1

Yesu Kristo enye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi, eƒe dzidzime lae nye esi.
Abraham dzi Isak, Isak dzi Yakɔb eye Yakɔb dzi Yuda kple nɔviawo.
Yuda dzi Perez kple Zera ame siawo dadae nye Temar, Hezrɔn fofoe nye Perez, Hezrɔn hã dzi Ram,
Ram dzi Aminadab, Aminadab dzi Nahesɔn, Nahesɔn dzi Salmo,
Salmo hã dzi Boaz ame si dadae nye Rahab. Boaz dzi Obed, eye Obed dadae nye Rut, Obed dzi Yese.
Yese dzi Fia David, David dzi Salomo, Salomo dadae nye Batseba ame si nye Uria srɔ̃ kpɔ,
Salomo dzi Rehoboam, Rehoboam dzi Abiya, eye Abiya hã dzi Asa,
Asa dzi Yehosafat, Yehosafat dzi Yoram, Yoram dzi Uzia,
Uzia dzi Yotam, Yotam dzi Ahaz, Ahaz dzi Hezekia,
Hezekia dzi Manase, Manase dzi Amɔn, Amɔn dzi Yosia,
Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo. Wodzi ame siawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia.
Esi aboyomenɔlawo trɔ gbɔ va aƒe la, Yekonia dzi Sealtiel, Sealtiel dzi Zerubabel,
Zerubabel hã dzi Abihud, Abihud dzi Eliakim, eye Eliakim dzi Azɔ,
Azɔ dzi Zadɔk, Zadɔk dzi Akim, Akim dzi Elihud,
Elihud dzi Eleaza, Eleaza dzi Matan, Matan hã dzi Yakɔb,
eye Yakɔb dzi Yosef. Yosef sia nye Maria Yesu Kristo dadaa srɔ̃
Dzidzimeawo katã, tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi ƒe xexlẽme le wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esi woɖe aboyo Israel la le dzidzime wuiene, nenema ke tso aboyomenɔŋɔli va se ɖe Yesu dzidzi hã le dzidzime wuiene.
Yesu ƒe dzidzi va yi ale: Wodo ŋugbe na Yosef be woatsɔ Yesu dadaa Maria nɛ wòaɖe. Ke togbɔ be menya ŋutsu o hã la, Maria fɔ fu xoxo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.
Azɔ Yosef ame si wodo eƒe ŋugbe na la nye ame ɖɔʋu aɖe, eya ta eɖoe be yeagbe Maria le bebeme, elabena medi be yeado ŋukpee le dutoƒo o.
Esi wònɔ nu siawo ŋu bum la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe, yɔe gblɔ nɛ be, “Yosef, David vi, mẽgahe ɖe megbe le srɔ̃wo Maria ŋu o, kplɔe wòava nɔ gbɔwò. Elabena vi si le dɔme nɛ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso.
Adzi ŋutsuvi eye nãna ŋkɔe be Yesu, esi gɔmee nye ‘Đela’, elabena eyae aɖe eƒe dukɔmeviwo tso woƒe nu vɔ̃wo me.
Esiawo katã ava eme be woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi nu bena,
‘Miɖo to miase nya sia, ɖetugbi dzadzɛ la afɔ fu adzi ŋutsuvi. Woana ŋkɔe be, ‘Imanuel’ si gɔmee nye, ‘Mawu li kpli mí.’”
Esi Yosef nyɔ la, ewɔ ɖe mawudɔla la ƒe gbe dzi, eye wòyi ɖakplɔ Maria va eƒe aƒe mee abe srɔ̃a ene.
Ke Yosef mede asi eŋu o va se ɖe esime wòdzi via ŋutsuvi la eye wòna ŋkɔe be“Yesu.”

2

Wodzi Yesu le Betlehem le Yudea, le Fia Herodes ŋɔli. Le ɣemaɣi la, ɣletivimenunyala aɖewo tso ɣedzeƒe lɔƒo va Yerusalem, eye wonɔ amewo biam bena,
”Afi kae Yudatɔwo ƒe Fia yeye si wodzi la le? Míekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe lɔƒo ke ale mieva be míasubɔe.”
Esi Fia Herodes se nya sia la dzika tso eya kple Yerusalem dua me nɔlawo katã ƒo.
Le esia ta Fia Herodes yɔ Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple agbalẽfialawo katã ƒo ƒui eye wòbia wo be, “Đe nyagblɔɖilawo gblɔ afi si wole Mesia la dzi ge le la na mí da ɖia?”
Woɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, wogblɔ be woadzi Mesia la le Betlehem.” Nyagblɔɖila Mika ŋlɔe da ɖi be,
”O, wò Betlehem du sue la, menye Yudatɔwo ƒe du sue maxɔŋkɔ aɖe ko nènye o, ke boŋ èxɔ ŋkɔ ŋutɔ, elabena wò mee Fia si le nye dukɔ Israel dzi ɖu ge la ado tso.”
Le esia megbe la, Herodes dɔ ame ɖo ɖe ɣletivimenunyala siawo dzaa bena woava kpɔ ye. Esi wova la ebia wo be woagblɔ ɣeyiɣi si tututu wokpɔ ɣletivi la zi gbãtɔ la na ye eye wogblɔe nɛ. Ale wòdɔ wo kple gbedeasi sia bena,
“Miyi Betlehem ne miadi ɖevi la, eye ne mieke ɖe eŋu la, mitrɔ va gblɔe nam bena nye hã mayi aɖasubɔe!”
Esi wowu takpekpea nu la, ɣletivimenunyalawo gayi woƒe mɔzɔzɔ dzi. Kasia ɣletivi la gadze wo ŋgɔ heyi ɖatɔ ɖe Betlehem dua tame tututu.
Nyateƒe, dzi dzɔ wo ŋutɔ, ŋutɔ.
Woge ɖe aƒe si me Maria kple ɖevia nɔ me eye woyi ɖadze klo ɖe egbɔ enumake hede ta agu nɛ. Woʋu nu le woƒe nunanawo nu, eye wotsɔ sika, kotoklobo kple lifi nɛ.
Emegbe wotrɔ dze aƒe mɔ dzi tẽe eye womegato Yerusalem yi ɖagblɔ nya aɖeke na Herodes o, elabena Mawu xlɔ̃ nu wo le drɔ̃eƒe bena woato mɔ bubu ayi aƒe.
Esi ɣletivimenunyalawo dzo vɔ la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe. Egblɔ nɛ bena, “Tso kpla ne nãsi kple ɖevia kpakple dadaa ayi Egipte, eye nãnɔ afi ma va se ɖe esime magblɔ na wò be nãtrɔ gbɔ. Elabena Fia Herodes le nu sia nu si wòate ŋui la wɔ ge bena yeawu ɖevia.”
Le zã ma me ke Yosef si kple ɖevia kpakple dadaa yi Egipte,
eye wonɔ afi ma va se ɖe esime Fia Herodes ku. Nu sia wu nyagblɔɖi sia nu be, “Egiptee meyɔ vinye la tsoe.”
Herodes kpɔe be ɣletivimenunyalawo flu ye. Dɔme vee ale gbegbe be wòdɔ asrafowo ɖo ɖe Betlehem kple eƒe nutomewo me be woaɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o. Herodes wɔ esia elabena ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ be yewokpɔ ɣletivi la anye ƒe evee nye ma.
Herodes ƒe tamesesẽnu si wòwɔ la wu Yeremia ƒe nyagblɔɖi siawo nu bena,
”Vevesese ƒe ɣli ɖi tso Rama nutowo me, avifafa kple nublanuiɣli ɖi bobobo; Rahel nɔ avi dzi hehehe le viawo ta eye naneke mate ŋu afa akɔ nɛ o, elabena viawo katã tsi yi nu.”
Esi Herodes ku la, mawudɔla aɖe va ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe le Egipte. Egblɔ nɛ be,
”Tso nãkplɔ ɖevia kple dadaa trɔ yi Israel, elabena ame siwo le ɖevia ƒe agbe yome tim la ku!”
Ale Yosef tso enumake eye wòkplɔ Yesu kple dadaa trɔ yi Israel.
Ke esi wòse be Arkelao nɔ dzi ɖum le Yudea ɖe fofoa Herodes teƒe la evɔ̃ na afi ma yiyi. Woɖee fiae hã le drɔ̃eƒe eya ta eyi Galilea nutome,
ale woyi ɖanɔ Nazaret. Esia wu nyagblɔɖilawo ƒe nya sia nu be, “Woayɔe be Nazaretitɔ.”

3

Yohanes Mawutsidetanamela dze mawunya gbɔgblɔ gɔme le Yudea gbedzi. Nyati si dzi wòtu eƒe mawunyawo ɖo lae nye be,
”Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, mitrɔ ɖe Mawu ŋuti elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo vɔ.”
Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ dɔ si ƒomevi wɔ ge Yohanes le la da ɖi ƒe alafa nanewo va yi, egblɔ be, “Mese ɣli aɖe tso gbedzi wòle ɖiɖim bena, ‘Midzra mɔ ɖo ɖi na Aƒetɔ la eye mido mɔ siwo dzi to ge wòle la woadzɔ.’”
Wolɔ̃ Yohanes ƒe awu si wòdo la kple kposɔfu eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka tsɔ bla awua dzii, eƒe nuɖuɖue nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.
Ame geɖewo tso Yerusalem eye bubuwo hã tso Yɔdan tɔsisi la ƒe gowo dzi kple Yudea nuto me godoo va afi si Yohanes nɔ mawunya gblɔm le la be yewoaɖo toe.
Esi ameawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me la, ede tsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me.
Ke esi Yohanes kpɔe be Farisitɔwo kple Zadukitɔ geɖewo hã va be wòade mawutsi ta na yewo la, eka mo na wo gblɔ bena, “Mi dawo ƒe dzidzimeviwo! Ame kae gblɔ na mi be miate ŋu asi le Mawu ƒe dɔmedzoe kple tohehe si gbɔna la nu?
Miɖee fia to miaƒe agbe nyui nɔnɔ me be mietrɔ dzime vavã
Migabui eye mianɔ gbɔgblɔm na mia ɖokuiwo be ‘mía fofoe nye Abraham’ o. Mele egblɔm na mi be Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ zu viwo na Abraham.
Le gaƒoƒo sia me ŋutɔ gɔ̃ hã la, Mawu le klalo bena yeahe to na ame siwo katã tsi tre ɖe eƒe ɖoɖowo kple sewo ŋu. Mawu alã ame siawo akɔ ɖi abe ati siwo metse ku o ene eye woafli wo ade dzo me.
Nye la metsɔ tsi le mawutsi dem ta na mi ame siwo dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la, gake ame aɖe gbɔna, esi de ŋgɔ wum sãa ame sia de ŋgɔ ale gbegbe be nyemedze bena manye eƒe subɔvi gɔ̃ hã o. Eya atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple dzo ade tsi ta na mi.
Ama ame dzɔdzɔewo ɖa tso ame vɔ̃ɖiwo gbɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo la, atsrɔ̃ wo kple dzo mavɔ eye wòadzra ame dzɔdzɔewo ɖo ɖi na agbe mavɔ la.”
Le ɣemaɣi me la, Yesu hã tso le Galilea va Yɔdan tɔsisi la to be Yohanes nade mawutsi ta na ye.
Gake Yohanes medi be yeade tsi la ta nɛ o ke boŋ egblɔ nɛ bena, “Medze be nye made tsi ta na wò o. Nye boŋ wòle be nãde tsi ta na.”
Yesu gblɔ nɛ bena, “Meɖe kuku de tsia ta nam ko, elabena ele nam be mawɔ nu siwo katã woɖo da ɖi.” Ale Yohanes lɔ̃ de tsia ta nɛ.
Esi wòde mawutsi ta nɛ vɔ eye wònɔ go dom le tsia me la, dziƒo nu ʋu eye Yesu kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ, le akpakpa ƒe nɔnɔme me, wònɔ ɖiɖim ɖe edzi.
Le ɣeyiɣi sia me tututu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo bena, “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, ame si ƒe nu dzea ŋunye.”

4

Le esia megbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedzii bena Abosam natee akpɔ.
Yesu tsi nu dɔ le afi sia ŋkeke blaene kple zã blaene, eye emegbe dɔ wui vevie ŋutɔ.
Esi Abosam kpɔ esia la, eva tee kpɔ gblɔ nɛ be, “Nenye wòe nye Mawu Vi la vavã la, ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ zu abolo na wò nãɖu.”
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔe ɖi be, ‘Menye abolo ɖeɖe ko ŋu ame nanɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie. ”
Azɔ Abosam kplɔe yi Yerusalem du kɔkɔe la me eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ ƒe tame ke,
hegblɔ nɛ bena, “Be nãfia be Mawu Vi nènye la, ti kpo tso afi sia ne nãdze anyigba elabena, mawunya gblɔ bena, ‘Mawu adɔ eƒe dɔlawo ɖa bena woaxe wò le yame be mãtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.
Yesu gagblɔ nɛ bena, “Woŋlɔ da ɖi hã be mègate Aƒetɔ wò Mawu kpɔ o.”
Le esia megbe la, Abosam kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe ƒe tsɔ̃eƒe ke eye wòɖe xexe sia me ƒe dukɔwo katã kple woƒe atsyɔ̃nuwo katã fiae.
Egblɔ nɛ be, “Matsɔ nu siawo katã na wò nenye be nèdze klo de ta agu nam pɛ ko.”
Yesu blu ɖe Abosam ta bena, “Satana, te ɖa le gbɔnye, mèse mawunya gblɔ bena, ‘Aƒetɔ wò Mawu la ko nãsubɔ, eya ko wòle be nãɖo toe oa?’”"
Ale Abosam gblẽe ɖi hedzo, eye mawudɔlawo va egbɔ va subɔe.
Esi Yesu se be wolé Yohanes de gaxɔ me la, edzo le Yudea yi wo de le Nazaret si le Galilea,
ke egadzo le afi sia hã va Kapernaum si te ɖe Galilea ƒua ŋu le Zebulon kple Naftali nutomewo me.
Yesu ƒe afi sia vava wu nya si Yesaya gblɔ da ɖi nu bena,"
”Mi Zebulon kple Naftali, mi anyigba siwo le ƒuta, kpakple anyigba siwo le Yɔdan tɔsisi la godo va se ɖe Trɔ̃subɔlawo ƒe Galilea,
miawoe nye ame siwo nɔ viviti me tsã gake fifia la, kekeli gã aɖe klẽ na mi. Mi ame siwo nɔ ku ƒe anyigba dzi, kekeli klẽ na mi.”
Tso esia dzi la, Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be, “Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ne miatrɔ ɖe Mawu ŋu, elabena dziƒofiaɖuƒe la te tu aƒe vɔ!”
Gbe ɖeka esi Yesu nɔ tsa ɖim le Galilea ƒua nu la, ekpɔ nɔvi eve aɖewo. Woawoe nye Simɔn, si wogayɔna hã be Petro kple nɔvia Andrea. Wonɔ asabu dam elabena ɖɔkplɔlawoe wonye.
Yesu yɔ wo gblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi amewo ɖelawo.”
Petro kple nɔvia Andrea ɖe asi le asabu la ŋu enumake hekplɔ Yesu ɖo.
Esi wogazɔ yi ŋgɔ vie ko la, Yesu kpɔ nɔviŋutsu eve siwo ŋkɔwoe nye Yakobo kple Yohanes kpakple wo fofo Zebedeo le ʋu me nɔ woƒe ɖɔ vuvuwo sam. Yesu yɔ nɔviŋutsu eveawo hã be woava dze ye yome.
Yakobo kple Yohanes gblẽ ʋu la kple wo fofo ɖi hedze Yesu yome enumake.
Yesu tsa le Galilea nutome la katã me nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo eye afi sia afi si wòyi ko la eɖea gbeƒã dziƒofiaɖuƒe ƒe nyanyui la. Hekpe ɖe esia ŋu la, eyɔ dɔ, dɔ ƒomevi vovovo lélawo.
Nukunu gã geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka de teƒewo katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔe nu ke. Ale dɔnɔwo tso keke Siria ke hã tɔ ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu. Eyɔ dɔ dɔ ɖe sia ɖe lélawo, eɖanye lãmevee, tsukuku, lãmetutu, kpeŋui, gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ame me o, eda dɔ siawo katã.
Ameha gã aɖe ŋutɔ dze eyome, eye afi sia afi si wòto ko la wonɔ eyome kplikplikpli. Ame siawo tso Galilea nutoa me, Yerusalem, Dekapoli kple Yudea godoo, ɖewo gɔ̃ hã tso keke Yɔdan tɔsisia ƒe go evelia dzi ke.

5

Gbe ɖeka esi amehawo ganɔ ƒu ƒom ɖe Yesu ŋu la, elia togbɛ aɖe eye wònɔ anyi ɖe edzi.
Eƒe nusrɔ̃lawo hã va nɔ egbɔ. Azɔ efia nu wo le afi ma hegblɔ na wo bena, “
Dzi nedzɔ mi, ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la, elabena wotsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi.
Dzi nedzɔ mi, ame siwo hã le konyi fam la, elabena woafa akɔ na mi!
Dzi nedzɔ mi, ame siwo faa tu, miawoe anyi anyigba la ƒe dome.
Dzi nedzɔ mi, ame siwo wum dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le la, elabena miawoe aɖi ƒo.
Dzi nedzɔ mi, ame siwo le nublanui kpɔm na amewo la, elabena miawo woakpɔ nublanui na.
Dzi nedzɔ mi, ame siwo dza le miaƒe dzi me, elabena miawoe akpɔ Mawu.
Dzi nedzɔ mi, ame siwo léa avu la elabena miawoe woayɔ be Mawu viwo.
Dzi nedzɔ mi ame siwo yome woti le dzɔdzɔenyenye ta, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.
”Dzi nedzɔ mi nenye be amewo dzu mi, ti mia yome, da alakpa ɖe mia si hegblɔ nya vɔ̃ bubuwo ɖe mia ŋuti le tanye.
Mikpɔ dzidzɔ eye miatso aseye! Elabena fetu gã aɖe le mia lalam le dziƒo. Miɖo ŋku edzi be, nenema ke woti nyagblɔɖila siwo nɔ anyi le blema la yomee
”Miawoe nye anyigba ƒe dze. Ke ne miebu miaƒe dzenyenye la nu ka woagate ŋu awɔ kpli mi? Ŋudɔwɔnu aɖeke maganɔ mia ŋu o, ɖe ko watsɔ mi aƒu gbe, aɖo afɔ mia dzi.
Miawoe nye xexeame ƒe kekeli. Womate ŋu aɣla du si le todzi la o.
Ame aɖeke medraa akaɖi tsɔ dea afianu te o, ke boŋ ɖe akaɖiti dzi be wòaklẽ na aƒea me nɔla ɖe sia ɖe.
Nenema ke mina miaƒe akaɖiwo naklẽ le amewo gbɔ, be woakpɔ miaƒe dɔ nyui wɔwɔ eye woakafu mia Fofo si le dzifo.
”Mise eme nyuie be, menye ɖe meva bena mate fli ɖe Mose ƒe seawo kple nyagblɔɖilawo ƒe nuxlɔ̃amenyawo me o. Gbeɖe, menye nu siawo wɔ gee meva o, ke boŋ ɖe meva be mawu seawo nu eye mafia woƒe nyateƒenyenye.
Mele nyateƒea gblɔm na mi bena, zi ale si dziƒo kple anyigba li la, ŋɔŋlɔ suetɔ kekeake alo nu suetɔ si wotsɔ nuŋlɔti ŋlɔe la, mabu le sea me o va se ɖe esime woawu nu sia nu nu.
Eya ta ne ame aɖe da se siawo ƒe suetɔ kekeake dzi, eye wòfia amewo hã be woada edzi la, eyae anye suetɔ kekeake le dziƒofiaɖuƒe la me. Ke ame siwo fia Mawu ƒe seawo eye wowɔna ɖe wo dzi la, woayɔ wo be gã le dziƒofiaɖuƒe la me.
Mele nu xlɔ̃m mi be ne miaƒe dzɔdzɔnyenye meƒo Farisitɔwo kple Yudatɔwo ƒe sefialawo tɔ ta sãa o la, miawo hã miate ŋu age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me gbeɖe o!
”Miese be wogblɔ na blematɔwo be, ‘mègawu ame o eye ame si awu ame la adze na ʋɔnudɔdrɔ̃.’
Ke nye la mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la ayi dzo mavɔ ʋeme.
”Ne èle gbedoxɔ me le vɔsamlekpui ŋgɔ le vɔ sam na Mawu eye nèɖo ŋku edzi be dzre aɖe le mi kple nɔviwo aɖe dome la,
gblẽ wò vɔsanu la ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ ne nãyi ãɖe kuku na nɔviwò sia, eye nãdzra mi kplii dome ɖo hafi nãva sa vɔ na Mawu.
Wɔ ɖeka kple wò futɔ si kplɔ wò yina ʋɔnui kaba esi miegale mɔa dzi ko. Ne menye nenema o la, atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, ʋɔnudrɔ̃la hã atsɔ wò ade asi na asrafomegã eye woade wò gaxɔ me.
Le nyateƒe me la, womaɖe asi le ŋuwò o, va se ɖe esime nãxe fe ɖe sia ɖe si nènyi eye pesewa afã hã masusɔ o.
”Miese wogblɔ be, ‘megawɔ ahasi o.’
Gake nye ya mele egblɔm na mi bena, ne ŋutsu aɖe kpɔ nyɔnu aɖe eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzime.
Nenye wò ŋku ɖusimetɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe ne nãtsɔe aƒu gbe. Elabena enyo na wò be nãbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame bliboa aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me.
Nenema ke ne wò nuɖusie nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ne nãtsɔ aƒu gbe. Elabena enyo be nãbu wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka wu be woatsɔ wò ame bliboa aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me.
”Wogblɔ hã be, ‘Ne ŋutsu aɖe di be yeagbe ye srɔ̃ la, nena srɔ̃gbegbalẽe.’
Ke nye la mele egblɔm na mi bena, nenye be nyɔnu aɖe mewɔ ahasi o, gake srɔ̃a gbee wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la ekema ŋutsu lae na wòwɔ ahasi. Eye ŋutsu si agaɖe nenem nyɔnu sia hã wɔ ahasi.
”Miese wogagblɔ na blematɔwo be, ‘mègada le atam si nèka la dzi o, ke boŋ, wɔ ɖe wò atam siwo nèka na Aƒetɔ la dzi.
Gake nye ya, mele egblɔm na mi be: migata nu kura o! elabena ne ègblɔ be meta ‘Dziƒo’ la, èdze agɔ, elabena dziƒoe nye Mawu ƒe nɔƒe.
Eye ne, èta ‘Anyigba’ la, èdze agɔ ake elabena anyigbae nye eƒe afɔɖodzinu. Nenema ke migagblɔ be meta ‘Yerusalem’ hã o! Elabena Yerusalem enye Fia gã la ƒe du.
Mègagblɔ be meta ‘Nye ta’ gɔ̃ hã o, elabena mãte ŋu atrɔ wò ɖakui ɖeka pɛ hã wòafu alo anyɔ o.
Kpuie ko la mina miaƒe“Ẽ” nanye Ẽ”, “O”nanye “O’ nu sia nu si miagblɔ wu esia la tso vɔ̃ɖitɔ la gbɔ.
”Miese wogblɔ be, ‘Ŋku ɖe ŋku teƒe eye aɖu ɖe aɖu teƒe.’
Ke nye ya mele egblɔ na mi be: Migaɖo vɔ̃, vɔ̃ teƒe o! Nenye be ame aɖe ƒo tome na wò la trɔ tome evelia hã nɛ be wòaƒo.
Ne ame aɖe akplɔ wò ayi ʋɔnui be yeaxɔ wò awutewui la, na woaxɔ wò dziwui hã kpe ɖe eŋu.
Ne ame aɖe azi dziwò be nãzɔ mɔ kple ye kilomita ɖeka la, zɔ kplii kilomita eve.
Na nu ame si le nu biam wò eye mègatrɔ megbe de ame si le didim be yeado nu le asiwò la o.
”Miese wogblɔ bena, ‘Lɔ̃ hawòvi eye nãle fu wò ketɔ.’
Ke nye la mele egblɔm na mi bena, milɔ̃ miaƒe futɔwo eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta!
Be mianye mia Fofo si le dziƒo la ƒe viwo, ame si naa eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo eye wòdɔa tsi be wòadza ɖe ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa dzi.
Ne mielɔ̃a ame siwo lɔ̃a mi ɖeɖe ko la, wɔwui kae miewɔ?. Đe nudzɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa:?
Ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele wu ame bubuwo? Đe Trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa?
Eya ta mizu blibo abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe ene.

