1

Yesu Kristo, si nye Đela kple Mawu Vi la, ƒe nyanyui la ƒe gɔmedzedzee nye esi.
Abe ale si woŋlɔe ɖi le Yesaya ƒe agbalẽ me ene be, “Madɔ nye dɔla ɖe ŋgɔwò be wòadzra wò mɔ la ɖo,
ame si ƒe gbe le ɖiɖim le gbea dzi be, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ ɖo, miwɔ eƒe mɔtatawo woanɔ dzɔdzɔe nɛ.’”
Yohanes Mawutsidetanamelae nye dɔla sia. Enɔ gbedzi eye wòfia amewo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye woade mawutsi ta na wo abe nugbegbe le woƒe nu vɔ̃wo gbɔ ƒe dzesi ene. Ena wonya be ne wodzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye wode mawutsi ta na wo la, Mawu atsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo.
Ame geɖe ŋutɔ tso Yerusalem kple Yudea nutomewo me yi gbea dzi, be yewoakpɔ Yohanes eye yewoase gbedeasi si wòtsɔ vɛ. Esi ame siawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me nɛ vɔ la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisia me.
Wotɔ awu si Yohanes do la kple kposɔfu eye wòtsɔ lãgbalẽlẽdziblaka bla awua dzii. Eƒe nuɖuɖu koe nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.
Egblɔ na eƒe nyaselawo be, “Ame aɖe gbɔna kpuie esi de ŋgɔ wum sãa. Amea de ŋgɔ ale gbegbe be nyemedze be mabɔbɔ atu eƒe atokotaŋuka gɔ̃ hã o.
Nye la tsi koe metsɔ de mawutsi ta na mii gake eya ade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la!”
Ɣemaɣi la, Yesu tso Nazaret le Galilea va Yohanes gbɔ eye Yohanes de mawutsi ta nɛ le Yɔdan tɔsisia me.
Esi Yesu nɔ go dom tso tsia me la, ekpɔ be dziƒowo nu ʋu eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si nɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me la nɔ ɖiɖim ɖe edzi.
Gbe aɖe hã ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye Vinye lɔlɔ̃a si ŋu mekpɔa ŋudzedze blibo le.”"
Enumake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔe yi gbedzi;
enɔ gbea dzi ŋkeke blaene eye Abosam va tee kpɔ. Enɔ lã wɔadãwo dome ke mawudɔlawo va subɔe.
Esi Fia Herodes lé Yohanes de gaxɔ me vɔ megbe la, Yesu yi Galilea be yeagblɔ Mawu ƒe nyanyui la.
Eɖe gbeƒã be," “Ɣeyiɣi va ɖo mlɔeba! Mawufiaɖuƒe la gogo! Midzudzɔ nu vɔ̃ ne mianɔ agbe ɖe nyanyui la ƒe ɖoɖowo nu.”
Gbe ɖeka esi Yesu ɖi tsa to Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ Simɔn kple nɔvia Andrea wonɔ asabu dam ɖe ƒua me elabena ɖɔkplɔlawoe wonye.
Yesu yɔ wo hegblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi miazu amewo ɖelawo.”
Enumake wogblẽ woƒe asabuwo ɖi hedze eyome.
Esi wozɔ ƒua ta yina sẽ la, Yesu gakpɔ Zebedeo viŋutsuwo, Yakobo kple Yohanes hã wonɔ ʋu me nɔ woƒe ɖɔwo sam.
Eyɔ woawo hã be woadze ye yome, ale wogblẽ wo fofo Zebedeo kple ɖɔkplɔviawo ɖi hekplɔ Yesu ɖo enumake.
Yesu kple ame siwo nɔ eŋu la va ɖo Kapernaum le Memleɖa si nye Yudatɔwo ƒe Sabat ŋkeke dzi. Woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe eye Yesu fia nu amewo le afi ma.
Ame siwo nɔ ƒuƒoƒea la ƒe mo wɔ yaa le Yesu ƒe nufiafia ŋuti elabena efia nu wo kple tɔnyenye alo kakadedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si ame bubuwo fianɛ la gbɔ.
Ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la hã nɔ ƒuƒoƒea le ɣemaɣi me. Ame sia de asi ɣlidodo me be,
“Yesu Nazaretitɔ, nu ka tae nèle fu ɖem na mí gbɔgbɔ vɔ̃wo? Đe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye, wòe nye Mawu Vi, Kɔkɔetɔ la.”
Yesu blu ɖe eta gblɔ be, “Zi ɖoɖoe eye nãdo go le eme.”
Le Yesu ƒe nya nu la, gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, tsɔ amea xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe eye wòdo go le eme.
Nuwɔna sia wɔ nuku na eteƒekpɔlawo ŋutɔ, eye woƒo nu le eŋu."
Nu si Yesu wɔ la na be eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea nutoa katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe.
Yesu kple eŋutimeawo do go le ƒuƒoƒea eye woyi Simɔn kple Andrea ƒeme,
Simɔn lɔ̃xo nɔ aba dzi nɔ ŋudza sesẽ aɖe lém hafi wode, ale wogblɔe na Yesu.
Yesu yi dɔnɔa ƒe aba gbɔ, elé eƒe alɔnu eye wònɔ alinu. Enumake ŋudza sesẽ la do le edzi eye wòfɔ yi ɖaɖa nu na wo woɖu."
Esi ɣe nɔ to ɖom la, wokplɔ dɔ ƒomevi vovovo lélawo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ le aƒe si me wònɔ la, be wòada gbe le wo ŋu.
Kapernaum du bliboa katã kloe hã va ƒo ƒu ɖe teƒea be yewoakpɔ nu.
Yesu da gbe le dɔléla geɖewo ŋu eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ame aɖewo me fĩe ma. Meɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woaƒo nu ya o, elabena wonya ame si wònye.
Le fɔŋli la, Yesu ɖeka do go eye wòɖe eɖokui ɖe aga be yeado gbe ɖa.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Simɔn kple ame bubuawo do go yi ɖadii.
Esi wokpɔe la, wogblɔ bena, “Aƒetɔ, ame geɖe le diwòm.”
Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Ele be míayi du bubuwo hã me, be magblɔ nye gbedeasi la na woawo hã elabena esia tae meva ɖo.”"
Ale wòzɔ mɔ tsa le Galilea nutomewo katã me, henɔ mawunya gblɔm le woƒe ƒuƒoƒewo eye wònɔ ga ɖem ame siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo de gae la hã.
Gbe ɖeka, anyidzela aɖe va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ na Yesu be," “Ne èlɔ̃ la, na nye ŋuti nakɔ.”
Anyidzela la ƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta wòka asi eŋu hegblɔ nɛ be, “Mèlɔ̃, eya ta wò ŋuti nakɔ.”
Enumake anyidzela la ƒe lãme sẽ.
Yesu dɔe ɖa enumake kple sedede vevi sia be,
“Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o. Ke boŋ yi nãtsɔ ɖokuiwò afia Osɔfo la eye nãna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”
Gake esi ŋutsua dzo yina la, eɖe gbeƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒeteƒewo va egbɔ.

2

Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yesu gatrɔ yi Kapernaum. Esi wòɖo afi ma la, eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du bliboa me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.
Medidi kura hafi aƒe si me wònɔ la yɔ fũ kple amewo o. Aƒea me yɔ ale gbegbe be nɔƒe aɖeke kura meganɔ anyi o. Yesu de asi mawunyagbɔgblɔ me na ameha la.
Sẽ la, ŋutsu ene aɖewo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi gbɔna Yesu gbɔe.
Ke le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, womete ŋu ɖo egbɔ tututu o. Le esia ta woyi ɖaɖe do ɖe xɔ si me Yesu nɔ la tame eye woɖiɖi dɔnɔa ɖɔɖɔɖɔ hedro ɖe ekɔme.
Yesu kpɔ be ŋutsu eneawo xɔe se vevie be yeate ŋu akpe ɖe wo nɔvi la ŋu, eya ta egblɔ na dɔnɔa be, “Vinye, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò!”
Ke Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo nɔ afi ma la gblɔ be,
“Nu ka! Ame sia gblɔ busunya! Đe wòbu be Mawue yenyea? Menya be Mawu ɖeka hɔ̃ koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake oa?”
Yesu nya nu si bum ameawo nɔ eya ta egblɔ na wo enumake be, “Ale ke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea?
Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na lãmetututɔ la be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò; loo alo woagblɔ nɛ be, ‘Tsi tre, tsɔ wò aba ne nãzɔ azɔlĩ’?
Be miadze sii be wona ŋusẽ Amegbetɔ Vi la be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi. ” Egblɔ na lãmetututɔ la be
“Mele egblɔm na wò be tsi tre, tsɔ wò aba eye nãyi aƒeme!”
Ŋutsua tsi tre enumake. Efɔ eƒe aba la, eye wòzɔ to nukpɔlawo dome dzo. Nukpɔlawo katã ƒe nu ku. Wokafu Mawu, eye wogblɔ be, “Míekpɔ naneke teƒe alea kpɔ o!”
Yesu gado go yi ƒuta eye wòfia nu ameha si kplɔe ɖo la.
Esi wòzɔ yina la eva ke ɖe Levi, Alfeo vi, ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nãzu nye nusrɔ̃la.” Levi tso enumake eye wòdze Yesu yome.
Le fiẽ la, Levi kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le ye ƒeme. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla geɖewo hã nɔ ame siwo wòkpe la dome, elabena ame siawo ƒomevi hã nɔ Yesu yome.
Agbalẽfiala siwo tso Farisitɔwo dome la kpɔ Yesu wònɔ nu ɖum kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo ale wobia eƒe nusrɔ̃lawo fewuɖutɔe be, “Nu ka ta miaƒe Aƒetɔ le nu ɖum kple nu vɔ̃ wɔla siawo?”
Yesu se nya siwo gblɔm wonɔ ale wògblɔ na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o ke boŋ dɔnɔwoe. Menye ame dzɔdzɔewo tae meva ɖo o ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo tae be maxlɔ̃ nu wo ne woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ.”
Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo tsia nu dɔna ɣe aɖewo ɣi. Gbe ɖeka esi wogatsi nu dɔ alea la, ame aɖewo va Yesu gbɔ va bia nu si ta eya ƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o.
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Đe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃wo natsi nu adɔ agbe nuɖuɖu le eƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋua? Gbeɖe, zi ale si ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ ko la, womatsi nu adɔ o.
Gake ŋkeke aɖe li gbɔna esi wole ŋugbetɔsrɔ̃ la kplɔ ge le wo gbɔ, ale woatsi nu adɔ.
Menyo be woatsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o, elabena ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒea eye teƒe si vuvu la alolo ɖe edzi wu.
Womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o elabena ne wowɔ esia la aha yeyea ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo la awo eye ahaa kple lãgbalẽgolo la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wòle be woakɔ aha yeye ɖo.”
Gbe ɖeka le Sabat dzi esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖe me yina la, nusrɔ̃lawo ŋe bli aɖewo heɖu.
Farisitɔ aɖewo kpɔ wo eye wogblɔ na Yesu be, “Medze be wò nusrɔ̃lawo nawɔ nenem nu sia ƒomevi o ɖe. Etsi tre ɖe míaƒe sewo ŋu be woaŋe nu le Sabat ŋkekea dzi elabena esɔ kple dɔwɔwɔ le Sabat dzi.”
Eɖo eŋu na wo be, “Đe miexlẽ nu si David kple eŋumewo wɔ esi dɔ wu wo eye woxaxa kpɔ oa?
Esi Abiata nye Osɔfogã la, ɖe David mege ɖe Mawu ƒeme eye wòɖu abolo kɔkɔe si wòle be Osɔfowo ɖeɖe ko naɖu la, eye wòna eŋume aɖewo hã woɖu oa?”
Egblɔ yi edzi be, “Sabat ŋkekea la, ɖe woɖoe anyi be wòaɖe vi na ame, menye be ame nazu kluvi na Sabat ŋkekea o.
Gawu la, ŋusẽ le nye Mesia la si ɖe Sabat ŋkekea dzi.”

3

Yesu gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum eye wòkpɔ ame aɖe si titi lé asi na le afi ma.
Esi wònye Sabat ŋkeke dzie ta la, Yesu ƒe futɔwo nɔ ŋku lém ɖe eŋu tsitotsito be ada gbe le amea ŋu mahã eye ne wòwɔe la yewoatsɔ nya ɖe eŋu.
Yesu yɔ amea be neva tsi tre ɖe ameha la ŋkume.
Etrɔ ɖe eƒe futɔwo gbɔ hebia wo be, “Enyo be woawɔ dɔmenyo le Sabat ŋkekewo dzia? Alo enye ŋkeke si dzi woawɔ nu vevi ame loo alo atsrɔ̃ amea?” Ameawo katã zi kpi eye womeɖo biabia siawo ƒe ɖeke ŋu nɛ o.
Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, “Do wò asi ɖe ŋgɔ.”" Amea wɔe eye enumake eƒe asi la ɖɔ ɖo.
Esi Farisitɔwo kpɔ esia la wotso enumake yi ɖawɔ ɖoɖo kple Herodia dunyaheha si de Roma dziɖuɖu dzi la le ale si woawɔ awu Yesu la ŋuti.
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ɖe aga heyi ƒua ta eye ameha gã aɖe dze wo yome tso Galilea.
Esi wose nu siwo katã Yesu nɔ wɔwɔm ta la ame geɖe siwo tso Yudea, Yerusalem, Idumea kple nutome siwo le Yɔdan tɔsisia ƒe go kemɛ kpakple Tiro kple Sidɔn nutomewo hã va."
Yesu vɔ̃ be ameawo ava mimi ye ɖo eya ta ebia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woadi ʋu aɖe ada ɖi ale be ne ameawo mimi ye ɖo fũ akpa la yeage ɖe eme ado le wo dome
elabena eda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu gbe ma gbe ale gbegbe be, bubuwo ƒo zi ɖe eŋu fũ henɔ didim be yewoaka asi eŋu ko.
Nenye be ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la kpɔ Yesu la, wodzea anyi ɖe eƒe ŋkume hedoa ɣli be, “Wòe nye Mawu Vi la.”"
Gake Yesu dea se na wo vevie be woagana amewo nanya ame si yenye o.
Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi eye wòbia tso ame siwo wòtia si be woava do go ye le afi ma eye ameawo yi.
Azɔ etia ame wuieve be woanye apostolowo, ame siwo anɔ eŋuti gbeawo tsyo gbe eye wòadɔ wo woayi aɖagblɔ mawunya ana amewo
eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me."
Ame wuieve siwo wòtia la ƒe ŋkɔwoe nye: Simɔn, ame si wòna ŋkɔe be Petro
Yakobo kple Yohanes, Zebedeo vi siwo Yesu na ŋkɔe be “Dziɖegbe ƒe viwo,”
Andrea, Bartolomeo, Mateo, Toma, Yakobo, Alfeo vi, Tadeo, Simɔn, ame si nye Zelote dunyaheha sesẽ aɖe me nɔla,
kple Yuda Iskariot, ame si dee asi emegbe.
Esi Yesu trɔ yi aƒe si me wòdze la amehawo gade asi ƒuƒoƒo me ake, eye eteƒe medidi o, aƒea me yɔ kple amewo. Ameawo sɔgbɔ ale gbegbe be mekpɔ ɣeyiɣi ne wòaɖu nu gɔ̃ hã o.
Esi eƒe ƒometɔwo se nya sia la, wova be yewoakplɔe ayi yewo gbɔe elabena wobu be eƒe tagbɔe da.
Gake Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo tso Yerusalem va afi ma la gblɔ be, “Belzebul, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia si le eme lae le fu ɖem nɛ. Esia hã tae gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖoa toe ɖo.”
Yesu yɔ ɖeklemiɖela siawo eye wòdo lo nyanyɛ sia na wo be, “Ale ke Satana agate ŋu atsi tre ɖe Satan ŋui?
Fiaɖuƒe si ma ɖe eve la, mate ŋu anɔ te o, agbã godoo.
Aƒe si me mama kple dzrewɔwɔ le la hã mate ŋu anɔ te o.
Ne Satana tsi tre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la, ekema mate ŋu anɔ te, o ke boŋ eƒe fiaɖuƒee wu nu.
Le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu age ɖe ŋusẽtɔ ƒe aƒe me o eye wòalɔ eƒe nunɔamesiwo adzoe negbe ɖe ko wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo.
Mele nyateƒe la gblɔm na mi bena woatsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo kple woƒe busunyawo katã ake wo.
Ke ame sia ame si agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o. Ame sia wɔ nu vɔ̃ mavɔ.”
Yesu gblɔ nya sia elebena ameawo nɔ gbɔgblɔm be gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ eya amea me.
Azɔ Yesu dada kple nɔviawo va aƒe si me wònɔ la godo, eye wodɔ ame aɖe ɖa be wòayɔe na wo.
Ameha gã aɖe bɔbɔ nɔ egbɔ ƒo xlãe eye wogblɔ nɛ be “Dawò kple nɔviwòŋutsuwo di be yewoakpɔ wò le aƒea godo.”
Yesu biae be, “Ame kae nye danye? Ame kawoe nye nɔvinyeŋutsuwo?”
Etsa ŋku le ame siwo ƒo xlãe la dome godoo eye wògblɔ be, “Ame siawoe nye danye kple nɔvinyeŋutsuwo!
Ame sia ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu enye nɔvinyeŋutsu, nɔvinyenyɔnu kple danye.”

