1
Agbalẽ sia tso Paulo, Silvano kple Timoteo gbɔ le yiyim na kristohame si le Tesalonika, mi ame siwo nye Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo tɔ. Yayra kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi.
Míedaa akpe na Mawu ɣesiaɣi ɖe mia ta, eye míedoa gbe ɖa ɖe mia ta madzudzɔmadzudzɔe.
Le míaƒe gbedodoɖawo me na Mawu mía Fofo la ɖe mia ta la, míeŋlɔa miaƒe lɔlɔ̃dɔwo, miaƒe xɔse triakɔ kple mɔkpɔkpɔ na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ la be o."
Nɔvi lɔlɔ̃awo kple Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ veviwo, ménya bena Mawu ŋutɔe tia mi.
Elabena esi míetsɔ nyanyui la vɛ na mi la, miexɔe abe nya dzodzro aɖe ko ene o; ke boŋ mieɖo to eye miese nya la kple dzidzɔ gã. Nu si míegblɔ na mi la wɔ dɔ ɖe mia dzi ŋutɔ, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ ɖo kpe edzi na mi be nu si míegblɔ na mi la nye nyateƒe. Eye mienya ale si míawo ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ ganye kpeɖodzi na mi be míaƒe gbedeasi si míetsɔ vɛ na mi la nye nyateƒe.
Ale mieva zu míawo kple Aƒetɔ la yomedzelawo; elabena miexɔ míaƒe nya la kple dzidzɔ si tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gbɔ, togbɔ be ehe tetekpɔ kple nuxaxa geɖewo va mia dzii hã.
Emegbe la miawo ŋutɔ mieva zu kpɔɖeŋu na kristotɔ siwo katã le Makedonia kple Akaya.
Azɔ la, miekaka Aƒetɔ la ƒe nya la na amewo le afi sia afi, tso Akaya yi keke Makedonia ƒe liƒowo godo ke hã elabena afi sia afi si míeyi la, amewo ɖia ɖase tso miaƒe xɔse deto si le mia si le Mawu me la ŋuti. Esia ta megahiã be míawo míagagblɔ nya aɖeke na wo o,
elabena woawo boŋ gblɔa ale si miexɔ mí kple dzidzɔ manyagblɔ kple ale si mietrɔ tso Trɔ̃subɔsubɔ gbɔ va Mawu gbɔ eye Mawu gbagbe nyateƒetɔ la koe zu miaƒe Aƒetɔ la na mí.
Eye wogblɔ hã na mí be, miele mɔ kpɔm na Mawu Vi, Yesu ƒe tɔtrɔ ava tso dziƒo; ame si Mawu fɔ tso ku me eye wònye Đela si koe aɖe mí tso Mawu ƒe dziku helihelĩ ɖe nu vɔ̃ ŋuti la me.
2
Nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo ŋutɔ mienya ale si míaƒe mia gbɔ vava ɖe vi na mii.
Mienya ale si wowɔ funyafunya mí kple ale si míekpe fu le Filipi hafi míeva ɖo mia gbɔ la hã. Ke Mawu na dzideƒo tɔxɛ mí be míagblɔ nyanyui ma ke na mi togbɔ be futɔwo ƒo xlã mí gɔ̃ hã.
Eya ta miakpɔe adze sii be, míele mawunya gblɔm ɖe didi vɔ̃wo alo tameɖoɖo vɔ̃wo ta o. Ke boŋ míele egblɔm le anukwareɖiɖi kple dzitsinya nyui me.
Elabena míawo la míele nya la gblɔm abe dɔla siwo tso Mawu gbɔ, ame siwo dzi ko wòka ɖo be woagblɔ nyateƒe la ko ene; eya ta míetrɔ eƒe nya la ƒe akpa aɖeke be wòasɔ ɖe nyaselawo ƒe didi nu o, elabena míawo la, míesubɔa Mawu ɖeka hɔ̃ si dzroa amewo ƒe dzimesusuwo ƒe gogloƒe ke me.
