1
O Teofil, le nye agbalẽ gbãtɔ na wò me la meƒo nu tso nu siwo katã Yesu de asi wɔwɔ kple fiafia me,
va se ɖe ŋkeke si dzi wotsɔe yi dziƒoe le esime wòde se na apostolo siwo wòtia to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me vɔ megbe ŋu.
Le eƒe fukpekpe, ku kple tsitretsitsi vɔ megbe la, eɖe eɖokui fia ame siawo, eye wòna kpɔɖeŋu geɖewo tsɔ ka ɖe edzii na wo be yele agbe. Eɖe eɖokui fia wo le ŋkeke blaene sɔŋ me eye wòƒo nu na wo tso mawufiaɖuƒe la ŋuti.
Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu ɖum kple eƒe apostolowo la, ede se na wo be, “Migadzo le Yerusalem o ke boŋ milala va se ɖe esime miaxɔ Fofonye ƒe nunana si ŋugbe wòdo, nu si ŋu meƒo nu tsoe na mi xoxo.
Elabena tsi ƒuƒlue Yohanes tsɔ de mawutsi ta na mi, gake le ŋkeke ʋe aɖewo megbe la woade tsi ta na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.”
Ɣebubuɣi esi Yesu gaɖe eɖokui fia apostoloawo la, wobiae se be, “Ale kee, Aƒetɔ, ɖe nèle Israel dukɔ la ɖe ge tso Romatɔwo te aɖoe te abe dukɔ nɔɖokuisi ene azɔa?”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Fofo la ŋutɔe ɖo ŋkeke na nu siawo tɔgbi eye mehiã be miawo mianya ɣeyiɣi la kple ŋkeke la o.
Gake ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi eye wòyɔ mia me la, ŋusẽ tɔxɛ kple dzideƒo blibo aɖo mia me eye miate ŋu anye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem, Yudea kple Samaria nutowo katã me kple xexeame ƒe seƒe ke.”
Le nya siawo gbɔgblɔ vɔ megbe tete ko la, apostoloawo kpɔ Yesu wònɔ dziƒo yim abe ame aɖee nɔ ekɔm nɔ dzi yimii ene, kasia wòbu ɖe alilikpo me eye wòdzo le wo gbɔ. Ke apostoloawo ke nu ɖe te nɔ ekpɔm va se ɖe esime wòbu ɖe wo.
Woganɔ kɔ didim be yewoakpɔ Yesu, kasia ame eve aɖewo, siwo do awu ɣiwo la va do ɖe wo dome. Ame eve siawo gblɔ na apostoloawo be,
“Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afii gale yame kpɔm gãa ale? Yesu dzo yi dziƒo, gake gbe ɖeka la, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu wòdzo yi dziƒo lae ene!”
Le nyadzɔdzɔ siawo megbe la, apostoloawo ɖi tso Amito la dzi, afi si nu siawo dzɔ le la hetrɔ va Yerusalem si didi abe kilometa ɖeka ko ene.
Esi wova ɖo Yerusalem la, woƒo wo ɖokuiwo nu ƒu ɖe xɔ aɖe me le dziƒoxɔ si dzi wonɔ la dzi eye wodo gbe ɖa le afi ma.
Apostolo siwo nɔ afi ma la woe nye: Petro, Yohanes, Yakobo, Adreas, Filipo, Toma, Bartolomeo, Mateo, Yakobo si nye Alfeo vi, Simɔn si wogayɔna be Zelote, Yuda si nye Yakobo vi kpakple Yesu nɔviŋutsuwo. Yesu dada Maria kple nyɔnu bubu geɖewo hã nɔ ameawo dome.
Wonɔ gbedodoɖa dzi alea ŋkeke geɖewo. Gbe ɖeka esi ame abe alafa ɖeka blaeve lɔƒo ene gaƒo ƒu nɔ gbe dom ɖa la, Petro tsi tre ƒo nu na wo gblɔ be,
“Nɔvinyewo, ale si Yuda de míaƒe Aƒetɔ Yesu asi eye wowui la va eme tututu abe ale si woŋlɔe da ɖi le mawunya me ene. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo nu le nu siawo ŋu xoxo to Fia David dzi.
Yuda la, mía dometɔ ɖeka wònye tsã. Yesu tiae koŋ be wòanye yeƒe apostolo abe míawo ke ene.
Yuda tsɔ ga si wòxɔ ɖe Yesu dede asi ta la yi ɖaƒle anyigba aɖe si dzi wòwu eɖokui le. Elia ati dzi hetsɔ eɖokui xlã ɖe anyigba sesĩe ale be eƒe ƒodo wo too eye eƒe dɔkaviwo kaka ɖe anyigba.
Eƒe kunya sia kaka ɖe Yerusalem dua me kaba ŋutɔ ale wona ŋkɔ teƒea be, ‘Ʋunyigba.’”
Petro gblɔ be, “Elabena woŋlɔe ɖi ɖe Psalmowo me be, ‘Eƒe nɔƒe naɖi gbɔlo, ame aɖeke neganɔ afi ma o, eye ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ.”
Petro yi eƒe nuƒoa dzi be, “Azɔ la ele be míatia ame bubu aɖe wòanɔ Yuda teƒe le mía dome. Ame si míatia la nanye ame si nɔ mía dome kplikplikpli tso gɔmedzedzea,
tso esime míenya Aƒetɔa, tso ɣeyiɣi si me Yohanes de mawutsi ta nɛ va se ɖe esime wòdzo le mia gbɔ yi dziƒo.”
Ƒuƒoƒea tɔ asi ame eve dzi, ame siawoe nye Yosef Yusto si wogayɔna be Basaba kple Matias, be woatia wo dometɔ ɖeka.
Eya megbe la wodo gbe ɖa gblɔ be, “Aƒetɔ, wòe nya ame sia ame ƒe dzime, eya ta fia mí ame si nètia le ame eve siawo dome
be wòaxɔ apostolonyenye ƒe dɔ sia ɖe Yuda teƒe, ame si gblẽ dɔa ɖi le esime wòyi teƒe si dzee.”
Le esia megbe la, woda akɔ eye wòdze Matias dzi ale wotiae abe apostolo ene kpe ɖe ame wuiɖekɛ mamlɛawo ŋu.
2
Le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ƒe kwasiɖa adre megbe la, Pentekoste ŋkekenyui la gaɖo. Yesu dzixɔsela siawo gaƒo wo ɖokuiwo nu ƒu ɖe teƒe ɖeka henɔ gbe dom ɖa le ɖekawɔwɔ blibo me.
Kasia wose gbeɖiɖi aɖe abe ya sesẽ aɖe ƒe ƒoƒo ene le xɔa tame tututu, eye aƒea me katã yɔ kple gbeɖiɖia.
Enumake nane si ɖi dzobibi ƒe aɖewo la dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tame,
kasia, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ ame sia ame si le afi ma la me fũ eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã o la gbɔgblɔ me elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete sia wo.
Le ɣemaɣi hã la, Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖewo tso dukɔ vovovowo me va Yerusalem be yeawoɖu ŋkeke tɔxɛ sia.
Esi wose ɣli sesẽ si nɔ ɖiɖim le afi si apostoloawo nɔ la, ame geɖewo ŋutɔ ɖe abla va teƒea be yewoakpɔ nu si nɔ edzi yim ɖa. Ame siawo ƒe nu ku ŋutɔ esi wose nusrɔ̃lawo wonɔ gbe vovovowo gblɔm eye ame sia ame se wonɔ eƒe degbe gblɔm.
Nu sia wɔ nuku na amedzroawo ale gbegbe be wogblɔ be, “Ame siawo katã ɖe, menye Galileatɔwoe wonye oa?
Ke ale ke wɔ míese wole anyigba siwo dzi wodzi mía dometɔ ɖe sia ɖe ɖo la ƒe gbe gblɔm mahã?
Mía dometɔ aɖewo nye Patiatɔwo, ɖewo nye Midiatɔwo kple Elamtɔwo, bubuwo hã tso Mesopotamia, Yudea, Kapadokia, Ponto kple Asia nutowo me.
Ame aɖewo gɔ̃ hã tso keke Frigia, Pamfilia, Egipte kple Libia si le Kirene gbɔ.
Ẽ, ame aɖewo tso Roma gɔ̃. Ame siawo nye Yudatɔ vavãwo kple trɔ̃subɔla siwo ŋutɔ trɔ zu Yudatɔwo, eye bubuwo hã nye Kretatɔwo kple Arabiatɔwo. Mía dometɔ ɖe sia aɖe se ame siawo le Mawu ƒe nukunu gãwo ƒe nya gblɔm le eya ŋutɔ degbe me!”
Ameha blibo la ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nyadzɔdzɔ sia ta eye wobia wo nɔewo be, “Nu sia gɔme ɖe?”
Gake ame aɖewo ya nɔ ameha la me nɔ fewu ɖum le apostoloawo ŋu be, “Ame siawo la, aha yeye womu, menye nu tɔxɛ aɖekee le dzɔdzɔm o.”
Azɔ la Petro kple apostolo wuiɖekɛawo tsi tre eye Petro ƒo nu na wo kple gbe sesẽ be, “Agoo na mi, Yudaeatɔwo, mi amedzrowo kple Yerusalem nɔlawo siaa, miɖo to miasee!
Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be ahae le mía mum, ke medi be mianya nyui be mía dometɔ aɖeke mede nu aha me ŋdi sia o. Miawo ŋutɔwo mienyae be ŋu meke haɖe na ahanono o elabe ŋdi ga asieke me ko míele fifia.
Ke boŋ nu si teƒe kpɔm miele ŋdi sia la nye nu si Nyagblɔɖila Yoel gblɔ ɖi xoxoxo ƒe alafa nanewoe nye esi va yi be,
‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomewo katã dzi. Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi. Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃e le nu siwo ava dzɔ la ŋuti.
Ẽ, Gbɔgbɔ la ayɔ nye subɔlawo katã me, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ale be woagblɔ nya ɖi.
Mana nukunuwo nadzɔ le dziŋgɔlĩ me kple anyigba dzi siaa, eye wòadze abe ʋu, dzobibi kple dzudzɔtutu
kɔlikɔli ene. Hafi ŋkeke dziŋɔ si Aƒetɔ la ɖo da ɖi nava la, ɣe atrɔ zu viviti eye ɣleti abia hẽ abe ʋu ene.
Ke ame si abia nublanuikpɔkpɔ tso Aƒetɔ la gbɔ la akpɔ ɖeɖe.’”
Petro yi eƒe nuƒoa dzi gblɔ be, “Mi Israeltɔwo, miɖo to miasee! Mawu wɔ nukunu klitsu geɖewo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi, be yeatsɔ aɖo kpe edzii be, Yesu nye ye vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ.
Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto Roma dziɖuɖua dzi klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui.
Gake Mawu ŋutɔ gaɖe Yesu tso ku ƒe ŋɔdzi me, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, elabena ku ƒe ŋusẽ mete ŋu ɖu Yesu dzi o.
”Fia David ƒo nu tso Yesu ŋu be, ‘Menya be nye Aƒetɔ la le gbɔnye ɖaa. Ekpena ɖe ŋunye, ẽ, Mawu ƒe ŋusẽ gã la xɔna nam.
”‘Esia ta dzidzɔ blibo yɔ nye dzime eye mele Mawu kafum ɖaa gbe sia gbe. Kakaɖedzi le asinye hã be nu sia nu anyo nam le ku me gɔ̃ hã.
”‘Mawu, magblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe o, eye mana be e ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã nanyunyɔ o.
”‘Àna magbɔ agbe eye makpɔ dzidzɔ blibo le gbɔwo.’”
Petro yi edzi be, “Nɔviwo, mibu tame nyuie ! Mía Togbui David menɔ nu ƒom le eɖokui ŋuti esi wògblɔ nya siwo megblɔ na mi la o. Elabena David ku xoxoxo eye eƒe yɔdo gɔ̃ hã le mía dome afii.
David nye nyagblɔɖila eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be, David ƒe dzidzimevi ɖeka ava zu Mesia la eye wòanɔ David ƒe fiazikpui dzi aɖu fia.
Gawu la David kpɔ nu siwo ava dzɔ le ŋgɔgbea eye wògblɔe ɖi le Mesia la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ŋu be, eƒe luʋɔ matsi tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã manyunyɔ o.
Yesu ŋue David gblɔ nya siawo tsoe eye le nyateƒe me la, mí katã míate ŋu aɖi ɖase be Mawu fɔ Yesu tso ame kukuwo dome vavã.
”Ke fifia la, Yesu bɔbɔ nɔ bubu ƒe fiazikpui kɔkɔtɔ dzi le Mawu ŋutɔ gbɔ tututu. Eye abe ale si Fofo la ŋutɔ do ŋugbee ene la, ena ŋusẽe be wòaɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía me eye eya ƒe dɔwɔnae nye nu siwo kpɔm miele kple nu siwo sem mièle fifia.
Elabena David melia yi dziƒo o, gake egblɔ be, ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be: nɔ anyi ɖe nye nuɖusime
va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo wò afɔɖodzinuwoe.’
”Eya ta mika ɖe edzi na Israel bliboa be Mawu wɔ Yesu sia, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu la Aƒetɔ la kple Kristo la siaa.”
Petro ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe ameha la dzi ale gbegbe be wo dometɔ aɖewo bia Petro kple apostolo bubuawo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala?”
Petro ɖo eŋu na wo be, “Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ ɖe Mawu ŋu eye woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me bena woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ne miewɔ esia la ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
Elabe Kristo do Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋugbe na mia dome ame sia ame si Aƒetɔ Mawu ŋutɔ yɔ va eɖokui gbɔe eye menye miawo ɖeɖe ko o, ke boŋ na mia viwo kple ame siwo tso dukɔ bubuwo me gɔ̃ hã.”
Petro yi dzi hegblɔ mawunya didi aɖe na ameha la. Eƒo nu le Yesu ŋu na wo eye wòbia tso wo si be woadze agbagba adzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye woaɖe wo ɖokuiwo ɖa tso nu vɔ̃ɖi siwo le edzi yim le dukɔa me la gbɔ.
Ame abe akpe etɔ̃ sɔŋ xɔ Petro ƒe nyawo dzi se ale be wona wòde mawutsi ta na wo gbe ma gbe ke.
Ame siawo ge ɖe xɔsetɔwo ƒe habɔbɔ me eye wo katã wodoa go edziedzi hesrɔ̃a mawunya tso apostoloawo gbɔ; wodoa gbe ɖa eye woɖua Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la hã.
Wo katã nɔ anyi le vɔvɔ̃ tɔxɛ me eye apostoloawo hã wɔ nukunu geɖewo wokpɔ.
Xɔsetɔwo katã nɔ teƒe ɖeka, wowɔ woƒe nuwo katã hamenui
wotsɔ woƒe kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo dzra eye woma ga la na ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu.
Wokpea ta ɖe gbedoxɔ la me gbe sia gbe hesubɔa Mawu. Wogamaa wo ɖokuiwo ɖe ha suesuewo me hã eye wodoa go le wo nɔewo ƒe aƒewo me heɖua Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Woɖua nu ɖekae hã dzidzɔtɔe,
wonɔa akpedada na Mawu, dzi ɖaa, amewo katã kpɔa ŋudzedze nyuie le xɔsetɔ siawo ŋuti eye Aƒetɔ la tsɔa ame siwo kpɔ xɔxɔ la kpena ɖe wo ŋuti gbe sia gbe.
3
Gbe ɖeka le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Petro kple Yohanes yi gbedoxɔ la me be yewoaɖado gbe ɖa abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene.
Esi woɖo gbedoxɔa gbɔ la, wokpɔ tekunɔ aɖe si wokɔ va da ɖe agbo si woyɔna be “Agbo Nyui” la nu. Amea nye tekunɔ tso eƒe dzɔdzɔme ke eye gbe sia gbe la eƒe ƒometɔwo kɔnɛ va dana ɖe agbo sia nu be wòabia nu le afi ma.
Esi Petro kple Yohanes to tekunɔ sia ŋu va yina ko la, edo ɣli bia wo be woana ga ye.
Petro kple Yohanes trɔ kpɔe dũ eye Petro gblɔ nɛ be, “Nɔvi, fɔ ta nãkpɔ míaƒe ŋkume.”
Tekunɔ la fɔ ŋku ɖe wo dzi gãa henɔ mɔ kpɔm be woana ga ye.
Petro gblɔ nɛ be, “Nɔvi, klosalo kple sika mele asinye o, ke nu si le asinye lae mana wò. Le Yesu Kristo, Nazaretitɔ la ƒe ŋkɔ me, tsi tre nãzɔ azɔli.”
Ale Petro do asi ɖa lé tekunɔ la ƒe alɔnu be wòatsi tre. Kasia dɔnɔ la kpɔ be ŋusẽ ɖo yeƒe afɔ kple drikame ŋu.
Ale wòti kpo, tsi tre hede asi azɔlizɔzɔ me. Enɔ kpo tim nɔ zɔzɔm alea henɔ Mawu kafum eye wòdze Petro kple Yohanes yome ge ɖe gbedoxɔa me.
Ame siwo katã kpɔ ame sia wònɔ zɔzɔm nɔ Mawu kafum la
de dzesii be eyae nye ŋutsu ma si nɔa nu biam le gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be ‘Nyui’ la nu; woƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nu si dzɔ ɖe edzi la ŋu. Petro gblɔ mawunya na ame siwo le gbedoxɔ la me
Nuwɔametɔ sia nɔ Petro kple Yohanes ŋu kplikplikpli va ɖo gbedoxɔa ƒe akpa si woyɔna be Salomo ƒe Akpata la me eye ameha la ƒo zi va wo gbɔ le afi ma. Le afi sia la, ame sia ame tɔ te ɖi nɔ nu wɔnuku sia teƒe kpɔm kple vɔvɔ̃.
Enumake Petro wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋutidɔ heƒo nu na ameha la. Egblɔ na wo be, “Israeltɔwo, nu ka ta nuwɔna sia wɔ nuku na mi alea gbegbe eye miebu be ŋusẽ tɔxɛ aɖee le míawo ŋutɔwo si alo míaƒe kɔkɔenyenye tae míete ŋu da gbe le ame sia ŋu ale be wòte ŋu le zɔzɔm hã?”
Medi be eme nakɔ na mi nyuie be Mawu si nye Abraham, Isak, Yakɔb kple mía tɔgbuitɔgbuiwo ƒe Mawu lae da gbe le ame sia ŋu be yeatsɔ ade bubu eƒe subɔla Yesu Kristo ŋu. Yesu Kristo siae nye ame si gbɔ miawo miegbe nu le le Pilato ŋkume, togbɔ be Pilato dze agbagba ale gbegbe be yeaɖe asi le eŋu, aɖe eƒe agbe tso ku me hafi hã.
Medze mia ŋu be wòaɖe asi le Ame Kɔkɔe vɔ̃mawɔla sia ŋu o, ke boŋ miebia be wòaɖe asi le hlɔ̃dola ŋu boŋ.
Ẽ, miewu ame si me agbe doa go tsona la, gake Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. Nye kple Yohanes míate ŋu aɖi ɖase kɔtee le esia ŋu be esi miewui vɔ la, míedo goe, agbagbe, ŋkume kple ŋkume.
”Yesu ƒe ŋkɔe da gbe le dɔnɔ sia ŋu. Miawo ŋutɔ mienya nuwɔametɔ si ƒomevi wònye va yi. Le nyateƒe me la, Yesu dzixɔse si Mawu ŋutɔ na mí la ƒe ŋusẽ mee dɔnɔ sia kpɔ hayahaya blibo sia tsoe.”
“Nɔviwo, menya be nu si miewɔ ɖe Yesu ŋu la, mienya hafi wɔe o. Nenema kee nye mia nunɔlawo hã.
Ke to wɔna siawo me la, Mawu na be nu siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi be ele be Mesia la nakpe fu nenema la va eme pɛpɛpɛ.
Ke azɔ la nɔviwo, mitrɔ miaƒe susu kple nɔnɔme ɖe Mawu ŋu, eye mitsɔ mia ɖokuiwo nɛ ale be Mawu hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi eye wòana be miakpɔ dzidzeme.
Gawu la, Mawu agaɖo Yesu miaƒe Mesia la ɖe mi
Ẽ, abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe da ɖi xoxoxo ene la, ele be Yesu nanɔ dziƒo va se ɖe esime woaɖe nu vɔ̃ ɖa le nu sia nu ŋu keŋkekeŋ.
Mose hã gblɔe xoxo be, ‘Ɣeyiɣi gbɔna esi Mawu ŋutɔ aɖo nyagblɔɖila tɔxɛ aɖe ɖe mia dome abe nye Mose pɛpɛpɛ ene. Anyo na mi be miaɖo to ame sia ƒe gbe
elabena woatsrɔ̃ ame sia ame si mase eƒe gbe awɔ ɖe edzi o.’
“Samuel kple nyagblɔɖila bubuawo tso Samuel ŋɔli va ɖo fifia hã ƒo nu tso nu siwo le dzɔdzɔm egbegbe la ŋu.
Miawoe nye nyagblɔɖila siawo ƒe dzidzimeviwo eye ŋugbe si Mawu do na mia tɔgbuiwo la, miawo hã miele eme. Mawu do ŋugbe na Abraham be, ‘Woayra xexeame blibo la to wò dzidzimeviwo dzi.’
Le ŋugbedodo sia ta, esi Mawu ɖo via ɖe xexea me la, eɖoe ɖe Israel dukɔ la gbɔ gbã be wòakplɔ mi, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ.”
4
Esi Petro kple Yohanes nɔ nu ƒom na ameawo alea la, Osɔfogãwo kple gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe amegã kpakple Zadukitɔwo dometɔ aɖewo va do ɖe wo dzi.
Ale si Petro kple Yohanes nɔ gbeƒã ɖem be Yesu gagbɔ agbe tso ame kukuwo dome la nye nu si mevivi wo nu kura o.
Eya ta wolé Petro kple Yohanes, gake esi fiẽ ɖo xoxo ta la, wotsɔ wo ame evea de gaxɔ me be woadɔ afi ma ŋu nake.
Togbɔ be wòva me alea hã la, ame geɖe siwo se Petro kple Yohanes ƒe nyagbɔgblɔ gbe ma gbe la xɔe se hetrɔ dzime eye wozu xɔsetɔwo ale xɔsetɔwo katã ƒe xexlẽme va ɖo abe akpe atɔ̃ ene.
Le ŋufɔke la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo, agbalẽfialawo kple dumemegãwo kpe ta le Yerusalem.
Takpekpea me nɔla aɖewo nye Anas si nye Osɔfogã, Kayafa, Yohanes, Aleksandro kple Anas ƒe ƒometɔ aɖewo.
Wokplɔ Petro kple Yohanes va woƒe ŋkumee. Takpekpea me nɔlawo bia Petro kple Yohanes be, “Ame kae na ŋusẽ mi be miawɔ nu sia?”
Enumake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do ŋusẽ Petro eye wòɖo eŋu na wo be,
“Osɔfogã, bubutɔwo, kple dumegãwo, nenye tekunɔ sia ƒe hayahaya tae miele gbe biam mí la,
ekema medi be mi kple Israeltɔwo katã mianya kɔtee be, to ŋusẽ tɔxɛ si le Yesu Kristo Nazaretitɔ la ƒe ŋkɔ mee ame sia kpɔ lamesẽ le. Yesu siae nye Mesia ame si miawo miewu, ke Mawu fɔe ɖe agbe tso ame kukuwo dome. Eya ƒe ŋusẽe na be dɔnɔ sia tsi tre ɖe mia dome fifi laa, eye eƒe lãme sẽ.
Mawunya gblɔe be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la eya kee trɔna zua dzogoedzikpe.’
Yesu ɖeka pɛ ko dzie ame sia ame ato hafi akpɔ ɖeɖe. Ame aɖeke megali le xexea me godoo si ate ŋu axɔ na amegbetɔ aɖeke wu Yesu o.”
Ŋusẽ tɔxɛ si ɖo Petro kple Yohanes me be wote ŋu ɖo nyawo ŋu alea la, wɔ nuku na Takpekpea ŋutɔ, elabena wonya be Petro kple Yohanes menya agbalẽ o. Takpekpea kpɔe dze sii be, Yesu yomenɔnɔ tae wote ŋu kpɔ ŋusẽ sia.
Gawu la, esi wònye be dɔnɔ si ŋu woda gbe le hã nɔ tsitre ɖe wo dome ta la, ɖe ko wònɔ na Takpekpea me nɔlawo be woalɔ̃ be ŋusẽ aɖe le Petro kple Yohanes si vavã.
Le esia ta wona wokplɔ Petro kple Yohanes do goe le xɔa me ale be woate ŋu akpɔ mɔnu abu tame le nya la ŋu.
Azɔ Takpekpea me nɔlawo bia wo nɔewo be, “Nu ka tututue míawɔ ame eve siawo? Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be woda gbe le nuwɔametɔ sia ŋu vavã eye nukunu sia ɖi hoo le Yerusalem du bliboa me.
Gake hã ɖewohĩ míate ŋu axe mɔ na wo be woagakaka woƒe nya si gblɔm wole le Yesu kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋu ayi dzii o. Míayɔ wo ado vɔvɔ̃ na wo be ne wogakatse gblɔ nya tso Yesu ŋu la, manyo na wo kura o!”
Ale wogayɔ Petro kple Yohanes va wo dome eye wode se na wo vevie be yewomedi be yewoagasee alo akpɔ wo woanɔ nu fiam tso Yesu ŋu le teƒe aɖeke kura o.
Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ be enyo be míase amegbetɔ ƒe gbe agbe Mawu ƒe gbedziwɔwɔ hã?
Asesẽ na mí ŋutɔ be míadzudzɔ nuƒoƒo le nu wɔnuku siwo míekpɔ kɔtee be Yesu wɔ kple nya siwo wògblɔ la ŋu.”
Ke Takpekpea me nɔlawo gaklẽ ŋku do wo hede se na wo be woadzudzɔ nyawo gbɔgblɔ. Emegbe la woɖe asi le wo ŋu wodzo elabena womenya ale si tututu woawɔ ahe to na wo ale be zi matɔ le dua me o, elabena ame sia ame kloe le dua me nɔ Mawu kafum le nukunu gã si wòwɔ to Petro kple Yohanes dzi la ta.
Esia nye be woda gbe le ame si nye tekunɔ ƒe blaene sɔŋ la ŋu.
Esi woɖe asi le Petro kple Yohanes ŋu tete ko la, woti wo tɔ nusrɔ̃lawo bubuawo yii ɖagblɔ nu siwo katã dzɔ ɖe wo dzi la na wo.
Enumake wo katã woƒo ƒu do gbe ɖa gblɔ be, “O Aƒetɔ Mawu gã, wò ame si wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple emenuwo katã,
wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo nu to mía tɔgbui David dzi be, ‘Nu ka ta Trɔ̃subɔlawo do dziku ɖe Mawu ŋu eye dukɔwo hã le bablawo wɔm dzodzro ɖo?