4

Eva eme be ame geɖewo gava ƒo ƒu ɖe Yesu ŋu le esime wònɔ nu fiam le ƒuta. Le ameawo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, ege ɖe ʋu aɖe me eye wònɔ afi ma hafi nɔ nua fiam.
Efia nu geɖe amewo to lododo me.
Egblɔ na wo be, “Miɖo to miasee, “Agbledela aɖe yi nuku wu ge ɖe eƒe agble me.
Nuku siwo wòwu la ƒe ɖewo ge ɖe mɔto, eye xeviwo va fɔ wo mi.
Bubuwo ge ɖe kpenyigba dzi afi si anyi geɖe mele o. Nukua mie enumake, gake esi anyi mesɔ gbɔ o ta la
esi ŋdɔ ʋu la, eyrɔ, eye wòku elabena eƒe ke mede to o.
Nuku bubuwo ge ɖe ŋuwo me eye esi wonɔ tsitsim la, ŋuawo vu tsyɔ wo dzi ale be womete ŋu tse ku aɖeke o.
Ke nuku aɖewo ya ge ɖe anyigba nyui dzi eye wotse ku blaetɔ̃, ɖewo tse blaade eye ɖewo hã tse alafa.”
Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Ame si tosenu li na la nesee.”
Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃la wuieveawo kpakple nusrɔ̃lawo bubuwo ɖe wo ɖokuiwo ɖe aga. Nusrɔ̃lawo biae le afi sia be, “Lo si nèdo la gɔme ɖe?”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo la, wona mɔ mi be mianya mawufiaɖuƒe la ƒe nuɣaɣlawo, ke woɣla esiawo ɖe ame siwo le fiaɖuƒe godo.
Miɖo ŋku edzi be,“Togbɔ be wokpɔa nu eye wosea nu hã la, womele nu gɔme se ge alo atrɔ ɖe Mawu gbɔ, be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo o.’”
“Ke nenye be miawo hã miete ŋu se lododo bɔbɔe sia gɔme o ɖe, ale ke miawɔ ase esiwo mava do emegbe la gɔme?
“Agbledela si ŋu meƒo nu tsoe lae nye ame si gblɔa mawunya na amewo, eye wòdina be yeaƒa ku nyuiwo ɖe amewo ƒe agbemɔ dzi.
Mɔto afi si nuku aɖewo kaka ɖo lae nye ame siwo ƒe dziwo ku atri. Ne wose mawunya la, eye Satana va te wo kpɔ ko la, woŋlɔa nya la be enumake.
Kpenyigba si dzi nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo sea mawunya la eye woxɔnɛ kple dzidzɔ.
Gake abe nuku siwo miena ɖe anyigba ma ƒomevi dzi ene la woƒe kewo medea to o, eye togbɔ be wotsina vlɔvlɔ hã la, ne yometiti va ko la woyrɔna.”
Ŋunyigba si dzi nuku aɖewo ge ɖo lae nye ame siwo sea nyanyui la eye woxɔnɛ ɖe woƒe dziwo me.
Gake xexe sia me ƒe dzitsitsi ɖe kesinɔnuwo ŋu, hloloetsotso na dzidzedzekpɔkpɔ kple xexeame ƒe nudzroame geɖewo vana zua ŋu vuna tsyɔa Mawu ƒe nya si wose la dzi eye metsea ku aɖeke o.
” Azɔ anyigba nyui lae nye ame siwo xɔa Mawu ƒe nya la le nyateƒe me eye wòtsea ku geɖe na Mawu, zi blaetɔ̃, zi blaade alo zi gbɔ zi alafa ɖeka kura gɔ̃ hã.”
Yesu yi edzi bia nusrɔ̃lawo be, “Nenye be ame aɖe si akaɖi ɖe, ɖe wòtsɔa nu tsyɔa edzi be megaklẽ oa? Gbeɖe, ne wòwɔ esia la, ekema ame aɖeke mate ŋu akpɔ nu kple akaɖia alo awɔ eŋuti dɔ o. Ne wosi akaɖi la, akaɖiti dzie wodanɛ ɖo be wòaklẽ na amewo eye wòanye ŋudɔwɔnu na wo.
” Nu siwo katã le ɣaɣla fifia la, ava dze le gaglãgbe gbe ɖeka.
Ne tosenu li na mi la, misee!
Mikpɔ egbɔ be miewɔ ɖe nu siwo miese la dzi elabena ne miele esia wɔm la, ekema miase nu siwo katã mefia mi la gɔme.
Ame si si nu le la eyae woana nui, eye ame si si nu mele o la, woaxɔ sue si le esi la gɔ̃ hã le esi.”
Lo bubu si fia ale si mawufiaɖuƒea le lae nye esi: ‘Agbledela aɖe ƒã nuku ɖe eƒe abɔ me eye wòdzo,
ke le ŋkeke aɖewo megbe la, nukua ŋutɔ tsi le eɖokui si eye agbledela mena kpekpeɖeŋu aɖeke o, elabena anyigba ŋutɔ nyo xoxo.
Gbã la aŋgba fẽwo do, emegbe la nukua ƒo se eye mlɔeba la etse ku.
Azɔ agbledela la yi agblea me eye wòxa nukua.’”
Yesu yi edzi bia wo be, “Ale ke gɔ̃ maɖe ale si mawufiaɖuƒe lii la afia mi. Lo ka tututue mate ŋu ado wòasɔ kplii?
Mawufiaɖuƒea le abe ʋuti ƒe ku si nye nuku suetɔ kekeake ene.
Togbɔ be ele alea hã la, ne woƒãe la etsina zua ati dzɔtsutɔwo dometɔ ɖeka eye wòɖea alɔ legbe siwo me xeviwo wɔa atɔ ɖo hekpɔa gbɔɖeme le wo me.”"
Yesu wɔ lododo ƒomevi geɖe ŋuti dɔ hetsɔ fia nu amewo. Ewɔ esi sinu gɔme amewo ate ŋu ase la ŋuti dɔ.
Le nyateƒe me, ne Yesu le nu fiam le dutoƒo la, lododo sɔŋ ko ŋuti dɔ wòwɔna ke emegbe ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe vovo la, eɖea wo gɔme na wo.
Esi ɣe nɔ to ɖom la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be," “Mina míatso ƒua ayi eƒe go evelia dzi.”
Eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me eye wodze mɔ, hegblẽ ameha la ɖe ƒua ta, ke ʋu bubuwo hã dze wo yome.
Esi wozɔ yina sẽ la, ahom sesẽ aɖe de asi tutu me. Esia wɔ be ƒutsotsoewo ŋe ɖe ʋua me ale gbegbe be wòsusɔ vie ko ʋua nanyrɔ.
Togbɔ be esiawo katã nɔ edzi yim hã la, Yesu ya mlɔ suɖui bɔbɔe aɖe dzi le ʋua ta henɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Nusrɔ̃lawo ʋuʋui sesĩe wònyɔ. Wobiae kple vɔvɔ̃ be, “Nufiala, mètsɔ ɖeke le eme be míele nyɔnyrɔm oa?”
Yesu blu ɖe ya la ta enumake eye wòɖe gbe na ƒua hã be, “Zi ɖoɖoe!” Ya sesẽ la tɔ enumake eye ƒua zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ.
Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu bia wo be, “Nu ka ta mievɔ̃ alea gbegbe ɖo? Ekema va se ɖe fifĩ laa hã, miexɔ dzinye se oa?”
Vɔvɔ̃ ɖo nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Woƒe mo wɔ yaa eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka ŋutɔ gɔ̃e nye ame sia, be yawo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe?”

5

Wotso ƒu la eye woge ɖe Gadaratɔwo ƒe nuto me.
Esi Yesu ɖi go tso ʋua me la ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le do go tso yɔdoawo me va kpee.
Ame sia ƒe nɔƒe nye ameɖibɔ me eye ame aɖeke magate ŋu ablae o alo ade gakɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hãe o.
Elabena zi geɖe wodea gakɔsɔkɔsɔ eƒe asiwo kple afɔwo, ke etsona wo keŋkeŋ. Ame aɖeke mesesẽ wui ale woalée wòadze kɔ anyi o.
Le ŋkeke kple zã me siaa la enɔa tsatsam le yɔdowo dome kple togbɛwo dzi nɔa ɣli dom henɔa eɖokui sim kple kpe ɖaɖɛwo.
Ame sia kpɔ Yesu xoxoxo esi wònɔ tsia dzi gbɔna, eya ta esi wòɖi go ko la, eƒu du va tui hedze klo ɖe eŋkume.
Edo ɣli kple gbe sesĩe be, “Nya ka le nye kple wò dome? Wò Yesu, Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi? Le Mawu ta mègawɔ funyafunya aɖekem o.”
Elabena Yesu nɔ gbɔgblɔm nɛ bena, “Do go le ŋutsu sia me, wò gbɔgbɔ vɔ̃”
Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃a be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eye wòɖo eŋu nɛ be, “Ŋkɔnye enye Legio alo Aʋakɔ, elabena mí ame geɖewoe le ame sia me.”
Azɔ gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be wòaganya yewo ayi du didi aɖeke me o.
Eva eme be aƒehawo ƒe ha aɖe nɔ nu ɖum le togbɛ si te ɖe taa ŋu la dzi.
Gbɔgbɔ vɔ̃awo gblɔ na Yesu be, “Míeɖe kuku nya mí ɖo ɖe ha mawo me.”
Yesu na mɔ wo be woayi, eye gbɔgbɔ makɔmakɔ siawo do go le aɖaʋatɔa me enumake yi ɖage ɖe hawo me. Esia wɔe be hawo katã ƒu du sesĩe, yi ɖanyrɔ̃ wo ɖokuiwo ɖe ƒua me doo heno tsi ku.
Hakplɔviawo si dzo eye esi wonɔ yiyim la, wokaka nyaa ɖe duwo kple kɔƒewo me. Esia wɔe be ame sia ame yi be ye ŋutɔ yeakpɔ nu si dzɔ la.
Le esia ta eteƒe medidi o ko ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe afi si Yesu le, gake esi wokpɔ aɖaʋatɔa wòdo awu nyuie heɖo ame me nɔ anyi kpoo la, vɔvɔ̃ ɖo wo katã.
Ame siwo va kpɔ nu si dzɔ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ tɔa kple hawo dzi la hã gayi ɖagblɔe na ame bubuwo,
ale amewo gava fũ eye woɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo ƒe nutowo me ne yewoakpɔ vovo.
Le esia ta Yesu gagbugbɔ ge ɖe ʋua me be yeadzo. Tete ŋutsu si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ɖe kuku nɛ be yeayi kplii.
Gake egblɔ nɛ bena, “Yi aƒe me le nɔviwòwo gbɔ, eye nãgblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na wò kple ale si wòkpɔ nublanui na wò la na wo.”"
Amea dze mɔ eye wòtsa le du ewo siwo le nutoa me la me henɔ gbeƒã ɖem nu gã siwo Yesu wɔ nɛ la na ame sia ame eye eƒe nya la wɔ nuku na ameawo ŋutɔ.
Esi Yesu va ɖi go ɖe ƒua ƒe go evelia dzi la, ameha gã aɖe ƒo zi ɖe eŋu.
Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe dzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Yairo la va dze klo ɖe ekɔme,
eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòava da gbe le ye vinyɔnuvi sue si dze dɔ la ŋu na ye. Egblɔ na Yesu be," “Vinye la ɖo kudo nu vɔ eya ta meɖe kuku va da asi ɖe edzi be wòagbɔ agbe.”
Yesu tso kpla dze eyome eye ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo.
Nyɔnu aɖe nɔ ameawo dome si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ.
Nyɔnu sia kpe fu tsa le atikewɔla geɖewo dzi ƒe geɖewo eye wògblẽ ga geɖe hã be woada dɔa na ye gake mekpɔ dzidzedze o, dɔa ɖeko wòganyra ɖe edzi nɛ boŋ.
Ese nukunu geɖe siwo Yesu wɔ, eya ta eʋli eɖokui to ameha la dome hezɔ va Yesu megbe eye wòka asi eƒe awu ŋu.
Elabena exɔe se eye wògblɔ le eɖokui me be, “Nenye be mete ŋu ka asi eƒe awu ŋu teti ko la nye lãme asẽ.”
Vavã esi wòka asi Yesu ƒe awu ŋu teti ko la ʋu si nɔ dodom le eŋu la tɔ enumake eye wòse le eɖokui me hã be yehaya.
Yesu se le eƒe lãme enumake be dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ aɖe do le ye me, eya ta etrɔ kɔ hebia be, “Ame kae ka asi nye awu ŋu?”
Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Esi ame gbogbo siawo ƒo zi ɖe ŋuwò ɖe, ale ke wɔ nègale biabiam be ame kae ka asi ŋuwò?”
Gake Yesu ganɔ ŋku tsam kokoko be yeakpɔ ame si wɔ nenem nu sia.
Kasia nyɔnua do le ameawo dome kple vɔvɔ̃ kple dzodzonyanyanya va dze klo ɖe Yesu ƒe afɔnu hegblɔ nu si wòwɔ la nɛ.
Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyenyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò, heyi le ŋutifafa me, wò dɔléle la vɔ keŋkeŋ.”
Esi Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu sia la amedɔdɔwo tso Yairo ƒeme va tui gblɔ nɛ be, “Viwò la ku xoxoxo eya ta mègaxa ɖe fu na Nufiala la be neva aƒea me o.”
Yesu se nya siwo wova gblɔ na Yairo ale wòde dzi ƒo nɛ gblɔ be, “Mègavɔ̃ o, xɔ dzinye se ko.”
Azɔ Yesu tia Petro, Yakobo kple Yohanes ko be woakplɔ ye ɖo ayi ɖe aƒea me.
Esi wòva ɖo aƒea ƒe agbonu la, Yesu kpɔ be zitɔtɔ gã aɖe nɔ teƒea elabena amewo nɔ avi fam henɔ ɣli dom hoo.
Ege ɖe aƒea me eye wòƒo nu na ameawo gblɔ be, “Nu ka ƒe avi fafa kple howɔwɔe nye sia? Đevia meku o, ke boŋ alɔ̃e wòdɔ!”
Ameawo koe ʋuu, le nya si wògblɔ la ta. Ke Yesu nya wo do goe le aƒea me. Azɔ ekplɔ ɖevia fofo, dada, kple nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖe asi eye woge ɖe xɔ si me wotsɔ ɖevi la mlɔe la me.
Yesu lé ɖevia ƒe alɔnu eye wòdo ɣli gblɔ nɛ be “Talita kumi” si gɔme enye be, nyɔnuvi sue mele egblɔm na wò be, tsi tre.
Nyɔnuvi la ti kpo tso aba la dzi eye wòzɔ azɔli. Nyɔnuvi la xɔ ƒe wuieve. Le nyateƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖe edzilawo.
Ke Yesu de se na wo vevie ŋutɔ be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o. Azɔ ebia tso wo si be woadi nane na ɖevia wòaɖu.