6

”Mikpɔ nyuie be miagawɔ miaƒe ‘dzɔdzɔenyenyedɔwo’ le amewo ŋkume be woakpɔ o. Ne miewɔe nenema la, miaxɔ fetu aɖeke tso mia Fofo si le dziƒo la gbɔ o.
”Eya ta ne miena nu ame dahe aɖe la, migaɖe gbeƒãe kple kpẽ abe ale si alakpatɔwo wɔnae le woƒe ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo dzi be amewo nakafu yewo ene o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, woxɔ woƒe fetu la katã xoxo.
Ke ne miena nu ame dahe aɖe la, migana miaƒe miabɔ nanya nu si wɔm miaƒe ɖusibɔ le la o,
ale be miaƒe nunana nanye bebemenu. Ekema mia Fofo si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la natu fe na mi
”Ne miele gbe dom ɖa la, migawɔ abe alakpatɔwo ene o, elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo ƒe dzogoewo dzi be amewo nakpɔ yewo. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be woxɔ woƒe fetu la katã xoxo.
Ne èbe yeado gbe ɖa la, yi ɖe wò xɔme nãtu ʋɔa eye nãdo gbe ɖa na Fofowò, ame si womekpɔna o ekema Fofowò, ame si kpɔa nu si wowɔna le bebeme la, atu fe na wò.
Ne miele gbe dom ɖa la migagblɔ nyawo taŋtaŋ abe Trɔ̃subɔlawo ene o; elabena wobuna be yewoaxɔ yewo ƒe ŋuɖoɖo le nya geɖewo gbɔgblɔ ta.
Miganɔ abe woawo ene o, elabena mia Fofo nya nu siwo hiãa mi gɔ̃ hafi miebianɛ.
”Ale miado gbe ɖae nye si, ‘Mía Fofo, si le dziƒo, woade bubu wò ŋkɔ ŋuti,
wò fiaɖuƒe neva, woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe ale si wowɔnɛ le dziƒo ene.
Na nuɖuɖu si míaɖu egbe la mi.
Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí abe ale si míawo hã míetsɔnɛ ke na ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene.
Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke boŋ ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la sime.’
Elabena ne mietsɔ vo siwo amewo da ɖe mia ŋuti ke wo la, ekema mia Fofo si le dziƒo hã, atsɔ ake miawo hã.
Ke ne mietsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo o la mia Fofo hã matsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi o.
Ne mietsi nu dɔ la, migayɔ mo lilili abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene o. Ame siawo yɔa mo lilili, be amewo nakpɔ be yewole nutsitsidɔ me. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ame siawo xɔ woƒe fetu blibo la xoxo.
Ke ne miawo mietsi nu dɔ la, midzra mia ɖokui ɖo nyuie abe ɖe miele naneke wɔm o ene,
ale be ame aɖeke naganya be mietsi nu dɔ o, negbe mia Fofo si womekpɔna o gake eya kpɔa nu sia nu si wowɔ le bebeme la eye axe fe na mi
”Migadzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe anyigba dzi afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle gblẽa nu le eye fiafitɔwo gbaa ʋɔ hefia nu le la o.
Ke boŋ midzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo afi si agbagblaʋui kple ɣebialéle megblẽa nu le eye fiafitɔwo megbaa ʋɔ hefia nu lena o.
”Elabena afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma kee miaƒe dzi hã anɔ
Ŋkue nye akaɖi na ame blibo la, eya ta ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ame blibo la ãyɔ fũu kple kekeli.
Ke ne wò ŋku dzi mekɔ o la, wò ame blibo la, ãyɔ fũu kple viviti ekema ne kekeli si le mewò trɔ zu viviti la, ale ke gbegbe viviti la asẽ ŋui!
”Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; alé fu ɖeka eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu vevie eye wòagbe nu le evelia gbɔ. Mãte ŋu asubɔ Mawu kple Ga siaa o
”Eya ta mele egblɔm na mi bena, migatsi dzimaɖeɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Đe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nutata oa?
Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu alo ŋea nu alo ƒoa nu nu ƒu ɖe avawo me o. Ke mia Fofo si le dziƒo la naa nuɖuɖu wo. Đe mi amegbetɔwo miexɔ asi sãa wu dziƒoxeviwo oa?
Mia dometɔ kae ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu?
”Ekema nu ka ŋutie mietsia dzi ɖe nutata ŋu? Mikpɔ ale si dzogbenyawo le gbedzi tsinae ɖa. Womewɔa dɔ alo trea ɖeti o.
Ke mele egblɔm na mi be Salomo le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo me gɔ̃ hã mede wo dometɔ aɖeke nu le atsyɔ̃ɖoɖo me o.
Ke nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mata nu na mi sãa wu gbe siawo oa, O mi xɔse ʋee tɔwo?
Eya ta migatsi dzi anɔ biabiam be, ‘Nu ka míaɖu?’ alo ‘Nu ka miano?’ alo, ‘Nu kae míata o?’
Elabena Trɔ̃subɔlawo tia nenem nu siawo katã yome, ke mia Fofo si le dziƒo nyae be nenem nu siawo hiãa mi.
Ke midi eƒe fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã eye woatsɔ nu siawo katã hã akpe ɖe eŋuti na mi.
Eya ta migatsi dzi ɖe etsɔ si gbɔna la ŋu o elabena etsɔ si gbɔna la atsi dzi ɖe eɖokui ŋu; elabena kuxi sɔ gbɔ le ŋkeke sia ŋkeke me xoxo.”

7

”Mègadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu wò hã.
Elabena ale si nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubuwoe la, nenema tututue woadrɔ̃ ʋɔnu wò hãe eye dzidzenu si ŋudɔ nèwɔ la, dzidzenu ma ke ŋudɔe woawɔ atsɔ adzidze nui na wò hã.
”Nu ka tae nèkpɔa ati fefe si ge ɖe nɔviwò ƒe ŋku dzi gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi la ya o?
Ale ke wɔ nãgblɔ na nɔviwò be, ‘Na maɖe ati fefe le wò ŋku dzi,’ le esime atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi?
Wò, alakpanuwɔla, ɖe atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã ekema ãkpɔ nu nyuie ale be nãte ŋu aɖe ati fefe si le nɔviwò ƒe ŋku dzi.
”Migatsɔ miaƒe nu kɔkɔewo na avuwo o eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo ƒu gbe na hawo o. Ne menye nenema o la, woanya aʋuzi le wo dzi, atrɔ ɖe mia ŋu eye woavuvu mi. ”
Mibia nu eye woana mi; midi nu eye miakpɔe; miƒo ʋɔa eye woaʋui na mi.
Elabena ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi.
”Mia dometɔ kae li nenye be viaŋutsu bia aboloe la, wòatsɔ kpe anɛ?
Alo nenye be ebia tɔmelãe la wòatsɔ da anɛ?
Ke nenye be mi ame vɔ̃ɖiwo mienya ale si miana nu nyui mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la, mana nu nyuiwo ame siwo bianɛ geɖe wu oa?
Le nu sia nu me la, nu siwo ke miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na ame bubuwo hã elabena esiae nye Se la kple nyagblɔɖilawo ƒe nufiafia ƒe taƒonya
”Mige ɖe eme to agbo xaxɛ la me. Elabena agbo la keke, mɔ la hã le gbadza esi kplɔa ame yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me eye ame geɖewoe le eme tom le gegem ɖe eme.
Ke agbo si le xaxɛ, mɔ la hã le bie la, kplɔa amewo yina ɖe agbe me eye ame ʋe aɖewo koe kpɔa mɔ sia.”
”Mikpɔ nyuie le aʋatso nyagblɔɖilawo ŋuti. Wovaa mia gbɔ abe alẽwo ene, ke le ememe la, wonye amegãxi nyanyrawo.
Woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe. Đe woate ŋu agbe waintsetse le aŋɔka dzi alo gbotsetse le ŋuti dzia?
Nenema ke ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, ke ati manyomanyo tsea ku gbegblẽ.
Ati nyui mate ŋu atse ku gbegblẽ o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o.
Ati sia ati si metsea ku nyui o la, wolãnɛ dea dzo me.
Eya ta woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe.
” Menye ame sia ame si le yɔyem be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’ la ayi dziƒofiaɖuƒe la me o negbe ame siwo le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.
Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe menye wò ŋkɔ mee míegblɔ nya ɖi le, míenya gbɔgbɔ ʋɔ̃wo do goe le, eye míewɔ nukunu geɖewo le oa?’
Ekema maɖo eŋu na wo be, ‘Nyemenya mi o, mite ɖa le gbɔnye, mi nu vɔ̃ɖi wɔlawo!’”
”Ame siwo katã sea nye nyawo eye wowɔna ɖe wo dzi la le abe ame si nya nu, tu eƒe xɔ ɖe agakpe sesẽ dzi ene.
Togbɔ be tsi dza sesĩe, tɔwo ɖɔ eye ahom tu hã la, xɔa meʋã o, elabena woɖo egɔme anyi ɖe agakpe sesẽ dzi.
Gake ame siwo sea nye nyawo ke wometsɔa ɖeke le wo me o la sɔ kple ŋutsu movitɔ si tu eƒe xɔ ɖe ke me.
Azɔ esi tsi dza, tɔwo ɖɔ, eye ahom tu, lɔ xɔ sia ɖe eme ko la, emu dze anyi gbloo”.
Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, ameha la ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta,
elabena efia nu wo abe ame si si tɔnyenye le ene ke menye abe woƒe sefialawo ene o.

8

Esi Yesu ɖi tso togbɛa dzi gbɔna la, ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo.
Kasia anyidzela aɖe zɔ tẽ va dze klo ɖe ekɔme, eye wòde ta agu nɛ heɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, yɔ dɔm ne ŋutinye nakɔ.”
Enumake Yesu ka asi ŋutsua ŋu gblɔnɛ bena, “Ẽ, melɔ̃. Ŋutiwò nekɔ.” Ale anyidɔ la bu le eŋuti enumake.
Yesu yi dzi gblɔ nɛ bena, “Mègatɔ be yeaƒo nu na ame aɖeke o, ke boŋ dze mɔ enumake nãyi Osɔfowo gbɔ be woado wò akpɔ, eye ne èyina la tsɔ nunana si Mose ƒe se bia tso anyidɔléla siwo ƒe ŋuti kɔ si la ɖe asi. Esia afia amewo katã be èkpɔ dɔyɔyɔ vavã.”
Esi Yesu va ɖo Kapernaum la, Roma srafowo ƒe amegã aɖe va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be wòakpe ɖe ye ŋu.
Egblɔ be, “Aƒetɔ, nye dɔla le lãmetutudɔ lém, emlɔ anyi ɖe aƒeme eye wòle vevesese gã aɖe me. ”
Yesu gblɔ nɛ bena, “Enyo, megbɔna be mada gbe le wò dɔnɔ la ŋu na wò.”
Ke aʋafia la ya gblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ, nyemedze be nãva nye aƒeme o, eye mehiã be nãva hã o. Boŋ la, gblɔ nya ɖeka ko eye nye dɔla la ƒe lãme asẽ.
Elabena nye hã mele kpɔkplɔ te eye asrafowo le nye hã tenye. Mete ŋu gblɔna na ame sia be, ‘Heyi’, eye wòyina, alo mete ŋu gblɔna na ame kemɛ be, ‘Va,’ eye wòvana. Nenema ke megblɔna na nye subɔvi be, ‘Wɔ nu si kple ekemɛ’ eye wòwɔnɛ.
Yesu ƒe nu ku le aʋafia la ƒe nyawo ŋuti, azɔ etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ bena, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o.
Mele egblɔm na mi bena, ame geɖewo atso xexeame ƒe dzogoe eneawo katã dzi age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me, eye woanɔ anyi kple Abraham, Isak kpakple Yakɔb.
Ke Israelvi geɖewo, ame siwo wodzra Fiaɖuƒea ɖo ɖi na ya la, woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.”
Yesu gatrɔ ɖe Romasrafowo ƒe amegã, ŋu azɔ hegblɔ nɛ bena, “Heyi aƒe me, nu si nèxɔ se be ate ŋu ava eme la, va eme xoxo.”" Le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, dɔla la ƒe lãme sẽ.
Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va Petro ƒeme la, ekpɔ Petro lɔ̃xo wònɔ anyimlɔƒe le ŋudza sesẽ aɖe lém.
Yesu ka asi eƒe asi ŋu eye eƒe lãme sẽ enumake. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo wo kɔme.
Gbe ma gbe ƒe fiẽ la, wokplɔ ame geɖe siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ fu ɖem na la va Yesu gbɔe, eye ne wògblɔ nya ɖeka ko la gbɔgbɔ vɔ̃awo doa go le ameawo me hesina dzona. Ale dɔnɔwo katã ƒe lãme sẽ.
Esia wu nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo nu be," “Etsɔ míaƒe vevesesewo eye wòde ta míaƒe dɔlélewo te.”
Esi Yesu va kpɔe bena ame geɖewo ŋutɔ wu ganɔ ye gbɔ vam la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woadi ʋu aɖe vɛ ne yewoatsɔ atso ƒu lae ayi eƒe go evelia dzi.
Hafi wòaɖe nu le nya sia me la, Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖe va egbɔ va gblɔ nɛ bena, “Nufiala, nye la makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nãyi la.”
Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Abeiwo la do le wo si wonɔa eme, xeviwo la atɔ le wo si wonɔa eme, gake nye Mesia la, teƒe aɖeke meli maziɔ ta ɖo o.”
Ame bubu aɖe si nye eyomedzelawo dometɔ ɖeka la hã gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe mɔ nam mayi aɖaɖi fofonye hafi atrɔ va nɔ yowòme.”
Yesu ɖo eŋu na ame sia hã bena, “Dze yonyeme fifia eye nãɖe asi le ame siwo ku le gbɔgbɔ me la ŋu be woaɖi woƒe ame kukuwo.”
Azɔ ege ɖe ʋu aɖe me eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta ƒua ƒe go evelia dzi.
Kasia, ahom dziŋɔ aɖe de asi tutu me, eye ƒutsotsoewo de asi ŋeŋe me ɖe ʋua me. Le ɣeyiɣi sia katã me la, Yesu ŋutɔ ya nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ.
Nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu enumake. Woʋuʋui sesĩe eye, wogblɔ nɛ kple ɣli bena, “Aƒetɔ, ɖe mí! Míele nyɔnyrɔm!”
Yesu gblɔ na wo be, “O, mi xɔseʋetɔwo! Nu ka wɔ miele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?” Azɔ etsi tre eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la tɔ enumake eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi.
Nusrɔ̃lawo ƒe nu ku ŋutɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yaƒoƒo kple ƒu hã ɖoa toe mahã?”
Esi wova ɖi go ɖe ƒua ƒe go kemɛ dzi le Gadaratɔwo ƒe anyigba me la ame eve siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo xɔ aƒe ɖo la ƒu du va kpee. Ame eve siawo ƒe nɔƒe enye ameɖibɔ aɖe si le afi ma la me. Ne gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖo mo na wo la wowɔa nu baɖa, baɖawo ale be ame aɖeke megatea ŋu toa afi ma lɔƒo o.
Esi wokpɔ Yesu la wode asi ɣlidodo me be, “Nu ka dim wò Mawu Vi nèle le mía gbɔ. Đe nèva be yeawɔ fu mí hafi ɣeyiɣia naɖoa?”
Le ɣemaɣi me la aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le afi ma lɔƒo.
Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu gblɔ nɛ be, “Ne ènya mí do goe le ame siawo me la na míayi aɖage ɖe ha mawo me.”
Yesu gblɔ na wo bena, “Meɖe mɔ na mi, eya ta mido le ameawo me kaba!” Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le ame eveawo me yi ɖage ɖe hawo me, enumake hawo katã woƒu du sesĩe yi ɖage ɖe atsiaƒu si le afi ma la me doo eye wono tsi ku.
Hakplɔlawo ŋutɔ lé du tsɔ sesĩe yi du si te ɖe afi ma ŋu la me eye wogblɔ nu si dzɔ la na dua me tɔwo.
Ale le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe la, dua me tɔwo katã do bibibi va ƒo zi ɖe Yesu ŋu. Esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ vevie be wòadzo le yewo ƒe anyigba me.

9

Yesu gatrɔ ge ɖe ʋua me eye wòtso ƒua va Kapernaum, si nye wo de du me.
Eɖo afi ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo kɔ ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba dzi vɛ o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ eya ta egblɔ na dɔnɔa be, “Vinye, wò dzi nedze eme elabena wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”
Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo siwo nɔ afi ma se nya siwo do le Yesu nu la gblɔ na wo nɔewo be, “Nu ka! Ame sia gblɔ busunya.”
Yesu nya nu si nɔ woƒe susu me eya ta wòbia wo be, “Nu ka tae miele nu baɖa siawo ƒomevi susum ɖo?
Mibu eŋuti kpɔ be kae le bɔbɔe wu, be woagblɔ na ame sia be,“Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò,” alo woagblɔ nɛ be, “Tsi tre nãzɔ azɔli?”
Ke azɔ mafia mi bena ŋusẽ le nye Mesia la si le anyigba sia dzi be matsɔ nu vɔ̃wo ake eye mada gbe le ame sia ŋu atsɔ aɖe ŋusẽ sia fia mi.” Esi wògblɔ nya sia vɔ la etrɔ ɖe dɔnɔ la gbɔ gblɔ nɛ bena, “Tsi tre nãŋlɔ wò aba ne nãzɔ ayi aƒeme!”"
Amea tsi tre enumake eye wòfɔ eƒe nuwo heyi aƒe me.
Nyateƒe, vɔvɔ̃ gã aɖe dze ameha bliboa dzi elabena Yesu wɔ nukunu sia le woawo ŋutɔ ŋkume wokpɔ eye wokafu Mawu be wòna ŋusẽ triakɔ sia tɔgbi amegbetɔ!
Esi Yesu nɔ tsa ɖim le dua me la, eva ke ɖe dugadzɔla aɖe si woyɔna be Mateo la ŋu wònɔ afi si wodzɔa duga lena. Yesu yɔe gblɔ nɛ bena," “Va dze yonyeme ne nãzu nye nusrɔ̃la.”"Mateo tso enumake eye wòdze Yesu yome.
Gbe ma gbe fiẽ la, Mateo kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le ye gbɔ. Dugadzɔlawo kple ame baɖa bubuwo hã nɔ amekpekpeawo dome.
Farisitɔwo kpɔ esia ale wobia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo bena," “Nu ka ta miaƒe nufiala dea ha kple ame tovowo abe esiawo ene?”
Yesu se nya la eye wòɖo eŋu na wo gblɔ be, “Ame siwo mele dɔ lém o la mehiã atikewɔla o, ke boŋ ame siwo le dɔ lém lae hiãe.”
Ke miyi miasrɔ̃ nu si gblɔm mawunya sia le, ‘Nublanuikpɔkpɔe medi ke menye vɔsa o. Nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo.”
Gbe ɖeka la, Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae bena, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna abe ale si mí kple Farisitɔwo míewɔna ene o?”
Yesu hã bia wo bena, “Đe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam, atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? Ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo gbɔ. Eye le ɣemaɣi me la woagbe nuɖuɖu ãtsi nu adɔ.
”Womate ŋu atsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o, ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒea eye teƒe si vuvu la akeke ɖe edzi wu.
Nenema ke womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o. Ne wowɔ esia la, aha yeyea ƒe ŋusẽ awɔe be lãgbalẽgolo la awo eye ahaa kple goe la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye ko me woate ŋu akɔ aha yeye ɖo. Ekema aha la kple lãgbalẽgolo la katã woanɔ dedie.”
Le esime Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe ƒe amegã aɖe va egbɔ va dze klo ɖe eŋkume hede ta agu nɛ. Egblɔ na Yesu bena, “Vinye nyɔnuvi ku fifi laa gake mexɔe se be ãte ŋu ana wòagagbɔ agbe nenye be èva ka asi eŋu ko.”
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta amegã la ƒeme enumake.
Esime wonɔ mɔa dzi la, nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la va ka asi eƒe awu to,
elabena egblɔ le eɖokui me bena, “Nenye be meka asi eƒe awu to teti ko la nye lãme asẽ.”
Yesu trɔ ɖe eŋu gblɔ nɛ bena, “Vinyɔnuvi wò dzi nedze eme! Wò xɔse la da gbe le ŋuwò.” Tso gbe ma gbe ko la nyɔnua ƒe dɔa vɔ nɛ keŋ.
Esi Yesu va ɖo amegã la ƒeme la, ekpɔ be amewo nɔ avi fam hoo eye wonɔ kuteƒehawo hã dzim.
Yesu gblɔ bena, “Mina ame siawo katã nado go le xɔa me, elabena ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.”"Ame siwo se nya sia la, ɖu fewu le eŋu eye ɖewo hã koe.
Wonya ameha la do goe mlɔeba. Yesu yi afi si wotsɔ ɖevia mlɔe eye wòlé eƒe alɔnu. Nyɔnuvia nyɔ enumake, eti kpo ɖi le aba la dzi eye eƒe lãme sẽ.
Nukunu sia kaka ɖe nutome blibo la katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe.
Le esime Yesu do go le aƒea me yina la, ŋkuagbãtɔ eve kplɔe ɖo henɔ ɣli dom bena," “O, Fia David Vi la, kpɔ nublanui na mí.”
Wokplɔe ɖo yi aƒe si me wòge ɖo, tete Yesu trɔ ɖe wo ŋu bia wo bena, “Miexɔe se be mate ŋu aʋu ŋku na mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, Aƒetɔ”
Ale Yesu tɔ asi woƒe ŋkuwo hegblɔ bena, “Ava eme na mi abe alesi miexɔe se ene.”
Enumake woƒe ŋkuwo ʋu eye wode asi nukpɔkpɔ me nyuie. Yesu de se na wo vevie bena womegagblɔ nu si yewɔ na wo la na ame aɖeke o."
Ke ameawo mewɔ ɖe Yesu ƒe didi dzi o ke boŋ esi wodo ɖe ablɔ dzi ko la, wokaka nu si wòwɔ na wo la eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du bliboa me.
Esi Yesu nɔ dzodzom le afi ma la, wokplɔ ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ eye metea ŋu ƒoa nu o la, vɛ nɛ.
Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe le amea me eye wòde asi nuƒoƒo me enumake. Nu sia wɔ nuku na ameha la ŋutɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, womekpɔ esia tɔgbi kpɔ le Israel o.
Ke Farisitɔwo ya gblɔ bena," “Nu si ta wòte ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃woe nye be, Satana si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la le eya ŋutɔ me.”
Yesu tsa le kɔƒe kple du siwo le nuto ma me la me kpe ɖo, enɔ mawunya gblɔm le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo eye wònɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe la ƒe nyanyui la hã. Eye afi sia afi si wòyi la, eda gbe le dɔ vovovo lélawo ŋu.
Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ elabena nu geɖewo nɔ fu ɖem na wo ke womenya nu si woawɔ o. Đe ko wonɔ abe alẽha si kplɔla meli na o la ene.
Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Agblemenukuawo sɔ gbɔ ŋutɔ gake dɔwɔlawo mesɔ gbɔ kura o!
Eya ta mibia agbletɔa be wòadɔ dɔwɔla geɖewo ɖa be woawɔ dɔ le eƒe agblewo me.”

