o.
14
Mixɔ nɔvi ɖe sia ɖe si adi be yeage ɖe hamea me la nyuie, ne eƒe xɔse mesẽ ŋu o hã. Migahe nya ɖe eŋu le eƒe susu siwo to vovo tso mia tɔwo gbɔ la ŋu le nu si nyo alo nu si menyo o la ta o.
Le kpɔɖeŋu me, migahe nya kplii be enyo be wòaɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo loo alo menyo o. Mixɔe se be nu vɔ̃ aɖeke mele nu sia me o, ke ame bubuwo ƒe xɔse gbɔdzɔ wu mia tɔ. Woawo bu be menyo o eye woagbe lãɖuɖu kura aɖu amagbewo ko ɖe lã ma tɔgbi ɖuɖu teƒe.
Mele be ame siwo bu be enyo be woaɖu lã ma tɔgbi la nado vlo ame siwo mebui nenema o. Ne mienye ame siwo meɖui o la, migaɖe vodada na ame siwo aɖui o. Elabena Mawu xɔ wo be woanye ye viwo.
Mawu ƒe subɔlawo wonye, menye miawo ƒe subɔlawo wonye o. Mawue wole agbe na, menye miawoe wole agbe na o. Mina Mawu nana woanya ne wo tɔ dzɔ loo alo wo tɔ medzɔ o. Mawu ate ŋu ana woawɔ nu si wòle be woawɔ.
Ame aɖewo bu be ele be woawɔ kristotɔwo ƒe ŋkekenyuiwo kple ŋkeke tɔxɛwo ŋudɔ atsɔ asubɔ Mawu, ke ame aɖewo gblɔ be, menyo o eye wònye abunɛnu be woaɖe fu na ame ɖokui nenema, elabena ŋkeke sia ŋkeke nye Mawu tɔ. Ele be ame sia ame natso nya siawo tɔgbi me na eɖokui.
Ne ŋkeke tɔxɛwo le mia si hena Aƒetɔ la subɔsubɔ la, miele agbagba dzem be yewoade bubu eŋu eye wònye nu nyui aɖe miele wɔwɔm. Nenema kee nye ame si ɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo; eda akpe na Aƒetɔ la ɖe eta. Eya hã wɔe nyuie. Ame si madi be yeaɖu lã ma tɔgbi o la hã di be yeadze Aƒetɔ la ŋu eye wòle akpe dam.
Menye aƒetɔwo míenye na mía ɖokuiwo be míanɔ agbe alo aku abe ale si míawo ŋutɔ míatia la ene o.
Ne míele agbe o, míeku o, míedzea Aƒetɔ la yome eye míenye etɔwo le go eveawo dometɔ ɖe sia ɖe me.
Nu sia tututu tae Kristo ku eye wògatsi tsitre ale be yeate ŋu anye míaƒe Aƒetɔ ne míele agbe o, míeku o.
Mèkpɔ mɔ nãɖe vodada na nɔviwò alo nãdo vloe o. Đo ŋku edzi bena mía dometɔ ɖe sia ɖe atsi tsitre ɖe Mawu ƒe Ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ.
Elabena woŋlɔe ɖi bena Aƒetɔ la gblɔ be, “Esi mele agbe la, ame sia ame adze klo nam eye aɖe sia aɖe aʋu nya me na Mawu.”
Nyateƒe ame sia ame ana akɔnta tso eɖokui ŋu na Mawu.
Eya ta mègaɖe vodada na nɔviwò azɔ o. Le esia teƒe la, dze agbagba eye nãnɔ agbe ale be mãnye nuɖiaɖia na nɔviwò ne wòakpɔ wò nãnɔ nu si eya bu be menyo o la wɔm o.
Le nye ŋutɔ gome la, meka ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ dzi be naneke megblẽ le lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu ŋu o. Ke ne ame aɖe ya xɔe se be menyo o la, ekema mele be wòaɖui o elabena menyo le eya gbɔ o.
Eye ne nu si nãɖu anye nuɖiaɖia na nɔviwò la, mèle nu wɔm le lɔlɔ̃ me, ne èɖui o. Mègana wò nuɖuɖu nagblẽ nu le ame si ta Yesu ku ɖo la ŋu o.
Mègawɔ nu si ana amewo naɖe vodada na wò o, togbɔ be ènya be nu si yewɔ la nyo hafi hã.
Elabena le nuwo katã megbe la, nu si le vevie na mí kristotɔwo la, menye nu si míeɖu alo nu si míeno o, ke boŋ be míana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nana amenuveve, ŋutifafa kple dzidzɔ mí.
Ne miena Kristo nye Aƒetɔ le nu siawo me la, dzi adzɔ Mawu eye ame bubuwo hã akpɔ dzidzɔ.