6

Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le nuto ma me heyi Nazaret si nye wo dedu me.
Le Sabat ŋkeke dzi la eyi ƒuƒoƒe ɖafia nu eye ame geɖe siwo se eƒe nufiafia la ƒe nu ku. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nu siawo tsoe? Nunya ka tɔgbi wonɛ be wòte ŋu le nukunu siawo wɔm!
Alo menye ame sia nye atikpala la oa? Menye Maria viŋutsu si nɔviawo nye Yakobo, Yosef, Yuda kple Simɔn siwo le mia dome eye nɔvianyɔnuwo hã le mia domee oa?” Esia na eƒe nu ku dzi na wo ŋutɔ.
Yesu gblɔ na wo be, “Bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le ye ŋutɔ dedu me kple eƒe amewo dome o.”"
Le ameawo ƒe dzimaxɔse ta, mete ŋu wɔ nukunu gãwo le wo dome o, asi ko wòda ɖe dɔléla ʋee aɖewo dzi heyɔ dɔ wo.
Ewɔ nuku na Yesu ŋutɔ be wo detɔwo mexɔ edzi se o, ke edzo kpoo yi ɖatsa le kɔƒewo me nɔ nu fiam amewo."
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo eye wòdɔ wo eve eve hena ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me.
Egblɔ na wo be, womegatsɔ naneke ɖe asi o, negbe atizɔti ko, womegatsɔ nuɖuɖu, mɔzɔkotoku alo ga hã ɖe asi o.
Womegatsɔ afɔkpa eve alo awu eve teti hã o.
Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Midze aƒe ɖeka ko me le kɔƒe ɖe sia ɖe me, miganɔ tsatsam tso aƒeme yi aƒeme o.
Nenye be kɔƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi alo ɖo to mi o la, miʋuʋu ke si lé ɖe afɔƒome na mi la ɖi eye miadzo. Esia fia be miegblẽ teƒea ɖi be nu sia nu si adzɔ ɖe edzi la nadzɔ faa.”
Nusrɔ̃lawo dze mɔ henɔ nu xlɔ̃m ame sia ame si wodo goe le mɔ dzi la be wòadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ.
Wonya gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me eye wosi ami kɔkɔe hã na dɔnɔwo heda gbe le wo ŋu.
Fia Herodes va se Yesu ŋkɔ elabena, nukunu geɖe siwo katã wɔm wònɔ la tsi nu na amewo wonɔ gbɔgblɔm le afi sia afi. Fia la bu be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe esia tae amewo le gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae fɔ. Eya tae wòte ŋu le nukunu siawo wɔm ɖo.”
Ame aɖewo hã bu be Yesu enye Eliya nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖeka si gava dzɔ; eye ɖewo hã bu be Yesu enye nyagblɔɖila yeye si si ŋusẽ le abe esiwo nɔ anyi va yi ene.
Gake Herodes ya gblɔ kple kakaɖedzi be, “Yohanes ame si nu metso ta le la kokokoe fɔ tso yɔme.”
Herodes sia nye ame si dɔ asrafowo be woalé Yohanes de gaxɔ me. Ewɔ esia le Herodia nɔvia Filipo srɔ̃ si wòxɔ ɖe ta.
Elabena Yohanes gblɔ na Herodes be, “Se meɖe mɔ be nãxɔ nɔviwò srɔ̃ ɖe o.”
Le esia ta Herodia di vevie be woawu Yohanes, gake fia la meda asi ɖe ɖoɖo sia dzi o.
Elabena Herodes tsɔ bubu geɖe na Yohanes le eƒe ame ɖɔʋu kple ame kɔkɔe nyenye ta eya ta etsɔe de ye ŋutɔ ƒe dzikpɔkpɔ te. Nenye be Herodes kple Yohanes wole dze ɖom la, nya siwo Yohanes gblɔna la ɖea fu na Herodes ƒe susu ŋutɔ gake zi ge ɖe la, edina kokoko be yeaɖo dze kplii.
Mlɔeba la, Herodia va kpɔ mɔnu aɖe si dzi wòato awu Yohanes. Herodes ƒe dzigbe ɖo eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe kpeɖeŋutɔ ame siwo nye asrafo ƒe amegãwo kple ame ŋkuta siwo tso Galilea la le fiasã la me.
Eva dzɔ be Herodia ƒe vinyɔnu va ɖu ɣe na amekpekpeawo. Ale si wòɖu ɣeae la do dzidzɔ na ame sia ame ŋutɔ. Le esia ta fia la gblɔ na nyɔnuvia be, “Bia nu sia nu si nèdi tso asinye la eye mana wò.”
Eka atam nɛ be, “Nu sia nu si nãbia la matsɔe ana wò, nenye nye fiaɖuƒe ƒe afã nèbia hã mana wò.”
Nyɔnuvia yi dadaa gbɔ ɖagblɔ nya la nɛ. Dadaa gblɔ nɛ be, “Yi nãbia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta.”
Nyɔnuvia gaɖe abla va fia la gbɔ va gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim fifi laa, nenɔ agba me woatsɔ vɛ nam.”"
Nya sia ve fia la ŋutɔ, gake anye ŋukpe be wòada le eƒe atam si wòka la dzi le eƒe amekpekpeawo ŋkume.
Eya ta eɖo asrafo si le eŋu dzɔm la ɖa be wòayi aɖatso ta le Yohanes nu atsɔ vɛ nɛ. Asrafo la yi ɖatso ta le Yohanes nu
hetsɔ de agbe me vɛ na nyɔnuvia eye wòtsɔe yi na dadaa.
Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu si dzɔ la, woyi ɖaxɔ eƒe kukua heyi ɖaɖi.
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo trɔ tso woƒe mɔzɔzɔwo me gbɔ va eye wogblɔ nu siwo katã wowɔ, nya siwo katã wogblɔ, kple teƒe siwo katã wode la nɛ.
Yesu se nya siawo keŋ eye wòɖo aɖaŋu na wo be," “Mina míadzo le amehawo dome vie aɖadi teƒe aɖe anɔ adzudzɔ sẽ.” Elabena ame geɖewo ŋutɔ nɔ wo gbɔ vam henɔ dzodzom ale wɔ be, ɣeyiɣi meli ne woaɖu nu o.
Eya ta wodzo le teƒe sia kple ʋu heyi teƒe aɖe si zi ɖoɖoe wu.
Gake ame geɖewo gakpɔ wo xoxo henya afi si yim wonɔ eya ta woƒu du dze ŋgɔ na wo zɔ ƒua nu yi ɖakpe wo esi woɖi go le ʋua me teti ko.
Ale abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ameha gã aɖe gava kpe Yesu le afi sia. Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena wole abe alehã si kplɔla meli na o la ene. Efia nu geɖe siwo wòle be woanya la wo.
Le ɣetrɔ me la, eƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ nɛ be, “Teƒe sia tso abo,evɔ zã hã le dodom.
Eya ta gblɔ na ameawo be woayi kɔƒe kple agble siwo te ɖe afi sia la me aɖadi nuɖuɖu na wo ɖokuiwo.”
Gake Yesu gblɔ na wo be, “Miawo mina nuɖuɖu wo.” Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu kae míana wo? Hafi woate ŋu ana nuɖuɖu ameha sia la, ehiã ga home gã aɖe.”
Yesu bia wo be, “Nuɖuɖu agbɔsɔsɔ ka sinue le mia si? Miyi miakpɔe ɖa.” Woyi gbɔ va gblɔ nɛ be, “Abolo atɔ̃ kple tɔmelã meme eve koe li.”
Yesu gblɔ na wo be woana ameawo nanɔ anyi ɖe ƒuƒoƒowo me le gbe dama la dzi.
Ale ameawo nɔ anyi ɖe hatsotso alafa alafa kple blaatɔ̃wo me.
Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ la kple tɔmelã meme evea eye wòwu mo dzi, heda akpe ɖe wo ta. Eŋe aboloawo me, eye wòtsɔ wo kple tɔmelãwo na nusrɔ̃la ɖe sia ɖe be wòaɖo ameawo kɔme.
Ameawo ɖu nua ale gbegbe be woɖi ƒo wu ale si hiã gɔ̃,
eye esi nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kple tɔmelã kake siwo susɔ ɖe gbea dzi la woyɔ kusi wuieve.
Ke ŋutsu siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃.
Le nuɖuɖunana ameawo vɔ megbe teti ko la, Yesu ɖe gbe na eƒe nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋua me akui tso ƒua ayi Betsaida afi si yeava tu wo le emegbe. Ebe ye ŋutɔ yeado megbe ado hedenyui na ameha la eye yeado mɔ wo woayi aƒeme.
Le esia megbe la, Yesu yi togbɛ aɖe dzi be yeado gbe ɖa.
Le zã me esi nusrɔ̃lawo ɖo ƒua titina la,
Yesu ɖeka nɔ godzi kpɔ wo ɖa. Ekpɔ be ya sesẽ si nɔ ƒoƒom la nɔ fu ɖem na wo ale gbegbe be ʋua kuku sesẽ na wo ŋutɔ. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, Yesu zɔ ƒua dzi ɖo ta wo gbɔ. Ewɔ abe ɖe wòbe yeazɔ to wo ŋu ene
gake wo katã wokpɔe wònɔ zɔzɔm le ƒua dzi eya ta wodo vɔvɔ̃ɣli elabena wobu be ŋɔlie.
Gake eƒo nu gblɔ na wo enumake be, “Miaƒe dzi nedze eme. Nyee, migavɔ̃ o.”
Azɔ ege ɖe ʋua me eye yaƒoƒo la tɔ te. Nusrɔ̃lawo kata ƒe nu ku ŋutɔ
elabena va se ɖe fifia la, womese Yesu ƒe wɔnawo gɔme o, gawu la, womese nukunu gã si wòwɔ le ɣetrɔ ma hã gɔme o, elabena woƒe dzime sẽ.
Wotso ƒua va do ɖe Genezaret eye wotɔ ʋua
hedo go le eme. Ame siwo nɔ afi ma la kpɔ Yesu dze sii enumake
eya ta wolé du tsɔ yi ɖagblɔe na ame siwo katã le nutomea me be, Yesu va ɖo. Ale amewo kɔ dɔnɔwo ɖe abawo dzi va egbɔ.
Afi sia afi si Yesu yi le kɔƒewo, duwo kple agblewo me la, wokɔa dɔnɔwo vaa asiwo kple mɔwo toe eye woɖea kuku nɛ be woaka asi eƒe awu pɛ ko ŋu. Le nyateƒe me la, ame ale si sinu ka asi eŋu ko la ƒe lãme sẽ.

7

Gbe ɖeka Farisitɔwo kple agbalẽfiala aɖewo tso Yerusalem va Yesu gbɔ.
Ame siawo kpɔe be Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo meklɔa asi ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi ɖua nu o
elabena Yudatɔwo, vevietɔ Farisitɔwo ɖe woklɔa asi kple abɔ va se ɖe abɔkuglui nu ke abe ale si wo tɔgbuiwo wɔnɛ hafi ɖua nu ene.
Ne wotso asime gbɔ la, ele be woawɔ kɔnu sia godoo hafi ade asi nuɖuɖu ŋu. Esia nye se siwo dzi wowɔna pɛpɛpɛ ƒe alafa nanewo la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Kɔnu bubu si me wogalé ɖe asi lae nye nuɖazewo, ganuwo kple gagbawo kɔklɔ.
Ale Farisitɔwo kple agbalẽfiala siawo va bia Yesu be, “Nu ka tae wò nusrɔ̃lawo megawɔa míaƒe kɔnu xoxoawo o? Womeklɔa asi ɖe kɔnua nu hafi ɖua nu o.”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe ŋutɔe Yesaya to esi wògblɔ nya ɖi tso mi alakpatɔ siawo ŋuti; abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, ‘Ame siawo le buyem kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.
Woƒe subɔsubɔ nye dzodzro elabena woƒe nufiafiawo nye amewo ƒe sededewo ko.’”
Elabena miegbe nu le Mawu ƒe ɖoɖo vavãwo gbɔ hewɔa mia ŋutɔwo ƒe ɖoɖowo dzi.
Đe mieɖoe koŋ le nu gbem le Mawu ƒe sewo gbɔ eye mietu afɔ wo dzi le miawo ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ta.
”Le kpɔɖeŋu me, Mose de se si tso Mawu gbɔ la na mi be, ‘Bu fofofwò kple dawò.’ Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Ame si agblɔ nya vloe ɖe fofoa alo dadaa ŋu la dze na ku.’
Gake miawo la miegblɔ be ame ate ŋu agblɔ na edzila si hiã nane be, “Taflatse nyemate ŋu akpe ɖe ŋuwò o! Elabena nu si wòle be matsɔ na wò la metsɔe na Mawu xoxo.’
Mieɖea mɔ hã be wòawɔ nu si dze be wòawɔ na fofoa alo dadaa o.
Ale miegbe Mawu ƒe nya eye miewɔna ɖe miaƒe kɔ, siwo mieɖo anyi la dzi. Miaƒe wɔna geɖewo le alea.”
Azɔ Yesu yɔ ameha la be woava ɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Mi katã miɖo to nyuie, ne miase nya siawo gɔme”
Naneke meli si tsoa egodo gena ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖi amea o, ke boŋ nu siwo doa go tso amea me la woawoe nye nu siwo ƒoa ɖii.
Ame si to senu li na la nesee.
Azɔ Yesu ge ɖe aƒe aɖe me be yeahe ɖa le amehawo gbɔ vie. Eƒe nusrɔ̃lawo va biae le afi sia be wòaɖe nya siwo wògblɔ va yi la gɔme na yewo.
Yesu bia wo be “Ekema miawo hã miese nya siawo gɔme oa? Miate ŋu akpɔe dze sii be nu siwo mieɖuna la megblẽa nu le miaƒe luʋɔ ŋu oa?
Ne ame ɖu nu la meyina eƒe dzi me o. Ke boŋ etoa eƒe dɔkaviwo me.” Egblɔ nya sia be yeafia be nuɖuɖu ɖe sia ɖe ŋuti kɔ.
Egagblɔ kpe ɖe eŋu be, “Nu si ŋu ame buna lae gblẽa nu le eŋu heƒoa ɖii.
Elabena ame ƒe dzi mee susu baɖa doa go tsona. Nu baɖawo abe, fĩeŋufieŋui alo matrewɔwɔ, fififi, amewuwu, ahasiwɔwɔ
ŋubiabiã, ŋutasesẽ, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋuʋaʋã, ame ŋu gbegblẽ, dada kple movinuwɔna bubuwo.
Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso miaƒe dziwo me eye woawoe nye nu siwo ƒoa ɖi mi ale be miedze be miage ɖe Mawu ŋkume o.
Yesu dzo le Galilea heyi Tiro kple Sidɔn nutomewo me. Edze agbagba be yeaɣla ye ɖokui gake mete ŋui o. Mekpɔ ɖo hafi eƒe vava ɖi hoo abe ale si wònɔna ɖaa ene o.
Nyɔnu aɖe si ƒe vi gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ fu ɖem na la va egbɔ enumake. Nyɔnu sia se Yesu ŋkɔ eya ta eva dze klo ɖe eƒe afɔ nu
heɖe kuku be wòaxɔ ye via le gbɔgbɔ vɔ̃a si na ye. Nyɔnua nye Sirofoiniketɔ ame siwo Yudatɔwo buna Trɔ̃subɔlawoe la dometɔ ɖeka.
Yesu gblɔ nɛ be, “Ele be ɖeviwo naɖi ƒo gbã, gawu la menyo be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu aƒu gbe ɖe avuwo gbɔ o.”
Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ esia nye nyateƒe, gake wotsɔa ɖeviwo ƒe nuɖuɖu wuwlui si susɔ la naa avuvi siwo le kplɔ̃ te.”
Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, èɖo nyaa ŋu nyuie ŋutɔ. Meda gbe le viwò nyɔnuvi sue la ŋu na wò. Heyi aƒe me, elabena gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme.”"
Esi nyɔnu sia va ɖo aƒe me la, ekpɔ via nyɔnuvia wòmlɔ anyi ɖe aba dzi kpoo elabena gbɔgbɔ vɔ̃a do go le eme.
Azɔ Yesu tso Tiro yi Sidɔn to Dekapoli alo Du Ewoawo me gatrɔ yi Galilea ƒua nu.
Wokplɔ tokunɔ aɖe si menya nuƒoƒo nyuie o la vɛ nɛ le afi sia eye ame sia ame ɖe kuku nɛ be wòada asi ɖe edzi ayɔ dɔe.
Yesu kplɔ tokunɔ la dzoe le ameawo dome yi adzɔge eye wòƒo eƒe asibiɖɛwo ɖe eƒe towo me. Azɔ eɖe ta hesi ɖe eƒe aɖe dzi.
Ewu mo dzi kpɔ dziƒo eye wògbɔ fũ heɖe gbe be," “Hefata” si gɔme enye “Ʋu.”
Enumake amea ƒe towo ʋu eye wòde asi nusese kple nuƒoƒo me nyuie hã.
Yesu de se na ameha la be womegana amewo nanya nu si yewɔ la o, gake zi ale si wòde se sia na wo la, zi nenema kee wokakaa nya la,
elabena nuwɔna la wɔ nuku na wo. Ale nya sia tsi amewo nu wonɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Nu sia nu si wòwɔna la nye nukunu. Ewɔnɛ be tokunɔ sea nu eye aɖetututɔ hã ƒoa nu eme kɔna!”

