1

Agbalẽ sia tso Paulo kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dɔlawo gbɔ le yiyim na Osɔfowo ƒe kpeɖeŋutɔwo kple kristotɔ siwo katã le Filipi.
Mawu nayra mi katã. Ẽ, medoa gbe ɖa be Mawu mía Fofo kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo nana eƒe yayra detotɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe eye eƒe ŋutifafa la nanɔ miaƒe dziwo kple miaƒe agbenɔnɔ blibo me.
Nye gbedodoɖawo katã ɖe mia ta nye akpedada sɔŋ ko na Mawu.
Eye ne mele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, dzidzɔ sɔŋ yɔa nye dzime.
Le kpekpeɖeŋu gã siwo katã miena le Kristo ƒe nyanyui la kaka me tso ɣeyiɣi si miesee gbã va se ɖe fifia dzi la ta.
Eye meka ɖe edzi be Mawu ame si dze dɔ nyui sia wɔwɔ gɔme le mia me la, ayi edzi akpe ɖe mia ŋu bena miatsi ɖe edzi le eƒe amenuveve la me va se ɖe esime dɔ si wɔwɔ gɔme wòdze le mia me la nawu nu keŋkeŋ le ŋkeke si Yesu Kristo agatrɔ va la dzi.
Ele ɖoɖo nu be nye dzi nanɔ ɖe mia ŋu abe ale si wòle ene, elabena miekpɔ gome le Mawu ƒe yayra me esi menɔ gaxɔ me kple esi medo eye menɔ nyateƒe la ta ʋlim henɔ gbeƒã ɖem Kristo na amewo.
Mawu ɖeka koe nya lɔlɔ̃ vavã si le menye ɖe mia ŋu abe ale si Yesu Kristo hã lɔ̃ mi ene.
Nye gbedodoɖa ɖe mia tae nye bena, miayɔ fũ eye miagbã go kple lɔlɔ̃ na mia nɔewo eye nenema ke mianɔ tsitsim ɖe edzi le gbɔgbɔmenunya kple sidzedze me.
Elabena medina vevie ɣesiaɣi be miakpɔ vovototo le nyui kple vɔ̃ dome eye kpe ɖe esia ŋuti la mianɔ dzadzɛ le miaƒe dziwo me ale bena ame aɖeke mate ŋu akpɔ kpɔtsɔtsɔ le mia ŋuti o, va se ɖe esime míaƒe Aƒetɔ la nagatrɔ ava.
Minɔ nu nyui kple dɔmenyowɔwɔ dzi ɖaa. Esiawoe afia be mienye Mawu viwo vavã eye woahe kafukafu kple ŋutikɔkɔe geɖe vɛ na Aƒetɔ la.
Nɔvi lɔlɔ̃wo, medi be mianya esia be: Nu sia nu si dzɔ ɖe dzinye le afi sia la, do gbeƒãɖeɖe Kristo ƒe nyanyui la ɖe ŋgɔ boŋ.
Elabena ame sia ame si le gbɔnye le afi sia hekpe ɖe asrafo siwo katã le asaɖame ŋuti la nya kɔtee be susu si ta mele game ɖo koe nye be menye kristotɔ.
Eye nye gamenɔnɔ na be kristotɔ siwo katã le afi sia la megavɔ̃na na gamenɔnɔ o. Ke le go aɖewo me la, nye dzidodo si metsɔ le gaxɔ mee la de dzi ƒo na wo ale gbegbe be womegavɔ̃a gbeƒãɖeɖe Kristo o.
Nyateƒe wònye be ame aɖewo ɖea gbeƒã Kristo le ŋu ʋaʋã kple dzrewɔwɔ ta, ke ame bubu aɖewo ɖea gbeƒã nya la kple dzitsinya nyui.
Ame evelia siawo wɔnɛ le lɔlɔ̃ me, elabena wonyae be mele game le afii le nyanyui la ta ʋiʋli ŋuti.