Ẽ, anyigbadzifiawo wɔ ɖeka be yewoaho aʋa ɖe Mawu kple Mesia la ŋu!”
”Nu sia tututue le dzɔdzɔm le mía dome egbe le Yerusalem du sia me! Elabena fia Herodes kple Pontio Pilato kple Trɔ̃subɔlawo katã kpakple Israelviwo gɔ̃ hã wɔ ɖeka hetsi tre ɖe viwò Yesu, wò dɔla kɔkɔe si dzi
nèda asi ɖo la ŋu. Ke nu si wò ŋutɔ nèɖo da ɖi le wò nunya kple ŋusẽ me xoxo la eya ko woate ŋu awɔ.
Azɔ mía Mawu, wò ŋutɔ se ale si wole kakam ɖe mía ŋui la ɖa! Na dzideƒo blibo mí wò subɔlawo be míate ŋu agblɔ wò nya kple
agbe eye na ŋusẽ mí be míate ŋu ada gbe le dɔnɔwo ŋu, awɔ nukunu gãwo le wò dɔla Kɔkɔe, Yesu, ƒe ŋkɔ me.”"
Esi wodo gbe ɖa vɔ alea ko la xɔ si me wonɔ la ʋuʋu sesĩe eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ge ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe me ale be wogakpɔ ŋusẽ hegblɔ Mawu ƒe nya la kple dzideƒo gã blibo.
Xɔsetɔ siawo katã ƒe dziwo kple susuwo nɔ ɖeka. Wo dometɔ aɖeke mebuna be nu si le ye si la nye ye ɖeka ko tɔ o, ke boŋ womaa nuwo ɖe wo nɔewo dome.
Apostolowo kpɔ ŋusẽ gblɔ mawunya detowo heɖe gbeƒã Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome eye amenuveve gã le wo katã dzi."
Koɖoɖo aɖeke menɔ anyi o, elabena ame siwo si nuwo nɔ abe anyigba, xɔ kple bubuwo ene la dzra wo
hetsɔ ga la vɛ na apostoloawo wona wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe hiahiã nu.
Yosef, Levitɔ, ame si wodzi le Kipro eye apostoloawo yɔna hã be Barnaba, si gɔme woɖe be “Dzideƒovi”
dzra eƒe agble hetsɔ ga la katã vɛ na apostoloawo.
5
Ŋutsu aɖe si woyɔna be Anania kple srɔ̃a Safira hã dzra anyigba,
ke Anania tsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo hafi tsɔ mamlɛa vɛ na apostoloawo be eyae nye ga si yekpɔ. Nuwɔna sia nɔ nyanya me na srɔ̃a, Safĩra, hã.
Ke Petro biae be, “Anania, nu ka ta nèɖe mɔ na Satan be wòva xɔ aƒe ɖe mewò alea? Menye amegbetɔ blem nèle o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la blem nèle.
Anyigba la, wò ŋutɔ tɔwòe eye ne edze ŋuwò la, ãte ŋu adzrae, ke ne mèlɔ̃ o hã la, mãdzrae o. Nenema ke esi nèdzrae vɔ la, ŋusẽ le asiwò be nãtsɔ ga la ƒe akpa si dze ŋuwò la vɛ na mí. Ke nu ka tae nètsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo heva le gbɔgblɔm be ga la katãe nye esia? Menye amegbetɔ blem nèle o ke boŋ Mawu ŋutɔ blem nèle.”
Esi Anania se nya sia tete ko la emu dze anyi enumake heku.
Vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame ŋutɔ. Ke ɖekakpui siwo kpɔ eteƒe la bla avɔ ɖe ame kukua ŋu hekɔe yi ɖaɖi.
Abe gaƒoƒo etɔ̃ megbe ene la, Anania srɔ̃, Safĩra, hã va ɖo. Eya menya nu si dzɔ ɖe srɔ̃a dzi o.
Petro biae be, “Safĩra, ga home ale kple alee miekpɔ tso anyigba si miedzra mea?” Safĩra ɖo eŋu enumake bobobo be, “Ẽ, nenema tututue míekpɔ.”
Petro gblɔ na Safĩra be, “Nu ka ta mi kple srɔ̃wò, Anania, miewɔ ɖeka be yewoate Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kpɔ mahã? Đekakpui siwo ɖi wò aƒetɔ ƒe kukua woe nye ema le xɔa godo le wò hã lalam.”
Enumake Safĩra hã mu dze anyi heku, eye esi ɖekakpuiawo va kpɔ eƒe kukua le anyigba la, wokɔ eya hã yi ɖaɖi ɖe srɔ̃a xa.
Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ gã aɖe hame blibo la kple ame siwo katã see la me.
Le ɣeyiɣi siawo me la, apostoloawo ƒoa ƒu edziedzi ɖe gbedoxɔ ƒe akpa si woyɔna be Salomo ƒe Akpata la me, eye wonɔa dzesi kple nukunu geɖewo wɔm le afi ma.
Ame geɖewo metea ŋu doa dzi tena ɖe apostoloawo ŋu tututu o, ke hã ame sia ame tsɔ bubu tɔxɛ blibo na wo.
Ame geɖewo ŋutɔ, ŋutsu kple nyɔnu siwo xɔ se la ge ɖe Aƒetɔ ƒe ha la me.
Đe apostoloawo ƒe nukunuwɔwɔwo ta la, amewo kɔa dɔnɔwo dana ɖe abawo dzi le mɔwo to be ne Petro va yina la, eƒe vɔvɔlĩ nadze wo dzi.
Zi gã aɖe tɔ le kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem la me eye amewo tsɔ woƒe dɔnɔwo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la vɛ eye wòda gbe le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.
Ke Osɔfogã la kple eŋume siwo tso Zadukitɔwo ƒe kɔmama la me la yɔ fũ kple ŋuʋaʋã.
Ale wolé apostoloawo de gaxɔ me.
Ke le zã me la, mawudɔla aɖe va apostoloawo gbɔ le gaxɔa me. Eʋu gaxɔa ƒe agbowo eye wòkplɔ wo do goe. Egblɔ na wo be,
“Miyi gbedoxɔ la me eye miagblɔ Agbe Yeye sia ƒe nya na ame sia ame.”
Apostoloawo va ɖo gbedoxɔa me le ŋdi kanya eye wodze mawunyagbɔgblɔ gɔme. Sẽ ko la, Osɔfogã la kple eŋumewo hã va ɖo gbedoxɔ la me. Woyɔ Yudatɔwo ƒe takpekpe gã me nɔlawo ƒo ƒu ɖe woƒe takpeƒe, eye wodɔ asrafoawo ɖa be woayi aɖakplɔ apostoloawo tso gaxɔ la me vɛ ne yewoadrɔ̃ ʋɔnu wo.
Ke esi asrafoawo yi la, womekpɔ apostoloawo le gaxɔa me o, ale wotrɔ yi ɖagblɔ na takpekpea me nɔlawo be,
“Esi míede la, asrafowo nɔ agboa nu dzɔm pɛpɛpɛ eye ʋɔtrua hã nɔ tutu goŋgoŋgoŋ gake esi míeʋu ʋɔa hege ɖe eme la, míekpɔ ame aɖeke le teƒea o.”
Nya sia ʋuʋu asrafo siwo kpɔa gbedoxɔa dzi ƒe amegã kple Osɔfogãwo ŋutɔ eye woƒe dzi gbã. Womenya nu si tututu ava dzɔ ɖe esia yome o eye womenya ɣekaɣi tututu hã nu siawo nu ava yi o.
Ke ame aɖe va gblɔ na wo be, ame siwo wolé de gaxɔ me la woe nye ma le nya gblɔm na ameawo ŋusẽtɔe le gbedoxɔ la me.
Enumake, asrafowo ƒe amegã kplɔ etevi aɖewo ɖe asi eye woyi ɖalé apostoloawo. Asrafoawo kpɔ egbɔ be yewomelé wo sesẽtɔe o, elabe wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewowɔ esia la, ɖewohĩ ameha gã si le afi ma la aƒu kpe yewo awu.
Wokplɔ apostoloawo va Sanhedrin la ƒe ŋkume be Osɔfogã nabia gbe wo.
Esi apostoloawo va ɖo Takpekpea me nɔlawo ŋkume la, Osɔfogã bia be, “Menye ɖe míede se na mi be miadzudzɔ Yesu sia ƒe ŋutinya gbɔgblɔ oa? Ke azɔ kura boŋ miekaka nya sia ɖe Yerusalem du bliboa me kple susu be amewo nabu fɔ mí be míeda vo be míewu Yesu sia!”
Petro ɖe etɔwo nu gblɔ be, “Ele na mí be míawɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi ke menye ɖe amegbetɔ tɔ dzi o.
Esi miewu Yesu si mieklã ɖe ati ŋu la, mía tɔgbuitɔgbuiwo ƒe Mawu la ŋutɔ gafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.
Eye Mawu tsɔ ŋusẽ blibo doe ɖe dzi be wòanye Fiavi kple Đela ale be to eya dzi la, Israelviwo nakpɔ mɔnu atrɔ woƒe agbenɔnɔ ale be woatsɔ wo ƒe nu vɔ̃wo ake wo.
Míawo ŋutɔwo míekpɔ nu sia teƒe tsitotsito eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu naa ame siwo wɔa eƒe gbe dzi la ɖi ɖase le nu siawo ŋu hã.”
Petro ƒe nya sia wɔ abe ɖe wòtsɔ ami kɔ ɖe dzo me ene, takpekpea me nɔlawo katã nyra; wodo dziku blibo eye woɖoe be yewoawu apostoloawo.
Ke ametsitsiawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Gamaliel ame si hã nye Farisitɔ xɔŋkɔ aɖe si nya xɔsenyawo ƒe sea nyuie la, tsi tre heƒo nu na takpekpea me nɔlawo. Ke hafi wòadze nua ƒoƒo gɔme la, ebia be woakplɔ apostoloawo aɖe kpɔe vie.
Azɔ Gamaliel trɔ ɖe etɔwo gbɔ gblɔ na wo be, “Mía tɔ, Israeltɔwo, mikpɔ nyuie le ɖoɖo si wɔm miele ɖe ame siawo ŋu la ŋuti.
Miawo ŋutɔwo miaɖo ŋku edzi kɔtee be, ɣeyiɣi aɖe va yi la, ɖekakpui aɖe va do ɖe mía dome eye wòwɔ eɖokui hlodzoo be yenye ame gã aɖe. Ẽ, le nyateƒe me la, ame abe alafa ene sɔŋ dze eyome. Ke nu kae va dzɔ? Wowu eya ŋutɔ eye eyomedzelawo katã kaka gbẽ, ke nya vɔ̃ aɖeke medzɔ o.
Le eya megbe la ame bubu hã gava do. Ame sia nye Yuda si tso Galilea. Eya hã dze agbagba he amewo ɖe eɖokui ŋu abe eƒe nusrɔ̃lawo ene, le ŋkɔŋɔŋlɔ ŋkekeawo me. Gake, eya hã va ku eye eyomedzelawo kaka.”
Gamaliel yi dzi be, “Tɔnyetɔwo, aɖaŋu si medi be maɖo na mie nye be, miɖe asi le ame siawo ŋu kpoo. Ne wònye woawo ŋutɔ ƒe nufiafia kakam wole la, ekema eteƒe madidi o, nu sia nu awu enu.
Gake nenye Mawu ƒe dɔ wɔm wole vavã la, ekema miate ŋu atsi enu gbeɖe o. Gawu la, ne miekpɔ nyuie o la, miakpɔ be yewole kame tem kple Mawu.”
Takpekpea me nɔlawo xɔ Gamaliel ƒe aɖaŋu sia ale woyɔ apotoloawo vɛ eye woƒo wo. Emegbe wode se na wo be woagagblɔ nya aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me gbeɖe o, eye woɖe asi le wo ŋu.
Apostoloawo ɖe abla do go le takpexɔa me kple dzidzɔ blibo be wodo ŋukpe yewo le Yesu ƒe ŋkɔ ta.
Azɔ woyi edzi nɔ nya gblɔm gbe sia gbe le gbedoxɔa me kple woƒe aƒewo me siaa be Yesue nye Mesia la.
6
Esime xɔsetɔawo ƒe xexlẽme va nɔ dzidzim ɖe edzi atraɖii ta la, liʋiliʋĩlilĩ aɖewo va nɔ ta dom ɖa le wo dome. Wo dometɔ siwo nye Helatɔwo la gblɔ bena ameŋkumekpɔkpɔ le ta dom ɖa le nuɖuɖumama me, elabena womenaa nuɖuɖu Helatɔ siwo nye ahosiwo la wòdea Hebritɔ siwo hã nye ahosiwo la tɔ nu o.
Le esia ta la, Apostolo wuieveawo ƒo xɔsetɔwo katã nu ƒu hewɔ takpekpe aɖe. Apostoloawo doe ɖe hamea gbɔ be,
“Nɔviwo, mele be míawo míatsɔ nuɖuɖudzikpɔkpɔ awɔ míaƒe dɔ o. Míaƒe dɔe nye be míagblɔ mawunya. Eya ta mitsa ŋku le mia ɖokuiwo dome, miatia mia dometɔ adre siwo sea nu gɔme, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ wo me fũ eye ame sia ame kpɔ ŋudzedze le wo ŋu. Ne mietia ame siawo la ekema míatsɔ nuɖuɖudzikpɔdɔ sia ade wo si koŋ,
ale be míawo la míakpɔ ɣeyiɣi awɔ míaƒe dɔ si nye gbedodoɖa, mawunyagbɔgblɔ kple nufiafia amewo.”
Nya sia me kɔ na hamea katã eya ta wotia ame adreawo. Ame siwo wotia woe nye Stefano, ame si ƒe xɔse de to eye wòyɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Filipo, Prokoro kple Nikano, bubuwoe nye Timon, Parmena kple Nikolas tso Antioxia ame si nye trɔ̃subɔla si va zu Yudatɔ.
Esi wotia ame adre siawo vɔ la wokplɔ wo va apostoloawo gbɔe eye wodo gbe ɖa ɖe wo ta heda asi ɖe wo dzi, yra wo.
Le esia megbe la apostoloawo kple xɔsetɔ bubuawo gblɔ mawunya le teƒeteƒewo eye Yesu yomedzelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi fũ le Yerusalem, nenema ke Yudatɔwo ƒe Osɔfo geɖewo gɔ̃ hã trɔ zu kristotɔwo.
Stefano ame si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũ eye eƒe xɔse de to blibo la wɔ nukunu geɖewo le amewo dome.
Ke gbe ɖeka la, Stefano do go Yudatɔwo ƒe xɔsehabɔbɔ tɔxɛ aɖe si woyɔna be, “Ablɔɖeviwo” la, me tɔwo eye ame siawo de asi nyahehe me kplii vevie. Sẽ ko la, Yudatɔ bubu siwo tso Kirene, Aleksandria le Egipte kple Kilikia kpakple Asia la va kpe ɖe “Ablɔɖeviawo” ŋu le nyaa hehe me.
Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖu Stefano dzi o, le eƒe nunya kple gbɔgbɔ si le eme la ta.
Le esia ta woyi ɖakpɔ gbevu aɖewo be woava ɖi aʋatsoɖase le Stefano ŋu be eƒo fi de Mose kple Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã.
Nya sia sese na be dua me tɔ geɖewo dze agbo vevie. Wotso ɖe Stefano ŋu eye Yudatɔwo ƒe amegãwo kple agbalẽfialawo lée hekplɔe yi ɖe dumegãwo gbɔe.
Aʋatsoɖaseɖila siawo gaɖi ɖase ɖe eŋu le takpekpea me be, “yewo ŋutɔ yewose Stefano wònɔ fewu ɖum le Yerusalem gbedoxɔ la kple Mose ƒe sewo ŋu.”
Woyi dzi gblɔ be, “Míese Stefano gblɔ be, Yesu Nazaretitɔ sia, ava gbã gbedoxɔ la eye wòaɖe Mose ƒe sewo katã ɖa.”
Esi nu siawo nɔ edzi yim la, ame siwo katã nɔ takpekpea me la kpɔ be Stefano ƒe mo trɔ nɔ keklẽm abe mawudɔla tɔ ene.
7
Osɔfogã la bia Stefano be, “Nɔvi, ɖe nya siwo katã wogblɔ le ŋuwò le eme vavãa ?”
Stefano ƒo nu legbe aɖe heɖe nya me na wo be, “Nɔvinyewo kple fofonyewo, misee ɖa!, Mawu bubutɔ la ŋutɔ ɖe eɖokui fia mía tɔgbui Abraham le esime wònɔ Mesopotamia hafi wòva yi Haran.
Mawu gblɔ nɛ be nekla eƒe ƒometɔwo katã eye wòabla agba, adzo adze mɔ ayi anyigba bubu aɖe sãa si yeafiae la dzi.
Ale Abraham dzo le Kaldea nyigba dzi heyi ɖanɔ Haran, va se ɖe esime fofoa ku gblẽe ɖi. Esia megbe la, Mawu kplɔe va Israel nyigba sia dzi.
Ke Mawu metsɔ anyigba sia ƒe akpa aɖeke tete na Abraham be wòanye etɔ o.“Boŋ la Mawu do ŋugbe nɛ be le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, anyigba blibo la azu eya kple eƒe dzidzimeviwo tɔ, togbɔ be vi aɖeke menɔ Abrahan si haɖe o hã.
Mawu gagblɔ na Abraham be, eƒe dzidzimeviwo adzo le anyigba la dzi ayi aɖanɔ dzronyigba aɖe dzi ƒe alafa ene sɔŋ abe kluviwo ene.
Ke hã Mawu do ŋugbe na Abraham be yeahe to na dukɔ si aɖe aboyo Israelviwo, eye emegbe la Israelviwo agatrɔ va woƒe anyigba la dzi ava subɔ ye le afii.”
Stefano yi eƒe nuƒoa dzi be, “Mawu de se na Abraham be wòatso aʋa na via ŋutsuviwo abe nubabla si le Mawu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpeɖodzinu ene. Le esia ta esi Isak si nye Abraham viŋutsu xɔ ŋkeke enyi ko la, fofoa tso aʋa nɛ. Isak ƒe viŋutsue nye Yakɔb ame si hã ƒe viŋutsu wuieveawo me Israel dukɔa ƒe tɔgbui wuieveawo dzɔ tso.
Yosef si nye Yakɔb vi mamlɛtɔ la ƒe nu menyo nɔvia bubuawo ŋu kura o ale wodzrae na kluvisitsalawo, ame siwo kplɔe yi Egipte abe kluvi ene. Ke hã la, Mawu nɔ kplii
ale gbegbe be wòɖee tso eƒe fukpekpewo katã me eye gawu la, Mawu na be Egipte fia Farao kpɔ ŋudzedze le eŋu. Le nunya manyagblɔ si Mawu na Yosef ta la Farao tsɔe ɖo dudzikpɔla gãe le Egipte dukɔa me eye wògaɖoe tatɔ le eƒe fiasã blibo la hã me.”
Eva eme be dɔ sesẽ aɖe va to le Egipte kple Kanan nyigba dzi ale be, mía tɔgbuitɔgbuiwo kpe fu ŋutɔ. Nuɖuɖu vɔ le wo si keŋkeŋ.
Yakɔb se be nuɖuɖu le Egipte nyigba dzi ale wòdɔ viawo ɖa be woaɖaƒle ɖe vɛ.
Esi wogayi Egipte zi evelia la, Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo elabena womekpɔe dze sii zi gbãtɔ si wode afi ma la o. Eɖe wo fia fia Farao hã.
Yosef dɔ nɔviawo ɖa be ne woyi la, woakplɔ ye fofo Yakɔb, ye nɔviwo kple woƒe ƒometɔwo katã, ame siwo ƒe xexlẽme nɔ ame blaadre-vɔ-atɔ̃ la vɛ na ye le Egipte.
Esiae na be Yakɔb kple viawo katã ʋu va tsi Egipte afi si wo katã ku ɖo.
Eye wotsɔ Yakɔb kple viawo va Sikem eye woɖi wo ɖe yɔdo si Abraham ƒle le Hemor viwo gbɔ la me.”
Esime ɣeyiɣi si Mawu ɖo na Abraham be yeaɖe eƒe dzidzimeviwo tso kluvinyenye me le Egipte ɖo vɔ la Israelviwo gadzi ɖe edzi fũ ŋutɔ le Egipte.
Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la woɖo fia bubu zikpuia dzi le Egipte. Fia sia menya naneke tso Yosef ŋu o.
Le esia ta ewɔ tamesesẽ le mía tɔgbuitɔgbuiwo ŋu ale gbegbe be wòna wowu woƒe vidzĩwo.
”Le ɣeyiɣi sia me lɔƒo la, wodzi Mose si nye ɖevi dzeɖekɛ aɖe. Le se si nɔ anyi ɣemaɣi me ta la, esi wodzi Mose la, edzilawo ɣlae ɖe xɔ me ɣleti etɔ̃ sɔŋ.
Ke esi wòva dzɔ be womagate ŋu aɣlae o ta la, wotsɔe yi ɖada ɖe teƒe aɖe. Fia Farao vinyɔnuvi va fɔe le afi ma ale wòtsɔe abe via ene hekpɔ edzi.
Wohe Mose ɖe Egiptetɔwo ƒe nunya nu ale wòtsi va zu fiavi xɔŋkɔ aɖe le nunya kple dɔwɔwɔ me.
”Esi Mose xɔ abe ƒe blaene ene la, ewɔ susu gbe ɖeka be yeaɖi tsa aɖakpɔ ye nɔvi Israelviwo ɖa.
Le tsaɖiɖi sia me la eva ke ɖe Israel ɖakakpui aɖe kple Egiptetɔ aɖe ŋu wonɔ dzre wɔm. Mose kpɔe be Egiptetɔ la nɔ Israel ɖekakpuia ƒom nɔ funyafunya wɔmii eya ta edze Egiptetɔ la dzi hewui.
Mose bui be wɔna sia ana be Israelviwo axɔe se be Mawue ɖo ye ɖa be yeava ɖe wo le aboyo me hafi gake womexɔe nenema o.”
Le ŋufɔke la Mose gaɖi tsa yi etɔ Israelviwo gbɔ. Kasiaa, ekpɔ Israelvi dzidzi eve hã wonɔ dzre wɔm vevie. Mose te ɖe wo ŋu enumake be yealé avu le wo dome. Egblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, menyo kura be miawo ɖeɖe mianɔ dzre wɔm alea o eya ta midzudzɔ ne miawɔ ɖeka.’”
Ke ame siawo dometɔ si ƒe nya medzɔ o la gblɔ na Mose be wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe nya gbɔ eye megade nu yewo tɔ me o. Ebia Mose be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔla ɖe mía dzi?’ Eyi dzi bia Mose be,
‘Alo ɖe nèdi be yeaƒo nye hã awu abe ale si nèwu Egiptetɔ ma etsɔ enea?”
Nya sia sese te ɖe Mose dzi ale gbegbe be wòsi dzo le nutomea yi ɖanɔ Midian nyigba dzi afi si wòdzi eƒe viŋutsu eveawo le.
Le ƒe blaene megbe la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Mose le gbedzi le teƒe aɖe si te ɖe Sinai to la ŋu. Mawudɔla la ɖe eɖokui fiae le gbe aɖe si le dzo bim la me.
Esi Mose kpɔ dzobibia la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ eya ta eƒu du yi teƒea be yeakpɔ nu si wònye. Ke esi wòƒu dua yina la, ese Mawu ƒe gbe bena.
‘Nyee nye tɔgbuiwòwo Abraham, Isak kple Yakɔb ƒe Mawu la.’ Dzidzi ƒo Mose ale gbegbe be mete ŋu fɔ ta be yeakpɔ afi si gbea le ɖiɖim tso la o.
Mawu ƒe gbe yi edzi gblɔ nɛ be, ‘ Đe wò afɔkpawo le afɔ elabena teƒe si nèle la nye teƒe kɔkɔe.
Mekpɔ fu gã si kpem vinyewo le le Egipte nyigba dzi, eye mese woƒe nublanuiɣli si dom wole la hã. Eya ta meva be maɖe wo tso fukpekpe sia me. Va ne madɔ wò ɖe Egipte ne nãwɔ dɔ sia nam’
Ale Mose si gbɔ etɔwo gbe nu le eye wobiae be, ‘Ame kae ɖo wò fia kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mia dzi hã?’ la, eya kee Mawu gaɖo ɖa be wòanye woƒe ɖela kple kplɔla.
Ale to nukunu geɖewo wɔwɔ me la, Mose kplɔ Israelviwo tso Egipte. Woto Ƒu Dzĩe la me eye wozɔ mɔ to gbedzi ƒe blaene sɔŋ.
” Mose ŋutɔ gblɔ na Israelviwo be, ‘Mawu ana nyagblɔɖila aɖe adzɔ tso mia me abe nye ke ene.’
Mose ƒe nya sia va eme pɛpɛpɛ elabe esi wonɔ gbedzi nɔ yiyim la, Mose nye avuléla si nɔ Israelviwo kple mawudɔla si na Mawu ƒe sewo le Sinai to dzi la dome. Se si nye Agbenya lae wòna wo.”
Ke nublanuitɔe la, mía tɔgbuiwo gbe nu le Mose gbɔ eye wodi be yewoatrɔ ayi Egipte.
Le nyateƒe me la, woyɔ Arɔn hegblɔ nɛ be, ‘Nɔvi, me legba siwo anye míaƒe mawu siwo akplɔ mí agbugbɔ yi Egipte na mí elabena míenya nu si dzɔ ɖe Mose si kplɔ mí dzoe le Egipte nyigba dzi la dzi o.’
Eya ta wowɔ legba ɖe nyivi ƒe nɔnɔme me eye wosubɔ nu si wotsɔ woƒe asi wɔe la kple dzidzɔ blibo hesaa vɔ nɛ.
”Wɔna sia na be Mawu hã ɖe asi le wo ŋu eye wosubɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo abe woƒe mawuwo ene. Mawu bia wo to nyagblɔɖila Amos dzi be, Israelviwo, esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ ɖe, nyee mienɔ vɔ sam naa?
Kpao, menye nyee miesa vɔ na o ke boŋ miaƒe susuwo katã nɔ miaƒe trɔ̃ siwo ƒe ɖewo nye, ɣletiviwo la kple miaƒe legba bubuwo ŋu. Le esia ta mana woaɖe aboyo mi, akplɔ yi abe kluviwo ene ayi keke Babilonia godo ke.”
Stefano gblɔ yi dzi be, “Mía tɔgbuitɔgbuiwo tsɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ɖe ta nɔ gbea dzi, nɔ yiyim tso teƒe yi teƒe. Wowɔ ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ sia abe ale si tututu Mawu ɖee fia Mose be woawɔe ene.