10

Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui eye wòna ŋusẽ wo bena woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me eye woada dɔ sia dɔ ƒomevi.
Eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye: Simɔn, ame si woyɔna hã be Petro, Andrea, Petro nɔvi, Yakobo kple nɔvia Yohanes, ame siwo nye Zebedeo viwo,
Filipo, Bartolomeo, Toma, Mateo, nudzɔla, Yakobo, Alfeo vi, Tadeo,
Simɔn, ame si nye Zelote dunyaheha sesẽ aɖe me nɔla, kple Yuda Iskariɔt, ame si va dee asi.
Yesu dɔ wo kple gbedeasi sia bena, “Migayi Trɔ̃subɔlawo kple Samariatɔwo gbɔ o,
ke boŋ miyi Israelvi siwo nye Mawu ƒe alẽ bubuwo ko gbɔ.
Miyi miagblɔ na wo be, dziƒofiaɖuƒe la va ɖo vɔ.
Mida gbe le dɔnɔwo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo, mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. Mina nu amewo faa abe ale si wona mi ene!
” Migatsɔ ga aɖeke ɖe asi le miaƒe mɔzɔzɔ me o,
migatsɔ mɔzɔkotoku kple awu bubuwo hã ɖe asi o, eye migatsɔ afɔkpa alo atizɔti teti hã o, elabena ame siwo ŋu miakpe ɖo la woawo hã akpɔ mia dzi.
Nenye be miege ɖe du alo kɔƒe aɖe me la, midi mawuvɔ̃la aɖe mianɔ eƒe aƒeme va se ɖe esime miadzo ayi du bubu me.
Nenye be miege ɖe aƒe aɖe me la, mido gbe na ameawo eye miabia dzeƒe ɖokuibɔbɔtɔe.
Nenye be aƒea me tɔwo nye mawuvɔ̃lawo vavã la, miyra wo, ke ne womele nenema o la migayra wo o.
Ne du aɖe me tɔwo alo aƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi o eye womeɖo to mi o la, miʋuʋu miaƒe afɔke ɖe teƒea ne miadzo.
Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na Sodom kple Gomoratɔwo le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu ame siawo ƒomevi”
Mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖo ɖe amegaxi nyanyrãwo dome. Midze aye abe dawo ene eye midza abe akpakpawo ene.
Mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie le amewo ŋuti! Elabena woalé mi adrɔ̃ ʋɔnu mi eye woaƒo mi le woƒe ƒuƒoƒewo.
Ẽ, le tanye la, woadrɔ̃ ʋɔnu mi le fiawo kple mɔmefiawo ŋkume. Ke esia anye mɔnukpɔkpɔ na mi bena miagblɔ nyanyui la na wo, kple xexeame katã.
” Nenye be wolé mi, kplɔ mi yi ʋɔnui la, migatsi dzi le nu si miagblɔ ŋuti o, elabena woade nya si tututu wòle be miagblɔ la susu me na mi le ɣeyiɣi ma me.
Elabena menye mia ŋutɔwoe aƒo nu o, ke boŋ mia Fofo si le dziƒo la ƒe Gbɔgbɔe le nu ƒo ge to mia dzi.
” Mele egblɔm na mi bena, nɔvi ahe nɔvi ade ku me, eye vi fofo ade ye ŋutɔ via asi. Đeviwo atsi tre ɖe woawo ŋutɔ dzilawo ŋuti eye woahe wo ade ku me.
Ame sia ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo. Ke mia dometɔ siwo anɔ tsitre sesĩe va se ɖe nuwuwua la akpɔ ɖeɖe.
” Nenye be woti mia yome le du aɖe me la misi yi du bubu me! Nye Mesia la, matrɔ agbɔ hafi miawu tsatsa le Israel duwo katã me nu.
Minyae be sukuvi menyaa nu wua eƒe nufiala o. Nenema ke subɔla mewua eƒe aƒetɔ o.
Ne nya aɖe dzɔ ɖe nufiala aɖe dzi la eƒe sukuvi la hã dzie nye ma wòdzɔ ɖo. Nenema ke ne nya aɖe dzɔ ɖe Aƒetɔ aɖe dzi la, eƒe subɔvi hã le eme. Eye esi wònye be woyɔ Nye, Aƒea dzi kpɔla be Satana ɖe, aleke woayɔ miawoe
Migavɔ̃ ame siwo ado ŋɔdzi na mi la o. Elabena ŋkeke li gbɔna esi dzi woƒe adzame ɖoɖo vɔ̃wo adze le gaglãgbe eye ame sia ame akpɔ nyateƒe la adze sii.
” Nya siwo gblɔm mele na mi le bebeme la migblɔ wo kple ɣli le gaglãgbe. Ne mede gbe to me na mi la, miɖe gbeƒãe.
” Migavɔ̃ na ame siwo ate ŋu awu miaƒe ŋutilã ke womate ŋu awu miaƒe gbɔgbɔ o la gbeɖe o! Mivɔ̃ Mawu ɖeka hɔ̃ ame si si ŋusẽ le be wòawu ŋutilã kple gbɔgbɔ la siaa le dzomavɔ me.
Nenie enye atsutsrɔe ɖeka ƒe home? Menye pesewa ɖeka pɛ ye oa? Ke wo dometɔ ɖeka pɛ hã meli si ta mia Fofo la mekpɔna o.
Miaƒe taɖa katã gɔ̃ hã ƒe xexlẽme le nyanya me na Mawu.
Eya ta migatsi dzi ɖe naneke ŋu o, miawo la miexɔ asi na Mawu tsɔ wu atsutsrɔewo.” Ame sia ame si aʋu menye le dutoƒo la, nye hã maʋu eme le Fofo la gbɔ le dziƒo.
Ke ne ame aɖe gbe nu le gbɔnye le dutoƒo la, nye hã magbe nu le egbɔ le Fofonye gbɔ le dziƒo.
” Migabu xaa bena meva be mahe ŋutifafa va anyigba dzi o. Nyemeva be mahe ŋutifafa vɛ o ke boŋ yie metsɔ vɛ,
elabena meva be mana, ŋutsu natso ɖe fofoa ŋu, vinyɔnu natso ɖe dadaa ŋu eye lɔ̃xoyɔvi natso ɖe lɔ̃xoa ŋu.
Ame ƒe futɔwo anye eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo.’
Nenye be mielɔ̃ mia dadawo kple mia fofowo tsɔ wum la ekema miedze be mianye tɔnyewo o, nenema ke ne mielɔ̃ mia vinyɔnuwo kple mia viŋutsuwo tsɔ wum la, miedze be mianye tɔnyewo o.
Ne ame aɖe gbe metsɔ eƒe atitsoga dze yonyeme o la eya hã medze anye tɔnye o.
” Nenye be ame aɖe ku ɖe eƒe agbe ŋuti vevie la, abui ke ne ame aɖe tsɔ eƒe agbe na ɖe tanye la, akpɔe le nuwuwua.
” Ne ame aɖe xɔ mi nyuie la nyee wòxɔ. Eye ne ame aɖe xɔm la exɔ Mawu si dɔm ɖa.
Nenye be miexɔ nyagblɔɖila aɖe be enye Mawu ƒe ame la, woana fetu si ƒomevi woana nyagblɔɖila la ke miawo hã, eye nenye be miexɔ ame nyui siwo vɔ̃a Mawu le wòƒe dzadzɛnyenye ta la woana fetu si woana woawo hã mi.
Ne ame aɖe ana tsi fafɛ kplu ɖeka ame gblɔe siawo dometɔ ɖeka, be enye nye nusrɔ̃la ta la, mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, eƒe fetu matsi eŋu o.”

11

Esi wòde se na nusrɔ̃la wuieveawo alea vɔ megbe la, Yesu ŋutɔ dze mɔ nɔ mawunya gblɔm le duwo me nɔ yiyim, abe ale si wòɖoe da ɖi ene.
Yohanes Mawutsidetanamela, ame si nɔ gaxɔ me le ɣeyiɣi siawo me la se nukunu gbogbo siwo katã Mesia la nɔ wɔwɔm. Le esia ta edɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe Yesu gbɔ be woabiae be,
” Wò tututue nye ame si ƒe vava míele mɔ kpɔm na loo alo ame bubu aɖe gali gbɔna?”
Wova bia nya sia Yesu eye wòɖo eŋu na wo bena, “Mitrɔ yi Yohanes gbɔ ne miagblɔ nukunu siwo katã mewɔ miekpɔ la nɛ.
Migblɔ nɛ be, meʋu ŋku na ŋkunɔwo, mena be tekunɔwo alo bafawo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti kɔ eye tokunɔwo le nu sem, nenema ke mena be ame kukuwo le agbe gbɔm, migblɔ ale si mele nyanyui la gblɔm na ame dahewoe la hã nɛ.
Migblɔ nya sia hã nɛ be, ‘Woayra ame siwo xɔa dzinye sena ɖikeke manɔmee.’”
Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo nɔ dzodzom la, Yesu dze nuƒoƒo na ameha la tso Yohanes ŋu gɔme be, “ ‘Nu ka miedo go yi gbedzi be miakpɔ? Aƒla si ya le ƒoƒoma?
Ne mele eme nenema o la, nu kae miedo go be miakpɔ? Ame si do awu nyuiwoa? Ao, ame siwo do awu nyuiwo la le fiasãwo me.
Ekema nu kae miedo go ɖakpɔ? Nyagblɔɖila aɖea? Ẽ, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã.
Elabena Yohanes enye ame si ŋu woŋlɔ ɖi le be, ‘Madɔ nye dɔla ɖe ŋgɔwò, ame si adzra wò mɔ ɖo hafi nãva.’
” Enye nyateƒe be, le amegbetɔƒomea katã dome la, ame aɖeke mede ŋgɔ wu Yohanes Mawutsidetanamela o. Ke megale egblɔm na mi kple kakaɖedzi hã be, ame suetɔ kekeake si le dziƒofiaɖuƒea me la kɔ wu eya amea!
Tso Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ŋkekewo me va se ɖe fifia la, dziƒoƒiaɖuƒe la le ŋgɔ yim ŋusẽtɔe eye ŋkumesesẽtɔwoe le eham.
Elabena se la, kple nyagblɔɖilawo katã va se ɖe Yohanes dzi gblɔẽ da ɖi,
eye ne miedi be yewoaxɔ nya siwo gblɔm mele la, ekema minyae be, Yohanes enye Eliya, ame si nyagblɔɖilawo gblɔ be ava do ŋgɔ.
Ne ame aɖe le klalo be yease nu la, nesee azɔ!
” Aleke magblɔ tso dukɔ sia ŋuti? Ame siawo le abe ɖevi siwo le fefem hele gbɔgblɔm na wo nɔewo be,
‘Míedzi dzidzɔhawo na mi gake miekpɔ dzidzɔ o, eya ta míedzi kuhawo gake miefa konyi hã o!’
Yohanes Mawutsidetanamela menoa wain teti hã o, eye wòtsia nu dɔna zi geɖe, gake miegblɔ be, gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.
Ke nye Mesia la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo! “Ke Mawu ƒe nunya tsoa afia na eɖokui to eƒe nuwɔnawo me.”
Azɔ Yesu he nya ɖe du siwo me wòwɔ eƒe nukunu geɖewo le la ŋu elabena wogbe be yewomaxɔ Mawu dzi se o.
Egblɔ le wo ŋu be, “Baba na mi, Korazin kple Betsaida! Elabena ɖe wònye Tiro kple Sidɔn siwo nye du vɔ̃ɖiwo la mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le miaƒe ablɔwo me le la, ne du mawo me tɔwo tsɔ ɖokuibɔbɔ kple vevesese dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ xoxo.
Le nyateƒe me la anɔ bɔbɔe na Sidɔn kple Tiro le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu mi!
Eye wò Kapernaum, togbɔ be wode bubu gã aɖe ŋuwò hã la, ãyi dzomavɔ la me, elabena nenye Sodom ye mewɔ nukunu klitsu siwo mewɔ le mewò le la, ne wometsrɔ̃ dua o ke boŋ anɔ anyi va se ɖe egbe.
Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na Sodom le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu wò.”
Le ɣeyiɣi sia me, Yesu do gbe ɖa bena, “O Fofonye, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, meda akpe na wò bena nèɣla nyateƒe la ɖe ame siwo bu wo ɖokuiwo nunyala gãwoe, ke nèɖe nu siawo fia ɖevi suewo.
Ẽ, Fofo meda akpe be edze ŋuwò be nãwɔe nenema!”
Egblɔ yi edzi be, “Fofonye tsɔ nu siwo katã nye nyateƒe la de asi nam. Fofo, la koe nya ame si ƒomevi Vi la nye, eye Vi la kple ame siwo Vi la ɖee fia la koe nya Fofo la.” Agbagbadzelawo kpekpe.
Mite va gbɔnye mi ame siwo ŋu ɖeɖi te eye agba le mia wum la eye nye la mana miadzudzɔ.
Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi eye miasrɔ̃ nu le gbɔnye, elabena mefa, mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzime, eye miaƒe luʋɔwo agbɔ ɖe eme.
Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe eye nye agba la le wodzoe.”

12

Gbe ɖeka la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖewo me yina afi aɖe. Gbe ma gbe nye Sabat ŋkeke. Dɔ nɔ nusrɔ̃lawo wum ɣemaɣi eya ta woŋe bli aɖewo eye woklẽ wo heɖu.
Farisitɔ aɖewo kpɔ wo eye wohe nya ɖe Yesu ŋu gblɔ bena, “Wò nusrɔ̃lawo le sea dzi dam. Elabena wole nu ŋem le Sabat ŋkeke dzi.”
Ke Yesu bia wo be, “Miexlẽ nu si Fia David kple eŋutimewo wɔ esi dɔ wu wo la oa?
Eya kple eŋutimewo yi gbedoxɔ me, eye woɖu abolo tɔxɛ si wòle be Osɔfowo ko naɖu la.
Miexlẽe le Mose ƒe segbalẽa me kpɔ be Osɔfo siwo le dɔ wɔm le gbedoxɔ me la kpɔ mɔ awɔ dɔ le Sabat ŋkekea dzi oa?
Le nyateƒe me la, ame aɖe le afi sia si de ŋgɔ boo wu gbedoxɔ sia!
Mawunya aɖe gblɔ be, ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele tso mia gbɔ ke menye miaƒe vɔsawo o.’ Ne ɖe miese mawunya sia gɔme la anye ne miahe nya ɖe ame siwo medze agɔ o la ŋu o.
Elabena Amegbetɔ Vi la, nye Aƒetɔ na Sabat ŋkekea gɔ̃ hã.”
Le esia megbe la, eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe
eye wòkpɔ ame aɖe si titi lé asi na le afi ma. Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae enumake bena, “Ele sea nu be woada gbe le ame ŋu le Sabat ŋkekea dzia?” Wonɔ mɔ kpɔm be aɖo eŋu be “E”, ale be yewoalée.
Ke Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Nenye be wò alẽ ge ɖe vudo me le Sabat ŋkeke dzi ɖe mãɖee le eme oa? Àɖee le eme godoo!
Ke ɖe amegbetɔ ƒe agbe mele vevie tsɔ wu alẽ tɔ oa? Eya ta enyo vavã be woawɔ dɔ nyui le Sabat ŋkekea dzi.”
Azɔ egblɔ na ame si titi lé asi na bena, “Dzɔ wò asi”, eye esi wòdzɔe la, eƒe asi gaɖɔ ɖo abe evelia ene.
Le nu si Yesu wɔ ta la, Farisitɔwo yɔ takpekpe kpata aɖe bena yewoawɔ ɖoɖo ɖe ale si yewoawɔ alée awu ŋuti.
Yesu nya susu vɔ̃ si ɖom Farisitɔawo nɔ eya ta edzo le ƒuƒoƒea, ke ame geɖewo kplɔe ɖo hoo eye wòda gbe le dɔnɔ siwo katã le wo dome la ŋu.
Ke exlɔ̃ nu wo vevie be womegagblɔ nukunu siwo wɔm yele la na amewo o.
Esia wu Yesaya ƒe nya si wògblɔ ɖi tso eŋuti nu bena,
“ Nye kɔ nãkpɔ nye Dɔla la ɖa, kpɔ ame sia ɖa, eyae nye nye Ametiatia la. Eyae nye nye Lɔlɔ̃tɔ, si ŋu nye luʋɔ kpɔa dzidzɔ le. Made nye Gbɔgbɔ eme eye wòadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo.
Mewɔa dzre alo doa ɣli o, eye mèle eƒe gbe se ge le ablɔwo dzi hã o!
Mewɔa fu ame gblɔewo alo tsia woƒe mɔkpɔkpɔ suetɔ gɔ̃ hã nu o. Le eƒe dziɖuɖu mlɔetɔ me la, atsi dzrehehe ɖe sia ɖe nu.
Eye eƒe ŋkɔ anye xexeame katã ƒe mɔkpɔkpɔ.”
Azɔ wokplɔ ame aɖe, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la va Yesu gbɔe eye wòda gbe le eŋu ale be wòte ŋu nɔ nu ƒom henɔ nu kpɔm nyuie hã.
Nukunu sia wɔ moya na ameha la ale gbegbe be wodo ɣli gblɔ be, “Alo ame siae nye David Vi la?”
Esi Farisitɔwo se nukunu si Yesu wɔ la wogblɔ le wo ɖokuiwo me be, “Ame sia tea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃ le amewo me to Belzebub si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la ƒe ŋusẽ me.”
Yesu nya nu si gblɔm wonɔ eya ta eɖo ŋu na wo bena, “Fiaɖuƒe si ma ɖe akpa eve eye wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la azu aƒedo. Eye du alo aƒe si ma hetsi tre ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋu la agbã.
Nenye be Satana gale Satana nyam le amewo me la, ekema eya hã tsi tre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu. Ale ke lawɔ eƒe fiaɖuƒe la anɔ te mahã?
Ne miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Satana ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ kae miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi.
Nenye be Mawu ƒe Gbɔgbɔe metsɔ le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyami la, ekema minyae be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome.
Nenye be ame aɖe di be yeagbã satana ƒe fiaɖuƒe la, ele nɛ be wòalé satana abla ɖe ka me gbã. Eye mɔ sia dzi koe wòate ŋu ato anya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me.
Misee be ame si mele dzinye o la tsi tre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la eyae kanɛ hlẽna. Nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋu
Eya ŋuti mele egblɔm na mi be woatsɔ nu vɔ̃ sia nu vɔ̃ kple busunya sia busunya ake amewo, ke busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋu ya la womatsɔe ake o.
Ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Amegbetɔvi la ŋuti la woatsɔe akee, ke ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋuti la womatsɔe akee le agbe sia kple agbe si le vava ge la me o. Wotsɔa ati ɖe sia ɖe ƒe kutsetse tsɔna dzea sii. Ati nyui la, ku nyui wòtsena eye ati manyomanyo hã tsea ku manyomanyo.
Mi, da ƒe dzidzimeviwo! Aleke mi ame vɔ̃ɖi siawo miate ŋu agblɔ nya nyui aɖe? Elabena nya sia nya si ame gblɔna la tso eƒe dzi me.
Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũ kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye sia fiana.
Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, mia dometɔ ɖe sia ɖe ana akɔnta le nya vlo ɖe sia ɖe si ado tso eƒe nu me la ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe la.
Eya ta minyae bena nya si ado tso miaƒe nume fifia lae afia afi si mianɔ le ʋɔnudrɔ̃gbe la eye eyae woatsɔ atso afia na mi loo, alo woatsɔ abu fɔ mi.’ ”
Tete Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo kple Farisitɔ aɖewo bia tso esi be, “Nufiala, míedi dzesi kple nukunu aɖe tso gbɔwò.”
Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena, “Dzidzime vɔ̃ɖi, wɔahasi le dzesi kple nukunu dim. Ke ɖeke meli wu nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la o.
Elabena ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔme ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la hã manɔ anyigba ƒe tume ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.
Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, Ninivetɔwo atsi tre ɖe dukɔ sia ŋuti eye woabu fɔ mi. Elabena esi Yona gblɔ mawunya na wo la wotrɔ dzime, ɖe asi le woƒe nu tovowo wɔwɔ ŋu hetrɔ ɖe Mawu gbɔ. Ke azɔ la, ame aɖe le mia dome si de ŋgɔ wu Yona boo gake miegbe be yewomaxɔ edzi ase o.
Fianyɔnu si tso Sheba la atsi tre ɖe dukɔ sia ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe eye wòabu fɔe, elabena exa ɖe Salomo ƒe nunya ta tso didiƒe ke va egbɔ bena yease eƒe nufiamenyawo, ke azɔ ame aɖe si kɔ wu Salomo la le mia dome.
Ne gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe do go le ame aɖe me la, eyina gbedzi afi si wòtsana le ɣeyiɣi aɖe sinu nɔa sitsoƒe dim, ke ne mekpɔ ɖeke o la,
ekema egblɔna be, ‘Matrɔ agayi aƒe si me medo le la boŋ’ Ne etrɔ va la ekpɔna be aƒea me ɖi gbɔlo, wokplɔ eme nyuie eye nu sia nu le ɖoɖo nu.
Ekema gbɔgbɔ vɔ̃ la yina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vlo wu eya ŋutɔ, eye wogena ɖe aƒea me nɔa afi ma. Esia wɔnɛ be amea ƒe nɔnɔme vɔ̃ɖina wu tsãtɔ. Alea tututue wòanɔ na dzidzime vɔ̃ɖi siae. ”
Esi Yesu ganɔ nu ƒom na ameha la, dadaa kple nɔviaŋutsuwo nɔ aƒea godo eye wonɔ didim be yewoaƒo nu kplii.
Ame aɖe gblɔe nɛ be, “Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo le egodo le didim be yewoaƒo nu kpli wò.”
Yesu bia amea be, “Ame kae nye danye eye ame kawoe nye nɔvinyeŋutsuwo?”
Azɔ edo asi ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ gblɔ bena, “Mikpɔ ame siawo ɖa! Woawoe nye danye kple nɔvinyeŋutsuwo.”
Eyi edzi be, “Ame si le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae nye danye, nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu.”