Ame kemɛawo gblɔa Kristo ƒe nya la le ɖokuitɔdidi ta, ke menye tso dzi vavã me o, kple susu sia be yewoatsɔ xaxa akpe ɖe nye bablamenɔnɔ ŋu.
Susu ka ke nu wole mawunya la gblɔm ɖo hã la, enye nyateƒe matrɔmatrɔ be wole gbeƒã ɖem Kristo ƒe nyanyui la eye esiae nye nye dzidzɔ.
Manɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa, elabena menya be zi ale si miele gbe dom ɖa ɖe tanye eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã le kpekpem ɖe ŋunye ta la, esiawo katã ahe nyui ko vɛ nam eye woawɔe be woaɖe asi le ŋutinye le gaxɔ me.
Mele lalam eye mele mɔ kpɔm be nyemawɔ naneke atsɔ do ŋukpe ɖokuinye o; ke boŋ manɔ klalo ɣesiaɣi aɖe gbeƒã Kristo abe ale si mewɔnɛ tsã ene, togbɔ be nuwo le sesẽm nam le afi sia ŋutɔ le ɣeyiɣi siawo me hã la, menya be ne mele agbe o, meku o, made bubu Kristo ŋu.
Le gonyeme la, agbenɔnɔ nye mɔnukpɔkpɔ nam be mawɔ dɔ na Kristo. Ke ku gaɖe vi wu.
Ke nenye be agbenɔnɔ ana mɔnukpɔkpɔ geɖem be maɖe luʋɔwo na Kristo la, ekema nyemeganya ne agbe alo kue nyo wu o.
Ewɔna nam ɣeaɖewoɣi be manɔ agbe gake le ɣebubuɣiwo la, edzroam be maku, elabena medi vevie be mayi aɖanɔ Kristo gbɔ. O, adzɔ dzi na nye ya sasasã wu be manɔ kodzogbe afii!
Ke nyateƒe lae nye be, mate ŋu ana kpekpeɖeŋu geɖe miawo wu ne mele agbe.
Ẽ, ele eme be nye dɔwɔwɔ ga hiã le agbe sia me eya ta meka ɖe edzi be maganɔ agbe vie wu be makpe ɖe mia ŋuti be miatsi ɖe edzi le xɔse me eye miakpɔ dzidzɔ.
Nye agbenɔnɔ ado dzidzɔ na mi eye wòana mɔnukpɔkpɔ mi be miakafu Yesu Kristo le ale si wòna megale agbe la ta ne megava mia gbɔ.
Ke nu ka kee adzɔ ɖe dzinye hã la, miɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be mianɔ agbe abe kristotɔwo ene, ale be, ne magakpɔ mi alo nyemakpɔ mi o hã la, manɔ ɖaseɖiɖi nyuiwo sɔŋ ko xɔm tso mia ŋuti be mi katã miele ɖeka kple susu ɖeka sia be miagblɔ nyanyui la
dzideƒotɔe, nu ka kee miaƒe futɔwo awɔ mi hã. Woakpɔ esia abe woƒe anyidzedze ƒe dzesi ene, ke miawo la, esia anye dzesi tso Mawu gbɔ be, eli kpli mi eye bena ena agbe mavɔ mi.
Ke miawo la menye edzixɔxɔse ƒe mɔnukpɔkpɔ ko wona mi o, ke boŋ be miakpe fu ɖe eta hã.
Mí katãe le avu sia wɔm ɖekae. Miekpɔ ale si mekpe fu ɖe eta va yi eye fifia hã megale avu sesẽ aɖe wɔm, abe ale si mienya nyuie la ene.

2

Nane li abe kristotɔwo ƒe dzidedeƒo na wo nɔewo enea? Đe mielɔ̃m ale gbegbe be miadi be yewoakpe ɖe ŋutinyea? Đe mí kpli miawo ƒe nɔvinyenye le Aƒetɔ la me kple míaƒe gomekpɔkpɔ le Gbɔgbɔ ɖeka la me nye viɖe na mia? Đe nublanuikpɔkpɔ le dzi me na mi le go aɖe mea?
