1
Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃a siwo le Efeso, mi ame siwo lé Aƒetɔ la ƒe nya la me ɖe asi sesĩe; nye Paulo, ame si Mawu tia be manye Kristo Yesu ƒe dɔtsɔla lae le agbalẽ sia ŋlɔm na mi.
Mawu, mía Fofo kple Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ ƒe yayra kple ŋutifafa nanɔ anyi kpli mi.
Míetsɔ kafukafu geɖe na Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ame si tsɔ yayra ɖe sia ɖe si le dziƒo la kɔ ɖe mía dzi duu le esime míenye kristotɔwo la ta.
Le blema, hafi wòva wɔ xexeame gɔ̃ hã la, Mawu tia mí be míanye eya ŋutɔ tɔwo, to dɔ gã si Kristo ava wɔ na mí la dzi. Eɖoe ɣemaɣi ke be yeawɔ mí ame kɔkɔe, maɖifɔwoe le eƒe ŋkume. Míawoe nye ame siwo le eƒe ŋkume eye eƒe lɔlɔ̃ ƒo xlã mí.
Đoɖo matrɔmatrɔ si wòwɔ ɖe mía ŋuti tso ɣeaɖeɣi ke nye be wòaxɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒome la me. Mawu wɔ esia esi wòɖo Yesu Kristo ɖa be wòaku ɖe mía ta. Ewɔ esia to eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu me!
Azɔ la mitsɔ kafukafuwo katã na Mawu ɖe eƒe dɔmenyo gã na mí ta. Mikafui ɖe eƒe amenuveve sɔ gbɔ si wòkɔ ɖe mía dzi la ta, elabena míenye Via lɔlɔ̃ la tɔ.
Eƒe dɔmenyonyo la gba go ɖe mía dzi ale gbegbe be wòɖe míaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa to Via ƒe ʋu la me, ame si dzi wòto ɖe mí;
eye etsɔ eƒe amenuveve xɔasi la kɔ ɖe mía dzi duu, elabena ese mía gɔme nyuie eye wònya nu si nyo na mí ɣesiaɣi.
Mawu gblɔ eƒe susu ɣaɣla si ta wòɖo Kristo ɖa la na mí. Ewɔ ɖoɖo sia le blema ke ɖe nublanuikpɔkpɔ na mí ta.
Eƒe taɖodzinue nye be, ne ɣeyiɣi si wòɖo ɖi la de la, aƒo mí katã nu ƒu tso afi sia afi si míele, eɖanye dziƒo alo anyigbadzi, bena míanɔ egbɔ le Kristo me, tso mavɔ me yi mavɔ me.
Gawu la, le nu si Kristo wɔ ɖe mía nu ta la, míezu nunana xɔasi siwo ŋuti Mawu kpɔa dzidzɔ le, elabena abe ɖoɖo gã si Mawu wɔ la ƒe akpa aɖe ene la, etia mí tso gɔmedzedzea me ke be míanye ye tɔwo eye nu siawo katã le eme vam pɛpɛpɛ abe ale si wòɖoe tso blema ke ene.
Mawu ƒe ɖoɖo le nu sia mee nye be, mí ame siwo nye ame gbãtɔ siwo dze si Kristo la, míakafui atsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, ɖe dɔ gã siwo katã wòwɔ na mí la ta.
Eye ɖe dɔ gã si Kristo wɔ ta la, mi ame bubu siwo ke hã se nyanyui la tso ale si ame akpɔ ɖeɖe ŋu, eye miexɔ Kristo dzi se la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ŋugbe wodo na mí kristotɔwo tso blema ke la, ŋutɔ de dzesi mi be mienye kristotɔwo.
Eƒe mía me nɔnɔ nye kpeɖodzi tso Mawu gbɔ be awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo na mí la godoo. Gbɔgbɔ la ƒe mía me nɔnɔ fia bena Mawu ƒle mí xoxo eye wòɖo kpe edzi be yeakplɔ mí ava eɖokui gbɔe. Esiae ganye susu ɖeka si tae wòle be míakafu míaƒe Mawu, Ŋutikɔkɔetɔ la.
Esia tae tso ɣeyiɣi si dzi mese xɔse si le mia si le Aƒetɔ Yesu me kple lɔlɔ̃ si le mia me na ame kɔkɔewo katã la,
nyemedzudzɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta o eye meɖoa ŋku mia dzi ɖaa le nye gbedodoɖawo me.
Mebiaa Mawu, si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Fofo la, be wòana mawumenunya kple ɖeɖefia mi be miaganyae ɖe edzi wu.