Eya ta mina miaƒe taɖodzinu nanye be nusɔsɔe nanɔ hamea me eye miadze agbagba ado ŋusẽ mia nɔewo.
Migana lãkɔ ɖeka nagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ me o. Miɖo ŋku edzi be naneke megblẽ le lã ŋu o, ke enye nu vɔ̃ be nãɖui eye wòazu nuɖiaɖia na ame bubu.
Nu nyuitɔ si nãwɔe nye nãɖe asi le lãɖuɖu alo ahanono alo nu sia nu si wɔwɔ aɖia nɔviwò nu alo ana wòawɔ nu vɔ̃ la ŋu.
Ànya be nu gbegblẽ aɖeke mele nu si yewɔ la ŋu le Mawu gɔ̃ hã gbɔ o, ke wɔe na ɖokuiwò ko. Mègaɖe wò nu si nèxɔ se be enyo la fia le ame bubu siwo nu wòaɖia la ŋkume o. Le go sia me la, woayra ame si mewɔ nu vɔ̃ to nu si wònya be enyo la wɔwɔ me o.
Ke ame sia ame si xɔ se be nu si yedi be yeawɔ menyo o la, mele be wòawɔe o. Ne ewɔe la, ewɔ nu vɔ̃ elabena ebu be menyo o, eya ta nua menyo na eya o. Nu sia nu si wòawɔ to nu si wònya be enyo gbɔ la, nye nu vɔ̃.
15
Ehiã be, mí ame siwo ŋu ŋusẽ le la míatsɔ ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo eye míagadze mía ɖokui ŋu o.
Mía dome ame sia ame nadze ehavi ŋu hena ehavi ƒe nyonyo kple tutuɖedzi.
Kristo mewɔ nu be yeadze ye ɖokui ŋu o. Abe ale si Psalmokpala gblɔe ene la, “Eva be yeakpe fu eye yeaxɔ dzudzu tso ame siwo tututu tsi tsitre ɖe Aƒetɔ la ŋu la gbɔ.”
Ele be nu siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me gbe aɖe gbe ke la nafia dzigbɔɖi mí eye wòade dzi ƒo na mí ale be míanɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu aɖu nu vɔ̃ kple ku dzi.
Mawu, ame si naa dzigbɔɖi kple tenɔnɔ kpakple dzideƒo ame la, nakpe ɖe mia ŋu be mianɔ anyi kple mia nɔewo le nɔvilɔlɔ̃ blibo me eye ame sia ame natsɔ Kristo ƒe nɔnɔme anɔ agbe ɖe nɔvia ŋu.
Ekema mí katã míate ŋu atsɔ gbe ɖeka akafu Aƒetɔ la, atsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo.
Eya ta mixɔ mia nɔewo nyuie ɖe hame la me abe ale si Kristo ŋutɔ hã xɔ mi ene, ekema miatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu.
Miɖo ŋku edzi be Yesu Kristo va be yeafia be Mawu wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi eye be yeakpe ɖe Yudatɔwo ŋu.
Migaɖo ŋku edzi hã be eva be Trɔ̃subɔlawo hã nakpɔ ɖeɖe eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu le ale si wòvea wo nu la ta. Nu siae Psalmokpala la fia esi wòŋlɔ bena, “Makafu wò le Trɔ̃subɔlawo dome eye madzi ha na wò ŋkɔ.”
Le teƒe bubu aɖe la, egagblɔ be, “O, Trɔ̃subɔlawo, mikpɔ dzidzɔ kple Mawu ƒe amewo, Yudatɔwo.”
Egagblɔ le teƒe bubu hã be, “O, Trɔ̃subɔlawo, mikafu Aƒetɔ la, mina ame sia ame nakafui.”
Nyagblɔɖila Yeseya gblɔ be, “Domenyila aɖe atso Isai ƒe aƒe me eye wòaɖu fia ɖe Trɔ̃subɔlawo dzi.”
Eya ta mele gbe dom ɖa ɖe mi Trɔ̃subɔlawo ta be Mawu, ame si naa mɔkpɔkpɔ mi la, nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me le esi miexɔ edzi se ta. Mele gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe mia ŋu be mɔkpɔkpɔ le Mawu me nagba go le mia me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ si le mia me la me.
Nɔvinyewo, menya be mienye ame nyanuwo kple ame nyuiwo eye mienya nu siawo nyuie ale be miate ŋu afia nu ame bubuwo tso wo katã ŋu.
Metsɔ dzideƒo ŋlɔ nya aɖewo na mi abe ŋkuɖoɖo nu dzi na mi ene to amenuveve si Mawu nam la me
be manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na Trɔ̃subɔlawo, eye be matsɔ Mawu ƒe nyanyui la vɛ na mi Trɔ̃subɔlawo be miazu vɔsa si dze Mawu ŋu si ŋu Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kɔ.