8

Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe Yesu ŋu le afi aɖe gbe ɖeka eye nuɖuɖu menɔ wo si woaɖu o. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo eye wògblɔ na wo be,
“Ame siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ, elabena ŋkeke etɔ̃e nye esi wole afii eye naneke megale wo si woaɖu o.
Ne meɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣeɣii la, ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi, elabena wo dometɔ aɖewo tso didiƒe ke.”
Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi kae míakpɔ nuɖuɖu na ame gbogbo siawo le, le gbedzi afi sia?”
Ke Yesu hã bia wo be, “Abolo nenie le mia si?” Woɖo eŋu be, “Abolo adre.”
Azɔ Yesu gblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe gbea dzi, etsɔ abolo adreawo, da akpe na Mawu ɖe wo ta, ŋe wo me kakɛ kakɛ hetsɔ wo na nusrɔ̃lawo eye wotsɔ wo ɖo ameawo ƒe akɔme.
Wokpɔ lã meme eve aɖewo hã eye Yesu da akpe ɖe woawo hã ta eye wòna be nusrɔ̃lawo ma wo na ameawo.
Ameawo ɖu nu ɖi ƒodo nyuie. Emegbe la nusrɔ̃lawo ƒo abolo kakɛ siwo susɔ la ƒu eye woyɔ kusi adre.
Ame siwo ɖu nua la ƒe xexelẽme anɔ akpe ene. Yesu do mɔ wo le nua ɖuɖu vɔ megbe.
Le nu siawo megbe la, Yesu ge ɖe ʋu aɖe me enumake kple eƒe nusrɔ̃lawo eye wova ɖi go ɖe Dalmanuta nutowo me.
Farisitɔ siwo nɔ afi ma la se be Yesu va ɖo teƒea ale woyi be yewoahe nukɛ kplii. Wova gblɔ nɛ be, “Đe dzesi aɖe tso dziƒo fia mí míakpɔ, ekema míaxɔ dziwò se.”
Yesu ɖe hũ, eye wògblɔ na wo be, “Nyemawɔ naneke gbeɖe o. Nukunu neni dim mi ame siawo miele be miakpɔ?”
Yesu dzo le wo gbɔ, hetrɔ ge ɖe ʋua me eye wòtso ta la yi eƒe go evelia dzi.
Hafi woadzo la, nusrɔ̃lawo ŋlɔ be wometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o, evɔ abolo ɖeka koe susɔ ɖe wo si.
Esi wonɔ tsia dzi yina la, Yesu gblɔ na wo kple gbe blewuu be, “Mikpɔ nyuie le Herodes kple Farisitɔwo ƒe nuʋãnu la ŋu.”
Nusrɔ̃lawo bia wo nɔewo be, “Nya sia gɔme ɖe?” Mlɔeba la eva dze na wo abe nuɖuɖu si woŋlɔ be la ŋue Yesu nɔ nu ƒom le ene.
Yesu nya nya si gblɔm wonɔ ale wògblɔ na wo be, “Gbeɖe, menye nu si bum miele la gblɔm mele o! Nu ka ta mietea ŋu sea nu gɔme o? Đe miaƒe dzíwo ku atri nenema gbegbe be miate ŋu ase nu gɔme oa?
Miaƒe ŋkuwo la nu wobe miakpɔ kpli wo ke nu ka tae miekpɔa nu o? Nu ka ta miate ŋu aʋu miaƒe towo ase nu o? Mieɖo ŋku naneke dzi kura oa?
Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ oa? Nuɖuɖu wuwlui kusi nenie miefɔ emegbe?” Woɖo eŋu nɛ be “Wuieve sɔŋ”
Egabia wo be, “Esi menyi ame akpe ene kple abolo adre, ɖe abolo kusi nenie susɔ?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kusi adre.”
Azɔ egblɔ na wo be, “Ke ale ke wɔ miebu be nuɖuɖu ƒe anyi manɔmanɔ ye ɖe fu na nye susu?”
Azɔ esi wova ɖo Betsaida la, ame aɖewo kplɔ ŋkunɔ aɖe vɛ nɛ eye woɖe kuku nɛ be wòada asi ɖe edzi ada gbe le eŋu.
Yesu lé ŋkunɔ la ƒe alɔnu eye wòkplɔe do goe le dua me. Eɖe ta ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye wòda asi ɖe wo dzi. Azɔ ebia ŋkunɔ la be, “Ète ŋu le nu kpɔma?”
Amea tsa ŋku godoo eye wòɖo eŋu be, “Ẽ, mele amewo kpɔm gake nyemele wo kpɔm nyuie o, wodze abe atiwoe le zɔzɔm ene!”
Yesu gaɖo asi amea ƒe ŋkuwo dzi ake ke fifia ŋkuawo ʋu nyuie eye wonɔ nu kpɔm pɛpɛpɛ.
Yesu ɖoe ɖe eƒe ƒometɔwo gbɔ eye wòde se nɛ be, “Mègato kɔƒea me kura hafi nãyi o.”
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Galilea heyi Kaisaria Filipi kɔƒewo me. Esi wonɔ zɔzɔm yina la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Ame kae amewo buna be menye? Ale ke wole gbɔgblɔm tso ŋunye?”
Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo bu be Yohanes Mawutsidetanamelae nènye, eye bubuwo gblɔ be Eliya alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye gava dzɔ.”
Ke ebia woawo ŋutɔ bena, “Ame kae miawo ya miebuna be, menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Mesia la!”
Ke Yesu de se na wo be womegana ame aɖeke nanya esia o!
Azɔ Yesu de asi fukpekpe dziŋɔ siwo katã kpe ge wòala la ŋu nyawo gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo. Egblɔ na wo be dumegãwo kple Osɔfogãwo agbe nu le ye gbɔ. Agbalẽfialawo hã agbe ye eye woawu ye. Gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.
Yesu ƒo nu na wo faa le nya siawo ŋu, meɣla naneke ɖe wo o. Eya ta Petro yɔe ɖe kpɔe heka ŋkume nɛ be, “Mele be nãnɔ nya sia ƒomevi gblɔm o.”
Yesu trɔ kɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo eye wògblɔ na Petro kple moveviɖoɖo be, “Wò Satana, te ɖa le gbɔnye elabena èle nu siawo kpɔm le amegbetɔ ƒe susu nu ke menye le Mawu tɔ nu o.”
Azɔ eyɔ nusrɔ̃lawo kple amehawo ƒo ƒui be woaɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Ne mia dometɔ aɖe di be yeadze yonyeme la ele be wòaɖe asi le nu siwo doa dzidzɔ nɛ la katã ŋu eye wòatsɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo.
Ne miedi kokoko be miaɖe miaƒe agbe la miabui boŋ. Ame siwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi le nye nyanyui la ta la, atsi agbe boŋ.
” Viɖe ka wòanye na ame be xexeame katã nazu etɔ gake wòabu eƒe agbe to xexeame nuwo yometiti me?
Nane gaxɔ asi wu eya ŋutɔ ƒe luʋɔ le xexe sia mea?
Le ŋkeke siawo me esi dzimaxɔse kple nu vɔ̃ bɔ alea la, ame si nye ŋutɔ kple nya siwo gblɔm mele na mi akpe ŋu na la, Nye Mesia la makpe ŋu eya hã nenye be metrɔ va le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo.”

9

Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Mia dometɔ aɖewo siwo le afi sia la anɔ agbe va se ɖe esime mawufiaɖuƒea nava le ŋusẽ gã aɖe me.”
Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes yi to kɔkɔ aɖe tame. Ame aɖeke menɔ teƒe sia o. Esi woɖo afi ma teti ko la Yesu ƒe mo de asi keklẽ me kple ŋutikɔkɔe,
eye eƒe awu si wòdo la trɔ fu pampampam. Awu la fu ale gbegbe be, naneke mele xexeame ate ŋu awɔe wòafu nenema o.
Azɔ Eliya kple Mose va do ɖe Yesu gbɔ eye wode asi dzeɖoɖo me kplii.
Petro gblɔ na Yesu be, “Nufiala, enyo na mí be míanɔ afi sia. Mína míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.”
Egblɔ esia elabena menya nu si wòagblɔ o, wovɔ̃ ŋutɔ.
Esi Petro nɔ nya siawo gblɔm la, alilikpo aɖe va tsyɔ wo dzi eye wòxe ɣe ŋkume. Gbe aɖe ɖi tso alilikpoa me be, “Esia nye vinye lɔlɔ̃a. Miɖo to eya amea.”
Kasia nusrɔ̃la etɔ̃awo megakpɔ ame aɖeke le wo gbɔ o negbe Yesu ɖeka ko, elabena Mose kple Eliya dzo.
Esi wonɔ ɖiɖim tso toa dzi gbɔna la, Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, negbe le yeƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe ko.
Ale nusrɔ̃lawo ɣla nya siawo ɖe woƒe dziwo me. Gake zi geɖe la, woƒoa nu le eŋu eye wobua tame vevie le nu si tututu Yesu wɔnɛ be, “Tsitretsitsi tso ame kukuwo dome” la nu.
Farisitɔwo kple agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm ɖaa be, ele be Eliya natrɔ va hafi Mesia la nate ŋu ava. Nya sia me mekɔ na nusrɔ̃lawo o, eya ta wobia Yesu be wòaɖe eme na yewo.
Yesu ɖo eŋu be, “Le nyateƒe me la, Eliya va xoxo eye wòɖɔ nuwo katã ɖo. Azɔ nu ka ta woŋlɔe ɖi le Amegbetɔvi la ŋu be akpe fu geɖe eye woagbe nu le egbɔ?
Ke mele gblɔm na mi be Eliya va eye wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔ lae, abe ale si woŋlɔe ɖii la ene.”
Wova ɖo toa te eye wokpɔe be ameha gã aɖe ƒo xlã nusrɔ̃la asieke mamlɛawo. Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo nɔ nuka hem kpli wo.
Esi ameha la kpɔ Yesu la, vɔvɔ̃ lé wo ke woƒu du yi egbɔ be yewoaɖado gbe nɛ.
Yesu bia wo be, “Nya ka tututu hem miele?”
Ame ɖeka le ameawo dome do ɣli gblɔ be, “Nufiala, meɖe kuku vinyee mekplɔ vɛ na wò be nãda gbe le eŋu nam. Gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le eme si wɔe be mete ŋu ƒoa nu o.
Nyateƒe ne gbɔgbɔ baɖa sia dze edzi la, etsɔnɛ xlãna ɖe anyi ŋɔdzitɔe eye futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ; eɖua aɖukli eye eya ame bliboa ƒe lãme liana sesĩe. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃ sia le eme gake womete ŋui o.”
Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be, “Mi xɔse ʋeetɔ siawo, ŋkeke nenie wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Ale ke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam.”
Ale wokplɔ ɖevi la yii na Yesu. Gake kaka wòakpɔ Yesu ko la gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyigba sesĩe; eƒo dablibɛ le anyigba eye futukpɔ hã nɔ dodom le enu.
Yesu bia ɖevia fofo be, “Tso ɣekaɣi ke wòle dɔ sia lém?” Fofoa ɖo eŋu be, “Tso keke eƒe ɖevime ke,
Gbɔgbɔ vɔ̃ sia nana wòdzea dzo me alo tsi me eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, eye ne ãte ŋui la, nãwɔ nane tso eŋuti na mí.”
Yesu gabiae be, “Đe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko.”
Fofoa ɖo eŋu enumake be, “Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!”
Yesu kpɔ be ameha la nɔ dzidzim ɖe edzi eya ta eɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “O, gbɔgbɔ maƒonu, tokunɔ gbɔgbɔ, meɖe gbe na wò be nãdo go le ɖevi sia me enumake eye mèkpɔ mɔ agage ɖe eme azɔ o.”
Gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, ganyama ɖevia nublanuitɔe eye wòdo go le eme. Azɔ ɖevia fa miamiamia ɖe anyigba eye wòli kpoo abe ɖe wòku ene. Ale ameawo katã gblɔ be, eku.
Ke Yesu lé eƒe alɔnu eye wòna wòtsi tre eye nukutɔe la eƒe lãme sẽ.
Azɔ esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe nɔ aƒe si me wodze la, nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ ma do goe o?”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu siawo ƒomevi wɔwɔ hiã gbedodoɖa kple nutsitsidɔ.”
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le nuto sia me eye woɖo ta Galilea nutoa me. Yesu dze agbagba vevie be amewo nagakpɔ ye o,
elabena edi be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe afia nu eƒe nusrɔ̃lawo. Zi geɖe ne ele nu fiam wo la egblɔna na wo be, “Nye Mesia la, woadem asi eye woawum. Gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la magatsi tre tso ame kukuwo dome.”
Nusrɔ̃lawo mete ŋu se nya siawo gɔme o gake ale si woawɔ abia la hã zu dɔ elabena wonɔ vɔvɔ̃m.
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum. Esi wova ɖo aƒe si me wodze eye woƒe mo dze anyi vɔ la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi míenɔ mɔa dzi gbɔna ɖe, nya ka me dzrom mienɔ?”
Nyateƒe, nya sia ŋuɖoɖo sesẽ na nusrɔ̃lawo elabena nya si hem wonɔ la ku ɖe ame si nye wo katã ƒe gãtɔ la ŋu.
Yesu bɔbɔ nɔ anyi, eyɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui eye wògblɔ na wo be, “Ame si di be yeanye mi katã ƒe gãtɔ la ele nɛ be wòanye suetɔ kekeake gbã, ẽ, ele be wòanye mi katã ƒe subɔla!”
Azɔ ekplɔ ɖevi aɖe va wo titinae, kɔe ɖe eƒe abɔwo dome eye wògblɔ na wo be,
“Ame si axɔ ɖevi aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee ma wòxɔ, eye ame si axɔm la, menye nyee wòxɔ o, ke boŋ Fofonye si dɔm ɖa lae wòxɔ!”
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yohanes la gblɔ nɛ be, “Nufiala, míekpɔ ame aɖe si tsɔ wò ŋkɔ nɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyamii le amewo me. Ale míegbe nɛ be megawɔe o, elabena menye mía dometɔ ɖekae wònye o.”
Yesu gblɔ nɛ be, “Migagbe nɛ o, elabena ame si le nukunu aɖe wɔm le nye ŋkɔ dzi la, mate ŋu anye futɔ o.
Ame si metsi tre ɖe mía ŋu o la, le míaƒe akpa dzi.”
Yesu yi edzi be, “Ne ame aɖe na tsi kplu ɖeka mi elabena mienye tɔnyewo la, magblɔe na mi kple kakaɖedzi geɖe be, ame sia mabu fetu si wòaxɔ la o.
Gake ne ame aɖe awɔe be ɖevi sue siawo ƒomevi ɖeka abu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, ne wotsi kpe gã aɖe ɖe kɔ nɛ tsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me la, anyo nɛ wu sã.”
Ne wò asi ɖia nu wò la, lãe ɖa. Enyo na wò be nãge ɖe mawufiaɖuƒe la me kple asikpo wu be asi eve nanɔ ŋuwò nãyi dzomavɔʋe la me, afi si dzo metsina le na o.
Afi si woƒe nya mekuna le na o, eye wometsia dzo hã lena le o.
Ne wò afɔ ɖia nuwo la, lãe ɖa. Enyo na wò be nãge ɖe agbe la me kple afɔkpo, wu esi afɔ eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me.
Afi si woƒe nya mekuna le na o, eye dzo la hã metsina le na o.
Eye ne wò ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme. Enyo na wò be nãyi mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka wu be nãyi dzomavɔʋe la me kple ŋku eve.
Afi si woƒe nya mekuna le na o eye dzo la hã metsina le o,
eye woatsɔ dzobibi ade dze ame sia me wòatee.
Yesu wu eƒe nuƒoa nu be, “Dze nye nu vevi aɖe gake nenye be dze bu eƒe vivi la, womagate ŋu atsɔe ade naneke o, elabena meganyo na naneke o. Eya ta migabu vivi si le mia me la o ! Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”

