1

Esia enye Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia si Mawu nae be woaɖe fia eƒe dɔlawo tso nu si ava dzɔ kpuie la ŋuti. Edɔ eƒe mawudɔla ɖa be wòaɖe nu siawo afia Yohanes ame si nye eƒe dɔla.
Yohanes ɖi ɖase le nu si wo katã wòkpɔ la ŋu, nu siwo nye Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ŋu ƒe ɖaseɖiɖi.
Woayra ame si xlẽ nyagblɔɖi sia me nyawo, woayra ame siwo see eye wotsɔ emenyawo ɖe woƒe dzime elabena ɣeyiɣi la te tu aƒe.
Agbalẽ sia tso Yohanes gbɔ na hame adre siwo le Asia nutome: amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu ame si nɔ anyi, eye wòli eye wògale vava ge la gbɔ kple gbɔgbɔ adre siwo le eƒe fiazikpui la ŋgɔ,
kple Yesu Kristo, ame si nye ɖaseɖila anukwaretɔ, ame gbãtɔ si fɔ tso ku me eye wònye anyigbadzifiawo dziɖula la gbɔ na mi. Eya ame si lɔ̃ mí eye wòɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eƒe ʋu me,
eya ame si wɔ mí be míanye fiaɖuƒe kple Osɔfo siwo asubɔ eƒe Mawu kple Fofoa, eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
Kpɔ ɖa! Egbɔna; alilĩkpowo aƒo xlãe eye ŋku ɖe sia ɖe akpɔe. Ẽ, ame siwo tɔ akplɔe gɔ̃ hã akpɔe. Ne eva do la, dukɔwo afa avi kple ɣli le eya amea ta. Ẽ! Amen! Neva eme nenema!
“Nyee nye A kple Z, gɔmedzedze kple nuwuwu ame si nɔ anyi, eli eye wògale vava ge, ame si nye Ŋusẽkatãtɔ.” Aƒetɔ Mawue gblɔe.
Nye, mia nɔvi Yohanes, ame si kpe fu kpli mi le Aƒetɔ la ta lae le agbalẽ sia ŋlɔm na mi. Nye hã mekpɔ gome le dzidodo si Mawu nana la me eye miakpɔ gome le eƒe fiaɖuƒe la hã me! Menɔ Patmo Ƒukpo dzi. Woɖe aboyom yi afi ma le ale si megblɔ Mawu ƒe nya kple nu si menya tso Yesu Kristo ŋuti la ta.
Esime menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ la ƒe ŋkekea dzi la, mese gbe sesẽ aɖe le megbenye abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene.
Enɔ gbɔgblɔm bena, “Nyee nye A kple Z, Gbãtɔ kple Mlɔetɔ” Emegbe mesee wògagblɔ be, “Ŋlɔ nu sia nu si nakpɔ la da ɖi eye naɖo agbalẽa ɖe hame adre siwo le Asia. Efeso, Smirna Pergamo, Tiatira, Sardes, Filadelfia kple Laodikea.”
Esi metrɔ be makpɔ ame si nɔ nu ƒom la, kasia mekpɔ sikakaɖiti adre.
Ame aɖe tsi tre ɖe wo dome, si ɖi Amegbetɔvi la. Edo awu ʋlaya aɖe eye wotsɔ sikalidziblanu aɖe bla akɔta.
Eƒe taɖa fu tititi abe alẽfu alo ɖetifu ene. Eƒe ŋkuwo le ɖaɖam abe dzoƒeaɖewo ene.
Eƒe afɔwo biã hẽ abe akɔbli si wode kpodzo me ene eye eƒe gbe le abe tɔsisi geɖewo ƒe howɔwɔ ene.
Elé ɣletivi adre ɖe nuɖusi eye yi ɖaɖe nuevee do go tso eƒe nu me. Eƒe mo le keklẽm abe ɣekeklẽ ene.
Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔnu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye eye wògblɔ bena, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gbãtɔ kple Mlɔetɔ.
Nyee nye Ame si le agbe, meku kpɔ gake, kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi mavɔ me! Eye ku kple tsiẽƒe ƒe safuiwo le asinye.
“Eya ta ŋlɔ nu siwo nèkpɔ fifia kple nu siwo le vava ge emegbe.
Nu ɣaɣla si le ɣletivi adre siwo nèkpɔ melé ɖe ɖusi kple sikakaɖiti adreawo ŋu lae nye si. Ɣletivi adreawo nye hame adreawo ƒe mawudɔlawo eye sikakaɖiti adreawo nye hame adreawo.

2

Ŋlɔ na Efeso Hamea ƒe mawudɔla be, ‘Esiawoe nye nya siwo tso ame si lé ɣletivi adre ɖe ɖusi eye wòle zɔzɔm le sikakaɖiti adreawo dome la gbɔ.
Menya wò dɔwɔwɔwo, wò kutrikuku kple wò ŋusẽdodonu. Menyae be mãte ŋu alɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o, gawu la èdo ame siwo be yewonye apostolowo evɔ womenyee o la kpɔ eye nèkpɔ be wonye aʋatsotɔwo.
Èdze agbagba, eye nèto fukpekpe geɖe me le nye ŋkɔ la ta gake nu meti kɔ na wò o.
‘“Gake mekpɔ nu sia le ŋutiwò be nègblẽ wò gbãlɔlɔ̃ ɖi.
Đo ŋku afi si nège tso la dzi! Trɔ dzime eye nãwɔ nu siwo nèwɔna tsã. Ne mètrɔ dzime o la, mava gbɔwò eye maɖe wò akaɖiti la le enɔƒe.
Ke esia nye nu dzeame nèwɔ be nèlé fu Nikolaitɔwo ƒe nuwɔnawo, nu siwo nye hã melé fui.
‘“Ame si to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ɖu dzi la, mana ŋusẽe be wòaɖu agbeti si le Mawu ƒe Paraɖiso me la ƒe tsetsea.
“Ŋlɔ na Smirna Hamea ƒe mawudɔla be, ‘Esiawo nye nya siwo tso eya, ame si nye Gbãtɔ kple Mlɔetɔ, ame si ku eye wògale agbe la gbɔ.
Menya wò fukpekpe kple ahedada evɔ kesinɔtɔ nènye hafi! Menya ame siwo gblɔna be yewonye Yudatɔwo evɔ womenyee o, ke boŋ wonye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo.
Megavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dze dziwo la o. Satana ade mia dometɔ aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi akpɔ. Woati mia yome ‘ŋkeke ewo,’ si gɔmee nye ɣeyiɣi kpui aɖe. “‘Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi yi ɖase ɖe ku me gɔ̃ hã eye mana agbefiakuku wò.
Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ku Evelia mawɔ nu vevi aɖeke ame si aɖu dzi la o.’
“Ŋlɔ na Pergamo Hamea ƒe mawudɔla be, ‘Esiawo nye ame si lé yi ɖaɖɛ nuevee ɖe asi la ƒe nyawo.
Menya afi si nèle, eyae nye afi si Satana li eƒe fiazi anyi ɖo. Ke hã la, ègalé nye ŋkɔ me ɖe asi ko; mègbe nu le nye xɔse si le mewo la gbɔ o; èlé eme ɖe asi le Antipas, nye ɖasefo nuteƒewɔla, ƒe ɣeyiɣiwo me gɔ̃ hã, ame si wowu le miaƒe du si nye Satana nɔƒe la me.
“Ke hã la nya ʋe aɖewo le asinye ɖe ŋutiwò. Ame aɖewo le mia dome afi ma, ame siwo galé Balam ƒe nufiafiawo me ɖe asi ko, ame si fia Balak be wòable Israelviwo nu woawɔ nu vɔ̃ to nuɖuɖu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu me kple ahasiwɔwɔ me.
Nenema ke ame siwo lé Nikolai ƒe nufiafia me ɖe asi la hã le mia dome.
Eya ta trɔ dzime! Ne menye nenema o la, mava gbɔwò kpuie eye mawɔ avu kpli wò kple yi si le nye nume.
“‘Ame si to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ɖu dzi la mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye matsɔ kpe ɣi si dzi woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖo la akpe ɖe eŋuti nɛ. Ame aɖeke menya ŋkɔ si le kpe ɣI la dzi o, negbe ame si xɔe la ko.
Ŋlɔ na Tiatira Hamea ƒe mawudɔla be, “Esiawo nye Mawu Vi la ƒe nyawo, ame si ƒe ŋkuwo le abe dzoƒeaɖe ene eye eƒe afɔwo le abe gadzĩ si le keklẽm la ene.
Menya wò dɔwɔwɔwo, wò lɔlɔ̃, wò xɔse, wò dɔmenyowɔwɔ kple wò vevidodo eye azɔ gɔ̃ hã la, èle wo wɔm wu tsã.
Ke hã la, mekpɔ nu sia le ŋutiwò; èɖe mɔ na nyɔnu ma, ame si woyɔ na be Yezebel, ame si yɔa eɖokui be nyagblɔɖila. Ekplɔ nye dɔlawo trae to eƒe nufiafia me be woage ɖe ahasiwɔwɔ me eye be woaɖu nu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo.
Mena ɣeyiɣii be wòatrɔ tso eƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ me gake egbe.
Eya ta matsɔe aƒu fukpekpe ƒe aba dzi eye mana be ame siwo wɔ ahasi kplii la nakpe fu vevie, dzaa ɖe wòtrɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi.
Maƒu nu viawo woaku ekema hameawo katã anyae be nyee nye dziwo kple susuwo me dzrola eye maxe fe na ame sia ame le eƒe nuwɔwɔwo nu.
Azɔ mele egblɔm na mi ame mamlɛ siwo le Tiatira, mi ame siwo melé nufiafia me ɖe asi o eye miesrɔ̃ nu si woawo ŋutɔ le yɔyɔm be Satana ƒe nu goglowo o la, nyemada agba kpekpe bubu aɖeke ɖe mia dzi o.
Miawo ya milé nu si le mia si la me ɖe asi sesĩe va se ɖe esime mava.
Ame si ɖu dzi eye wòwɔ nye lɔlɔ̃nu va se ɖe nuwuwu la, eyae mana ŋusẽe ɖe dukɔwo dzi,
‘aɖu wo dzi kple gatikplɔ, atsɔ wo axlã ɖe nu woakaka abe ze ene’ eye anɔ abe ale si ko mexɔ ŋusẽ tso Fofonye gbɔ ene.
Matsɔ ŋukeɣletivi la hã nɛ.
Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.