Abe ale si mienya nyuie ene la, míedze agbagba zi ɖeka pɛ hã kpɔ be míahe mi va mía gbɔe to mia nu beble me o, eye Mawu ŋutɔ hã nya be menye ɖe míebua be míenye mia xɔlɔ̃wo ale be miana ga mí o.
Míebia kafukafu tso miawo alo ame bubu aɖeke gbɔ kpɔ o; evɔ abe Kristo ƒe apostolowo ene la, míedze na bubu tɔxɛ tso mia gbɔ hafi.
Le esia teƒe la, míegbɔ dzi ɖi na mi abe ale si vi dada gbɔa dzi ɖi doa nuɖuɖu na viawo eye wòléa be na wo ene.
Míelɔ̃ mi vevie eye míaƒe lɔlɔ̃ la de to ale gbegbe be míetsɔ Mawu ƒe nyanyui la ɖeɖe ko vɛ na mi o ke boŋ míetsɔ míawo ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã kpe ɖe eŋuti na mi.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, mieɖo ŋku ale si míewɔ dɔ kple kutrikuku geɖe le mia dome la dzi oa? Zã kple keli míewɔa dɔ kple kutrikuku eye míetea fifia be míate ŋu akpɔ nu anɔ agbe ɖe edzi ale be míaganye agba na ame aɖeke le afi ma esi míele Mawu ƒe nyanyui la gblɔm le mia dome o.
Miawo ŋutɔ kple Mawu siaa mienye ɖasefowo na mí be míenɔ agbe dzadzɛ, kɔkɔe si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la le mia dome.
Đe mieɖo ŋku edzi be, míeƒoa nu na mi abe ale si fofo ƒoa nu na viawoe la ene oa? Míeɖea kuku na mi, dea dzi ƒo na mi eye kura gɔ̃ hã la, míedina
tso mia si be miaƒe agbenɔnɔ naganye nuɖiaɖia na Mawu o, ke boŋ wòahe dzidzɔ vɛ na eya ame si yɔ mí va eƒe fiaɖuƒe la me be míakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe la me.
Eye míadzudzɔ akpedada na Mawu ɖe esia ta o, elabena esi míegblɔ nyanyui la na mi la, miebu nya la abe nya siwo míawo ŋutɔ míesusu la ene o, ke boŋ miexɔe abe Nya si tso Mawu ŋutɔ gbɔ la ene, eye le nyateƒe me eya ŋutɔ gbɔe wòtso, eya ta esi miexɔe se la etrɔ miaƒe agbenɔnɔ.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, esia yomedzenue nye be miawo hã miekpe fu abe ale si hame siwo le Yudea la kpee ene. Miawo ŋutɔ miaƒe dukɔmetɔwo ti mia yome abe ale si woawo hã kpe fu tso woawo ŋutɔ ƒe amewo Yudatɔwo, sime ene.
Esi wowu woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo vɔ la, woklã Aƒetɔ Yesu gɔ̃ hã ɖe atitsoga ŋuti, eye azɔ la, woti míawo hã yome kutɔkutɔe henya mí do goe le dua me. Wotsi tre ɖe Mawu kple amegbetɔ siaa ŋuti
eye wole agbagba dzem be woaxe mɔ na mí ne míagagblɔ nya la na Trɔ̃subɔlawo o, ɖe vɔvɔ̃ ta, be wo dometɔ aɖewo akpɔ ɖeɖe. Ale ame siawo ƒe nu vɔ̃wo gale tsitsim ɖe edzi. Mlɔeba la Mawu ƒe dziku va wo dzi azɔ.
Nɔvi lɔlɔ̃wo, esi míedzo le mia gbɔ le ɣeyiɣi kpui si va yi me la, míaƒe dziwo ya medzo le mia gbɔ o, ke míedze agbagba ɖe sia ɖe be míagava kpɔ mi ɖa gake mete ŋu dze edzi o.