10

Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Kapernaum eye woyi anyigbe lɔƒo le Yudea nutowo kple nutome si le Yɔdan ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la me. Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, amehawo va ƒo zi ɖe Yesu ŋu eye wòfia nu wo abe ale si wòwɔnɛ ene.
Farisitɔ aɖewo va egbɔ le afi sia be yewoadoe kpɔ be yewoalée le nya aɖe me hã. Wobiae be, “Woɖe mɔ na ŋutsu be wòagbe srɔ̃a?”
Yesu trɔ bia wo be, “Ale ke Mose gblɔ tso srɔ̃gbegbe ŋuti?”
Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Mose da asi ɖe srɔ̃gbegbe dzi eye nu si ko wòle be ame si di be yeagbe srɔ̃a nawɔe nye be wòaŋlɔ agbalẽ na nyɔnua be yegbee.”
Yesu ɖo eŋu be, “Le miaƒe dzimesesẽ ŋuti tae Mose de se sia na mi ɖo.”
Ke tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedzea me ke la, Mawu ‘wɔ ŋutsu kple nyɔnu.’
‘Le esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi eye wòalé ɖe srɔ̃nyɔnua ŋuti
eye wo kpakple eve woazu ŋutilã ɖeka. Eya ta womeganye ame eve o ke boŋ wozu ɖeka.
Esia ta nu si ke Mawu bla la ame aɖeke nagama eme o.”
Le esia megbe, esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe wonɔ aƒe si me wodze la, nusrɔ̃lawo gado srɔ̃gbenya la ɖa ake.
Yesu gblɔ na wo be, “Nenye be ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a be yeaɖe bubu la, ewɔ ahasi ɖe nyɔnu sia ŋu.
Nenema ke ne nyɔnu aɖe hã gbe srɔ̃a eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, eya hã wɔ ahasi.”
Gbe ɖeka esi dzila aɖewo kplɔ wo viwo va Yesu gbɔe be wòayra wo la, nusrɔ̃lawo nya wo be womegaɖe fu na Aƒetɔ la o.
Yesu kpɔ nu si nusrɔ̃lawo wɔ ɖe dzila siawo ŋu, eye medzɔ dzi nɛ kura o. Egblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo kura o, elabena ame siawo ƒomevi tɔe nye mawufiaɖuƒe la!
Megale gbe tem ɖe edzi na mi ake abe tsã ene be, ame si metsɔ eɖokui wɔ ɖevi le Mawu gbɔ o la, mate ŋu ayi eƒe fiaɖuƒea me gbeɖegbeɖe o.”"
Azɔ exɔ ɖeviawo ɖe eƒe abɔwo dome eye wòda asi ɖe wo dzi heyra wo.
Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzra ɖo vɔ be yewoadze mɔ ayi teƒe aɖe la, ɖekakpui aɖe nɔ du dzi sesĩe va dze klo ɖe eŋkume, eye wòbiae be," “Nufiala nyui, nu ka tututue wòle be mawɔ hafi ate ŋu anyi agbe mavɔ dome?”
Yesu biae be, “Nu ka tae nèyɔm be ame nyui ɖo? Ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko.
Azɔ le wò biabia la ŋuti la, ènya seawo xoxo. Woawoe nye be, mègawu ame o, mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègada alakpa o, mègaba ame o, bu fofowò kple dawò.”
Ŋutsua gblɔ na Yesu be, “Nufiala, tso nye ɖevime ke la nyemeɖo ŋku edzi be meda le se siawo ƒe ɖeke dzi kpɔ o.”
Đekakpuia ƒe nu nyo Yesu ŋu ŋutɔ ale wògblɔ nɛ be, “Nu vevi ɖeka susɔ si mèwɔ o. Yi nãlɔ wò nuwo katã yi ɖadzra eye nãtsɔ ga la ana ame dahewo bena kesinɔnuwo nanɔ asiwò le dziƒo. Le esia megbe la, va nãdze yonyeme.”
Đekakpuia yrɔ esi wòse nya siawo, eƒe mo da tu zi ɖeka eye wòdzo nublanuitɔe, elabena enye kesintɔ gã aɖe.
Esi wòdzo yina la Yesu kpɔ eyome sẽ eye wòtrɔ ɖe eƒe nusrɔlawo gbɔ gblɔ na wo be, “Asesẽ na kesinutɔwo ŋutɔ hafi woage ɖe mawufiaɖuƒe la me!”
Nya siawo wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Yesu gagblɔ ake be, “Vinyewo, asesẽ na ame siwo ɖoa ŋu ɖe kesinɔnuwo ŋu la be woayi ɖe mawufiaɖuƒe la me!
Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abi ƒe vo me ado go tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒea me.”
Nya siawo gawɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Ale wobiae be, “Nenye be kesinɔtɔwo makpɔ ɖeɖe o ɖe, ke ame kae le xexe sia me si akpɔ ɖeɖe?”
Yesu kpɔ wo dũ eye wògblɔ na wó be, “Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o gake ele bɔbɔe le Mawu ya gome elabena naneke wɔwɔ mesesẽ na Mawu o.”
Petro gblɔ na Yesu be, “Míegblẽ nu sia nu ɖi hedze yowòme.”
Yesu gblɔ na wo be, “Mele kpe ɖom edzi na mi be, ame siwo katã gblẽ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖi le lɔlɔ̃ nam ta, eye be yewoakaka mawunya ta la,
woakpɔ woƒe aƒewo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, fofowo kple dadawo, viwo kple anyigbawo katã ɖe eteƒe zi geɖe kpakple yometiti le agbe sia me. “Gake le agbe si gbɔna me la woakpɔ agbe mavɔ.
Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo le afi sia azu mlɔetɔwo le afi ma eye ame siwo nye mlɔetɔwo le afii la azu gbãtɔwo le afi ma.”
Esi wonɔ mɔ dzi yina Yerusalem la, Yesu do ŋgɔ na eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃lawo ƒe mo wɔ yaa eye vɔvɔ̃ hã ɖo wo. Yesu yɔ wo ɖe kpɔe eye wògblɔ nu siwo katã ava dzɔ ɖe edzi ne woɖo Yerusalem la na wo:
Egblɔ na wo be, “Ne míeɖo afi ma la, woalé Nye Mesia la akplɔ ayii na osɔfogãwo kple agbalẽfialawo. Ame siawo atso kufia nam, akplɔm ade asi na Trɔ̃subɔlawo be woawum.
Woaɖu fewu le ŋunye vevie, aɖe ta ɖe ŋunye vlodotɔe, aƒom kple atam, eye woawum. Gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, matsi tre tso ame kukuwo dome.”
Azɔ Yakobo kple Yohanes, Zebedeo viwo, va egbɔ va do dalĩ nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be nãwɔ dɔmenyo aɖe na mí.”
Yesu bia wo be, “Nu ka dɔmenyo?”
Woɖo eŋu nɛ dzaa be, “Míedi be míanɔ fiazikpui siwo te ɖe tɔwò ŋu tututu la dzi le wò fiaɖuƒe la me. Ame ɖeka nanɔ wò ɖusime eye ame evelia nanɔ wò miame.”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mienya nu si biam miele o. Miate ŋu ano nu tso fukpekpe ƒe kplu veve si no ge mala la me eye miate ŋu anɔ te ɖe fukpekpe ƒe tsideta si de ge wole nam la hã nua?”
Woɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, míate ŋui.” Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu ano nu tso kplu veve si me mele nu no ge le me eye miate ŋu axɔ tsideta veve si xɔ ge mala,
gake ŋusẽ mele asinye be maɖo mi zi siwo te ɖe tɔnye ŋu la dzi o, elabena wodzra wo ɖo ɖi na ame siwo wotia da ɖi la ko.”
Nusrɔ̃la ewo mamlɛawo se nu si Yakobo kple Yohanes yi ɖabia Yesu ale wodo dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie.
Le esia ta Yesu yɔ wo va egbɔe hegblɔ na wo bena, “Abe ale si mienya ene la, anyigbadzifiawo kple amegãwo ɖua aƒetɔ ɖe wo teviwo dzi kple ŋusẽ.
Gake meganɔ nenema le miawo ya dome o. Ame si di be yeanye gãtɔ le mia dome la ele nɛ be wòanye mi katã ƒe subɔla.
Eye ame si di be yeanye amewo katã ƒe tatɔ la, ele nɛ be wòanye woƒe kluvi.
Elabena, Nye, Mesia la, nyemeva afi sia be ame aɖeke nasubɔm o, ke boŋ be masubɔ amewo eye be matsɔ nye agbe na ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.”
Azɔ wova ɖo Yerixo. Emegbe esi woto dua me yina la, amewo nye zi bibibi kplɔ wo ɖo. Ŋkunɔ aɖe si ŋkɔe nye Bartimeo, Timeo ƒe vi la, nɔ anyi ɖe mɔto, le esime Yesu nɔ eme tsom va yina.
Esi Bartimeo se be Yesu si tso Nazaret la, va ɖo ye gbɔ tututu la, edo ɣli sesĩe be, “Yesu, David Vi, kpɔ nublanui nam!”
Ame siwo kplɔ Yesu ɖo la dometɔ aɖewo blu ɖe eta sesĩe be, “Do to kaba.” Gake ɣlia dodo dzi ko wònɔ sesĩe wu tsã be, “Ao, David Vi lee, kpɔ nublanui nam.”
Esi Yesu se eŋkɔ la, etɔ ɖe mɔƒoa me hegblɔ be, “Migblɔ nɛ be neva afii.” Ale woyi be yewoakplɔ ŋkunɔa vɛ. Wogblɔ nɛ be, “Wò la, dzɔgbenyui le ŋuwò ŋutɔ, Yesu le yɔwòm, tso mídzo.”
Eɖe eƒe awu xoxo si le eŋu la ƒu gbe eye wòɖe abla dzidzɔtɔe va do ɖe Yesu gbɔ.
Yesu biae be, “Nu ka nèdi be mawɔ na wò?” Ŋkunɔ la ɖo eŋu nɛ be, “O, Nufiala, medi vevie be makpɔ nu.”
Yesu gblɔ nɛ be “Enyo, ava me na wò. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.” Ŋkunɔ la ƒe ŋkuwo ʋu enumake eye wòde asi nukpɔkpɔ me. Ale wòdze Yesu yome kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe.