Eya ta mekpɔ mɔ maƒo adegbe vie le nu siwo katã Kristo Yesu wɔ to dzinye la ŋu.
Mele be mabu akɔnta le ale si wòwɔ ame bubuwo ŋudɔ la ŋu o, ke menya esia be: eto dzinye eye wòhe Trɔ̃subɔlawo va Mawu gbɔe.
Meɖe wo kple nye gbeƒãɖeɖe kpakple nye agbe nyui si menɔ le woƒe ŋkume hekpe ɖe nukunu siwo wowɔ to dzinye abe dzesiwo tso Mawu gbɔ ene la ŋu. Esiawo katã tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me. Meɖe gbeƒã Kristo ƒe nyanyui blibo la to mɔ sia dzi tso keke Yerusalem yi ɖado ɖe Iliriko ke.
Ke enye nye didi vevi be magayi ŋgɔ wu nenema gɔ̃ hã eye maɖe gbeƒã nyanyui la le teƒe siwo womese Kristo ŋkɔ le kpɔ haɖe o. Esia dzrom wu be maɖe gbeƒã le afi si ame bubu aɖe ɖo hame aɖe anyi ɖo xoxo.
Menɔ zɔzɔm ɖe ɖoɖo si ŋu woƒo nu le le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me la nu. Afi siae Yesaya gblɔ le be, “Ame siwo mese Kristo ŋkɔ kpɔ haɖe o la, woakpɔ nu eye woase egɔme.”
Nu sia tututu tae nyemete ŋu va kpɔ mi ɖa kaba o.
Ke mewu nye dɔ la nu le afi sia mlɔeba azɔ eye mele klalo be mava le ƒe geɖe siwo melala la megbe.
Mele tame ɖom be mayi Spania. Ne meyina la, matɔ ɖe Roma eye ne menɔ anyi kpli mi le dzidzɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe la, miagate ŋu ado mɔm.
Ke hafi mava la, ele be mayi Yerusalem gbã eye matsɔ nunana aɖe ayi na Yudatɔ siwo nye kristotɔwo le afi ma.
Elabena kristotɔ siwo le Makedonia kple Akaya la di nanewo be yewoaɖo ɖe nɔvi siwo le Yerusalem, ame siwo le ɣeyiɣi sesẽ aɖe ŋutɔ me tom.
Edzɔ dzi na wo ŋutɔ be woawɔ esia elabena wodze sii be yewonyi akpedafe gã aɖe le kristotɔ siwo le Yerusalem la si. Nu ka ta? Elabena nya tso Kristo ŋu va na Trɔ̃subɔla siawo tso hame si le Yerusalem la gbɔ. Tso esime woxɔ nyanyui la ƒe gbɔgbɔmenunana sia tso afi ma la, wodze sii be nu suetɔ si yewo hã yewoate ŋu awɔ lae nye yewoakpe ɖe wo ŋu kple anyigbadzinu aɖewo.
Ne metsɔ ga sia na wo eye mewu dɔ nyui si wowɔ na wo nɔviwo nu na wo la, mava kpɔ mi ɖa ne mele Spania yim.
Meka ɖe edzi be ne meva la, Aƒetɔ la ana yayra geɖem matsɔ vɛ na mi.
Miado gbe ɖa kplim mahã? Le Aƒetɔ Yesu Kristo ta kple miaƒe lɔlɔ̃ nam si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la tsɔ na mi ta la, mido gbe ɖa vevie ɖe tanye.
Mido gbe ɖa be Mawu nakpɔ tanye le Yerusalem tso ame siwo menye kristotɔwo o la sime. Mido gbe ɖa hã be kristotɔ siwo le afi ma la nalɔ̃ axɔ ga si metsɔ yina na wo.
Ekema ne Mawu lɔ̃ la, mate ŋu ava mia gbɔ kple dzidzɔ eye míade agbe yeye mía nɔewo me.
Ke azɔ la, mía Mawu, ame si naa ŋutifafa la nanɔ anyi kpli mi katã Amen.
16
Mele Foibe, mía nɔvinyɔnu, ame si nye subɔla le Kenkrea hame me la kafum na mi.
Mele biabiam tso mia si be miaxɔe abe ale si dze le Aƒetɔ la me ene, eye le mɔ sia mɔ si dze ame kɔkɔewo la nu miakpe ɖe eŋu le nu sia nu si ahiãe la me. Elabena ekpe ɖe ame geɖewo ŋu le woƒe hiahiãwo me. Ekpe ɖe nye ŋutɔ hã ŋu.