3

Ŋlɔ na Sardis Hame la ƒe mawudɔla be, “Esiawo nye nya siwo ame si lé Mawu ƒe Gbɔgbɔ adreawo kple ɣletivi adreawo ɖe asi la gblɔ. Menya wò dɔwɔwɔwo, wò ŋkɔ ɖi le teƒewo be èle agbe, gake la eku.
Nyɔ, do ŋusẽ nu siwo susɔ eye wole kumɔdzi la elabena nyemekpɔ be wò dɔwɔwɔ de blibo le nye Mawu ŋkume o.
Eya ta ɖo ŋku nu si nèxɔ eye nèse la dzi, wɔ edzi eye nãtrɔ dzime. Ke ne mènyɔ o la, mava gbɔwò abe fiafitɔ ene eye mãnya ga si me mava gbɔwò o.
Ke hã la, ame ʋe aɖewo le asiwò le Sardis, ame siwo meƒo ɖi woƒe awuwo o. Woazɔ kplim eye woanɔ awu ɣiwo me elabena wodze nɛ.
Ame si ɖu dzi la hã anɔ abe wo ameawo ene, anɔ awu ɣi me. Nyematutu eƒe ŋkɔ ɖa le agbegbalẽa me gbeɖe o ke boŋ maʋu eƒe ŋkɔ me le Fofonye kple eƒe mawudɔlawo ŋkume.
Ame si to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.
Ŋlɔ na Filadelfia hame la ƒe mawudɔla be, “Esiawo nye ame si le kɔkɔe, nye nyateƒetɔ eye David ƒe safui le esi la ƒe nyawo. Nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o eye nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o.
Menya wò dɔwɔwɔwo. Kpɔ ɖa, metsɔ ʋɔ si le ʋuʋu si ame aɖeke mate ŋu atu o la, ɖo ŋkuwòme. Menya be wò ŋusẽ le sue ke hã la èlé nye nya me ɖe asi eye mègbe nu le nye ŋkɔ gbɔ o.
Mana ame siwo nye Satana ƒe ƒuƒoƒemenɔlawo, ame siwo gblɔ be yewonye Yudatɔwo evɔ womenyee o, ke boŋ wonye alakpatɔwo la nava dze anyi ɖe wò afɔ nu, eye woaʋu eme be melɔ̃ wò.
Esi nèlé nye sedede me ɖe asi be nãnɔ te le dzigbɔɖi me ta la, nye hã maɖe wò le dodokpɔ ƒe gaƒoƒo si gbɔna xexeame katã dzi be woado anyigbadzinɔlawo akpɔ la me.
Kpɔ ɖa, megbɔna kaba! Lé ŋusẽ sue si le asiwò la me ɖe asi sesĩe ale be ame aɖeke maxɔ wò fiakuku la le asiwò o.
“‘Amesi aɖu dzi la, mawɔe woazu sɔti le Mawu ƒe gbedoxɔ me. Anɔ dedie eye magado go o. Maŋlɔ nye Mawu ƒe ŋkɔ ɖe eŋu eye woazu dumevi atso nye Mawu ƒe du, Yerusalem Yeyea me. Du sia aɖiɖi tso nye Mawu gbɔ le dziƒo. Mawu ana woaŋlɔ nye Ŋkɔ yeyea ɖe ame sia ŋu.
“‘Ame sia ame si to senu li na la, nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.’
“Ŋlɔ agbalẽ sia na hame si le Laodikea ƒe mawudɔla: “Nya siawo tso ame si le tsitre sesĩe, ame si nye Đasefo nuteƒewɔla kple anukwaretɔ le nu siwo li fifia, kple nusiwo nɔ anyi kpɔ kpakple nusiwo le vavage ŋu la, ame si li kple Mawu tso eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe gɔmedzedzea me la gbɔ.
“‘Menya wò nyuie be mefa o eye mexɔ dzo hã o. Madi be nafa alo naxɔ dzo hafi!
Ke esi nèle evedomesi alea ta la, matu wò aƒu gbe tso nye nu me!
“‘Ègblɔ be, ‘Menye kesinɔtɔ. Nu sia nu si mehiã la le asinye. Naneke mehiãm o!’ Ke menyae be yenye nublanuitɔ, ame dahe kple ŋkuagbãtɔ eye yele amama o.
“‘Nye aɖaŋuɖoɖo na wòe nye be nãƒle sika nyuitɔ, si ŋu wokɔ kple dzo la, le gbɔnye. Eya koe ana nãnye kesinɔtɔ vavãtɔ. Emegbe la, nãƒle awu ɣi kɔkɔewo le gbɔnye ale be maganɔ amama eye ŋu nakpe wò o. Hekpe ɖe esia ŋu la, nãƒle atike le gbɔnye, ada gbe le wò ŋkuwo ŋu eye nãgakpɔ nu.
Mehea to na ame sia ame si melɔ̃na la enuenu. Eya ta ele be mahe to na wò negbe ɖe ko nãɖe asi le wò ɖekematsɔleme ŋu eye natsɔ dzo ɖe nu siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋuti hafi.
“‘Kpɔ ɖa! Mele tsitre ɖe ʋɔtrua nu eye mele eƒom madzudzɔmadzudzɔe. Ne ame aɖe see mele eyɔm eye woʋu ʋɔa nam la, mage ɖe eme eye mi kplii miade asi agba me aɖu nu ɖekae.
“‘Mana ame sia ame si aɖu dzi la nanɔ nye axadzi le nye fiazikpui dzi abe ale si nye hã meɖu dzi eye mele Fofonye gbɔ le eƒe fiazikpui dzi ene.
Ame siwo to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.’”

4

Le esia megbe la, mekpɔ ʋɔtru aɖe le ʋuʋu le dziƒo le nye ŋkume eye gbe si mese gbã wònɔ nu ƒom nam abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene la, gblɔ be, “Va dzime afii eye mafia nu si ava dzɔ le etsɔ me la wò.”
Tete menɔ Gbɔgbɔ la me eye fiazikpui aɖe si le dziƒo la nɔ nye ŋkume eye ame aɖe nɔ edzi.
Ame si nɔ fiazikpuia dzi la, ƒe dzedzeme le abe kpexɔasiwo, yaspa kple kanelia ene. Anyieʋɔ si le abe kpexɔasi emerald ene la ƒo xlã fiazikpui la.
Fiazikpui sue blaeve-vɔ-ene ƒo xlã fiazikpui gãtɔ la eye amegã xoxo blaeve-vɔ-ene nɔ wo dzi. Wo katã do awu ɣiwo eye woɖɔ sikafiakukuwo.
Dzikedzo, dziɖegbe kple sokpewo le dodom tso fiazikpui la me. Akaɖi adre nɔ bibim le fiazikpui la ŋgɔ. Esiawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo.
Nane si le abe ahuhɔ̃etsiaƒu ene esi me kɔ abe kristalokpe ene la, hã nɔ fiazikpui la ŋgɔ le afi ma. Nu Gbagbe ene nɔ titina ƒo xlã fiazikpui la eye woƒe ŋkuwo ƒo xlã wo, le ŋgɔ kple megbe siaa.
Nu Gbagbe siawo dometɔ gbãtɔ ɖi dzata. Evelia ɖi nyitsu. Etɔ̃lia ƒe mo ɖi amegbetɔ tɔ eye enelia le abe hɔ̃ si keke eƒe aʋalawo abe dzodzom wòle ene.
Aʋala ade nɔ Nu Gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si, woto ŋku ɖe aʋalawo ŋu kpe ɖo eye woto ŋku ɖe woƒe aʋalawo te gɔ̃ hã. Wonɔa ha dzim madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli be, “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe, Nye Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, Ame si nɔ anyi va yi, Eli fifia eye wògale vava ge.”
Ne Nu Gbagbeawo le ŋutikɔkɔe, bubu kple akpedada tsɔm na ame si nɔ fiazikpui la dzi, eye wòle agbe tegbetegbe la,
ekema amega xoxo blaeve-vɔ-eneawo yia klo dzi hetsyɔa mo anyi ɖe eya ame si nɔ anyi ɖe fiazikpuia dzi la ŋgɔ, wosubɔa eya ame si nɔa agbe tegbetegbe. Woɖea woƒe fiakukuwo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa ha dzim be,
“Míaƒe Aƒetɔ kple Mawu, Wòe dze be nãxɔ ŋutikɔkɔe, Bubu kple ŋusẽ, elabena Wòe wɔ nuwo katã, Wò lɔlɔ̃nue nètsɔ wɔ woe. Eye wò lɔlɔ̃nue na be wole agbe.”

5

Tete la mekpɔ agbalẽ aɖe le nuɖusi na ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi. Woŋlɔ nu ɖe agbalẽa me kple egodo siaa eye wotree kple nutrenu adre.
Eye mekpɔ mawudɔla dzɔatsu aɖe le gbeƒã ɖem kple gbe sesẽ aɖe le gbɔgblɔm be, “Ame kae dze ate ŋu aɖe nutrenuawo ɖa alo aʋu agbalẽ la?”
Gake ame aɖeke mele dziƒo, anyigba dzi loo alo anyigba te si ate ŋu aʋu agbalẽ la alo akpɔ eme o.
Mefa avi kakaka elabena ame aɖeke meli si ŋu wokpɔ ŋudzedze le si dze be woaʋu agbalẽ la alo akpɔ eme o.
Tete amegã xoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mègafa avi o he! Elabena Yuda to la ƒe Dzata si tso David ƒe ke me ɖu dzi. Eyae ate ŋu aʋu agbalẽ la eye wòaɖe nutrenu adreawo ɖa.”
Eye mekpɔ Alẽvi aɖe, wòdze abe ɖe wowui ene eye wònɔ tsitre ɖe fiazikpui la titina. Nu Gbagbe eneawo kple amegã xoxoawo ƒo xlãe. Dzo adre kple ŋku adre nɔ esi, esiwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo, esiwo wodɔ ɖo ɖe anyigba blibo la dzi.
Eyae va xɔ agbalẽ la le ame si nɔ fiazikpui la dzi la ƒe nuɖusi me.
Esi wòxɔe vɔ la, Nu Gbagbe eneawo kple amegã xoxo blaeve-vɔ-eneawo dze klo tsyɔ mo anyi ɖe Alẽvi la ŋgɔ. Kasaŋku nɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si eye sikagba si yɔ fũu kple dzudzɔʋeʋĩdonu, esiwo nye ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa la hã nɔ woƒe asime.
Wodzi ha yeye be, “Wòe dze be nãʋu agbalẽ la Eye nãɖe nutrenu adreawo ɖa, Elabena wowu wò kpɔ Eye nètsɔ wò ʋu ƒle amewoe na Mawu. Tso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, Nutome ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me.
Èwɔ wo be woanye fiaɖuƒewo Kple Osɔfowo ne woasubɔ míaƒe Mawu la Eye woaɖu fia le anyigba dzi.”
Tete mekpɔ eye mese mawudɔla gbogbo aɖewo ƒe gbe, esiwo ƒe xexlẽme anye akpe akpewo kple akpe ewo teƒe akpe ewo. Woɖe to ƒo xlã fiazikpui la, Nu Gbagbe eneawo kple amegã xoxoawo.
Wole ha dzim kple gbe sesẽ be, “Alẽvi si wowu la eyae dze Be wòaxɔ ŋusẽ, kesinɔnu, nunya kple ŋutete Bubu, ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu.”
Esia megbe mese Nu Gbagbe siwo katã le dziƒo, anyigba dzi, anyigba te atsiaƒu me kpe ɖe nu siwo katã nɔ wo me la ŋuti nɔ ha dzim be, “Alẽvi si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la tɔe nye Kafukafu, bubu, ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ Tso mavɔ me yi mavɔ me!.”
Nu Gbagbe eneawo gblɔ be, “Amen.” Tete amegã xoxo blaeve-vɔ-eneawo tsyɔ mo anyi eye wosubɔe.

