1

Agbalẽ sia tso Paulo, ame si Mawu tia be wòanye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla kple nɔvi Timoteo gbɔ le yiyim na
kristotɔ wɔnuteƒewo kple Mawu ƒe ame siwo le Kolose dua me. Mawu mía Fofo la ŋutɔ nakɔ eƒe yayra ɖe mia dzi eye wòatsɔ eƒe ŋutifafa ayɔ mi taŋtaŋ.
Ɣesiaɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, míedzea egɔme kple akpadada na Mawu míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo,
elabena míese nu geɖe tso ale si miexɔ Aƒetɔ la dzi se kple lɔlɔ̃ manyagblɔ si mietsɔ na eƒe amewo la ŋu.
Eye tso ŋkeke gbãtɔ si dzi wogblɔ nyanyui la na mi va se ɖe fifia la, mietsɔ xɔse kpɔ mɔ na dzidzɔ tso dziƒo.
Nyanyui si wogblɔ na mi la eya ke gblɔm wole le xexeame godoo eye wòle amewo ƒe agbenɔnɔ trɔm le afi sia afi, abe ale si wòtrɔ miaƒe agbenɔnɔ tso ŋkeke gbãtɔ si dzi miese nu tso Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gã na vɔ̃wɔlawo ŋu eye miese eme ene.
Epafra míaƒe hadɔwɔla lɔlɔ̃ lae tsɔ nyanyui la vɛ na mi. Eyae nye Yesu Kristo ƒe subɔla si le kpekpem ɖe mía ŋuti le afi sia ɖe mia teƒe.
Eye eyae nye ame si gblɔ ale si mietsɔ lɔlɔ̃ gã si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de mia me la le amewo lɔ̃m la na mí.
Eya ta tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ zi gbãtɔ ko la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣesiaɣi eye míebiaa Mawu be wòakpe ɖe mia ŋuti miase nu si wòdi be miawɔ la gɔme, eye wòawɔ mi mianye nunyalawo tso gbɔgbɔmenuwo ŋuti.
Míegabiana hã be miaƒe agbenɔnɔ nadze Aƒetɔ la ŋu ɣesiaɣi eye wòade bubu eŋuti, ale be mianɔ nyuiwɔwɔ dzi na ame bubu wo ɣesiaɣi, le esime miele esrɔ̃m ɣesiaɣi be mianya Mawu ɖe edzi wu.
Míele gbe dom ɖa hã be Mawu ƒe ŋusẽ gã nayɔ mia me fũu ale be nu ka kee adzɔ hã la, miate ŋu anɔ te sesĩe eye Aƒetɔ la ƒe dzidzɔ nayɔ mia me taŋtaŋ ɣesiaɣi.
Eye be miada akpe na Fofo la, ame si wɔ mí be míedze na gomekpɔkpɔ le nu siwo kekeli la ƒe fiaɖuƒemetɔwo akpɔ gome le la me.
Elabena eyae ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ kple Satana ƒe fiaɖuƒe la me eye wòkplɔ mí va Via lɔlɔ̃ la ƒe fiaɖuƒe mee;
eyae ƒle ablɔɖe na mí kple eƒe ʋu xɔasi la eye wòtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo katã ke mí.
Kristoe nye Mawu si míekpɔna o la ƒe nɔnɔme tututu. Eli hafi Mawu wɔ nu sia nu eye le nyateƒe me la,