13

Gbe ma gbe Yesu do go tso aƒea me yi ɖanɔ anyi ɖe ƒua nu.
Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe eŋu ale gbegbe be ege ɖe ʋu aɖe me eye wòyi ɖe ƒua dzi vie bɔbɔ nɔ anyi ke ameha la tɔ ɖe ƒua ta.
Egblɔ nya geɖewo na wo to lododo me be, “Agbledela aɖe yi nuku wu ge.
Esi wònɔ nukua wum la, ɖewo ge ɖe mɔ to eye xeviwo va fɔ wo mi.
Đewo hã ge ɖe kpenyigba dzi afi si ke sue aɖe ko nɔ, nuku siawo tsi vlɔvlɔvlɔ,
gake esi ŋdɔ ʋu ɖe wo dzi la, woyrɔ eye woku elabena woƒe kewo mede to o.
Nuku bubuwo ge ɖe ŋu me, eye ŋu vu tsyɔ wo dzi woku.
Ke nuku aɖewo hã ge ɖe anyigba nyuitɔ la dzi, eye womie tsi hetse ku geɖewo, ɖewo tse blaetɔ̃, bubuwo tse blaade eye ɖewo hã tse alafa.
Ne tosenu li na mi la, mise nya siawo.”
Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae bena, “Nu ka ta ɣesiaɣi ko nènɔa nu fiam amewo to Lododo me ɖo?”
Eɖe eme na wo bena Mi nusrɔ̃lawo koe wona mɔnukpɔkpɔ be mianya nu si dziƒofiaɖuƒe la nye, ke womena mɔnukpɔkpɔ sia ame bubuwo o.
Ame si si nu le la, eyae woana nui ale be nu si le esi la nasɔ gbɔ ɖe dzi, ke ame si si nu mele o la, sue si le esi hã la woaxɔe le esi wòatsi asi ƒuƒlu
Nu sia tae metsɔa lododo fia a nu amewoe ɖo be, tɔgbɔ be woanɔ nua kpɔm hã la womakpɔe adze sii o, eye woanɔ esem gake womase egɔme o.
” Nya sia wu nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia nu bena, ‘Wosea nya, ke womesea egɔme o, wokpɔa nu, ke womedzea si nu si wokpɔ la o!
Elabena woƒe dziwo ku atri hedo kpeɖi, woƒe towo hã tri, eye woŋe aɖaba ƒu nu siwo wokpɔ la dzi,
elabena womekpɔa nu alo sea nu gɔme ale be woagatrɔ ɖe Mawu ŋu eye mada gbe le wo ŋu o,’ ke woyra miawo ya ƒe ŋkuwo kple towo, elabena wokpɔa nu eye wodzea sii, wosea nya eye wosea egɔme.
Mawuvɔ̃la geɖewo kple nyagblɔɖila geɖewo di vevie bena yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele eye yewoase nya siwo sem miele gake womete ŋui o.
” Lo si medo tso nukuwula ŋuti la ƒe gɔmeɖeɖee nye si!
Anyigba alo mɔto afi si nuku aɖewo ge ɖo la, nye ame aɖe ƒe dzi. Ame sia sea nyanyui la tso mawufiaɖuƒe la ŋuti gake mesea egɔme o, ale Satana vana eye woɖea nyanyui la le eƒe dzi me.
Kpenyigba lae nye ame si sea nyanyui la eye eƒe dzi xɔnɛ kple dzidzɔ,
gake dzi sia meli ke o, ale be mawunya la meƒoa ke ɖe to o, ale le ɣeyiɣi ʋee aɖe ko megbe nenye be fukpekpe kple yometiti va la, eƒe xɔse nu tsina eye wòdea megbe.
Anyigba si dzi yɔ kple ŋuve lae nye ame si sea mawunya la gake dzitsitsi ɖe xexemenuwo kple kesinɔnuwo ŋu hea eƒe susu ɖa tso mawunya la gbɔ, eya ta metsea ku aɖeke na Mawu o.
Anyigba nyui lae nye ame si ƒe dzi sea mawunya la eye wòsea egɔme, eye eya hã yina ɖakplɔa ame blaetɔ̃, blaade alo alafa ɖeka bubu gɔ̃ hã vana dziƒofiaɖuƒea mee.”
Lo bubu si Yesu gado hãe nye esi, “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ame si ƒã bli ɖe eƒe agble me ene.
ke esi wòmlɔ anyi le zã me la, eƒe futɔ va ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe bliawo dome.
Esi bliawo de asi tsitsi me la, gbeku vɔ̃awo hã tsi kpli wo.
Agblea dzi kpɔlawo va agbletɔ la gbɔ va biae be, ‘Aƒetɔ, alo menye nuku nyui nèƒã ɖe wò abɔ me oa? Afi ka gbeku vɔ̃ siawo tso?
” Agbletɔ la ɖo eŋu na wo bena, ‘Futɔ aɖe kokokoe wɔ nenem nu sia.’ “Agbledzikpɔlawo biae bena, ‘Ekema miho gbeku vɔ̃awo ƒu gbe mahã?’
” Eɖo eŋu na wo bena, ‘Gbeɖe, migawɔe o, ne miebe yewoaho gbeku vɔ̃awo la, miaho blia hã.
Eya ta mina wo katã natsi aduadu va se ɖe nuŋeɣi, ekema mana nuŋelawo naho gbekuawo atɔ dzo wo, eye woatsɔ bli la akɔ ɖe nye ava me!’”
Lo bubu si wògado na wo lae nye esi: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ʋuti ƒe ku si nye atikutsetse suetɔ kekeake si wodo ɖe anyigba tume ene.
Togbɔ be enye atiku suetɔ wu le atikuwo dome hã la, ne etsi la, eva zua ati gã si ƒoa atiwo katã ta, eye xeviwo va wɔa atɔ ɖe eme hekpɔa gbɔdzɔe.”
Yesu yi edzi kple lododo bubu be: “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi nyɔnu si le yevubolo wɔm. Ekua yevubolowɔ la ɖe sinu eye wòtsɔa nuʋãnu dea eme henyamanɛ va se ɖe esime yevubolomɔ la hona.”
Yesu wɔa lododo ŋutidɔ zi geɖe nenye be wòle nu ƒom na amewo, ne ele nu ƒom na wo la, edoa lo ɖeka teti na wo kokoko.
Elabena wogblɔ nya ɖi bena, “Maƒo nu to lododowo me eye maɖe nu ɣaɣla siwo li tso gɔmedzedzea me ke la gɔme.”
Azɔ egblẽ ameha la ɖe kpɔa godo eye wòge ɖe aƒea me. Eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena, “Đe lo si nèdo tso bligble kple gbeku vɔ̃wo ŋuti me na mi”
Egblɔ na wo bena, “Enyo, maɖe egɔme na mi. Nyee nye agbledela si ƒã bli ɖe nye agble me.
Agble lae nye xexeame, eye bli lae nye ame si le mawufiaɖuƒe la me, ke gbeku vɔ̃ɖia woe nye dzimaxesetɔwo.
Futɔ si ƒã gbeku vɔ̃wo ɖe blia me lae nye Satana, nuŋeɣi lae nye xexeame ƒe nuwuwu, eye nuŋelawoe nye mawudɔlawo.
” Le lododo sia me la, woɖe gbeku vɔ̃ɖiawo ɖe aga eye wotɔ dzo wo, nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu.
Madɔ nye dɔlawo ɖa eye woaƒo ame vɔ̃ɖiwo kple nuɖianuwo katã nu ƒu, aɖe wo ɖa le mawufiaɖuƒe la me,
woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo me eye woafia kolikoli. Afi sia avifafa kple aɖukliɖuɖu ade dzi le bobobo.
Ke ame dzɔdzɔewo aklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe Fiaɖuƒe la me. Ame si tosenu li na la nese nya siawo.”
Dziƒofiaɖuƒea le abe kesinɔnu aɖe si ŋu ame aɖe va ke ɖo le anyigba aɖe me ene. Eye le dzidzɔ si wòkpɔ le kesinɔnu sia ŋuti ta la, edzra nu sia nu si le esi bena yeakpɔ ga atsɔ a ƒle anyigba sia kple kesinɔnua katã.
” Megale egblɔm na mi be, dziƒofiaɖuƒe la ɖi dzonusitsala si le dzonu nyuiwo dim be yeaƒle adzra.
Eva kpɔ dzonu aɖe si xɔ asi ŋutɔ eya ta eyi ɖadzra nu siwo katã le esi la eye wòƒle dzonu sia.
Dziƒofiaɖuƒe la gasɔ kple tɔƒodela aɖe si da asabu ɖe tɔme, eye wòɖe lã vovovowo, ɖuɖuawo kple maɖumaɖuawo siaa.
Esi wòhe asabua va gotae la, enɔ anyi tia lã ɖuɖuawo ɖe afi ɖeka, ke esiwo womeɖuna o la, etsɔ wo ƒu gbe.
Alea tututu wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu hã, mawudɔlawo ava ma ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo gbɔ
woatsɔ ame vɔ̃ɖiwo aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu geɖe anɔ.”
Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Miese nya siawo gɔmea?” Woɖo eŋu be: “Ẽ, miese wo gɔme.”
Ale wòɖo eŋu na wo bena, “Eya ta sefiala ɖe sia ɖe si wofia nui tso dziƒofiaɖuƒe la ŋuti la, le abe aƒetɔ aɖe si ɖe eƒe kesinɔnu yeye kple xoxoa siaa do goe tso eƒe nudzraɖoƒe ene.”
Esi Yesu wu lo siawo dodo nu la, edzo le afi ma,
etrɔ yi fofoawo de, eye wòfia nu le woƒe ƒuƒoƒe, ke ewɔ nuku na wo ŋutɔ. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nunya kple nukunu gã siwo wɔm wòle tsoe mahã?
Đe menye esiae nye atikpala la ƒe viŋutsu oa? Đe menye dadaa ŋkɔe nye Maria eye nɔviaŋutsuwoe nye Yakobo, Yosef, Simɔn kple Yuda oa?
Đe nɔvianyɔnuwo katã mele mía dome oa? Ekema afi ka gɔ̃e ŋutsu sia kpɔ nu siawo katã tsoe?”
Ale wokpɔ nuɖiaɖia le eŋu. Ke Yesu gblɔ na wo be, “Wodea bubu nyagblɔɖila ŋu le afi sia afi negbe le eya ŋutɔ ƒe dume kple eya ŋutɔ ƒe aƒeme ko.”
Ale mewɔ nukunu geɖewo le afi ma o le woƒe dzimaxɔse ta.

14

Fia Herodes se Yesu ŋkɔ
ale wògblɔ na eƒe amewo bena, “Edze ƒã be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, eya tae wòte ŋu le nukunu geɖe siawo wɔm.”
Azɔ la Herodes na wolé Yohanes eye woblae de gaxɔme, le Herodia nɔvia Filipo srɔ̃ ta,
elabena Yohanes he nya ɖe Herodes ŋu be menyo be wòaxɔ nɔvia Filipo srɔ̃ aɖe o.
Herodes di be yeawu Yohanes gake enɔ vɔvɔ̃m be ʋunyaʋunya ava dzɔ elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.
Gbe ɖeka la, Herodes nɔ dzigbe ŋkeke ɖum, eye Herodia ƒe vinyɔnuvi va ɖu ɣe le amekpekpeawo ŋkume. Eƒe ɣeɖuɖu nyakpɔ na Herodes ŋutɔ,
eya ta edo ŋugbe be yeana nu sia nu si nyɔnuvi la abia ye lae.
Nyɔnuvia bia dada nu si wòabia. Dada gblɔ nɛ be nebia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta. Ale wòva do ɖe fia gbɔ gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim le agba me.”
Nya sia te ɖe Fia la dzi ŋutɔ, gake le atam si wòka ta la, medi be yeaɖu ŋukpe le eƒe amekpekpeawo ŋkume o, ale wòɖe gbe be woatso ta le Yohanes nu atsɔ vɛ.
Ale woyi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ me,
tsɔ de agba me tsɔ vɛ na nyɔnuvia eye wòtsɔe yi na dadaa.
Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nya la eye woyi ɖaxɔ eƒe kukua heyi ɖaɖi. Emegbe woyi ɖaka nya la ta na Yesu
Esi Yesu se nya sia la eya ɖeka ge ɖe ʋu aɖe me dzo le afi ma eye wòyi ɖaɣla eɖokui ɖe teƒe tsoabo aɖe. Ke ameawo kpɔ afi si wòɖo tae, eya ta wo dometɔ geɖewo tso kɔƒe vovovowo me to afɔ ti eyome.
Ale esi wòtrɔ va ƒua ta la ekpɔ be ame gbogbo aɖewo nɔ ye lalam. Woƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ eya ta wòda gbe le dɔnɔ siwo le wo dome la ŋu.
Esi zã nɔ dodom la eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ va gblɔ nɛ bena, “Afi sia la gbedzie, naneke meli ame naɖu o, evɔ la, fiẽ nuɖuɣi va yi xoxo, eya ta ɖe asi le ameha la ŋu ne woayi kɔƒe siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖaƒle nuɖuɖu.”
Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Mehiã bena woayi aɖaƒle nuɖuɖu o, miawo midi nuɖuɖu na wo woaɖu!”
Nusrɔ̃lawo do ɣli gblɔ bena, “Nuka, abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve pɛ koe le mía si le afi sia!”
Yesu gblɔ na wo bena, “Mitsɔ wo vɛ.”
Azɔ ebia tso ameha la si be woabɔbɔ nɔ anyi ɖe gbea dzi. Ale wòtsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea, eye wòwu mo dzi hedo gbe ɖa ɖe edzi, emegbe eŋe wo me tsɔ na nusrɔ̃lawo bena woama na ameawo.
Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie. Eye esi woƒo nuɖuɖu wuwlui mamlɛawo nu ƒu la woyɔ kusi wuieve sɔŋ.
Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme nɔ ŋutsu akpe atɔ̃, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.
Le esia megbe la Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo bena woage ɖe ʋua me atso ƒua, ke ye la yeanɔ anyi ado mɔ ameha la woayi aƒeme.
Esi wòdo mɔ ameawo wodzo vɔ la, eya ɖeka yi togbɛawo dzi be yeado gbe ɖa. Enɔ afi ma hafi zã do,
ke afi si tɔdziʋu la ɖo la didi tso gota gbɔ eye ƒutsotsoewo nɔ enyamam elabena ya nɔ ƒoƒom henɔ ʋu la kpem.
Anɔ abe fɔŋli ga ene me lɔƒo ene la, Yesu zɔ ƒua dzi yina wo gbɔ.
Esi nusrɔ̃lawo kpɔe wònɔ ƒua dzi zɔm la, ŋɔ dzi wo, tete wodo ɣli kple vɔvɔ̃ be, “Ŋɔlie.”
Yesu ƒo nu na wo enumake eye wòde dzi ƒo na wo gblɔ bena, “Nyee, migavɔ̃ o miaƒe dzi nedze eme.”
Petro gblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ, nenye wòe tututu la, na nye hã mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.”
Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, zɔ va.” Ale Petro ɖi ɖe tsia me le ʋua xa eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ.
Ke esi wònye kɔ kpɔ ale si ƒutsotsoeawo nɔ nyanyrãm la, vɔvɔ̃ ɖoe eye wòde asi to yiyi me. Ale wòdo ɣli sesĩe be, “Aƒetɔ, ɖem!”
Yesu do asi ɖa enumake eye wòhee ɖe go. Azɔ egblɔ nɛ bena, “O, wò xɔseʋeetɔ, nu ka tae nèke ɖi mahã?”
Esi ame eveawo ge ɖe ʋua me ko la, yaa tɔ te zi ɖeka.
Nusrɔ̃la mamlɛawo ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa, ale wogblɔ nɛ bena, “Mawu Vie nènye vavã!”
Azɔ wova ɖi go ɖe Genezaretnyigba dzi.
Woƒe vava ɖi hoo le dua katã me. Amewo nɔ tsatsam nɔ gbeƒã ɖem be amewo nakplɔ woƒe dɔnɔwo vɛ wòada gbe le wo ŋu.
Dɔnɔ aɖewo va ɖe kuku na Yesu be yewoaka asi eƒe awu to ko, eye ame siwo katã ka asi eƒe awu to la kpɔ dɔyɔyɔ.

15

Farisitɔ aɖewo kple agbalẽfialawo hã tso Yerusalem va bena yewoalé nya aɖewo kpɔ kple Yesu.
Wobiae bena, “Nu ka tae wò nusrɔ̃lawo mewɔna ɖe mí Yudatɔwo ƒe blema kɔnuwo dzi o? Womewɔ kɔnu si míewɔna heklɔa asi le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu hafi ɖua nu o.”
Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Miawo hã nu ka tae miaƒe kɔnuwo tsi tre ɖe Mawu ƒe sewo ŋuti ɖo?
Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe se gblɔ bena, ‘Bu fofowò kple dawò, ame si tsi tre ɖe edzilawo ŋuti la ku kee wòaku.’
Ke miawo miegblɔ bena, ne ame aɖe gblɔ na fofoa alo dadaa be, ‘Nu si ke matsɔ akpe ɖe ŋutiwòe la, metsɔe wɔ adzɔgbeɖeɖe ƒe nunanae na Mawu,
megahiã be wòatsɔe “ade bubu fofoa ŋuti o.” Ale miegbe Mawu ƒe nya dzi wɔwɔ be mialé miawo ŋutɔ ƒe nuɖoanyiwo me ɖe asi.
Mi alakpanuwɔlawo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti bena,
Ame siawo le buyem kple woƒe nuyiwo, gake woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye.
Viɖe aɖeke mele woƒe subɔsubɔ ŋuti o, elabena wofiaa woawo ŋutɔ ƒe se siwo wowɔ la eye woɖe asi le Mawu ƒe sewo ŋuti.’”
Yesu yɔ ameha la eye wògblɔ na wo bena, “Miɖo to nya si gblɔ ge mala be miase egɔme nyuie.
Menye nu si nèɖuna lae wɔa wò ame makɔmakɔ o! Ke boŋ nu si nèbuna kple nu si nègblɔna lae.”
Nusrɔ̃lawo va biae be, “Ènya be nya si nègblɔ la ve dɔme na Farisitɔwo ŋutɔa? ”
Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Ati sia ati si Fofonye si le dziƒo la medo o la, woahoe kple ke.
Miɖe asi le wo ŋuti! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo kpakple eve la woayi aɖadze agame.”
Petro biae be wòaɖe nu si wòwɔnɛ be menye nu si ame ɖuna lae nana wòzua ame makɔmakɔ o la me na yewo.
Yesu biae bena, “Ke miawo hã miese nya sia gɔme oa?
Mienyae bena nu si ame ɖuna la toa eƒe dɔkaviwo me eye wòdenɛ le nugodo oa?
Nya vloe doa go tso egblɔla ƒe dzi me eye wòƒoa ɖi amea.
Elabena ame ƒe dzi mee susu vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dodo, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, fififi, aʋatsokaka kple ameŋugbegblẽ doa go tsona.
Nu siawoe ƒoa ɖi ame, ke ne mèwɔ asikɔklɔ ƒe kɔnua hafi ɖu nu o la maƒo ɖi wò o!”
Yesu dzo le nuto ma me eye wòzɔ mɔ kilometa blaenyi sɔŋ yi Tiro kple Sidɔn nutomewo me.
Kanaan nyɔnu aɖe si le afi ma va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie bena, “O, Aƒetɔ, Fia David Vi, kpɔ nye nublanui! Gbɔgbɔ vɔ̃ ge ɖe vinye nyɔnuvi me eye wòwɔa fui ɣesiaɣi.”
Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o, mekpe kpe dee hã o. Eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoe ɖe enu kura be nenyae wòadzo. Wogblɔ bena, “Gblɔ nɛ be nedzo, elabena eƒe ɣlidodo le tome vem na mí.”
Yesu gblɔ na nyɔnua be, “Đe wodɔm be mava ɖe Yudatɔwo ɖeɖe ko.”
Ke nyɔnua te ɖe eŋu kpokploe hede ta agu nɛ gaɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, ve nunye ko!”
Yesu gblɔ nɛ be, “Menyo be maxɔ nuɖuɖu le ɖeviwo si atsɔ na avuwo o.”
Nyɔnua ɖo eŋu be, “Ẽ, Aƒetɔ, ele eme nenema, gake avuvi siwo le kplɔ̃ te la ɖua abolo wuwlui siwo gena ɖe anyigba tso woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi.”
Yesu gblɔ nɛ bena, “Nyɔnu, wò xɔse lolo ŋutɔ! Nu si dim nèle la neva eme na wò”"eye enumake eƒe vinyɔnuvi la ƒe lãme sẽ.
Yesu trɔ yi Galilea ƒua nu azɔ eye wòyi ɖanɔ togbɛ aɖe si le afi ma lɔƒo la dzi.
Ameha gã aɖe nye zi va ƒo ɖe edzi le afi sia. Wokplɔ dɔnɔ siwo nye lãmetututɔwo, ŋkunɔwo, aɖetututɔwo, nuwɔametɔwo kple dɔ bubu ƒomevi geɖe lélawo vɛ nɛ eye wòyɔ dɔ wo katã.
Enye nu wɔnuku blibo! Aɖetututɔwo nɔ nu ƒom kple dzidzɔ, ame siwo ƒe abɔ kple atawo menyo o gaɖo nɔnɔme nyui me, tekunɔwo alo bafawo nɔ kpo tim nɔ yiyim, eye ŋkuagbãtɔwo nɔ nu kpɔm nyuie! Nyateƒe ameha gã la ƒe nu ku eye wokafu Israel ƒe Mawu la.
Azɔ Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo bena," “Ame gbogbo siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ. Ŋkeke etɔ̃e nye esia wole yonyeme eye nuɖuɖu hã vɔ le wo si. Nyemedi be maɖo wo ɖe aƒeme dɔmeɣee o, elabena ŋuzi atsɔ wo le mɔ dzi.”
Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi kae míakpɔ nuɖuɖu le, le dzogbe afi sia ana ame gbogbo siawo?”
Yesu gabia wo bena, “Abolo nenie susɔ ɖe mia si?” Woɖo eŋu be, “Abolo adrẽ kple lã vi aɖe koe susɔ.”
Yesu gblɔ na ameha la be woanɔ anyi ɖe anyigba,
etsɔ abolo adrẽa kple tɔmelãwo eye wòda akpe na Mawu ɖe wo ta, emegbe la, eŋe wo me kakɛkakɛ, hetsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo.
Wo katã woɖu nu ɖi ƒo, eye nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kakɛ siwo susɔ la ɖe kusi adrẽ me, woyɔ fũ.
Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme le ŋutsu akpe ene, nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o.
Azɔ edo mɔ ameha la, eye wòɖo ʋu la tso ƒua heyi Magadan nutomewo me.

16

Gbe ɖeka la, Farisitɔwo kple Zadukitɔwo va bena yewoado Yesu kpɔ; wobia tso esi be wòana dzesi yewo tso dziƒo.
Yesu gblɔ na wo be, “Miawo la nenye be fiẽ ɖo la miegblɔna be, ‘Yame akɔ elabena yame biã’,
eye le ŋdi miegblɔna be, ‘Egbe ahom atu elabena akpɔ̃ ɖo eye yame biã.’ Mienyaa ale si miaɖe dziƒo ƒe nɔnɔme gɔme, gake mietea ŋu dzea si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o.
Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi sia le nukunu ƒe dzesi dim, ke womawɔ ɖeke na wo o negbe Yona ƒe dzesi la ko.”" Ale Yesu gblẽ wo ɖi eye wòdzo.
Wogatso ƒua yi ɖe go kemɛ dzi, ke nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi le afi sia be yewomeƒle nuɖuɖu ɖe asi o.
Yesu xlɔ̃ nu wo veviẽ gblɔ bena," “Mikpɔ nyuie le Zadukitɔwo kple Farisitɔwo ƒe amɔʋãnu ŋuti.”
Nusrɔ̃lawo bu be nuɖuɖu si yewometsɔ ɖe asi o tae wògblɔ nya siawo ɖo.
Ke Yesu ya nya nu si ŋuti bum wole ale wògblɔ na wo bena, “O! Mi xɔse ʋeetɔwo! Nu ka ta miele nu xam be yewometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o?
Nu ka wɔ miate ŋu ase nu gɔme o? Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ kple abolo atɔ̃ eye esi susɔ la yɔ kusiwo oa?
Esi menyi ame akpe ene ɖe, mieɖo ŋku edzi be abolo gbogbo aɖe gasusɔ oa?
Aleke wɔ miedze sii kpɔ bena menye nuɖuɖu ŋutie mele nu ƒom le o? Megale egblɔm na mi be, “Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔʋanu ŋuti.”"
Ke azɔ la wose nu si wòwɔnɛ be amɔʋãnu la gɔme, eyae nye alakpanu siwo Farisitɔwo kple Zadukitɔwo nɔa fiafiam la.
Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kaisarea Filipi la, ebia eƒe nusrɔ̃lawo bena," “Ame kae amewo le gbɔgblɔm be menye?”
Woɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo gblɔ be Yohanes Mawutsidetanamela nènye. Đewo be Eliyae nènye bubuwo hã be Yeremia alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye.”
Azɔ ebia nusrɔ̃lawo be, “Ke miawo ya ɖe, ame kae miebu be menye?”
Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo, Mesia la, kple Mawu gbagbe la ƒe Vi.”
Yesu gblɔ nɛ bena, “Mawu neyra wò, Simɔn Yona vi. Elabena Fofonye si le dziƒo la ŋutɔe ɖe nu sia fia wò, ke menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o.
Nye hã mele egblɔm na wò bena, Wòe nye Petro si gɔmee nye kpe eye nenem kpe gbadza sia dzie maɖo nye hame la anyi ɖo, eye tsiẽƒe ƒe ŋusẽwo gɔ̃ hã mate ŋu aɖu edzi o.
Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo na wò, ale be ʋɔ siwo nãtu le anyigba dzi afii la woanɔ tutu le dziƒo, eye ʋɔ siwo nãʋu le anyigba dzi la woanɔ ʋuʋu le dziƒo.”"
Ke Yesu de se na nusrɔ̃lawo vevie bena womegagblɔe na ame aɖeke be yee nye Mesia la o.
Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple nu siwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo bena, le Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo awɔ fu ye eye woawu ye gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, yeafɔ ɖe tsitre.
Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, Petro ɖe kpɔe, eye wògblɔ nɛ bena," “Mawu neɖe agba sia ɖa le dziwò, nu siawo madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o!”
Yesu trɔ ɖe Petro ŋuti gblɔ nɛ bena, “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Èle mɔ vɔ̃ɖi aɖe trem nam. Èle nya sia gblɔm tso amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu, ke menye le ale si Mawu ɖoe la nu o.”
Le esia megbe la Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo bena, “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme vavã la, ekema negbe nu le eɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe atitsoga adze yonyeme.
Elabena ame si lɔ̃a eƒe agbe eye wòtia eƒe agbe yome le ŋutilã me la, abui; ke ame si ɖe asi le eƒe agbe ŋu faa ɖe tanye la, akpɔ agbe mavɔ.
Viɖe kae wòanye na mi nenye be xexeame katã zu mia tɔ gake agbe mavɔ la bu ɖe mi? Nu kae le xexe sia me si agasɔ kple agbe mavɔ?
Nye Amegbetɔ Vi la mava kple nye dɔlawo le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe me eye madrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe eƒe nuwɔnawo nu.
Eye mia dometɔ aɖewo siwo le tsitre ɖe afi sia la, anɔ agbe akpɔm mava kple nye Fiaɖuƒe la.”

