Titus (Ewe)

Titus (Ewe)

1

1:1b.TIT.001.001 Paulo, Mawu ƒe dɔla kple Yesu Kristo ƒe apostolo na Mawu ƒe ame tiatiawo ƒe xɔse kple sidzedze nyateƒe si kplɔa ame yia mawusosroɖa gbɔe,

1:2b.TIT.001.002 xɔse kple sidzedze si ku ɖe mɔkpɔkpɔ na agbe mavɔ la ŋu, nu si Mawu ame si medaa alakpa o la do eƒe ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔwo dze egɔme,

1:3b.TIT.001.003 eye woɖe eƒe nya la ɖe go fia le eya ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi to nyanyui la gbɔgblɔ si wòtsɔ de asi nam le Mawu, mía Đela la, ƒe gbeɖeɖe nu.

1:4b.TIT.001.004 Mele agbalẽ sia ŋlɔm na Tito, vinye vavãtɔ le xɔse ɖeka si le mía si la nu. Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Kristo Yesu mía Đela gbɔ la nanɔ kpli wò.

1:5b.TIT.001.005 Nu si ta megblẽ wò ɖe Kreta lae nye nãɖɔ nu siwo susɔ la ɖo eye nãɖo hamemegãwo le du ɖe sia ɖe me abe ale si meɖoe na wòe ene.

1:6b.TIT.001.006 Ele na hamemegã be wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ŋutsu si ƒe viwo lé xɔse la me ɖe asi eye nya mele wo ŋu be wonye aglãdzelawo kple tomaɖolawo o.

1:7b.TIT.001.007 Esi wònye be wotsɔ Mawu ƒe dɔ de asi na hamemegã ta la, ele nɛ be wòanye mokakamanɔŋutɔ, Manye dadala alo ame si doa dziku kabakaba o, manye aha tsu nola o, manye ame si wɔa nu gbodogbodo alo tia viɖe ƒoɖi yome o.

1:8b.TIT.001.008 Ke boŋ wòanye amedzrowɔla, ame si lɔ̃a nu nyui, ɖokuidziɖula, nu dzɔdzɔe wɔla, ame si le kɔkɔe eye wòwɔa nu ɖe ɖoɖo nu.

1:9b.TIT.001.009 Ele nɛ be wòalé nyateƒenya la me ɖe asi sesĩe abe ale si wofiae ene ale be eya hã natsɔ nu dzɔdzɔe fiafia ade dzi ƒo na ame bubuwo eye wòatsi ɖeklemiɖelawo ƒe nya nu.

1:10b.TIT.001.010 Elabena aglãdzela geɖewo le afi ma, nya dzodzro gblɔlawo kple ameblelawo, vevietɔ ame siwo tso aʋatsotso ƒe kɔmama me.

1:11b.TIT.001.011 Ele be woatsi woƒe nuwɔnawo nu elabena wole aƒekɔ blibowo dome gblẽm to nu siwo mele be woafia o la fiafia me eye wowɔa esia ɖe viɖe ƒoɖi ta.

1:12b.TIT.001.012 Woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka gblɔ gɔ̃ hã be, “Kretatɔwo nye alakpadalawo ɖaa wonye lã vɔ̃ɖiwo kple nu tsu ɖula kuviatɔwo”

1:13b.TIT.001.013 Đaseɖiɖi sia le eteƒe eya ta ka mo na wo vevie ale be woade blibo le xɔse la me,

1:14b.TIT.001.014 eye womaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo alo aɖo to ame siwo gbe nu le nyateƒe la gbɔ ƒe sededewo o.

1:15b.TIT.001.015 Ame siwo dza la, nu sia nu le dzadzɛ na wo, ke ame siwo me gbegblẽ le eye womexɔ se o la, naneke mele dzadzɛ le wo gbɔ o. Le nyateƒe me la, woƒe susu kple dzitsinya katã me do viviti.