Kristo ŋutɔe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi, nu siwo míekpɔna kple nu siwo míekpɔna o la siaa Wɔla. Eya kee wɔ gbɔgbɔwo ƒe xexeme si míekpɔna o la, eƒe fiawo, fiaɖuƒewo, amegãwo kple woƒe ŋusẽwo. Kristo wɔ esiawo katã na eya ŋutɔ ƒe ŋudɔwɔwɔ kple ŋutikɔkɔe.
Eli xoxoxo hafi nu sia nu va dzɔ eye eƒe ŋusẽ lé xexeamenuwo katã ƒo ƒui.
Eye eyae nye ta na hame, sinye eƒe ŋutilã, eyae nye gɔmedzedzea kple ame siwo fɔ tso yɔme ƒe ŋgɔgbetɔ, ale be le nu sia nu me la, wòanye gbãtɔ.
Elabena Mawu di be nu sia nu si le ye me la nanɔ ye Vi hã me.
Mawu to nu si Via wɔ me, ʋu mɔ be nu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la, nava Via gbɔ. Elabena Kristo to eƒe ku le atitsoga ŋuti me wɔ ŋutifafa le Mawu kple amewo katã dome to eƒe ʋu me.
Ehe ŋutifafa sia vɛ na mi ame siwo nɔ adzɔge tsã tso Mawu gbɔ la hã. Tsã la mienye Mawu ƒe futɔwo, mielé fui eye miaƒe susu vɔ̃wo kple nu vɔ̃wɔwɔwo na be mi kplii dome klã gake azɔ la, egakplɔ mi va eɖokui gbɔe abe xɔlɔ̃awo ene.
Kristo wɔ esia to eƒe ku le atitsoga ŋuti me dzi eye fifia to eƒe ku me la, ekplɔ mi va Mawu ƒe ŋkumee; miele tsitre ɖe Mawu ŋkume ame maɖifɔwoe eye naneke kura megale mia ŋuti si ana woaka mo na mi o.
Nu ɖeka si ku ɖe nu sia ŋuti koe nye be miaxɔ nyateƒe la dzi ase blibo, alé eme ɖe asi sesĩe, aku ɖe Aƒetɔ la ŋuti goŋgoŋgoŋ eye miaxɔ nyanyui la dzi ase be Yesu ku ɖe mia ta. Hekpe ɖe esia ŋuti la, mixɔe se be aɖe mi, ɖikeke aɖeke manɔmee. Esiae nye nukunya kple nya si va na mi katã eye wòle kakam ɖe xexeme blibo la katã fifia. Eye enye dzidzɔ na nye, Paulo, be magblɔ nya sia na ame bubuwo.
Ke nye dɔ ƒe akpa aɖee nye be makpe fu ɖe mia ta, eye enye dzidzɔ nam be wòle nenema, elabena mele kpekpeɖeŋu nam be Kristo ƒe fu siwo wòkpe ɖe eƒe ŋutilã si nye eƒe hamea ta la nawu enu.
Mezu hamea ƒe subɔla abe ale si Mawu dɔm abe xɔnuvi ene be mawu eƒe nya blibo la nu,
nya ɣaɣla si woɣla ɖi tso ƒe alafawo kple dzidzimewo me ke, gake azɔ la eɖee fia ame kɔkɔewo.
Ame siawo Mawu lɔ̃ be yeana woanya yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu ɣaɣlawo le Trɔ̃subɔlawo dome, nu ɣaɣla sia nye be Kristo le mia me, si nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ.
Eya ta afi sia afi si míeyina la, míeƒoa nu tso Kristo ŋuti na ame siwo katã le klalo be woaɖo to. Míefĩaa nu wo eye míexlɔ̃a nu wo vevie abe ale si míate ŋui ene. Míedina be míakplɔ ame sia ame ayi Mawu ƒe ŋkume fɔɖiɖimanɔŋui ɖe dɔ si Kristo wɔ na wo dometɔ ɖe sia ɖe la ta.
Esiae nye nye dɔ, eye mate ŋu awɔe to Kristo ƒe ŋusẽ triakɔ si le dɔ wɔm le menye la ɖeɖe ko me.