Medoa gbe ɖa be kekeli nayɔ miaƒe dziwo me fũ bena miakpɔ nu siwo gome kpɔ ge miegbɔna la ƒe ɖe do ŋgɔ. Medi be mianya be esi wotsɔ mí ame siwo xɔ Kristo dzi se la na Mawu ta la esia wɔe be kesinɔnu gã aɖe ɖo Mawu si!
Medoa gbe ɖa be, miade asi ale si eƒe ŋusẽ tri akɔe le kpekpeɖeŋunana ame siwo xɔa edzi se me la gɔmesese me.
Ŋusẽ triakɔ sia kee fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome eye wòtsɔe ɖo bubuteƒe le Mawu ƒe nuɖusi me le dziƒo.
Teƒe si kɔ sasasã wu fia dziɖula kple kplɔla ɖe sia ɖe tɔ. Ẽ, ŋutikɔkɔe le eƒe bubu ŋu wu ame sia ame tɔ le xexe sia me loo alo xexe si gbɔna la me.
Mawu tsɔ nuwo katã de eƒe afɔ te eye wòwɔe kristohamea katã ƒe tatɔ gãtɔ.
Hame sia nye eya ŋutɔ ƒe ŋutilã. Eyɔ hame la fũ, eye wòganye nu sia nu si le afi sia afi la ƒe gɔmedzela kple enala.
2
Tsã la mienɔ Mawu ƒe fĩƒode te, eye miaƒe nu vɔ̃wo na be mieyina ɖe tsɔtsrɔ̃ mavɔ me.
Miedze ameha la yome eye miele ko abe ame bubuwo ene; mieyɔ fũ kple nu vɔ̃, eye miedze Satana, ŋusẽ si le yame la ƒe fiavi la yome; ame si gale dɔ wɔm fifi laa le ame siwo tsi tre ɖe Aƒetɔ la ŋuti ƒe dziwo me.
Mí katã míenɔ ko abe ame mawo ene tsã, míaƒe agbe ɖea nu vɔ̃ɖi siwo le mía me la fiana, eye míewɔa nu vɔ̃ siwo me míaƒe dzodzro vɔ̃wo kple susu vɔ̃wo kplɔa mí denae. Míedze agbe baɖa nɔnɔ gɔme elabena wodzi mí kple dzɔdzɔme vɔ̃ɖi ale míenɔ Mawu ƒe dɔmedzoe la te abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.
Gake Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gba go ŋutɔ eye wòlɔ̃ mí hã ale gbegbe be
togbɔ be míeku le gbɔgbɔ me, eye woƒo fi de mí be míatsrɔ̃ le míaƒe nu vɔ̃wo ta hã la, egbugbɔ míaƒe agbe la tsɔ na mí esi wòfɔ Kristo tso ame kukuwo dome, ale be eƒe amenuveve gã la koe ɖe mi,
eye wokɔ mí do goe le yɔdo la me yi ɖe ŋutikɔkɔe me kple Kristo, le dziƒonutowo me, afi si míebɔbɔ nɔ anyi kplii le, ɖe dɔ gã si Kristo Yesu wɔ na mí la ta.
Azɔ Mawu ate ŋu afia asi mí eye wòatsɔ mí aɖo kpɔɖeŋui ɣesiaɣi na eƒe amenuveve sɔ gbɔ la, ɖe dɔ gã si wòwɔ na mí to Yesu Kristo me la ta.
Le eƒe amenuveve sɔ gbɔ la ta la, miekpɔ ɖeɖe to Kristo dzixɔse me. Dzixɔse si le mia si le eya amea me gɔ̃ hã la menye nu si tso miawo ŋutɔwo gbɔ o; ke boŋ eya hã nunanae wònye tso Mawu gbɔ.
Đeɖekpɔkpɔ menye fetu na mí le míaƒe dɔ nyui siwo míewɔ la ta o, eya ta mía dometɔ aɖeke mate ŋu aƒo adegbe le eta o.
Mawu ŋutɔe wɔ mí nu si míenye eye wòtsɔ agbe yeye si tso Yesu Kristo gbɔ la na mí. Eɖoe da ɖi na mí tso gbe aɖe gbe ke be míatsɔ míaƒe agbe sia akpe ɖe ame bubuwo ŋui.
Migaŋlɔ be akpɔ be tsã la, mienye Trɔ̃subɔlawo, eye Yudatɔwo yɔ mi be mawumavɔ̃lawo kple ame makɔmakɔwo o. Ke togbɔ be wowɔa mawuvɔ̃lawo ƒe ɖoɖowo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ hã la, woƒe dziwo me mekɔ o, evɔ wona wotso aʋa hã na wo abe mawuvɔvɔ̃ ƒe dzesi ene hafi.