Ekema mina makpɔ dzidzɔ vavãtɔ to mia nɔewo lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ me, eye mitsɔ dzi ɖeka, susu ɖeka kple taɖodzinu ɖeka wɔ dɔe aduadu.
Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze ame bubuwo ŋu o. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo eye mibu ame bubuwo be wonyo wu mi.
Tɔnye ko nenyo meganɔ mia me o; ke boŋ mibu ame bubuwo hã ŋuti eye miatsɔ ɖe le nu si wɔm wole la me.
Miaƒe nɔnɔme nenɔ abe Kristo Yesu tɔ ene,
ame si, esi wònye be Mawu ƒe nɔnɔme mee wònɔ hã la, mebui be ye kple Mawu ƒe sɔsɔ nye nane si wòle be yeaʋli kplii o,
ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui hetsɔ dɔla ƒe nɔnɔme do eye wòva le ame ƒe nɔnɔme me.
Esi wònɔ ame ƒe nɔnɔme me la, ebɔbɔ eɖokui, ɖo to yi ɖase ku me, yi ɖase atitsogaŋutiku me ke!
Eya ta Mawu do eya amea ɖe dzi yi ɖase teƒe kɔkɔtɔ kekeake eye wòtsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔwo katã ta la nɛ.
Be le Yesu ƒe ŋkɔ me, klo sia klo, adze nɛ le dziƒo kple anyigba kpakple anyigba te,
eye aɖe sia aɖe aʋu eme be Yesu Kristo nye Aƒetɔ, hena Mawu fofo la ƒe ŋutikɔkɔe.
Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, esi menɔ mia gbɔ la, mielé se siwo mede na mi la me ɖe asi sesĩe. Ke azɔ esi nyemegale mia gbɔ o la, boŋ wòle be mialé be na mia ɖokuiwo wu eye miawɔ nu nyui siwo afia be miekpɔ ɖeɖe. Mitsɔ bubu kple toɖoɖo na Mawu eye miagbe nu le nu siwo medzɔa dzi nɛ o la wɔwɔ gbɔ.
Elabena Mawu le dɔ wɔm le mia me. Eyae kpena ɖe mia ŋu be miaɖo toe eye wògakpena ɖe mia ŋu be miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.
Miwɔ nu sia nu liʋiliʋililĩ kple nyahehe manɔmee,
ale bena ame aɖeke mate ŋu akpɔ mɔ atsɔ fɔɖiɖi na mi o. Minɔ agbe dzadzɛ si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũ kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe akaɖi ene
eye migblɔ Agbenya la na wo. Ekema nenye be Kristo gava la, makpɔ dzidzɔ gã aɖe be dɔ si mewɔ le mia dome la ɖe vi geɖe.
Eye nenye be wokɔ nye ʋu ɖi le nyateƒe me, be wòanye vɔsa na Mawu ɖe miaƒe xɔse ta alo nenye be edze be maku ɖe mia ta gɔ̃ hã la, malɔ̃ aku faa eye mana mia dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ gome le nye dzidzɔ sia me.
Elabena ele be miakpɔ dzidzɔ ɖe esia hã ta eye miadzɔ dzi kplim be wona mɔnukpɔkpɔm be maku ɖe mia ta.
Ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, maɖo Timoteo ɖa be wòava kpɔ mi ɖa kpuie. Ekema ne etrɔ gbɔ la, nu siwo wòava gblɔ nam tso nu siwo katã wɔm miele kple ale si miele dɔa dzii ŋu la ana dzi nagaɖo ƒonye.
Ame aɖeke megali si tsɔ ɖe le miaƒe nya me wu Timoteo o.
Edze abe ɖe bubuawo katã tsi dzi ɖe woawo ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ŋuti eye menye ɖe Yesu Kristo tɔwo ŋu o ene.
Ke mienya Timoteo nyuie. Đe wòle nam abe vi ene eye wòkpena ɖe ŋutinye le nyanyui la gbɔgblɔ me.