1:16b.TIT.001.016 Wogblɔna be yewonya Mawu gake wogbea nu le egbɔ to woƒe nuwɔnawo me. Wonye ŋunyɔnuwo kple tomaɖolawo eye womedze na nu nyui aɖeke wɔwɔ o.

2

2:1b.TIT.002.001 Ele na wò be nãfia nu si nye nufiafia si de blibo.

2:2b.TIT.002.002 Fia ame tsitsiwo be woafa tu woanye ame siwo dze na bubu, ɖokuidziɖulawo, ame siwo ƒe xɔse de blibo le lɔlɔ̃ kple tenɔnɔ me.

2:3b.TIT.002.003 Nenema ke fia nyɔnu tsitsiawo be woafa tu eye woabu ame le woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam nɔa nya vlowo gblɔm tso amewo ŋu o, eye womanye aha tsu nolawo hã o.

2:4b.TIT.002.004 Ele be nyɔnu tsitsi siawo nafia ɖetugbiwo ale si woafa tui eye woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwo.

2:5b.TIT.002.005 Fia wo be woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo bɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magagblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o.

2:6b.TIT.002.006 Nenema ke, do ŋusẽ ɖekakpuiwo be woanye ɖokuidziɖulawo.

2:7b.TIT.002.007 Tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋui na wo le nu sia nu me to nu si nyo la wɔwɔ me. Đe nuteƒewɔwɔ kple moveviɖoɖo fia le wò nufiafia me.

2:8b.TIT.002.008 hekpe ɖe esiawo ŋu la, wò nuƒoƒo neto mɔ ɖeka be womakpɔ kpɔtsɔtsɔ le eŋu o ale be ŋu nakpe ame siwo tsia tre ɖe ŋuwò, elabena nya vɔ̃ aɖeke mele wo si woagblɔ tso mía ŋu o.

2:9b.TIT.002.009 Fia kluviwo be woaɖo to woƒe aƒetɔwo le nu sia nu me, woadze agbagba awɔ nu adze wo ŋu eye womegaɖe nya nu na woƒe aƒetɔwo o.

2:10b.TIT.002.010 Fia wo hã be womagafi woƒe aƒetɔwo o ke boŋ woaɖee afia be woate ŋu aka ɖe wo dzi blibo ɣesiaɣi ale be le mɔ ɖe sia ɖe nu la, woawɔ nufiafia tso Mawu, míaƒe Đela, ŋu wòadze ame ŋu.

2:11b.TIT.002.011 Elabena Mawu ƒe amenuveve si hea ɖeɖe vanɛ la, do na amewo katã.

2:12b.TIT.002.012 Efia mí be míagblɔ “Ao” na mawumavɔmavɔ̃ kple xexemenudzodzrowo eye míanɔ agbe le ɖokuidziɖuɖu, dzɔdzɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me, le fifi xexeame,

2:13b.TIT.002.013 esi míele lalam na yayraŋkeke si míele mɔ kpɔm na, yayraŋkeke si dzi woaɖe míaƒe Mawu gã kple Đela Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe afia le.

2:14b.TIT.002.014 Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye eya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo.

2:15b.TIT.002.015 Eya ta fia nu siawo. De dzi ƒo na wò amewo eye nãka mo kple ŋusẽ katã. Megana ame aɖeke nado vlo wò o.

3

3:1b.TIT.003.001 Đo ŋku edzi na wò amewo be ele be woabu dziɖuɖua kple eƒe dɔnunɔlawo; ele be woaɖo to wo eye woanɔ klalo na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ɣesiaɣi.

3:2b.TIT.003.002 Mele be woagblɔ nya vɔ̃ ɖe ame aɖeke ŋu loo alo awɔ dzre o, ke boŋ ele be woanye ame fafawo eye woabu ame sia ame.