Edzro mí vevie ŋutɔ be míava mia gbɔ eye nye, Paulo, medze agbagba zi geɖe be mava gake Satana meɖe mɔ na mí o.
Nu ka gɔ̃e míele agbe na? Nu kae na mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ mí eye wònye míaƒe fetu vavã kple fiakuku la? Miawoe! Ẽ, miahe dzidzɔ geɖe vɛ na mí, ne mí katã míetsi tre ɖe míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkume ne etrɔ va.
Elabena miawoe nye míaƒe ŋutikɔkɔe kple dzidzɔ.
3
Mlɔeba, esi míate ŋu agado dzi o la, míeɖoe be míawo ɖeɖe míatsi Atene
eye míeɖo Timoteo, mía nɔvi kple hadɔwɔla; Mawu ƒe dɔla si ɖea gbeƒã Kristo ƒe nyanyui la ɖe mi be wòava do ŋusẽ miaƒe xɔse eye wòade dzi ƒo na mi,
ale be miate ŋu alé dzi ɖe ƒo le miaƒe fukpekpe siawo katã me. Gake mienya bena fukpekpe mawo nye Mawu ƒe ɖoɖo ƒe akpa aɖe na mí kristotɔwo.
Esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míegblɔe na mi do ŋgɔ bena fukpekpe kple yometiti ava kpuie abe ale si wòva dzɔe ene.
Abe ale si megblɔ va yi ene la, esi míekpɔ be míaƒe mia gbɔ vava le megbe tsim akpa la, míeɖo Timoteo ɖa be wòakpɔe ɖa be miaƒe xɔse gale te sesĩe mahã. Mevɔ̃ be ɖewohĩ Satana va kplɔ mia dometɔ vevitɔ aɖewo dzoe eye míaƒe agbagbadzedzewo katã zu dzodzro.
Azɔ la Timoteo trɔ gbɔ eye wòtsɔ dzidzɔnya sia vɛ na mí be miaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ le Aƒetɔ la me gale te sesĩe ko abe tsã ene, eye be mieɖoa ŋku míaƒe mia gbɔ vava dzi kple dzidzɔ, eye miedi vevie be yewoakpɔ mí abe ale si míawo hã míedi vevie be míakpɔ mi ene.
Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, míaƒe dziwo kpɔ akɔfafa, le míaƒe hiãwo kple fukpekpewo me le afii, elabena míenya azɔ be miele te sesĩe nyateƒetɔe le Aƒetɔ la me.
Míawo la, míate ŋu atsɔ fu ɖe sia ɖe zi ale si míenyae be miele te sesĩe le Aƒetɔ la me.
Ale ke míawɔ ada akpe na Mawu wòade eteƒe ɖe mia ta ɖe dzidzɔ si míekpɔ le míaƒe Mawu la ŋkume le mia ta?
Elabena zã kple keli la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta atraɖii; míebiaa Mawu be wòaɖe mɔ be míagakpɔ mi, ale bena mate ŋu aɖe kuxi aɖewo siwo aganɔ fu ɖem na miaƒe xɔse la ɖa.
Mawu mía Fofo la ŋutɔ kple míaƒe Aƒetɔ Yesu nagagbugbɔ mí ɖo ɖe mia gbɔ.
Eye Aƒetɔ la nawɔe be miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ agba go abe ale si míaƒe lɔlɔ̃ na mi le la ene.
Esia ana be Mawu mía Fofo la nana be miaƒe dziwo nakpɔ ŋusẽ, anɔ dzadzɛ, kɔkɔe ale be miate ŋu ado ɖe eŋkume fɔɖiɖimanɔŋui nenye be míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo trɔ gbɔ kple ame siwo katã nye etɔ.