11

Esi wogogo Betfage kple Betania le Yerusalem gbɔ eye wova ɖo Amito la gbɔ la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woado ŋgɔ na yewo.
Egblɔ na wo be, “Miyi kɔƒe si le mia ŋgɔ la me. Ne miege ɖe eme teti ko la, miakpɔ tedzivi si womedo kpɔ o la le ka me. Mitui ne miakplɔe vɛ.
Ne ame aɖe bia mi be nu ka tae miele ka ɖemii hã la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le ehiãm eye agatrɔe vɛ kpuie.’”
Nusrɔ̃la eveawo dze mɔ eye wokpɔ tedzivi la le kame le aƒe aɖe godo. Esi wonɔ ka tumii la,
ame aɖewo siwo nɔ tsi tre ɖe afi ma la bia wo be, “Nu ka tae miele ka tum tedzivia?”
Wogblɔ nya siwo Yesu be woagblɔ la, eye ameawo ɖe mɔ na wo.
Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu eye nusrɔ̃lawo ɖo woƒe awuwo ɖe edzi be wòadoe.
Ame geɖe siwo hã nɔ ameha la dome la ɖo woƒe awuwo ɖe mɔƒoa me le eŋgɔ be wòazɔ edzi eye ɖewo hã ŋe atilɔwo ɖo ɖe mɔƒoa me nɛ fũ.
Eya ŋutɔ nɔ titina, ame aɖewo nɔ eŋgɔ eye ɖewo hã nɔ eyome eye wo katã wonɔ ɣli dom dzidzɔtɔe be, “Hosana, woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ŋkɔ me.
Woayra Mawu be wòtrɔ Mía Fofo David ƒe fiaɖuƒe la vɛ na mí. Hosana le dziƒo ʋĩ.”"
Ale wòge ɖe Yerusalem dua me eye wòyi gbedoxɔ la me. Etsa ŋku godoo le teƒea, lé ŋku ɖe nu sia nu ŋu tsitotsito eye wòtrɔ dzo yi Betania kple nusrɔ̃la wuieveawo elabena zã nɔ dodom.
Le ŋufɔke ŋdi esi wotrɔ tso Betania gbɔna la, dɔ wu Yesu le mɔa dzi.
Ekpɔ gboti aɖe le eŋgɔ. Ati sia da ama ŋutɔ ale wòzɔ ɖe edzi be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi hã. Gake aŋgbawo koe nɔ atia dzi elabena eƒe kutseɣi meɖo o.
Yesu ƒo fi de atia be," “Ame aɖeke magaɖu wò kutsetse aɖeke kpɔ o tso fifia yi mavɔ me.”" Nusrɔ̃lawo hã se nya si wògblɔ.
Esi wova ɖo Yerusalem la, eyi gbedoxɔa me ake eye wòde asi nudzralawo kple nuƒlelawo nyanya me do goe. Emu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, ekaka akpakpadzralawo hã ƒe agbadɔwo,
eye meɖe mɔ be ame aɖeke natsɔ naneke kura ato gbedoxɔa me o.
Egblɔ na ameawo bena," “Woŋlɔ ɖe mawunya me be, “Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe na dukɔwo katã. Gake miawo mietsɔe wɔ adzoblasuwo ƒe nɔƒee.”"
Esi Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe kplɔla bubuwo se nu si Yesu wɔ la, wode aɖaŋu le ale si woawɔ awui la ŋuti. Ke nane ɖe fu na woƒe susu. Eyae nye be, ame geɖewo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le Yesu ƒe nufiafia ŋuti, ale be ʋunyaʋunya ate ŋu adzɔ nenye be wote nu sia wɔwɔ kpɔ.
Abe ale si wowɔna ɖaa ene la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le dua me le fiẽ me lɔƒo.
Le ŋufɔke ŋdi la, wova to ati si Yesu ƒo fi de la ŋuti eye wokpɔ be ati blibo la yrɔ sũu.
Kasia Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ na ati la dzi, eye wòdo ɣli gblɔ be," “Kpɔ ɖa, Nufiala! Ati si nèƒo fi de la yrɔ!”
Yesu ɖo eŋu be, “Mawudzixɔse nanɔ mia si.”
”Nyateƒenya wònye be, nenye ame aɖe agblɔ na to sia be ‘Yi, natsɔ ɖokuiwo ƒu gbe ɖe atsiaƒu me’ eye ɖikeke aɖeke mele eƒe dzi me o, ke wòxɔe se be nu si yegblɔ ava me la, woawɔe nɛ.
Eya ta mele egblɔm na mi, nu sia nu si miabia to gbedodoɖa me la mixɔe se be miaxɔe, eye woaka mia si hã.
Gake ne miebe yewoado gbe ɖa la, mitsɔ ame siwo ƒe nyawo le dɔme na mi la ke wo gbã bena mia fofo si le dziƒo hã, natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.”
”Ke ne mietsɔ ke amewo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi o.”
Wova ɖo Yerusalem ake eye esi wonɔ tsa ɖim le gbedoxɔa me la Osɔfogawo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo va tui hebiae be,
“Ŋusẽ ka tututue le asiwò nètsɔ le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wò?”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Hafi maɖo nya sia ŋu na mi la, miawo hã miɖo nye biabia ɖeka sia ŋu nam.
Yohanes ƒe mawutsidetaname ɖe ame ka gbɔ wòtso, Mawu gbɔe wòtso loo alo amewo gbɔe wòtsoa? Miɖo eŋu nam!”
Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome eye wogblɔ be, “Ne míeɖo eŋu be Mawu gbɔe la, agblɔ be, ‘Enyo, nu ka tae míexɔe o ɖo?’
Gake ne míegblɔ be menye Mawu gbɔe wòtso o la, ke míegblɔ nya aɖe, esi ana be ʋunyaʋunya adzɔ. Elabena amewo katã xɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.”
Eya ta wogblɔ nɛ be, “Míate ŋu aɖo eŋu na wò o. Míenya o.” Yesu hã gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo wɔmii la na mi o.”

12

Lo siwo Yesu do na amehawo le ɣemaɣi la ƒe ɖewo nye esi, “Ame aɖe de waingble gã aɖe eye wòɖo gli ƒo xlãe, Etu wainfiaƒe hã. Hekpe ɖe esia ŋu la, etu gbetakpɔxɔ aɖe afi si ame anɔ, adzɔ agblea ŋu ɣesiaɣi. Azɔ etsɔ agblea de agbledzinɔla aɖewo sime be woakpɔ edzi ale wòdzo yi du didi aɖe me.
Le nuŋeɣi la, agbletɔ la dɔ eƒe subɔvi ɖeka ɖa be wòaxɔ agblemenukua ƒe akpa si nye ye tɔ gome la vɛ na ye.
Gake agblea dzi nɔlawo ƒo amedɔdɔa, eye wotrɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu.
”Agbletɔa gaɖo ame bubu ɖa, gake woƒo eya hã vevie de abi gɔ̃ hã ta nɛ hedo ŋukpee.
Ame si wògaɖo ɖa la wowu eya gɔ̃. Tso esia dzi woƒo amedɔdɔ siwo katã wòɖo ɖa la nublanuimakpɔtɔe eye wowu ɖewo gɔ̃ hã. Wonɔ esia dzi ʋuu va se ɖe
esime wòsusɔ ame ɖeka pɛ ko, eyae nye via ɖeka hɔ̃ si wòlɔ̃na vevie. Mlɔeba la nu gloe eye wòɖo eya hã ɖa, kple susu be woana bubui elabena enye ye vi.
”Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔe wògbɔna ko la, wogblɔ be, “Ame siae anyi agble sia ƒe dome le fofoa ƒe ku megbe. Mina míawui kaba, be agble gã sia nazu mía tɔ!”
Ale wolée hewui eye wotsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe agblea godo.
”Nu kae miebu be agblea tɔ awɔ ne ese nya sia? Ava kple dɔmedzoe ava wu ame vɔ̃ɖi siawo katã eye wòatsɔ agblea de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.
Miɖo ŋku edzi be miexlẽ le mawunya me kpɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zua dzogoedzikpe si nye kpe vevitɔ wu le xɔtukpeawo dome oa?’
Esia nye Aƒetɔ la ƒe nuwɔwɔ eye wònye nukunu le mía ŋkume.”"
Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ didim vevie be yewoalée le afi ma kokoko elabena wonya be yewo ŋue wòdo loa tsoe. Ke womete ŋui enumake o, elabena wovɔ̃ na ameha la. Ale wogblẽe ɖi hedzo.
Emegbe la, wodɔ Farisitɔwo kple Herodia dunyahehametɔ aɖewo ɖa be woadzro nya me kplii ale be woatsɔ eƒe nuƒo alée.
Ameawo va gblɔ na Yesu amenubletɔe be," “Nufiala, míenya be ègblɔa nyateƒe la vɔvɔ̃manɔmetɔe! Amewo ƒe susuwo kple didiwo meblea nuwò o. Ke boŋ èfia Mawu ƒe mɔwo amewo le nyateƒe me. Azɔ gblɔ nu si nèbu la na mí.” Enyo be woadzɔ ga na Kaisaro loo alo menyo oa?
Đe míadzɔe loo alo ɖe míadzɔe oa? Ke Yesu dze si alakpanuwɔwɔ eye wòbia wo be, “Nu ka ta miele agbagba dzem be miatre mɔ nam? Mitsɔ Roma ga si woɖua la ɖeka nam makpɔ.”
Tete wotsɔ ga la nɛ eye wòbia wo be, “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe le edzi?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.”
Yesu yi edzi be, “Enyo, nu si nye Kaisaro tɔ la mitsɔe na Kaisaro. Nu si nye Mawu tɔ la mitsɔe na Mawu!”" Nyaŋuɖoɖo sia tɔtɔ ameawo ŋutɔ, eye womeganya nya si woagblɔ o.
Sẽ la, Zadukitɔwo hã va do. Ame siawo nye hatsotso aɖe siwo mexɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzi se o la me tɔwo. Wobia Yesu be,"
“Nufiala, ele Mose ƒe sewo me be ne ŋutsu aɖe ku vimadzimadzii la, eƒe tsɛ naɖe ahosia adzi viwo ɖe foa kukua ƒe ŋkɔ me.
Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ anyi. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃ eye wòku vimadzii.
Ale ame si dzɔ ɖe ameyinugbea yome la ɖe ahosia eya hã ku vimadzii. Nɔvia si kplɔ eya hã ɖo la ɖe ahosia, gake kpao, eya hã medzi vi aɖeke kplii hafi ku o.
Ale nɔviŋutsu adreawo ku vi aɖeke madzimadzii eye nyɔnua hã va ku mlɔeba.
Fifia nu si míedi be míanya enye be, le tsitretsitsi ŋkekea dzi ɖe, ame kae anye nyɔnu sia srɔ̃a elabena wo ame adrea katã ɖee kpɔ?”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu si le fu ɖem na mi enye be mienya mawunya, alo Mawu ƒe ŋusẽ o.
Elabena ne nɔviŋutsu adre siawo kple nyɔnua wofɔ tso ame kukuwo dome la, womagaɖe srɔ̃ o, srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o. Woanɔ ko abe mawudɔlawo ene.
” Ne miedi be yewoanya be enye nyateƒe be ame kukuwo atsi tre la, ekema miɖo ŋku nu si miexlẽ tso ale si Mose kpɔ ŋuve bibi la ŋu kpɔ dzi. Mawu gblɔ na Mose le afi ma be, ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu, nyee nye Isak kple Yakɔb ƒe Mawu.’
”Mawu gblɔ na Mose be, togbɔ be ame siawo ku ƒe alafa nanewoe nye si va yi hã la, wogale agbe kokoko. Đe mele eme nenema o la, Mawu magblɔ be, ‘Menye ame kukuwo ƒe Mawue menye o!’ Miewɔ vodada gã ŋutɔ. Miese nya sia gɔme o.”
Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si nɔ tsitre ɖe afi ma nɔ to ɖom la kpɔe be, Yesu ɖo nyaa ŋu nyuie eya ta ete ɖe eŋu biae be, “Se kae nye vevitɔ wu le seawo katã dome?”
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Se siae nye esi gblɔ be, ‘Israel, see! Aƒetɔ mía Mawu la, Aƒetɔ ɖeka hɔ̃ ko wònye.
Eya ta lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ katã.’”
”Se eveliae nye be, ‘Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃a ɖokuiwòe ene.’ Le nyateƒe me, Se bubu aɖeke megali si lolo wu esiawo o.”
Agbalẽfiala la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, èto nyateƒe esi nègblɔ be Mawu ɖeka koe li, bubu aɖeke megali o.
Eye menyae hã be ele vevie be ame nalɔ̃ eya ɖeka kple eƒe dzi, gɔmesese, kple ŋusẽ katã. Ele be woalɔ ame wu be woasa vɔwo, numevɔwo kple vɔsa bubuwo.”
Esi Yesu kpɔ be eɖo nya la ŋu nunyatɔe la, egblɔ nɛ be, “Wò la mèdidi tso mawufiaɖuƒe la gbɔ o.” Le esia megbe la ame aɖeke megate ŋu bia nya aɖeke o.
Emegbe esi Yesu nɔ nu fiam amewo le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu la, ebia ameawo be, “Nu ka tae miaƒe agbalẽfialawo gblɔna be ele be Mesia la natso Fia David ƒe ƒome me kokoko?
Elabena David ŋutɔ gblɔ le esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nɔ nu ƒom to edzi be, ‘Mawu gblɔ na nye Aƒetɔ be nɔ anyi ɖe nye ɖusime va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo wò afɔɖodzinui.’
Esi David ŋutɔ yɔe be Aƒetɔ ɖe, ale ke wɔ wòaganye Via?” Nyameɖeɖe sia do dzidzɔ na eselawo ŋutɔ ale wogbugbɔ ƒu to anyi ɖe Yesu ƒe nufiafia ŋu henɔ to ɖom kple dzidzɔ.
Nu bubu siwo Yesu fia ameawo le ɣeyiɣi sia me la woe nye esi: Egblɔ be, “Mikpɔ nyuie le agbalẽfiala alakpatɔ siawo ŋuti. Elabena wolɔ̃a awuʋlayawo dodo abe agbalẽnyala gãwo kple kesinɔtɔwo ene eye wodina be amewo katã nabɔbɔ ado gbe na yewo ne yewo le zɔzɔm le ablɔwo dzi.
Ame siawo lɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo eye wodia kplɔ̃ta nɔnɔ vevie le kplɔ̃ɖoƒewo.
Ame siawo xɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodoɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.”
Azɔ Yesu yi nudzɔɖaka si le gbedoxɔ la me gbɔ eye wònɔ anyi henɔ gadzɔlawo kpɔm dũ. Ame siwo nye kesinɔtɔwo la va da ga home gãwo ɖe nudzɔɖaka la me dadatɔe.
Ahosi dahe hã va eye wòda pesewa eve ɖe nudzɔnua me.
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔe eye wògblɔ na wo be, “Ne wotsɔ gatɔ siawo katã ƒe ga si wona la ƒo ƒui la, le nyateƒe me, ahosi dahe sia ƒe pesewa evea xɔ asi wu wo katã tɔ.
Elabena ame siawo kpɔ ga fũ ŋutɔ gake nu vi aɖe koe wona. Gake ahosi dahe sia ya va na ga si katã le esi.”