6

Mekpɔ Alẽvi la wòʋu nutrenu adreawo ƒe gbãtɔ. Emegbe mese Nu Gbagbe eneawo dometɔ ɖeka gblɔ kple gbe si le abe dziɖegbe ene la be, “Va!”
Mekpɔ sɔ ɣi aɖe le ŋgɔnye! Sɔdola la lé dati ɖe asi, wotsɔ fiakuku nɛ eye wòdo sɔ la do go dzo abe kalẽtɔ si ɖoe kplikpa be yeaɖu dzi la ene.
Alẽvi la ɖe nutrenu evelia ɖa eye wòʋu agbalẽ evelia hã. Mese Nu Gbagbe evelia wògblɔ be, “Va!”
Tete sɔ bubu do go va, ebiã eye adã le mo nɛ. Wona ŋusẽ edola be woaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi eye wòana amewo nawu wo nɔewo. Ale wotsɔ yi gã aɖe de asi nɛ.
Esi Alẽvi la ɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese Nu Gbagbe etɔ̃lia wògblɔ be, “Va!” Eye mekpɔ sɔ yibɔ aɖe, edola lé nudanu ɖe asi.
Mese nane si ɖi ame ƒe gbe le Nu Gbagbe eneawo dome le gbɔgblɔm be, “Bli agba ɖeka axɔ agbatedɔwɔlawo ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu eye lu agba etɔ̃ anye agbatedɔwɔlawo ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu. Mikpɔ egbɔ be miegblẽ ami kple wain dome o!”
Esi Alẽvi la ɖe nutrenu enelia ɖa la, mese Nu Gbagbe enelia wògblɔ be, “Va!”
Mekpɔ sɔ si ɖi ku ŋutɔ la le ŋkunyeme! Edola ŋkɔe nye Ku eye tsiẽƒe le eyome kplikplikpli. Wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe mama enelia ƒe ɖeka dzi, be woawu amewo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ kpakple lã wɔadã siwo le anyigba dzi.
Esi Alẽvi la ɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ vɔsamlekpui aɖe. Le vɔsamlekpuia te la, mekpɔ ame siwo katã wowu ɖe Mawu ƒe nya la gbɔgblɔ kple ɖaseɖiɖi anukwretɔe ta la ƒe luʋɔwo.
Wodo ɣli kple gbe sesẽ be, “Va se ɖe ɣekaɣie Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ, nãdrɔ̃ ʋɔnu anyigbadzitɔwo eye nãbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta?”
Tete wotsɔ awu ʋlaya ɣi na wo dometɔ ɖe sia ɖe eye wogblɔ na wo be woalala vie va se ɖe esime wo nɔvi kple dɔla bubuawo, ame siwo hã woawu la ƒe xexlẽme nade eye abe ale si wònɔ na wo ene la nawu enu.
Mekpɔ Alẽvi la wòɖe nutrenu adelia ɖa. Enumake anyigba ʋuʋu sesĩe. Ɣe ƒe keklẽ trɔ zu yibɔ abe avɔ si wolɔ̃ kple gbɔ̃fu yibɔ la ene. Nenema ke ɣleti hã biã dzẽ abe ʋu ene,
eye ɣletiviwo le dziƒo ge va dze anyigba abe ale si gbotsetse siwo tsi megbe la dudunae ne ya sesẽ aɖe ʋuʋu ati la ene.
Dziŋgɔlĩ gbugbɔ yi megbe abe lãgbalẽ si woŋlɔ ene, eye to ɖe sia ɖe kple ƒukpo ɖe sia ɖe te ɖa le wo nɔƒe.
Tete anyigbadzifiawo, bubumewo, aʋafiawo, hotsuitɔwo, kalẽtɔwo kple kluvi ɖe sia ɖe kpakple ablɔɖevi ɖe sia ɖe yi ɖaɣla wo ɖokui ɖe agadowo me kple agakpewo dome.
Wogblɔ na towo kple agakpewo bena, “Mimu dze mía dzi ne miaɣla mí ɖa tso ame si nɔ fiazikpui la dzi la ƒe ŋkume kple Alẽvi la ƒe dɔmedzoe helihelĩ la gbɔ,
elabena woƒe dɔmedzoeŋkeke gã la ɖo vɔ. Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?”

7

Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi eye wona be ya eneawo magaƒo ato anyigba, atsiaƒu alo ati aɖeke dzi o.
Tete mekpɔ mawudɔla bubu tso ɣedzeƒe gbɔna eye wòlé Mawu gbagbe la ƒe nutrenu ɖe asi. Eyɔ mawudɔla ene, ame siwo wona ŋusẽe be woawɔ nuvevi anyigba kple atsiaƒu la kple gbe sesẽ be,
“ Mègawɔ nuvevi aɖeke anyigba alo atsiaƒu loo alo atiwo o, va se ɖe esime míatsɔ nutrenu aɖo ŋgonu na míaƒe Mawu la ƒe dɔlawo.”
Emegbe mese ame siwo wotsɔ nutrenu ɖo ŋgonu na la ƒe xexlẽme. Wole ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene, eye wo katã tso Israel ƒe toawo me.
Wotre ame akpe wuieve nu tso Yuda ƒe to la me: ame akpe wuieve nu tso Ruben ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Gad ƒe to la me,
ame akpe wuieve nu tso Aser ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Naftali ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Manase ƒe to la me,
ame akpe wuieve nu tso Simeon ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Levi ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Isaka ƒe to la me,
ame akpe wuieve nu tso Zebulon ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Yosef ƒe to la me, ame akpe wuieve nu tso Benyamin ƒe to la me.
Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la, le nye ŋkume. Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awu ʋlaya ɣiwo eye wolé deʋayawo ɖe asi.
Wole ɣli dom kple gbe sesẽ be, “Xɔname nye míaƒe Mawu la tɔ, Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi, kple Alẽvi la tɔ.”
Mawudɔlawo katã nɔ tsitre ƒo xlã fiazikpui la, amega xoxoawo kple Nu Gbagbe eneawo. Wotsɔ mo tsyɔ anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ eye wosubɔ Mawu,
le gbɔgblɔm be, “Amen. Kafukafu kple ŋutikɔkɔe Nunya, akpedada kple bubu Kple ŋusẽ kpakple ŋutete Nanye míaƒe Mawu la tɔ. Tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen!”
Tete amega xoxoawo dometɔ ɖeka biam be, “Ame kawoe nye ame siawo le awu ʋlaya ɣi me eye afi ka wotso?”
Meɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, wòe nyae.” Eye wògblɔ nam bena, “Woawoe nye ame siwo do go tso xaxa gã la me. Wonya woƒe awu ʋlayawo eye wowɔ wo ɣie to Alẽvi la ƒe ʋu me.
Eya ta, “Wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ Eye wosubɔnɛ le eƒe gbedoxɔ me zã kple keli Eye ame si nɔ fiazikpuia dzi la Akeke eƒe agbadɔ ɖe wo dzi.
Dɔ magawu wo akpɔ gbeɖe o Tsikɔ hã magawu wo akpɔ gbeɖe o. Ɣe magaɖu wo o Alo ŋdɔkutsu nagaɖu wo o.
Elabena Alẽvi si le fiazikpui la titina Anye woƒe kplɔla Akplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔe Eye Mawu ŋutɔ atutu aɖatsi ɖe sia ɖe le wo ŋkume.”

8

Esi wòʋu nutrenu adrelia la ɖoɖoe gã aɖe zi le dziƒo abe gaƒoƒo afã ene.
Eye mekpɔ mawudɔla adre siwo nɔ tsitre ɖe Mawu ŋkume eye wotsɔ kpẽ adre na wo.
Mawudɔla bubu si lé sikadzoɖesonu ɖe asi la, hã va tsi tre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ. Wotsɔ dzudzɔʋeʋĩdonu geɖe nɛ be wòatsɔ akpe ɖe ame kɔkɔeawo katã ƒe gbedodoɖawo ŋu, atsɔ aɖo sikavɔsamlekpui si le fiazikpui la ŋgɔ dzi.
Dzudzɔʋeʋĩdonu la ƒe dzudzɔ kpe ɖe ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa ŋu ɖo Mawu gbɔ tso mawudɔla la ƒe asime.
Emegbe mawudɔla la tsɔ dzoɖesonu la ɖe asi, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la dzi kɔ ɖe eme, eye wotsɔe xlã ɖe anyigba. Tete sokpewo ge tso dziƒo, dzi ɖe gbe, dzi ke dzo eye anyigba ʋuʋu.
Mawudɔla adre siwo wotsɔ kpẽ adreawo na la, nɔ klalo na wo kuku.
Mawudɔla gbãtɔ ku eƒe kpẽ la, tete tsikpe dza eye wotsɔ dzo, si wotɔtɔ kple ʋu la kɔ ɖe anyigba. Tete anyigba ƒe mama etɔ̃lia ƒe akpa ɖeka fia. Atiwo hã ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka fia. Nenema ke gbe damawo katã hã fia.
Mawudɔla evelia ku eƒe kpẽ eye wotsɔ nane si lolo abe to ene eye wole bibim la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me. Atsiaƒu la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka trɔ zu ʋu
Nu gbagbe siwo katã le atsiaƒua me la, ƒe mama etɔ̃liawo ƒe ɖeka ku eye tɔdziʋu siwo katã nɔ atsiaƒua dzi la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka hã tsrɔ̃.
Mawudɔla etɔ̃lia ku eƒe kpẽ la, eye ɣletivi gã aɖe si le bibim abe akakati gã aɖe ene la, ge tso dziƒo va dze tɔsisiwo kple tsivudowo memama etɔ̃lia ƒe ɖeka dzi,
ke ɣletivi sia ŋkɔe nye “Veve”. Ale tsiwo katã ƒe memama etɔ̃lia ƒe ɖeka trɔ zu tsi veve. Ale ame geɖewo ku to tsi veve sia nono me.
Mawudɔla enelia ku eƒe kpẽ la. Tete wotsɔ nu xe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka ŋkume eye viviti do. Ale ŋkeke ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka mekpɔ kekeli o, eye nenema ke zã ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka hã mekpɔ kekeli o.
Esi mele nu siawo kpɔm la, mese hɔ̃ aɖe si nɔ dzodzom le yame la gblɔ kple gbe gã aɖe be, “Babaa! Babaa! Babaa na anyigbadzinɔlawo le kpẽ siwo mawudɔla etɔ̃ mamlɛawo ava ku la ta!”