Le ƒe aɖewo megbe esi Yosua va zu kplɔla eye wòho aʋa ɖe Trɔ̃subɔdukɔwo ŋu la wotsɔ agbadɔ sia yi woƒe nɔƒe yeye si wonɔ la, eye wowɔ eŋutidɔ va se ɖe Fia David ŋɔli.”
Mawu yra fia David ŋutɔ, eye David hã bia be Mawu naɖe mɔ na ye yeatu gbedoxɔ gã aɖe si anɔ anyi tegbee la na eya, Yakɔb ƒe Mawu la.
Ke David vi Salomo boŋue nye ame si va tu gbedoxɔ la nɛ.
Ke hã la, Mawu menɔa gbedoxɔ si amegbetɔ ŋutɔ tsɔ eƒe asi tui la me o. Elabena Mawu ŋutɔ gblɔ to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi be,
‘Nye fiazikpuie nye dziƒo eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Aƒe ka ƒomevi koŋ ame ate ŋu atu nam be manɔ eme?
Alo menye nyee wɔ dziƒo kple anyigba siaa oa?’”
Stefano yi dzi gblɔ na ƒuƒoƒea be, “Mi trɔ̃subɔla tosesẽtɔ siawo, ɖe wòle be miasẽ dzime atsi tre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ɣesiaɣia? Ẽ, alea tututu mia tɔgbuiwo wɔe nye si, eye eya ƒomevi ko wɔm miawo hã miele.
Mitɔ asi nyagblɔɖila si yome mia tɔgbuiwo meti hewɔ fui o la dzi nam. Wowu nyagblɔɖila siwo gblɔ Mesia ƒe vava ɖi eye miawo hã miede Mesia la asi eye miewui.
Ẽ, togbɔ be mawudɔlawoe tsɔ Mawu ƒe seawo vɛ na mi hã la, mieɖo koŋ gblẽ seawo to wo dzi dada me.”
Stefano ƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ŋutɔ. Wodo dziku vevie henɔ nyanyram le wo ɖokuiwo me.
Ke Stefano ame si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũ la li eƒe ŋkuwo ɖe dzi gãa, ekpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe gã la eye Yesu nɔ tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusime.
Stefano gblɔ na ameha la be, “Mikpɔ ɖa mekpɔ dziƒo nu ʋu eye Amegbetɔvi la tsi tre ɖe Mawu ƒe nuɖusime.”
Nya sia gado dziku na wo ŋutɔ ale wo katã wotsɔ woƒe asiwo xe tome be yewomagase nya aɖeke o. Wodze Stefano dzi henɔ ɣli dom be ame aɖeke megase eƒe nya o.
Emegbe wohee do goe le dua me be yewoaƒu kpee wòaku. Đasefowo kple amewulawo ɖe woƒe awuwo na ɖekakpui aɖe si woyɔna be Saulo la be wòakpɔ wo dzi na yewo.
Esi kpeawo nɔ Stefano ƒe afi sia fi dzem kpamkpamkpam la, edo gbe ɖa gblɔ be, “Aƒetɔ Yesu, xɔ nye gbɔgbɔ la.”
Emegbe la, edze klo eye wòdo ɣli gblɔ be, “Aƒetɔ, mègaɖo nu vɔ̃ sia teƒe na wo o.” Ale wòdze anyi heku.
8
Saulo da asi ɖe Stefano wuwu sia dzi kpem. Tso gbe ma gbe dzi ko amewo dze xɔsetɔ siwo le Yerusalem la yometiti gɔme vevie eye esia na be wo katã si yi Yudea kple Samaria nutowo me negbe apostoloawo ɖeɖe koe susɔ ɖe Yerusalem.
Ke Yudatɔ aɖewo siwo vɔ̃a Mawu la va kɔ Stefano ƒe kukua yi ɖaɖi eye wofae ŋutɔ.
Ke Saulo ɖoe kplikpaa be yeagblẽ hame la. Etsoa aƒeme yia aƒeme, léa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖadea gaxɔ me.
Ke xɔsetɔ siwo si dzo le Yerusalem la kaka Yesu ƒe nyanyui la le afi sia afi si woyi.
Filipo hã yi Samaria eye wòɖe gbeƒã le Yesu ŋuti na wo.
Filipo wɔ nukunu geɖewo le Samaria eya ta amewo va ɖoa toe ɣesiaɣi.
Enya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me, eye ne wodo go le ameawo me alea la wonɔa ɣli dom sesĩe. Eyɔ dɔ tekunɔwo kple lãmetututɔwo.
Esia wɔe be dzidzɔ blibo yɔ dua me fũ.
Ke ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn va nɔ Samaria dua me; enye afakala xɔŋkɔ aɖe le eƒe nukunuwo ta, eya ŋutɔ da ŋkɔ ɖe eɖokui dzi be yenye gã.
Amewo katã ku ɖe eŋu, ame ŋkutawo kple ame gblɔewo siaa eye woda ŋkɔ ɖe edzi be, “Ame siae nye Mawu ƒe ŋusẽ si woyɔna be Ŋusẽ Gã la”.
Amewo dze eyome hoo elabena enaa be wo nu kuna to eƒe afakaka la me ɣeyiɣi didi aɖe.
Ke esi dua me tɔwo se Filipo ƒe nya la, woxɔe se be Yesu boŋue nye Mesia la. Woxɔ nya siwo Filipo gblɔ tso Mawufiaɖuƒe la ŋu hã dzi se eya ta wode mawutsi ta na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.
Nukutɔe la, Simɔn, afakala la, ŋutɔ hã xɔ mawunya dzi se ale wode mawutsi ta nɛ. Le esia megbe la enɔ Filipo ŋu kplikplikpli yia afi sia afi si wòyina la, eye nukunu siwo katã Filipo wɔ la na be eƒe nu ku ŋutɔ.
Esi apostolo siwo le Yerusalem se be mawunya ɖo Samaria la, woɖo Petro kple Yohanes ɖa be woaɖakpɔ ale si nuwo nɔ edzi yimii le afi ma ɖa.
Esime ame dɔdɔawo va ɖo Samaria tete ko la, wodo gbe ɖa ɖe xɔsetɔ yeyeawo ta be woaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la,
elabena tsi ko wode ta na wo le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me ke womexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o.
Esi Petro kple Yohanes nɔ gbea dom ɖa la, woda woƒe asiwo ɖe xɔsetɔawo dzi, eye enumake woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
Esi Simɔn kpɔ be wona Gbɔgbɔ Kɔkɔe amewo to Apostoloawo ƒe asidada ɖe wo dzi me la, ena ga Apostoloawo eye wògblɔ na wo be,
“Mina ŋusẽ sia nye hã ale be ame sia ame si dzi mada asi ɖo la naxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.”
Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wò ga natsrɔ̃ kpli wò elabena èbu be yeate ŋu aƒle Mawu ƒe nunana kple ga!
Wɔƒe kple gomekpɔkpɔ aɖeke mele asiwò le subɔsubɔdɔ sia me o elabena wò dzi menyo le Mawu ƒe ŋkume o.
Dzudzɔ tame vɔ̃ɖi ɖoɖo ne nãdo gbe ɖa na Aƒetɔ la. Đewohĩ atsɔ wò susu vɔ̃ɖi sia ake wò.
Elabena edze nam ƒãa be èyɔ fũu kple vevesese eye nènye kluvi na nu vɔ̃.”
Simɔn ɖo eŋu be, “Do gbe ɖa na Aƒetɔ la ɖe tanye be nu siwo miegblɔ la dometɔ aɖeke madzɔ ɖe dzinye o.”"
Petro kple Yohanes nɔ Samaria hegblɔ mawunya sẽ hafi gatrɔ yi Yerusalem. Wotɔ ɖe Samaria kɔƒe geɖewo hã me le mɔa dzi, hegblɔ nyanyui la na amewo le afi siawo hã.
Ke le Filipo gome la, mawudɔla aɖe va gblɔ nɛ be," “Tso nãyi mɔ si tso Yerusalem heto Gaza gbegbe la dzi.”
Filipo wɔ abe ale si wogblɔ nɛ la ene eye kasia ekpɔ ame aɖe si tso Yerusalem gbɔna le mɔa dzi. Ame siae nye Etiopia ŋutsu aɖe, si nye fianyɔnu Kandake ƒe gadzikpɔla gã la. Etso Yerusalem afi si wòyi ɖawɔ subɔsubɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la me,
eye wòtrɔ va yina aƒe. Esi wònɔ mɔa dzi la enɔ Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm sesĩe le eƒe tasiaɖam me.
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gagblɔ na Filipo be, “Te ɖe tasiaɖam la ŋu.”
Esi wòɖe abla te ɖe tasiaɖam la ŋu eye wòse nu si xlẽm ŋutsua le la, Filipo biae be, “Èse nu si xlẽm nèle la gɔmea?”
Etiopia ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Ao, nɔvi, ale ke wɔ mate ŋu ase egɔme le esime ame aɖeke meli aɖe eme nam o?” Azɔ eɖe kuku na Filipo be wòage ɖe tasiaɖam la me anɔ ye xa. Filipo wɔ nenema.
Biblia ƒe akpa si xlẽm wònɔ la gblɔ be, “Wokplɔe abe alẽvi ene yina wuwu ge. Eye abe ale si alẽvi nɔa anyi kpoo ne wole eƒe fuwo sẽm ene la, nenema ke eya hã wɔ, meke nu kura o.
Le eƒe ɖokuibɔbɔ ta womedrɔ̃ ʋɔnui ɖe mɔ dzɔdzɔe nu o. Ame kae ate ŋu agblɔ ale si dzidzime si me wòdzɔ ɖo la ƒe tagbɔ sẽe la afia? Elabena woɖe eƒe agbe ɖa le anyigba dzi.”
Etiopia ŋutsu la bia Filipo be, “Nyagblɔɖila Yesaya ŋu eya ŋutɔ nɔ nu ƒom le loo alo ame bubu aɖe ŋuea?”
Biabia sia na be Filipo wɔ mawunya si wòxlẽ la kple bubuwo ŋutidɔ heƒo nu le Yesu ŋu na Etiopia ŋutsua.
Esi wonɔ mɔa dzi yina sẽ ko la, wova ke ɖe tɔsisi sue aɖe ŋu. Etiopia ŋutsua bia Filipo be, “Kpɔ ɖa! Tsie nye esi; nu ka ta nyemade mawutsi ta zi ɖeka o?”
Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Nenye be èxɔe se tso wò dzi blibo me ko la, ekema naneke mexe mɔ o.” Etiopia ŋutsua ɖo eŋu be, “Mexɔe se bena Yesu Kristoe nye Mawu Vi la.”
Enumake etɔ tasiaɖam la eye wòɖi ge ɖe tsia me eye Filipo de mawutsi ta nɛ.
Esi wòdo tso tsia me tete ko la, Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kɔ Filipo dzoe ale be Etiopia ŋutsua megakpɔe o, ke eya hã dze aƒemɔ dzi kple dzidzɔ.
Egblɔ nyanyui la le afi ma eye wògagblɔe le du siwo katã le Kaesarea mɔ dzi la hã me.
9
Saulo gado adã ɖe xɔsetɔwo ŋu vevie wu tsã eye wòlé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo heganɔ wo yome tim kple ŋkubiã. Eƒe susu kple didi katã koe nye be yeatsrɔ̃ xɔsetɔ ɖe sia ɖe. Le esia ta eyi Osɔfogã la gbɔ
be wòana agbalẽ si ana ŋusẽ ye ale be ne yeayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe siwo le Damasko ne woakpe ɖe ye ŋu be yeate ŋu alé xɔsetɔ siawo katã le teƒe siawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ade ga wo eye yeakplɔ wo va Yerusalem.
Esi wòsusɔ vie ko wòaɖo Damasko dua me la, keklẽ gã aɖe klẽ ɖe edzi tso dziƒo.
Edze anyi kpla enumake. Ke ese gbe aɖe be, “Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim alea?”
Saulo bia kple vɔvɔ̃ be, “Wò ame kae le nu ƒom?” Gbea ɖo eŋu nɛ be, “Nye, Yesu, ame si yome tim nèle lae.
Azɔ tsi tre eye nãyi Damasko dua me; ne èɖo afi ma la, magblɔ nu siwo nãwɔ la na wò.”
Nyadzɔdzɔ sia wɔ nuku na Saulo ŋumewo ŋutɔ. Woƒe nu ku ale gbegbe be gbɔgblɔ bu ɖe wo elabena wonɔ gbeɖiɖi aɖe sem pɛpɛpɛ gake womekpɔ ame si nɔ nu ƒom la o.
Saulo wɔ ɖɔɖɔɖɔ tso le anyigba gake nukutɔe la megate ŋu nɔ nu kpɔm o; eƒe ŋku dzi tsyɔ eya ta wolé eƒe alɔnu kplɔe ɖɔɖɔɖɔ yi Damasko.
Enɔ dua me ŋkeke etɔ̃ numaɖumaɖu kple tsimanomanoe.
Mawudzixɔsela aɖe si ŋkɔe nye Anania la nɔ Damasko dua me ɣemaɣi. Mawu yɔe le ŋutega me gbe ɖeka be, “Anania.” Etɔ eye wògblɔ be, “Nyee nye esi, Aƒetɔ.”
Mawu gblɔ nɛ be, “Tso nãyi ablɔ si woyɔna be ‘Mɔ Dzɔdzɔe’ la dzi, eye nãdi ŋutsu aɖe si woyɔna be Yuda la ƒe aƒe me. Ne èkpɔe la, bia ŋustua aɖe si woyɔna be Saulo tso Tarso la ta se le afi ma. Le gaƒoƒo sia me la, ele klo dzi le gbe dom ɖa nam vevie
elabena meɖee fiae le ŋutega me be wò, Anania, ãva egbɔ, ãda asi ɖe edzi be eƒe ŋkuwo naʋu ale be wòagate ŋu akpɔ nu.”
Anania gblɔ kple vɔvɔ̃ɣli be, “Aƒetɔ, mese be funyafunya si gbegbe Saulo sia wɔ xɔsetɔwo le Yerusalem la mele gbɔgblɔ me o ɖe!
Gawu la, míese be ɖe wòxɔ agbalẽ koŋ tso Osɔfogãwo gbɔ le Yerusalem be yeava lé xɔsetɔ siwo katã le Damasko le afii eye yeakplɔ wo ayi Yerusalem.”
Ke Aƒetɔ la ɖo eŋu na Anania be, “Yi nãwɔ ɖe nye gbe dzi. Elabena nye ŋutɔe tia ame sia be wòanye dɔwɔla nam eye wòagblɔ nye nya na trɔ̃subɔladukɔwo, fiawo kple Israelviwo ŋutɔ hã.
Eye nye ŋutɔ magblɔ fu siwo wòakpe ɖe tanye la afiae.”
Anania tso heyi Saulo gbɔ eye wòda asi ɖe edzi gblɔ nɛ be, “Nɔvinye Saulo, Aƒetɔ Yesu, ame si ɖe eɖokui fia wò le Damasko mɔ dzi la ɖom ɖa be mada gbe le ŋuwò eye tso esia dzi la Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nayɔ mewò be nãgakpɔ nu.”
Enumake ewɔ abe tsrowoe ge le eƒe ŋkuwo dzi ene. Ŋkuawo ʋu eye wògade asi nukpɔkpɔ me. Anania de mawutsita nɛ enumake.
Ŋusẽ gaɖo eya amea ŋu esi wona nanee wòɖu vɔ. Saulo nɔ nusrɔ̃lawo gbɔ le Damasko hena ŋkeke geɖewo.
Tete wòdze mawunyagbɔgblɔ gɔme le woƒe ƒuƒoƒewo me le gbɔgblɔm be Yesue nye Mawu Vi la.
Ame siwo katã se Saulo ƒe mawunya la ƒe nu ku ale gbegbe be wobia wo nɔewo be, “Alo menye ame siae wɔ funyafunya geɖe Yesu yomedzelawo le Yerusalem le woƒe xɔse ta oa? Míese gɔ̃ be ɖe wòva Damasko afii be yealé xɔsetɔwo ade ga wo akplɔ yii na Osɔfowo le Yerusalem!”
Saulo yi eƒe mawunyagbɔgblɔ dzi kple ŋusẽ ale gbegbe be, Yudatɔ siwo nɔ Damasko la mete ŋu tsi tre ɖe eƒe nya siwo ɖee fia kɔtee be Yesue nye Kristo la ŋu o.
Le ŋkeke aɖewo megbe la Yudatɔwo ƒe kplɔlawo wɔ ɖoɖo be yewoawu Saulo.
Ke ame aɖe va fi tofĩ na Saulo be dzɔlawo le Damasko ƒe agbowo nu dzɔm zã kple keli bena ne eva yina la yewoawui.
Eya ta gbe ɖeka zã la, Saulo yomedzela aɖewo tsɔe de kusi gã aɖe me heɖiɖii to gli si ƒo xlã dua tame va se ɖe esime wòɖo anyigba eye wòsi dzo.
Esi Saulo va ɖo Yerusalem la, edze agbagba be yeawɔ ɖeka kple xɔsetɔ siwo le afi ma la gake wonɔ vɔvɔ̃m nɛ eye womelɔ̃ te ɖe eŋu o; elabena wobu be alakpa dam wònɔ be yezu wo dometɔ ɖeka.
Ke gbe ɖeka la, Barnaba kplɔ Saulo va apostoloawo gbɔe. Eƒo nu na wo le ale si Saulo kpɔ Aƒetɔa le Damasko mɔ dzi, nya siwo wògblɔ nɛ kple ale si Saulo gblɔ mawunya kple ŋusẽ tɔxɛ le Yesu ƒe ŋkɔ me la ŋu na wo.
Esia na be apostoloawo xɔ Saulo ɖe wo dome ale tso ɣemaɣi dzi la enɔ xɔsetɔwo ŋu kplikplikpli henɔ mawunya gblɔm dzideƒotɔe le Aƒetɔa ƒe ŋkɔ me.
Ke eva va eme be Helatɔ trɔ zu Yudatɔ aɖewo, ame siwo Saulo he nya kplii la wɔ ɖoɖo be yewoawui.
Esi xɔsetɔ bubuawo se be Saulo ƒe agbe ɖo xaxa me alea la, wokplɔe yi Kaisarea eye tso afi ma la woɖoe ɖe wo de, Tarso.
Le ɣeyiɣi siawo katã me la, tomefafa blibo nɔ hame siwo le Yudea, Galilea kple Samaria nutowo me la me. Esia wɔ be hamea ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi eye wògasẽ ŋu ɖe edzi wu le gbɔgbɔ me hã. Xɔsetɔwo srɔ̃ ale si woanɔ agbee le mawuvɔvɔ̃ me eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã na dzidzeme blibo wo.
Petro nɔ tsatsam le xɔsetɔwo dzi tso teƒe yi teƒe eye wòva ɖo Lida.
Teƒe sia wòkpɔ ŋutsu aɖe le ame si woyɔna be Aenea, ame si nɔ lãmetutudɔ lém eye wòtsi aba dzi ƒe enyi sɔŋ.
Petro yɔe gblɔ nɛ be, “Aenea, Yesu Kristo da gbe le ŋuwò, eya ta tsi tre eye nãŋlɔ wò aba.” Ŋutsua ƒe lãme sẽ enumake.
Nukunu sia wɔe be ame siwo katã le Lida kple Saron dze Aƒetɔ la yome elabena wokpɔ Aenea wònɔ zɔzɔm. Petro fɔ Tabita tso ku me
Nyɔnu dɔmenyotɔ aɖe nɔ Yopa dua me si woyɔna be Tabita si gɔmee nye Dɔkas. Nyɔnu sia nye xɔsetɔ si wɔa dɔmenyo na amewo ŋutɔ, vevɔ ame dahewo.
Le ɣeyiɣi sia me tututu la nyɔnu sia dze dɔ eye wòku. Wodzra eƒe kukua ɖo eye woɖoe aba dzi le dziƒoxɔ aɖe dzi.
Ke esi nyɔnua xɔlɔ̃wo se Petro ŋkɔ le Lida la woɖe ame eve ɖo ɖee kple kukuɖeɖe be wòaɖe abla ava yewo gbɔ le Yopa, elabena Lida tsɔ ɖe Yopa gbɔ.
Petro lɔ̃ va Yopa. Esi wòva ɖo tete ko la, wokplɔe yi xɔ si me wotsɔ Dɔkas ƒe kukua mlɔe. Xɔa me yɔ fũ kple konyifalawo, ame siwo dometɔ geɖewo nye ahosi siwo Dɔkas lɔ̃ avɔ alo awu na le eƒe agbeme. Đe sia ɖe nɔ nu siwo Dɔkas wɔ nɛ la tsɔm fia nɔvia.
Esi Petro ge ɖe xɔa me la, ebia tso wo katã si be woado go ana mɔ ye. Esi wodo go la, Petro dze klo do gbe ɖa, eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ nɛ bena, “Nɔvi Dɔkas, tsi tre!” Enumake ame kukua ʋu ŋku eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ bɔbɔ nɔ abatia dzi.
Petro lé eƒe alɔnu eye wòtsi tre. Azɔ Petro yɔ xɔsetɔawo kple ahosiawo va xɔa mee eye wòtsɔ Dɔkas de asi na wo.
Nukunya sia kaka ɖe du bliboa me abe gbe ƒuƒu si wotɔ dzoe la ƒe bibi ene, eye ame geɖewo ŋutɔ trɔ hexɔ Aƒetɔa dzi se.
Petro nɔ Yopa dua me ŋkeke geɖe eye wònɔ Simɔn si nye Lãgbalẽŋutidɔwɔla la gbɔ le eƒe aƒe me.
10
Roma ŋutsu aɖe si nye asrafomegã la nɔ Kaisarea le ɣemaɣi. Eŋkɔe nye Kornelio eye wònye asrafomegã nɔ Italiatɔwo ƒe aʋakɔ ɖeka nu.
Ame sia nye mawuvɔ̃la adodoe aɖe eye eƒe aƒemetɔwo katã hã nye mawuvɔ̃lawo. Ewɔa dɔmenyo ŋutɔ eye mefena kple gbedodoɖa hã o.
Gbe ɖeka abe ɣetrɔ ga etɔ̃ me ene la, ekpɔ ŋutega esime wònɔ gbe dom ɖa. Ekpɔ mawudɔla aɖe wògbɔna egbɔ. Mawudɔla la yɔe be, “Kornelio!”
Kornelio vɔ̃ ŋutɔ. Đe ko woke ŋku ɖe te gãa nɔ mawudɔla la kpɔm. Mlɔeba la ebiae be, “Amegã, nya kae dzɔ? Nu ka dim nèle tso gbɔnye?” Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be, “Mawu se wò gbedodoɖawo eye wòde dzesi wò dɔmenyowɔwɔwo katã hã.
Dɔ amewo ɖe Yopa ne woaɖayɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn Petro la vɛ be wòava kpɔ wò ɖa.
Simɔn Petro sia le ŋutsu bubu aɖe si woyɔna be Simɔn si nye lagbalẽŋutidɔwɔla aɖe la, ƒe aƒeme le ƒuta lɔƒo.”"
Esi mawudɔla la dzo tete ko la, Kornelio yɔ eƒe subɔla eve kple eya ŋutɔ ƒe asrafowo dometɔ ɖeka, ame si hã vɔ̃a Mawu la,
eye wògblɔ nu si dzɔ la na wo. Azɔ eɖo wo ɖe Yopa be woaɖakplɔ Petro vɛ.
Le ŋufɔke ƒe ŋdɔ me la, wonɔ tetem ɖe du la ŋu ; ɣemayi la, Petro yi xɔta be yeado gbe ɖa.
Ke dɔ de asi ewuwu me eye wòdi be yeaɖu nu, ke esi wònɔ nua ɖam la, ekpɔ ŋutega."
Ekpɔ aklala gã aɖe si wotsi ka eƒe dzoge eneawo la wònɔ ɖiɖim tso dziƒo gbɔna anyigba.
Ekpɔ lã afɔenewo, nutatawo kple dziƒoxevi vovovowo le avɔ la dzi.
Petro se gbeɖiɖi aɖe wògblɔ nɛ be, “Heyi nãwu lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe si nèlɔ̃ la, nãɖu.”
Ke Petro ɖo eŋu be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, nyemate ŋu awɔ esia o. Mí Yudatɔwo la, se meɖe mɔ be míaɖu lã siawo ƒomevi o eye nyemeɖu wo dometɔ aɖeke kpɔ le nye agbe me o.”
Gbeɖiɖia gayi edzi gblɔ na Petro be, “Mègagbe Mawu ƒe gbe dzi wɔwɔ o. Ne Mawu da asi ɖe nane dzi be ekɔ la, mèkpɔ mɔ agblɔ be mekɔ o.”
Woɖe ŋutega sia fia Petro zigbɔzi etɔ̃ sɔŋ, eye le eya megbe la, wohe aklala la dzoe yi dziƒo.
Ŋutega sia wɔ moya na Petro ŋutɔ. Mese egɔme o eye menya nu si tututu Mawu di be yeaɖe fiae hã o.
Le ɣemaɣi me tututu la, Kornelio ƒe amedɔdɔwo va ɖo aƒea me henɔ tsitre ɖe aƒea ƒe agbonu nɔ Simɔn Petro ta biam se be afi kae wòle mahã?
Ke esi Petro ganɔ tame bum le ŋutega la ŋu la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ nɛ be, “Ame etɔ̃ aɖewo le diwòm le aƒea me.
Eya ta ɖi nãyi ɖakpe wo, eye nãdze wo yome ayi kpli wo elabena nyee dɔ wo ɖo ɖe gbɔwò. Mègavɔ̃ o, nu sia nu ayi edzi nyuie.”
Ale Petro ɖi ɖe anyigba. Ekpɔ amedzroawo, eye wògblɔ na wo be, “Nyee nye ame si dim miele. Nu kae miele diyem be mawɔ na mi?”
Ŋutsuawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame dɔdɔwo mienye tso Kornelio si nye Roma srafowo ƒe amegã ɖeka la gbɔ. Enye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye Yudatɔwo katã hã bunɛ ŋutɔ. Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wòbia tso esi be wòadɔ ame ne woayɔ wò ɖee be nãgblɔ nu si wòawɔ la nɛ.”"
Petro se nya siawo katã eye wòxɔ ameawo atuu. Ena dzeƒe wo be woatsi adɔ. Le ŋufɔke la, Petro kplɔ xɔsetɔ eve aɖewo tso Yopa kpe ɖe eɖokui ŋu eye wodze mɔ kple Kornelio ƒe ame dɔdɔwo ɖo ta Kaisarea.
Wova ɖo Kaisarea le ŋkeke evea gbe. Kornelio nɔ mɔ kpɔm na wo vevie eye wòyɔ eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã be woava do gbe na Petro.