Miɖo ŋku edzi be le ɣemaɣiwo me la, mienɔ agbe Kristo manɔmee. Mienye futɔ na Mawu viwo eye Mawu medo ŋugbe aɖeke be yeakpe ɖe mia ŋuti o. Ale miebu keŋkeŋ. Mawu menɔ mia si o, eye mɔkpɔkpɔ aɖeke hã menɔ mia si o.
Ke azɔ la, mienye Kristo Yesu tɔ, eye togbɔ be mienɔ adzɔge ke tsã tso Mawu gbɔ hã la, azɔ wokplɔ mi va egbɔe, ɖe nu si Yesu Kristo wɔ ɖe mia ta kple eƒe ʋu la ta.
Elabena Kristo ŋutɔe nye mɔ si dzi míato akpɔ ŋutifafa. Ewɔ ŋutifafa le mí Yudatɔwo kple mi Trɔ̃subɔlawo dome to ale si wòwɔ mí katã ƒome ɖeka me tɔwoe la me eye wòɖe vlodoame si nɔ mía dome tsã la ɖa.
To eƒe ku me la, eɖe ale si mí kple miawo míenyina tsã o la ɖa. Yudatɔwo ƒe se siawoe he fuléle siawo vɛ elabena seawo de Yudatɔwo dzi eye wotsi tre ɖe Trɔ̃subɔlawo ŋuti. Ale wòku bena wòate fli ɖe Yudatɔwo ƒe seawo kple woƒe ɖoɖowo katã me. Emegbe ewɔ mí kple ame siwo menyina tsã o la ɖekae le eƒe ŋutilã me; eye esi wòtsɔ mí wɔ ame yeye ɖekae mlɔeba la, ŋutifafa va.
Abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe akpa vovovowo ene la, míaƒe dɔmedzoe ɖe mia nɔewo ŋuti nu tsi keŋkeŋ, elabena wodzra mí ame eve la katã dome ɖo eye ɖekawɔwɔ nɔ mí kple Mawu dome. Mlɔeba la, dzrehehe la wu nu le atitsoga la ŋuti.
Azɔ la etsɔ ŋutifafa ƒe nyanyui la vɛ na mi Trɔ̃subɔla siwo nɔ adzɔge ke tso egbɔ kple mí Yudatɔ, siwo te ɖe eŋu.
Azɔ la mí katã míeɖanye Yudatɔwo alo Trɔ̃subɔlawo, míate ŋu ato Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu kple nu si Kristo wɔ ɖe mía ta la me, ate ɖe Mawu, Fofo la, ŋuti.
Azɔ la mieganye amedzrowo na Mawu kple dziƒofiaɖuƒe la o, ke boŋ mienye Mawu ŋutɔ ƒe ƒometɔwo kple Mawu ƒe dumetɔwo eye mi kple kristotɔ bubuwo katã mienye Mawu ƒe aƒemetɔwo azɔ.
Mikpɔ gɔmeɖokpe sesẽ si dzi wotu mi ɖo la ɖa! Wotu mi ɖe apostoloawo kple nyagblɔɖilawo dzi eye xɔa ƒe dzogoedzikpee nye Yesu Kristo ŋutɔ!
Mí ame siwo katã xɔe se la, wowɔ mí ɖekae kple Kristo le ɖoɖo tɔxɛ me abe gbedoxɔ nyui si tum wole na Mawu eye wòle dzi dem nyuie gbe sia gbe la ƒe akpa aɖewo ene.
Eye wotsɔ miawo hã wɔ ɖekae kple ame siawo ale to Gbɔgbɔ la dzi mienye Mawu ƒe nɔƒe sia ƒe akpa aɖe.
3
Le esia ta, nye Paulo, Kristo Yesu ƒe dɔla, mele ga me le afii le mi Trɔ̃subɔlawo ta.
Mexɔe se be miese Mawu ƒe amenuveve, si wònam le mia ta
le esia me be Mawu na menya eƒe ɖoɖo ɣaɣla be Trɔ̃subɔlawo hã nakpɔ amenuveve. Meka nya sia ta na mi do ŋgɔ kpuie to nye agbalẽŋɔŋlɔ na mi me.
Megblɔ esia be matsɔ aɖe nya me na mi tso ale si mewɔ hafi nya nu siawo la ŋuti.
Le blema la, Mawu meɖe eƒe ɖoɖo sia fia eƒe amewo o, gake azɔ la eɖee fia eƒe apostolowo kple nyagblɔɖilawo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.