9

Mawudɔla atɔ̃lia ku eƒe kpẽ la eye mekpɔ ɣletivi si ge tso dziƒo va dze anyigba dzi la, wotsɔ ʋe globo la ƒe safui na ɣletivi sia.
Esi wòʋu nu le ʋe globoa nu la, dzudzɔ do tso eme abe abolokpo gã aɖe mee dzudzɔ le dodom le ene. Dzudzɔ gã la na be ɣe kple dziŋgɔlĩ do viviti.
Ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe do go tso dzudzɔ la me va anyigba dzi eye wona ŋusẽ wo be woawɔ nu abe ahɔ̃ siwo le anyigba dzi la ene.
Wode se na wo be womagagblẽ gbe siwo le anyigba dzi loo alo numiemie alo atiwo o, ke boŋ woagblẽ ame siwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o.
Womena ŋusẽ wo be woawu wo o ke boŋ be woawɔ funyafunya wo dzinu atɔ̃. Ale fukpekpe si me woto la nɔ abe ale si ame si ahɔ̃ te la sea vevee ene.
Le ŋkeke mawo me la, amewo adi ku gake womakpɔe o. Ku adzro wo vevie gake ku asi abu ɖe wo.
Ʋetsuviawo ƒe dzedzeme le abe sɔ siwo bla akpa hena aʋayiyi ene. Woɖɔ nane ɖe ta si le abe sikafiakuku ene eye woƒe mowo ɖi amegbetɔwo tɔ.
Woƒe ɖa le abe nyɔnuwo ƒe ɖa ene, eye woƒe aɖuwo le abe dzatawo tɔ ene.
Wodo akɔtakpoxɔnu siwo le abe gayibɔkɔtakpoxɔnuwo ene eye woƒe aʋalawo ƒe hoowɔwɔ le abe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ne wolũ ɖe aʋa me la ene.
Asiketiwo kple tiwo le wo si abe ahɔ̃wo tɔ ene eye ŋusẽ le woƒe asiketiwo me be woawɔ funyafunya amewo hena ɣleti atɔ̃.
Woƒe fiae nye mawudɔla si le ʋe globo la dzi kpɔm, ame si ƒe ŋkɔe nye Abadon le Hebrigbe me kple Apolion le Grikgbe me.
Babaadodo gbãtɔ nu va yi eye babaadodo eve bubuawo le mɔ dzi gbɔna.
Mawudɔla adelia ku eƒe kpẽ la. Tete mese gbe aɖe tso sikavɔsamlekpui si nɔ Mawu ŋkume la ƒe lãdzowo gbɔ.
Gbe la gblɔ na mawudɔla adelia si lé kpẽ la ɖe asi la bena, “Đe ga mawudɔla ene, siwo wobla da ɖe Frat tɔsisi gã la to.”
Ale woɖe ga mawudɔla ene siwo wodzra ɖo ɖi na gaƒoƒo vevi, ŋkeke vevi, dzinu vevi kple ƒe vevi sia be woayi aɖawu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka.
Asrafo siwo do sɔ la, ƒe xexlẽme anɔ miliɔn eve. Nye ŋutɔ mese woƒe xexlẽme.
Sɔ kple sɔdola siwo mekpɔ le nye ŋutega me la ƒe dzedzeme nɔ ale: Woƒe akɔtakpoxɔnu biã hẽ abe dzo ene; ɖewo nɔ blɔ eye ɖewo hã ɖi aŋutiɖiɖi abe sulfakpe ene. Sɔawo ƒe tawo ɖi dzatawo ƒe ta eye dzo, dzudzɔ kple sulfakpe do tso woƒe nuwo me.
Dzo ƒe dɔvɔ̃, dzudzɔ kple sulfakpe si do go tso sɔwo ƒe nu me la, wu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka
Sɔawo ƒe ŋusẽ le woƒe nuwo kple asiketiawo me elabena woƒe asiketiwo le abe dawo ene eye ta li na asiketiawo, esiwo wotsɔna dea abi amewo ŋui.
Amegbetɔƒomea si susɔ, ame siwo dɔvɔ̃ siawo mewu o la, gbe tɔtrɔ le woƒe asiwo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. Wogbe be yewomaɖe asi le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ, sika, klosalo, akɔbli, kpe kple atilegba siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu loo alo zɔna la subɔsubɔ ŋuti o.
Nenema ke wometrɔ le woƒe amewuwu, afakaka, ahasiwɔwɔ alo fififi yome o.

10

Tete mekpɔ mawudɔla triakɔ bubu wòtso dziƒo gbɔna. Alilĩkpo nye awu ɣlaya wòdo eye anyieʋɔ le eƒe ta dzi, eƒe mo le abe ɣe ene eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene.
Elé agbalẽ sue aɖe ɖe asi, esi le ʋuʋu le eƒe asiƒome. Etsɔ eƒe ɖusifɔ da ɖe atsiaƒu me tsɔ eƒe miafɔ da ɖe anyigba dzi,
eye wòdo ɣli sesẽ aɖe abe dzata ƒe gbeɖeɖe ene. Esi wòdo ɣlia la, dziɖegbe adreawo ƒe gbe ɖi.
Esi dziɖegbe adreawo ƒo nu la, menɔ klalo be maŋlɔ nu gake mese gbe aɖe tso dziƒo gblɔ nam be, “Tre nu si dziɖegbe adreawo gblɔ la nu eye mègaŋlɔe da ɖi o.”
Ke mawudɔla si mekpɔ wònɔ tsitre ɖe atsiaƒu me kple anyigba dzi la, do eƒe ɖusibɔ ɖe dziƒo,
eye wòyɔ eya ame si nɔ agbe tegbetegbe, ame si wɔ dziƒowo kple nu siwo katã le wo me, anyigba kple nu siwo le edzi kple atsiaƒu kpakple nu siwo katã le eme la ƒe ŋkɔ heka atam bena, “Heheɖemegbe aɖeke maganɔ anyi o!
Gake le ŋkeke siwo me mawudɔla adrelia aku eƒe kpẽa la, Mawu ƒe nu ɣaɣla la ava eme abe ale si ko wòɖe gbeƒãe na eƒe dɔla nyagblɔɖilawoe ene.”
Esi gbe si mese tso dziƒo gaƒo nu nam la, egblɔ nam be, “Heyi nãxɔ agbalẽ si le ʋuʋu le mawudɔla si le tsitre ɖe atsiaƒu me kple anyigba dzi la ƒe asime.”
Ale meyi ɖe mawudɔla la gbɔ eye mebiae be wòatsɔ agbalẽ sue la nam. Egblɔ nam be, “Xɔe eye nãɖui. Atrɔ azu nu veve le wò dɔ me, gake le wò nu me ya avivi abe anyitsi ene.”
Mexɔ agbalẽ sue la le mawudɔla la si eye meɖui. Evivi le nye nu me abe anyitsi ene ke esi meɖui vɔ la, etrɔ zu nu veve le nye dɔ me.
Eyi edzi gblɔ nam be, “Ele na wò be nãgagblɔ nya ɖi tso ame geɖewo, dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple fiawo ŋuti.”

11

Wotsɔ aƒla si le abe nudzidzenu ene la nam eye wogblɔ nam be, “Yi, nãdzidze Mawu ƒe gbedoxɔ la kple vɔsamlekpui la eye nãxlẽ mawusubɔla siwo le afi ma.
Ke ɖe xɔxɔnu gotatɔ le eme mègadzidzee o, elabena wotsɔe na Helatɔwo. Woanya avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti blaene-vɔ-ene sɔŋ,
mana ŋusẽ nye ɖasefo eveawo eye woata akpanya agblɔ nya ɖi hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade.”
Esiawoe nye amiti eve kple akaɖiti eve siwo le tsitre ɖe anyigba la ƒe Aƒetɔ la ŋkume.
Ne ame aɖe dze agbagba be yeawɔ nuvevi wo la, dzo dona le woƒe nu me hefiaa woƒe futɔwo. Aleae ame si di be yeawɔ nuvevi wo la akui.
Ŋutsu siawo la, ŋusẽ le wo si be woatu dziŋgɔlĩ ale be tsi magadza le ɣeyiɣi si me wole nya gblɔm ɖi o, ŋusẽ le wo si be woatrɔ tsiwo woazu ʋu eye woada dɔvɔ̃ ƒomevi vovovowo ɖe anyigba dzi zigbɔzi ale si wolɔ̃.
Azɔ ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu la, lã si ado tso ʋe globo la me la, ava wɔ avu kpli wo, aɖu wo dzi eye wòawu wo.
Woƒe ŋutilã kukuawo amlɔ du gã la ƒe mɔtatawo dzi, du gã si wona ŋkɔe le nyamenya nu be Sodom kple Egipte, afi si woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le.
Hena ŋkeke etɔ̃ kple afã la, amewo tso ƒome ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me akpɔ woƒe ŋutilã kukuawo, eye woagbe be yewomaɖi wo o.
Anyigbadzinɔlawo akpɔ dziɖuɖudzidzɔ ɖe wo dzi eye woaɖu azã, aɖo nunanawo ɖe wo nɔewo elabena nyagblɔɖila eve siawo wɔ funyafunya anyigbadzinɔlawo.
Ke le ŋkeke etɔ̃ kple afã la megbe la, agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe ame kukuawo me, wotsi tsitre eye ŋɔdzi gã aɖe lé ame siwo kpɔ wo.
Tete wose gbe gã aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Va dzime le afii.” Ale woyi dziƒo le alilĩkpowo me esi woƒe futɔwo flɔ ŋku ɖe wo dzi.
Le gaƒoƒo ma ke me la, anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe eye du la ƒe mama ewolia dometɔ ɖeka mu dze anyi; ame akpe adre tsrɔ̃ le anyigbaʋuʋu la me. Ke ŋɔdzi lé agbetsilawo eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la.
Babaadodo evelia nu va yi ke etɔ̃lia gbɔna kpuie.
Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒonutowo me bena, “Xexeame ƒe fiaɖuƒe la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”
Eye amega xoxo blaeve-vɔ-eneawo, ame siwo nɔ woƒe fiazikpuiwo dzi le Mawu ŋkume la tsyɔ mo anyi eye wosubɔ Mawu,
le gbɔgblɔm bena, “O Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, míeda akpe na wò, wò ame si li fifia eye nènɔ anyi kpɔ elabena exɔ wò ŋusẽ triakɔ la eye nèdze dziɖuɖu gɔme.
Dukɔwo le nyanyram eye wò dziku ɖiɖi va. Ɣeyiɣi de be woadrɔ̃ ʋɔnu kukuawo eye woatu fe na wò dɔla, nyagblɔɖilawo, wò ame kɔkɔeawo kple ame siwo dea bubu wò ŋkɔ ŋuti, ame gblɔewo kple ame gãwo siaa. Nenema ke míeda akpe na wò be nètsrɔ̃ ame siwo tsrɔ̃ anyigba la.”
Emegbe woʋu Mawu ƒe gbedoxɔ le dziƒo eye wokpɔ Mawu ƒe nubablaɖaka le eƒe gbedoxɔ me. Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, anyigba ʋuʋu eye kpetsi gã aɖe dza.