Esi Petro ge ɖe aƒea me tete ko la, Kornelio ɖe abla yi ɖadze klo ɖe ekɔme be yeasubɔe.
Ke Petro gblɔ nɛ be," “Tso kaba, elabena menye Mawue menye nãsubɔ o. Amegbetɔ ko nye hã menye.”
Kornelio tsi tre eye eya kple Petro woɖo dze vie emegbe la woyi afi si ame mamlɛawo ƒo ƒu ɖo.
Le gbelɔlɔ̃ vɔ megbe la, Petro tsi tre hegblɔ na ƒuƒoƒea be, “Miawo ŋutɔ mienya be mele be nye abe Yudatɔ ene mava mi Trɔ̃subɔlawo ƒe aƒeme alea o. Gake Mawu ɖee fiam le ŋutega me be, mele be mabu ame aɖeke be enye nu maɖinu o.
Eya ta esi miaƒe ame dɔdɔwo va ɖo gbɔnye ko la, nyemehe ɖe megbe kura o, ke boŋ metso dze mɔ dzi enumake. Azɔ nya kae le mia si? Migblɔe mase.”
Kornelio ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Egbee nye ŋkeke enelia, esi menɔ gbe dom ɖa le gaƒoƒo sia tututu me abe ale si mewɔnɛ ɖaa ene. Ame aɖe si do awu ɣi si nɔ dzo dam miamiamia la va do ɖe ŋkunyeme.
Egblɔ nam be, ‘Kornelio, Mawu se wò gbedodoɖawo eye wòkpɔ dzidzɔ le wò dɔmenyowɔwɔwo ŋu. Azɔ la, dɔ ame aɖewo ɖe Yopa,
be ne woayi aɖayɔ Simɔn Petro vɛ na wò. Simɔn Petro sia le Simɔn si nye lãgbalẽ ŋuti dɔwɔla aɖe ƒe aƒe me le ƒuta.
Esia tae medɔ ame ɖo ɖe gbɔwò ɖo eye enyo ŋutɔ be nèva zi ɖeka hã. Azɔ mí katã míeƒo ƒu ɖi, le Aƒetɔ la ŋkume le klalo be míase nya si Mawu de asiwò be nãgblɔ na mí.”
Petro ɖo eŋu gblɔ be, “Eme kɔ nam ƒãa azɔ be nyateƒee Mawu mekpɔa ame ŋkume o,
ke boŋ exɔa ame sia ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu si le eteƒe, du ka ke mee wòtso hã.
Meka ɖe edzi be miawo hã miese nyanyui si wohe vɛ na Israelviwo la, be Yesu he tomefafa va amegbetɔwo kple Mawu domee eye Yesue nye Mesia kple xexea me katã ƒe Aƒetɔ.
Yohanes Mawutsidetanamela dze nyanyui sia kaka gɔme tso Galilea eye wòkaka ɖe Yudea nuto bliboa katã me.
Meka ɖe edzi be mienya hã be Mawu da asi ɖe Yesu, Nazaretitɔ la, dzi to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me eye wòna ŋusẽ si na be wòte ŋu nɔ tsatsam henɔ dɔmenyo wɔm na amewo lae. Eda gbe le dɔlélawo ŋu henya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me elabena Mawu nɔ kplii ɖaa.”
Petro yi dzi be, “Ke mí apostoloawoe nye ɖaseɖilawo na nu siwo katã wòwɔ le Israel kple Yerusalem afi si woklãe ɖe ati ŋu hewui le.
Ke Mawu gafɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe tututu eye wòɖee fia ame tɔxɛ aɖewo si eya ŋutɔ tia.
Meɖee fia le dutoƒo o ke boŋ eɖee fia mí apostoloawo eye míeɖu nu heno nu kplii le eƒe fɔfɔ tso ame kukuwo dome megbe.
Eye Yesu dɔ mí be míagblɔ nyanyui la na amewo katã eye míaɖe gbeƒãe be Mawu tia Yesu be wòanye ʋɔnudrɔ̃la na amewo katã, agbagbeawo kple kukuawo siaa.
Nyagblɔɖilawo katã hã ŋlɔ nu tso Yesu ŋu gblɔ be, ame sia ame si axɔ edzi ase la, woatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee to eƒe ŋkɔ la me.”
Le esime Petro nɔ nya siawo gblɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dze ame siwo katã nɔ to ɖom la dzi.
Nɔvi xɔsetɔ siwo tso aʋatsotso la me, ame siwo va kple Petro la ƒe mo wɔ yaa be wokɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe Trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã dzi.
Elabena wose wonɔ aɖe yeye gblɔm nɔ Mawu kafum. Tete Petro gblɔ bena,
“Đe ame aɖe ate ŋu axe mɔ be womade mawutsi ta na ame siawo oa? Woawo hã xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la abe miawo ke ene.”
Ale wɔ Petro de mawutsi ta na wo le Yesu si nye Mesia la ŋkɔ me. Le esia megbe la, Kornelio ɖe kuku na Petro be wòanɔ yewo gbɔ ŋkeke aɖewo hafi adzo.
11
Eteƒe medidi kura hafi apostoloawo kple nɔvi bubu siwo le Yudea la se be Trɔ̃subɔlawo hã xɔ nyanyui la o.
Ke esi Petro trɔ va ɖo Yerusalem la, Yudatɔ siwo xɔ Yesu dzi se la he nya ɖe eŋu vevie hegblɔ nɛ be,
“Wò la, èyi ɖade ha kple Trɔ̃subɔlawo eye mi kple wo mieda asi agba ɖeka me ɖu nu gɔ̃!”
Esia na be Petro gblɔ ale si nyawo katã va dzɔe la na wo.
Egblɔ na wo be, “Gbe ɖeka esime menɔ gbe dom ɖa le Yopa la, mekpɔ ŋutega aɖe. Nu si tututu mekpɔe nye be, aklala gã aɖe si wotsi ka ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi la ɖiɖi ɖe gbɔnye tso dziƒo.
Esi melé ŋku ɖe aklalaa dzi la mekpɔ anyigbadzilã afɔeneawo, lã wɔadãwo kple nutatawo kpakple dziƒoxeviwo le afi ma.
Mese gbe aɖe wòle gbɔgblɔm nam be, ‘Petro, tsi tre. Wu wo nãɖu.’”
Ke meɖo eŋu be, ‘Kpao, Aƒetɔ, nyemate ŋu awɔ esia o. Nyemeɖu lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ o elabena wonye kɔ na mí Yudatɔwo.’”
Ke megase gbeɖiɖia tso dziƒo wògblɔ nam be, ‘Ne Mawu da asi ɖe nane dzi be ekɔ la, wò la, mègagblɔ be mekɔ o!’”
Nuwɔna sia yi edzi zigbɔzi etɔ̃ sɔŋ eye emegbe la wohe aklala la kple nu siwo katã nɔ edzi la yi dziƒoe.
Le ɣemaɣi me tututu la, ame dɔdɔ etɔ̃ aɖewo tso Kaisarea va ɖo aƒe si me menɔ la me be yewoakplɔm ayi Kaisarea.
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de dzi ƒo nam be magaxa nu be wonye Trɔ̃subɔlawo o ke boŋ mayi kpli wo. Eya ta nye kple nɔvinye ade siwo le afii la míedze mɔ heyi. Eteƒe medidi o míeva ɖo ame si dɔ ame ɖo ɖem la ƒe aƒe me le Kaisarea.”
Ŋutsu sia gblɔ ale si mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ na ye be, ‘Dɔ ame ɖo ɖa Yopa ne woayɔ Simɔn si wogayɔna hã be Petro la vɛ na wò.
Atsɔ gbedeasi aɖe vɛ na wò si ana be wò kple wò aƒe siaa miakpɔ ɖeɖe.’
Esi mese nya sia la, mede asi nyanyui la gbɔgblɔ me na wo. Ke esi mele nyaa gbɔgblɔ dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ dze wo dzi abe ale si tututu wòdze míawo hã dzii le gɔmedzedzea ene.
Esi nu sia dzɔ alea ko la, Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ be, ‘Ẽ, Yohanes de mawutsi ta na amewo kple tsi ke miawo la woade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la,’ va tame nam enumake.
Azɔ esi wònye Mawu ŋutɔe na nunana sia trɔ̃subɔla siawo abe ale si wòna míawo hã be míaxɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se ene ta la, ame kae menye be mahe nya kple Mawu?”
Nya sia wɔ dɔ ɖe apostoloawo kple Yudatɔ siwo xɔ Yesu dzi se la dzi ale gbegbe be womegahe nya aɖeke kura o ke boŋ wogblɔ be, “Nyateƒee, Mawu ŋutɔ na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia Trɔ̃subɔlawo hã be woate ŋu atrɔ va ye gbɔ eye woakpɔ agbe mavɔ.”
Le ɣeyiɣi siawo me la, xɔsetɔ siwo si le Yerusalem, le yometiti si va le Stefano wuwu megbe la, dometɔ aɖewo zɔ mɔ yi kekeke Foenike, Kipro kple Antioxia nutowo me henɔ nyanyui la gblɔm na ame siwo nye Yudatɔwo ko.
Gake xɔsetɔ siwo tso Kipro kple Kirene heyi Antioxia la dometɔ aɖewo ƒo nu na Helatɔ aɖewo hã le Aƒetɔ Yesu ŋu.
Wo∂o Ωkeke na ame dådåawo be woava kpå Herodes, esi Ωkekea ∂o la, wova ƒo ƒu, eye Herodes do eƒe fiawu nå eƒe fiazikpui dzi, heƒo nu na amehawo.
Esi hame si le Yerusalem se nu si le edzi yim la, woɖo Barnaba ɖe Antioxia be wòaɖakpe ɖe xɔsetɔ yeyeawo ŋu.
Esi Barnaba kpɔ nu gã siwo Mawu wɔ le Antioxia la, dzi dzɔe ŋutɔ. Egado ŋusẽ xɔsetɔawo be woayi dzi alé ɖe Mawu ŋu goŋgoŋgoŋ nenye be nya sia nya le dzɔdzɔm hã.
Barnaba nye ŋutsu dɔmenyotɔ aɖe si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũ eye eƒe xɔse hã li ke sesĩe. To ame sia ƒe dɔwɔwɔ me la, ame geɖewo trɔ zu xɔsetɔwo.
Tso Antioxia la, Barnaba ti Saulo ƒe mɔ yi Tarso.
Esi wòke ɖe eŋu la ekplɔe eye wo ame evea trɔ va Antioxia henɔ afi ma ƒe ɖeka sɔŋ, nɔ nu fiam xɔsetɔwo. Antioxiae wona ŋkɔ xɔsetɔwo le zi gbãtɔ be, “Kristotɔwo.”
Le ɣeyiɣi sia me tututu la, nyagblɔɖila aɖewo tso Yerusalem va Antioxia.
Gbe ɖeka wo dometɔ ɖeka si woyɔna be Agabo la gblɔ nya ɖi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me be dɔ gã aɖe gbɔna toto ge le xexea me katã. Nya sia va eme le fia Klaudio ƒe dziɖuɣi.
Le esia ta xɔsetɔwo ɖo be yewoadzɔ nu, aɖo ɖe yewo nɔvi Kristotɔ siwo le Yudea eye ame sia ame nadzɔ nu abe ale si wòate ŋu ene.
Wowɔ esia eye wotsɔ woƒe nunanawo de Barnaba kple Saulo si be woatsɔ ayi na hanunɔlawo le Yerusalem.
12
Le ɣemaɣi me la fia Herodes lé hamevi aɖewo heɖoe be yeawɔ fu wo le xɔse la ta.
Ale wòwu Yakobo, Yohanes nɔvi la, kple yi.
Herodes kpɔ be nuwɔna sia do dzidzɔ na Yudatɔwo ƒe dumegãwo ŋutɔ eya ta ena wolé Petro hã le esime wonɔ Ŋutitotoŋkeke la ɖum, eye wòdee gaxɔ me.
Ena asrafo wuiade nɔ eŋu dzɔm. Herodes ɖoe be ne woɖu Ŋutitotoŋkekea vɔ la, yeaɖe asi le Petro ŋu na Yudatɔwo woadrɔ̃ ʋɔnui eye woawui.
Ke hamea katã nɔ gbe dom ɖa vevie atraɖii na Mawu be Petro nanɔ dedie le gaxɔa me.
Le zã si do ŋgɔ na gbe si gbe woɖo be woawu Petro me la, Petro nɔ alɔ̃ dɔm le asrafo eve dome. Wode ga asi nɛ sesĩe. Asrafo bubuwo hã ganɔ gaxɔa ƒe agbonu dzɔm.
Kasia Aƒetɔ ƒe dɔla aɖe va do eye kekeli klẽ ɖe gaxɔ la me. Dɔla la ƒo Petro ƒe axame henyɔe tso alɔ̃ me. Egblɔ nɛ be, “Netsɔ, tsi tre!” Enumake gakɔsɔkɔsɔ la ge le Petro ƒe alɔnu.
Tete mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Do wò awuwo kple wò afɔkpa.” Petro wɔ nenema eye mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Bla wò alidzi sesĩe ne nãdze yonyeme.”
Petro wɔ abe ale si mawudɔla la gblɔ nɛ la ene eye wòdze eyome do go le gaxɔa me. Nu siwo nɔ dzɔdzɔm la wɔ na Petro abe drɔ̃e kum wònɔ alo ŋutega kpɔm wònɔ ene. Mexɔe se be kodzogbe yenɔ o.
Wozɔ to agbo gbãtɔ eveawo me bɔbɔe eye esi wova ɖo agbo gã mamlɛa si wotsɔ gakpo wɔe gbɔ la, agboa ŋutɔ ʋu le eɖokui si ale be wodo go hege ɖe dua ƒe ablɔ ŋutɔ dzi. Esi wogazɔ yi ŋgɔgbe vie ko la, mawudɔla la bu le Petro gbɔ.
Azɔ ko hafi Petro nya nu si tututu dzɔ eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyateƒe, Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòva ɖem le Herodes kple Yudatɔwo ƒe tame vɔ̃ si woɖo ɖe ŋunye la me.”
Petro nɔ tsitre, bu tame sẽ, eye wòɖoe be yeayi Maria si nye Marko Yohanes dada ƒeme, afi si hametɔ geɖewo ƒo ƒu ɖo, henɔ gbe dom ɖa le.
Esi Petro va ɖo aƒea ƒe agbo nu la eƒo ʋɔa eye nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Roda la va be yeaʋui. Ke gbã la, ebia ame si nɔ ʋɔa ƒom la ƒe ŋkɔ ta se.
Esi Roda se Petro ƒe gbe le agboa godo la dzi dzɔe ale gbegbe be wòƒu du yi ɖe aƒea me ɖagblɔe na ƒuƒoƒea be Petro va le agboa nu le eƒom.
Ameawo mexɔ nyɔnuvia ƒe nya sia dzi se o eye ame aɖewo gblɔ nɛ gɔ̃ be, “Ewɔ abe ɖe wò susu da ene.” Ke eganɔ gbe tem ɖe edzi na ameawo be Petro ƒe gbee yese. Ale wogblɔ be, “Đewohĩ eƒe dzikpɔdɔlae le agboa nu.” Elabena woxɔe se be wowui xoxo.
Ke Petro ganɔ ʋɔa ƒoƒo dzi ŋusẽtɔe. Mlɔeba la, woyi ɖaʋu agboa eye esi wokpɔ Petro la gbɔgblɔ bu ɖe wo ŋutɔ.
Petro bia tso wo si be woazi ɖoɖoe kpoo ale wògblɔ ale si Mawu ɖee le gaxɔa me la na wo. Ebia tso wo si be woana Yakobo kple ame mamlɛawo nanya nu le nu si dzɔ la ŋu eye eya ŋutɔ dzo yi teƒe bubu afi si wòanɔ dedie le.
Le fɔŋli me la zi gã aɖe tɔ le gaxɔa me. Ame aɖeke menya afi si Petro to o.
Esi Herodes dɔ ame ɖo ɖa be woakplɔ Petro vɛ eye womekpɔe o la, ena wolé asrafo wuiadeawo katã drɔ̃ ʋɔnu wo eye wotso kufia na wo hewu wo enumake. Le esia megbe la Herodes dzo yi ɖanɔ Kaisarea vie.
Le esime Herodes nɔ Kaisarea la, ame dɔdɔ aɖewo tso Tiro kple Sidon va egbɔ. Herodes melɔ̃a Tiro kple Sidontɔwo ƒe nya kura o. Le esia ta ame dɔdɔawo va dze xɔlɔ̃ Blasto si nye agbalẽŋlɔla gã le fia la ƒeme gbɔ eye wobia tso esi be wòaɖe kuku na Herodes ɖe yewo nu ale be ŋutifafa nava yewo kple fia la dome. Esia hiã vevie elabena Tiro kple Sidontɔwo kpɔa woƒe nunyiame tso dukɔ siwo dzi ɖum Herodes le la gbɔ.
Woɖo ŋkeke na ame dɔdɔawo be woava kpɔ Herodes, esi ŋkekea ɖo la, wova ƒo ƒu, eye Herodes do eƒe fiawu nɔ eƒe fiazikpui dzi, heƒo nu na amehawo.
Esi wòƒo nu vɔ la, amehawo do ɣli kple dzidzɔ heda ŋkɔ ɖe Herodes dzi be, “Eƒo nu abe mawu aɖe ene eye menye abe amegbetɔ ene o.” Esia na be dzi dzɔ Herodes ŋutɔ eye wòkɔ eɖokui ɖe dzi hlodzoo.
Enumake, mawudɔla aɖe ƒo Herodes eye wòna dɔléle aɖe dze edzi. Ŋɔ viwo ge ɖe eƒe lãme eye woɖui wòku, elabena elɔ̃ be amewo nasubɔ ye le esi wòatsɔ bubu na Mawu teƒe.
Le ɣeyiɣi siawo me la nyanyui la nɔ ta kekem alɔtsɔtsɔe eye ame geɖewo trɔ zu xɔsetɔwo.
Barnaba kple Saulo gaɖi tsa va Yerusalem eye esi wowu dɔ si wɔ ge woyi nu tete ko la wogatrɔ dzo yi Antrioxia eye wokplɔ Marko Yohanes hã yii.
13
Nyagblɔɖila kple nufiala aɖewo nɔ Antioxia hamea me ɣemaɣi eye wo dometɔ aɖewoe nye Barnaba kple Simɔn si wogayɔna hã be, “Ameyibɔ,” Lukio, tso Kirene, Manaim si nye Fia Herodes nɔvi kpakple Saulo.
Gbe ɖeka, esi ame siawo ƒo ƒu henɔ gbe dom ɖa nɔ nu tsim nɔ dɔdɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na wo be, “Mitia Barnaba kple Saulo be woayi aɖawɔ dɔ tɔxɛ si ta meyɔ wo la nam.”
Wogayi edzi wɔ nutsitsidɔ hedo gbe ɖa hena ɣeyiɣi aɖe eye le esia megbe la, woda asi ɖe Barnaba kple Saulo dzi, do gbe ɖa ɖe wo ta eye wodo mɔ wo be woayi.
Saulo kple Barnaba dze mɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖe Seleukia. Le afi sia la, woɖo tɔdziʋu heyi ɖe Kipro. Wokplɔ Marko Yohanes hã ɖe asi abe woƒe kpeɖeŋutɔ ene.
Esi wova ɖo du si woyɔna be Salami me la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe eye wogblɔ mawunya le afi ma.
Le esia megbe la, wogblɔ mawunya le du geɖewo me tso teƒe yi teƒe le Kipro ƒukpo bliboa dzi. Esi wova ɖo du si woyɔna be Pafo me la, wokpɔ Yudatɔ aɖe si woyɔna be, Bar Yesu. Ame sia nye ameflula, aʋatsonyagblɔɖila, kple afakala aɖe. Bar Yesu dze xɔlɔ̃ Sergio Paulo si nye gɔvina le afi ma, eye wònye ame si si
tagbɔ le eye wòsea nu gɔme hã. Gbe ɖeka, gɔvina Paulo be woava gblɔ Mawu ƒe nya la na ye.
Esi wonɔ nya la gblɔm nɛ la, afakala sia si ƒe ŋkɔ le Helagbe mee nye Elima la, te kpɔ be yeagblẽ to na gɔvina la be megase Saulo kple Barnaba ƒe nyawo o, eye be megaxɔ Mawu dzi se hã o.
Ke Saulo ame si wogayɔna be Paulo si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ fũ la lĩ ŋku ɖe Elima dzi gãa kple dziku eye wòblu ɖe eta be,
“Wò Abosam vi, ame vɔ̃ɖi, wò ameflula si léa fu nu nyui ɖe sia ɖe, ɣekaɣie nãdzudzɔ tsitretsitsi ɖe Aƒetɔ la ŋu ?
Azɔ Mawu ahe to na wò eya ta wò ŋkuwo agbã ale be mãgate ŋu akpɔ nu o hena ɣeyiɣi aɖe.” Enumake Elima ƒe ŋku dzi tsyɔ eye wòde asi asitsatsa le yame me, henɔ kuku ɖem be ame aɖe nalé yeƒe alɔnu afia mɔ ye.
Nu sia wɔ nuku na gɔvina la ŋutɔ. Ekpɔe dze sii be ŋusẽ aɖe le mawunya me eya ta wòzu xɔsetɔ.
Le nu siawo megbe la, Paulo kple eŋumewo ɖo tɔdziʋu hedzo le Pafo ɖo ta Pamfilia si wogayɔna hã be Terki. Du gbãtɔ si me wova ɖi go ɖo lae nye Perga. Yohanes gblẽ wo ɖi le teƒe sia hetrɔ dzo yi Yerusalem.
Ke Barnaba kple Paulo ya tso me yi Antioxia si le Pisidia nutome. Le Sabat ŋkeke dzi la woyi sɔleme le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe.
Esi woxlẽ nya tso Mose ƒe Agbalẽ kple Nyagblɔɖilawo ƒe Agbalẽawo me vɔ abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene la, ƒuƒoƒemegãwo dɔ ame ɖo ɖe Barnaba kple Paulo gbɔ gblɔ bena, “Nɔviŋutsuwo, ne nuxlɔ̃amenya aɖe le mia si na ameawo la migblɔe, mieɖe kuku.”
Paulo tsi tre hedo gbe na wo eye wòda akpe na wo le mɔnukpɔkpɔ si wona wo la ta. Eƒo nu gblɔ na wo be, “Israel ŋutsuwo kple ame sia ame si le afii, si vɔ̃a Mawu. Gbã la, medi be maɖo ŋku blemanya ɖekaɖeka aɖewo dzi na mi.”
Israel dukɔ sia ƒe Mawu, tia míaƒe dukɔ sia eye wòde bubu eŋu. Eɖee tso kluvinyenye me le Egipte nyigba dzi bubutɔe.
Ekpɔ wo dzi kplɔ wo ɖɔɖɔɖɔ le gbedzi ƒe blaene sɔŋ.
Le esia megbe la, Mawu tsrɔ̃ dukɔ adre sɔŋ le Kanan nyigba dzi eye wòtsɔ anyigba sia na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene.
Nu siawo yi edzi anɔ abe ƒe alafa ene blaetɔ̃ ene. Le esiawo megbe la Mawu na ʋɔnudrɔ̃lawo ɖu dukɔa dzi va se ɖe nyagblɔɖila Samuel dzi.
“Ke nu kae va dzɔ? Israelviwo ɖe kuku na Mawu be wòana fia yewo abe ale si wòle dukɔ bubuwo sii la ene, eya ta Mawu na Saulo si nye Kish ƒe vi la va ɖu wo dzi abe fia ene. Saulo tso Benyamin ƒomea me eye wòɖu fia ƒe blaene.
Ke emegbe la Mawu ɖe Saulo ɖa le zikpuia dzi eye wòtsɔ David si nye Yese vi la ɖo eteƒe. Mawu kpɔ ŋudzedze le David ŋu eye wòɖi ɖase le eŋu be, ‘David enye ame si dze nye dzi ŋu elabena ewɔ nye lɔlɔ̃nu.’
Fia David sia ƒe dzidzimevie nye Yesu ame si nye Đela si ŋugbe Mawu do na Israel dukɔ la.”
Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Hafi Yesu sia nava la ame aɖe va do ŋgɔ nɛ si nye Yohanes Mawutsidetanamela. Ame sia gblɔ mawunya be ehiã be Israelviwo katã nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu.
Esi Yohanes nɔ eƒe dɔ nu wum la, ebia amewo be, ‘Đe miebu be nyee nye Mesia la mahã? Kpao menye nyee o. Ame si gbɔna la tri akɔ wum. Ne wotsɔm sɔ kplii la, nyemeɖi naneke kura o.”
Nɔvinyewo, mi Abraham ƒe dzidzimeviwo kple mi Trɔ̃subɔla siwo vɔ̃a Mawu siaa, medi be mianya be, míawoe woɖo ɖeɖe ƒe gbedeasi sia ɖa.”
Yudatɔ siwo le Yerusalem kple woƒe dumegãwo wɔ ɖe nu si woŋlɔ da ɖi la dzi pɛpɛpɛ hewu Yesu. Wowui elabena, togbɔ be wonɔa nyagblɔɖilawo ƒe nyawo xlẽm hã la, womekpɔe dze sii eye womenya be eyae nye Đela si ŋu nyagblɔɖilawo nɔ nu ƒom le la o.
Le nyateƒe me la, womekpɔ vodada aɖeke le eŋu be wòadze na ku o gake wobia tso Pilato si be wòatso kufia nɛ kokoko.
Esi nu sia nu va eme pɛpɛpɛ abe ale si woŋlɔe da ɖi le eƒe ku ŋu ene la, woɖe eƒe kukua le atitsoga ŋu heɖii ɖe yɔdo me.
”Ke nɔvinyewo, Mawu gagbɔ agbee tso ku me,
eye wòɖe eɖokui fia ame siwo nɔ eŋu tso Yerusalem yi Galilea la zi geɖe. Ame siawo ɖi ɖase le eƒe tsitretsitsi ŋu ɖaa le dutoƒo le teƒe geɖewo.
Nyanyui sia gblɔm míele na mi ; ŋugbe si Mawu do na mía fofowo,
ŋugbedodo sia va eme na mí, wo viwo esi wòfɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome abe ale si woŋlɔe ɖe Psalmo evelia mee ene be, ‘Wòe nye vinyeŋutsu, egbe mezu fofowò.’
Kpeɖodzi be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome eye makpɔ gbegblẽ o le nya siawo me be, ‘Matsɔ yayra kɔkɔe kple vavãtɔ si ŋugbe wodo na David la na wò.’
Nenema ke wogblɔ le teƒe bubu hã be, ‘Mana wò Kɔkɔetɔ la nãto gbegblẽ me o.’