Mele mɔ kpɔm be maɖoe ɖe mi kpuie; ne mese nu si adzɔ ɖe dzinye le afi sia ko.
Eye mele mɔ kpɔm be, Aƒetɔ la ana be nye ŋutɔ hã mava kpɔ mi ɖa kpuie.
Le ɣeyiɣi sia me la, mebui be enyo be magbugbɔ Epafrodito aɖo ɖe mi. Mieɖoe ɖa be wòava kpe ɖe ŋutinye le nye hiahiãwo me; enyo ŋutɔ. Mí kplii míezu nɔvi vavãwo eye míewɔa dɔ aduadu.
Azɔ la, megbugbɔe le ɖoɖom ɖe mi, elabena aƒe le edzrom eye esi miese be, edze dɔ la, mietɔtɔ le mia ɖokuiwo me.
Le nyateƒe me la, edze dɔ eye esusɔ vie ko wòaku. Gake Mawu kpɔ nublanui na nye kplii siaa, bena metsɔ eƒe ku ƒe nuxaxa tsɔ kpe esiwo le dzinye xoxo la o.
Eya ta metsi dzi vevie be maɖoe ɖe mi, eye menya ale si gbegbe miada akpee be miegakpɔe, eye esia ana nye hã makpɔ dzidzɔ eye wòaɖe nye xaxawo dzi akpɔtɔ.
Mido dzaa nɛ le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ gã aɖe, eye miɖe miaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae,
elabena eƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me ɖe Kristo ƒe dɔ la ta eye esusɔ vie ne wòaku le esime wòle agbagba dzem be yeawɔ nu siwo miate ŋu wɔ nam o, ɖe ale si miele adzɔge le gbɔnye la ta.

3

Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, midzɔ dzi le Aƒetɔ la me. Meɖe fu nam be maŋlɔ nu mawo ke aɖo ɖe mi o, elabena wonyo na miaƒe dedienɔnɔ.
Minɔ ŋudzɔ na avu mawo, ŋutsu mawo, ame siwo wɔa funyafunya ŋutilã,
elabena mí ame siwo subɔna le Mawu ƒe gbɔgbɔ me lae nye aʋatsotso nyuitɔ, ame siwo dzɔa dzi le Kristo Yesu me eye womeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋu o,
evɔ nye ya susu si ta wòle be maɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la le asinye hafi. Ne ame aɖe bu be yeate ŋu aɖo dzi ɖe ŋutilã ŋu la, nye la mewui,
elabena wotso aʋa nam le ŋkeke enyia gbe, metso Israel dukɔ me, tso Benyamin ƒe to la me, Hebritɔ tso Hebritɔwo me, le sea nu la, Farisitɔ menye.
Ke le hamea yometiti me la, ame aɖeke mewum o, eye le dzɔdzɔenyenye si tso sea me nu la, mokakamanɔŋutɔe menye.
Gake meɖe asi le nu siwo katã mebuna tsã be wonye viɖenuwo la ŋu eye metsɔ wo katã ƒu gbe be mate ŋu atsɔ nye xɔse kple mɔkpɔkpɔ ana Yesu ɖeka ko.
Ẽ, azɔ la, ne metsɔ nu siawo katã sɔ kple viɖe gã si mekpɔ le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya me la, womegaɖi naneke le nye ŋkume o. Esia ta metsɔ nu mawo katã ƒu gbe, eye mebu wo aɖukpodzinuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi,
eye mawɔ ɖeka kplii. Azɔ la, nyemegaɖoa ŋu ɖe nye dɔ nyui wɔwɔ ŋuti alo Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ ŋuti be woaɖem o, ke boŋ meɖoa dzi ɖe Kristo ŋuti be aɖem; elabena mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ ɖeka kple Mawu lae nye xɔse kple ŋuɖoɖo vevie ɖe Kristo ɖeka hɔ̃ ko ŋuti.