17

Le ŋkeke ade megbe la Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ɖe asi woyi to kɔkɔ aɖe dzi. Teƒe sia zi ɖoɖoe nyuie.
Le toa dzi la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ enumake. Eƒe mo de asi keklẽ me abe ɣe ene, eƒe awu fu tititi abe kekeli ene.
Kasia Mose kple Eliya va do ɖe egbɔ eye wonɔ dze ɖom kplii.
Petro gblɔ na Yesu bena, “Aƒetɔ, enyo ŋutɔ be míele afi sia! Ne èlɔ̃ la na míawɔ agbadɔ etɔ̃, ɖeka nanye tɔwò ɖeka nanye Mose tɔ, ɖeka nanye Eliya hã tɔ.”
Esi wònɔ nya sia gblɔm la alilikpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi eye gbe aɖe ɖi tso alilikpoa me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si dzea ŋunye. Miɖo to eya amea.”
Esi gbea nɔ ɖiɖim alea la, dzidzi ƒo nusrɔ̃la etɔ̃awo eye wotsyɔ mo anyi nɔ dzodzom nyanyanya.
Ke Yesu va wo gbɔ eye wòka asi wo ŋu gblɔ na wo bena, “Mitsi tre eye migavɔ̃ o.”
Esi wofɔ mo dzi la, Yesu ɖeka ko wokpɔ.
Le esime wonɔ ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, va se ɖe esime yeafɔ tso ame kukuwo dome hafi.
Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka tae Yudatɔwo ƒe Osɔfowo nɔa gbɔgblɔm godoo be ele be Eliya nagava hafi Mesia la nava?”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele eme nenema. Ele be Eliya nava aɖɔ nu sia nu ɖo hafi Mesia la nava.
Eye le nyateƒe me la, Eliya gatrɔ va xoxo, gake amewo mekpɔe dzesii o, eya ta ame geɖewo wɔ funyafunyae. Nenema kee Amegbetɔ Vi la hã akpe fui le woƒe asi me.”"
Nusrɔ̃lawo kpɔe dze sii be Yohanes Mawutsitanamela ŋutie Yesu nɔ nu ƒom le.
Esi wova ɖo toa te la wokpɔ ameha gã aɖe wonɔ afi ma nɔ wo lalam. Enumake ŋutsu aɖe do tso ameha la dome va dze klo ɖe Yesu kɔme gblɔ bena,"
“Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi sia, ele kpeŋɔedɔ lém, eye wòle fu kpem nublanuitɔe, ne kpeŋɔedɔa dze edzi ɣe aɖewo ɣi la, enana be wodzea dzo alo tsi me.
Mekplɔe vɛ na wò nusrɔ̃lawo gake womete ŋu da gbe le eŋu o.”
Yesu ɖo eŋu gblɔ bena, “O! mi xɔse ʋee kple dzime sesẽ tɔwo. Ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam!”
Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta eye wòdo go le ɖevia me ale be eƒe lãme se enumake.
Le esia megbe la nusrɔ̃lawo va bia Yesu dzaa bena, “Nu ka tae míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe o?”
Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Elabena xɔse ʋee aɖe koe le mia si. Ne miaƒe xɔse ɖe wòle abe bliku teti ene la anye ne miate ŋu agblɔ na to sia be, ‘Ho tso afi sia’ eye wòaho ayi teƒe bubu. Nanekewɔwɔ masesẽ na mi o.
Ke miate ŋu anya gbɔgbɔ vɔ̃ siawo ƒomevi o negbe ɖe miado gbe ɖa, atsi nu dɔ ko hafi.”
Esi wogaƒo wo ɖokuiwo nu ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo bena, “Wole Amegbetɔ Vi la de ge asi na amewo,
woawui, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la woafɔe ɖe tsitre.”"Esia na nusrɔ̃lawo yɔ fũu kple nuxaxa.
Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaun la, gbedoxɔmenudzɔlawo, ame siwo xɔa dratsima eve le ame sia ame si la va Petro gbɔ eye wobiae bena," “Miaƒe Aƒetɔ menaa gbedoxɔme adzɔga oa?”
Eɖo eŋu na wo bena, “Ẽ, enanɛ,” Ke esi Petro va ɖo aƒea me la, Yesue nye ame gbãtɔ si ƒo nu. Ebia Petro be, “Simon, ale ke nèsusu? Ame kawo sie anyigbadzifiawo xɔa adzɔga kple duga le, le dukɔmeviwo si loo, alo le ame bubuwo si?”
Petro ɖo eŋu nɛ bena, “Le ame bubuwo si.” Yesu yi edzi gblɔ nɛ bena, “Ekema mehiã be dukɔme viwo naxe adzɔga o.
Gake be míadze abe agɔdzelawo ene o la, yi taa la to ne nãda ƒu. Tsɔ lã gbãtɔ si nãɖe la, ke eƒe nume eye nãkpɔ ga home aɖe si ade na mía kple wò ƒe gadzɔdzɔ la. Tsɔe ɖaxe nye kple wò ƒe Mawuxɔ me nudzɔdzɔ lae.

18

Le ɣeyiɣi sia me la, nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me? ”
Yesu yɔ ɖevi sue aɖe va eɖokui gbɔ eye wòtsɔe ɖo nusrɔ̃lawo ŋkume.
Azɔ egblɔ na wo be, “Ne ame aɖe metsri nu vɔ̃ eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o.
Eya ta ame si bɔbɔ eɖokui abe ɖevi sue sia ene la, eyae age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.
Eye mia dometɔ si axɔ ɖevi aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ma wòxɔ.
Ke nenye be mia dometɔ aɖe ana ɖevi sue siawo dometɔ aɖe nabu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, anyo na ame ma wu ne woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ atsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me eye wòano tsi aku boŋ.
Babaa na xexeame le nu siwo naa amewo wɔa nu vɔ̃ ta! Nu siawo ava eme tsã, gake babaa na ame si dzi woato ava!
Nenye wò asi alo afɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa ne nãtsɔe aƒu gbe. Anyo na wò be nãyi dziƒo kple asi alo afɔ lãlɛ wu be asi eve kple afɔ eve nanɔ asiwò eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me.
Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le etome ƒu gbe. Anyo na wò be nãyi dziƒo kple ŋku ɖeka tsɔ wu be ŋku eve nanɔ asiwò, ke nãyi dzo mavɔ me.
” Mikpɔ nyuie bena miagado vlo ɖevi sue siawo dometɔ aɖeke o elabena woƒe mawudɔlawo le Fofonye ŋkume le dziƒo ɣesiaɣi.
Amegbetɔ Vi la va be yeaɖe ame siwo bu.
” Nenye be alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si eye ɖeka bu la ale ke wòawɔ? Đe magblẽ alẽ blaasieke-vɔ-asieke mamlɛawo ɖi ayi aɖadi ɖeka si bu le togbɛwo dzi oa?
Eye nenye be wòkpɔ alẽa ɖe, makpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe ɖe eŋu tsɔ wu blaasieke-vɔ-asieke siwo le dedie le aƒe oa?
Nenema ke menye Fofonye ƒe didi be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã nabu o.
” Nenye be nɔviwò aɖe dze agɔ le dziwò la, yi egbɔ dzaa ne nãɖe nu si wòwɔ la fiae. Nenye be ese eɖokui gɔme eye wòɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò sia ƒe agbe.
Ke nenye be wògbe meɖo to wò o la, kplɔ nɔviwò bubu ɖeka alo eve ɖe asi ne miayi egbɔ ake be ame siawo naɖu ɖasefo na wò.
Nenye be wògbe esia hã la, tsɔ nya la yi na hamea, eye ne hamea tso afia na wò gake melɔ̃ ɖe edzi o la, ekema woaɖee le hame.
Mele egblɔm na mi bena nu sia nu si miabla le anyigba dzi la, anɔ babla le dziƒo, eye nu sia nu si miatu le anyigba dzi la anɔ tutu le dziƒo.
” Mele egblɔm na mi hã be, ne mi ame eve miewɔ ɖeka le anyigba dzi bia nane Fofonye si le dziƒo la awɔe na mi.
Elabena afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, manɔ wo dome.
Azɔ Petro te ɖe eŋu eye wòbiae be, “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye ada vo ɖe ŋutinye eye matsɔe akee? Zi adrea?”
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye zi adre o, ke boŋ zi blaadrẽ teƒe adre.”
Azɔ Yesu do lo sia be, “Dziƒofiaɖuƒe la sɔ kple fia aɖe si di be yeawɔ akɔnta kple eƒe dɔlawo.
Esi wònɔ akɔnta la wɔm la, wokplɔ eƒe fenyila ɖeka vɛ, ame sia nyi fe sidi akpe akpewo le esi.
Fenyila la mate ŋu axe fea o, eya ta fia la ɖe gbe be woadzra ŋutsu sia srɔ̃, viawo kple woƒe nu sia nu atsɔ xe fe lae.
” Ke ŋutsua dze klo ɖe fia la kɔme ɖe kuku nɛ be, ‘O, Aƒetɔ, meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie, ne mava xe fea katã na wò emegbe.’
” Ŋutsua ƒe nu wɔ nublanui na fia la ale gbegbe be wòɖe asi le eŋu eye wòtsɔ fe si wònyi la hã kee.
Ke esi dɔla sia do go yina la, edo go ehavi dɔla bubu, ame si nyi sidi alafa aɖewo ko ƒe fe le esi. Eti kpo dze edzi helé awu ɖe vɛ nɛ eye wòbia tso esi be, ‘Xe fe si nènyi le asinye la nam!’
” Ŋutsu sia hã dze klo ɖe kuku nɛ be, ‘Meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie ekema maxe fe la katã na wò.’
” Gake ŋutsu vɔ̃ɖi sia gbe asiɖeɖe le fenyila la ŋuti eye wòna wolée de mɔ va se ɖe esime wòaxe fea katã nɛ.
” Ŋutsu nublanuitɔ sia ƒe xɔlɔ̃ aɖe kpɔ nu si dzɔ eye wòyi ɖaka nya la ta na fia la.
Fia la yɔ ŋutsu vɔ̃ɖi si wòtsɔ fe kee la va egbɔ eye wògblɔ nɛ bena, ‘Wò dɔla vɔ̃ɖi tagbɔsesẽtɔ! Nye ya metsɔ fe gbogbo si nènyi le asinye la ke wò esi neɖe kuku nam.
Nu ka ta wò hã mãkpɔ nublanui na amewo abe ale si nye hã mekpɔ nublanui na wò ene o?’
” Fia la do dɔmedzoe ɖe ŋutsu sia ŋu vevie eye wòna wodee gaxɔ me afi si fukpekpe le, be wòanɔ afi ma va se ɖe esime wòxe fe siwo katã wònyi la, pesewa afã hã masusɔ o.
Alea tututu Fofonye si le dziƒo la hã awɔ na mi nenye be mietsɔ nu vɔ̃wo ke mia nɔewo tso miaƒe dzime o.”

19

Esi Yesu wu eƒe nuƒo sia nu la, edzo le Galilea eye wòtso Yɔdan tɔsisi la va Yudea.
Ameha gã aɖe kplɔe ɖo eye wòda gbe le woƒe dɔnɔ geɖewo ŋu.
Farisitɔ aɖewo va egbɔ be yewoadoe kpɔ. Wobiae be, “Ele se nu be ŋutsu nagbe srɔ̃a le susu ɖe sia ɖe ta?”
Eɖo eŋu na wo be, “Đe miexlẽe kpɔ be le gɔmedzedzea me la, Wɔla la wɔ wo atsu kple asii o mahã?
eya ta ŋutsu nagblẽ fofoa kple dadaa ɖi alé ɖe srɔ̃a ŋu ɖikaa, eye wo kple eve la woazu ŋutilã ɖeka.
Le esia ta womeganye ame eve o, ke boŋ ame ɖeka. Eya ta nu si ke Mawu bla la amegbetɔ aɖeke nagama eme o.”
Tete wobia Yesu be, “Ekema nu ka ŋuti Mose de se be ŋutsu nana srɔ̃gbegbalẽ srɔ̃a eye wòagbee, mahã?”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mose ɖe mɔ na mi be miagbe mia srɔ̃wo elabena miaƒe dzime sẽ, gake menɔ alea le gɔmedzedzea me o.
Eye mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame si gbe srɔ̃a eye menye ɖe ahasiwɔwɔ ta o ke boŋ le susu bubu aɖe ta eye wòyi ɖaɖe nyɔnu bubu la, wɔ ahasi.”
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nenye be wòle alea la anyo wu be ame ŋutsu maɖe srɔ̃ o.”
Yesu gblɔ na wo bena, “Menye ame sia amee ase nya sia gɔme o. Negbe ame siwo ŋu Mawu kpe ɖo la ko.
Elabena wodzi ame aɖewo wonye ame tatawo tso dzɔdzɔme, ame bubuwo la ame aɖewoe wɔ wo wozu nenema be womaɖe srɔ̃ o. Ke ame aɖewo gbea srɔ̃ɖeɖe le dziƒofiaɖuƒe la ta. Ame si lɔ̃ la, nexɔ nye nyawo.”
Dzila aɖewo kplɔ wo vi suewo va Yesu gbɔe be wòada asi ɖe wo dzi eye wòado gbe ɖa ɖe wo ta. Ke nusrɔ̃lawo blu ɖe dzilawo ta.
Gake Yesu gblɔ bena, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye eye migaxe mɔ na wo o, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.”"
Ale wòtsɔ eƒe asiwo da ɖe wo dzi eye wòyra wo hafi dzo.
Ame aɖe hã va Yesu gbɔ kple biabia sia bena," “Aƒetɔ nyui, nu kae mawɔ bena makpɔ agbe mavɔ?”
Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èyɔm be Aƒetɔ nyui la ekema Mawue ma yɔm nèle, elabena ame ɖeka koe li esi woayɔ be ame nyui eye ame siae nye Mawu. Le wò biabia la ŋuti la mele egblɔm na wò be ate ŋu ayi dziƒo nenye be èwɔ ɖe Mawu ƒe seawo dzi.”
Ŋutsu la gabiae be, “Se kawoe?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woawoe nye, mègawu ame o, mègawɔ ahasi o, megafi fi o, mègada alakpa o,
bu fofowò kple dawò, lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene!”
Đekakpui la gblɔ nɛ bena, “Mewɔa se siawo dzi tso nye ɖevime ke, ke nu kae gasusɔ mawɔ?”
Yesu gblɔ nɛ bena, “Ne èdi be yeazu ame dzɔdzɔe blibo la, yi nãdzra nu sia nu si le asiwò la, eye nãtsɔ ga la na ame dahewo, ekema kesinɔnuwo anɔ dziƒo na wò. Ne èwɔ esia vɔ la, va nãdze yonyeme.”
Ke esi ɖekakpui la se nya sia la, edzo kple nuxaxa, elabena kesinɔnu geɖe nɔ esi.
Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, “Nyateƒe, asesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ, bena woage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.
Megale egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na kposɔ bena wòato abui ƒe vo me tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒe la me.”
Ke esi nusrɔ̃lawo se nya sia la, woƒe nu ku eye wobia be, “Ke ame ka gɔ̃ ate ŋu akpɔ ɖeɖe le xexe sia me?”
Yesu kpɔ wo dũ eye wògblɔ bena, “Esia mele bɔbɔe le amegbetɔwo gome o, ke naneke mesesẽna na Mawu ya o.”
Petro gblɔ nɛ bena, “Míawo la míegblẽ nu sia nu ɖi hedze yowòme. Fetu kae miakpɔ?”
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la, menɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi le nye fiaɖuƒe me le ŋutikɔkɔe gã me la, ekema miawo hã mianɔ fiazikpui wuieve dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe to wuieveawo.
Eye ame sia ame si gblẽ eƒe aƒe, nɔvia ŋutsuwo, nɔvia nyɔnuwo, fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo alo eƒe nunɔamesiwo ɖi hedze yonyeme la, akpɔ wo ɖe edzi teƒe alafa ɖeka eye wòanyi agbe mavɔ ƒe dome.
Ke ame geɖe siwo nye gbãtɔwo fifia la azu mlɔeawo eye amesiwo nye mlɔeawo la azu gbãtɔwo.”

20

Lo bubu aɖe si Yesu do le dziƒofiaɖuƒe ŋu lae nye esi. “Agbletɔ aɖe do go gbe ɖeka ŋdi aɖe be yeadi apaɖilawo woawɔ dɔ le yeƒe waingble me.
Eƒo asi kple apaɖilaawo eye wolɔ̃ bena wòaxe sidi wuieve na ame sia ame ŋkeke ɖeka. Ale dɔwɔlawo yi ɖadze dɔa gɔme.
” Le gaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la, ekpɔ ame aɖewo le dɔdiƒe aɖe wonɔ dɔ dim.
Ekplɔ woawo hã yi eƒe agblea me, eye wòdo ŋugbe na wo bena yeaxe ga home si dze la na wo ne ŋkekea wu nu.
Le ŋdɔ ga wuieve me la egaɖo ame bubuwo hã ɖe agblea me eye anɔ abe ga etɔ̃ me ene la egaɖo ame bubuwo hã ɖa nenema ke.
” Ke esi fiẽ ga atɔ̃ ƒo la, egayi dua me eye wògakpɔ ame aɖewo woli dɔ aɖeke mawɔe. Ebia wo bena, ‘Nu ka tae mieli alea ko dɔ aɖeke mawɔe ŋkeke bliboa?’
” Woɖo eŋu nɛ be, ‘Ame aɖeke meva tsɔ mí be míawɔ dɔ na ye o.’ “Agbletɔa gblɔ na wo be, ‘Ekema miyi nye agble me eye miakpe ɖe ame siwo le dɔ wɔm le afi ma la ŋu.’ ”
Azɔ esi dɔwɔlawo ɖi bo la, agbletɔa yɔ eƒe gadzikpɔla be neva xe fe na dɔwɔlawo eye wòadze egɔme tso ame siwo wòɖo ɖe agblea me mamlɛa la dzi.
Gadzikpɔla la yɔ ame siwo yi agblea me le ga atɔ̃ me la vɛ eye wòxe ŋkeke ɖeka blibo ƒe fetu na wo dometɔ ɖe sia ɖe.
Le esia ta esi wòyɔ ame siwo va gbã la vɛ la, woawo nɔ bubum be yewoƒe fetu akɔ wu ame siwo va le ga atɔ̃ me la tɔ. Gake kpao, ga home ma sinu ke ko wòxe na woawo hã.”
Ame gbãtɔwo he nya ɖe agbletɔa ŋu vevie gblɔ bena,
‘Ame siawo la gaƒoƒo ɖeka pɛ koe wowɔ dɔ, ke nu ka ta woxɔ fetu wòsɔ kple mí ame siwo wɔ dɔ ŋkeke blibo la katã le ŋdɔ sesẽ nu la tɔ?’ ”
Agbletɔa gblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, nyemedze agɔ le mia dzi o ɖe menye miawo ŋutɔe lɔ̃ bena ame sia ame axɔ sidi wuieve si nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu oa?
Mexee na mi, eya ta mitsɔe miadzo. Nye ŋutɔe lɔ̃ xe ga home ma ke na ame sia ame
Đe wòtsi tre ɖe se ŋu be ame naxe ga home si dze eŋu la na nɔvia? Đe wòle be miado dziku elabena mewɔ dɔmenyoa?’
Esia tae gbãtɔ azu mlɔetɔ eye mlɔetɔ azu gbãtɔ.”
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta Yerusalem eye esi wole mɔa dzi la eɖe kpɔ nusrɔ̃la wuieveawo,
hegblɔ nu siwo ava dzɔ ɖe edzi nenye be woɖo Yerusalem la na wo. Egblɔ na wo be, “Woadem asi na Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple sefialawo eye woatso kufia nam.
Woatsɔm ade asi na Roma dziɖuɖua eye amewo aɖu fewu le ŋunye. Woaklãm ɖe atitsoga ŋu maku, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la mafɔ.”
Eva eme be Zebedeo vi eveawo dadaa va Yesu gbɔ, dze klo ɖe ekɔme eye wòbiae be wòawɔ dɔmenyo tɔxɛ aɖe na ye.
Yesu biae bena, “Nu ka dim nèle be mawɔ na wò?” Nyɔnua ɖo eŋu be, “Medi be nãna be vinye ŋutsuvi eve siawo nanɔ fiazikpui eve dzi le wò ɖusi kple mia me le wò fiaɖuƒe la me.”
Yesu gblɔ nɛ bena, “Mènya nu si biam nèle o!” Azɔ etrɔ ɖe Yakobo kple Yohanes ŋu eye wòbia wo be, “Miawo hã miate ŋu anɔ te ɖe fu dziŋɔ si kpe ge mala kpuie la nua?” Woɖo eŋu be, “Ẽ, míate ŋui.”
Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu akpe fu dziŋɔ si kpe ge mala gake le anyinɔnɔ ɖe nye ɖusi kple mia me gome me ya la, ŋusẽ mele asinye be matɔ asi ame siwo anɔ afi ma la dzi o. Fofonye ŋutɔ tia ame siwo anɔ teƒe siawo la da ɖi xoxo.”
Dɔme ve nusrɔ̃la ewo mamlɛawo ŋutɔ esi wose nu si Yakobo kple Yohanes yi ɖabia Yesu.
Ke Yesu yɔ wo katã ƒo ƒui ɖe eɖokui gbɔ, hegblɔ na wo be, “Le dzimaxɔsetɔwo dome la, fiawo ɖua wo teviwo dzi kple asi sesẽ, eye nenema ke dɔnunɔlawo hã ɖua fia ɖe wo teviwo dzii.
Nyemedi be nenem nu sia nanɔ miawo hã dome o. Ame si le mia dome si di be yeanye mia nunɔla la, eyae wòle be wòanye miaƒe subɔvi.
Eye ame si di be yeanye gbãtɔ le mi katã dome la eyae wòle be wòanye miaƒe subɔla anɔ dɔ tsɔm na mi.
Ele be miaƒe nuwɔna nanɔ abe tɔnye ene, elabena Nye Amegbetɔ Vi la nyemeva be woasubɔm o, ke boŋ ɖe meva be masubɔ amewo, eye matsɔ nye agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.”
Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le Yeriko dua me dzo yina la, ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo.
Ŋkuagbãtɔ eve nɔ anyi ɖe mɔ si dzi wòto va yina la to. Esi wose bena Yesu gbɔna mɔ ma dzi to ge ava yi la wode asi ɣlidodo me bobobo nɔ gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ, Fia David Vi, kpɔ nublanui na mí!”
Amewo blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, gake kpao, fifi kura gɔ̃ woƒe gbe ganɔ dzi dem ɖe edzi wu.
Yesu tɔ eye wòyɔ wo vɛ hebia wo be, “Nu kae miedi be mawɔ na mi?”
Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be míaƒe ŋkuwo naʋu míakpɔ nu.”
Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta etɔ asi woƒe ŋkuwo. Ŋkuawo ʋu enumake eye ameawo de asi nukpɔkpɔ me. Ale woawo hã kplɔ Yesu ɖo kple dzidzɔ gã aɖe.