4
Mlɔeba la, nɔviwo, míefia mi ale si wòle be mianɔ agbe be miadze Mawu ŋu, eye le nyateƒe me la, miele agbe nɔm nenema. Ke azɔ la míele mia biam hele ŋusẽ dom mi le Aƒetɔ Yesu me be miagawɔe wu gɔ̃ hã.
Mienya nu siwo míeɖo na mi be miawɔ la to Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ me.
Elabena enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be mianɔ kɔkɔe; ate ɖa xaa tso ahasiwɔwɔ gbɔ;
eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ ale si wòaɖu eƒe ŋutilã dzi eye wòanɔ anyi kple srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me,
ke menye kple fieŋufiẽŋui ƒe dzodzro vɔ̃wo, abe ale si Trɔ̃subɔla siwo menya Mawu kple eƒe mɔwo o la, wɔnɛ ene o.
Esia hã nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be, ame aɖeke magaba nɔvia, axɔ srɔ̃a le esi gbeɖegbeɖe o, elabena Aƒetɔ la ahe to na mi nublanuimakpmakpɔtɔe ɖe nu vɔ̃ sia ta, abe ale si míegblɔe na mi kple ɖokuibɔbɔ va yi la ene.
Elabena Mawu meyɔ mí be míava nye ame ƒoɖi siwo yɔ fũ kple dzodzro vɔ̃wo o, ke boŋ be míanye ame dzadzɛwo kple ame kɔkɔewo.
Nenye be ame aɖe gbe be yemanɔ agbe ɖe ɖoɖo siawo nu o la, menye amegbetɔwo ƒe sewo dzi dam wòle o ke boŋ Mawu si na eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mi la, ƒe sewo dzi dam wòle.
Meka ɖe edzi be magahiã be magblɔ nya tso dadavilɔlɔ̃ si dze be wòanɔ Mawu ƒe amewo dome la ŋuti o; mienyae xoxo! Elabena Mawu ŋutɔ le nu fiam mi be mialɔ̃ mia nɔewo.
Le nyateƒe me, miaƒe lɔlɔ̃ na nɔvi kristotɔ siwo le Makedonia la katã kpɔ ŋusẽ ŋutɔ. Nɔvi lɔlɔ̃wo, togbɔ be wòle alea hã la, míele kuku ɖem na mi be miagalɔ̃ mia nɔewo ɖe dzi wu.
Esia nanye miaƒe didi ɖaa be, mianɔ agbe le tufafa me; miakpɔ mia ŋutɔwo ƒe dɔwo gbɔ abe ale si míegblɔ na mi va yi la ene.
Ne mienɔ agbe alea la, ame siwo menye kristotɔwo o la axɔ mia dzi ase eye woabu mi. Kpe ɖe esia ŋuti la, miganɔ amewo ƒe asinu kpɔm be woana ga mi be miatsɔ akpɔ mia ɖokuiwo dzii o.
Nɔviwo, nyemedi be mianɔ numanyamanya me le ame siwo ku la ŋu alo miaxa nu abe ame bubu siwo si mɔkpɔkpɔ mele la ene o.
Míexɔe se bena Yesu ku eye wògatsi tre eya ta míexɔe se bena Mawu afɔ ame siwo dɔ alɔ̃ le Yesu me la kpakple Yesu.
Le Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe nya nu la, míele egblɔm na mi bena mí ame siwo gale agbe, ame siwo asusɔ va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vava la, mado ŋgɔ na ame siwo ku o.
Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ aɖi tso dziƒo ava kple gbeɖeɖe gã aɖe, kple mawudɔlagãtɔ ƒe gbe kpakple Mawu ƒe kpẽɖiɖi eye ame siwo ku le Kristo me la afɔ gbã.
Le esia megbe woakɔ mí ame siwo gale agbe le ɣemaɣi la ayi dzi kpliwo le alilĩkpowo dzi be míayi aɖado go Aƒetɔ la le yame. Ale míanɔ Aƒetɔ la gbɔ tegbetegbe.