Menye David ŋutie wonɔ nya siawo gblɔm tsoe o, elabena ele nyanya me na mí katã be esi David wɔ eƒe agbemedɔ vɔ abe ale si Mawu dii ene la, eku, woɖii eye eƒe ŋutilã vo ɖe tome.
Nya siawo ku ɖe ame bubu aɖe si Mawu gbɔ agbee tso ku me eye ku mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o la boŋ ŋu.”
Paulo yi eƒe nuƒoƒoa dzi gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miɖo to miase nya sia ɖa. Yesu sia tae woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.
Ame sia ame si xɔ edzi se la, woaɖee tso nu vɔ̃ sime eye wòazu ame dzɔdzɔe. Nu sia nye nu gã aɖe si Yudatɔwo ƒe sewo mete ŋu wɔ na ame aɖeke o.
Mikpɔ nyuie, be nya siwo nyagblɔɖilawo gblɔ la nagaɖi mia ŋu o.
Wogblɔe be, ‘Mi ame siwo doa vlo nyateƒe la la, mike ŋku ɖi miakpɔ nu ʋuu va se ɖe esime miatsrɔ̃. Mele dɔ gã aɖe wɔm le mia dome, gake ne wogblɔe miese la, miele exɔ ge ase akpɔ o.’”
Gbe ma gbe esime amewo kaka le ƒuƒoƒea la, ɖewo gblɔ na Paulo be eƒe nya vivi yewo nu ŋutɔ eya ta wòagatrɔ va ƒo nu na yewo le Sabat si agava la dzi.
Ke ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔla siwo vɔ̃a Mawu la dze wo yome le ablɔ dzi eye Paulo kple Barnaba gblɔ na wo kple kukuɖeɖe be woaxɔ Mawu ƒe dɔmenyo si wòwɔ na wo la.
Le ŋkeke enyia gbe la du bliboa katã kloe va ƒo ƒu be yewoase Mawu ƒe nya la.
Amehawo ƒe agbɔsɔsɔ alea do ŋɔdzi na Yudatɔwo ale woʋã ŋu Paulo kple Barnaba ale gbegbe bena wogblɔ busunyawo eye wotsi tre ɖe nya sia nya si Paulo gblɔ la ŋu vevie.
Nu sia meɖe dzi le Paulo kple Barnaba ƒo o ke boŋ wogblɔ kple dzideƒo be, “Edze be woagblɔ Mawu ƒe nya nyui sia na mi Yudatɔwo gbã, gake esi mieɖi gbɔ̃ nya nyui la eye miebu mia ɖokui abe yewomedze na agbe mavɔ la o la, fifia míatsɔe ayii na Trɔ̃subɔlawo boŋ.
Esia nye se si Mawu de nam be, ‘Mewɔ wò be nãnye akaɖi na Trɔ̃subɔlawo eye nãkplɔ wo tso xexea me ƒe dzogoewo katã dzi ava be woakpɔ ɖeɖe le gbɔnye.’”
Paulo ƒe nya sia do dzidzɔ na Trɔ̃subɔlawo eye wo dometɔ siwo Mawu ŋutɔ tia da ɖi na agbe mavɔ la xɔe se.
Ale wɔ mawunya la keke ta le nutome ma katã me.
Dɔme ve Yudatɔwo ƒe dumegãwo ale gbegbe be wode ʋunyaʋunya dua me nyɔnu ŋkutatɔ siwo vɔ̃a Mawu kple dumegãwo me, ale be tɔtɔ gã aɖe va eye to esia me la wonya Paulo kple Barnaba do goe le dua me.
Ke woawo hã ʋuʋu woƒe afɔkewo ɖe anyi abe dzɔgbevɔ̃e ƒe dzesi ene eye woyi woƒe mɔzɔzɔa dzi ɖo ta Ikonio.
Ke dzidzɔ blibo yɔ ame siwo trɔ zu xɔsetɔwo la me eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã yɔ wo me fũ.
14
Abe ale si wowɔnɛ le afi sia afi si wode ene la, Paulo kple Barnaba gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Ikonio hã eye wogblɔ nya kple ŋusẽ tɔxɛ aɖe ale be ame geɖe siwo nye Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, trɔ zu xɔsetɔwo.
Ke Yudatɔ siwo medina be yewoase Mawu ƒe ɖeɖenya sia o la, gblɔ nya baɖa ƒomevi geɖewo ɖe Paulo kple Barnaba ŋu. Wowɔ esia be Trɔ̃subɔlawo nagaxɔ woƒe nyawo dzi ase o.
Esia hã meɖe dzi le Paulo kple Barnaba ƒo kura o, ke boŋ wonɔ dua me hegblɔ mawunya kple dzideƒo ɣeyiɣi didi aɖe. Aƒetɔ la na ŋusẽ wo wowɔ nukunu geɖewo be woafia kɔtee be eƒe nya la kakam wole vavã.
Dua me tɔwo ma ɖe akpa eve, ɖewo nɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo yome eye ɖewo hã nɔ Paulo kple Barnaba yome.
Ke ame aɖewo va nɔ ɖoɖo wɔm be yewoade zitɔtɔ Trɔ̃subɔlawo ƒe ha, Yudatɔwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo me ɖe Paulo kple Barnaba ŋu ale be ame siawo nadze Paulo kple Barnaba dzi aƒu kpe wo, awɔ nuvevi wo.
Esi apostoloawo se nya sia la, wosi dzo le dua me heyi Likaonia ƒe duwo, Listra kple Derbe nutomewo.
Eye wogblɔ nyanyui la fia le afi mawo hã.
Le Listra la ŋutsua aɖe le anyinɔƒe, ame si metea ŋu tsia tre ɖe eƒe afɔwo dzi o, eye wònye tekunɔ tso dadaa ƒe dɔme ke; mezɔ azɔlĩ kpɔ o.
Ame sia ɖo to Paulo esi wònɔ nu ƒom na ameawo. Paulo lĩ ŋku ɖe edzi gãa eye wòkpɔ be xɔse le esi na dɔyɔyɔ,
eya ta Paulo yɔe gblɔ be, “Tsi tre ɖe wò afɔwo dzi!” Le gbeɖeɖe sia nu la, ŋutsua ti kpo eye wòde asi azɔlĩzɔzɔ me.
Nukunu sia wu gbɔgblɔ na amehawo eye wogblɔ le wo nɔewo dome le woawo ŋutɔwo degbe me be, “ame siawo la, mawuwoe wonye le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me. ”
Le woƒe nuwɔnawo ta la, wona ŋkɔ Barnaba be Yupiter si nye Helatɔwo ƒe mawu eye woyɔ Paulo be Merkurio elabena eyae nye ame si nɔ nu ƒom geɖe wu.
Enumake Yupiter ƒe trɔ̃nua si ƒe nɔƒe le dua godo la tsɔ seƒoƒowo kple nunanawo fũ vɛ eye wòwɔ dzadzraɖo be yeawu nyitsu gã aɖe atsɔ asa vɔe na wo le dua ƒe agbowo nu le ameha la ŋkume.
Nuwɔna sia gbã dzi na Barnaba kple Paulo vevie ŋutɔ ale wosi du ge ɖe ameawo dome eye wodo ɣli gblɔ na wo be,
“Mía tɔwo, nu kae nye busunu sia wɔm miele? Míawo hã amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene. Đe míeva be míagblɔ nyanyui sia na mi be miadzudzɔ nu maɖinu siawo tɔgbi subɔsubɔ eye miado gbe ɖa na Mawu gbagbe si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nu siwo katã le eme la boŋ.
Tsã la Mawu ɖe asi le dukɔ ɖe sia ɖe ŋu wòwɔ nu si dze eŋu.
Ke hã la medzudzɔ ɖaseɖiɖi tso eɖokui ŋuti o, elabena ewɔa nu nyuiwo na mí, enaa tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo kple nuŋeɣiwo eye wòna nuɖuɖu geɖe mí hetsɔ dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.”
Togbɔ be woɖe nya me na ameawo alea hã la, esẽse hafi wozi wo dzi be womete ŋu sa vɔ la na wo o.
Ke le ŋkeke ʋe aɖewo ko megbe la, Yudatɔ aɖewo gatso Antioxia kple Ikonio va do ɖe Listra eye wogade ʋunyaʋunya dua me tɔwo me ɖe Paulo ŋu. Amehawo ho ɖe Paulo ŋu, ƒu kpee nyui va se ɖe esime wòku ƒenyi eye wohee do goe le dua me elabena wobu be eku.
Xɔsetɔwo kple nɔvinɔviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu kasia, Paulo fɔ, wo katã trɔ yi Listra dua me, eye le ŋkeke evea gbe la, wo kple Barnaba dzo yi Derbe.
Wonɔ Derbe hegblɔ nyanyui la le afi ma ŋkeke ʋe aɖewo eye ame geɖewo trɔ zu woƒe nusrɔ̃lawo. Emegbe la wogatrɔ yi Listra, Ikonio kple Antioxia eye wodo ŋusẽ xɔsetɔwo hefia ale si woalɔ̃ Mawu kple wo nɔewoe ɖe edzi wu la wo.
Wode dzi ƒo na xɔsetɔawo be woalé woƒe xɔse la me ɖe asi sesĩe togbɔ be wole funyafunya wɔm wo hã elabena fukpekpe mee woato age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me.
Paulo kple Barnaba ɖo hamemegãwo ɖe ha sia ha nu eye wowɔ nutsitsidɔ kple gbedodoɖa hetsɔ ameawo de asi na Mawu be wòakpɔ wo dzi le woƒe dɔwɔwɔwo me.
Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔa dzi to Pisidia nutome va ɖo Pamfilia alo Terki.
Wogagblɔ nya le Perga hã hafi tso eme yi Atalia.
Mlɔeba la, woɖo tɔdziʋu hetrɔ va ɖo Antioxia afi si wodze woƒe mɔzɔzɔa gɔme le. Afi siae Mawu de dɔ si nu wowu fifia la asi na wo le.
Esi wogbɔ va ɖo Antioxia la woyɔ xɔsetɔawo katã ƒo ƒui heka nu gã siwo Mawu wɔ kpli wo la ta na wo. Wogblɔ ale si Mawu ʋu xɔse ƒe mɔ na Trɔ̃subɔlawo hã la na ameawo.
Paulo kple Barnaba tsi Antioxia henɔ xɔsetɔawo gbɔ ɣeyiɣi didi aɖe.
15
Le ɣeyiɣi si me Paulo kple Barnaba nɔ Antioxia la, ame aɖewo tso Yudea va Antioxia dua me. Ame siawo va nɔ nu fiam Trɔ̃subɔla siwo trɔ zu kristotɔwo la be, ehiã vevie be woatso aʋa na wo abe ale si Yudatɔwo wɔnɛ ene, hafi woakpɔ ɖeɖe.
Paulo kple Barnaba melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o ale wohe nya kple nenem me siawo vevie. Mlɔeba la, Antioxia ha la ɖe hametɔ aɖewo kpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu heɖo wo ɖe Yerusalem be woayi aɖadzro nya sia me kple apostoloawo kple hamemegãwo anya woƒe susu le eŋu ava gblɔ na yewo.
Ha blibo la katã yi ɖaɖo ame dɔdɔawo ɖa va se ɖe Antioxia dua godo, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi. Le mɔa dzi la, ame dɔdɔawo tɔ ɖe Foenike kple Samaria du siwo le mɔa dzi la me eye wogblɔ ale si Mawu le dɔ wɔm le Trɔ̃subɔlawo dome la na xɔsetɔ siwo le afi ma. Nya sia do dzidzɔ blibo na ame sia ame si see.
Ame dɔdɔawo va ɖo Yerusalem eye wowɔ takpekpe kple apostoloawo kple hamemegãwo katã. Paulo kple Barnaba ƒo nu tso dɔ si wɔm Mawu le to wo dzi le teƒe vovovowo la ŋu na wo.
Ke enumake, ame siwo nye Farisitɔwo tsã hafi trɔ zu kristotɔwo la, tsi tre eye wogblɔ be ele be woatso aʋa na Trɔ̃subɔla siwo trɔ zu xɔsetɔwo katã eye woawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo katã hã dzi pɛpɛpɛ.
Nya sia na be apostoloawo kple hamemegãwo gaɖo ŋkeke be yewoabu tame le nya la ŋu nyuie.
Esi ŋkekea ɖo la wo katã wogava ƒo ƒu eye wodzro nya sia me ɣeyiɣi didi aɖe. Mlɔeba la, Petro tsi tre heƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, miawo ŋutɔ mienya be anɔ abe ƒe aɖewo nye esi va yi ene la, Mawu tiam le mia dome eye wòɖom ɖa be magblɔ nyanyui la na Trɔ̃subɔlawo ale be woawo hã woaxɔ se azu kristotɔwo.
Mawu si nya amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe dzime la, xɔ wo hena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wo abe ale si wòna míawo hã ene.
Mede vovototo aɖeke mí kple woawo dome o elabena eɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖa tso xɔse me abe míawo ke ene.
Ke nɔvinyewo, nu ka ta miedi be miate Mawu kpɔ adi be yewoatsɔ agba kpekpe si míawo ŋutɔ kple mía tɔgbuitɔgbuiwo mete ŋu tsɔ o la da ɖe woawo dzi be woatsɔ mahã?
Ao, ɖe miexɔe se kpɔ be Aƒetɔ Yesu, si nye Mawu ƒe nunana la dzi koe ame sia ame ato akpɔ ɖeɖe oa?”
Le nuƒo sia megbe la ƒuƒoƒea zi ɖoɖoe eye nyahahe aɖeke megayi edzi o. Esia na mɔnu Paulo kple Barnaba be wogblɔ nukunu gã siwo Mawu wɔ to wo dzi le Trɔ̃subɔlawo dome la na wo.
Esi woawo hã ƒe gbe dze anyi la, Yakobo hã tsi tre heƒo nu gblɔ be, “Tɔnyetɔwo, miɖo tom.
Petro gblɔ ale si Mawu ŋutɔ tia amewo tso Trɔ̃subɔlawo dome bena woasubɔ ye ade bubu yeƒe ŋkɔ ŋuti la na mi.
Trɔsubɔla siwo trɔ zu Kristotɔ siawo ƒe nya sɔ kple nyagblɔɖila Amos ƒe nyagblɔɖi sia be
‘Le nu siawo megbe la magatrɔ ava eye magatu David ƒe aƒe si mu dze anyi la, magagbugbɔ aɖo eƒe gli gbagbãwo eye mafɔ wo ɖe tsitre,
ale be ame susɔewo adi Aƒetɔ la kple Trɔ̃subɔla siwo ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la, Aƒetɔ la, ame si wɔa nu siawo katã lae gblɔe.’
Esiae nye nu si Aƒetɔ, ame si ɖe eƒe ɖoɖo si wòwɔ tso gɔmedzedzea me fia mí la, gblɔ.
Esia ta nye nyametsotsoe nye be, mehiã be míaɖe fu na ame siwo trɔ va Mawu gbɔ la o.
Ke ɖe ko míabia tso wo si be woadzudzɔ lã siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo kple lã siwo tsi ʋu me la ɖuɖu eye hekpe ɖe esiawo ŋu la, woadzudzɔ ahasiwɔwɔ.
Elabena tso blema ke la, nu siawo nye kɔ na Yudatɔwo eye woƒoa nu le wo ŋu le Sabat sia Sabat dzi le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo.”
Azɔ la apostoloawo kple hamemegãwo katã va lɔ̃ ɖe edzi be yewoaɖe ame aɖewo woakplɔ Paulo kple Barnaba ɖo ayi Antioxia be woaɖagblɔ nu si dzi woɖo kpee la na hame si le afi ma. Wotia hamemegã eve be woayi. Woawoe nye Yuda si wogayɔna be Barsaba kple Sila.
Woŋlɔ agbalẽ de ame dɔdɔawo si eye emenyawo yi ale, “Mía nɔvi Trɔ̃subɔla siwo trɔ̃ zu xɔsetɔwo le Antioxa, Siria kple Kilikia, mixɔ gbedoname tso apostoloawo, hamemegãwo kple mia nɔvi siwo le Yerusalem la gbɔ.
Míese be xɔsetɔ aɖe siwo tso mía gbɔ le afii la va mia dome eye wova gblɔ nya aɖewo, siwo ɖe fu na miaƒe susu eye woʋuʋu miaƒe xɔse kple ɖeɖekpɔkpɔ la na mi. Míedi be mianya be, menye míawoe dɔ ame siawo ɖo ɖe mi o.
Ke esi míawo hã miebu nya la ŋu eye mí katã míeɖo kpe nu si nye nyateƒea dzi vɔ la, míeɖoe be anye susu nyui aɖe ŋutɔ be míaɖe ame dɔdɔ eve siwo woakplɔ mía nɔvi lɔlɔ̃awo, Paulo kple Barnaba, ɖo ava mia gbɔ.
Ame dɔdɔ eve siawo nye Yuda kple Sila, ame siwo tsɔ woƒe agbe ke faa na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo.
Míeka ɖe dzi be ame siawo aƒo nu aɖo kpe nu si nye míaƒe susu le nya siwo le fu ɖem na míaƒe susuwo la dzi na mi.
Míekpɔe dze sii be enyo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be menyo be míatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o,
be miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kpakple lã tsiʋumewo ɖuɖu eye miatsri ahasiwɔwɔ hã. Ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nu siawo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi nyuie.”
Ame dɔdɔ eneawo dze mɔ ɖo ta Antioxia enumake. Esi wova ɖo la woƒo kristotɔwo katã nu ƒu eye wotsɔ gbedeasia ɖo woƒe ŋkume.
Esi woxlẽ agbalẽa eye wose emenyawo la, hame bliboa kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe.
Hekpe ɖe agbalẽa ŋu la, Yuda kple Sila ame siwo nya Mawu ƒe nya nyuie la gaƒo nu geɖe na hamea hedo ŋusẽ woƒe xɔse.
Wonɔ Antioxia ŋkeke geɖe hafi wodo mɔ wo kple dzidzɔgbedoname tso Antioxia hamea gbɔ vɛ na Yerusalem hame si dɔ wo ɖa.
Ke enyo Sila ŋu be yeatsi afi ma.
Paulo kple Barnaba hã gatsi Antioxia hena kpekpeɖeŋu ame siwo nɔ mawunya gblɔm henɔ nu fiam amewo le afi ma.
Le ŋkeke aɖewo megbe la, Paulo doe ɖe Barnaba gbɔ be, “Na míagbugbɔ ayi aɖakpɔ nɔvi siwo le du siwo me míegblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la le la, akpɔ ale si wole zɔzɔmii la ɖa.”
Barnaba lɔ̃, ke edi be yewoatsɔ Yohanes, si woyɔna be Marko la, akpe ɖe yewo ɖokui ŋu.
Ke le ale si Marko gblẽ wo ɖi le Pamfilia eye meyi dɔa dzi kple wo o ta la Paulo mebui be enyo be wòagayi kpli yewo o.
Nu sia he masɔmasɔ de Paul kple Barnaba dome ale gbegbe be wo dome ma. Barnaba kplɔ Marko ɖe asi eye woɖo tɔdziʋu yi Kipro.
Ke Paulo hã tsɔ Sila kpe ɖe eɖokui ŋu, eye nɔviawo tsɔ wo de asi na Aƒetɔ la ƒe amenuveve.
Woto Siria kple Kilikia nutowo me henɔ ŋusẽ dom hame siwo nɔ afi ma.
16
Teƒe gbãtɔ si Paulo kple Sila de lae nye Derbe. Emegbe woyi Listra. Le afi sia la wodo go nusrɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Timoteo ame si dada nye Yudatɔ kple kristotɔ ke fofoa nye Helatɔ.
Timoteo nye ɖekakpui aɖe si ƒe dɔwɔwɔ dze kristotɔ siwo le Listra kple Ikonio ŋu nyuie ŋutɔ.
Le esia ta Paulo bia tso esi be wòadze yewo yome le yewoƒe mɔzɔzɔ la me. Hafi woadze mɔ la, Paulo tso aʋa na Timoteo be wòaganye nuɖianu na Yudatɔ siwo le nutomea la o, elabena ele nyanya me na ame sia ame be Helatɔe nye Timoteo fofo.
Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi henɔ tsatsam le duwo me. Afi sia afi si woɖo la, wogblɔa nya siwo dzi apostolowo kple hamemegãwo ɖo kpee le Yerusalem le Trɔ̃subɔlawo siwo zu kristotɔwo ŋu la na hameawo.
Esia na be hameviawo tsi ɖe edzi le gbɔgbɔ me eye woƒe xexlẽme hã dzi ɖe edzi.
Tso afi ma la, woyi Frigia kple Galatia nutome elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la meɖe mɔ na wo be woayi Asia nyigba dzi le ɣeyiɣi sia me o.
Woto Misia liƒo dzi heyina Bitinia le dzigbe godzi. Ke Yesu ƒe gbɔgbɔ gaxe mɔ na wo eya ta womete ŋu yi Bitinia o
ke boŋ woto Misia nutome heyi Troa.
Le gbe ma gbe ƒe zã me la, Paulo kpɔ ŋutega aɖe. Ekpɔ ame aɖe si tsi tre ɖe Makedonia le Hela nyigba dzi nɔ kuku ɖem nɛ be, “Tso ƒu la nãva mía gbɔ le Makedonia le afii ne nãva kpe ɖe mía ŋu.”
Enumake míeɖoe be míayi Makedonia elabena edze na mí kɔtee be Mawu le mía ɖom ɖe afi ma be míayi aɖagblɔ nyanyui la.
Míeɖo tɔdziʋu le Troa va Samotrake eye le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Neapoli.
Mlɔeba la míeva ɖo Filipi si nye Romatɔwo ƒe dutsotso aɖe si le Makedonia nyigba ƒe liƒo dzi tututu. Míenɔ afi ma ŋkeke geɖewo.
Le Sabat dzi la míeyi tɔsisi aɖe si didi tso dua gbɔ vie la to afi si míese be ame aɖewo ƒoa ƒu ɖo doa gbe ɖa le, eye gbe ma gbe la míegblɔ mawunya na nyɔnu siwo va teƒea.
Nyɔnu siawo dometɔ ɖekae nye Lidia si nye avɔdzrala aɖe tso Tiatira. Enye mawuvɔ̃la xoxo eye esi Paulo nɔ nu ƒom la Mawu ʋu eƒe dzi eye wòxɔ nya siwo katã Paulo gblɔ la dzi se.
Esia ta míede mawutsita na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã eye emegbe la ekpe mí be, míava dze ye ƒeme. Lidia gblɔ na mí be, ‘Ne miexɔe se tututu be nye hã menye Aƒetɔ la tɔ vavã la ekema miva dze gbɔnye.’ Eƒoe ɖe mía nu ʋuu va se ɖe esime míelɔ̃ yi ɖadze egbɔ. Wode Paulo kple Sila gaxɔ me.
Gbe ɖeka esi míenɔ mɔ dzi yina gbedoɖaƒe le tɔa to la, míedo go ɖetugbi aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ eye wòtea ŋu kaa afa na amewo eye to esia me wòwɔa ga geɖe ŋutɔ na eƒe aƒetɔ elabena kluvi wònye.
Đetugbi sia nɔ mía yome nɔ ɣli dom be, “‘Ame siawo la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ ƒe dɔlawo wonye eye ɖe wova be yewoafia mi ale si miawɔ be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.’”
Đetugbi la wɔ nenem nu sia ŋkeke geɖe ke gbe ɖeka la, eva glo Paulo ale wòtrɔ ɖe ɖetugbi la ŋu heblu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ si le eme la ta be, “Mele gbe ɖem na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be do go le ɖetugbi sia me fifi laa!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme enumake.
Nuwɔna sia do dziku na ɖetugbi sia ƒe aƒetɔwo elabena wobu woƒe gakpɔmɔnu. Le esia ta wona wolé Paulo kple Sila hekplɔ wo yi ʋɔnudrɔ̃la gãwo ƒe ŋkume le dutoƒo.
Nutsotso si wowɔ ɖe wo ŋu na dumegãwo lae nye be, “Yudatɔ siawo va le to gblẽm na amewo le dua me
be woawɔ nu siwo tsi tre ɖe Romatɔwo ƒe sewo ŋu.”
Kasia, ameha gã aɖe va ƒo ƒu henɔ ɣli dom. Edze ƒã be woɖo be yewoawɔ ʋunyaʋunya. Le esia ta dumegãwo bu fɔ Paulo kple Sila eye woɖe gbe be woaƒo wo kple ati.
Esi woƒo wo wòte wo ŋu nyuie la, wotsɔ wo de gaxɔ me, eye wogblɔ na gaxɔdzikpɔla vevie be ne menya o ameawo si la ekema eya ŋutɔ aku.
Le esia ta gaxɔdzikpɔla hã mefe kpli wo kura o. Etsɔ wo de gaxɔa ƒe gogloeaƒe ke eye wòde ga afɔ na wo sesĩe.
Le zã bliboa me la Paulo kple Sila nɔ gbe dom ɖa nɔ ha dzim nɔ Mawu kafum. Gaxɔmenɔla bubuawo hã nɔ woƒe hawo sem.
Le zã ga wuieve me tututu la, anyigba ʋuʋu sesĩe eye gaxɔ bliboa ʋuʋu kpekpekpẽ, ʋɔtruawo katã ʋu le wo ɖokuiwo si eye ga si wode gaxɔmenɔla ɖe sia ɖe la ɖe ɖa.
Esi gaxɔdzikpɔla nyɔ tso alɔ̃ me eye wòkpɔ be ʋɔtruawo katã nɔ ʋuʋu ɖi la, vɔvɔ̃ ɖoe elabena ebu be gamenɔlawo katã si dzo. Le esia ta, eɖe eƒe yi le aku me be yeawu ye ɖokui.
Ke Paulo do ɣli gblɔ nɛ be, “Nɔvi, mègawɔ nuvevi ɖokuiwo o; mí katã míele afii.”
Enumake gaxɔdzikpɔla la bia akaɖi; ƒu du yi ɖe eme eye wòdze klo ɖe Paulo kple Sila ƒe afɔ nu le dzodzo nyanyanya me.
Ekplɔ wo do goe hebia be, “Aƒetɔ, nu kae le nam be mawɔ bena makpɔ ɖeɖe?”
Woɖo eŋu nɛ be, “Ne èxɔ Aƒetɔ Yesu dzi se la, ekema wò kple wò aƒe blibo la miakpɔ xɔxɔ.”
Wogblɔ Aƒetɔ la ƒe nya nɛ kple eƒe aƒemetɔwo katã.
Le zã ma ke me gaxɔdzikpɔla klɔ woƒe abiwo na wo; eye enumake wode mawutsi tsi ta na eya kple eƒe aƒe bliboa.
Ena nu wo, woɖu eye aƒea me tɔwo katã yɔ fũ kple dzidzɔ elabena wotrɔ zu Mawu dzi xɔselawo.