12

Dzesi gã wɔnuku aɖe dze le dziƒo. Nyɔnu aɖe si ta ɣe abe avɔ ene, ɣleti le eƒe afɔ te eye wòɖɔ fiakuku si ŋu ɣletivi wuieve le la va do.
Fu nɔ eƒo eye wònɔ ɣli dom esi wònɔ ku lém be yeadzi vi.
Emegbe dzesi bubu gadze le dziƒo, ʋɔ driba, gã, dzẽ aɖe si to ta adre, dzo ewo eye fiakuku adre le tawo nɛ la, va do.
Eƒe asiketi kplɔ ɣletivi siwo le dziŋgɔlĩ ŋu la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka eye wòhe wo ƒu gbe ɖe anyigba. Ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe nyɔnu si nɔ ku lém la ŋkume eye wòle klalo be yeavuvu vidzĩ si nyɔnua adzi
Nyɔnu la dzi ŋutsuvi, ame si ava ɖu dukɔwo katã dzi kple gatikplɔ. Tete woxɔ ɖevi la le esi kaba tsɔ yi ɖe Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔe.
Emegbe nyɔnu la si yi gbedzi ɖe teƒe si Mawu dzra ɖo ɖi nɛ afi si woakpɔ eta le hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade.
Eye aʋa dzɔ le dziƒo. Mikael kple eƒe mawudɔlawo wɔ aʋa kple ʋɔ driba la eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo hã wɔ aʋa kpli wo.
Ke ʋɔ driba la ƒe ŋusẽ metri akɔ o ale wobu woƒe nɔƒe le dziƒo.
Wotsɔ ʋɔ driba gã la, da xoxo si woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃ alo Satana, ame si kplɔ xexeame katã trae la ƒu gbe. Wotsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dɔlawo ƒu gbe ɖe anyigba.
Tete mese gbe sesẽ aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Azɔ ko míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe, ŋusẽ kple fiaɖuƒe la kpakple eƒe Kristo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋusẽ la va ɖo; elabena wotsɔ mía nɔviawo nutsola, ame si nɔa wo nu tsom zã kple keli le Mawu ŋkume la ƒu gbe ɖe anyigba.
Woɖu edzi to Alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi me. Womelɔ̃ woƒe agbe nenema gbegbe be woayi sisi ge le ku nu o.
Eya ta dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple mi ame siwo nɔ wo me! Ke babaa na anyigba kple atsiaƒu elabena Satana ɖi va mia gbɔ! Dzi le ekum vevie elabena enyae be yeƒe ɣeyiɣi la le kpuie.”
Esi ʋɔ driba la kpɔ be wotsɔ ye ƒu gbe ɖe anyigba la, eti nyɔnu si dzi ŋutsuvi la yome.
Wotsɔ hɔ̃ gã aɖe ƒe aʋala eveawo na nyɔnu la ale be wòate ŋu adzo ayi ɖe teƒe si wodzra ɖo ɖi nɛ le gbedzi, afi si woakpɔ eta le hena ɣeyiɣi aɖe, ɣeyiɣiwo kple ɣeyiɣi afã le afi si ʋɔ driba la mate ŋu ade o.
Tete ʋɔ driba la tu tsi to eƒe nu me esi ɖuɖu abe tɔsisi ene ne wòaɖɔ alé nyɔnu la eye tɔsisi la nakplɔe adzoe.
Ke anyigba la kpe ɖe nyɔnu la ŋu esi wòke eƒe nu hemi tɔsisi si ʋɔ driba la tu to eƒe nu me.
Dzi ku ʋɔ driba la vevie ɖe nyɔnu la ŋu eye wòyi be yeaɖawɔ aʋa kple eƒe dzidzimevi mamlɛawo, ame siwo ɖoa to Mawu kple eƒe sededewo eye wolé Yesu me ʋuʋu me ɖe asi sesĩe.

13

Ale ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe atsiaƒua to. Tete mekpɔ lã wɔadã aɖe wodo go tso atsiaƒu me gbɔna. Eto dzo ewo kple ta adre; fiakuku ewo nɔ dzoawo dzi eye woŋlɔ busuŋkɔwo ɖe ta adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
Lã wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle gake eƒe afɔwo nɔ abe sisiblisi tɔwo ene eye eƒe nu le abe dzata tɔwo ene. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na lã wɔadã la.
Edze abe lã wɔadã la ƒe tawo dometɔ ɖeka ɖe wòxɔ abi vevie ene gake abi gã si wòxɔ la ku. Xexeame katã ƒe nu ku eye wodze lã wɔadã la yome.
Amewo subɔ ʋɔ drĩba la elabena etsɔ dziɖuɖu ƒe ŋusẽ na lã wɔadã la, eye wosubɔ lã wɔadã la hã hebia be, “Ame kae le abe lã wɔadã la ene? Ame kae ate ŋu awɔ aʋa kplii?”
Wona nu lã wɔadã la be wòagblɔ adegbeƒonyawo kple busunyawo eye be wòaɖu dzi hena ɣleti blaene-vɔ-ene.
Eke eƒe nu be yeagblɔ busunya ɖe Mawu ŋu eye yeaƒo ɖi eƒe ŋkɔ, eƒe nɔƒe kple ame siwò katã li kplii le dziƒo.
Wona ŋusẽe be wòawɔ aʋa kple ame kɔkɔeawo eye woaɖu wo dzi. Nenema kee wona dziɖuɖuŋusẽe ɖe to sia to, ƒome sia ƒome, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple dukɔ sia dukɔ dzi.
Anyigbadzitɔwo katã asubɔ lã wɔadã la, ame siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe Alẽvi si wowu tso xexeame ƒe gɔmedzedze ke la ƒe agbegbalẽ la me o.
Ame si to senu li na la, nesee.
Ne ame aɖe ayi aboyome la, aboyomee wòayi. Ne woawu ame aɖe kple yi la, yie woatsɔ awui. Esia hiã na dzigbɔɖi le dzidodo me kple nuteƒewɔwɔ le ame kɔkɔeawo ƒe akpa dzi.
Eye mekpɔ lã wɔadã bubu wònɔ dodom tso anyigba ƒe tume. Eto dzo eve abe agbovi ene gake enɔ nu ƒom abe ʋɔ driba ene.
Ewɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe dziɖuɖuŋusẽwo katã ŋutidɔ ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe eye wòna be anyigba kple edzinɔlawo katã nasubɔ lã wɔadã gbãtɔ, ame si ƒe kubi wowɔ wòku.
Ewɔ dzesi kple nukunu gãwo eye wòna be dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo va dze anyi le amewo ƒe ŋkume.
Le ŋusẽ si wonɛ be wòawɔ nukunuwo ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe ta la, eble anyigbadzitɔwo katã. Ede se na wo be woali legba abe bubudede lã wɔadã si ŋu wode abi kple yi eye wògale agbe la ŋu ene.
Wona ŋusẽe be woade gbɔgbɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe legba me ale be legba la nate ŋu aƒo nu eye be woawu ame siwo katã gbe be yewomasubɔ lã wɔadã la ƒe legba o.
Nenema kee wòzi ame sia ame, suewo kple gãwo, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ablɔɖeviwo kple kluviwo dzi be woade dzesi woƒe nuɖusibɔ alo woƒe ŋgonu,
ale be ame aɖeke mate ŋu aƒle nu alo adzra nu o negbe ɖe ko wòxɔ dzesi si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ, alo xexlẽme si nye eƒe ŋkɔ.
Esia hiã nunya. Ne sidzedze le ame aɖe si la, nebu akɔnta le xexlẽme dzesi si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ ŋuti, elabena enye ame ƒe xexlẽme ƒe dzesi. Eƒe xexlẽme ƒe dzesie nye alafa ade blaade-vɔ-ade.

14

Kasia mekpɔ Alẽvi la le ŋkunyeme. Enɔ tsitre ɖe Zion to dzi eye ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene, ame siwo ƒe ŋgowo nu woŋlɔ eŋkɔ kple Fofoa tɔ ɖo la nɔ tsitre ɖe egbɔ.
Mese gbe aɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe howɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe ene. Gbe si mese la, nɔ abe kasaŋkuƒolawoe nɔ woƒe kasaŋkuwo ƒom ene.
Tete wodzi ha yeye le fiazikpui la ŋgɔ kple Nu Gbagbe eneawo kpakple amegã xoxoawo ƒe ŋkume. Ame aɖeke mete ŋu srɔ̃ ha la o negbe ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene, ame siwo woɖe tso anyigbadzi la ko.
Ame siawoe nye ame siwo meƒo ɖi wo ɖokuiwo kple nyɔnunya o elabena wowɔ wo ɖokuiwo kɔkɔe. Wokplɔa Alẽvi la ɖo afi sia afi si wòyina. Woƒle wo tso amegbetɔwo dome eye wotsɔ wo na Mawu kple Alẽvi la abe nukuwo ƒe gbãtɔwo ene.
Womekpɔ alakpa aɖeke le woƒe nume o elabena wonye mokakamanɔŋutɔwo.
Tete mekpɔ mawudɔla bubu wònɔ dzodzom le yame eye nyanyui mavɔ la le esi ne wòaɖe gbeƒãe na ame siwo le anyigba dzi, na dukɔ ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple ƒome ɖe sia ɖe.
Egblɔ kple gbe gã aɖe be, “Mivɔ̃ Mawu eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gaƒoƒo la va ɖo. Misubɔ eya ame si wɔ dziƒowo, anyigba, atsiaƒu kple tsidzidziwo.”
Mawudɔla evelia kplɔe ɖo le ɣli dom be, “Womui! Womu Babilonia Gã la, Babilonia si na dukɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoewain la.”
Mawudɔla etɔ̃lia kplɔ wo ɖo le gbɔgblɔm kple gbe gã aɖe be, “Ne ame aɖe asubɔ lã wɔadã la kple eƒe legba eye wòaxɔ eƒe dzesi ɖe ŋgonu alo eƒe asi ŋuti la,
eya hã ano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wain si wokɔ ɖe Mawu ƒe dziku helihelĩ ƒe kplu la me wòyɔ banaa. Woawɔ funyafunyae kple aŋɔdzo le mawudɔla kɔkɔeawo kple Alẽvi la ŋkume.
Eye woƒe fuwɔame ƒe dzudzɔ atu ayi dzime tso mavɔ me yi mavɔ me. Dzudzɔ aɖeke meli na ame siwo subɔ lã wɔadã la kple eƒe legba la zã kple keli o alo na ame si xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi ɖe eƒe ŋgonu o.”
Esia hiã dzigbɔɖi le dzidodo me le ame kɔkɔeawo ƒe akpa dzi, ame siwo wɔa Mawu ƒe sededewo dzi eye wonɔa nuteƒewɔwɔ, dzi na Yesu.
Ke mese gbe aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ be, ‘Woayra ame siwo ku le Aƒetɔ la me tso azɔ dzi heyina’.” gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm be, “Ẽ, woadzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔwo me elabena woƒe nuwɔnawo adze wo yome.”
Tete mekpɔ alilĩkpo ɣi aɖe le nye ŋkume eye ame aɖe si le abe, “amegbetɔvi la ene” la bɔbɔ nɔ anyi ɖe alilĩkpo la dzi. Sikafiakuku le ta nɛ eye wòlé hɛ gobɛ ɖaɖɛ ɖe asi.
Kasia mawudɔla bubu do go tso gbedoxɔ la me eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ gblɔ na ame si nɔ anyi ɖe alilĩkpo la dzi gblɔ bena, “Tsɔ wò hɛ gobɛ la eye nãxa nu elabena nuŋeɣi ɖo eye anyigba ƒe nukuwo ɖi hena xaxa.”
Ale ame si nɔ alilĩkpoa dzi la, nyẽ eƒe hɛ gobɛ la ɖe anyigba blibo la tame, ale wòxa nukuwo le anyigba la dzi.
Mawudɔla bubu do go tso gbedoxɔ si le dziƒo la me. Hɛ gobɛ ɖaɖɛ nɔ eya hã sime.
Mawudɔla bubu kplɔ eya hã ɖo; eyae nye ame si kpɔa dzo la dzi. Edo go tso vɔsamlekpui la me eye wògblɔ na ame si lé hɛ gobɛ ɖaɖɛ la ɖe esi la kple gbe sesẽ aɖe be, “Tsɔ wò hɛ gobɛ ɖaɖɛ la eye nãxa wainkpowo le anyigba ƒe wainkawo ŋu elabena eƒe waintsetseawo ɖi.”
Mawudɔla la nyẽ eƒe hɛ gobɛ la ɖe anyigba dzi eye wòxa eƒe waintsetsewo hetsɔ wo trɔ ɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wainfiaƒe gã la.
Wonya avuzi le wo dzi le wainfiaƒe la le du la godo, ʋu si tso wainfiaƒe la eye eƒe kɔkɔme anɔ abe sɔ si wobla akpa na la ene; afi si ke wòsi ɖo la anɔ abe kilomita alafa etɔ̃ ene.