Eya ta mitsɔ nya siawo fa akɔe na mia nɔewo.
5
Ɣekaɣie nu siawo katã ava eme? Nɔvi lɔlɔ̃awo, mehiã be magblɔ nya aɖeke tso ema ya ŋuti o,
elabena mienya nyuie be ame aɖeke menya ɣeyiɣi la o. Aƒetɔ la ƒe azãgbe la aɖi ɖe mí abe ale si fiafitɔ vana le zã me ene.
Esime amewo le gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ” li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua funɔe eye mate ŋu asi le enu o ene.
Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo la nu siawo mele ɣaɣla ɖe mi o, eye wo mava ɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene, le Aƒetɔ la ƒe azãgbe la o.
Elabena mi katã la, kekeli kple ŋkeke la ƒe viwoe mienye eye mienye viviti kple zã tɔwo o.
Eya ta minɔ ŋudzɔ ɖaa eye migadɔ alɔ̃ abe ame bubuwo ene o. Minɔ ŋudzɔ na eƒe vava eye mianɔ mo xexi.
Zãmee amewo dɔa alɔ̃ eye ɣemaɣi me kee amewo mua aha.
Ke mina mí ame siwo nye kekeliviwo la míanɔ mo xexi, eye míatsɔ xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu ado eye míaɖɔ ɖeɖekpɔkpɔ si míele mɔ kpɔm na la abe gakuku ene.
Mawu meɖo be yeatrɔ eƒe dɔmedzoe akɔ ɖe mía dzi o, ke boŋ be yeaɖe mí to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.
Kristo ku ɖe mía ta, ale be míele agbe alo míeku o, ne etrɔ va la míate ŋu anɔ agbe kplii tegbetegbe.
Eya ta mide dzi ƒo na mia nɔewo be miatu mia nɔewo ɖo abe ale si miele wɔwɔm xoxo la ene.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, azɔ la míele biabiam tso mia si be miade bubu ame siwo wɔa dɔ kple vevidodo le mia dome la ŋu, ame siwo wotsɔ ɖo mia nu le Aƒetɔ la me eye woxlɔ̃a nu mi.
Mido kɔkɔ ame siawo le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ ta. Minɔ anyi le ŋutifafa me kple mia nɔewo.
Míele ŋusẽ dom mi, nɔvi lɔlɔ̃awo be miaxlɔ̃ nu ame siwo le kuvia wɔm, mide dzi ƒo na ame siwo le vɔvɔ̃m, mikpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu migbɔ dzi ɖi na ame sia ame.
Mikpɔ egbɔ be ame aɖeke metsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe o, ke boŋ midze agbagba be ɣesiaɣi la mianyo dɔme na mia nɔewo kple ame bubu ɖe sia ɖe.
Dzi nedzɔ mi ɣesiaɣi.
Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe.
Mida akpe le nuwo katã me elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mi le Kristo Yesu me.
Migatsi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nu o.
Migado vlo nyagblɔɖiwo o.
Mido nu sia nu kpɔ eye milé ɖe nu si nyo la ŋu.
Mitsri vɔ̃ ɖe sia ɖe tɔgbi.
Azɔ la, Mawu ŋutɔ, ame si nye ŋutifafa ƒe Mawu nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ, luʋɔ kple ŋutilã blibo la ɖo mokakamanɔŋui le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la.
Nuteƒewɔlae nye ame si yɔ mi eya ta awɔe ade goe.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta.
Mido gbe na nɔviawo katã kple nugbugbɔ kɔkɔe.
Mele eƒom ɖe mia nu le Aƒetɔ la ŋkume be woaxlẽ agbalẽ sia na nɔviawo katã.
Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi.
- Rechtsinhaber*in
- Multilingual Bible Corpus
- Zitationsvorschlag für dieses Objekt
- TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. 1 Thessalonians (Ewe). 1 Thessalonians (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-9718-3