21

Esi wòsusɔ vie Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo naɖo Yerusalem la, wova ɖo du aɖe si woyɔna be Betfage si le Amitoa ŋu la me. Le afi sia la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve ɖo ɖe kɔƒe aɖe si le wo ŋgɔ la me.
Egblɔ na wo bena, “Ne miege ɖe kɔƒea me ko la, miakpɔ tedzinɔ aɖe kple via le ka me. Mitu ka wo eye miakplɔ wo vɛ.
Ne ame aɖe bia gbe mi la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le wo hiãm, eye ne miegblɔ esia la womagabia nya aɖeke mi o.”
Wowɔ esia be woatsɔ wu nyagblɔɖi si wogblɔ da ɖi le blema ke nu bena,
“ Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la bena, Wò Fia gbɔna gbɔwò, edo tedzi kple tedzivi, si nye dɔwɔlã!”
Nusrɔ̃la eveawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi,
eye woyi ɖakplɔ tedziawo vɛ nɛ. Azɔ wotsɔ woƒe awuwo ɖo tedziawo dzi eye Yesu bɔbɔnɔ wo dzi.
Ame geɖewo ŋutɔ le ameha la dome tsɔ woƒe avɔwo kple awuwo ɖo ɖe mɔtata dzi le eŋgɔ, bubuwo hã ŋe deʋayawo kple atilɔwo ɖo ɖe eŋgɔ be wòazɔ wo dzi.
Ameha la ƒe akpa aɖe dze eŋgɔ eye bubu hã kplɔe ɖo kplikplikpli nɔ ɣli dom bena, “Hosana na Fia David Vi la, woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me, Hosana le dziƒo ʋĩĩ”
Esi Yesu ge ɖe Yerusalem dua me la, zi gã aɖe ŋutɔ tɔ, ame sia ame kloe nɔ biabiam be, “Ame kae nye ame sia mahã?”
Ame siwo nɔ Yesu ŋu la ɖo eŋu be, “Eyae nye Yesu, nyagblɔɖila si tso Nazaret le Galilea.”
Azɔ Yesu yi gbedoxɔ la me, eye wònya nudzralawo do goe, le teƒea. Etu afɔ gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, eye wòkaka akpakpadzralawo ƒe kplɔ̃wo hã.
Egblɔ na wo bena, “Mawunya fia mi be nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe, gake miawo la mietsɔe wɔ fiafitɔwo ƒe nɔƒee.”
Esi wònya ameawo vɔ la, ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ eye wòda gbe le wo ŋu le gbedoxɔ la me.
Gake esi Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple sefialawo kpɔ nukunu dzɔtsu siwo wòwɔ eye wose ɖevi suetɔ kekeake hã wònɔ ɣli dom bena, “Hosana na Fia David Ƒe Vi la” la, dɔme ve wo ŋutɔ.
Wobiae bena, “Èse nu si gblɔm ɖevi siawo lea?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ẽ, gake miexlẽe kpɔ be, ‘Èdzra kafukafu kple dodoɖedzi ɖe ɖeviwo kple vidzĩwo ƒe nume’ oa?”"
Le esia megbe la etrɔ yi Betania eye wòtsi afi ma dɔ.
Le ŋufɔke esi Yesu fɔ gayina Yerusalem le ŋdi me la, dɔ wui le mɔa dzi.
Ekpɔ gboti alo kutsetseti aɖe le mɔa to ale wòzɔ ɖe edzi be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi agbe aɖu mahã? Ke esi wòva ɖo atia te la, aŋgbawo ko wòkpɔ le edzi. Yesu gblɔ na gboti la bena," “Tso egbe sia yina la, mãgatse ku gbeɖe o!” Enumake gboti la yrɔ ɖe tsitre nu.
Nu sia wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ, ale wobiae be, “Nu kae na be gboti la yrɔ enumake?”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Le nyateƒe me la ne xɔse vavã le mia si eye ɖikeke mele mia me o la, miate ŋu awɔ nu siawo, eye nu siwo miawɔ la akɔ wu esiwo mewɔ kura gɔ̃. Miate ŋu agblɔ na to si kpɔm miele le afii kura gɔ̃ be, ho nãyi aɖadze atsiaƒu me, eye wòava eme enumake.
Nu sia nu si miabia to gbedodoɖa kple xɔse me la woana mi.”
Yesu yi gbedoxɔ la me eye esi wònɔ nu fiam la, Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo va egbɔ hebiae bena, “Ŋusẽ kae nèkpɔ hafi le nu siawo wɔm eye ame kae na ŋusẽ sia wò?”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nye hã mabia biabia ɖeka mi. Ne mieɖo eŋuti nam la, ekema nye hã magblɔ afi si mekpɔ ŋusẽ tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi.
Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, afi kae wòtso? Dziƒoe wòtso loo alo amewo gbɔe wòtsoa?” Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome eye wogblɔ bena, “Ne míegblɔ be, ‘Tso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’
Ke ne míegblɔ be, ‘Tso amewo gbɔ’ la, míele vɔvɔ̃m na nu si ameawo lawɔ elabena wo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.”
Ale woɖo nya la ŋu na Yesu be, “Míenya o.” Tete Yesu hã gblɔ na wo be, “Nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ mɔɖeɖe tsoe hafi le nu siawo wɔm o.”
Azɔ Yesu yi edzi gblɔ bena, “Ale ke miekpɔ tso nya si gbɔna la ŋuti? Ŋutsu aɖe si si viŋutsu eve nɔ la gblɔ na tsitsitɔ be, ‘Vinye yi nãwɔ dɔ le agble me nam egbe.’
Đevia ɖo eŋu be, ‘Nyemayi o.’ Ke emegbe la etrɔ eƒe susu eye wòyi agblea me ɖawɔ dɔa.
Fofoa gblɔ na ɖevitɔ hã be, ‘Yi nãwɔ dɔ nam le agble me.’ Đevi la ɖo eŋu nɛ be, ‘Papa mayi’ Ke egbe meyi o.
Le ɖevi eve siawo dome ɖe, ame kae wɔ fofoa ƒe gbe dzi?” Azɔ Yesu ɖe lododoa gɔme na wo bena, “Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo kura age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me hafi miawo miava yi.
Elabena Yohanes Mawutsidetanamela gblɔe na mi be midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye miaku ɖe Mawu ŋu, gake mieɖo toe o, gake ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo ɖo toe eye wodzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Ke nu si vɔ̃ɖi wu lae nye be esi miekpɔ be ame siawo dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ hã la, metso fu le lãme na mi gɔ̃ hã be miawo hã miadzudzɔ o, ke boŋ miesẽ dzime goŋgoŋgoŋ.”
Miɖo to miase lododo sia ɖa, Agbledela aɖe de waingble gã aɖe eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe. Etu nɔƒe tɔxɛ na agblea ŋudzɔla eye wòtu wainfiaƒe hã. Azɔ etsɔ agblea de asi na agbledelawo be woawɔ dɔ le eme ale be yeama viɖe si ado tso eme la kpli wo. Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, agbletɔ la ŋutɔ dzo yi du bubu aɖe me.”
Esi nuŋeɣi ɖo la, eɖo dɔlawo ɖe agblea dzi kpɔlawo gbɔ be woaxɔ yeƒe viɖe vɛ na ye.
Ke agbledzikpɔlawo dze ame dɔdɔawo dzi wu ɖeka, ƒo ɖeka vevie eye woƒu kpe ètɔ̃lia.
” Agbletɔ la gaɖo ameha gã bubu ɖa gake wowɔ fu woawo hã abe amedɔdɔ gbãtɔwo ene.
Mlɔeba la, agbletɔ la dɔ via ŋutsu ɖa kple susu sia be woade bubu eya ŋu elabena enye via.
” Gake kpao, esi agbledzikpɔla siawo kpɔ ŋutsuvia wògbɔna la, wogblɔ na wo nɔewo be,“Ehẽ, ame siae le fofoa ƒe dome nyi ge ale be teƒe sia katã gbɔna etɔ zu ge, mía tɔwo mina míawui bena agble sia nazu mía tɔ!”
Ale wohe agbletɔ la ƒe vi do goe le agblea me eye wowui.
Yesu yi edzi bia wo be, “Nenye be agbletɔ la ŋutɔ gbɔ ɖe, nu kae miebu be awɔ agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siawo?”
Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo eŋu nɛ be, “Ana woawu ame vɔ̃ɖi siawo eye wòaxɔ agblea atsɔ na ame siwo awɔ eƒe gbe dzi la.”
Yesu gabia wo bena, “Miexlẽ le mawunya me kpɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe be yewomazã o lae va zua dzogoedzikpe na xɔ la oa? Esia menye nu wɔnuku aɖe si Aƒetɔ la wɔ oa?’
” Nya si gblɔm mele na mi la gɔme kpuie koe nye be woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si atsɔ na dukɔ bubu, si atsɔ viɖe si nye Mawu tɔ la vɛ nɛ.
Nyateƒe, nya sia ɖe wòle abe kpe ene, ame si akli kpe sia la, aŋe kluikluiklui eye ame si dzi kpe sia age adze la, agba gudugudu.”
Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple Farisitɔwo kpɔe dze sii be yewoe nye agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siwo ŋu Yesu ƒo nu le, le lododo la me eye yewo ŋutie wòle nya la gblɔm ɖo.
Le esia ta, wodi vevie be yewoawui, gake wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewolée la, ameha la atɔ zi elabena wonya be ameha la xɔe se be Yesu nye nyagblɔɖila.

22

Yesu gado lo bubu na ameha la gblɔ be,
“ Dziƒofiaɖuƒe la le abe Fia aɖe si ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ gã aɖe na via ene.
Wokpe ame geɖewo ɖe kplɔ̃ sia ŋu eye esi nu sia nu sɔ gbe vɔ la, fia la ɖo dɔlawo ɖe ame kpekpeawo be woava elabena ɣeyiɣia ɖo be wɔnawo nadze egɔme, gake ame kpekpewo katã gbe womeva o.
Fia la gadɔ dɔla bubuwo ɖo ɖe ame kpekpeawo gbɔ kple gbedeasi sia be, ‘Nu sia nu sɔ gbe vɔ, nuɖuɖua bi eya ta miva. Ame sia ame neɖe abla ne wòava.’ ”
Ke esi ame kpekpeawo se nya sia la ɖeko woko nu eye wo dometɔ ɖe sia ɖe dzo yi nu si dze eŋu la wɔ ge, ɖeka yi eƒe agble me, eye bubu yi asigbe.
Ke ɖewo do dɔmedzoe ɖe dɔlawo ŋu ƒo wo vevie eye woɖi gbɔ̃ ɖewo wu ɖewo gɔ̃ hã.”
Fia la do dɔmedzoe ale wòdɔ eƒe asrafowo woyi ɖawu hlɔ̃dola siawo eye wotɔ dzo woƒe du la wòbi keŋ.
Le esia megbe la fia la gblɔ na eƒe dɔlawo bena, ‘Nu sia nu sɔ gbe na ŋkekea ɖuɖu gake ame siwo mekpe la, medze na bubu si mede wo ŋu o.
Eya ta miyi mɔtatawo dzi kple ablɔwo ƒe dzogoewo me, eye ame sia ame si miakpɔ ko la, mikpee va kplɔ̃a ŋuti.’
” Dɔlawo wɔ ɖe esia dzi, eye eteƒe medidi o wokplɔ amewo vɛ fũ, ame nyuiwo kple ame baɖawo siaa, eye ale srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu yɔ fũ kple amewo.
Esi fia la ŋutɔ va do be yeado gbe na ame kpekpeawo la, ekpɔ ame ɖeka le wo dome si medo srɔ̃ɖewu si wotsɔ nɛ be wòado la o. ”
Fia la biae be, ‘Xɔ̃nye, ale ke wɔ medo srɔ̃ɖewu hafi va afi sia o?’ Ke ŋutsua ƒe nu tsi te elabena menya nya si tututu wòagblɔ o.
Fia la ɖe gbe na eŋutimewo bena ‘Mibla eƒe asiwo kple afɔwo eye miatsɔe aƒu gbe ɖe blukɔ tsiɖitsiɖi me le xexe afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.’
Elabena woyɔ ame geɖewo ke ame ʋee aɖewo koe nye ame siwo wotia.”
Le esia megbe la, Farisitɔwo kpe ta eye wode ŋugble le ale si woawɔ atsɔ biabia aɖe atre mɔ na Yesu alée la ŋu.
Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kpe ɖe Herodia dunyahelawo ŋu eye wobiae be, “Nufiala, míenyae be ame si de blibo lae nènye, eye nefiaa Mawu ƒe mɔ le nyateƒe la nu. Amewo ƒe nyagbɔgblɔ meblea nuwò o elabena mètsɔa ɖeke le nu si wonye la me o.
Azɔ gblɔe na mí, nu kae nye wò susu? Ele eteƒe be woadzɔ duga na Kaisaro loo alo mele eteƒe o?”
Ke Yesu nya nu vɔ̃ɖi si woɖo ɖe tame eya ta ebia wo be, “Mi alakpanuwɔlawo! Ame kae miedi bena yewoatre mɔ na kple miaƒe aye biabia sia?
Mitsɔ kɔba aɖe si wotsɔna xea dugae la vɛ nam makpɔ.” Eye wotsɔ Roma ga ɖeka va fiae.
Azɔ ebia wo bena, “Ame ka ƒe nɔnɔmetatae le ga sia dzi eye ame ka ƒe ŋkɔe le ete?”
Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.” Yesu gblɔ na wo be, “Enyo, mitsɔ nu sia nu si nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro eye miatsɔ nu sia nu si nye Mawu hã tɔ la na Mawu.”"
Esi wose eƒe ŋuɖoɖoa la, wotsi yaa elabena ewɔ nuku na wo ŋutɔ be wòɖo nya la ŋu nyuie alea eya ta wogblẽe ɖi hedzo.
Gake le gbe ma gbe ke la, Zadukitɔ aɖewo ame siwo mexɔ se bena ame kukuwo atsi tre le nuwuwua o la va egbɔ va biae bena, ”"
Aƒetɔ, Mose de se na mí bena ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ eye medzi vi hafi ku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosia eye wòadzi vi kplii, ale be ɖeviawo nanyi ameyinugbea ƒe dome.
Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ mía dome, woƒe tsitsitɔ ɖe srɔ̃ gake medzi vi kple nyɔnua hafi ku o, ale eyometɔ xɔ ahosia ɖe.
Gake eya hã medzi vi aɖeke kple nyɔnu sia hafi ku o, eye wo nɔvi etɔ̃lia xɔ ahosia ɖe gake kpao eya hã ku vi madzimadzii. Ale nɔviŋutsu adreawo katã ɖe nyɔnu sia kpɔ gake ɖeke medzi vi kplii o.
Mlɔeba la nyɔnua ŋutɔ hã va ku.
Biabia lae nye be, ame ka tɔ nyɔnu sia azu le tsitretsitsi ŋkekea dzi? Elabena eɖe nɔvi adreawo katã kpɔ!”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miewɔ vodada gã aɖe ŋutɔ, elabena mienya mawunya kple Mawu ƒe ŋusẽ o.
Elabena le tsitretsitsi ŋkekea dzi srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o; amewo katã anɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo ene.
ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, mabia mi be, miexlẽ mawunya kpɔ oa? Mienyae bena miawoe Mawu nɔ nu ƒom na esi wògblɔ be,
‘Nyee nye Abraham, Isak kple Yakɔb ƒe Mawu’ oa? Eya ta minyae bena Mawu la, menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo ƒe Mawu wònye.”"
Yesu ƒe ŋuɖoɖo la wɔ nuku na ameha la ŋutɔ.
Ke esi Farisitɔwo se be Yesu de ga nu na Zadukitɔwo la woƒo wo ɖokui nu ƒu.
Eye wo dometɔ ɖeka, ame si nye sefiala gã aɖe la tee kpɔ hebia be," “
Nufiala, Se kae nye gãtɔ wu le Mose ƒe seawo dome?”
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kpakple wò susu katã.
Esiae nye se gbãtɔ kple gãtɔ wu.
Esi gakplɔe ɖo lae nye be nãlɔ̃ hawòvi abe ale si ko nèlɔ̃ wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.
Wotu se bubuawo katã kple nyagblɔɖilawo ƒe nyawo ɖe se eve siawo dzi.”
Esia megbe la, Farisitɔwo va ƒo xlãe ale wòbia wo bena, “
Ale ke miekpɔ tso Mesia la ŋutɔ ŋu? Ame ka vie wònye?” Woɖo eŋu nɛ be, “David vie!”
Yesu gabia wo bena, “Ne enye David vi la, nu ka ta esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va David dzi wònɔ nu ƒom la, eyɔ Mesia la be ‘Aƒetɔ’ ɖo? Miakpɔe le mawunya me be, David gblɔ bena
‘Mawu gblɔ na nye Aƒetɔ bena, nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔtenui.’
Esime David yɔ Mesia la be, ‘Aƒetɔ’ ɖe, ale ke wɔ wòganye via?”
Nyateƒe, biabia la lolo wu wo ale be womete ŋu ɖo eŋuti o. Le esia megbe la ame aɖeke medo dzi gabia nya aɖekee o.

23

Tete Yesu gblɔ na ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo bena,
“Sefialawo kple Farisitɔwo nɔ Mose ƒe zi dzi.
Eya ta miɖo to wo eye miawɔ nu sia nu si wogblɔ na mi gake migawɔ nu si wowɔna la o, elabena woawo ŋutɔ mewɔna ɖe nu siwo fiam wole la dzi o.
Woblaa agba kpekpewo hetsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta gake woawo ŋutɔ mele klalo be yewoatsɔ yewoƒe asibidɛ akpe ɖe ameawo ŋu gɔ̃ hã o.
” Nu sia nu si wowɔna la, ɖe wowɔnɛ ko be yewoadze abe ame nyuiwo ene le gota. Woƒe mawunya kpukpui, ŋkuɖodzinu siwo wosana ɖe ŋgonu kple abɔ la kekena wua ame sia ame tɔ eye wodea dzesi tɔxɛ woƒe awuʋlayawo to be amewo nakpɔ be yewo nye ame kɔkɔewo.
Wolɔ̃a kplɔ̃ta nɔnɔ le nuɖuƒewo eye wolɔ̃a ŋgɔgbe zikpuiwo dzi nɔnɔ le woƒe ƒuƒoƒewo.
Ne wole ablɔ dzi yina eye amewo le ŋkɔ dam ɖe wo dzi be, ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ’ la, evivia wo nu ŋutɔ.
Migana be ame aɖeke nada ŋkɔ siawo tɔgbi ɖe mia dzi o. Elabena Mawu ɖeka hɔ̃ koe nye miaƒe Nufiala, eye le mia dome la, mi katã miesɔ abe nɔviwo ene.
Migayɔ ame aɖeke le anyigba dzi afi sia be Fofo o, elabena Mawu ɖeka si le dziƒo koe wòle be míayɔ nenema.
Eye migana hã be woayɔ mi be Nufiala o, elabena Nufiala ɖeka koe li na mi, eyae nye Mesia la.
” Ne miebɔbɔ mia ɖokuiwo eye miesubɔ ame bubuwo la, miaƒe gãnyenye adze wu le wo gbɔ. Ne ame aɖe di bena yeanye amegã la, netsɔ eɖokui wɔ subɔlae boŋ.
Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi la, woaɖiɖi wo ɖe anyi. Ke ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe anyi la woado wo ɖe dzi.
” Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Mietu dziƒofiaɖuƒe la ƒe agbo ɖe amewo nu. Miawo ŋutɔ miele eme yi ge o, eya ta mieɖe mɔ be ame siwo le agbagba dzem be woage ɖe eme la hã nayi eme o.
Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Miekpɔ mɔ le ahosiwo ŋu, hexɔa woƒe aƒewo le wo si sesẽtɔe eye emegbe miebua doa gbe didiwo ɖa! Le esia ta la miaƒe tohehe asesẽ wu bubuawo tɔ!
Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Mietsana le anyigbadzi kple atsiaƒuwo dzi, Ẽ, afi sia afi ko be miawɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ le xɔse me, eye ne ezui la, miewɔnɛ wòzua dzomavɔʋemevi zigbɔ zi eve wu miawo ŋutɔ.
Babaa na mi, mi kplɔla ŋkugbagbãtɔwo.! Miegblɔna be, ‘Ne ame aɖe yɔ gbedoxɔ ta nui la medze vɔ̃ o, gake ne eyɔ sika si le gbedoxɔ me ta nui la, atam la blae’
Mi bometsila ŋkugbagbãtɔwo! Kae lolo wu, sika la alo gbedoxɔ si wɔ sika la gɔ̃ hã be wòle dzadzɛa?
Miawo kee gblɔ be ame si ta vɔsamlekpuia la, ate ŋu ada le atam si wòka la dzi faa, gake ne ame aɖe ta nunana si le vɔsamlekpuia dzi la, edze agɔ vevie nenye be wòda le ŋugbe si wòdo la dzi.
Mi ŋkuagbãtɔwo! Kae le vevie wu, nunana si le vɔsamlekpuia dzi loo alo vɔsamlekpuia ŋutɔ si nana be nunana ŋuti kɔna?
Nenye be mieta vɔsamlekpuia ekema mietae kple nu siwo katã le edzi,
eye ne mieta gbedoxɔ la, ekema mietae kple Mawu ame si nɔa eme.
Nenye be mieta ‘Dziƒo’ la minyae be mieta Mawu ƒe Fiazikpui kple Mawu ame si nɔa edzi.
” Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo alakpanuwɔlawo! Mienaa adrike, sikɔni kple tsyo ƒe ewoliawo gɔ̃ hã, gake miegblẽ se la ƒe nu vevietɔ siwo nye afia nyui tsotso, nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ la ɖi. Ele be miawɔ ɖe esiawo hã dzi eye mele be miagbe ekemɛawo hã o.
Mi kplɔla ŋkugbagbãtɔwo! Mieɖea nudzodzoe suetɔ kekeake le miaƒe nunonowo me ƒua gbe, gake miehemia kposɔ ya.
Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo! Mieklɔa kplu kple nuɖugba ŋuti, gake wo me yɔ fũu kple ŋukeklẽ kpakple ɖokuitɔdidi.
Farisitɔ ŋkugbagbãtɔwo! Miklɔ kplu la kple nuɖugba la me gbã ekema wo godo hã laɖi nyuie.
” Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Đeko miele abe yɔdokpe siwo wosi akalo na la ene, esiwo dzena le gota nyuie, ke wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple numakɔmakɔ bubuwo.
Miawo hã, nenema kee miedze le gota le amewo gbɔ abe ame dzɔdzɔewo ene, gake miaƒe ememe yɔ fũu kple alakpanuwɔwɔ kpakple vɔɖivɔ̃ɖi.
” Babaa na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Miewɔ ŋkuɖodzikpe na nyagblɔɖilawo eye mieɖo atsyɔ̃ na ame dzɔdzɔewo ƒe yɔdowo.
Eye miegblɔ bena, ‘Ne ɖe míenɔ agbe le mía fofowo ŋɔli la, míawɔ ɖeka kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe ʋu kɔkɔɖi me o’
Ale mieɖi ɖase le miawo ŋutɔ ɖokui ŋu be mienye ame siwo wu nyagblɔɖilawo ƒe dzidzimeviwo.
Enyo ŋutɔ, azɔ miwu nu vɔ̃ dɔ si gɔme mia fofowo dze la nu.
” Mi dawo! Dawo ƒe dzidzimeviwo! Ale ke miawɔ asi le dzomavɔʋe ƒe fɔbubu nu?
” Eya ta mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple nufiala siwo me Gbɔgbɔa yɔ fũ la hã ɖom ɖe mi, ke miawo la, miawu wo dometɔ aɖewo alo aklã wo ɖe atitsoga ŋu, miaƒo ɖewo le miaƒe ƒuƒoƒewo eye miati geɖewo hã ƒe agbe yome tso afii yi afi mɛ.
Ne miewɔ esiawo la ekema ame kɔkɔe siwo wowu tso keke Abel dzi va se ɖe Zakaria, Barakia vi si miewu le Vɔsamlekpui kple Kɔkɔeƒea dome le gbedoxɔa me la ƒe ʋu ava mia dzi.
Ẽ, mele egblɔm na mi bena, tohehe siwo katã wodzra ɖo ɖi tso ɣemaɣi ke va se ɖe fifia la ava dzidzime sia dzi.
” O, Yerusalem, Yerusalem, wò du si me tɔwo wu nyagblɔɖilawo eye woƒu kpe ame siwo Mawu ɖo ɖe wò! Medi zi geɖe bena maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklo ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋalãwo te ene, gake wogbe womena mɔm o.
Azɔ woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.
Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, miagakpɔm azɔ o, va se ɖe esime miagblɔ be woayra ame si gbɔna le Aƒetɔa ƒe ŋkɔ me.”