Le ŋdi me la ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo kpovitɔwo ɖe gaxɔdzikpɔla la kple gbeɖeɖe sia be, “Đe asi le ŋutsu mawo ŋu ne woadzo.”
Gaxɔdzikpɔla la gblɔ nya la na Paulo be, “Ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo gbe ɖa be woaɖe asi le wò kple Sila ŋuti. Eya ta miate ŋu adzo azɔ. Miheyi le ŋutifafa me.”
Ke Paulo gblɔ na kpovitɔwo be, “Woƒo mí le dutoƒo ʋɔnumadrɔ̃madrɔ̃e, togbɔ be míenye Romatɔwo hã; wode mi gaxɔ me, ke azɔ la woaɖe mí ado goe le adzamea? Gbeɖe! Đe ko woawo ŋutɔ nava hafi woakplɔ mi adoe.”
Kpovitɔ siwo wodɔ ɖo ɖe gaxɔdzikpɔla gbɔ la trɔ va gblɔ Paulo ƒe nya la na ʋɔnudrɔ̃lawo eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ esi wose be Paulo kple Sila nye Romatɔwo ta.
Dumegãwo ɖe abla va wo gbɔ le gaxɔa me eye woɖe kuku na wo be woado go adzo le dua me.
Paulo kple Sila trɔ yi Lidia ƒe aƒe me, eye xɔsetɔwo va ƒo ƒu ɖe wo ŋu eye wogagblɔ nyanyui la na wo hafi dzo le dua me.
17
Azɔ ame eveawo zɔ mɔ to Amfipolis kple Apolonia nutomewo va ɖo Tesalonika afi si Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe le.
Paulo yi ƒuƒoƒe sia abe ale si wòwɔne ɖaa ene eye wògblɔ mawunya na ameawo.
Ewɔ esia Sabat etɔ̃ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo. Eɖe mawunya ƒe akpa si ku ɖe Mesia la ƒe fukpekpe, ku kple tsitretsitsi ŋu la me na wo, eye wòdze agbagba hã ɖee fia wo tso mawunya me be “Yesue nye Mesia alo Đela la vavã.”
Ame geɖe siwo se Paulo ƒe nya la trɔ zu kristotɔwo eye wo dometɔ aɖewo nye Helatɔ siwo me mawuvɔvɔ̃ le, kple dua me nyɔnu ŋkutatɔ aɖewo.
Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ dua me la ʋã ŋu Paulo kple Sila eya ta woƒo gbevu aɖewo nu ƒu eye wowɔ ʋunyaʋunya le dua me le Paulo kple Sila ta. Wova dze Yason ƒe aƒe afi si wonɔ la dzi kple susu be yewoalé Paulo kple Sila ahe wo va dumegãwo ŋkumee ne woahe to na wo.
Ke womekpɔ Paulo kple Sila le aƒea me o eya ta wolé Yason kple kristotɔ aɖewo, kplɔ wo yi dumegãwo gbɔe. Wotsɔ nya ɖe Yason kple etɔwo ŋu eye wotso wo nu kple ɣli be, “Paulo kple Sila, ame siwo he tɔtɔ va xexea me ƒe akpa geɖewo la va míaƒe du me afi sia hã hele ʋunyaʋunya hem vɛ.”
Ke Yason ya na sitsoƒe wo ɖe eƒe aƒe me. Le esia ta wo katã wodze na ku elabena wole gbɔgblɔm be fia bubu aɖe gali si ŋkɔe nye Yesu, ame sia lolo wu Kaisaro.”"
Nya siawo medzɔ dzi na dumegãwo kple dua me tɔwo kura o.
Eya ta woka ŋkume na Yason kple etɔwo vevie eye wona ame aɖe de megbe na wo be yewomagawɔ nu sia ƒomevi azɔ o hafi woɖe asi le wo ŋu.
Le zã ma me la kristotɔ siwo le dua me la kplɔ Paulo kple Sila do goe le dua me alɔtsɔtsɔe eye woyi Beroea. Paulo kple Sila gayi woƒe dɔ dzi le afi sia hã heyi ɖagblɔ mawunya le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me la me.
Beroeatɔwo ya lé fɔ ɖe nya la ŋu wu Tesalonikatɔwo, eye woɖo to Paulo ƒe nyagbɔgblɔ kple dzidzɔ. Woawo ŋutɔwo hã nɔa mawunya la me dzrom ɣesiaɣi be yewoakpɔe ɖa be nyateƒenya gblɔm Paulo kple Sila nɔ mahã."
To esia me la, wo dometɔ geɖewo zu xɔsetɔwo eye Helatɔ ŋkutatɔ siwo nye nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa xɔ nya la dzi se.
Esi Yudatɔ siwo tso Tesalonika la gase be Paulo nɔ mawunya gblɔm le Beroea la, wogati wo yome yi afi ma hã eye wògade zi ameawo me ɖe wo ŋu.
Ke kritsotɔwo wɔ kaba ɖo Paulo ɖe anyigbe gome lɔƒo gake Sila kple Timoteo ya tsi anyi.
Ame siwo kplɔ Paulo yii la ɖoe ɖa va se ɖe Atene hafi trɔ yi Beroea. Paulo de gbe asi ma wo be woagblɔ na Sila kple Timoteo be woawɔ kaba ava tu ye le Atene.
Esi Paulo nɔ Sila kple Timoteo lalam le Atene la, eɖi tsa le dua me. Nu siwo wòkpɔ la ɖu dzi nɛ ŋutɔ. Ekpɔ be legbawo bɔ ɖe dua me fũ.
Eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe be yeadzro nya me kple Yudatɔwo kple Helatɔ vɔ̃mawuwo. Eƒo nu na ameha si le dua ƒe takpeƒe la hã gbe sia gbe.
Paulo dzro nya me kple xexemenunyala gã aɖewo siwo woyɔna be Epikurea kple Stoiktɔwo la hã. Esi wòƒo nu na wo tso Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ŋu la, wo dometɔ aɖewo gblɔ be Paulo ƒe tagbɔ gblẽ alo dzixɔse yeye aɖe boŋ ŋue wònɔ nu ƒom le.
Ale wolée hekplɔe yi takpeƒe si woyɔna be Areopago la, afi ma wobia tso esi be, “Na míase nya tso nufiafia yeye si nèhe vɛ la ŋu.
Èle nya masekpɔ aɖewo gblɔm ɖe miaƒe towo me, míedi be míase nya siawo gɔme kple nu si wonye.”
Atenetɔwo katã kple amedzroawo hã lɔ̃a anyinɔnɔ ɖe takpeƒe wɔa woƒe ɣeyiɣi ŋutidɔ to nyamedzodzro kple susu yeyewo xɔxɔ me.
Esi ŋkekea ɖo la, Paulo tsi tre ɖe ameha la titina le Mastogbɛ la dzi heƒo nu gblɔ na wo bena, “Nɔvinye Atenetɔwo, edze nam ƒã be mienye ame siwo kpɔa dzidzɔ le mawuvɔvɔ̃ ŋu ŋutɔ,
elabena esi menɔ tsa ɖim le miaƒe dua me la, mekpɔ legba geɖewo kple vɔsamlekpuiwo hã. Nukutɔe la mekpɔ ɖe si mieme na ŋkɔe be, ‘Mawu si mienya o la tɔe.’ Mawu si miesubɔna le manyamanya me la ƒe nyae metsɔ vɛ na mi.”
“Mawu siae wɔ dziƒo kple anyigba kple nu siwo katã le eme eye wònye gã kple aƒetɔ na nu sia nu. Le esia ta menɔa gbedoxɔ si amewo tsɔ asi tui la me o,
eye le esime naneke mehiãnɛ o ta la, amegbetɔ mate ŋu awɔ naneke nɛ o. Ke eya boŋ na agbegbɔgbɔ nu sia nu eye wònaa nu ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu.
Mawu siae wɔ amegbetɔ siwo katã tso dzɔtsoƒe ɖeka eye wòkaka wo ɖe xexea me ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖo liƒo na dukɔwo eye wòɖo dukɔ siwo ayi ŋgɔ kple esiwo adze anyi la da ɖi xoxo.”
Mawu ƒe didie nye be amegbetɔwo nadii, ake ɖe eŋu togbɔ be egbɔ medidi tso ame aɖeke gbɔ o hafi hã.
Eya mee míele agbe le abe ale si miaƒe hɛnɔ aɖe gblɔe ene bena, ‘Míawoe nye Mawu viwo.’
Eya ta ne míenye Mawu viwo la ekema menyo be míabu be Mawu nye legba si amegbetɔ awɔ kple klosalo kple sika alo akpae kple kpe o.
Tsã la Mawu mia ŋku ɖe amegbetɔ ƒe numanyamanya dzi. Ke azɔ la ede se be ame sia ame naɖe asi le legbawo ŋu eye wòasubɔ ye ɖeka ko.
Elabena eɖo ŋkeke tɔxɛ aɖe da ɖi be yeava drɔ̃ ʋɔnu xexeame, eya ŋutɔ tia ame si le ʋɔnua drɔ̃ ge la da ɖi eye eyae nye ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.”
Esi wosee wògblɔ, nya tso fɔfɔ tso ame kukuwo dome ŋu la, nyasela aɖewo koe ŋutɔ ke ame bubuwo hã be, “Míedi be míagase nya sia ɣebubuɣi”
Ale Paulo dzo le takpeƒea.
Ame ʋe aɖewo ya dze eyome trɔ zu xɔsetɔwo. Ame siawo dometɔ aɖewo nye Dionisio si nye dumegã ɖeka kple nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Damari.
18
Le nu siawo megbe la, Paulo dzo le Atene heyi Korinto afi si wòdo go Yudatɔ aɖe si woyɔna be Akuila la le.
Wodzi Akuila le Ponto eye eya kple srɔ̃a Priskila nɔ Roma tsã gake Kaisaro Klaudio va de se be woanya Yudatɔwo katã dzoe le Roma dua me, eye le esia ta Akuila kple srɔ̃a ʋu va tsi Korinto.
Paulo dze Akuila kple srɔ̃a gbɔ le Korinto eye wòwɔ dɔ kpli wo elabena wo katã nye avɔgbadɔwɔlawo.
Paulo yia Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me le Sabat ɖe sia aɖe dzi hedzroa mawunya me kple Yudatɔwo kpakple Helatɔwo siaa.
Esi Sila kple Timoteo tso Makedonia va ɖo Korinto ko la, Paulo ɖe asi le eƒe avɔgbadɔwɔwɔa ŋu eye wònɔ nya gblɔm na Yudatɔwo gbe sia gbe henɔ ɖase ɖim be Yesue nye Mesia la.
Ke le ale si Yudatɔwo tsi tre ɖe eŋu sesĩe eye gawu la, wonɔ fewu ɖum henɔ busunyawo gblɔm ɖe Yesu ŋu ta la, Paulo ɖe ta le woƒe nya me eye wògblɔ na wo be, “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la magblɔ nyanyui la na Trɔ̃subɔlawo.”
Le esia megbe la edzo yi ɖanɔ Trɔ̃subɔla aɖe si ŋkɔe nye Tito Yusto la gbɔ. Ame sia ƒe aƒe te ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la ŋu eye wònye mawuvɔ̃la adodoe aɖe.
To Paulo ƒe afi ma nɔnɔ me la, Krispo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒea ƒe amegã la kple eƒe aƒe blibo la me tɔwo katã trɔ zu kristotɔwo eye wode mawutsi ta na wo. Nenema kee nye Korintotɔ bubu geɖewo hã.
Gbe ɖeka ƒe zã me la, Mawu ƒo nu na Paulo le drɔ̃eƒe be, “Mègavɔ̃ o; nɔ nya la gbɔgblɔ dzi eye mègazi ɖoɖoe o.
Elabena meli kpli wò eye ame aɖeke mate atsi tre ɖe ŋuwò o, ame geɖewo le du sia me siwo nye tɔnyewo.”
Nu sia do ŋusẽ Paulo ale wònɔ Korinto ƒe ɖeka kple afã sɔŋ henɔ Mawu ƒe nyateƒenya la gblɔm.
Ke esi wova ɖo Galio gɔvinae le Akaya nutome la, Yudatɔwo gatso ɖe Paulo ŋu eye wohee va gɔvina la gbɔe be wòadrɔ̃ ʋɔnui.
Wotsɔ nya ɖe eŋu be, “Ŋutsu sia le amewo hem be woasubɔ Mawu le mɔ si mesɔ kple Romatɔwo tɔ o la dzi.”
Esi Paulo ke nu ko la, Galio xɔ nya la hegblɔ na Yudatɔwo be, “Ne mi Yudatɔwo ɖe miele nutsotso nam tso nu vlo wɔwɔ aɖe alo amewuwu ŋuti la, anye ne maɖo to mi.
Gake esi wònye nu si ku ɖe miawo kple ame aɖe ƒe xɔse ŋuti la, miawo ŋutɔwo mikpɔ egbɔ. Nyemedi be manye ʋɔnudrɔ̃la le nya sia me o.”
Ale Galio nya wo do goe le ʋɔnudrɔ̃ƒea.
Amehawo do dziku vevie ale be wodze Sostene si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒea ƒe amegã yeyea dzi eye wolée heƒoe nyuie le ʋɔnudrɔ̃xɔa godo, gake Galio mede nu eme kura o.
Paulo ganɔ dua me ŋkeke aɖewo eye emegbe la, eklã kristotɔwo eye wòɖo tɔdziʋu hedzo yi Siria nutome. Ekplɔ Priskilia kple Akuila hã ɖe asi. Esi wova ɖo Kentarea la, Paulo lũ ta kolikoli le adzɔgbeɖeɖe si wòwɔ do ŋgɔe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu la ta.
Esi wova ɖo Efeso la Paulo gblẽ Akuila kple Priskila ɖe tɔdziʋua me eye wòyi ɖe dua me be yeadzro nya me kple Yudatɔ siwo le afi ma la le woƒe ƒuƒoƒe.
Wobia tso esi be wòanɔ anyi vie gake egbe.
Ke esi wòle dzodzom le wo gbɔ la edo ŋugbe na wo be, “Ne Mawu lɔ̃ la matrɔ ava.” Eya megbe la eɖo tɔdziʋu tso Efeso.
Esi wòɖo Kaisarea la, èyi ɖado gbe na hamea eye wòyi Antioxia.
Enɔ afi ma vie eye wòdze mɔ ɖo ta Terki ke etɔ ɖe Galatia kple Frigia nutomewo eye wòdo ŋusẽ hame siwo le nutomeawo hekpe ɖe wo ŋu be woagatsi ɖe edzi le gbɔgbɔ me. Apolo va Efeso kple Kɔrinto
Eva va eme be Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Apolo la tso Aleksandria si le Egipte la va Efeso. Ame sia nye mawunyanyala adodoe aɖe.
Wofia nui tso Aƒetɔ la ƒe mɔ ŋuti, egblɔa nya dzideƒotɔe eye wòfiaa nu tso Yesu ŋuti pɛpɛpɛ, togbɔ be Yohanes ƒe mawutsideta ko wònya hã.
Edze nufiafia gɔme le ƒuƒoƒea dzideƒotɔe. Esi Akuila kple Priskila se eƒe nyawo la wokpee yi wo ƒe aƒeme heɖe Mawu ƒe mɔ me nɛ tsitotsito wu esi wònya tsã.
Apolo di vevie be yeayi Hela nutome, ale xɔsetɔ siwo le Antioxia la do ŋusẽe be wòayi. Woŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe xɔsetɔ siwo le afi ma la be ne Apolo va la,
woaxɔe akpɔ edzi nyuie. Esi wòva ɖo Hela nutome la, egblɔ mawunya kple ŋusẽ eye wòdo ŋusẽ hame siwo nɔ afi ma. Edzro nya me kple Yudatɔwo le dutoƒo eye wòɖi ɖase be mawunya ɖee fia kɔtee be Yesue nye Mesia la vavã. Paulo ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia
19
Esime Apolo ganɔ Korinto la, Paulo hã zɔ mɔ to Terki nutowo me va ɖo Efeso. Ekpɔe be xɔsetɔ aɖewo le afi ma eye le woƒe nyamedzodzro me la,
Paulo bia wo se be, “Esi miezu kristotɔwo ɖe, miexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖe mia mea?” Ke woɖo eŋu be, “Ao, míexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o eye le nyateƒe me la, míese eŋkɔ hã kpɔ o. Nu kae wònye?”
Paulo yi dzi bia wo be, “Ekema nu ka dzie miexɔ se hafi wode mawutsi ta na mi?” Woɖo eŋu be, “Wode mawutsi ta na mí ɖe Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nufiafia nu.”
Nya sia mevivi na Paulo o ale wòfia wo be Yohanes Mawutsidetanamela ɖe ko wòwɔe be yeafia ale si ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ atrɔ va Mawu gbɔ eye emegbe la wòaxɔ Yesu Kristo ame si ƒe nya Yohanes gblɔ be ele vava ge la dzi ase ale be woade mawutsi ta nɛ ɖe eƒe ŋkɔ me.
Esi wose nya sia la wo katã wolɔ̃ eye Paulo gbugbɔ de mawutsi ta na wo ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me.
Emegbe la, Paulo do gbe ɖa ɖe wo ta eye wòda asi ɖe wo dzi ale be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ge ɖe wo me, eye woƒo nu kple gbegbɔgblɔ bubuwo hegblɔ nya ɖi hã.
Ameawo ƒe xexlẽme nɔ ame wuieve.
Paulo nɔ Efeso ɣleti etɔ̃ nɔ mawunya gblɔm le Sabat dzi. Edzea agbagba ɣesiaɣi be yeagblɔ nu si dzi wòxɔ se le mawufiaɖuƒea ŋu kple nu si ta wòxɔ edzi se la afia eye wòtena kpɔna be yeaɖe nya me na amewo be woaxɔ Yesu dzi ase.
Ame aɖewo mexɔ eƒe nya o ale wotsi tre ɖe eŋu vevie hegblɔ busunya geɖe ɖe Kristo ŋu le dutoƒo, nu sia na be Paulo dzo le wo gbɔ. Ke ekplɔ ame siwo xɔ eƒe nya la ɖe asi yi Tirano Takpexɔa me afi si wòƒo nu na wo le gbe sia gbe.
Ewɔ nu sia ƒe eve sɔŋ ale be Yudatɔwo kple Helatɔ siwo katã le Ausia si le Terki nutome la katã se nyanyui la.
Mawu wɔ nukunu tɔxɛwo to Paulo ƒe asi dzi,
ale gbegbe be wòtsɔa takuviwo kple akɔtawuiwo kaa dɔnɔwo ŋu wohayana eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã doa go le wo me.
Yudatɔ aɖewo hã nɔ tsatsam tso du me yi du me henɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me. Ame siawo va ɖo be yewoayɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ anya gbɔgbɔ vɔ̃e kpɔ be adze edzi na yewo mahã? Woɖoe be ne yewotu ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, yewoado ɣli ɖe eta be, “Meɖe gbe na wò le Yesu Kristo, ame si ƒe nya gblɔm Paulo le la ƒe ŋkɔ me be nãdo go!”
Ame siwo nɔ nu sia wɔm la woe nye Yudatɔwo ƒe Osɔfo aɖe si woyɔna be Skeva la ƒe viŋutsuvi adreawo.
Wova ke ɖe ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la ŋu vavã eye wote kpɔ be yewoanya gbɔgbɔ vɔ̃a le Yesu ƒe ŋkɔ me. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la bia wo be, “Menya nu tso Yesu kple Paulo ŋu nyuie, ke miawo ɖe, ame kawoe mienye?”
Enumake edzo dze wo dometɔ eve dzi, ƒo wo de abi wo ŋu eye wòvuvu awu le wo ŋu ale be wosi do go le aƒea me amamae.
Nya sia kaka ɖe Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa dome le Efeso dua me. Ale vɔvɔ̃ tɔxɛ aɖe dze wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi eye wode bubu Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ŋu.
Ame geɖewo va eye woʋu woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me.
Ame aɖe siwo nye afakalawo la lɔ woƒe dzogbãlewo kple nu kpotokpotoewo vɛ eye wotɔ dzo wo le dutoƒo. Nu siwo wotɔ dzoe la ƒe home anɔ abe ŋkeke ɖeka ƒe fetu ene.
Esia nye dzesi be mawunya xɔ aƒe le nutome vavã.
Emegbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dee Paulo me be, wòayi Hela nutome hafi atrɔ ayi Yerusalem. Eya ŋutɔ hã ɖoe be tso afi ma la ele be yeayi Roma hã.
Eɖo eƒe kpeɖeŋutɔ eve siwo nye Timoteo kple Erasto la ɖa be woadze ŋgɔ ayi Makedonia, Hela nutome, ke eya ŋutɔ gatsi Terki vie.
Ke le ɣemaɣi la, masɔmasɔ gã aɖe va Efeso dua me le kristotɔwo ta.
Ame si he masɔmasɔ sia vɛ lae nye Demetrio. Ame sia nye klosalonutula eye dɔwɔviwo nɔ esi fũ. Wonɔa Helatɔwo ƒe mawu, Diana, ƒe legbawo wɔm kple klosalo.
Gbe ɖeka la, Demetrio ƒo eƒe dɔwɔlawo kple ame siwo katã nye klosalonutulawo le dua me la nu ƒu eye wòƒo nu na wo ale “Mía tɔwo, miawo ŋutɔwo mienya be klosalonutudɔ siae míewɔna ɖuna.
Ke ele nyanya me na mi katã bena, Paulo va le tagbɔ gblẽm na amewo be mawu siwo wotsɔ asi wɔe la menye Mawu gbagbe o eye esia na be míaƒe dɔ megale edzi yim tututu le Efeso afii kple nutomea katã o.
Azɔ medi be mianya be menye míaƒe dɔwɔna ɖeɖe tae mele nya siawo gblɔm o ke boŋ ele bɔbɔe be míaƒe mawu bubutɔ, Diana, subɔsubɔ dzi aɖe kpɔtɔ eye madidi o la, Diana, si nye mawugã si wosubɔna le mía ƒe nutome afii kple xexeame godoo la ƒe ŋkɔ abu keŋ.”
Nya sia de adã tame na ameha la ale wode asi ɣlidodo me sesĩe be, “Diana, Efesotɔwo ƒe mawu la, lolo loo!”
Ɣlidodo sia na be amewo va ƒo zi be yewoakpɔ nu si le edzi yim la ɖa eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, du blibo la katã tɔ zi. Ame sia ame ƒu du yi ƒuƒoƒea eye wolé Gayo kple Aristako ame siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhatiwo, be woadrɔ̃ ʋɔnu wo.
Paulo di vevie be yeadze wo yome ayi ƒuƒoƒea gake nusrɔ̃la bubuawo meɖe mɔ nɛ o.
Roma srafo siwo le nutomea la dometɔ siwo nye Paulo xɔlɔ̃wo hã ɖo ame ɖe egbɔ gblɔ nɛ be megado ta ɖe afi ma o ne menye nenema o la eƒe agbe aɖo xaxa me.
Takpekpea ŋutɔ tɔ zi kɔtɔɔ. Ame sia ame nɔ ɣli dom nɔ nya sia nya ƒomevi si dze eŋu la gblɔm. Vavã, wo dometɔ geɖe hã menya nu si tututu ta wova ƒo ƒu ɖe afi ma gɔ̃ hã o.
Yudatɔ aɖewo kpɔ Aleksandro ɖa le amewo dome eye enumake wohee do goe wòva tsi tre ɖe ameha la ŋkume. Ekɔ asi dzi eye ɖoɖoe zi, ale wòde asi nuƒoƒo me na wo.
Ke esi ameha la kpɔe dze sii be Yudatɔ wònye la, wogade asi ɣlidodo me be, “Diana, Efesotɔwo ƒe mawu la, lolo loo! Diana, Efesotɔwo ƒe Mawu la, lolo loo!”
Mlɔeba la, dudzikpɔla ble wo nu wozi ɖoɖoe ale wòƒo nu na wo gblɔ be, “Efesotɔwo, ame sia ame nya be Efeso du siae nye trɔ̃ gã Diana si ge tso dziƒo la ƒe du gã.
Le esia ta mehiã be ne ame aɖe gblɔ nya bubu aɖe ko la, mianɔ ʋunyʋunya wɔm alea gbegbe o.
Ame siwo mielé va afii la mefi naneke le Diana ƒe gbedoxɔ me o eye womegblɔ nya gbegblẽ aɖeke ɖe Diana ŋu hã o.
Gake ne Demetrio kple eƒe hadɔwɔlawo kpɔ be nya aɖe le yewo kple ame siawo dome la ekema ɖe wòle na wo be woatsɔ nya ɖe wo ŋu le ʋɔnudrɔ̃ƒe. Ʋɔnudrɔ̃lawo hã le klalo be yewoadrɔ̃ nyaa na wo.
Ne nya bubu aɖe gali la, ekema woate ŋu ayi Dutakpekpea me aɖalé wo kpɔ.
Ke ne miekpɔ nyuie o la, Roma dziɖuɖua abia tso mía si be míana akɔnta le egbe ƒe ʋunyaʋunya si nu ta mele o la ŋu, eye nyemenya nya ka magblɔ ne wòva eme alea o.”
Ale dudzikpɔla la kaka ƒuƒoƒoa eye ame sia ame trɔ dzo yi aƒeme.
20
Le nu siawo katã megbe la, Paulo yɔ nusrɔ̃lawo eye wògagblɔ nya na wo hede dzi ƒo na wo. Emegbe la eklã wo
hedzo ɖo ta Hela nutome. Le du sia du si me wòɖo le mɔa dzi me la, eƒoa nu hexlɔ̃a nu xɔsetɔ siwo le afi ma.
Paulo nɔ Hela nyigba dzi ɣleti etɔ̃ eye esi wònɔ dzadzram ɖo be yeayi ɖe Siria la, ese be Yudatɔwo nɔ ɖoɖo wɔm be yewoawui. Le esia ta eɖoe be yeagatrɔ aɖo ta Makedonia si le dzigbe gome la boŋ.
Ame geɖewo kplɔ Paulo ɖo ɖa va se ɖe keke Terki. Wo dometɔ aɖewoe nye Sopata si nye Piro ƒe vi tso Beroea, Aristaxo kple Sekundo siwo tso Tesalonika, Gayo tso Derbe, Timoteo, Tihiko kple Trofima ame siwo trɔ yina aƒe le Terki.
Ame siwo katã do ŋgɔ na mí eye wonɔ mía lalam le Troa.
Esime míeɖu ŋutitotoŋkekenyui la vɔ ko la, míeɖo tɔdziʋu le Filipi si le Hela nyigba la ƒe dzigbe gome eye le ŋkeke atɔ̃ megbe la míeva ɖo Troa si hã le Terki. Míenɔ afi ma kwasiɖa ɖeka.