13

Esime Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ go dom tso gbedoxɔa me gbe ma gbe la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be, “Nufiala, kpɔ ale si xɔ siawo nyakpɔe la ɖa. Kpɔ ale si wotsɔ kpe gã vovovowo ɖo gliawoe la ɖa.”
Yesu ɖo eŋu be, “Èkpɔ xɔ siawoa? Mele egblɔm na mi be, wole wo gbã ge gudugudu ale gbegbe be, kpe ɖeka pɛ hã masusɔ ɖe nɔvia dzi o.”
Azɔ eyi ɖanɔ anyi ɖe Amitoa dzi afi si dze ŋgɔ bali si le toa kple Yerusalem dome. Petro, Yakobo, Yohanes kple Andrea koe nɔ egbɔ le afi sia. Ame siawo biae be,
“Nu siwo nèbe wole dzɔdzɔ ge ɖe gbedoxɔa dzi ɖe ɣekaɣie woadzɔ? Míakpɔ dzesi aɖe do ŋgɔ si ana míanya be nu siawo le dzɔdzɔ gea?”
Yesu gblɔ na wo be, “Migana ame aɖeke nable mi be miatra mɔ o.
Ame geɖewo ava agblɔ na mi be yewoe nye miaƒe Mesia la, eye woakplɔ mi atra mɔe.
Ne miese aʋawɔwɔwo kple aʋaɣliwo la, ŋɔ megadzi mi o. Ele be nu siawo tɔgbi nava eme gake nuwuwu la meɖo haɖe o.”
”Dukɔwo aho aʋa ɖe wo nɔewo ŋu, anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo eye gawu la, dɔ ato le teƒe aɖewo, gake esiawo katã anye kpɔkplɔyiɖeme na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.” Yesu yi edzi be,
“Miawo minɔ ŋudzɔ vevie, elabena woahe mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo. Woahe mi ayi gɔvinawo kple fiawo gbɔe le nye ŋkɔ la ta ke migblɔ nyanyui la na wo. Woahe nya ɖe mia ŋu le gɔvinawo kple fiawo ŋkume, be mienye yonyemedzelawo ta. Gake mele egblɔm na mi bena esiae nye munɔkpɔkpɔ nyuitɔ be miagblɔ nyanyui la na wo.
Elabena ele be dukɔ ɖe sia ɖe nase nyanyui la hafi nuwuwu ŋkekea naɖo.
Nenye be wolé mi yi ʋɔnui la, migatsi dzi kura le nya siwo miatsɔ aʋli mia ɖokuiwo tae la ŋu o. Migblɔ nya sia nya si Mawu de nu na mi la ko, elabena menye mia ŋutɔwoe le nu ƒo ge o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae.”
Yesu yi edzi be, “Le ɣeyiɣi siawo me la, nɔvi ŋutɔ kura ahe nɔvia de ku me. Fofowo ade woawo ŋutɔ viwo asi, eye viwo hã ade woawo ŋutɔ fofowo asi be woawu.
Ke miawo la, ame sia ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo. Gake meka ɖe edzi na mi be, ame siwo katã ado dzi va se ɖe nuwuwua eye womagbe nu le gbɔnye o la akpɔ ɖeɖe.
“Nenye be miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea aƒedo’ vanɛ wòle tsitre ɖe gbedoxɔa me, afi si mele be wòanɔ o, abe ale si nyagblɔɖila Daniel gblɔe enela, nɔvi nuxlẽla, se egɔme. Mele egblɔm na wo be, si enumake ne ãte ŋui. Ame siwo le Yudea la nasi ayi gbewo dzi.
Ame si le eƒe xɔta la nagaɖi va anyi alo age ɖe eƒe xɔme be yeatsɔ naneke o.
Ame si le agble me la nagatrɔ va tsɔ eƒe awu o.
“Le nyateƒe me la, baba na ame siwo fɔ fu le ŋkeke mawo me, kple ame siwo si vi nonowo le.
Mido gbe ɖa vevie be miaƒe sisiɣi nagadze vuvɔŋɔli me o.
Elabena ŋkeke mawo anye ŋkeke siwo ƒomevi medzɔ kpɔ tso keke ɣeyiɣi si me Mawu wɔ xexeame va se ɖe fifia o. Eye ŋkeke siawo ƒomevi magadzɔ kpɔ hã le ɣe aɖeke ɣi le esia megbe o.
Le nyateƒe me nenye be Mawu meto ŋkeke vɔ̃ɖi siawo ɖe eme o la, ame ɖeka pɛ teti hã masusɔ ɖe anyigba dzi o. Gake le eya ŋutɔ ƒe ame tiatiawo ta la, akpɔ nublanui ato ŋkekeawo ɖe eme.
“Nenye be ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Mesia lae nye esi alo eyae nye kemɛ la, migakpe kpe gɔ̃ hã dee o.
Elabena alakpa Mesiawo kple alakpa nyagblɔɖila geɖewo ava. Woawɔ nukunuwo fũ ale be ne woate ŋui la, woable Mawu viwo gɔ̃.
Eya ta mikpɔ nyuie! Megblɔe na mi do ŋgɔ!
“Le ŋkeke mawo me le xaxa gã ma megbe la, ‘ɣe ado viviti eye ɣleti hã magaɖi o.
Ɣletiviwo age tso dziƒo eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’
” Le ɣemaɣi me la, amewo lakpɔ Amegbetɔvi la, wòava le alilĩkpowo dzi kple ŋusẽ gã kpakple ŋutikɔkɔe.
Adɔ mawudɔlawo ɖa be woaƒo ame siwo katã nye etɔwo le xexe bliboa me la nu ƒu tso keke anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi va se ɖe dziƒo nuwuwu ke.
“Mitsɔ gboti abe kpɔɖeŋu ene. Nenye be eƒe aŋgba fẽwo ke eye aŋgbawo ŋutɔ de asi dodo me la ; ekema mienya enumake be, dzomeŋɔli ɖo.
Eya ta ne miekpɔ be nu siwo katã megblɔ la le dzɔdzɔm la, minyae be nye vava zi evelia te tu aƒe, eye nye afɔ le miaƒe agbowo nu.
Le nyateƒe me la, dzidzime sia nu mele yiyi ge, va se ɖe esime nu siawo katã nava eme o.
Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.”
“Ke hã la, ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si tutu dzi nu siawo ava eme o. Mawudɔla siwo le dziƒo hã menyae o, nye ŋutɔ gɔ̃ ha nyemenyae o, negbe Fofonye ko.
Esi mienya ɣeyiɣi sia o ta la minɔ ŋudzɔ aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe.
”Nye vava zi evelia asɔ kple ame aɖe si yi nugbe le anyigba didi aɖe dzi. Hafi wòayi la ede dɔ asi na eƒe dɔwɔvi ɖe sia ɖe eye wògblɔ na eƒe agbonudzɔla be wòanɔ ŋudzɔ na yeƒe tɔtrɔgbɔ.
Eya ta minɔ ŋɔdzɔ elabena mienya ɣeyiɣi si aƒea tɔ atrɔ agbɔ o, eɖanye fiẽ alo zãtitina alo koklo ƒe atɔkuɣi alo ŋdi kanyaa o.
Ale be ne eva kpata la makpɔ mi mianɔ alɔ̃ dɔm o.
Nu si megblɔ na mi la, eya ke mele gbɔgblɔm na ame sia me be, ‘Minɔ ŋudzɔ!’”

14

Azɔ esusɔ ŋkeke eve pɛ ko ne Ŋutitoto kple Abolo maʋamaʋã ƒe ŋkekenyui la naɖo, eye Osɔfogãwo kple agbalẽfialawo ganɔ ayemɔ si dzi woato alé Yesu eye woawui le bebeme la dim.
Ke wogblɔ be, “Míate ŋu awui le ŋkeke nyuia dzi o, ne míewɔe la, ʋunyaʋunya adzɔ.”
Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu ya le Betania, le Simɔn kpodɔléla la ƒeme. Esi wonɔ fiẽnu ɖum la, nyɔnu aɖe tsɔ ami ʋeʋĩ xɔasi aɖe si le goe nyui aɖe me la vɛ. Eʋu nu le ami ʋeʋĩ la nu eye nukutɔe la, etrɔ wo katã kɔ ɖe Yesu ƒe tame.
Ame siwo nɔ kplɔa ŋu la dometɔ aɖewo bia wo nɔewo kple dziku be, “Nu ka ŋutie wògblẽ ami xɔasi sia ɖo?
Woate ŋu adzrae wòaxɔ asi wu agbatedɔwɔla ƒe ƒe ɖeka ƒe fetu eye woatsɔ ga la ama na ame dahewo.” Ale woka mo na nyɔnua vevie.
Yesu gblɔ na wo be, “Miɖe asi le eŋu. Nu ka ŋutie miele fu ɖem nɛ? Nu nyui aɖee wònye wòwɔ nam.
Ame dahewo le mia dome gbeawotsyogbe, eye miate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo ɣesiaɣi si mielɔ̃. Ke nye la, nyemanɔ mia dome ɖaa o.”
”Nyɔnu sia wɔ nu si wòate ŋui la nam. Esi ami na nye ŋutilã si ɖi ge wole le ŋkeke kpui aɖewo megbe la do ŋgɔ.
Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be dɔ nyui si nyɔnu sia wɔ la mabu akpɔ o, afi sia afi si woagblɔ mawunya le, le xexe sia me godoo la, woagblɔ nu nyui si wòwɔ afia eye woakafui.”"
Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda Iskariɔt ame si nye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka la do go dzaa yi Osɔfogãwo gbɔ be yeawɔ babla kpli wo le ale si wòade Yesu asi na wo be woawu la ŋu.
Esi Osɔfogãwo se nu si ta wòva wo gbɔ ɖo la, dzi dzɔ wo menye fefe o, ale wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ. Le esia ta Yuda Iskariɔt de asi teƒe kple gaƒoƒo nyuitɔ si me wòade Yesu asi la didi me.
Le ŋutitotoŋkekenyui ƒe ŋkeke gbãtɔ si dzi woawu alẽviwo le la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ eye wobia afi si wòdi be yewoaɖu ŋutitotolẽvi la le.
Edɔ nusrɔ̃la eve ɖo ɖe Yerusalem be woawɔ dzadzraɖo ɖe ŋkekea ɖuɖu ŋu. Egblɔ na wo be," “Ne miege ɖe dua me le yiyim la, miado go ŋutsu aɖe wòlé tsize ɖe ta.
mikplɔ ame sia ɖo eye miage ɖe aƒe si me wòge ɖo la me. Migblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Aƒetɔe dɔ mí ɖa be míava kpɔ xɔ si me nèdzra ɖo ɖi na mí be míaɖu ŋutitotoŋkekenyuia le fiẽ sia!’
Aƒetɔ la akplɔ mi ayi dziƒoxɔa dzii eye wòafia xɔ gã aɖe si me wodzra ɖo la mi. Miɖo kplɔ̃ ɖe afi ma hena míaƒe ŋutitotoŋkekea ɖuɖu fiẽ sia.”"
Nusrɔ̃la eveawo yi Yerusalem dua me eye wokpɔ be nu sia nu si Yesu gblɔ na wo la va eme tututu ale wowɔ ŋkekea ƒe nuɖuɖu ɖoɖo da ɖi.
Le fiẽ me la, Yesu va ɖo kple nusrɔ̃la wuieveawo.
Le esime wonɔ anyi ɖe klpɔ̃a ŋu nɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be," “Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, mia dometɔ ɖeka si le nu ɖum kplim fifia la adem asi.”
Nya sia wɔ nublanui na wo katã eye wo dometɔ ɖe sia ɖe bia Yesu ɖeka, ɖekae be, “Nyee nye ame si le de wò ge asia?”
Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Mi ame wuieve siwo le nu ɖum kplim fifia la dometɔ ɖekae le nu sia wɔ ge.
Ele be maku abe ale si nyagblɔɖilawo ɖe gbeƒãe xoxo va yi ene. Gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me nenye be womegaxa dzii o la anyo nɛ wu.”
Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, da akpe ɖe eta eye wòŋe eme hetsɔe na nusrɔ̃lawo gblɔ bena, “Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã.”
Tete wòtsɔ kplu la heda akpe ɖe eta eye wòtsɔe na wo eye wo katã no le enu.
Yesu gblɔ kpe ɖe eŋuti be, “Esiae nye nye ʋu, nubabla la ƒe ʋu, esi wokɔ ɖe anyi ɖe ame geɖewo ta.
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, nyemagano naneke tso wain ƒe kutsetse me o va se ɖe gbe ma gbe esime manoe yeyee le mawufiaɖuƒe la me.”
Le esia megbe la wodzi ha da akpe na Mawu eye wodo go yi Amito la dzi.
Yesu gblɔ na wo le afi sia be, “Mi katã, miele nu gbe ge le gbɔnye, elabena Mawu gblɔ to nyagblɔɖilawo dzi be, ‘Mele alẽkplɔla la ƒo ge, eye alẽviawo aka gbẽ.’
Gake ne wofɔm ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea afi si mado go mi le.”
Petro gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame gblẽ wò ɖi hã la, nye ya nyemagblẽ wò ɖi gbeɖe o!”
Yesu gblɔ nɛ be, “Petro, mele egblɔm na wò be, hafi koklo naku atɔ zi eve etsɔ fɔŋli la, ãgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”
Petro gblɔ kple ɣli be, “Gbeɖe, nyemagblẽ wò ɖi akpɔ o. Ne ehiã be maku kpli wò kura gɔ̃ hã la, malɔ̃ aku faa.”" Nusrɔ̃la mamlɛawo hã ɖe adzɔgbe nenema ke.
Azɔ wova ɖo teƒe si woyɔna be Getsemane Bɔ la me. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be," “Minɔ afi sia ne mayi aɖado gbe ɖa.”
Ekplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ya ɖe asi. Le gaƒoƒo sia me la, vevesese helihelĩ kple xaxa yɔ eme.
Egblɔ na nusrɔ̃la etɔ̃awo be, “Nuxaxa te ɖe nye luʋɔ dzi ale gbegbe be ɖe ko wòwɔ abe ɖe mele kukum ene. Minɔ afii mianɔ ŋudzɔ kplim.”
Azɔ la, ezɔ yi ŋgɔ vie ɖatsyɔ mo anyi eye wòdo gbe ɖa bia be, ne ele bɔbɔe la, gaƒoƒo la nato ye ŋu ayi.
Egblɔ be, “Aba, Fofo, nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe na wò eya ta na kplu sia nato nunye ayi. Ke menye nu si nye la, medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”
Le esia megbe la, etrɔ yi nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ eye wòva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm. Yesu yɔ Petro gblɔ be, “Alɔ̃ dɔm mielea? Ekema miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim gaƒoƒo ɖeka pɛ teti hã oa?
Minɔ ŋudzɔ eye miado gbe ɖa be miagage ɖe tetekpɔ me o. Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.”
Yesu gatrɔ yi teƒea eye wògado gbe ɖa vevie, hegagbugbɔ nu siwo wòbia tsã la bia.
Emegbe egatrɔ yi nusrɔ̃lawo gbɔ ake gake woganɔ alɔ̃ dɔm elabena ɖeɖi te wo ŋu ŋutɔ. Womenya nya si woagblɔ nɛ esi wòva kpɔ wo hã o.
Etrɔ gbɔ va wo gbɔ zi etɔ̃lia eye wògblɔ na wo be, “Miegale alɔ̃dɔdɔ dzi le ɖiɖim ɖe emea? Esɔ gbɔ azɔ! Gaƒoƒo la de. Kpɔ ɖa, wode Amegbetɔvi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo.
Mitsi tre! Mina mídzo! Ahã, ame si dem asi la, eyae nye esi!”
Esi Yesu ganɔ nu ƒom la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yuda Iskariɔt kple ameha gã aɖe siwo lé yiwo kple kpowo ɖe asi henɔ nyanyram ŋutɔ la va do. Ame siawoe Osɔfogãwo kple agbalẽfialawo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo dɔ be woayi aɖalé Yesu vɛ.
Hafi woava ɖo teƒea la, Yuda Iskariɔt gblɔ na wo do ŋgɔ be, “Ame si ŋu mate ɖe agbugbɔ nu na la, eyae, milée ne miakplɔe ayii.”
Esi ameha la va ɖo teƒea teti ko la, Yuda Iskariɔt zɔ ɖe Yesu dzi hedo ɣli yɔe be, “Nufiala,” eye wògbugbɔ nu nɛ.
Ameha la dze Yesu dzi helée sesĩe.
Gake ame aɖe he eƒe yi ɖe go eye wòkpa Osɔfogã la ƒe dɔla ƒe to ɖeka wòge va dze anyigba.
Yesu bia elélawo be “Adzodala vɔ̃ɖi aɖee menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoaléma?
Menɔ gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu gbe sia gbe nɔ nu fiam. Ke esia va, eme be woawu Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la nu.”"
Le esime nya siawo katã nɔ dzɔdzɔm la, eƒe nusrɔ̃lawo katã si dzo.
Đekakpui aɖe si ta aklala biɖibiɖi ko la nɔ Yesu yome. Esi amelélawo te kpɔ be yewoalée la,
esi amama hegblẽ eƒe avɔ la ɖi.
Wokplɔ Yesu yi Osɔfogã ƒeme afi si Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi ɖi le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me."
Petro nɔ adzɔge ʋĩi le Yesu yome. Esi wòva ɖo Osɔfogã la ƒeme la, eto nuxa dzaa ge ɖe aƒea me eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔvi siwo do dzo nɔ ƒuƒum la dome kpoo.
Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe eye yewoatso kufia nɛ. Gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o.
Ame geɖewo va ɖi alakpaɖasewo gake nya siwo katã wogblɔ la mesɔ o. Ame sia ame ƒe ɖaseɖiɖi to vovo tso nɔvia tɔ gbɔ.
Mlɔeba la, ame aɖewo da alakpa ɖe esi be,
“Míese wògblɔ be; ‘Magbã gbedoxɔ sia si amegbetɔwo tu la eye matu bubu si manye amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ o la le ŋkeke etɔ̃ megbe.’”
Togbɔ be wogblɔ alea hã amewo ƒe nutsotsowo to vovo ake.
Mlɔeba la, Osɔfogã tsi tre bia Yesu le ʋɔnua ŋkume be, “ Đe nèle gbegbem be yemaɖo nutsotso gbogbo siwo wotsɔ ɖe ŋuwò la ƒe ɖeke ŋu oa? Nya aɖeke mele asiwò nãtsɔ aʋli ɖokuiwò tae oa?”
Yesu meke nu o, ke boŋ ezi kpi kpoo. Osɔfogã la gabiae be, “Wòe nye Mesia, si nye Yayratɔ la Via?”
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee, tso azɔ dzi miakpɔ Amegbetɔvi la, wòanɔ anyi ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime eye wòanɔ alilĩkpowo dzi atso dziƒo ava.”
Ŋuɖoɖo sia do dziku na Osɔfogã la ale gbegbe be wòdze eƒe awu si wòdo la hegblɔ be; “Đe wòhia be míagadi ɖasefowo ɖe eŋua?
Gbeɖe, miekpɔ afiatsotso xoxo elabena miawo ŋutɔ miese busunya si wògblɔ. Azɔ nu kae nye miaƒe afiatsotso?” Wo katã wodo ɣli gblɔ be “Edze na ku.”
Azɔ ame aɖewo tu ta ɖe mo nɛ ƒia, ɖewo tsɔ nu bla mo nɛ eye ɖewo hã tu kɔe sesĩe hegblɔ be, “Gblɔ nya ɖi. Ame kae ƒo wò?”" Eŋudzɔlawo hã ƒoe.
Le ɣeyiɣi sia me la, Petro nɔ aƒea ƒe gbadzaƒe. Đetugbivi aɖe si nye Osɔfogã la ƒe subɔvi ɖeka la kpɔ Petro dze sii le esime wònɔ dzo ƒum.
Đetugbivia te ɖe Petro ŋu lé ŋku ɖe eŋu nyuie eye wòdo ɣli be," “Wò hã Yesu si tso Nazaret la ƒe yomedzelawo dometɔ ɖeka nènye.”
Ke Petro sẽ nu gblɔ bena, “Nyemenya alo se nu si gblɔm nèle la gɔme o.” Ale wòtso heyi ɖanɔ agbo la ƒe mɔnu. Tete koklo ku atɔ.
Subɔvi la ƒe ŋku ganɔ Petro ŋu kokoko. Ekpɔ afi si wòyi ɖanɔ la eye wòyɔ ame bubuwo hegblɔ na wo be, “Mebe ame sia la Yesu yomenɔlawo dometɔ ɖeka wònye.”
Petro ɖe ko wògasẽ nu ake be yemenya Yesu o! Ke ame siwo tsi tre ɖe dzoa gbɔ la hã de asi gbɔgblɔ me na Petro be, “Vavã, wò hã wo dometɔ ɖekae nènye elabena Galileae nètso!”
Petro ta nu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemenya ame si ŋuti miele nu ƒom le gɔ̃ hã o.”
Kasia koklo ku atɔ zi evelia. Enumake Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi bena, “Hafi koklo naku atɔ zi eve la ãgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Esia na be eƒe dzi gbã eye wòfa avi hehehe.