24

Yesu do go le gbedoxɔ la me, hezɔ dzo yina, ke eƒe nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu heɖo ŋku nu dzi nɛ tso xɔ bubu siwo le gbedoxɔ me la ŋuti.
Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Miele nu siawo katã kpɔma? Mele egblɔm na mi, le nyateƒe me, be womagble kpe ɖeka pɛ hã ɖe nɔvia dzi o, woagbã nu sia nu aƒu anyi.”
Azɔ edzo yi ɖanɔ Amito la dzi. Nusrɔ̃lawo va egbɔ va biae bena, “Aƒetɔ, ɣekaɣie nu siawo katã ava eme? Dzesi kawoe afia wò vava zi evelia kple xexeame ƒe nuwuwu?”
Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Minɔ ŋudzɔ, be ame aɖeke nagaflu mi o.
Elabena ame geɖewo lava le nye ŋkɔme agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la’ eye woaflu ame geɖewo.
Ne miese be aʋa dzɔ le afi aɖe eye aʋaɣliwo le ɖiɖim la, migaɖi vo alo avɔ̃ o, elabena esia mefia be nye vava alo nuwuwu la ɖo o, nu siawo adzɔ gake nuwuwua meɖo haɖe o.
Le ɣeyiɣi mawo me la dukɔ atsi tre ɖe dukɔ ŋu eye fiaɖuƒe atsi tre ɖe fiaɖuƒe ŋu. Dɔ ato le teƒe geɖewo fũ, hekpe ɖe esia ŋu la anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo.
Nu siawo nye kpɔkplɔyiɖeme ko na nu dziŋɔ siwo gbɔna. ”
Le ɣeyiɣi mawo me la, amewo ade mi asi na yometitiwo kple wuwu gɔ̃ hã.
Le ɣemaɣi me la, ame geɖewo atra ɖa le xɔse la gbɔ, woade wo nɔviwo asi eye woalé fu wo nɔewo vevie,
Aʋatsonyagblɔɖilawo abɔ fũ eye woatra ame geɖewo.
Nu vɔ̃ wɔwɔ axɔ aƒe ale gbegbe be, amehavi lɔlɔ̃ nu atsi
Ke ame si anɔ te ase ɖe nuwuwu la, woaɖee.
Azɔ la, woagblɔ fiaɖuƒe la ƒe nyanyui sia le xexeame katã abe ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã ene, ekema nuwuwua ava. ”
Eya ta, ne miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vanae’ le tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la, esi ƒe nya wogblɔ to nyagblɔɖila Daniel dzi la, nu sia xlẽla nese egɔme,
ekema nãna ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi.
Ame si le eƒe xɔ tame la nagaɖi ayi naneke tsɔ ge le aƒea me o.
Eye ame si le agble me la hã nagayi aƒe me be yeatsɔ yeƒe awuʋlaya o. ”
Baba na funɔwo kple ame siwo si vidzĩwo le le ŋkeke mawo me.
Mido gbe ɖa be, miaƒe sisigbe nagadze vuvɔŋɔli alo sabat ŋkeke dzi o.
Le ɣemaɣi me la, xaxa si ƒomevi medzɔ kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o eye magadzɔ kpɔ o la anɔ anyi. ”
Le nyateƒe me, ne womeɖe le nenem ŋkekeawo dzi o la, amegbetɔ ƒomea katã atsrɔ̃. Ke meka ɖe edzi na mi be, le Mawu ƒe ame tiatiawo ta la woato ŋkeke siawo ɖe eme.
” Nenye be ame aɖe agblɔ na mi be, ‘Mesia la va ɖo eye wòle afii alo afi mɛ alo wokpɔe le afi aɖe la, migaxɔe se o.
Elabena aʋatso kristotɔwo kple aʋatso nyagblɔɖilawo ava do eye woawɔ nukunu gãwo si dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase.
Kpɔ ɖa, megblɔe na mi do ŋgɔ lo!
” Eya ta ne ame aɖe gblɔ na mi be ele gbedzi afi aɖe la, mègaɖe fu na ɖokuiwò be yeayi aɖakpɔe ɖa o. Alo ne ame aɖe be ebe ɖe teƒe aɖe la, mègaxɔe se o!
Abe ale si dzi kea dzo le ɣedzeƒe wokpɔnɛ le ɣetoɖoƒe ene la, nenema ke Nye, Mesia la, ƒe vava anɔ.
Minyae bena afi si nukuku le la afi mae akagawo nɔna. ”
Le xaxa ŋkeke mawo megbe teti ko la, ‘Zãdokeli ado, ɣleti magaɖi o, ɣletiviwo age tso dziƒo eye dziƒoŋunuwo aʋuʋu kpekpekpe.
” Le ɣemaɣi me la, Amegbetɔvi la ƒe dzesi ado ɖe dziŋgɔli me eye anyigba dzi dukɔwo katã afa konyi. Tete woakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ alilikpo dzi aɖiɖi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me.
Eye wòadɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi sesĩe eye woayi aɖa ƒo ametitiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe dzogoe sia dzi, yi ekemɛ dzi. ”
Azɔ misrɔ̃ nu tso gboti ŋu. Nenye be tsi ɖo eƒe alɔwo me eye aŋgbawo de asi dodo me la, ekema minyae be dzomeŋɔli ɖo vɔ.
Nenema ke ne miekpɔ be nu siawo katã de asi dzɔdzɔ me la, ekema minyae be nye vava tu aƒe kpokploe.
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, dzidzime sia nu mava yi o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.
” Dziƒo kple anyigba nu ava yi gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa.
Ame aɖeke menya ŋkeke alo gaƒoƒo si dzi nuwuwua ava o, mawudɔlawo gɔ̃ hã menyae o, Mawu Vi la ŋutɔ gɔ̃ hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka hɔ̃ ko.
Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me.
Elabena le ŋkeke siwo do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔ me la, ameawo nɔ nu ɖum, nɔ nu nom, nɔ srɔ̃ ɖem eye wotsɔa ame nana be wòaɖe, va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋu la me,
eye womenya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge o, va se ɖe esime tsiɖɔɖɔ la va eye wòkplɔ wo katã dzoe. Nenemae wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vavaɣi.
” Ame eve anɔ agble me anɔ dɔ wɔm, woava kplɔ ɖeka dzoe agblẽ ɖeka ɖi.
Nyɔnu eve anɔ bli tum le te dzi, woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi.”
Eya ta minɔ ŋudzɔ elabena mienya gbe si gbe miaƒe Aƒetɔ la ava o.
”Ne ame aɖe medi be fiafitɔ neva fi yeƒe nuwo le zã me o la, enɔa ŋudzɔ na fiafitɔ la ƒe vava,
eya ta miawo hã minɔ ŋudzɔ be nyemava lili mi o. ”
Minye dɔla nuteƒewɔlawo kple aɖaŋudzela siwo ate ŋu akpɔ nye aƒe dzi ana nuɖuɖu vinyewo ɖe ɣeyiɣi dzi pɛpɛpɛ gbe sia gbe.
Nenye be metrɔ gbɔ va kpɔ mi miele miaƒe dɔdeasi siawo wɔm anukwaretɔe la, mayra mi ŋutɔ.
Nuteƒewɔla siawo tɔgbie matsɔ ɖo nu siwo katã le asinye la nu.”
Gake ne miewɔ abe ame vɔ̃ɖiwo ene hegblɔ na mia ɖokuiwo be, ‘Nye Aƒetɔ mava fifia o,’
ale be miede asi dɔla bubuawo ƒoƒo me hele nutsuɖuɖu kple ahamumu dzi la,
miaƒe Aƒetɔ la ava do ɖe mia dzi kpata le ɣeyiɣi si miele mɔ kpɔm nɛ o la me,
eye wòaƒo mi vevie. Emegbe la ana woadrɔ̃ ʋɔnu mi kple alakpanuwɔlawo eye afi ma miafa avi, aɖu aɖukli hã le.”

25

“Miatsɔ ɖetugbi ewo aɖewo ƒe ŋutinya atsɔ asɔ kple dziƒofiaɖuƒe lae. Đetugbi ewo siawo tsɔ woƒe akaɖiwo ɖe asi be yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe.
Wo dome ame atɔ̃ nye abunetɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye nunyalawo.
Abunetɔwo tsɔ woƒe akaɖiwo ke wometsɔ ami kpe ɖe akaɖiawo ŋu o.
Ke nunyalawo ya tsɔ ami kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti. Eva dzɔ be ŋugbetɔsrɔ̃a tsi megbe ale alɔ̃ de asi ɖetugbiawo tsɔtsɔ me eye womlɔ anyi dɔ alɔ̃.
Ke le zã titina la ɣli ɖi be, ‘Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo azɔ. Mido go va kpee hee!’
Đetugbiawo katã fɔ eye wodzra woƒe akaɖiawo ɖo.
Tete abunetɔawo gblɔ na nunyalawo be ‘mina miaƒe amia ƒe ɖe mí’ elabena míaƒe akaɖiwo le tsitsim.
” Gake woɖo eŋu na abunetɔawo be, ‘Mía tɔ hã mesɔ gbɔ ade mia kple míawo nu o eya ta miyi ne miadze ɖe na mia ɖokuiwo.’
” Kaka woaɖe afɔ la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo xoxo eye ame siwo nɔ klalo la yi srɔ̃ɖeƒea kplii, eye wotu agbo si le aƒea nu. ”
Emegbe ɖetugbi abunetɔ atɔ̃awo va do ɖe agboa nu nɔ ɣli dom be. ‘Aƒetɔ, ʋu agbo la na mí!’
” Aƒetɔ, la ɖo eŋu na wo bena, ‘Midzo le afi ma miayi, elabena mietsi megbe!’
” Eya ta minɔ ŋudzɔ eye miadzra ɖo elabena mienya ŋkeke alo gaƒoƒo si dzi matrɔ ava o. ”
Dziƒofiaɖuƒe la gasɔ kple Aƒetɔ aɖe si ɖo be yeawɔ mɔzɔzɔ ayi anyigba bubu aɖe dzi. Hafi wòadzo la eyɔ eƒe dɔlawo hetsɔ ga home vovovo de asi na wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòatsɔ nɔ asi tsamii va se ɖe esime yeagbɔ.
” Etsɔ sidi akpe atɔ̃ na ame gbãtɔ, tsɔ sidi akpe eve na ame evelia eye wòtsɔ sidi akpe ɖeka na eme etɔ̃lia. Ema ga la na wo ɖe woƒe ŋutete nu, eye le esia megbe la edzo yi mɔa dzi.
Ame si xɔ sidi akpe atɔ̃ la de asi asitsatsa me kplii enumake eye eteƒe medidi hafi wògakpɔ Sidi akpe atɔ̃ ɖe gatia dzi o.
Ame si xɔ Sidi akpe eve hã tsa asi kple etɔ eye wògakpɔ Sidi akpe eve bubu ɖe edzi.
” Ke ame si xɔ Sidi akpe ɖeka la ya yi ɖaɖe do eye wòtsɔ ga la ɣla ɖe eme be wòanɔ dedie.
” Aƒetɔ la trɔ gbɔ le ŋkeke geɖewo megbe, eye wòyɔ dɔlawo be woava na akɔnta tso ga siwo wòtsɔ na wo la ŋuti.
Ame si wòtsɔ Sidi akpe atɔ̃ na la tsɔ sidi akpe ewo vɛ nɛ.
” Eƒe Aƒetɔ kafui ŋutɔ le eƒe dɔ nyui si wòwɔ la ta. Egblɔ na dɔla la bena, ‘Wò, dɔla nyui, èwɔ nuteƒe ŋutɔ eya ta tso azɔ dzi la matsɔ dɔ geɖe ade wò dzikpɔkpɔ te. Va ne nãkpɔ dzidzɔ kplim. ”
Ame si xɔ Sidi akpe eve la hã va gblɔ na Aƒetɔa bena, ‘Aƒetɔ, ètsɔ sidi akpe eve nam, gake megakpɔ sidi akpe eve bubu ɖe edzi.’
” Aƒetɔ la gblɔ nɛ kple dzidzɔ be, ‘Dɔ nyui aɖee ma nèwɔ. Dɔla dzɔdzɔe kple nuteƒewɔlae nènye. Esi nèɖi anukware le ga home sue sia ŋudɔwɔwɔ me ta la, tso azɔ dzi la, matsɔ ga geɖe ade asi na wò.’
Ame si xɔ sidi akpe ɖeka hã va do eye wòdo dzi gblɔ na Aƒetɔ la be, ‘Aƒetɔ, menyae bena wò nya ɖe wòse, eŋea nu le afi si mèƒã nu ɖo o eye nèƒoa nu ƒu le afi si mèwu nu ɖo o,
ale menɔ vɔvɔ̃m be ne mekpɔ viɖe aɖe ɖe ga la dzi la ãxɔe le asinye bɔbɔe, eya ta metsɔ wò ga la ɣla eye esi nèva la mehee ɖe go. Eyae nye esi.’ ”
Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, ‘Dɔla vɔ̃ɖi kple kuviatɔe nènye; esi nènya be ame sesẽe menye eye meŋea nu le afi si nyemeƒã nu ɖo o eye meƒoa nu ƒu le afi si nyemewu nu ɖo o eye esi nènyae hã be mele viɖe bia ge ɖe gaa dzi la,
ele na wò be nãtsɔ ga la da ɖe gadzraɖoƒe nam teti be wòahe viɖe vi aɖe vɛ nam.
Mixɔ ga la le ame vɔ̃ɖi sia si eye miatsɔe na ame si si sidi akpe ewo le la.
Elabena ame si wɔ nu si wotsɔ nɛ ŋudɔ nyuie la, woagatsɔ nu geɖe akpee nɛ, nu nasɔ gbɔ ɖe esi fũ. Ke ame si meɖia anukware o la, woaxɔ nu suetɔ kekeake si le esi la hã le esi.
Woatsɔ dɔla ɖigbɔ̃ sia aƒu gbe ɖe viviti si do tsiɖitsiɖi la me, afi ma avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.
‘Ne nye Mesia la meva le nye ŋutikɔkɔe me kple mawudɔlawo katã la, ekema manɔ anyi ɖe nye ŋutikɔkɔe fiazikpui la dzi.
Ekema dukɔ siwo katã le xexeame alo ame siwo katã le xexeame la aƒo ƒu ɖe ŋkunyeme. Eye mama ameawo me ɖe akpa eve, abe ale si alẽkplɔla ma alẽwo ɖa tso gbɔ̃wo gbɔe ene.
Mada alẽawo ɖe nye nuɖusime, eye gbɔ̃wo anɔ nye miame.”
Ekema Nye, Fia la, magblɔ na ame siwo le nye nuɖusime bena, ‘Fofonye ƒe ame yayrawo, miyi ɖe Fiaɖuƒe si wòdzra ɖo ɖi na mi tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me ke la me.
Elabena esi dɔ wum la, miena nuɖuɖum, tsikɔ wum eye miena tsim, medze mi abe amedzro ene eye miexɔm atuu ɖe miaƒe aƒewo me.
Awu menɔ ŋunye o gake mietsɔ awu nam medo. Medze dɔ mieva kpɔm ɖa. Menɔ gaxɔ me eye mieɖi tsa va gbɔnye.”
Ame dzɔdzɔewo abia be, ‘Aƒetɔ, ɣekaɣie miekpɔ wò dɔ nɔ wuwòm eye míena nuɖuɖu wò? Alo tsi kɔ nɔ wuwòm míena tsi wò nèno kpɔ?
Ɣekaɣie nèva dze mí abe amedzro ene?
Eye gbe ka gbee míetsɔ awu na wò nèdo kpɔ? Ɣekaɣie wode wò mɔ alo nèdze dɔ eye mieva kpɔ wò ɖa?’
” Eye nye Fia la maɖo eŋu na wo bena, ‘ Esi miewɔ nu siawo katã na nɔvinye sue siawo dometɔ aɖe ta la, nyee miewɔ wo na!’”
Azɔ matrɔ ɖe ame siwo le nye miame la ŋu agblɔ na wo be, ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de. Miyi dzomavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me.
Elabena esi dɔ wum la, miena nuɖuɖum o, tsikɔ wum miena tsim be mano o.
Meva dze mi abe amedzro ene gake miexɔm o, menɔ amama gake mietsɔ awu nam be mado o, medze dɔ gake mieva kpɔm ɖa o, wodem mɔ gake medzro mi be miava do gbe teti nam o.’ ”
Woawo hã aɖo eŋu nam be, ‘Aƒetɔ, gbe ka gbe míekpɔ wò bena, dɔ le wuwom, alo tsikɔ le wuwòm eye míekpɔ gbɔwò o? Ɣekaɣie nèdze mía gbɔ, nèle amama, nèdze dɔ alo nèle gaxɔ me eye míeva kpɔ wò ɖa alo kpe ɖe ŋuwò o?
” Ale maɖo eŋu na wo bena, ‘Esime miegbe be yewomawɔ nu siawo na nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka teti o la nyee nye ema miewɔ wo na o.’
” Ale ame siawo ayi ɖe fukpekpe mavɔ me. Ke ame dzɔdzɔewo ayi agbe mavɔ la me.”