Azɔ nya ɣaɣla lae nye esi: Ebe Trɔ̃subɔla siwo trɔ dzime la akpɔ gome le domenyinyi magblemagblẽ si wòɖo ɖi na viawo la me sɔsɔe kple Yudatɔwo; eyɔ wo kple eve la katã be woanye yeƒe hametɔwo. Mawu ƒe ŋugbedodowo be yeakɔ yayra geɖe ɖe amewo dzi to Kristo dzi la, yi na wo kple eve la katã, nenye be woxɔ Kristo ƒe nyanyui la kple dɔ gã si wòwɔ ɖe wo nu la dzi se.
Mawu na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛm be magblɔ eƒe ɖoɖo sia na ame sia ame eye wòtsɔ eƒe ŋusẽ kple ŋutete tɔxɛ nam bena mate ŋu awɔ dɔ sia nyuie.
Mibu nu sia ŋuti kpɔ! Togbɔ be nyemewɔ naneke si dze na bubu sia o, eye nyee ganye kristotɔ gblɔetɔ wu ame sia ame hã la, nye koe nye ame si wòtia, tsɔ dzidzɔ tɔxɛ sia na be magblɔ Dzidzɔnya sia na Trɔ̃subɔlawo tso kesinɔnu mavɔ si li na wo to Kristo me;
eye wògadi be maɖe nya me na ame sia ame be Mawue nye Trɔ̃subɔlawo hã ƒe Đela, abe ale si eya ame si wɔ nuwo katã la ɖoe da ɖi le adzame tso gɔmedzedzea me ene.
Susu ka tae wòwɔ ɖoɖo sia ɖo? Ewɔ ɖoɖo sia be wòatsɔ afia dziɖula kple ŋusẽ vovovo, siwo le dziƒonutowo me, ale si Mawu ƒe nunya de bliboe: ne wokpɔ eƒe ƒome blibo, ame si wo nye Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa, la woƒo ƒu le eƒe hame la me,
abe ale si wòɖo da ɖi be yeawɔ to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi ene.
Azɔ la míate ŋu ado ɖe Mawu ŋkume dzideƒotɔe, eye kakaɖedzi hã le mía si be axɔ mí dzidzɔtɔe nenye be míedo ɖe eŋkume kple Kristo eye míexɔ edzi se.
Eya ta to kukuɖeɖe me, dzi megaɖe le mia ƒo ɖe nu si tum wole kplim le afi sia la ta o. Miawo tae mele fua kpem ɖo eya ta mitsɔe be enye bubudede mia ŋu eye dzideƒo nanɔ mia si.
Eya ta medzea klo doa gbe ɖa na Fofo la
ame si gbɔ xɔsetɔwo ƒe ƒomeawo katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, kpɔa woƒe ŋkɔ tsonɛ.
Medoa gbe ɖa be tso eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu gbogboawo me la, wòana ŋusẽ tɔxɛ mi to eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.
Megadoa gbe ɖa hã be, gbe sia gbe la Kristo naxɔ aƒe ɖe miaƒe dziwo me to xɔse me eye wòanɔ mia me, zi ale si miexɔ edzi se. Neva eme be miatsi, ato ke ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ wɔnuku la me;
eye bena mi kpakple ame kɔkɔewo katã miakpɔ kelili be miate ŋu adze si ale si Kristo ƒe lɔlɔ̃ keke, didi, kɔkɔ eye wògogloe,
eye be mianya Kristo ƒe lɔlɔ̃ sia, si kɔ wu miaƒe nugɔmesesewo katã. Ale mlɔeba la, Mawu ƒe agbɔsɔsɔ la katã nayɔ mi fũu.
Ke, hena eya ame si tea ŋu wɔ nuwo geɖee wu nu siwo katã míebiana alo susuna, le eƒe ŋusẽ si le dɔ wɔm le mía me la,
eya tɔe lanye ŋutikɔkɔe le hamea me kple Kristo Yesu me le dzidzimewo katã me, tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen.
4
Nye, ame si le game le afi sia ɖe Aƒetɔ la subɔsubɔ ta lae le kuku ɖem na mi be mianɔ agbe eye miazɔ nyuie abe ame siwo wotia be woaxɔ yayra wɔnuku siawo tɔgbi la ene.
Mibɔbɔ mia ɖokuiwo eye mifa tu. Migbɔ dzi ɖi na mia nɔewo, eye ɖe lɔlɔ̃ si le mia si na amewo ta la, migbɔ dzi ɖi na wo nenye be wodze agɔ le mia dzi.
Midze agbagba ɣesiaɣi be mianɔ ɖeka le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe amekpɔkplɔ te ale be mianɔ anyi le ŋutifafa me kple mia nɔewo.