2

Adzɔ dzi nam ŋutɔ nenye be ɖe mianya ale si medoa gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe ɖe miawo kple hame si le Laodikea la kpakple nɔvi vevi bubu siwo menyam kura o la hã ta.
Nu si mebia Mawu na mi lae nye be: dzideƒo nanɔ mia si eye lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ nabla mi ɖekae ale be miate ŋu akpɔ mɔnu anya Kristo le kakaɖedzi me kple gɔmesese deto vavãtɔ. Elabena Mawu ƒe ɖoɖo ɣaɣla si wòva ɖe fia mlɔeba lae nye Kristo ŋutɔ.
Eya mee woɣla nunya triakɔ ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.
Mele nya siawo gblɔm na mi elabena mele vɔvɔ̃m be ame aɖe ate ŋu ava ble mi, alo ado lã mi to eƒe aɖe ŋanɛ nyawo gbɔgblɔ na mi me.
Togbɔ be gbɔnye didi tso mia gbɔ hã la, nye dzi le mia ŋu. Mekpɔ dzidzɔ elabena miele agbe nɔm nyuie eye miaƒe xɔse hã le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le Kristo me.
Azɔ abe ale si miexɔ Kristo dzi se be aɖe mi ene la, mixɔ se nenema ke le miaƒe gbe sia gbe ƒe nuwɔnawo me; eye miwɔ ɖeka kplii blibo le xɔse me.
Mili ke ɖe eya amea me blibo eye miaxɔ nunyiame tso egbɔ. Mikpɔ egbɔ be mietsi ɖe edzi le Aƒetɔ la me. Mina dzidzɔ kple akpedada nayɔ miaƒe agbe me fũ ɖe nu gã siwo katã wòwɔ na mi la ta.
Migana ame aɖeke natsɔ eƒe xexemenunya kple nyaŋuɖoɖo siwo wotu ɖe amegbetɔ ƒe nunya dzi, ke menye ɖe nu siwo Kristo gblɔ dzi o la awɔ mi kluviwoe, kple dzidzɔ o.
Elabena Mawu ƒe blibonyenye la katã nɔ Kristo me le ŋutilã ƒe dzedzeme nu
eye blibonyenye sia yɔ mi fũ le Kristo me, ame si nye ta na ŋusẽwo kple dziɖulanyenyewo katã.
Eya amea me hã wotso aʋa na mi, le esime mieɖe miaƒe dzɔdzɔme nu vɔ̃ ŋutilã ɖa, menye kple aʋatsotso si wotsɔ asi tsoe o, ke esi wowɔ to Kristo me la boŋ.
To mawutsideta me mieku kplii eye mietsi tre kplii to miaƒe xɔse si le Mawu ƒe ŋusẽ si fɔe tso ame kukuwo dome la me.
Mieku ɖe nu vɔ̃wo me, eye womeɖe miaƒe dzodzro vɔ̃wo ɖa le mia ŋu haɖe o. Gake ena be miekpɔ gome le Kristo ƒe agbenɔnɔ me, elabena etsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi,
eye wòtutu nya si wotsɔ ɖe mia ŋuti la ɖa, vodada siawo nye eƒe se siwo dzi mieda le la. Etsɔ nu vɔ̃ siawo katã klã ɖe Kristo ƒe atitsoga ŋuti eye wòɖe wo ɖa.
To esia me la, Mawu ɖe Satana ƒe ŋusẽ si wòatsɔ atɔ asi miaƒe nu vɔ̃wo dzii la ɖa, eye Mawu ɖe Kristo ƒe dziɖuɖu le atitsoga ŋuti afi si woɖe miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le la fia xexeame katã.
Eya ta migana ame aɖeke naɖe ɖeklemi kpli mi le nu si mieɖuna alo nona ŋu loo alo ale si miawo mieɖua Yudatɔwo ƒe azãwo, ŋkekenyuiwo, dzinu yeye ƒe wɔnawo kple Sabat ŋkekewo o la ta o.
Elabena esiawo katã nye ɖoɖo siwo wu enu esi Kristo va do. Đoɖo siawo nye nu la ŋutɔ ƒe vɔvɔli ko. Egɔmee nye wonye Kristo ŋutɔ ƒe vɔvɔli ko.
Migana ame aɖeke nable mi be esi miegbe be yewomasubɔ mawudɔlawo abe ale si wogblɔ na mi ene o ta la, miele tsɔtsrɔ̃ ge o. Wogblɔna be yewokpɔ ŋutega eye yewonya be ele be miasubɔ mawudɔlawo. Ame siawo nye dadalawo togbɔ be wogblɔna be yewonye ɖokuibɔbɔɖeanyilawo hã. Susu wɔnuku le wo si.
Ke womeku ɖe Kristo ŋu, ame si nye ta si ŋu mi ame siwo katã nye eƒe ŋutilã la ku ɖo o; elabena eƒe lãmeka sesẽwo wotsɔ bla mí ɖekae eye míete ŋu tsina elabena míexɔa nunyiame kple ŋusẽ tso eya ɖeka ko gbɔ.
Le nyateƒe me, esi mieku kple Kristo ta la, mievo tso nu si xexemetɔwo buna tso ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti la si me. Woƒe susue nye be, ame akpɔ ɖeɖe to dɔ nyui wɔwɔ kple sewo dzi wɔwɔ me. Ne ele alea la, nu ka tae miegale wo wɔwɔ dzi eye woƒe se mawo gabla mi ɖo?
Wobe migaɖu esi o, migaɖɔ ekemɛ kpɔ o, eye wobe migaka asi nuɖuɖu aɖewo ya ŋuti kura o; nu ka tae?
Kpɔ ɖa, se mawo ya la amegbetɔ, numaɖinu ƒe ɖoɖowo ko wonye, elabena nuɖuɖu la, ɖe ko wowɔe be ame naɖu.
Se siawo anya dze se nyuiwoe elabena wonye se siwo hiã ame ɖokuitsɔtsɔke kple ɖokuibɔbɔ blibo eye wo dzi wɔwɔ sesẽ, gake ŋusẽ aɖeke mele wo si be ame natsɔ aɖu eƒe susuwo kple dzodzro vɔ̃wo dzi o. Đeko wonaa ame dana.