3:3b.TIT.003.003 Míawo hã míenye abunɛtɔwo kpɔ eye míegbe toɖoɖo. Ame bubuwo ble mí eye míezu kluviwo na dzodzro vɔ̃wo kple fiẽŋufiẽŋu vɔ̃ɖiwo. Havimalɔmalɔ̃ kple ŋuʋaʋã xɔ mía me keŋ. Míelé fu amewo eye woawo hã lé fu mí.

3:4b.TIT.003.004 Ke esi ɣeyiɣia de be Mawu, mía Đela ƒe amenuveve kple lɔlɔ̃ nado la,

3:5b.TIT.003.005 eɖe mí, menye esi míedze be woaɖe mí ta o, ke boŋ le eƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta. Ewɔ esia to ale si wòklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa kple ale si wòde Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dzidzɔ yeye mía me la me.

3:6b.TIT.003.006 Ekɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dzi eye wòna wòsɔ gbɔ le mía me. Ewɔ esiawo katã le nu si Yesu Kristo, mía Đela wɔ la ta,

3:7b.TIT.003.007 ale be woate ŋu atso afia na mí le Mawu ƒe ŋkume, le eƒe dɔmenyo gbago la ta. Azɔ la, míate ŋu akpɔ gome le agbe mavɔ si wonaa mí la ƒe kesinɔnu la me. Míele mɔ kpɔm vevie na exɔxɔ.

3:8b.TIT.003.008 Esia nye nyateƒenya si wogblɔ eye medi be nãte gbe ɖe nu siawo dzi ale be ame siwo tsɔ woƒe xɔse de Mawu me la nakpɔ nyuie be wotsɔ wo ɖokuiwo de nu nyui wɔwɔ me blibo; nu siawo nyo ŋutɔ eye wohea viɖe geɖe vanɛ na ame sia ame.

3:9b.TIT.003.009 Mègade nu nyahehe siwo ku ɖe biabia siwo ŋu ŋuɖoɖo tututu aɖeke mele o kple mawunya ƒe akpa siwo ŋu ɖeklemiɖeɖe geɖe le la me o. Đe ɖokuiwò ɖa le nyahehe tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu me, elabena viɖe aɖeke mele nu sia tɔgbi ŋu o; nu gbegblẽ koe wòhena vanɛ.

3:10b.TIT.003.010 Ne ame aɖe le mama hem va mia dome la, ele be miagbe nya nɛ zi gbãtɔ kple zi evelia. Le esia megbe la, migatsɔ ɖeke le eƒe nya me o,

3:11b.TIT.003.011 elabena ame ma tɔgbi medaa asixɔxɔ vavãtɔ ɖe nu nyui dzi o. Ele nu vɔ̃ wɔm eye eya ŋutɔ nya nenema.

3:12b.TIT.003.012 Mele eɖom be maɖo Artema alo Tikiko ɖe wò. Dze agbagba, ne wo dometɔ ɖeka va ɖo la, nãdo gom le Nikopoli kaba abe ale si nate ŋui ene, elabena meɖo be manɔ afi ma le vuvɔŋɔlia me.

3:13b.TIT.003.013 Wɔ nu sia nu si nãte ŋui la be nãkpe ɖe Zena, senyala la, kple Apolo ŋu le woƒe mɔzɔzɔ me. Kpɔ egbɔ be woana nu sia nu si woahiã la wo.

3:14b.TIT.003.014 Fia míaƒe ameawo be woasrɔ̃ ale si woatsɔ wo ɖokuiwo ade nyuiwɔwɔ me ale be woate ŋu akpɔ woƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo eye womanɔ agbe maɖevi o.

3:15b.TIT.003.015 Ame siwo katã le gbɔnye la do gbe na mi nyuie. Do gbe na ame siwo lɔ̃a mí le xɔse la me. Amenuveve nanɔ kpli mi katã.


Holder of rights
Multilingual Bible Corpus

Citation Suggestion for this Object
TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. Titus (Ewe). Titus (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-9724-5