Mí katã la ŋutilã ɖeka ƒe akpa aɖewoe míenye; Gbɔgbɔ ɖeka ma kee le mía me, eye woyɔ mí katã hã be míanɔ mɔ kpɔm na ŋutikɔkɔe ɖeka ma si gbɔna.
Le míawo gome la, Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, kple mawutsi detaɖeka koe li,
eye Mawu Fofo ɖekae le mía si, ame si le mí katã ta kpɔm eye wòle mía me eye wòdzena le míaƒe agbe ƒe akpa sia akpa.
Ke wotsɔ amenuveve na mía dometɔ ɖe sia ɖe abe ale si Kristo na míi ene.
Esia tae woŋlɔ ɖi be, “Esi wòlia yi dzi la eɖe aboyo ame geɖewo dzoe eye wòna nunana amewo.”
Azɔ la “eɖi va anyi” gɔ me ɖe? Egɔmee nye be eɖi va anyigba, yi ɖe keke anyigba tume ke.
Eya ta eya ame si ɖi va anyi la eya kee lia yi dzi ʋĩ gbɔ dziƒowo katã ta, be wòayɔ xexe blibo la me fũu.
Eyae na ame aɖewo nye apostolowo, eye ame aɖewo nyagblɔɖilawo, ame aɖewo hã nyanyuigblɔlawo, ame aɖewo kplɔlawo kple nufialawo
bena Mawu ƒe amewo nate ŋu asu te na dɔwɔwɔ, ale woatu Kristo ƒe ha si nye eƒe ŋutilã la ɖe edzi wòatsi
va se ɖe esime mlɔeba la dzixɔse ɖeka nanɔ mía si tso míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ kple mía Đela si nye Mawu Vi la ŋuti, eye va se ɖe esime ame sia ame tsi, eye wòkpɔ ŋusẽ le Aƒetɔ la me, ẽ, va se ɖe esime Kristo xɔ aƒe ɖe ame sia ame me.
Ekema míaganɔ abe ɖeviwo ene o. Míaganɔ míaƒe susuwo trɔm ɣesiaɣi tso nu si míexɔ se la ŋuti elabena ame aɖe va gblɔ nya bubu na mí alo wòda alakpa be ne míaxɔe se be nu si yegblɔ lae nye nyateƒe o.
Ke boŋ míato nyateƒe na mía nɔewo le lɔlɔ̃ me ale be le nuwo katã me la míatsi ali ke le Kristo ame si nye Ta na hame la me.
Tso eya amea me wotsɔ ŋutilã la ƒe akpa ɖe sia ɖe ƒo ƒui nyuie, eye akpa ɖe sia ɖe le eƒe mɔ tɔxɛ dzi le kpekpem ɖe akpa mamlɛawo ŋuti, ale be ŋutilã blibo la katã le sesĩe eye wole tsitsim ɖe edzi le lɔlɔ̃ me.
Azɔ la mele esia gblɔm na mi, eye mele gbe tem ɖe edzi le Aƒetɔ la me be miagazɔ abe ale si Trɔ̃subɔlawo zɔna le woƒe tamesusu dzodzrowo me la ene o.
Ame siawo la woƒe susuwo me do viviti eye woma ɖa tso Mawu gbɔ elabena wole agbe le numanyamanya me le woƒe dzimesesẽ ta.
Esi ŋukpe aɖeke megale mo na wo o ta la, wotsɔ wo ɖokuiwo dzra na nu tovo wɔwɔ, ale be woakpɔ gome le ŋunyɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ me eye nu siawo do du wo wogale wo dim.
Ke miawo la, menye aleae mienya Kristoe o.
Vavã miese eŋkɔ eye wofia nu mi le eya amea me, le nyateƒe si le Yesu me la nu.
Wofia nu mi ku ɖe miaƒe agbe xoxo si mienɔ la ŋuti, be miaɖe asi le agbe xoxo la ŋuti, agbe si le tsɔtsrɔ̃mɔ dzi to eƒe beblenudzodzrowo me.
Azɔ la ele be miaƒe nɔnɔme kple miaƒe susuwo nanɔ tɔtrɔm yeyee hena nyuia ɣesiaɣi.
Ẽ, ele be mianye ame yeye siwo to vovo tso ame xoxo la gbɔ, ale be mianɔ dzadzɛ, anɔ kɔkɔe. Mitsɔ amenyenye yeye sia do abe awu ene.