Mido gbe na Priskila kple Akwila nam. Wonye nye hadɔwɔlawo le Kristo Yesu ƒe dɔ la me.
Wotsɔ woƒe agbe de xaxa me ɖe tanye. Menye nye ɖeka koe le akpe dam na wo o. Ame siwo katã le Trɔ̃subɔla siwo zu kristotɔwo ƒe hamewo me la hã le akpe dam na wo.
Mido gbe na ame siwo katã kpea ta hesubɔa Mawu le woƒe aƒewo me la nam. Mido gbe na xɔ̃nye vevi, Epeneto, hã nam. Eyae nye ame gbãtɔ si zu kristotɔ le Asia.
Mido gbe na Maria hã, ame si wɔ dɔ sesĩe hekpe ɖe mía ŋu la, nam.
Andronika kple Yunia hã li; woawoe nye nye ƒometɔ siwo nɔ gaxɔ me kplim. Apostoloawo bua wo eye wozu kristotɔ hafi meva zui. Mido gbe na wo nam.
Mido gbe na Ampliato, ame si melɔ̃na abe Mawu ŋutɔ viwo dometɔ ɖeka ene
kple Urbano, míaƒe hadɔwɔla kpakple Stakis nam.
Apeles, ame nyui si ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze le la hã li. Mido gbe nɛ nam. Mitsɔ nye gbedoname nyuitɔ na ame siwo le dɔ wɔm le Aristobulo ƒe aƒeme.
Medo gbe na nye ƒometɔ Herodion kple kluvi siwo nye kristotɔwo le Narkiso ƒe aƒe me,
kple Trifena kpakple Trifosa, ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo kple Persis lɔlɔ̃a, ame si wɔ dɔ sesĩe ŋutɔ na Aƒetɔ la.
Medo gbe na Rufo, ame si Aƒetɔ la tia be wòanye ye ŋutɔ tɔ kple dadaa lɔlɔ̃a, ame si kpɔ dzinye abe danye ene.
Mido gbe na Asinkrito, Flego, Herme, Patroba, Herma kple nɔvi bubu siwo katã le gbɔ.
Migblɔ na Filologo, Yunia, Nereo kple nɔvianyɔnu kple Olimpa kpakple kristotɔ bubu siwo katã le wo gbɔ la be medo gbe na wo.
Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe do gbe na mia nɔewo nam. Hame siwo katã le afi sia la do gbe na mi katã.
Nya ɖeka gale asinye magblɔ hafi awu agbalẽ sia nu. Migade ha kple ame siwo dea mama amewo dome, naa amewo ƒe xɔse trana eye wofiaa nu siwo tsi tre ɖe nu siwo wofia mi tso Kristo ŋuti la o.
Nufiala siawo mele dɔ wɔm na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe viɖe ko dim wole. Woƒoa nu nyuie eye woblea susu wodzoe tɔwo enuenu.
Ke ame sia ame nya be miawo ya la mienye nuteƒewɔlawo. Nu sia doa dzidzɔ gã nam. Medi be mianya nu tso nu si nyo la ŋu ɣesiaɣi eye miavo tso nu vɔ̃ ɖe sia ɖe me.
Esusɔ vie Ŋutifafa ƒe Mawu la nagbã Satana ɖe miaƒe afɔ te gudugudu. Míaƒe Aƒetɔ Yesu ƒe yayra nava mia dzi.
Timoteo, nye hadɔwɔla, kple Lukio, Yason kple Sosipatro, nye ƒometɔwo do gbe na mi.
Nye Tertio, ame si le agbalẽ sia ŋlɔm na Paulo la, nye hã medo gbe na mi abe mia nɔvi kristotɔ ɖeka ene.
Gayo be mado gbe na mi. Eya ƒe amedzroe menye eye hamea kpea ta le afii le eƒe aƒe me. Erasto, ame si nye dugadzikpɔla kple Kuarto, nɔvi kristotɔ aɖe, do gbe na mi.
Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã.
Azɔ ame si te ŋu ɖo mia gɔme anyi to nye nyanyui kple gbeƒãɖeɖe Yesu Kristo me esiae nye ɖoɖo si woɣla ɖe mi tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me ke.
Ke azɔ la abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe do ŋgɔ eye abe ale si Mawu mavɔtɔ la de se ene la, wole gbeƒã ɖem na dukɔwo katã be woaxɔe ase eye woaɖo to eya amea.
Mawu ame si ɖeka koe nye nunyatɔ to Yesu Kristo dzi la, tɔ nanye ŋutikɔkɔe la yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.
- Holder of rights
- Multilingual Bible Corpus
- Citation Suggestion for this Object
- TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. Romans (Ewe). Romans (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-9703-A