Azɔ la, meɖe asi le nu bubu ɖe sia ɖe ŋuti. Meva kpɔe be esia koe nye mɔ si dzi míato anya Kristo eye míanya nu hã tso ŋusẽ si fɔe ɖe agbe tso ku me la ŋu; to esia me míate ŋu ase nu si wònye be míakpe fu, aku kplii la hã gɔme.
Eya ta nu ka kee adzɔ hã la, nye hã manye ame siwo akpɔ gome le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple woƒe agbe yeye la me, la dometɔ ɖeka.
Menye ɖe mele gbɔgblɔm be nye asi su nu siawo katã dzi xoxo alo wowɔm mede blibo xoxo o, ke boŋ mele ŋusẽ dom nu be nye asi nasu nu si ta Kristo Yesu hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi.
Nɔvi lɔlɔ̃wo, nyemebu ɖokuinye be nye asi su edzi o. Ke nu ɖeka si mewɔna lae nye be; meŋlɔa nu siwo le megbenye la be eye mewɔa nye ŋutete ŋuti dɔ be maɖo nu si le ŋgɔ nye la gbɔ.
Mele dzesiɖoƒe la nyam vevie be maxɔ dziɖuɖudzesi si ta Mawu yɔm le Kristo Yesu me ɖo be manyi agbe mavɔ dome.
Aleae wòle be mí ame siwo tsi le xɔsea me la nakpɔ nu siawoe. Ke ne wò susu to vovo le nu siawo dometɔ aɖe ŋu la, Mawu aɖe eya hã afia wò.
Ke ɖeko miana míanɔ agbe ɖe nu si dzi míaƒe asi su la nu.
Nɔvi lɔlɔ̃wo, mikpe ɖe ame bubuwo ŋu ne miasrɔ̃ nye agbe ƒe kpɔɖeŋu eye mialé ŋku ɖe ame siwo zɔna ɖe ɖoɖo siwo míewɔ na mi nu la ŋuti.
Elabena megblɔe na mi zi geɖe kpɔ, eye megale egblɔm na mi fifia kple aɖatsi be, ame geɖewo le kristotɔwo ƒe mɔ dzi zɔm, esiwo, le nyateƒe me la, wonye Kristo ƒe atitsoga la ƒe futɔwo.
Woatsrɔ̃ gbidigbidi, elabena nu sia nu si dzro wo lae zua woƒe mawu; nu si wòle be wòakpe ŋu na wo la boŋ zua dada blibo na wo eye nu si ko ŋuti wobua ta me lena lae nye agbenɔnɔ le anyigba dzi afii.
Ke míawo la dziƒoe nye mía de afi si mía Đela, Aƒetɔ Yesu Kristo le eye míele mɔ kpɔm be agatso afi ma ava.
Ne egatrɔ va la, atrɔ míaƒe ŋutilã siwo ŋu anyigbadzi gbɔdzɔgbɔdzɔ le la eye woazu ŋutikɔkɔe ŋutilã siwo ŋu ŋusẽ le abe eya ŋutɔ tɔ ene, to ŋusẽ triakɔ ma si wòatsɔ aɖu nu sia nu dzii le afi sia afi la ŋutidɔwɔwɔ me.

4

Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃awo, melɔ̃ mi eye medi vevie be mava kpɔ mi ɖa elabena miawoe nye nye dzidzɔ kple nye fetu si maxɔ ɖe nye dɔwɔwɔwo ta. Eya ta xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, minɔ te sesĩe nyateƒetɔe le Aƒetɔ la me.
Meɖe kuku na Ewodia eye mele kuku ɖem na Sintike hã be gbe nadze gbe dzi na wo le Aƒetɔ la me.
Megale biabiam tso mi, nye hadɔwɔlawo si be miakpe ɖe nyɔnu siawo ŋuti elabena wowɔ dɔ kplim aduadu le nyanyui la kaka me na ame bubuwo; eye wowɔ dɔ kple Klemens kpakple nye dɔwɔla bubu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la hã.
Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɣesiaɣi. Megale egblɔm ake be dzi nadzɔ mi!