3

Azɔ esi mietsi tre kple Kristo tso ku me ta la, mitsɔ miaƒe dziwo ɖo dziƒo ƒe kesinɔnuwo kple eƒe dzidzɔwo ŋuti, afi si Kristo le Mawu ƒe axadzi le, le bubu kple ŋusẽ me.
Mina dziƒonuwo ŋutibubu naxɔ miaƒe susuwo me; migagblẽ miaƒe ɣeyiɣiwo anɔ anyigba dzi nuwo ŋuti bum o.
Elabena mieku eye wotsɔ mia kple Kristo ƒe agbe ɣla ɖe Mawu me.
Ne Kristo si nye miaƒe agbe va do la ekema miawo hã miado kpakplii le ŋutikɔkɔe me.
Eya ta migbe nu le anyigbadzinu siwo yɔ fũ kple nu vɔ̃ la gbɔ; miwu didi vɔ̃ siwo le fiefiem le mia me. Migawɔ naneke si ku ɖe ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋu kple ŋukpenanudzroamewo ŋuti o. Migasubɔ xexe sia me ƒe nu nyuiwo ɖe Mawu teƒe o, elabena esia nye Trɔ̃subɔsubɔ.
Mawu ƒe dziku helihelĩ ava ame siwo wɔa nu siawo la dzi.
Miewɔa nu siawo tsã esi miele abe xexemetɔ bubuwo ko ene
gake azɔ la ɣeyiɣi la de na mi be miaɖe asi le dzikudodo, fuléle, fiƒode kple nya vlowo gbɔgblɔ ŋuti.
Migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe agbe xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa.
Azɔ la miele agbe yeye nɔm eye agbe yeye nɔnɔ sia na miele nu nyui wɔwɔ srɔ̃m gbe sia gbe le si dzedze me, be mianɔ ame si nye Wɔla la ƒe nɔnɔme me.
Le agbe yeye sia nɔnɔ me la, Griktɔ, Yudatɔ, aʋatsotso alo aʋamatsomatso, ŋkumaʋumaʋutɔ alo Skitiatɔ, kluvi alo ablɔɖevi megali o, ke boŋ wo katã nye kristotɔ eye Kristo le wo katã me.
Esi wònye be Mawu ame si na agbe yeye mi la ŋutɔe tia mi, wɔ mi kɔkɔe eye wolɔ̃ mi vevie ta la, mido dɔmetrɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔɖi ƒe awuwo na mia ɖokuiwo,
mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ mia nɔewo ƒe vodadawo ke wo. Miɖo ŋku ale si Aƒetɔ la tsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mii la dzi eye miawo hã miatsɔ ake mia nɔewo nenema ke.
Ƒo esiawo katã ta la, mina lɔlɔ̃ nafia ale si mianɔ agbee la mi, elabena esia ana be hame la katã nanɔ anyi le ɖekawɔwɔ blibo me.
Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo la katã me ɣesiaɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣesiaɣi.
Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu menunya, eye midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kpakple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu.
Eye nu sia nu si miawɔ la, eɖanye le nya me alo nuwɔwɔ me o, miwɔ wo katã le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me eye miada akpe na Mawu Fofo la, to eya amea me.
Mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo, elabena esia nye Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo na mi.
Eye mi srɔ̃ŋutsuwo hã la, milɔ̃ mia srɔ̃wo eye mialé be na wo eye migado dziku ɖe wo ŋuti alo ablu ɖe wo ta o.
Mi ɖeviwo la, ele be miabu mia fofowo kple mia dadawo ɣesiaɣi, elabena esiae dze Aƒetɔ la ŋu.
Mi fofowo la, miganɔ nya hem ɖe mia viwo ŋuti ale gbegbe be dzi naɖe le wo ƒo be woadzudzɔ agbagbadzedze o.
Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe anyigbadziƒetɔwo ɣesiaɣi; menye to ameŋkumenuwɔwɔ me o, ke boŋ miawɔe ɣesiaɣi ne miaƒe aƒetɔwo meli o hã. Miɖo to wo faa ɖe miaƒe lɔlɔ̃ na Aƒetɔ la kple ale si miedi be yewoadze eŋui la ta.
Mitsɔ kutrikuku kple dzidzɔ wɔ nu sia nu si wòle be miawɔ la, abe Aƒetɔ lae miele ewɔm na ene, eye menye abe miaƒe anyigbadziƒetɔwo miele ewɔm na ene o,
esi mienyae be miaxɔ domenyinyi tso Aƒetɔ la gbɔ abe fetu ene. Elebena Aƒetɔ Kristo ŋutɔe miele dɔ wɔm na.
Ame sia me si wɔ nu vɔ̃ la axɔ eƒe nu vɔ̃ ƒe fetu eye ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke manɔ eme o.