Le Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ la míeƒo ƒu be míaxɔ Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Pauloe gblɔ nya gbe ma gbe. Esi wònye gbe ma gbee nye Paulo ƒe ŋkeke mamlɛtɔ le afi ma ta la, enɔ nu ƒom ʋuu va se ɖe zãtitina ke.
Wosi akaɖiwo ɖe afi si míenɔ le dziƒoxɔa dzi.
Esi Paulo nɔ nu ƒom alea la, ɖekakpui aɖe si woyɔna be Eutiko la nɔ akɔlɔ̃e dɔm le fesre ɖeka nu. Kasia, Eutiko ge tso fesrea nu le dziƒoxɔ etɔ̃lia dzi ke va dze anyigba kpla eye wòku enumake.
Nu si dzɔ la metso dzika ƒo na Paulo kura o ke boŋ eɖi ɖe anyigba, kɔ ɖekakpuia ɖe eƒe abɔwo me eye wògblɔ na ameha la be, “Migawɔ ʋunyaʋunya o, naneke medzɔ ɖe edzi o. Egale agbe.”"
Le nyateƒe me la, ɖekekpuia gagbɔ agbe, esia na be ameha la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.
Wo katã gatrɔ yi dziƒoxɔa dzi eye woɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Le eya megbe la, Paulo gayi eƒe nuƒoa dzi ʋuu va se ɖe fɔŋli hafi wòdzo le wo gbɔ.
Paulo to afɔ yi Aso, ke míawo míeɖo tɔdziʋu hedze ŋgɔ nɛ.
Eva tu mí le afi ma eye mí katã míeɖo ʋu yi Mitilene.""
Tso afi ma mieve to Kio ŋu, va to Samo eye mlɔeba la míeva ɖo Mileto le ŋufɔke.
Paulo megadi be yeatɔ ɖe Efeso azɔ o elabena edi be ne yeate ŋui la, yeaɖo Yerusalem kaba aɖu Pentekoste ŋkeke la le afi ma.
Esi míeɖi go ɖe Mileto la, Paulo ɖo ame ɖe Efeso hamemegãwo be woava do go ye le tɔdziʋua me.
Esi wova ɖo la, egblɔ na wo be," “Mienya ale si menɔ mia dome tso ŋkeke gbãtɔ si meva Asia nutowo me va se ɖe fifia.
Mesubɔ Aƒetɔ la le ɖokuibɔbɔɖeanyi kple aɖatsiwo me togbɔ be Yudatɔwo tem kpɔ to woƒe nugbeɖoɖowo ɖe ŋunye me hã.”
Gake hã la, nyemadzudzɔ nyateƒe la gbɔgblɔ na mi le dutoƒo loo alo le miaƒe aƒewo me kpɔ o.
Nya ɖeka ma ke koe megblɔ na Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa be, ehiã be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu to Yesu Kristo dzixɔse me.
Fifia la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hem yina Yerusalem, togbɔ be nyemenya nu si le lalayem le afi ma o hã.
Nu si ko Gbɔgbɔ la gblɔ nam le du sia du mee nye bena, fukpekpe kple gamenɔnɔ nye nu siwo wòle be makpɔ mɔ na.
Ke viɖe aɖeke mele nye agbe ŋu o, negbe ɖe ko mewɔ eŋutidɔ tsɔ wɔ dɔ si Aƒetɔ Yesu de asi nam. Dɔae nye be magblɔ nyanyui la na amewo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ gã ŋuti.”
Azɔ menyae nyuie be, mi ame siwo katã dome menɔ wɔ dɔ eye mefia nyanyui la mi la dometɔ aɖeke megale kpɔ nye ge akpɔ le agbe sia me o.
Medi be magblɔ na mi kɔtee be, womele ame aɖeke ƒe ʋu bia ge tso asinye o,
elabena nyemeɣla mawunya la ƒe akpa aɖeke ɖe mi o.
Azɔ la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie eye mikpɔ egbɔ be mienyi Mawu ƒe alẽha si nye hame si wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo mi hadzikpɔlawoe.
Menya nyuie be ne metrɔ megbe ko la, aʋatsonufiala aɖewo ava ɖo mia me abe amegaxi wɔadãwo ene, eye woadze agbagba be yewoagblẽ nu le alẽha si nye hamea ŋu.
Mia dometɔ aɖewo hã ate kpɔ atrɔ nyateƒe la bubui be amewo nadze yewo yome.
Eya ta minɔ ŋudzɔ! Miɖo ŋku ƒe etɔ̃ siwo menɔ mia dome la dzi. Miɖo ŋku ale si mekpɔa mia dzi zã kple keli kple ale si mexlɔ̃a nu mi kple aɖatsi zi geɖe la dzi.”
Azɔ metsɔ mi de asi na Mawu, eya ame si ƒe nya ana be miaƒe xɔse nali ke be wòakpɔ mia ta eye wòakpɔ gome le ame tiatiawo katã ƒe domenyinu la me.
Nyemebiã ŋu ɖe ame aɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu ŋu o.
Miawo ŋutɔ mienya ale si metsɔ nye asi wɔ dɔ hedi nye ŋutɔ kple nye kpeɖeŋutɔwo ƒe nuhiahiãwoe.
Zi geɖe la, mefia ale si miakpe ɖe ahetɔwo ŋui la mi elabena meɖo ŋku nya si míaƒe Aƒetɔ Yesu gblɔ dzi be, ‘Nunana hea yayra vanɛ wu nuxɔxɔ.’”
Esi Paulo wu eƒe nuƒoa nu la, edze klo hedo gbe ɖa kpli wo.
Le esia megbe la, wokpla asi kɔ nɛ hedo hedenyui nɛ kple avi,
vevɔ le esime wògblɔ na wo be womegale ye kpɔ ge akpɔ o la ta. Ale wokplɔe ɖo ɖa va se ɖe tɔdziʋua me ke.
21
Esi míeklã Efeso hanunɔlawo vɔ la míedze mɔ tẽ va ɖo Kos. Le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Rode eye tso afi ma míeyi Patara.
Le Patara la, míeɖo tɔdziʋu aɖe si nɔ Foenike si le Siria nutoa me yim.
Míeto Kipro ƒukpo la ŋu le miame lɔƒo eye míeva ɖi go ɖe Tiro ʋudzeƒea le Siria. Ʋua ɖe agba le afi sia.
Míawo hã míeɖi tsa yi dua me eye míedi xɔsetɔ siwo le afi ma la henɔ wo gbɔ kwasiɖa ɖeka. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo nu to hame sia dzi ale wogbe na Paulo be megayi Yerusalem o.
Ke esi míaƒe ɣeyiɣi de la míedzo eye míeyi miaƒe mɔzɔzɔ dzi. Hame blibo la, nusrɔ̃lawo kple wo srɔ̃wo kpakple wo viwo siaa va ɖo mi ɖa va se ɖe keke ƒuta, afi si míedo gbe ɖa le.
Míedo hedenyui na wo, ge ɖe tɔdziʋua me eye woawo hã trɔ yi aƒe me.
Tso Tiro míeva tɔ ɖe Pitolemia eye míenɔ afi ma hã ŋkeke ɖeka hesrã hame si le afi ma kpɔ.
Tso afi ma míeyi Kaisarea eye míedze nyanyuigblɔla Filipo si nye hadzikpɔla gbãtɔ adreawo dometɔ ɖeka la gbɔ.
Vinyɔnuvi ene siwo dometɔ aɖeke meɖe srɔ̃ haɖe o la nɔ esi. Mawu na nyagblɔɖi ƒe ŋusẽ wo dometɔ ɖe sia ɖe.
Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo eye le ɣeyiɣi sia me la, nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Agabu la tso Yudea nutome va kpɔ mí ɖa le Filipo gbɔ.
Agabu tsɔ Paulo ƒe alidziblaka eye wòbla eya ŋutɔ ƒe asiwo kple afɔwo hegblɔ be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la be, ‘Alea tututue Yudatɔwo awɔ ame si tɔe nye alidziblanu sia la le Yerusalem, eye woatsɔe ade asi na Romatɔwo.’”
Esi míese nya sia la, mí Paulo ŋumewo kple dua me kristotɔwo katã, míeɖe kuku na Paulo be megayi Yerusalem la o.
Ke Paulo ɖo eŋu na mí be, “Midzudzɔ avifafa elabena miele dzi gbãm nam. Mele klalo be manɔ gaxɔ me le Yerusalem eye gawu la maku le nye Aƒetɔ Yesu ta.”
Esi míekpɔe be Paulo ɖoe kplikpaa be yeayi Yerusalem la, míeɖe asi le nya la ŋu eye míetsɔe de asi na Mawu be wòawɔ eƒe lɔlɔ̃nu."
Le esia megbe la, míeƒo ƒu míaƒe agbawo eye míedze Yerusalem mɔ dzi.
Nusrɔ̃la aɖewo tso Kaisarea kplɔ mí ɖo, eye míeva ɖo Yerusalem la, míedze xɔsetɔwo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Mnason ame si nye xɔsetɔ xoxoawo dometɔ ɖeka si tso Kipro la ƒe aƒe me.
Esi míeɖo Yerusalem la kristotɔ siwo le dua me la xɔ mí nyuie ŋutɔ."
Ke ŋkeke eveagbe la Paulo kplɔ mí ɖe asi eye míeyi ɖado gbe na Yakobo kple hamemegã bubuawo le Yerusalem ha la me.
Esi míelɔ̃ gbe vɔ la, Paulo gblɔ ale si Mawu wɔ dɔ le Trɔ̃subɔlawo domee to eya Paulo ƒe dɔwɔwɔ me la na wo.
Hamemegãwo katã kpɔ dzidzɔ, kafu Mawu ke wogblɔ na Paulo be, “Yudatɔ geɖewo hã zu kristotɔwo gake woƒe ɖoɖoe nye be ele be Yudatɔ xɔsetɔ ɖe sia ɖe nagawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ.
Yudatɔ Kristotɔ siwo le Yerusalem afii la see be wò la, ètsi tre ɖe Mose ƒe sededewo kple mí Yudatɔwo ƒe kɔnuwo ŋu eye gawu la ègblɔ be, mele be woatso aʋa na wo viwo o.
Ke fifia ɖe, ale ke míele nya sia lé gee? Godoo la woasee be èva ɖo dua me.
”Nu si míedi be nãwɔe nye si ame ene aɖewo le mía dome siwo le dzadzram ɖo be yewoalũ ta aɖe adzɔgbe le sea nu,
eya ta míadi be wò hã nãkplɔ wo ɖo ayi gbedoxɔa me eye nãlũ ta. Hekpe ɖe esia ŋu la, nãxe fe ɖe ame ene siawo ƒe kɔnuwɔwɔ hã ta. Ne èwɔ esia la ekema ame sia ame adze sii be nya siwo yewose le ŋuwò la mele eme nenema o.
”Ke le Trɔ̃subɔla siwo trɔ zu kristotɔwo gome la, ame aɖeke mele gbɔgblɔm be woawo hã nawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo dzi o, negbe nu siwo míeŋlɔ ɖo ɖe wo xoxo be, woadzudzɔ nu siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo la kple lã tsiʋumewo ɖuɖu eye womegawɔ matre o.”
Paulo lɔ̃ ɖe woƒe nya sia dzi eye wòdze ameawo yome woyi ɖawɔ kɔnuawo pɛpɛpɛ le gbedoxɔ la me, ale wòɖee fia ame sia ame be yele vɔsa wɔ ge le ŋkeke adrea gbe.
Ke esi wòsusɔ vie ŋkeke adrea nade la, Yudatɔ aɖewo tso Terki va Yerusalem eye wokpɔ Paulo le gbedoxɔa me. Enumake wode ʋunyanya amewo me ɖe eŋu eye wolé Paulo henɔ ɣli dom ɖe eŋu be,
“Israelviwo, mixɔ na mí loo! Ame siae tsi tre ɖe Yudatɔwo ŋu eye wònɔ gbɔgblɔm na amewo be womegawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi o. Gawu la, edo vlo míaƒe gbedoxɔ la hã eye wòkplɔ Trɔ̃subɔlawo yi míaƒe gbedoxɔ mee be yeaɖi gbɔ̃ gbedoxɔ la.”
Wogblɔ esia elabena wokpɔ Paulo wònɔ zɔzɔm kple Trofimo si nye Trɔ̃subɔla aɖe tso Efeso le Terki la, le ablɔ dzi eya ta wosusu be Paulo kplɔe yi gbedoxɔa mee.
Zitɔtɔ gã aɖe dzɔ le dua me le nya sia ta eye wolé Paulo, hee do goe le gbedoxɔa me hedo ʋɔa.
Esi wobe yewoawui ko la, ame aɖe yi ɖagblɔ na Roma srafowo ƒe amegã be ʋunyaʋunya gã aɖe le edzi yim le Yerusalem dua me.
Asrafomegã la ɖe eƒe asrafo aɖewo ɖo ɖa be woayi aɖatsi ʋunyaʋunya la nu. Esi amehawo kpɔ asrafoawo gbɔna ko la wodzudzɔ Paulo ƒoƒo.
Asrafoawo ƒe amegã la na wolé Paulo eye woblae sesĩe kple gakɔsɔkɔsɔ. Azɔ etrɔ ɖe ameha la gbɔ eye wòbia wo ame si Paulo nye kple nu vɔ̃ si wòwɔ.
Ame aɖeke mete ŋu na ŋuɖoɖo gobi aɖeke o elabena ame sia ame nɔ ɣli dom nɔ nya si dze eŋu la gblɔm. Le esia ta asrafowo ƒe amegã la ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi ɖe asrafowo ƒe nɔƒee.
Esi wova afi ma henɔ atrakpuiawo liam la ameha la galũ ɖe wo dzi kple adã. Esia na be asrafoawo kɔ Paulo ɖe abɔta be woƒe asi nagakae o.
Ke hã ameawo nɔ ɣli dom le wo yome sesĩe be, “Miwui! Miwui!”
Esi wova ɖo gaxɔa ƒe mɔnu la, Paulo gblɔ na asrafoawo ƒe amegã le Helagbe me be, “Amegã, magblɔ nya aɖe na wò.” Ewɔ nuku na asrafoa ŋutɔ be Paulo gblɔ Helagbe ale wòbiae be, “Đe nèse Helagbea?
Alo menye wòe nye Egiptetɔ ma si de zitɔtɔ amewo me abe ƒe ɖeka alo eve aɖewoe nye esi va yi ene eye nèkplɔ gbevuviwo abe akpe ene sɔŋ ene woyi ɖabe ɖe gbegbe aɖe oa?”
Paulo ɖo eŋu be, “Ao, nye la Yudatɔ menye tso Tarso le Kilikia nutome. Du sia nye du xɔŋkɔ aɖe. Meɖe kuku na wò ɖe mɔ nam maƒo nu na ameha la.”
Asrafowo ƒe amegã la lɔ̃ ɖe Paulo ƒe biabia la dzi ale Paulo tsi tre ɖe atrakpuia dzi hekɔ asi dzi na ameha la eye ɖoɖoe gã aɖe zi enumake. Azɔ eƒo nu na wo le Hebrigbe me be:
22
“Fofonyewo kple nɔvinyewo, to kukuɖeɖe me miɖo tom ne maɖe ɖokuinye nu ne miase.”
Esi ameawo se be enɔ Hebrigbe gblɔm la, wogazi ɖoɖoe ɖe edzi wu tsã.
Paulo yi edzi be, “Yuda vidzidzi ŋutɔŋutɔe menye tso Tarso le Kililkia nutome. Ke Yerusalem afi siae mede suku le, eye nye nufialae nye Gamaliel, ame si hem be mawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ abe ale si dze ene. Enye nye didi vevi ɣemaɣi be made bubu Mawu ŋu le nu sia nu si mawɔ la me abe ale si miawo hã miele ewɔm fifia ene.
Meti kristotɔwo yome. Mewɔ funyafunya wo, wu wo, lé ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa de gaxɔ me.
Yudatɔwo ƒe Osɔfogã alo Dumegã ɖe sia ɖe ate ŋu aɖi ɖase na mi le nya siawo ŋu, elabe mexɔ agbalẽ tɔxɛ tso wo gbɔ le Yerusalem si na ŋusẽm be mayi Yudatɔwo ƒe amegãwo gbɔ le Damasko eye woakpe ɖe ŋunye be malé kristotɔ siwo katã le dua me la, akplɔ wo va Yerusalem be woahe to na wo.”
Ke esime wòsusɔ vie maɖo Damasko dua me, le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, keklẽ gã aɖe tso dziƒo klẽ ƒo xlãm.
Ale medze anyi. Enumake mese ame aɖe ƒe gbe be, ‘Saulo, Saulo, nu ka tae nèle yonyeme tim ale mahã?’
”Mebia be, ‘Meɖe kuku, wò ame kae le nu ƒom nam?’ Gbea ɖo eŋu be, ‘Nyee nye Yesu, Nazaretitɔ, ame si yome tim nèle.’
Ame siwo nɔ ŋunye la se nuƒoa pɛpɛpɛ gake womese nu si wògblɔ la gɔme o.
Meyi edzi gabiae be, ‘Aƒetɔ nu ka mawɔ?’ “Aƒetɔ la gblɔ nam be, ‘Tso nãyi Damasko dua me eye ame aɖe agblɔ nu siwo wɔ ge nèle le ƒe siwo gbɔna me la na wo.’
”Ke esi metso le anyigba la mede dzesii be nyemegate ŋu nɔ nu kpɔm o. le kekeli gã ma ta; eya ta ame siwo le ŋunye la, lém ɖɔɖɔɖɔ hekplɔm yi Damasko.
Le afi ma la, ŋutsu aɖe si ƒe ŋkɔe nye Anania la va gbɔnye. Anania nye Yudatɔ, ame si mefena kple Yudatɔwo ƒe sewo o, ale Yudatɔ siwo katã le Damasko la tsɔ bubu tɔxɛ nɛ.
Ame sia va tsi tre ɖe gbɔnye eye wògblɔ nam be, ‘Nɔvinye Saulo, ʋu ŋku nãkpɔ nu!’ Enumake nye ŋkuwo ʋu eye megakpɔ nu.
Anania yi edzi gblɔ nam be, ‘Mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la tia wò be nãnya nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu, ase eƒe gbe eye nãkpɔ Dzɔdzɔetɔ la, ase eƒe nuƒo hã.
Hekpe ɖe esia ŋu la ele be nãtsɔ eƒe nyanyui la ayi xexea me ƒe afi sia afi eye nãgblɔ nu siwo nèkpɔ kple nu siwo nèse la hã fia amewo.
Azɔ ɣeyiɣigbegblẽ aɖeke megali o. Đe ko woade mawutsi ta na wò, aklɔ wò nu vɔ̃wo ɖa le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’
Metrɔ va Yerusalem eye gbe ɖeka esi menɔ gbe dom ɖa le gbedoxɔ la me la, mekpɔ ŋutega aɖe
eye Mawu gblɔ nam be, ‘Wɔ kaba nãdzo le Yerusalem elabena ne ègblɔ nye nya na amewo la womaxɔe se o.’
Ke meɖo eŋu be, ‘O, Aƒetɔ, ame siawo nya nyuie be ame siwo katã xɔ wò ŋkɔ dzi se la, meléa wo tso ƒuƒoƒe yi ƒuƒoƒe, ƒoa wo eye medea wo gaxɔ me.
Gawu la esime wonɔ wò dɔla Stefano wum la, nye ŋutɔ meda asi ɖe edzi. Menɔ afi ma eye mexɔ ame siwo nɔ ewum la ƒe awuwo lé ɖe asi na wo esime wonɔ kpe ƒumii.’
”Gake Mawu gblɔ nam be madzo le dua me godoo elabena yeaɖom ɖe kekeke Trɔ̃subɔlawo gbɔ be magblɔ nya na wo.”
Esi wògblɔ nya sia ko la, ameha la ganyra kple ɣli bobobo be, “‘Mikplɔ ame ma ƒomevi dzoe! Miyi ɖawui ! Medze be wòanɔ agbe o!’”
Ale woda woƒe awuwo ɖe ya me eye wolɔ ke hlẽ ɖe yame dzikutɔe.
Ale asrafowo ƒe amegã ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi xɔa mee, aƒoe kple atam va se ɖe esime wòato nyateƒe be, yenya nu si tututu ta ameha la do dziku ɖe ye ŋu nenema ɖo.
Esime wonɔ Paulo blam be yewoaƒoe la, ebia asrafoawo ƒe nunɔla aɖe si nɔ tsitre ɖe egbɔ be, “Ele se nu be miaƒo Romatɔ le esime womedrɔ̃ ʋɔnui oa?”
Asrafo sia yi eƒe amegã gbɔ enumake ɖagblɔ nɛ be, “Amegã, nu kae nye esia nèbe yeawɔ? Mènya be ame sia la Romatɔ wònye hafi nèbe woaƒoe oa?”
Asrafowo ƒe amegã la ɖe abla va Paulo gbɔ hebiae be, “Ŋutsu, Romatɔe nènye vavã?” Paulo ɖo eŋu be, “Ẽ, Romatɔe menye.”
Asrafowo ƒe amegã la hã gagblɔ nɛ be, “Nye hã Romatɔe menye gake ga home gbogbo aɖee mena hafi te ŋu zui.” Ke Paulo gblɔ nɛ be, “Nye ya Roma vidzidzie menye.”"
Nya sia na be vɔvɔ̃ ɖo asrafowo ƒe amegã la le esi wòɖe gbe be woaƒo Paulo ta. Asrafo siwo nɔ dzadzram ɖo ɖe eƒoƒo ŋu la katã bu le afi ma enumake esi wose be Romatɔe wònye.
Le ŋkeke evea gbe la, asrafowo ƒe amegã la ɖe Paulo le gaxɔ me eye wòyɔ Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo ƒo ƒui. Azɔ ekplɔ Paulo va wo ŋkume be yease nu si tututue le tɔtɔ sia hem vɛ la gɔme."
23
Paulo lĩ ŋku ɖe takpekpea dzi gãa eye wòƒo nu gblɔ be, “Nɔviwo, nye dzitsinya ka ɖe edzi nam, be nye agbenɔnɔ dzea Mawu ŋu ɣesiaɣi.”
Esi wòɖe nu le nya sia me tete ko la, Osɔfogã Anania ɖe gbe be ame siwo le Paulo gbɔ lɔƒo la naƒo nugbɔ nɛ. Ale woƒoe nɛ.
Paulo gblɔ nɛ be, “Mawu aƒo wò hã, wò ame si le abe gli si wosi akalo na ene. Ènɔ zi dzi be nadrɔ̃ ʋɔnum ɖe se la nu, ke wò ŋutɔ nèda sea dzi, ɖe gbe be woaƒo alɔgbɔ nam!”
Ame siwo nɔ tsitre ɖe Paulo gbɔ la do ɣli ɖe eta be, “Mɔ kae nèkpɔ ne nãnɔ Mawu ƒe Osɔfogã la dzum alea?”
Paulo ɖo eŋu be, “Tɔnye medzɔ o, nɔviwo, nyemenya be eyae nye Osɔfogã la o, elabena mawunya gblɔe be, ‘Mègagblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe wò kplɔlawo ŋu o.’”
Enumake susu aɖe va tame na Paulo. Ekpɔe dze sii be takpekpea me valawo ƒe akpa aɖe nye Zadukitɔwo eye ɖe hã nye Farisitɔwo. Eya ta edo ɣli gblɔ bena, “Nɔvinyewo, Farisitɔ menye abe tɔgbuinyewo ke ene, eye nu si ta wohem va ʋɔnui egbe lae nye be nye hã mexɔe se abe miawo ke ene be ame siwo ku la agafɔ tso ku me.”
Esi wògblɔ esia ko la ʋiʋli ge ɖe Farisitɔwo kple Zadukitɔwo dome eye takpekpea ma ɖe akpa eve,
elabena Zadikitɔwo gblɔna be tsitretsitsi tso ame kukuwo dome meli o, eye mawudɔlawo kple gbɔgbɔwo meli o, ke Faristɔwo xɔ nu siawo dzi se be woli.
Nu sia he tɔtɔ gã aɖe vɛ eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖewo tsi tre hedo ɣli be yewomekpɔ be naneke gblẽ le Paulo ŋu o, ke boŋ ɖewohĩ mawudɔla alo gbɔgbɔ aɖee ƒo nu nɛ le Damasko mɔ dzi.
Howɔwɔa va de dzi blibo eye ameawo nɔ Paulo hem tso afii yi afi. Mlɔeba la, asrafoawo ƒe amegã ɖe gbe na eƒe asrafowo be woakplɔ Paulo adzoe sesẽtɔe le wo gbɔ ne menye nenema o la woava vuvui, ale wokplɔe gayi ɖe gaxɔa mee le asrafowo ƒe nɔƒe.
Le zã me la, Aƒetɔ la va Paulo gbɔ va gblɔ nɛ be, “Paulo, dzi megaɖe le ƒowò o, elabena abe ale si nèɖi ɖase le ŋunye le Yerusalem ene la, nenema kee nèle ɖase ɖi ge le ŋunye le Roma hã.”
Esi ŋu ke la Yudatɔ aɖewo ƒo ƒu eye woka atam na wo ɖokuiwo be ne yewomewu Paulo o kpaa, yewomaɖu nu alo ano tsi o.
Ŋutsu siwo ɖo vɔ̃ sia la sɔ gbɔ wu ame blaene.
Woyi Osɔfogãwo kple dumegãwo gbɔ hegblɔ woƒe ɖoɖoa na wo.
Wogblɔ na wo be, “Migawɔ abe ɖe miedi be yewoagabia gbe Paulo ene ale be miabia asrafowo ƒe amegã ne wòakplɔe va takpekpe gã la mee abe nyitsɔ ene. Míawo la míabe ɖe mɔa dzi eye ne wokplɔ Paulo gbɔnae la, míadzo adze edzi awui.”
Ke Paulo ƒe nyruiyɔvi aɖe se woƒe ɖoɖo sia ale wòɖe abla yi ɖagblɔe na Paulo.
Paulo yɔ asrafowo dometɔ ɖeka eye wòbia tso esi be wòakplɔ ɖekakpuia yi asrafoawo ƒe amegã gbɔe elabe nya aɖe le esi wòdi be yeagblɔ nɛ.
Asrafoa kplɔ ɖekakpuia yii abe ale si Paulo gblɔ nɛ ene.
Asrafomegã la kplɔ ɖekakpui la ɖe kpɔe hebia gbee be, “Nya kae nèdi be yeagblɔ nam?”
Paulo ƒe nyruiyɔvi la gblɔ nɛ be, “Etsɔ la, Yudatɔwo aɖo ame ɖe gbɔwò be nãkplɔ Paulo va yewoƒe takpekpe gã la ŋkumee kple susu be yewoagabia gbee.
Gake mègawɔe o, elabena Yudatɔ blaene aɣla wo ɖokuiwo ɖe mɔa dzi be ne Paulo va yina la, yewoalée awu. Woka atam na wo ɖokuiwo be ne Paulo meku o la, yewomaɖu nu alo ano tsi hã o, eya ta wobe ɖe mɔa dzi fifi laa hã xoxo.”