26

Esi Yesu ƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo le nya siawo ŋu vɔ la, egblɔ na wo hã be,
“Abe ale si ke mienya ene la, Ŋutitotoŋkeke la adze gɔme le ŋkeke eve megbe, eye woadem asi aklãm ɖe ati ŋuti.”
Le ɣeyiɣi ma tututu me la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple Yudea dumegã bubuwo kpe ta ɖe Osɔfogãtɔ, Kayafa ƒeme,
be yewoade ŋugble tso ale si woawɔ alé Yesu le bebe me awui la ŋuti.
Ke wo katã wolɔ̃ ɖe edzi bena, “Míawɔ nu sia gake menye le Ŋutitotoŋkekea dzi o, ne menye nenema o la zi atɔ le dukɔa me.”
Azɔ Yesu yi Betania eye wòdze Simɔn anyidɔléla la ƒeme.
Esi wonɔ nu ɖum la, nyɔnu aɖe va aƒea me kple amiʋeʋĩ xɔasi aɖe eye wòʋui tsɔ kɔ ɖe tame na Yesu.
Esia ve dɔme na nusrɔ̃lawo ŋutɔ eye wogblɔ bena, “Nu ka ta wòle be ame natsɔ ga aƒu gbe ɖe yame alea? Enyo be wòawɔ esia?
Ate ŋu adzra ami sia, akpɔ ga home gã aɖe atsɔ na ame dahewo ɖe.”
Yesu nya nu si bum nusrɔ̃lawo le ale wògblɔ na wo be, “Migaɖe ɖeklemi kple nyɔnua o, elabena nu nyui wònye wòwɔ nam.
Ame dahewo li kpli mi gbe sia gbe, ke nye la nyemanɔ mia gbɔ tegbee o.
Esi wònye be nye ku gbɔna kpuie ta la, ekɔ amiʋeʋĩ la ɖe dzinye bena wòadzra nye ŋutilã ɖo hena ɖiɖi.
Nyɔnu sia ƒe ŋkɔ mele bubu ge akpɔ o elabena woagblɔ nu si wòwɔ la afia le xexeame godoo afi sia afi si woagblɔ nyanyui la le ko.”
Le nyadzɔdzɔ sia megbe la, Yuda Iskariɔt, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka, yi ɖe Osɔfogãwo gbɔ
eye wòbia bena, “Ho nenie miaxe nam nenye be mede Yesu asi na mi?”" Enumake woxlẽ klosaloga blaetɔ̃ tsɔ de asi nɛ.
Tso gbe ma gbe dzi ko Yuda de asi mɔ si dzi wòato ade Yesu asi na Osɔfogãwo la didi me.
Le ŋkeke gbãtɔ si do ŋgɔ na abolo maʋãmaʋã ɖuɖu ƒe ŋkekea dzi la, nusrɔ̃lawo te ɖe Yesu ŋu eye wobiae be," “Afi kae míele ŋutitotoŋkekenyui la ɖu ge le?”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe dua me teti ko la, miado go ŋutsu aɖe, mi gblɔ nɛ bena, ‘Míaƒe Nufiala ɖo mí ɖe gbɔwò be míagblɔ na wò be, yeƒe ɣeyiɣi la ɖo azɔ eya ta ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo yewoava dze gbɔwò aɖu ŋutitotoŋkekenyui la.’”
Nusrɔ̃lawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ eye wodzra ɖo na ŋkekea ɖuɖu le afi ma.
Le fiẽ me la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ kplɔ̃ ŋu eye woɖu nu.
Ke esi wonɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na wo be, “Mia dometɔ ɖeka adem asi be woawu.”
Nya sia ɖi ɖe nusrɔ̃lawo ŋutɔ ale wolé blanui. Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsi dzodzodzoe eye wobiae be, “Aƒetɔ nyea? Aƒetɔ nyea?”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame si de asi nuɖugba me kplim lae le dɔ sia wɔ ge.
Ele nam be maku abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe da ɖi xoxo ene. Gake baba na ame si adem asi. Le nyateƒe me la, nenye be womegaxa dzii o la anyo nɛ wu sã.”
Ke azɔ la, Yuda hã bia Yesu be, “Nufiala, nyee le nu sia wɔ gea?” Ke Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nɔvi, wò tututue le dɔ sia wɔ ge.”
Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi. Edo gbe ɖa ɖe aboloa ta eye wòmae na wo be woaɖu. Esi wòtsɔ aboloa na wo be woaɖu la, egblɔ be, “Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã.”
Emegbe la etsɔ wainkplu la hã ɖe asi, do gbe ɖa ɖe eta eye wòtsɔe na wo be woano. Egagblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mi katã mixɔe no,
esia nye nye ʋu si wotsɔ tre nubabla yeyea nui. Wokɔe ɖi be ame geɖe nakpɔ nu vɔ̃ tsɔtsɔke to eme.”
Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena, “Medi be mianya nyuie bena, nyemegale wain sia no ge akpɔ o, va se ɖe esi me nye kple miawo miaganoe yeyee le fofonye ƒe Fiaɖuƒe la me.”
Esi Yesu ƒo nu vɔ la, wo katã wodzi ha ɖeka eye wodo go heɖo ta amiti to la dzi.
Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Le egbe ƒe zã sia me la, mi katã miakaka le ŋunye. Elabena woŋlɔe ɖe mawunya me bena, ‘Mele alẽkplɔla la wu ge eye alẽawo katã akaka gbẽe.’
Gake ne megagbɔ agbe la, mayi ɖe Galilea eye mado go mi le afi ma.”
Petro tɔ asi akɔ gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame ka hlẽ le ŋuwò hã la, nye ya nyemadzo le gbɔwò gbeɖegbeɖe o.”
Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, le nyateƒe me la, kasia ne koklo naku atɔ le fɔŋli me la, ãgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”
Petro gaɖo eŋu kple kakaɖedzi be, “Ke ɖeko maku hafi agbe nu le gbɔwò” Azɔ nusrɔ̃la bubuawo katã hã gblɔ nenema.
Ke Yesu kplɔ wo yi ɖe abɔ aɖe si woyɔna be Getsemane la me eye wògblɔ na wo be woabɔbɔ nɔ anyi alala ye vie. Esi wonɔ elalam la, ezɔ yi ŋgɔ vie be yeado gbe ɖa.
Ekplɔ Petro kple Zebedeo vi eveawo siwo nye Yohanes kple Yakobo la ɖe asi. Esi wova ɖo teƒea la eƒe lãme gbɔdzɔ eye wòlé blanui.
Ale wògblɔ na wo bena, “Nye lãme gbɔdzɔ ŋutɔ eye nye dzi le nu xam heyi ku me ke, eya ta minɔ afi sia eye mianɔ ŋudzɔ kplim.”
Yesu zɔ yi ŋgɔ vie, edze klo eye wòtsyɔ mo anyi. Azɔ edo gbe ɖa be, “Fofonye, ne anɔ bɔbɔe la, ekema ɖe kplu sia ɖa le dzinye. Ke na be nu si ke nye wò lɔlɔ̃ nu la nava eme ke menye nu si medi la o.”
Yesu trɔ va nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ kasia, ekpɔ be wonɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Eyɔ Petro eye wòbiae se bena, “Ke miate ŋu anɔ ŋu kplim gaƒoƒo ɖeka pɛ oa?
Minɔ ŋudzɔ eye mido gbe ɖa, ne menye nenema o la, tetekpɔ aɖu mia dzi. Elabena gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.”
Yesu gagblẽ nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖi heyi ɖado gbe ɖa ake be, “Fofo, nenye be ele be mano kplu sia kokoko la, ekema mawɔ wò lɔlɔ̃ nu.”
Esi wògatrɔ va la ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko elabena alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo.
Etrɔ le wo gbɔ gayi ɖado gbe ɖa zi etɔ̃lia.
Azɔ etrɔ va nusrɔ̃lawo gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Miate ŋu adɔ alɔ̃ azɔ faa eye miadzudzɔ mia ɖokuiwo. Gake nɔviwo, ɣeyiɣi la de be woadem asi na nu vɔ̃ wɔlawo.
Mitso míadze mɔ. Mikpɔ ɖa, ame si le denye ge asi la enye ma gbɔna.”
Esi wònɔ nua ƒom la Yuda ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka lae nye ekem le ŋgɔ na ameha gã aɖe eye wozɔ gbɔna. Ameha siawo nye amedɔdɔwo tso Yudatɔwo ƒe Osɔfowo kple dumegãwo gbɔ, eye wolé yiwo kple kpowo ɖe asi gbɔna.
Yuda gblɔ na wo do ŋgɔ be ame si dim wole lae nye ame si yeado gbe na eye yeagbugbɔ nu na la.
Yuda zɔ tẽe yi ɖe Yesu gbɔ gblɔ nɛ be, “Medo gbe na wò, Nufiala,” eye wògbugbɔ nu nɛ.
Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, yi wò dɔ si ta nèva ɖo la dzi.” Kasia, amewo lũ ɖe Yesu dzi eye wolée.
Enumake Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka ɖe eƒe yi le aku me eye wòkpa to na Yudatɔwo ƒe osɔfogã ƒe subɔvi ɖeka.
Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Mègawɔ wò yi ŋudɔ o, tsɔe de aku me, elabena ame siwo wɔa yi ŋudɔ la, hã kpɔa ku le yi nu.
Alo mènya be mate ŋu abia Fofonye eye wòana mawudɔla akpeakpewo mí be woadzɔ mía ŋu oa?
Ke ne mewɔ nenema ɖe ale ke nya siwo woŋlɔ da ɖi le mawunya me siwo le dzɔdzɔm fifia hã la awɔ hafi ava eme?”
Azɔ Yesu trɔ ɖe amehawo gbɔ ƒo nu na wo be, “Nu vɔ̃ wɔla kple hlɔ̃dola menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoalém hã? Menɔ mia dome, gblɔ nya le miaƒe gbedoxɔ me gbe sia gbe, ke miete ŋu wɔ naneke o.
Nyateƒe nu siawo katã le dzɔdzɔm tututu abe ale si nyagblɔɖilawo ŋlɔe da ɖi le mawunya la me ene.”"Ale eƒe nusrɔ̃lawo kata gblée ɖi, hesi dzo.
Ameha la kplɔ Yesu yi ɖe Osɔfogã Kayafa ƒe aƒeme, afi si Yudatɔwo ƒe osɔfowo katã va ƒo ƒu ɖo la.
Petro hã dze ameawo yome ɖɔɖɔɖɔ va Osɔfogãwo ƒe aƒea me eye wòyi ɖanɔ asrafoawo dome be yeakpɔ nu si adzɔ ɖe Yesu dzi ɖa."
Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple dumegãwo kpe ta ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒegã la henɔ vodada si dzi woatsi tre ɖo atso kufia nɛ la dim.
Gake womekpɔ ɖeke o, togbɔ be ame geɖewo lɔ̃ ɖi aʋatsoɖase le eŋu hã.
Le nuwuwu la ame eve va gblɔ be, “Ame sia gblɔ be, ‘mate ŋu agba Mawu ƒe gbedoxɔ sia agatui le ŋkeke etɔ̃ megbe.’”
Enumake Yudatɔwo ƒe Osɔfogã la tsi tre hebia Yesu be, “Ale kee, nuɖeɖe aɖe le asiwo le nya sia ŋua?”
Ke Yesu meke nu o. Osɔfogã la yi edzi gblɔ nɛ be, “Meta Mawu gbagbe la, nenye wòe nye Mesia, Mawu Vi la la, ekema gblɔe míse fifia.”
Azɔ Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “Ẽ, nye tututue, eye madidi o la, miakpɔ nye Amegbetɔ Vi la mabɔbɔ nɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye matrɔ agbɔ va le dziƒo lilikpowo me.”
Eƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe Osɔfogã la ale wòƒu asi akɔta gblɔ bena, “Mise ɖa, ame sia gblɔ busunya, megahiã be ame bubu aɖeke naɖi ɖase o, mí katã míese eƒe numegbe xoxo.
Nu kae nye miaƒe nyametsotso?” Ameha gã la do ɣli be, “Edze na ku, ele be woawui!”
Azɔ amewo ƒu du ɖe edzi, ɖe ta ɖe eŋu eye ɖewo tu kɔe to megbe hegblɔ nɛ be,
“Ne wòe nye Mesia la la, ekema tɔ asi ame si ƒo wò to megbe la dzi ne míakpɔ.”
Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Petro ganɔ amehawo dome le xexe. Nyɔnuvi dzaa aɖe te ɖe eŋu gblɔ nɛ bena, “Wò hã ènɔ Yesu Galileatɔ la yome.”
Ke Petro sẽ nu le wo katã ŋkume, “Nyemenya naneke le nu si gblɔm nèle la ŋu o.”
Emegbe la Petro do ɖe agboa nu eye nyɔnuvi bubu aɖe hã gakpɔ Petro le amehawo dome, eye wògblɔ na ame siwo le afi ma be, “Ame sia hã nɔ Yesu Nazaretitɔ ƒe nusrɔ̃lawo dome.”
Azɔ Petro ka atam be, “Nyemenya ŋutsu la le afi aɖeke kura kpɔ o!”
Ke eteƒe medidi o la, ame siwo tsi tre ɖe afi ma la te ɖe Petro ŋu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, míenya be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye, wò nuƒo hã sɔ kple Galileatɔwo tɔ pɛpɛpɛ.”
Azɔ Petro do ɣli. Eka atam gblɔ be, “Ne menya ame sia tututu la, ekema nane nedzɔ ɖe dzinye.” Kasia Petro naɖe nu le nyaa me la, koklo ku atɔ ‘kɔkɔliakɔe.’
Enumake Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ nɛ be, “Hafi koklo naku atɔ la ãgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃” la dzi. Ale wòtrɔ dzo eye wòfa avi vevie.

27

Esi ŋu ke la, Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegã bubuwo kpe ta be woade ŋugblẽ le ale si woawɔ able Romatɔwo ƒe dziɖuɖua nu ne wòatso kufia na Yesu la ŋuti.
Emegbe la, wode gae eye wokplɔe yi na Pilato, Romatɔwo ƒe gɔvina.
Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda, ame si de Yesu asi la kpɔ be wotso kufia nɛ. Eƒe susu trɔ eye wòvee vevie be wòwɔ esia. Eya ta egbugbɔ ga si wòxɔ le Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo si la yii na wo.
Egblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃ elabena, mede ame maɖifɔ asi.” Ke woɖo eŋu nɛ be, “Wò nyae nye ema, ɖeke meka mí o.”
Ale Yuda tsɔ ga la ƒu gbe ɖe anyigba le gbedoxɔ la me eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui.
Osɔfogãwo va fɔ ga la le anyigba eye wogblɔ bena, “Míate ŋu atsɔ ga sia ade nudzɔɖaka la me o, elabena etsi tre ɖe míaƒe sewo ŋu be, míaxɔ ga si woxe ɖe ame aɖe ƒe ku ta la.”
Mlɔeba la, woɖoe be yewoatsɔ ga la aƒle abɔ aɖe si le afi si zemelawo kaa anyi lena la eye yewoatrɔe woazu ameɖiƒe na amedzro siwo ku le Yerusalem.
Eya tae woyɔa ameɖiƒe sia be, “Ʋubɔ” va se ɖe egbe.
Esia wu nya si nyagblɔɖila Yeremia gblɔ da ɖi be, “Wotsɔ klosalo ga blaetɔ̃, si woxɔ le Israelviwo gbɔ la,
ƒle abɔe tso zemelawo si abe ale si Aƒetɔ la gblɔ nam ene,” la nu.
Azɔ la Yesu tsi tre ɖe Pilato, Roma dziɖuɖua ƒe gɔvina ŋkume. Gɔvina la biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe Fia la?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, abe ale si míegblɔe ene”.
Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo tsɔ nya geɖewo wɔ nutsotsoe ɖe Yesu ŋuti, gake eya zi ɖoɖoe kpoo. Meɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu o.
Pilato gabiae be, “Mèle nya gbogbo siwo gblɔm wole ɖe ŋutiwò la sem oa?”
Ke Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o eye esia wɔ nuku na Pilato ŋutɔ.
Enye gɔvina la ƒe ɖoɖo be ne Ŋutitotoŋkeke la ɖo edzi ƒe sia ƒe la, yeaɖe asi le Yudatɔ gamenɔla si wodi la ŋuti.
Le ƒe sia me la, gamenɔla aɖe li, ame sia nye ame dovo, tagbɔsesẽtɔ aɖe. Eƒe ŋkɔe nye Baraba.
Esi ameha la ɖi anyi ɖe Pilato ƒe xɔxɔnu le ŋdi ma la, ebia wo be, “Ame ka ŋutie maɖe asi le na mi? Baraba loo alo Yesu, miaƒe Mesia la?”
Elabena Pilato nya nyuie be ale si ame geɖewo dze Yesu yome la koe biã ŋu na Yudatɔwo ƒe dumegãwo eya tae wolée ɖo.
Ke esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a ɖo gbedeasi sia ɖee be, “Mègaka asi ame dzɔdzɔe ma ŋuti o; elabena etsɔ si va yi ƒe zã la meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe tso eŋuti.”
Azɔ la Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo ble ameha la nu be woabia be woaɖe asi le Baraba ŋuti na yewo eye woawu Yesu.
Eya ta esi gɔvina la gabia be, “Ame eve siawo dometɔ ka ŋutie maɖe asi le na mi?” ameha la do ɣli sesĩe be, “Baraba.”
Pilato bia wo be, “Ekema nu kae mawɔ kple Yesu, miaƒe Mesia la?” Wodo ɣli hoo be, “Klãe ɖe ati ŋuti”
Pilato gabia be, “Nu ka tae miedi be mawɔ esia ɖo, eye vo kae wòda?” Ke woawo la ɣlia dodo dzi ko wonɔ be, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!”
Esi Pilato kpɔ be ameawo ɖo kplikpaa eye howɔwɔ gã aɖe le egɔme dzem la, edɔ be woaku tsi ɖe gagbɛ me vɛ na ye, ale wòklɔ asi le ameha la ŋkume gblɔ be, “Ame nyui sia ƒe ʋu kɔkɔ ɖi la, metso gbɔnye o; ke boŋ etso mia gbɔ!”
Ameha la do ɣli sesĩe be, “Eƒe ʋu kɔkɔ ɖi ƒe tohehe neva mí kple mía viwo dzi faa!”"
Ale Pilato ɖe asi le Baraba ŋuti na wo. Ena woƒo Yesu eye esi woƒoe vɔ la, eɖe asi le eŋu na Roma srafowo be woakplɔe yi aɖaklã ɖe ati ŋu.
Gbã la, asrafoawo kplɔe yi ɖe afi si aʋawɔnuwo nɔna eye asrafoha la katã va ƒo xlãe.
Woɖe eƒe awu siwo wòdo la le eŋuti eye wotsɔ awu dzĩ do nɛ
eye wotsɔ ŋu didi aɖewo wɔ fiakuku heɖɔ nɛ eye wotsɔ fiatikplɔ hã de eƒe ɖusisi me. Wova dzea klo ɖe eŋkume fewuɖutɔe eye wogblɔna be," “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia.”
Azɔ la, wotu ta ɖe eŋuti eye woxɔ atikplɔ la le esi hetsɔ ƒo dzodome nɛ sesĩe."
Esi wowu fewuɖuɖua nu la, woɖe awu dzĩ la le eŋuti eye wotsɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ eye wokplɔe dzoe yina kaklã ge ɖe ati ŋuti.
Esi woyina eklã ge ɖe atitsoga ŋuti la, wodo go ŋutsu aɖe si tso Kirene, le Afrika, eŋkɔe nye Simɔn, eye wozi edzi be wòatsɔ atitsoga la akpe Yesu.
Ale wova ɖo teƒe si woyɔna be Golgata, si gɔme nye “Ametakoli Togbɛ.”
Asrafoawo tsɔ wain si me wode atikee la nɛ be wòano gake esi wòɖɔe kpɔ la, egbe enono."
Esi woklãe ɖe atitsoga ŋuti vɔ la, asrafoawo da akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be woazu ame si ɖu dzi la tɔ.
Le esia megbe la, wobɔbɔ nɔ anyi ɖe afi ma henɔ eŋu dzɔm.
Woŋlɔ nu klã ɖe eƒe atitsoga la tame be, “Ame sia nye Yesu, Yudatɔwo ƒe fia la.”
Ŋdi ma ke la, woklã adzodala eve hã ɖe ati ŋu le axawo kple eve dzi.
Ame siwo to teƒea va yina la dzui hegblɔ nya vlo geɖewo ɖe eŋuti. Woʋuʋua ta fewuɖutɔe be,
“ Ke alee wòle! Àte ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke atɔ̃ megbe. Mãte ŋui oa? Ne ãte ŋui eye nènye Mawu Vi tututu la, ɖe ɖokuiwò le atia ŋuti!”
Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegã bubu siwo le afi ma la ɖu fewu le eŋu be,
“ Eɖe ame bubuwo gake mate ŋu aɖe eɖokui o! Ke wò boŋue nye Yudatɔwo ƒe fia laa? Nenye wòe la, ɖi le atitsoga la ŋuti, ekema míaxɔ dziwò ase.
Ebe yexɔ Mawu dzi se; Mawu neɖo kpe eƒe xɔse la dzi ne wòaɖee le atia ŋuti. Alo menye eyae gblɔ be, ‘Mawu vi menye,’ oa?”"
Nenema ke adzodala siwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe eŋuti la hã dzui heɖe alɔme le eŋuti.
Le ŋdɔ ma la, zãdokeli do ɖe anyigba la katã dzi gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ, tso ŋdɔ ga wuieve va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me.
Le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Yesu do ɣli sesĩe be," “Eli, Eli lama sabaktani”,"esi gɔme enye,“Nyee Mawu, nyee Mawu nu ka ŋuti nègblẽm ɖi mahã?”
Nukpɔla siwo le afi ma la dometɔ aɖewo mese nya si wògblɔ la gɔme nyuie o, eye wobu be Eliya yɔm wòle.
Ameawo dometɔ ɖeka si du ɖatsɔ aha tsitsi eye wòkɔe ɖe akutsa tɔxɛ aɖe me. Etɔ akutsa la ɖe ati nu eye wòtsɔe ɖo nu na Yesu.
Ke ame bubuwo gblɔ nɛ be," “Đe asi le eŋuti ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.”
Yesu gado ɣli sesĩe ake. Etsɔ eƒe gbɔgbɔ la na eye wòku kpoo.
Eye kpɔ ɖa xɔmetsovɔ si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la ŋkumee le gbedoxɔ me la ma ɖe eve enumake tso tame va se ɖe egɔme eye anyigba ʋuʋu kpekpekpe; agakpe gãwo hã gbã
eye yɔdowo nu ʋu eye nyɔnu kple ŋutsu siwo nye mawuvɔ̃lawo hafi ku la gagbɔ agbe.
Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, wodo le woƒe yɔdoawo me eye woyi ɖe Yerusalem, afi si woɖe wo ɖokuiwo fia ame geɖewo le.
Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ lé wo eye wogblɔ be, “Ame sia nye Mawu Vi vavã.”
Nyɔnu siwo kplɔe ɖo tso Galilea be yewoava kpɔ edzi le Yerusalem la, le nu siwo katã le dzɔdzɔm la kpɔm tso adzɔge.
Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ, Maria Yakobo kple Yosef dada kple Yohanes kpakple Yakobo siwo nye Zebedeo ƒe viwo la dada.
Esi fiẽ ɖo la, kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Yosef, tso Arimatia, ame si nye Yesu yomedzelawo dometɔ ɖeka la,
yi ɖe Pilato gbɔ hebia Yesu ƒe ŋutilã kukua. Pilato ɖe gbe be woatsɔ Yesu ƒe ŋutilã kukua nɛ.
Yosef xɔ ame kuku la eye wòtsɔ aklala yeye aɖe si fu tititi la xatsa ɖe eŋuti nyuie
eye wòtsɔe mlɔ yɔdo si eya ŋutɔ ɖe ɖe agakpewo dome la me hemli kpe gã aɖe tu yɔdo la nu.
Maria Magdalatɔ kple Maria evelia wonɔ anyi henɔ ale si woɖi Yesu kple afi si woɖii ɖo la kpɔm.
Le ŋufɔke, esi ŋutitoto ŋkeke la ƒe ŋkeke gbãtɔ wu enu la, Osɔfogãwo kple Farisitɔwo yi ɖe Pilato gbɔ
eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, alakpatɔ ma gblɔ kpɔ be, ‘Matsi tre le ŋkeke etɔ̃ megbe’
Eya ta míedi be nãɖe gbe ne woatre yɔdo la nu va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe ale be eƒe nusrɔ̃lawo mate ŋu ayi aɖafi eƒe ŋutilã kukua ahable amewo be, etsi tre o. Nenye be nu sia va eme la, ekema nu si adzɔ fifia la, awu gbãtɔ.”
Pilato ɖo nya la ŋu na wo be, “Mikplɔ asrafo siawo yi ne woadzɔ yɔdo la ŋu nyuie”.
Ale wotre yɔdo la nu hetsɔ asrafowo ɖo afi ma be woadzɔ eŋuti.

28

Le Kwasiɖagbe ƒe fɔŋli me la, Maria Magdalatɔ kple Maria evelia woyi ɖe yɔdo la to.
Kasia anyigba ʋuʋu sesĩe; elabena mawudɔla aɖe si tso Aƒetɔ la gbɔ la ɖi tso dziƒo va mli kpe gã la ɖa eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe edzi.
Mawudɔla la ƒe mo le keklẽm abe dzikedzo ene eye eƒe awuwo fu tititi abe ɖetifu ene.
Esi dzɔlawo kpɔe la, dzidzi ƒo wo eye womu dze anyi heku ƒenyi.
Mawudɔla la ƒo nu na nyɔnuawo gblɔ be, “Migavɔ̃ o, menya be Yesu si woklã ɖe ati ŋu la dim miele
gake mele afi sia o. Elabena etsi tre abe ale si wògblɔ da ɖi ene. Miva kpɔ afi si wotsɔe mlɔe la ɖa.
Azɔ miɖe abla miayi aɖagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be, etsi tre tso ame kukuwo dome eye wòyina ɖe Galilea be miava kpe ye le afi ma. Mixɔ nye gbedeasi sia yi na wo.”
Nyɔnuawo si du dzo le yɔdoa to kple vɔvɔ̃ kple dzidzɔ. Esi wole dua dzi yina ɖe nusrɔ̃lawo di ge la,
Yesu va kpe wo. Edo gbe na wo be, “Ŋdi na mi” eye wodze klo ɖe eƒe akɔme helé eƒe afɔwo ɖe asi eye wosubɔe.
Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o! Miyi miagblɔ na nɔvinyewo be woadze mɔ enumake ayi ɖe Galilea eye woado gom le afi ma.”
Esi nyɔnuawo le gegem ɖe dua me la, asrafo siwo nɔ yɔdoa ŋu dzɔm la ƒe ɖewo va Osɔfogãwo gbɔ hegblɔ nu si va dzɔ la na wo.
Esi Osɔfogãwo kpe ta kple dumegãwo la wode aɖaŋu eye wotsɔ ga home gã aɖe na asrafoawo bena;
“Migblɔ be, ‘Eƒe nusrɔ̃lawo va zã me eye wofi eƒe kukua dzoe esi míenɔ alɔ̃ dɔm’”
Takpekpe la do ŋugbe be, “Nenye be gɔvina la se nya sia la, miatsi tre aʋli mia ta eye nu sia nu ayi dzi nyuie.”"
Ale asrafoawo xɔ ga la eye wogblɔ nu si woɖo na wo be woagblɔ la. Nya la kaka ɖe Yudatɔwo dome gbẽe eye woxɔe se va se ɖe egbegbe gɔ̃ hã.
Nusrɔ̃la wuiɖekɛawo hã dze Galilea mɔ dzi eye woyi ɖe to si dzi Yesu ɖo be yeado go wo le la dzi.
Afi sia wokpee le hesubɔe, ke wo dometɔ aɖewo meka ɖe edzi be Yesu ŋutɔe nye ema o.
Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be," “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba la katã de asi nam.
Eya ta miyi ɖawɔ amewo le dukɔ ɖe sia ɖe me woanye nye nusrɔ̃lawo; miade mawutsi ta na wo le Fofo la, Vi la, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me
Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi; eye kakaɖedzi nenɔ mia si ɣesiaɣi be, meli kpli mi ɣesiaɣi va se ɖe xexeame ƒe nuwuwu.”

Holder of rights
Multilingual Bible Corpus

Citation Suggestion for this Object
TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. Matthew (Ewe). Matthew (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-96F4-B