4

Mi aƒetɔwo la, ele be miawɔ nu si nyo eye wòdze la ɖe miaƒe kluviwo ŋu. Miɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be, miawo hã la Aƒetɔ le mia si le dziƒo eye wòle ŋku lém ɖe mia ŋuti vevie.
Mido vevi gbedodoɖa, minɔ ŋudzɔ eye mida akpe na Mawu.
Mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta be Mawu naʋu agbo na míaƒe mawunyagbɔgblɔ be míaɖe gbeƒã Kristo ƒe nu ɣaɣlawo esi ta mele game le afi sia ɖo.
Mido gbe ɖa be magblɔe eme nakɔ abe ale si mate ŋui ene.
Miwɔ mɔnukpɔkpɔ suetɔ kekeake ŋutidɔ ne miatsɔ aɖe gbeƒã nyanyui lae na ame bubuwo. Mizɔ le nunya me le miaƒe nuƒoƒo kple wo me.
Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nuƒoƒo me, elabena to esia me ko miate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo nyuitɔ na ame sia ame.
Tikiko, mía nɔvi lɔlɔ̃ la agblɔ ale si mele edzii la na mi. Enye kutrikula si subɔa Aƒetɔ la kplim.
Medɔ dɔ tɔxɛ siae be wòava kpɔ ale si miele ɖa eye be wòafa akɔ na mi ade dzi ƒo hã na mi.
Mele Onesimo, nɔvi lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔla si nye mia detɔ la hã ɖom, ɖe mi. Eya kple Tikiko woagblɔ nu siwo le dzɔdzɔm le afi sia fifia la na mi.
Aristarko, ame si le game kplim la do gbe na mi kple lɔlɔ̃; nenema kee nye Marko, Barnaba nɔvi. Abe ale si megblɔ na mi kpɔ ene la, ne Marko va mia gbɔ la, mixɔe dzidzɔtɔe.
Yesu, si wogayɔna hã be Yusto la hã do gbe na mi nyuie. Ame siawo nye Yudatɔwo le nye dɔwɔhatiwo dome hele dɔ wɔm na mawufiaɖuƒe la eye wonye akɔfafa gã aɖe nam.
Epafra, mia dometɔ ɖeka, ame si nye Yesu Kristo ƒe dɔla hã do gbe na mi nyuie. Ele ʋiʋlim ɖe mia ta le gbedodoɖa me ɣesiaɣi be mianɔ te sesĩe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu blibo la me, atsi eye miakpɔ kakaɖedzi blibo.
Mate ŋu aka ɖe edzi na mi be, ewɔ dɔ sesĩe ɖe mi kple kristotɔ bubu siwo le Laodikea kple Hierapoli la nu,
Luka, Atikewɔla lɔlɔ̃ la kple Dema hã do gbe na mi nyuie.
Mido gbe na nɔvi kristotɔ siwo le Laodikea nam. Mido gbe na Nimfa kple hame si kpea ta le eƒe aƒe me la nam.
Nenye be miexlẽ agbalẽ sia vɔ la, mitsɔe ɖo ɖe Laodikea hame la hã woaxlẽ eye miawo hã mixɔ agbalẽ si meŋlɔ ɖo ɖe wo hã axlẽ.
Migblɔ na Arkipo be, “Kpɔ egbɔ be nèwɔ nu siwo katã Aƒetɔ la be nãwɔ.”
Esia nye nye ŋutɔ nye gbedoname si meŋlɔ kple nye ŋutɔ nye asi. Miɖo ŋku dzinye le nye gaxɔmenɔnɔ me le afĩ sia. Mawu ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi.

Rechtsinhaber*in
Multilingual Bible Corpus

Zitationsvorschlag für dieses Objekt
TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. Colossians (Ewe). Colossians (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-9715-6