15

Le ŋufɔke ŋdi kanya la, Osɔfogãwo, dumegãwo, agbalẽfialawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo kpe ta be yewoade ŋugble le nu si yewoawɔ la ŋu. Woɖoe be yewoabla Yesu aɖoe ɖe Pilato, ame si nye Romatɔwo ƒe gɔvina si nɔ Yudea dzi ɖum le ɣemaɣi me la gbɔ.
Esi Yesu va ɖo Pilato gbɔ la, Pilato biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe Fia ?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Fia la tututu abe ale si nègblɔ ene.”
Le afi sia la Osɔfogãwo tso enu be ewɔ nu vɔ̃ geɖewo.
Pilato gabiae be, “Nu ka ta mèdi be yeaɖo nya aɖeke ŋu o? Nya gbogbo siwo katã wotsɔ ɖe ŋuwò la, nye nyateƒea?”"
Gake Yesu meke nu eve hã o. Esia wɔ nuku na Pilato ŋutɔ.
Azɔ nu ɖeka aɖe si Pilato wɔna ɖaa le Ŋutitotoŋkekea dzi lae nye be, eɖea asi le Yudatɔ gamenɔla ɖeka si amewo lɔ̃ be wòaɖe asi le la ŋuti.
Le ŋkeke mawo me la, gamenɔla siawo dometɔ ɖeka enye Baraba ame si kple ame bubuwo wu amewo le howɔwɔ gã aɖe si wowɔ va yi la me.
Azɔ amewo ƒo ƒu eye wobia tso Pilato si be wòaɖe asi le gamenɔlawo ɖeka ŋu na yewo abe ale si wòwɔnɛ ɖaa ene.
Pilato bia wo be," “Miedi be maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋu na mia?”
Le esime wònya nyuie be ŋuʋaʋã ta koe Osɔfogãwo tsɔ Yesu de asi nɛ ɖo.
Ke Osɔfogãwo ƒoe ɖe ameawo nu be woabia be woaɖe asi le Baraba boŋ ŋu ke menye Yesu o.
Pilato bia wo be, “Esi miebe maɖe asi le Baraba ŋu ɖe, nu kae miebe mawɔ kple ame si mieyɔna be miaƒe Fia?”
Ameawo katã do ɣli be, “Klãe ɖe ati ŋu!”
Pilato gabia wo be, “Maklãe ɖe ati ŋu be ale ke? Nu vɔ̃ kae wòwɔ si dze na ku?” Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋu!”
Azɔ Pilato vɔ̃ be ameha la ava wɔ ʋunyaʋunya eye be wòadze wo ŋu ta la, eɖe asi le Baraba ŋu na wo. Ke eɖe gbe be woaƒo Yesu kple atam. Le esia megbe la, ekplɔe de asi na ameawo be woayi aɖaklãe ɖe ati ŋu le woƒe didi nu.
Romasrafowo kplɔe yi asrafowo nɔƒee le fiasã la me eye woyɔ asrafo siwo katã dzɔa Fiasã la ŋu la ƒo ƒui.
Wodo awu dzĩ nɛ eye wotsɔ ŋu wɔ kuku heɖɔ nɛ.
Azɔ wode asi fewuɖuɖu le eŋu me. Wovana egbɔ doa gbe nɛ hegblɔna be, “Yudatɔwo ƒe Fia nenɔ anyi tegbee!”
Amewo tsɔ ameƒoti ƒo tame nɛ. Đewo ɖe ta ɖe mo nɛ eye ɖewo bua dze klo be yewo le esubɔm.
Esi wowɔ funyafunyae ʋuu wòti wo la, woɖe awu dzĩ la le eŋu hetsɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ eye wokplɔe dzoe be yewoaklãe ɖe ati ŋu.
Le mɔa dzi la, wodo go Simɔn Kirenetɔ wògbɔna dua me, eye wozi edzi be wòakpe ɖe Yesu ŋu atsɔ eƒe atitsoga la. Simɔn siae nye Aleksandro kple Rufo fofo.
Ale wokplɔ Yesu va teƒe aɖe si woyɔna be Golgata, si gɔmee nye ametakoliƒe.
Le afi sia wotsɔ gbe siwo vena la tsaka wain tsitsi hekpe nɛ, gake menoe o.
Eye woklãe ɖe atitsoga ŋu. Ame siwo klãe la da akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be woakpɔ esi ame sia ame naxɔ.
Anɔ abe ŋdi ga asieke me ene esi woklãe ɖe atitsoga ŋu.
Woŋlɔ vɔ̃ si wòwɔ ta woklãe ɖe atia ŋu la ɖe ʋuƒo kakɛ aɖe dzi klã ɖe atitsoga la tame. Nu si woŋlɔ̃ ɖe ʋuƒoa dzi enye “Yudatɔwo ƒe Fia.”
Le ŋdi ma ke la woklã adzodala vɔ̃ɖi eve aɖewo hã ɖe eƒe axa eveawo dzi.
Ale wowu ale si mawunya gblɔ da ɖi la nu be. “Wobui ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome.”
Ame siwo va nɔ eŋu tom la ɖea alɔme le eŋu eye woʋuʋua ta hekonɛ. Đewo hã doa ɣli gblɔna nɛ fewuɖutɔe be, “Ehẽ! Kpɔ ale si wòva zu na wòe ɖa! Wòe be yeate ŋu agbã gbedoxɔ la, agagbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Nenye be ŋusẽ le asiwò nãte ŋu awɔ nukunu gã siawo la,
ɖe ɖokuiwo hã le atitsoga la ŋue!”
Osɔfogãwo kple agbalẽfiala siwo nɔ tsitre ɖe teƒea hã nɔ alɔme ɖem le Yesu ŋu. Wogblɔ be, “Ame sia te ŋu ɖe ame bubuwo tso tetekpɔwo kple fuwo me, gake mate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui o!”
Wodo ɣli yɔe le atitisoga la ŋu be, “Hei, kpɔ ɖa, wò Mesia! Wò Israel ƒe Fia! Đi le atitsoga la ŋu ekema mí katã míaxɔ dziwò ase!”" Adzodala eve siwo woklã ɖe atitsogawo ŋu kplii gɔ̃ hã dzui.
Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, zã do keli do ɖe anyigba blibo la dzi va se ɖe keke ɣetrɔ ga etɔ̃ me.
Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do ɣli sesĩe be," “Eloi, Eloi, lama sabaktani?” si gɔmee nye, “Nye Mawu, Nye Mawu, nu ka tae nègblẽm ɖi?”
Esi ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma se esia la, wogblɔ be, “Kpɔ ɖa, ele Eliya yɔm.”
Le esia ta wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖaku wain tsitsi eye wòkɔe ɖe ƒumekutsa me, tɔe ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu na Yesu be wòano hegblɔ kpe ɖe eŋu be, “Miɖe asi le eŋu azɔ ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.”
Sẽ la, Yesu gado ɣli sesĩe ake eye wòku.
Le gaƒoƒo sia me tututu la, xɔmetsovɔ si wotsɔ xe kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒea ŋkume le gbedoxɔ la me la, mã eme ɖe eve tso dzi va se ɖe anyime ke.
Esi Romasrafo si nɔ Yesu ŋu dzɔm kpɔ ale si Yesu kui la, egblɔ kple seselelãme geɖe be, “Ame sia la Mawu Vi wònye vavã!”
Nyɔnu aɖewo hã va teƒea eye wonɔ adzɔge nɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Ame siawo nye Maria Magdalatɔ, Maria si nye Yakobo suetɔ kple Yose dada kpakple Salome.
Ame siawo kple Galilea nyɔnu bubu siwo nye eyomenɔla siwo subɔnɛ ne eva Galilea la, hã dze eyome va Yerusalem.
Nu siawo katã dzɔ ŋkeke ɖeka do ŋgɔ na Sabat ŋkekea. Le ɣetrɔ me lɔƒo la,
Yosef tso Arimatia ame si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo dometɔ ɖeka si ŋu bubu le la, va Yerusalem. Ame sia hã nɔ mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒea ƒe vava kple dzimaɖeɖi geɖe. Eyi Pilato gbɔ kple dzideƒo hebia be wòaɖe asi le Yesu ƒe kukua ŋu na ye.
Pilato mexɔe se be Yesu ku le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe o. Eya ta eyɔ Roma srafowo ƒe amegã si ƒe dzikpɔkpɔ te nyawo nɔ la eye wòbiae be Yesu ku vavã hã?
Asrafomegã la ɖo kpe edzi na Pilato be eku. Ale Pilato ɖe mɔ na Yosef be wòaxɔ ame kukua aɖaɖi.
Yosef ƒle aklala biɖibiɖi gã aɖe eye woɖe Yesu kukua le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala la ɖe eŋuti eye wòtsɔe ɖamlɔ yɔdo, si woɖe ɖe agakpe me la me, hemli kpe gã aɖe ɖo yɔdoa nu.
Maria Magdalatɔ kple Maria Yesu dada hã nɔ afi ma kpɔ afi si wòɖi Yesu ɖo.

16

Le fiẽ, esi Sabat ŋkekea wu enu la, Maria Magdalatɔ, Salome kple Maria Yakobo dada woyi ɖaƒle amiʋeʋĩ si wosina na ame kuku be wòagavo kaba o la da ɖi.
Le ŋufɔke ŋdi kanyaa la, ame siawo fɔ tsɔ amiawo ɖe asi dze mɔ ɖo ta Yesu ƒe yɔdo to.
Esi wole mɔa dzi yina la, wobia wo nɔewo be, “Ame kae amli kpe gã si le yɔdo la nu la ɖa?”
Gake nukutɔe esi wova ɖo teƒea la, wokpɔ be womli kpe si wotsɔ tu yɔdoa nu la da ɖe adzɔge eye yɔdoa le ʋuʋu.
Woge ɖe yɔdoa me eye wokpɔ ɖekapkui aɖe wònɔ awu ɣi tititi me nɔ anyi ɖe yɔdoa ƒe ɖusime. Le nyateƒe me la, vɔvɔ̃ ɖo nyɔnuawo ale gbegbe be woku ɖe tsitre nu.
Gake mawudɔla la gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Menye Yesu Nazaretitɔ si woklã ɖe ati ŋu la dim miele oa? Mele afi sia o, egbɔ agbe eye wòtsi tre. Mikpɔ afi si wotsɔ eƒe ŋutilã mlɔe ɖa.
Azɔ miyi miagblɔ nya sia na Petro kple nusrɔ̃la bubuawo be, ‘Yesu dze mia ŋgɔ yina ɖe Galilea. Miakpɔe le afi ma abe ale si wògblɔe na mi hafi ku ene.’”"
Nyɔnuawo si do go le yɔdoa me kple vɔvɔ̃ gã aɖe. Wovɔ̃ ale gbegbe be womagate ŋu aƒo nu gɔ̃ hã o.
Kwasiɖa ƒe ŋdi kanyae Yesu gbɔ agbe eye ame gbãtɔ si kpɔe lae nye Maria Magdalatɔ, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre do goe le.
Eyi ɖake ɖe nusrɔ̃lawo ŋu woƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka henɔ konyi fam. Woƒe ŋkuwo katã yɔ kple aɖatsi.
Egblɔ na wo kple ɣli be, yekpɔ Yesu wògbɔ agbe tso ku me! Gake nusrɔ̃lawo mexɔ nya sia dzi se o.""
Le gbe ma gbe ke ƒe ɣeyiɣi bubu me la, Yesu ɖe eɖokui fia ŋutsu eve siwo nɔ mɔ zɔm tso Yerusalem yina teƒe aɖe.
Esi wova kpɔe dze sii mlɔeba be Yesue la, woɖe abla trɔ yi Yerusalem ɖagblɔe na ame bubuwo, gake ame aɖeke mexɔ woƒe nya dzi se o.
Azɔ le ɣe bubu ɣi la, Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃la wuiɖekɛawo le esime wonɔ teƒe ɖeka nɔ nu ɖum. Ehe nya ɖe wo ŋu vevie le woƒe dzimaxɔse ta. Evee ŋutɔ be togbɔ be amewo kpɔe agbagbe va gblɔ na wo hã la, wogbe be yewomaxɔe ase o.
Azɔ egblɔ na wo be," “Fifia la, miyi ɖe xexe bliboa me eye miagblɔ nyanyui la na ame sia ame le afi sia afi.
Ame siwo axɔ nyanyui la eye woade mawutsi ta na wo la, woakpɔ ɖeɖe. Ke ame siwo anye kɔlialiatɔ siwo asẽ to, agbe nyanyui la xɔxɔ la woabu fɔ wo.
”Dzesi siawo akplɔ ame siwo axɔe se la ɖo: le nye ŋkɔ me woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe. Woaƒo nu kple aɖe yeyewo.
Woalé dawo kple woƒe asiwo eye ne wono aɖi vɔ̃ɖi hã la, masi wo o. Woada woƒe asiwo ɖe dɔnɔwo dzi eye woƒe lãme lasẽ.
Esi Yesu wu nya siawo nu la, gbɔgbɔ la tsɔe dzoe yi dziƒoe eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime.
Nusrɔ̃lawo ɖo gbe henɔ mawunya gblɔm na amewo tso teƒe yi teƒe, Aƒetɔ la nɔ kpli wo eye wòɖo kpe eƒe nya la dzi to dzesi siwo kplɔ eƒe nyawo ɖo la me.

Lizenz
CC-0
Link zur Lizenz

Zitationsvorschlag für diese Edition
TextGrid Repository (2025). Mark the Evangelist. Mark (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-96F5-A