15

Eye mekpɔ dzesi gã, wɔnuku bubu le dziƒo: mawudɔla siwo lé dɔvɔ̃ adre mamlɛawo ɖe asi, mamlɛawo elabena woawoe wu Mawu ƒe dɔmedzoe la nu.
Azɔ la mekpɔ nane si le abe ahuhɔ̃etsiaƒu si wotɔtɔ kple dzo la ene eye ame siwo ɖu lã wɔadã la, eƒe legba kple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽmedzesi dzi la le tsitre ɖe atsiaƒua to. Wolé kasaŋku siwo Mawu tsɔ na wo la ɖe asi,
eye wodzi, Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe ha kple Alẽvi la ƒe ha be, “Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, Wò nuwɔnawo lolo eye wowɔ nuku. Blemafia, Wò mɔwo le dzɔdzɔe eye wonye nyateƒe.
O Aƒetɔ, ame kae mavɔ̃ wò, Eye wòatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ o? Elabena wò koe le kɔkɔe Dukɔwo katã ava Eye woasubɔ wò Elabena woɖe wò nudzɔdzɔewɔwɔwo fia.”
Le esia megbe la, mekpɔ gbedoxɔ si le dziƒo, si nye ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ wònɔ ʋuʋu.
Mawudɔla adre siwo lé dɔvɔ̃ adreawo ɖe asi la, do go tso gbedoxɔ la me. Wodo aklala biɖibiɖi ƒe awu dzadzɛwo eye wotsɔ sikalidziblanu tso gae ɖe akɔta.
Tete Nu Gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikagba adre siwo yɔ fũu kple Mawu ƒe dɔmedzoe helihelĩ, Mawu si le agbe tegbetegbe la, na mawudɔla adreawo,
eye gbedoxɔ la me yɔ fũu kple dzudzɔ si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ. Ame aɖeke mete ŋu age ɖe gbedoxɔa me o va se ɖe esime mawudɔla adreawo ƒe dɔvɔ̃ adreawo nu va yi.

16

Eye mese gbe gã aɖe tso gbedoxɔ la me le gbɔgblɔm na mawudɔla adreawo bena, “Miheyi ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu adreawo akɔ ɖe anyigba dzi.”
Mawudɔla gbãtɔ yi ɖatrɔ eƒe kplu kɔ ɖe anyigba dzi eye dɔvɔ̃ la na be abi makumaku kple abi si naa wosea veve la, kaka ɖe ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi eye wosubɔ eƒe legba la dome.
Mawudɔla evelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe atsiaƒu dzi eye wòtrɔ zu ʋu, ʋu si le abe ame kuku tɔ ene eye nu gbagbe ɖe sia ɖe ku le atsiaƒu la me.
Mawudɔla etɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe tɔsisiwo kple tsidzidziwo dzi eye woawo hã trɔ zu ʋu.
Tete mese mawudɔla si kpɔa tsinyawo dzi la gblɔ bena, “Wò la, wò ʋɔnudɔdrɔ̃ siawo le eteƒe, Wò, kɔkɔetɔ si li fifia eye nènɔ anyi kpɔ Wò afiatsotsowo le eteƒe.
Elabena, wokɔ wò ame kɔkɔewo kple wo nyagblɔɖilawo ƒe ʋu ɖe anyi Eye nèkpe ʋu na wo be woano Abe ale si dze wo ene.”
Mese vɔsamlekpui la ɖo eŋu be, “Ẽ, Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe eye wole dzɔdzɔe.”
Mawudɔla enelia trɔ eƒe kplu la ɖe ɣe dzi eye wona ŋusẽ ɣe la be wòatsɔ dzo ƒe ŋusẽ aɖu amewoe.
Ɣe la ɖu wo vevie ale gbegbe be woƒo fi de Mawu ƒe ŋkɔ, ame si kpɔ ŋusẽ ɖe dɔvɔ̃ siawo dzi. Ke wogbe be yewomatrɔ dzime atsɔ ŋutikɔkɔe anɛ o.
Mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã wɔadã la ƒe fiazikpui dzi eye viviti nye tsyɔ eƒe fiaɖuƒe la. Amewo ɖu aɖe le vevesese ta,
eye woƒo fi de Dziƒomawu la le woƒe vevesesewo kple abi siwo woxɔ la ta. Gake wogbe be yewomatrɔ le yewoƒe nuwɔnawo yome o.
Mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat tɔsisi gã la dzi eye emetsi la katã mie, ne wòadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo.
Tete mekpɔ gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ̃ siwo ɖi akpɔkplɔwo. Wodo go tso ʋɔ driba la ƒe nu me kple lã wɔadã la ƒe nu me, kpakple aʋatsonyagblɔɖila la ƒe nu me.
Wonye gbɔgbɔ vɔ̃, siwo le nukunuwo wɔm eye wodona yina ɖe xexemefiawo gbɔ ne woaƒo wo nu ƒu hena aʋawɔwɔ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la dzi.
“Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene! Woayra ame si le ŋudzɔ eye eƒe awuwo gale esi ale be masi adzo amamae eye wòaɖe eƒe ŋukpeƒe ɖe go o.”
Tete woƒo fiawo katã nu ƒu ɖe teƒe aɖe si woyɔna le Hebrigbe me be Armagedon.
Mawudɔla adrelia tsɔ eƒe kplu la trɔ ɖe yame eye gbe gã aɖe ɖi tso gbedoxɔ la me kple fiazikpui la gbɔ nɔ gbɔgblɔm be, “Wowu enu vɔ!”
Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge eye anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe. Anyigba meʋuʋu kpɔ nenema tso ɣesiɣi wowɔ amegbetɔ ɖe anyigbadzi o, elabena anyigbaʋuʋu la nu sẽ ŋutɔ.
Du gã la ma ɖe akpa etɔ̃ me eye dukɔwo ƒe duwo mu dze anyi. Mawu ɖo ŋku Babilonia Gã la dzi eye wòtsɔ kplu si yɔ fũu kple eƒe dɔmedzoe helihelĩ ƒe wain la nɛ.
Ƒukpo ɖe sia ɖe si dzo, womegakpɔ towo gɔ̃ hã o
tsikpe gã aɖe dza tso dziƒo, eye tsikpe ɖeka ƒe kpekpeme anɔ kilogram blaade-vɔ-atɔ̃. Woge va dze amewo dzi le anyigba. Ameawo ƒo fi de Mawu le tsikpe ƒe dɔvɔ̃ la ta elabena dɔvɔ̃ la dzi ŋɔ ŋutɔ.

17

Mawudɔla adreawo dometɔ ɖeka, si lé kplu adreawo ɖe asi la, va gblɔ nam bena, “Va, mafia tohehe si woatsɔ ana gbolo gã si nɔ anyi ɖe tsi geɖewo dzi la wò.
Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii eye anyigbadzitɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe wain mu.”
Tete mawudɔla la kɔm le gbɔgbɔ me yi gbedzi, afi ma mekpɔ nyɔnu aɖe si nɔ anyi ɖe lã hẽ aɖe dzi esi ŋu busuŋkɔwo le. Lã la to ta adre kple dzo ewo.
Nyɔnu la do awu legbe si wotɔ kple avɔ blɔ kple avɔ dzẽ, eye wòde sikakɔga keklẽwo, kpexɔasidzonuwo kple dzonu bubuwo kɔ. Sikakplu si yɔ fũu kple ŋunyɔnuwo kple eƒe ahasiwɔwɔ ƒe ŋunyɔnu la le esi.
Woŋlɔ ŋkɔ si nye nya ɣaɣla la ɖe eƒe ŋgonu, “Babilonia Gã la, gbolowo kple anyigbadziŋunyɔnuwo dada.”
Mekpɔ be nyɔnu la mu ame kɔkɔewo kple ame siwo ɖi ɖase le Yesu ŋuti la ƒe ʋu. Esi mekpɔe la, nye mo wɔ yaa.
Tete mawudɔla la biam be, “Nu ka ŋuti wò mo wɔ yaa ɖo? Maɖe nyɔnua kple lã si dom wòle, lã si to ta adre kple dzo ewo ƒe nu ɣaɣla me na wò.
Lã si nèkpɔ la, nɔ anyi tsã, gake megali fifia o, eye ado go tso ʋe globo la me ayi eƒe tsɔtsrɔ̃ la me. Anyigbadzitɔ siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me o la ƒe mo awɔ yaa ne wokpɔ lã la elabena enɔ anyi tsã ke megali fifia o, gake agatrɔ ava.
“Nya sia hiã na susu si me nunya le. Ta adreawo nye togbɛ adre siwo dzi nyɔnu la nɔ anyi ɖo. Woganye fia adrewo hã. Wo ame atɔ̃ dze anyi, ɖeka li fifia eye ɖeka mekpɔ va haɖe o. Ke ne eva va la, anɔ anyi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
Lã si nɔ anyi kpɔ eye megali fifia o lae nye fia enyilia: Enye fia adreawo dometɔ ɖeka eye wòyina ɖe eƒe tsɔtsrɔ̃ la me.
“Dzo ewo siwo nèkpɔ la, nye fia ewo siwo si fiaɖuƒe mesu haɖe o, gake la, woana dziɖuɖuŋusẽwo abe fiawo ene kpe ɖe lã la ŋu hena gaƒoƒo ɖeka.
Taɖodzinu ɖeka le wo si eye woatsɔ woƒe ŋusẽ kple dziɖuɖuŋusẽ ana lã la.
Woawɔ aʋa kple Alẽvi la gake Alẽvi la aɖu wo dzi elabena eyae nye aƒetɔwo dzi Aƒetɔ kple fiawo dzi Fia la eye eƒe ame tiatiawo, ame siwo wòyɔ kple ame siwo dze eyome le anukware me la, anɔ egbɔ.”
Mawudɔla la yi edzi gblɔ nam be, “Tsi siwo nèkpɔ esiwo dzi gbolo la nɔ anyi ɖo la nye amewo, amehawo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo.
Lã la kple eƒe dzo ewo siwo nèkpɔ la, alé fu gbolo la, woahee va gbegblẽ me eye woagblẽe ɖi amamae. Woaɖu eƒe lã eye woatɔ dzoe,
elabena Mawu tsɔe de woƒe dzime be woana eƒe tameɖoɖo nava eme ne woalɔ̃ atsɔ woƒe ŋusẽ ana lã la ne wòatsɔ aɖu dzii va se ɖe esime Mawu ƒe nyawo ava eme.
Nyɔnu si nèkpɔ la eyae nye du gã si le anyigbadzifiawo dzi ɖum.”