Midzudzɔ aʋatsokaka na mia nɔewo; minɔ nyateƒetoto ko dzi, elabena ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo míenye. Eya ta nenye be míeka aʋatso na mía nɔewo la, mía ɖokuiwo ko míele nu vevi wɔmii.
Nenye be dzi ku wò la mègalé dziku la ɖe dɔme wòazu nu vɔ̃ na wò o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe o. Đu wò dziku la dzi kaba
elabena zi ale si nèdo dziku ko la, ena mɔnukpɔkpɔ Abosam be wòaɖu dziwò.
Ne ame aɖe nye fiafitɔ le mia dome la, nedzudzɔ kaba eye wòatsɔ eya ŋutɔ ƒe asiwo awɔ dɔ ɖɔʋu aɖee be wòakpɔ emetsonu eye wòana ɖe hiãtɔwo hã.
Nya vlo aɖeke megado go le mia nu o. Ke boŋ migblɔ nya siwo nyo eye woate ŋu ado ame siwo le esem la ɖe ŋgɔ, eye migblɔ nu siwo ko ahe yayra vɛ na wo.
Migana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la naxa nu le miaƒe agbenɔnɔ ta o. Miɖo ŋku edzi be eyae nye ame si dea dzesi mi be miate ŋu ado gbe ma gbe esi woawu ɖeɖe tso nu vɔ̃ me ƒe dɔ la nu.
Midzudzɔ fuléle mia nɔewo kple dɔmedzoedodo. Migana nɔƒe aɖeke dzrewɔwɔ, nya vlo gbɔgblɔ kple fuléle amewo le miaƒe agbenɔnɔ me o.
Ke boŋ la, minyo dɔme na mia nɔewo, eye mikɔ dɔme ɖe amewo ŋuti, mitsɔ nu vɔ̃ ke mia nɔewo, abe ale si Mawu hã tsɔa nu vɔ̃ kea mi ene elabena kristotɔwoe mienye.
5
Eya ta mizu mawusrɔ̃lawo abe vi lɔlɔ̃wo ene
eye minɔ agbe le lɔlɔ̃ me abe ale si Kristo lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mía ta abe nunana kple vɔsa si le ʋeʋẽm lililĩ na Mawu la ene.
Migaɖe mɔ na ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye kple ŋukeklẽ be woanɔ mia me o. Migana be ame aɖeke nakpɔ kpɔtsɔtsɔ le mia ŋuti le nu vɔ̃ siawo ta o.
Mele be woase glitoto vlowo, nya ƒoɖiwo kple dzeɖoɖo madzetowo le mia nu o. Ke boŋ la, miɖo ŋku Mawu ƒe amenuveve dzi na mia nɔewo eye miada akpe ɖe eta.
Miate ŋu aka ɖe edzi bena: Mawu kple Kristo ƒe fiaɖuƒe la manye ame makɔmakɔ kple ŋuklẽla tɔ o, elabena ŋuklẽla sɔ kple legbasubɔla, elabena elɔ̃na eye wòsubɔa nu nyui siwo le xexeame ɖe Mawu teƒe.
Ame siwo doa taflatsɛ eye wowɔa nu siawo la megaflu mi o, elabena Mawu ƒe dziku helihelĩ le ame siwo wɔa nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
Hekpe ɖe esia ŋu la, migade ha gɔ̃ hã kple ame siawo ƒomeviwo o.
Elabena tsã la, viviti yɔ miaƒe dziwo me fũ, ke azɔ la, kekeli si tso Aƒetɔ la gbɔ la xɔ eteƒe eya ta mina miaƒe agbe naɖe kekeli la afia!
Le kekeli sia si le mia me ta la, miwɔ nu siwo ko nyo, nu siwo le dzɔdzɔe kple nu siwo le eteƒe.
Le miaƒe agbe me la, misrɔ̃ eye mianya nu siwo ko dzea Aƒetɔ la ŋu.
Migakpɔ gome le vivisese vlowo kple vivitimenu aɖeke me o; ke boŋ mika mo na nu vlo wɔlawo, eye miaɖe woƒe vivimenuwɔwɔ ɖe go.
Anye ŋukpenanu alo ŋunyɔnu gɔ̃ hã be maƒo nu le vivitimenuwɔna siwo mawumavɔ̃lawo wɔna la ŋuti.
Ke nu sia nu si dzi kekeli klẽ ɖo la dzena wokpɔna,
elabena kekelie nana wokpɔa nu sia nu. Esia tae woŋlɔ ɖi be, “O, alɔ̃dɔla nyɔ, nyɔ tso ku me, eye Kristo aklẽ ɖe dziwò.”