Mina ame sia ame nakpɔe adze sii be, miedia mia ɖokuitɔ o, ke boŋ miebua ame bubuwo ŋuti le nu sia nu si miewɔna la me. Miɖo ŋku edzi be Aƒetɔ la ƒe vava gogo.
Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o; ke boŋ mido gbe ɖa le nu sia nu me. Migblɔ miaƒe hiahiãwo na Mawu, eye migaŋlɔ akpedada nɛ be le eƒe ŋuɖoɖo ta o.
Ne miewɔ esia la ekema Mawu ƒe ŋutifafa si ƒo amegbetɔwo ƒe nugɔmesesewo katã ta la anɔ mia me. Eƒe ŋutifafa ana gbɔdzɔe miaƒe susuwo kple miaƒe dziwo le ale si miexɔ Kristo Yesu dzi se la nu.
Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃wo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo le dzɔdzɔe, nu siwo le dzadzɛ, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, ne nu nyui aɖe li alo nane li si wole be woakafu la mibu nu sia tɔgbewo ŋu.
Minɔ nu siwo katã miesrɔ̃ tso gbɔnye eye miekpɔm menɔa wɔwɔm la wɔwɔ dzi eye Ŋutifafa ƒe Mawu la anɔ anyi kple mi.
Medzɔ dzi le Aƒetɔ la me vevie be mlɔeba la, miegadze ŋkuɖoɖo dzinye gɔme. Le nyateƒe me la, mietsɔ ɖe le eme nam, gake ɖekoe miekpɔ asinu be miaɖee afia o.
Menye be ɖe mexaxa ɣeaɖekeɣi tae mele egblɔm ɖo o, elabena mesrɔ̃ ale si manɔ agbee le dzidzɔ me nenye be nu geɖe loo alo nu sue aɖe koe le asinye.
Menya ale si manɔ agbee, ne naneke mele asinye o loo alo ne nu sia nu le asinye. Mesrɔ̃ dzidzemekpɔkpɔ ƒe nu ɣaɣla le go ɖe sia ɖe me, le ƒoɖiɖi me loo alo le dɔwuame me, le nukpɔkpɔ me loo alo le hiã me.
Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya ame si doa ŋusẽm la me.
Ke hã la, miewɔe nyuie be miekpena ɖe ŋutinye le nye ɣeyiɣi sesẽ siawo me.
Abe ale si mienya nyuie ene la, esi meva gblɔ nyanyui la na mi zi gbãtɔ eye meyi nye mɔzɔzɔ dzi tso Makedonia la, mi Filipitɔwo koe zu nye hadɔwɔlawo le nunana kple nuxɔxɔ me. Hame bubu aɖeke mewɔ esia o.
Esi menɔ Tesalonika gɔ̃ hã la, mieɖo nu ɖem zi eve sɔŋ.
Togbɔ be mekpɔ ŋudzedze le miaƒe nunana ŋuti hã la, nu si gadzɔ dzi nam wu lae nye fetu gã si miava xɔ le miaƒe dɔmenyowɔwɔ ta.
Fifi laa la, nu sia nu si mehiã la le asinye, le nyateƒe me la nuawo sɔ gbɔ gɔ̃ hã wu ale si mehiã! Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋẽ lilĩli si dzea Mawu ŋu ŋutɔ.
Eye eyae ana miaƒe nuhiahiãwo katã mi tso eƒe ŋutikɔkɔe kesinɔnuwo me, le nu si Kristo Yesu wɔ na mí la ta.
Azɔ ŋutikɔkɔe woana Mawu mía Fofo la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen.
Medo gbe na kristotɔ siwo katã le afi ma; nɔvi siwo le gbɔnye la hã do gbe na mi.
Kristotɔ ɖe sia ɖe si le afi sia la di be mado gbe na mi na yewo, vevitɔ esiwo le dɔ wɔm le Kaisaro ƒe Fiasã me.
Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔwo

Lizenz
CC-0
Link zur Lizenz

Zitationsvorschlag für diese Edition
TextGrid Repository (2025). Paul the Apostle. Philippians (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-9710-B