18

Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla bubu wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ŋusẽ gã aɖe nɔ esi eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigbadzi klẽ.
Edo ɣli kple gbe gã aɖe be, “Womui! Womu Babilonia Gã la! Eva zu aƒe na gbɔgbɔ vɔ̃wo kple mɔ sesẽ na gbɔgbɔ makɔmakɔwo kpakple xadza na xevi makɔmakɔwo kple xevi siwo womeɖuna o,
elabena dukɔwo katã no eƒe dɔmedzoe ƒe wain si nye eƒe gbolowɔwɔ. Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii eye anyigbadzisitsala gãwo zu hotsuitɔ gãwo to eƒe kesinɔnu gbogboawo me.”
Tete mese gbe bubu tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Mido go le wo dome, nye amewo be miagakpɔ gome le woƒe nu vɔ̃wo me o, be woƒe dɔvɔ̃wo dometɔ aɖeke nagava mia dzi o.
Elabena woƒe nu vɔ̃wo li kɔ yi ɖe dziƒo ke eye Mawu ɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi.
Wɔe nɛ abe ale si wòwɔ ene. Đo eteƒe nɛ zigbɔzi eve ɖe nu si wòwɔ la ta. Tɔtɔ eya ŋutɔ ƒe kplu eve ne nãtsɔ anɛ.
Egblɔ le eƒe dzime dadatɔe be, ‘menɔ anyi abe nyɔnufia ene, nyemenye ahosi o eye nyemafa konyi akpɔ o.’ Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesese nɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔe kple kesinɔnuwo na eɖokui ene.
Ale be le ŋkeke ɖeka me la, eƒe dɔvɔ̃wo ava ƒo ɖe edzi, esiwo nye ku, konyifafa kple dɔwuame. Dzo ava fiae keŋkeŋ elabena ŋusẽtɔe nye Aƒetɔ Mawu, ame si drɔ̃ ʋɔnui.
“Ne anyigbadzifia siwo wɔ ahasi kplii eye wokpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me kpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ la, woafa avi eye woafa nɛ.
Eƒe fuwɔame ado ŋɔdzi na wo ale gbegbe be woanɔ adzɔge ke anɔ avi fam kple ɣli be, ‘Babaa! O du gã, babaa na wò. O Babilonia, du si ŋu ŋusẽ le! Le gaƒoƒo ɖeka me, wò tsɔtsrɔ̃ va ɖo!
“Anyigbadzisitsalawo afa avi eye woafa nɛ elabena ame aɖeke megale woƒe adzɔnuwo ƒlem o.
Adzɔnu siawoe nye sika, klosalo, kpexɔasiwo, dzonuwo, aklala biɖibi-ɖiwo, ago, sedavɔ, avɔ dzĩwo, sitronʋuƒo vovovowo, kple nu vovovo siwo wowɔ kple nyiɖu, ati xɔasiwo, akɔbli, gayibɔ kple kpexɔasiwo.
Bubuawoe nye atikeʋeʋĩ, sina-mɔn, detsiƒonuʋeʋĩwo, dzudzɔʋeʋĩdonuwo, kotoklobo, lifi, wain, amitimi, wɔ meme, mɔlu, nyiwo, alẽwo, sɔwo kple woƒe tasiaɖamwo, kluviwo kple amewo ƒe luʋɔwo.
“Wo katã woagblɔ be, ‘kutsetse si nèdi vevie la do le asiwòme. Wò kesinɔnuwo kple wò atsyɔ̃ hã tsrɔ̃; womagatrɔ agbɔ gbeɖe o.’
Asitsala siwo dzra nu siawo eye wokpɔ woƒe kesinɔnuwo tso egbɔ la, atsi tre ɖe adzɔge ke le ŋɔdzi si lé wo le eƒe fuwɔame ta la ta. Woafa avi, afa konyi,
eye woado ɣli be, ‘Babaa! O du gã si do aklala biɖibiɖi kple avɔ dzĩ kpakple avɔ blɔtɔ ƒe awulegbe eye nède sikakɔwla si le dzo dam, kpexɔasidzonuwo kple dzonu ƒuƒuiwo, babaa na wò!
Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me la, wò kesinɔnu gbogbo siawo tsrɔ̃! “Azɔ la, kuɖɔɖola ɖe sia ɖe, ame siwo katã ɖoa tɔdziʋu, tɔdziʋukulawo, kple ame siwo katã kpɔa woƒe abolo tsoa ƒudzidɔwɔwɔ me la katã anɔ adzɔge.
Ne wokpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ le tutum la, woado ɣli be, ‘Du aɖe nɔ anyi kpɔ abe du gã sia enea?’
Woalɔ ke akɔ ɖe tame, woafa avi eye woado konyifaɣli be, ‘Babaa! O du gã, afi si ame siwo katã si tɔdziʋu si nɔa ƒu dzi le la, kpɔ woƒe kesinɔnuwo le. Babaa na wò! Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me, wotsrɔ̃e keŋkeŋ.
O dziƒo, dzɔ dzi le eya amea ta! Mi ame kɔkɔewo, apostolowo kple nyagblɔɖilawo, mitso aseye! Elabena Mawu drɔ̃ ʋɔnui ɖe ale si wòwɔ fu mi la ta.’”
Tete mawudɔla triakɔ aɖe tsɔ kpe aɖe si ƒe lolome anɔ abe wɔtute ene la, ƒu gbe ɖe atsiaƒu me eye wògblɔ be, “Aleae woatsɔ dziku kple ŋusẽ aƒu Babilonia, du gã la, anyii eye magafɔ gbeɖe o.
Kasaŋkuƒolawo, hadzilawo, dzekulawo kple kpẽkulawo la, womagase woƒe ŋkɔ le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema kee womagakpɔ asinudɔwɔla aɖeke tɔgbi le mewò akpɔ gbeɖe o. Womagase wɔtutewo ƒe wɔtutu le mewò akpɔ gbeɖe o.
Womagakpɔ akaɖi ƒe bibi le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema kee ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe magaɖi le mewò akpɔ gbeɖe o. Wò asitsalawoe nye ame xɔŋkɔwo le xexeame ètsɔ wò akunyawɔwɔ kplɔ dukɔwo katã trae.
Wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple ame siwo katã wowu le anyigba dzi la ƒe ʋu le mewò”

19

Le esia megbe la, mese nane si ɖi abe ameha gã aɖee le ɣli dom le dziƒo ene be “Haleluya! Đeɖe kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ nye míaƒe Mawu la tɔ,
elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe eye wole dzɔdzɔe. Ebu fɔ gbolo gã la, ame si do gu anyigba to eƒe ahasiwɔwɔwo me. Ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dɔlawo ƒe ʋu ta.”
Wogado ɣli ake be, “Haleluya! Eƒe dzotɔtɔ ƒe dzudzɔ le tutum le dzime yim tso mavɔ me yi mavɔ me.”
Amegã xoxo blaeve-vɔ-eneawo kple Nu Gbagbe eneawo tsyɔ mo anyi eye wosubɔ Mawu, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi. Wodo ɣli be, “Amen, Haleluya!”
Tete gbe aɖe ɖi tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena, “Mikafu míaƒe Mawu la, mi eƒe dɔlawo katã, mi ame siwo vɔ̃nɛ, ame gblɔewo kple ame deŋgɔwo siaa!”
Tete mese nu si ɖi abe ameha gã aɖe ƒe gbe, abe tsi geɖewo ƒe sisi ƒe howɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe sesẽ aɖe ene be, “Haleluya! Elabena míaƒe Aƒetɔ, Mawu, Ŋusẽkatãtɔ lae le dzi ɖum.
Mina míadzɔ dzi, atso aseye eye míatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ! Elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyui la ɖo eye eƒe ŋugbetɔ la dzra eɖokui ɖo le klalo.
Wotsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu si le dzo dam eye eŋuti kɔ la nɛ be wòado.” Aklala biɖibiɖi nye dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ siwo ame kɔkɔeawo wɔ la ƒe dzesi.
Tete mawudɔla la gblɔ nam be, “Ŋlɔ be, ‘Woayra ame siwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuƒe!’” Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Esiawoe nye Mawu ƒe nya vavãwo.”
Esi wògblɔ esiawo vɔ la medze anyi ɖe eƒe afɔnu be masubɔe. Gake egblɔ nam be, “Mègawɔe o! Nye hã menye dɔla abe wò ke ene. Kpe ɖe nɔviwò siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖime ɖe asi la ŋuti. Eya ta subɔ Mawu! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi nye nyagblɔɖi ƒe gbɔgbɔ.”
Mekpɔ dziƒo nu le ʋuʋu ɖi eye ame aɖe si le sɔ ɣi aɖe dzi la le nye ŋkume. Sɔdola la ƒe ŋkɔe nye Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ. Edrɔ̃a ʋɔnu eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me.
Eƒe ŋkuwo le abe dzokaxɔxɔwo ene eye fiakuku geɖewo nɔ eƒe ta. Woŋlɔ ŋkɔ aɖe ɖe eŋuti esi ame aɖeke menya o, negbe eya ŋutɔ ko.
Edo awu ʋlaya si wonyrɔ ɖe ʋu me eye eƒe ŋkɔe nye Mawu ƒe nya.
Dziƒoʋakɔwo nɔ eyome. Wonɔ sɔ ɣiwo dom eye wodo awu siwo wotɔ kple aklala biɖibiɖi, wofu tititi eye wo ŋuti kɔ.
Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nu me esi wòatsɔ adza dukɔwo aƒo ɖii, aɖu wo dzi kple gatikplɔ. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helihelĩ.
Woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe eƒe awu ʋlaya kple eƒe ata ŋu be, ‘FIAWO DZI FIA KPLE AƑETÅWO DZI AƑETÅ.”
Mekpɔ mawudɔla aɖe le tsitre ɖe ŋdɔgbe, ame si do ɣli kple gbe sesẽ na xevi siwo katã le dzodzom le yame be, “Miva, miƒo ƒu hena Mawu ƒe fiẽnuɖuɖu ƒe kplɔ̃ɖoɖo gã la,
ale be miaɖu fiawo, aʋafiawo, kalẽtɔwo, sɔwo kple wo dolawo kpakple amewo katã ƒe lã, ablɔɖeviwo kple kluviwo, ame gblɔewo kple ame deŋgɔwo siaa.”
Tete mekpɔ lã wɔadã la kple anyigbadzifiawo kpakple woƒe aʋakɔwo, woƒo ƒu hena awawɔwɔ kple ame si le sɔ ɣi la dzi kpakple eƒe aʋakɔ.
Ke wolé lã wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila la ame si wɔ nukunu geɖewo le eƒe ŋkɔ me. Etsɔ dzesi siawo ble ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, ame siwo hã subɔ eƒe legba la. Wotsɔ wo kple eve la katã ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me agbagbee.
Wowu wo dometɔ mamlɛawo kple yi si do go tso sɔdola la ƒe nu me eye dziƒoxeviwo va ɖu woƒe lã eye woɖi ƒo.