Eya ta mikpɔ nyuie be miaganɔ agbe abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene
ame siwo wɔa woƒe mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋudɔ nyuie elabena míele ŋkeke sesẽwo me fifia.
Migawɔ naneke tamemabumabutɔe o, ke boŋ miadi nu si Aƒetɔ la di be miawɔ eye miawɔe.
Migano aha fũ o, elabena nu vɔ̃ geɖe dea xa ɖe ahatsunola ƒe mɔ dzi. Mina Gbɔgbɔ Kɔkɔe la boŋ nayɔ mi taŋtaŋ eye mina eya naɖu mia dzi.
Mitsɔ Psalmowo kple kafukafuhawo ƒo nu na mia nɔewo tso Aƒetɔ la ŋuti, midzi ha kɔkɔewo eye miaƒo wo na Aƒetɔ la le miaƒe dziwo me.
Mida akpe na Mawu Fofo la ɖaa le nu sia nu ta le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me.
Mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia nɔewo ekema miade bubu Kristo ŋuti.
Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia srɔ̃wo ƒe kpɔkplɔ te abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Aƒetɔ la te ene.
Abe ale si Kristo nye ta na eƒe ŋutilã si nye kristohamea ene la, nenema kee ŋutsu hã nye ta na srɔ̃a. Elabena Kristo tsɔ eya ŋutɔ ƒe agbe ɖo anyi ɖe ha la ta be yeanye eƒe Đela!
Eya ta mi nyɔnuwo la ele na mi be miaɖo to mia srɔ̃wo le nu sia nu me, abe ale si hamea hã ɖoa to Kristo ƒe gbe ene.
Azɔ mi ŋutsuwo hã, lɔlɔ̃ deto ma si Kristo ɖe fia hamea eye wòku ɖe eta la, miawo hã miɖe eya ke fia mia srɔ̃wo.
Esi Kristo ku ɖe hame la ta la, ewɔe kɔkɔe, dzadzɛ eye wòklɔ eŋuti to mawutsideta kple Mawu ƒe nya la me;
ale bena yeate ŋu axɔe na ye ɖokui abe hame kɔkɔe, si dza eye ɖiƒoƒo kple kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele eŋu o la ene.
Nenemae wòle be ŋutsuwo nalé be na wo srɔ̃woe, eye woalɔ̃ wo abe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ene. Elabena zi ale si ŋutsu kple srɔ̃a wole ɖeka azɔ la, zi nenema ke ŋutsu anɔ eɖokui nu vem anɔ eɖokui lɔ̃m, nenye be elɔ̃ srɔ̃a.
Le nuwo katã me la, ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ eye wòléa be nɛ abe ale si Kristo wɔna na eƒe hamea ene
elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye.
Nya sia be, ŋutsu kple nyɔnu wonye ŋutilã ɖeka la, tso mawunya sia ƒe kpeɖodzi me be: “Ele be ŋutsu nagblẽ fofoa kple dadaa ɖi nenye be eɖe srɔ̃, ale be wo kple srɔ̃a nawɔ ɖeka, eye womaganye eve o, ke boŋ woanye nu ɖeka.”
Menyae be nya sia gɔmesese sesẽ, gake enye ale si míenye akpa vovovowo na Kristo ƒe ŋutilã la ƒe kpɔɖeŋu.
Eya ta megale egblɔm na mi be, ele be ŋutsu nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene eye nyɔnua hã nakpɔ egbɔ be eya hã tsɔ bubu deto tɔxɛ na srɔ̃a, aɖo toe, akafui, eye wòado kɔkɔe ɣesiaɣi.
6
Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le teƒe.
“Bu fofowò kple dawò” esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo.
“be wòadze edzi na wò nyuie eye nãnɔ agbe didi le anyigba dzi.”
Mi fofowo la migado dziku na mia viwo o, ke boŋ mihe wo eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me.
Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe aƒetɔwo; miwɔ nu nyuitɔ ko ɣesiaɣi be woakpɔ ŋudzedze le mia ŋuti. Misubɔ wo abe ale si miasubɔ Kristoe ene.
Migawɔ ameŋkumenu, awɔ dɔ kple ŋusẽ nenye be miaƒe aƒetɔ li o, ke boŋ abe Kristo ƒe kluviwo ene to Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ me tso miaƒe dzi me ke.
Misubɔ tso dzi blibo me ke abe Aƒetɔ la subɔm miele ene ke menye amegbetɔ o.
Miɖo ŋku edzi be, Aƒetɔ la axe fe na mi ɖe dɔ nyui sia dɔ nyui si miawɔ la ta, èɖanye ablɔɖevi alo kluvi o.