20

Eye mekpɔ mawudɔla aɖe wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ʋe globo la ƒe safui kple gakɔsɔkɔsɔ gã aɖe nɔ esi.
Elé ʋɔ driba la, da xoxo ma, ame si nye gbɔgbɔ vɔ̃ alo Satana eye wòblae hena ƒe akpe ɖeka.
Etsɔe ƒu gbe ɖe Ʋe globo la me eye wòtui kple safui hetre enu be magable dukɔwo azɔ o va se ɖe esime ƒe akpe ɖeka la nawu enu. Le ema megbe la, woaɖe gae hena ɣeyiɣi kpui aɖe.
Mekpɔ fiazikpui aɖewo, siwo dzi ame siwo wona ŋusẽe be woadrɔ̃ ʋɔnu la nɔ, eye mekpɔ ame siwo nu wotso ta le, le woƒe ɖaseɖiɖi na Yesu kple Mawu ƒe nya la ta la ƒe luʋɔwo. Wogbɔ agbe eye woɖu fia kple Kristo hena ƒe akpe ɖeka.
Ame kuku mamlɛawo megbɔ agbe o va se ɖe esime ƒe akpe ɖeka la wu enu. Esiae nye tsitretsitsi gbãtɔ.
Yayratɔwo kple ame kɔkɔewoe nye ame siwo kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ me. Ku evelia mekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o, ke woanye Osɔfowo na Mawu kple Kristo eye woaɖu dzi kplii hena ƒe akpe ɖeka.
Ne ƒe akpe ɖeka la de la, woaɖe Satana tso eƒe gaxɔa me
eye wòado go ayi aɖable dukɔwo le xexeame ƒe dzogoe eneawo dzi, kple Gɔg kpakple Magɔg ne woaƒo amewo nu ƒu hena aʋawɔwɔ eye le xexlẽme la, wosɔ gbɔ abe ƒutake ene.
Wozɔ to anyigba blibo la dzi heyi ɖaɖe to ɖe Mawu ƒe amewo ƒe asaɖa, du si wòlɔ̃na vevie. Ke dzo ge tso dziƒo va fia wo katã.
Wotsɔ Satana, ame si ble wo la ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me, afi si wotsɔ lã wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila la hã ƒu gbe ɖo. Woawɔ funyafunya wo zã kple keli tso mavɔ me yi mavɔ me.
Tete mekpɔ fiazikpui ɣi gã aɖe kple ame si bɔbɔ nɔ edzi. Anyigba kple dziŋgɔlĩ si le eŋkume eye teƒe aɖeke meli na wo o.
Eye mekpɔ ame kukuwo, ame deŋgɔwo kple ame gblɔewo nɔ tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ eye woʋu agbalẽwo. Woʋu agbalẽ bubu si nye agbegbalẽ la. Wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nu si wowɔ woŋlɔ ɖe agbalẽawo me la nu.
Atsiaƒu tsɔ ame kuku siwo le eme la hena. Ku kple tsĩeƒe hã ɖe woƒe ame kukuwo ɖe go eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe nu si wowɔ la nu.
Wotsɔ ku kple tsĩeƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota siae nye ku evelia.
Ne womekpɔ ame aɖe ƒe ŋkɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.

21

Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, elabena dziƒo gbãtɔ kple anyigba gbãtɔ nu va yi eye atsiaƒu aɖeke hã megali o.
Mekpɔ Du Kɔkɔe la, si nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye woɖo atsyɔ̃ nɛ abe ŋugbetɔ si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene.
Tete mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena, “Azɔ la, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ eye wòanye woƒe Mawu.
Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo dzi; ku loo, alo konyifafa alo avifafa alo vevesese maganɔ anyi o, elabena nuɖoanyi xoxoawo nu va yi”
Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la gblɔ bena, “Mele nuwo katã wɔm yeyee! Tete wògblɔ be, “Ŋlɔ nu sia da ɖi, elabena nya siawo nye nya siwo dzi woaka ɖo eye wonye nyateƒenyawo hã.”
Eyi edzi gblɔ nam be, “Wowɔe vɔ. Nyee nye A kple Z, Gɔmedzedze kple Nuwuwu. Ame si tsikɔ le wuwum la, mana tsii wòano tso agbetsivudo la me, femaxee.
Ame si ɖu dzi la anyi nu siawo katã ƒe dome, eye manye eƒe Mawu eye eya hã anye vinye.
Gake vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo, ame vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dolawo, ahasiwɔlawo, akunyawɔlawo, Trɔ̃subɔlawo kple alakpatɔwo katã la, woƒe nɔƒe anye aŋɔdzota si le bibim ŋɔdzitɔe la me. Esiae nye ku evelia.”
Mawudɔla adre siwo lé kplu adre siwo me dɔvɔ̃ adre mamlɛawo le la dometɔ ɖeka va gblɔ nam be, “Va, ne mafia wò ŋugbetɔ la, esi nye Alẽvi la srɔ̃.”
Tete wòkɔm dzoe le Gbɔgbɔ la me, heyi ɖe to gã kɔkɔ aɖe dzi eye wòɖe Du Kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo Mawu gbɔ la fiam.
Ele keklẽm kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe eye eƒe keklẽ le abe kpexɔasi aɖe, abe yapiskpe ene eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene.
Wotɔ kpɔ titri kɔkɔ aɖe ɖe eŋu, woɖe mɔnu wuieve siwo nu agbo le la ɖe glia me eye mawudɔla wuieve le agboawo nu. Woŋlɔ Israel ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe agboawo dzi.
Agbo etɔ̃ le ɣedzeƒe, etɔ̃ le dzigbeme, etɔ̃ le anyigbeme eye etɔ̃ le ɣetoɖoƒe.
Woɖo gɔmeɖokpe wuieve na dua ƒe gliwo eye woŋlɔ Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.
Mawudɔla si ƒo nu kplim la lé sikanu dzidzenu ɖe asi be yeadzidze du la, eƒe agbowo kple eƒe gliwo.
Wotso du la ale be eƒe kekeme kple didime siaa sɔ. Edzidze du la eye wòkpɔ be eƒe didime, kekeme kple kɔkɔme katã nye dzidzeme ɖeka si nye kilometa akpe eve kple alafa eve.
Edzidze gli la ƒe titrime, eye le amegbetɔ ƒe dzidzeka si mawudɔla la lé la nu la, titrime la le meta blaade-vɔ-atɔ̃.
Wotsɔ yapiskpexɔasi ɖo gli lae eye wotsɔ sika si me kɔ abe ahuhɔ̃e ene la tso du lae.
Wotsɔ kpexɔasi vovovowo ɖo atsyɔ̃ na du la ƒe gɔmeɖokpee. Yapiskpe nye fli gbãtɔ, wotsɔ safirekpe ɖo fli eveliae, fli etɔ̃lia nye kalkedonikpe, fli enelia nye emeraldkpe,
woɖo fli atɔ̃lia kple sardonixkpe, fli adelia nye karneliakpe, adrelia nye krisolitekpe, enyilia nye berilkpe, asiekelia nye topazkpe, ewoliae nye krisoprasekpe, wuiɖekɛliae nye yakintkpe eye wuieveliae nye ametistkpe.
Agbo wuieveawo nye kpexɔasi wuieve eye wowɔ agbo ɖe sia ɖe kple kpexɔasi ɖeka. Wowɔ du mɔ gã la kple sika akuakua eye eme dza abe ahuhɔ̃e ene.
Nyemekpɔ gbedoxɔ aɖeke le du la me o, elabena Aƒetɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ kple Alẽvi lae nye eƒe gbedoxɔ.
Du la mehiã ɣe alo ɣleti be woanae kekeli o, elabena Mawu ƒe Ŋutikɔkɔe naa kekelii eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi.
Dukɔwo azɔ le eƒe kekeli nu eye anyigbadzifiawo atsɔ woƒe atsyɔ̃ age ɖe emee.
Eƒe agbowo anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa elabena zã mado le afi ma o.
Woatsɔ dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe kple bubu ava emee.
Nu makɔmakɔ aɖeke mage ɖe eme gbeɖe o, nenema kee nye ŋukpenanuwɔlawo kple ameblelawo hã, ke ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽ la me koe age ɖe eme.

22

Tete mawudɔla la fia agbetsitɔsisi lam eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene, ele sisim tso Mawu ƒe fiazikpui la kple Alẽvi la gbɔ,
heva to dumɔ gã la titina. Agbeti la le tɔsisi la ƒe gowo kple eve dzi, etsea ku wuieve ɣleti ɖe sia ɖe eye eƒe aŋgbawo nye nu si ahe dɔyɔyɔ vɛ na dukɔwo.
Fiƒode aɖeke maganɔ anyi azɔ o. Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui anɔ du la me eye eƒe dɔlawo asubɔe.
Woakpɔ eƒe ŋkume eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowo nu.
Zã maganɔ anyi o. Womahiã akaɖi ƒe keklẽ alo ɣe ƒe keklẽ o, elabena Aƒetɔ Mawu ana akaɖi wo. Eye woaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.
Mawudɔla la gblɔ nam be, “Nya siawo nye nya siwo ŋu woaɖo dzi ɖo eye wonye nyateƒe. Aƒetɔ la, nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu la, dɔ eƒe mawudɔla be wòafia eƒe dɔlawo nu siwo ava dzɔ kpuie.”
“Kpɔɖa, megbɔna kpuie! Woayra ame si lé nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me la me ɖe asi.”
Nye, Yohanes, nyee nye ame si se, hekpɔ nu siawo katã. Eye esi mese, hekpɔ nu siawo la, medze klo ɖe mawudɔla si ɖe nu siawo katã fiam la ƒe afɔnu be masubɔe.
Ke egblɔ nam be, “Mègawɔe o! Nye hã dɔla ko menye abe wò ke ene kpe ɖe nɔviwò nyagblɔɖilawo ŋu kpakple ame siwo katã lé agbãle sia me nyawo ɖe asi la ŋu. Eya ta subɔ Mawu!”
Tete wògblɔ nam be, “Mègatre nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me nu o, elabena ɣeyiɣi la te tu aƒe.
Vɔ̃wɔla nenɔ vɔ̃wɔwɔ dzi, ame vɔ̃ɖi nenɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi, nyuiwɔla hã nenɔ nyuiwɔwɔ dzi eye ame si le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye dzi.”
“Kpɔɖa, megbɔna kpuie! Nye fetu kpe ɖe ŋutinye, eye maxe fe na ame sia ame le nu si wòwɔ nu.
Nyee nye A kple Z, Gbãtɔ kple Mlɔetɔ, Gɔmedzedze kple Nuwuwu.
“Woayra ame siwo nya woƒe awu ʋlayawo be woakpɔ mɔ ayi ɖe agbeti la gbɔ, eye be woato agboawo nu age ɖe du la me.
Ke avuwo, akunyawɔlawo, ahasiwɔlawo, hlɔ̃dolawo Trɔ̃subɔlawo kple ame siwo lɔ̃ aʋatso eye wokanɛ hã la atsi agboa godo.
Nye, Yesue dɔ nye mawudɔla be wòatsɔ ɖaseɖiɖi siawo na wò hena hameawo. Nyee nye Ke tso David me kple eƒe dzidzimevi. Nyee nye ŋukeɣletivi keklẽ la.”
Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la gblɔ be, “Va!” Eye ame siwo le esem la hã negblɔ be, “Va!” Ne tsikɔ le ame aɖe wum la, neva noe faa eye ame sia ame si lɔ̃ ko la nexɔ agbetsi wòano.
Mele nu xlɔ̃m ame sia ame si le agbalẽ sia me nyagblɔɖiwo sem la be: Ne ame aɖe atsɔ nane akpe wo la, Mawu ana dɔvɔ̃ siwo katã ƒe nya woŋlɔ ɖe agbalẽa me la nava edzi.
Eye ne ame aɖe aɖe nya aɖewo le nyagblɔɖigbalẽ sia me la, Mawu mana wòakpɔ gome le agbeti la kple du kɔkɔe si ŋuti woƒo nu le le agbalẽ sia me la me o.
Ame si le ɖase ɖim le nu siawo ŋuti la gblɔ bena, “Ẽ, megbɔna kpuie” Amen. Va, Aƒetɔ Yesu.
Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve nenɔ kple Mawu ƒe amewo. Amen.

Rechtsinhaber*in
Multilingual Bible Corpus

Zitationsvorschlag für dieses Objekt
TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. Revelation (Ewe). Revelation (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-9742-3