Mi aƒetɔwo la, miwɔ nu dzɔdzɔetɔ ko ɖe miaƒe kluviwo ŋuti abe ale si megblɔ na woawo hã be woawɔ na mi ene. Miganɔ ŋɔdzi dom na wo o. Miɖo ŋku edzi be miawo ŋutɔwo hã mienye Kristo ƒe kluviwo. Aƒetɔ ɖeka ma kee le mi kple kluviawo siaa nu, eye Aƒetɔ sia mekpɔa ame aɖeke ƒe ŋkume o.
Mlɔeba la, medi be maɖo ŋku edzi na mi be, ele be miaƒe ŋusẽ natso Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la me.
Mitsɔ Mawu ƒe akpoxɔnuwo katã kpla ale be miate ŋu anɔ te ɖe Satana ƒe ɖoɖowo kple ayemenu siwo wòɖo ɖe mia ŋuti la nu.
Elabena menye amegbetɔ siwo nye ŋutilã kple ʋu lae míele aʋa wɔm kpli o, ke boŋ kple ame siwo ŋu ŋutilã mele o. Ame siawoe nye gbɔgbɔ siwo womekpɔna kple ŋku o la ƒe dziɖula vɔ̃ɖi siwo nye Satana ƒe dɔla ŋusẽtɔ gãwo, vivimefiavi vɔ̃ɖi siwo le xexe sia me dzi ɖum. Hekpe ɖe esia ŋu la, míegale aʋa wɔm kple gbɔgbɔ vɔ̃ɖi nyanyra ha gã aɖe siwo le gbɔgbɔ ƒe xexeame.
Eya ta miwɔ Mawu ƒe akpoxɔnu ɖe sia ɖe ŋutidɔ be miate ŋu anɔ te ɖe futɔ la nu ɣesiaɣi si wòlũ ɖe mia dzi, eye ne miewɔ aʋa la vɔ la, miaganɔ te sesĩe kokoko.
Be miate ŋu awɔ nu si megblɔ la, ele be miatsɔ nyateƒe la abla alidzii, abe alidziblaka ene eye miatsɔ Mawu ƒe gbedziwɔwɔ atsyɔ akɔta abe akɔtakpoxɔnu ene.
Mido afɔkpa siwo ana be miaɖe abla ne miele Mawu ƒe ŋutifafa ƒe nyanyui la kakam.
Le aʋa ɖe sia ɖe me la, mitsɔ xɔse wɔ miaƒe akpoxɔnui be wòaxɔ Satana ƒe aŋutrɔ ɖaɖɛ siwo dam wòle ɖo ɖe mi.
Mitsɔ ɖeɖekpɔkpɔ ɖɔ abe gakuku ene eye milé Gbɔgbɔ la ƒe yi si nye Mawu ƒe nya la ɖe asi.
Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mibia nu sia nu si miedi la Mawu, gake miaƒe didiwo nasɔ ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe lɔlɔ̃nu dzi. Minɔ kukuɖeɖe dzi nɛ ɖaa, eye miɖo ŋku miaƒe hiahiãwo dzi nɛ ɣesiaɣi. Mido gbe ɖa atraɖii ɖe kristotɔ siwo katã le afi sia afi la ta.
Mido gbe ɖa ɖe nye ŋutɔ hã ta, eye miabia Mawu be wòana nya nyuitɔwom ne mele nu ƒom dzideƒotɔe na amewo tso Aƒetɔ la ŋuti kple ne mele nya me ɖem na Trɔ̃subɔlawo be, Aƒetɔ la ƒe ɖeɖe do na woawo hã.
Fifi laa la, mele gaxɔ me ɖe Mawu ƒe gbedeasi sia gbɔgblɔ ta. Gake mido gbe ɖa be, manɔ gbeƒãɖeɖe nya la dzi kple dzideƒo ɣesiaɣi abe ale si wòdzem ene le gaxɔ me afii gɔ̃ hã.
Tikiko, ame si nye nɔvi lɔlɔ̃a kple kpeɖeŋutɔ nuteƒewɔla le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me la agblɔ nu siwo katã le edzi yim kplim la na mi.
Susu sia dzaa ta koe mele edɔm ɖo ɖe mia gbɔ be, wòagblɔ na mi be míeli nyuie ale be eƒe ɖaseɖiɖi la nade dzi ƒo na mi.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ kpakple xɔse si tso Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi.
Mawu ƒe amenuveve kple yayra nanɔ ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ Yesu Kristo ɖikaɖika la dzi.
- Holder of rights
- Multilingual Bible Corpus
- Citation Suggestion for this Object
- TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. Ephesians (Ewe). Ephesians (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-970F-E