Asrafowo ƒe amegã la gblɔ na ɖekakpuia be, “Mègana ame aɖeke nanya be èva gblɔ nya sia nam o.” Emegbe la edzo.
Enumake asrafomegã la yɔ etevi eve eye wògblɔ na wo be, “Midzra ɖo miadze Kaesarea mɔ dzi egbe zã ga asieke me.
Miƒo asrafo tutsɔla alafa eve, akplɔtsɔla alafa eve kple sɔdola blaadre nu ƒu, eye midi sɔ na Paulo wòado ale be miakpiɔe ayi ɖade asi na Gɔvinagã Felike dedie.”
Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu ale.
“Klaudio Lisia Na Bubutɔ, Gɔvinagã Felike Xɔ gbedoname nyui sia.
Gbe ɖeka la Yudatɔwo lé ŋutsu sia eye wonɔ eƒom be yewoawui, ke esi mesee be Romatɔ wònye la, meɖo asrafowo ɖa woyi ɖaxɔe le wo si.
Emegbe la mekplɔe yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me be mase nu si tututu wòwɔ tae wolée ɖo.
Le woƒe nyamedzodzrowo me la, mekpɔe be menye nya gobi aɖekee wotsɔ ɖe eŋu o, ke boŋ nya siwo ku ɖe Yudatɔwo ƒe xɔse kple kɔnuwo ŋu la koe, eye medze be woawui alo adee gaxɔ me kura gɔ̃ hã ɖe nya siawo ƒomevi ta o.
Ke, le esime mesee be Yudatɔwo ganɔ ɖoɖo wɔm le bebeme be yewoawui ta la, meɖoe be makplɔe ɖo ɖe wò eye magblɔ na eƒe futɔwo hã be woava gbɔwò ne nãdrɔ̃ nya la na wo.”
Ale, le zã ma me la asrafoawo kplɔ Paulo yi va ɖo Antipatre.
Esi ŋu ke la wotsɔe de asi na sɔdzisrafoawo be woakplɔe ayi Kaisarea, ke afɔzɔlawo ya gatrɔ va woƒe nɔƒe.
Esi wova ɖo Kaisarea la, wotsɔ Paulo de asi na Gɔvinagã la eye wotsɔ agbalẽ si Lisia ŋlɔ de wo si la hã nɛ.
Esi Gɔvinagã la xlẽ agbalẽa vɔ la, ebia Paulo du si me tɔ wònye, eye Paulo ɖo eŋu be, “Metso Kilikia.”
Azɔ Gɔvinagã la gblɔ nɛ be, “Maɖo to wò nyawo katã nenye be nuwòtsolawo va ɖo.” Ale wòɖe gbe be woaɖatui ɖe gaxɔ me le fia Herodes ƒe fiasã me. Wodrɔ ʋɔnu Paulo le Gɔvina Felike ŋkume
24
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Osɔfogã Anania kple eŋumewo yi Kaisarea be yewoatsɔ nya ɖe Paulo ŋu. Ame siwo nɔ Anania ŋu woe nye Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖewo kple senyala Tertulo.
Esi gɔvina la bia gbe wo la, Tertulo ƒo nu ɖe wo nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ Felike, le wò kpɔkplɔ nyui la te la, mí Yudatɔwo míekpɔ tomefafa kple bubu eye amewo megakpɔa mí abe nu tsɛ aɖewo ko ene o.
Míele akpe manyagblɔ aɖe dam na wò tso míaƒe dzime ke le esia ta.
Nyemedi be magblẽ ɣeyiɣi na wò boo o eya ta mayi nye nya dzi agblɔe kpuie ko.
Ame si wokplɔ va gbɔwòe la, ame vɔ̃ɖi aɖe ŋutɔe wònye. Eƒe dɔ koe nye be wòanɔ ʋunyaʋunya dem Yudatɔwo dome le xexeame katã godoo be woatsi tre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu anɔ woƒe sewo kple kɔnuwo dzi dam. Eya koe nye habɔbɔ si woyɔna be Nazaretitɔwo la ƒe kplɔla ɖeka.
”Nu si gavlo wu lae nye be, edi be yeado vlo míaƒe gbedoxɔ la hafi míeva do ɖe edzi helée.
Đe míebe míawɔ fui abe ale si dze ene hafi asrafowo ƒe amegã, Lisia, va xɔe le mía si sesẽtɔe ale be woadrɔ̃ ʋɔnui le Roma se la nu.
Ne wò ŋutɔ èse eƒe numegbe ko la, ekema míaƒe nya me akɔ na wò.”
Yudatɔ mamlɛawo xɔ ɖe Tertulo ƒe nyawo dzi be wole eme tututu abe ale si wògblɔe ene.
Azɔ eɖo Paulo hã dzi be wòaɖe eɖokui nu. Gɔvinagã la wɔ asi nɛ be wòatso aƒo nu. Paulo ɖe eɖokui nu gblɔ be, “Amegã bubutɔ, menya be menye egbee nèle Yudatɔwo ƒe nyawo drɔ̃m o. Le esia ta dzideƒo le asinye be maɖe ɖokuinye nu le gbɔwò.
Anɔ abe ŋkeke wuieve koe nye esi ene, meva ɖo Yerusalem be mawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ me.
Ame siwo le nunye tsom la mekpɔm menɔ nya hem kple ame aɖeke le gbedoxɔ me alo de zitɔtɔ ameha aɖewo dome le ƒuƒoƒe aɖeke alo le dua ƒe akpa aɖeke o.
Le nya si wotsɔ ɖe nufiafia la hã me la, womate ŋu aɖee afia be enye nyateƒe o.
Ke hã la, melɔ̃ ɖe edzi be mesubɔa mía fofowo ƒe Mawu la abe ame si le mɔ la dzi ene, esi amewo yɔna be kɔmama. Mexɔ nu sia nu si sɔ kple se la kple nu siwo woŋlɔ ɖe nyagblɔɖigbalẽawo me la dzi se.
Mexɔe se hã abe ame siawo ke ene be nu vɔ̃ wɔlawo kple ame dzɔdzɔewo siaa afɔ tso ku me.
Eye le esia ta la, medze agbagba wɔa nye ŋusẽ katã ŋutidɔ be nye agbenɔnɔ nadze Mawu kple amegbetɔwo ŋu.”
Paulo yi eƒe nuƒoa dzi be, “Menɔ gbedzi ƒe geɖe eye metrɔ va Yerusalem, hetsɔ ga ɖe asi be mava kpe ɖe Yudatɔwo ŋu eye masa vɔ na Mawu hã.
Nye futɔ siawo va ke ɖe ŋunye le gbedoxɔa me, melũ ta pɛpɛpɛ abe ale si wòle seawo nu ene, eye menɔ nye nunana ƒe vɔsa wɔm. Ʋunyaʋunya aɖeke menɔ afi ma kura o.
Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la, Yudatɔ aɖewo, ame siwo tso Terki, ame siwo wòle be woanɔ afi sia hafi hã nɔ afi ma ɣemaɣi.
Bia ame siawo le afi sia fifia ŋutɔ se be esi wokplɔm yi Yudatɔwo ƒe takpekpe gã la me ɖe vodada kae wokpɔ le ŋunye mahã. Nu si megblɔ si ɖewohĩ
medze be magblɔ hafi o koe enye be ‘Nu si ta wokplɔm va mia dome le takpekpe gã sia mee nye be mexɔe se be ame siwo katã ku la agafɔ ɖe tsitre tso ku me!”
Felike nyae nyuie be kristotɔwo mewɔa ʋunyaʋunya o. Le esia ta egblɔ na Yudatɔwo be woalala va se ɖe esime asrafowo ƒe amegã, Lisia, nava hafi yeatso nya la me."
Ede se be woakplɔ Paulo ayi gaxɔa me gake woakpɔ edzi nyuie. Woaɖe mɔ faa be exɔlɔ̃wo nava kpɔe ɖa eye woate ŋu atsɔ nunanawo vɛ nɛ faa, be eƒe dzi nadze eme.
Le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, Felike kple srɔ̃a, Drusila, ame si nye Yudatɔ la va eye woɖo ame ɖe Paulo be wòava. Esi Paulo va la eƒo nu na wo le Yesu Kristo dzixɔse ƒe nyawo ŋu. Nyawo de tome na Felike srɔ̃a nyuie.
Ke esi wòɖe nya me na wo le dzɔdzɔenyenye, ɖokuidziɖuɖu kple ʋɔnudɔdrɔ̃ si li gbɔna ŋu la vɔvɔ̃ ɖo Felike eye wògblɔ na Paulo be neyi gbɔ, ne yegakpɔ ɣeyiɣi nyui aɖe la yeagaɖo ame ɖee."
Felike nɔ mɔ kpɔm be Paulo ana zãnu ye eya ta eyɔe zi geɖe henɔ nya me dzrom kplii.
Wonɔ esia dzi alea ʋuu ƒe eve sɔŋ. Ke mlɔeba la woɖe Felike le afi ma hetsɔ Porkio Festo ɖo eteƒe. Le esi Felike di be Yudatɔwo nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe gaxɔ me hafi dzo.
25
Esi Festo dze eƒe dɔ gɔme le Kaesarea ƒe ŋkeke etɔ̃agbe tututu la, eɖi tsa yi Yerusalem.
Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋutidɔ heka Paulo ƒe nya la ta nɛ.
Wodze agbagba ble enu be wòaɖo Paulo ɖe Yerusalem enumake kple susu be yewoabe ɖe mɔa dzi awui.
Festo ɖo eŋu be, “Esi Paulo le gaxɔme le Kaesarea eye nye hã mele afi ma yi ge kpuie la,
mina miaƒe kplɔla aɖewo nadze yonyeme aɖatsɔ nya ɖe ŋutsua ŋu le afi ma nenye eda vo aɖe.”
Le ŋkeke enyi alo ewo megbe la, Festo trɔ yi Kaesarea eye le ŋkeke evea gbe tututu la, eyɔ Paulo ƒe nya la le ʋɔnu.
Esi Paulo va ɖo ʋɔnua ko la, Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la, do ɣli gblɔ aʋatsonya geɖewo ɖe eŋu togbɔ be ɖasefo aɖeke menɔ wo si o hã.
Ke Paulo ɖo eŋu na wo be, “Nyemedze agɔ le ame aɖeke dzi o. Nyemeda Yudatɔwo ƒe se aɖeke dzi o eye nyemedo vlo gbedoxɔ la hã o. Gawu la nyemetsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu ɣeaɖekeɣi o.”
Ke Festo di vevie be yeadze Yudatɔwo ŋu eya ta ebia Paulo be, “Èlɔ̃ be yeayi Yerusalem be madrɔ̃ ʋɔnu ye le afi maa?”
Paulo ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe! Nyemele Yerusalem yi ge o. Ke boŋ medi be mayi Roma Fiagã la boŋ gbɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnum le sea nu. Wò ŋutɔ ènya nyuie be nyemedze agɔ o.
Ne mewɔ nane si dze na ku la nyemele ku vɔ̃m o. Ke ne vodada aɖeke mele ŋunye o la, medze be wò alo ame bubu aɖeke natsɔm de asi na ame siawo be woawum o. Metsɔ nye nya de asi na fia Kaisaro ŋutɔ!”
Nya sia na be Festo trɔ ɖe eŋumewo ŋu eye wodo dãli vie. Emegbe la, etrɔ ɖe Paulo gbɔ, gblɔ nɛ bena, “Enyo; Paulo, esi nètsɔ wò nya de asi na Kaisaro ta la, míaɖo wo ɖe Kaisaro gbɔ.”
Le ŋkeke ʋe aɖewo megbe la fia Agripa kple nɔvianyɔnu, Benis, ɖi tsa va Festo gbɔ be yewoava kpɔe ɖa.
Le woƒe afi ma nɔnɔ me la, Festo gblɔ Paulo ƒe nya na Agripa be, “Felike gblẽ ame aɖe ɖe gaxɔ me le afii hafi meva xɔ eteƒe.
Eye esi meɖi tsa de Yerusalem la, Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe tatɔwo va gbɔnye hewɔ nutsotso geɖe ɖe ame sia ŋu eye wobia tso asinye be matso kufia nɛ.
Ke, abe ale si wò ŋutɔ nènyae ene la, megblɔ na wo be, míaƒe Roma se la meɖe mɔ be woabu fɔ ame ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e o. Ke boŋ ele be woana mɔe be wòaɖe eɖokui nu le ame siwo tsɔ nya ɖe eŋu la ŋkume.”
Esi Yudatɔwo tso Yerusalem va afii la, meyɔ ʋɔnua eye mena wokplɔ Paulo va ʋɔnuae.
Esi enutsolawo tsi tre be woaƒo nu la wometsɔ nya sesẽ aɖeke ɖe eŋu, abe ale si mebui ene o.
Ke boŋ nyaʋiʋli aɖewo tso woƒe subɔsubɔ kple ame aɖe si woyɔna be Yesu, ame si ku gake Paulo ya gale gbɔgblɔm be ele agbe kokoko la ŋu.
Esi mese woƒe nyawo la, metɔtɔ ŋutɔ, elabena nyemenya ale si madrɔ̃ nya sia ƒomevi o. Mebia Paulo be alɔ̃ be woadrɔ̃ nya sia le Yerusalem hã?
Gake Paulo gbe gblɔ be yedi be Kaisaro gã la ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye. Le esia ta megana be woagbugbɔe ayi gaxɔ me va se ɖe esime mate ŋu aɖoe ɖe Kaisaro gbɔ.”
Agripa gblɔ na Festo be, “Nye ŋutɔ medi be mabia gbe Paulo ase eƒe numegbe.” Festo do ŋugbe nɛ be, “Etsɔ ãse eƒe numegbe.”
Le ŋkeke evea gbe tututu la, Agripa kple Benis va do ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒea le bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo gã me. Asrafowo kple dumegãwo hã nɔ wo ŋu. Esi woɖi anyi vɔ la, Festo na wokplɔ Paulo va wo ŋkumee.
Festo ƒo nu na ƒuƒoƒea be, “Fiagã Agripa kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afii, ame si le mia dome lae nye ame si Yudatɔ siwo le du sia me kple Yerusalem siaa, di be woatso kufia na.
Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, mewɔ naneke si dze na ku o. Ke esi eya ŋutɔ bia be Kaisaro ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye ta la, wɔna aɖeke megale ŋunye wu be maɖoe ɖe Kaisaro gbɔ le Roma o.
Gake hã la, nyemenya nya ka tututu maŋlɔ ɖo ɖe Fiagã la abe nutsotso le eŋu ene o, elabena wometsɔ nya gobi aɖeke ɖe eŋu o. Eya ta mekplɔe vɛ na mi katã, vevitɔ wò fia Agripa be nãbia gbee eye to esia me makpɔ nane aŋlɔ tso eŋu.
Elabena susu mele eme be woaɖo gamenɔla aɖe ɖe Kaisaro be wòadrɔ̃ ʋɔnui le esime wometɔ asi nutsotso aɖeke dzi tso eŋu o.”
26
Fia Agripa gblɔ na Paulo be, “Meɖe mɔ na wò be nãɖe ɖokuiwò nu mase.” Ale Paulo gaɖe eɖokui nu gblɔ be,
“Fiagã Agripa, enye dzidzɔ kple bubu gã aɖe nam be mekpɔ mɔnu sia be maƒo nu le nye agbenɔnɔ ŋu na wò,
elabena ènya nu tso Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo ŋu tsitotsito. Azɔ meɖe kuku na wò be, nãgbɔ dzi ɖi aɖo tom.
Ele nyanya me na Yudatɔwo katã be, wohem tso ɖevime abe Yudatɔ akuakua ene, le nye dedu Tarso kple Yerusalem, eye menɔ agbe ɖe sewo kple kɔnuwo nu pɛpɛpɛ ƒe geɖewo.
Ne woato nyateƒe la, Yudatɔwo alɔ̃ ɖe edzi be menɔ agbe abe Farisitɔ adodoe ene eye mewɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ ɣesiaɣi.
Ke nu bubu sã tae wotsɔ nya ɖe ŋunye fifia, eyae nye be mele mɔ kpɔm be Mawu awɔ eƒe ŋugbe si wòdo na mía tɔgbuitɔgbuiwo la dzi.
Nu sia ke ko Israelviwo ƒe to wuieveawo katã hã le mɔ kpɔm na, hele kutri kum le subɔsubɔ wɔm zã kple keli gbe sia gbe ɖe eta. Gake fiagã, le nye ya gome la, wobe enye nu vɔ̃ mewɔ.
Ke medi be mabia be, nu vɔ̃ wònye be ame naxɔe se be ame siwo ku la agatsi tre hã? Ewɔ nuku na wò be Mawu agafɔ ame kukuwo ɖe agbea?
Tsã la, mexɔe se be enye nye dɔdeasi be mawɔ funyafunya tsyowo ƒomevi ame siwo nye Yesu Nazaretitɔ la yomenɔlawo.
Le esia ta la mexɔ ŋusẽ tso Osɔfogã gbɔ eye melé xɔsetɔ geɖewo de gaxɔ me le Yerusalem. Gawu la, ne wotso kufia na wo dometɔ aɖe la, medaa asi ɖe nuwɔna sia dzi blibo.
Mewɔ funyafunya ƒomevi geɖewo kristotɔ siawo kple susu be woaƒo fi ade Yesu ƒe ŋkɔ. Melé fu ame siawo ale gbegbe be, metia wo yome yia du siwo le anyigba bubuwo dzi gɔ̃ hã me.
Be malé wo ta la, megaxɔ ŋusẽnagbalẽ le tatɔwo gbɔ eye medze mɔ yina Damasko.
Esi míenɔ mɔa dzi yina anɔ abe ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo ene la, keklẽ gã aɖe klẽ ɖe mí kple ŋunyemewo dzi
Mí katã míedze anyi. Enumake mese ame aɖe wònɔ nu ƒom nam le Hebrigbe me be, ‘Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim? Wò ŋutɔ ɖokuiwò, ko nèle nuvevi wɔmii.’
Mebia be, ‘Meɖe kuku, wò ame kae le nu ƒom?’ Aƒetɔ la ɖo eŋu be, ‘Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle.
Tsi tre, elabena metia wò be nãnye nye subɔla kple nye ɖaseɖila. Yi nãɖe gbeƒã wò nuteƒekpɔkpɔ sia kple bubu siwo gbɔna la fia xexea me katã.
Makpɔ tawò eye maɖe wò tso wò ŋutɔ wò amewo kple Trɔ̃subɔlawo hã sime. Le nyateƒe me la, maɖo wò ɖe Trɔ̃subɔlawo dome be nãgblɔ nyanyui la na wo, be woƒe ŋkuwo naʋu eye woatrɔ le Abosam ƒe viviti la gbɔ ava.
Mawu ƒe Kekeli la me, bena woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo eye woaxɔ Mawu ƒe domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ eye wodza le xɔse me.’
Eya ta, Fia Agripa, nye hã mewɔ ɖe ŋutega si tso dziƒo la ƒe ɖoɖo dzi.
Gbã la, megblɔ nyanyui la na ame siwo le Damasko eye tso afi ma la meva Yerusalem kple Yuda nutowo me. Emegbe la, meyi Trɔ̃subɔlawo dome eye megblɔ na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ ɖe Mawu ŋu eye woana woƒe nu nyui wɔwɔ nafia be wotrɔ zu ame yeyewo vavã.
Esia tae Yudatɔwo va lém le gbedoxɔ la me be yewoawum gɔ̃ hã hafi.
Ke Mawu ve nunye ale megale agbe egbe be magblɔ nya sia na ame sia ame ƒomevi, ame gblɔewo kple bubumewo siaa.
Nya si megblɔna la koe nye esi nyagblɔɖilawo kple Mose gblɔ be, ‘Woawɔ funyafunya Mesia la, eyae anye ame gbãtɔ si afɔ tso ame kukuwo dome eye wòahe Kekeli vɛ na Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa.’”
Esi Festo se nya sia ko la, edo ɣli ɖe Paulo ta sesĩe be, “Paulo, wò tagbɔ le gbegblẽm; wò agbalẽsɔsrɔ̃ fũu na wò tagbɔ flu.”
Paulo ɖo eŋu be, “Bubume Festo, nye tagbɔ meflu o, ke boŋ nya siwo megblɔ la nye nyateƒe matrɔmatrɔ sɔŋ ko.
Fia Agripa ŋutɔ hã nya nu le nu siawo ŋu. Meka ɖe edzi be Fia Agripa se nya siawo katã kpɔ elabena wonye nu siwo dzɔ le gaglãgbe eye womele ɣaɣla ɖe ame aɖeke o.
Fia Agripa, mènya be èxɔ nyagblɔɖilawo ƒe nyawo dzi se; alo mele eme nenema oa?”
Agripa xɔ nya la le Paulo nu gblɔ be, “ Đe nèbu be nya sue si nègblɔ le afii lae ana be mazu kristotɔ zi ɖekaa?”
Paulo ɖo eŋu be, “Anye nye didi vevie be, togbɔ be nye nyawo meɖi naneke o hã la, wò kple ame sia ame si le afii la miatrɔ zu kristotɔwo abe ale si menyee ene ke menye to fukpekpe me abe ale si mele ekpem la ene o.”
Le nya siawo megbe la, Fia Agripa kple gɔvina gã Festo kpakple Benis kple wo ŋumewo katã tso hedzo.
Emegbe esi wonɔ nya la me dzrom kpɔ le wo ɖokuiwo me la, wokpɔe dze sii be, le nyateƒe me la, Paulo mewɔ naneke si dze na ku alo gamenɔnɔ gɔ̃ hã o.
Ale Agripa gblɔ na Festo be, “Ne menye ɖe Paulo tsɔ eƒe nya la de Kaisaro si o la anye ne ele be woaɖe asi le eŋu hafi.”
27
Mlɔeba la wowɔ dzadzraɖo vɔ be míadze mɔ ayi Roma kple meli. Wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de asi na Yulio, si nye Kaisaro ƒe asrafowo ƒe amegã ɖeka be wòakplɔ wo ayii dedie.
Míeɖo meli aɖe si tso Adramitio eye wòyina tɔtɔ ge ɖe Terki du geɖewo me la hedze mɔ. Helatɔ aɖe tso Tesalonika si woyɔna be Aristarko la hã nɔ ʋua me kpli mí.
Le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Sidɔn. Asrafoawo ƒe amegã, Yulio, nyo dɔme na Paulo ale be wòɖe mɔ nɛ wòɖi tsa de dua me ɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa eye wodi eƒe nu hiahiã aɖewo nɛ.
Esi míegadze mɔ tso afi ma tete ko la, ya sesẽ aɖe ƒo va kpe mí eye esia wɔe be míete ŋu zɔ mɔ to afi si wòle be míato o ke boŋ míeto Kipro ƒukpo la ƒe dzigbe gome. Esia gɔmee nye be míeto ƒukpo la kple anyigba la ŋutɔ dome ale be yaa megaɖe fu na mí o.
Míeto Kilikia kple Pamfilia ŋu eye míeva ɖi go ɖe Mira le Likia nutome.
Le afi sia la míaƒe kplɔla la kpɔ Egipte tɔdziʋu aɖe si tso Aleksandria yina Italia eye míeɖoe.
Míenɔ tsia dzi eye míekpe fu ŋkeke geɖewo hafi va ɖo Knido gbɔ lɔƒo. Ya nɔ ƒoƒom sesĩe ale gbegbe be ɖe ko míegbɔ eme tso Salmon ʋudzeƒea ŋu heyi Kreta.
Míenɔ ahom gã sia me wònɔ fu ɖem na mí alea heto anyigbeƒuta ɖɔɖɔɖɔ va ɖo teƒe aɖe si woyɔna be Ʋudzeƒe Nyui la. Teƒe sia te ɖe Lasea dua ŋu.
Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo. Le ɣeyiɣi siawo me la, ƒudzimɔzɔzɔ yi didiƒewo menɔ bɔbɔe o elabena ƒea wu enu vɔ eye ɣeyiɣi sia mee ahom sesẽwo tuna le ƒu dzi. Paulo kpɔe dze sii alea ale wòyɔ tɔdziʋua kulawo hegblɔ na wo be,
“Amegãwo, edze nam abe ne míeyi míaƒe mɔzɔzɔ sia dzi fifia la, nya aɖe ava dzɔ ɖe mía dzi ene. Đewohĩ ʋua anyrɔ eye míaƒe agbawo abu, amewo axɔ abi eye ame aɖewo aku gɔ̃ hã.”
Ke asrafowo, ame siwo ƒe kpɔkplɔ te gamenɔlawo nɔ la, meɖo to Paulo o ke boŋ wose tɔdziʋua kulawo ƒe amegã ƒe aɖaŋu boŋ.
Eye esi wonye be Ʋudzeƒe Nyui sia hã menyo tututu be woanɔ le vuvɔŋɔli me o ta la, tɔdziʋua me nɔla geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be yewoadze agbagba ayi ŋgɔ aɖo Foenike be yewoatsi afi ma le vuvɔŋɔli la me. Foenike ʋudzeƒe sia ka ɖe eme wu. Ʋudzeƒe Nyui la sã elabena etrɔ mo de dzigbeɣetodoƒe kple anyigbeɣetoɖoƒe.
Le ɣemaɣi me tututu la, ya aɖe nɔ ƒoƒom tso anyigbe gome, eye wòdze abe enyo be míadze mɔ ene eya ta wodo abalawo eye míedze mɔ henɔ goŋu tom to Kreta ŋkume kekeake.
Sẽ ko la yame trɔ zi ɖeka eye ahom sesẽ aɖe si woyɔna be dzigbeɣetoɖoƒeya ƒo kpe mí tso ƒukpo la dzi.
Ahom la lɔ ʋua ɖe nu ale be ʋua kulawo ɖe asi le eŋu nɛ eye wòkplɔ mí dzoe.
Mlɔeba la, mieto ƒukpo sue aɖe si woyɔna be Kauda la godo eye to agbagbadzedze geɖe me la wohe tɔdziʋu sue si wotsi kae ɖe ʋu si míeɖo ŋu la
eye wobla tsɔdziʋu la sesĩe be wòagaʋanya alo anɔ ʋuʋum o. Tɔdziʋua kulawo nɔ vɔvɔ̃m be míaƒe ʋua ava ɖo ba alo asi ke le Afrika ƒe ƒuta eya ta woɖiɖi abalawo ale ya kɔ mí ɖe nu heyii.
Le ŋufɔke esi ahom la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi la ʋua kulawo fɔ agbawo ƒu gbe ɖe ƒua me.
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la wofɔ dɔwɔnu siwo katã le ʋua me la hã ƒu gbe ɖe ƒua me.
Ahom la nu gasẽ ɖe edzi hena ŋkeke geɖewo eye míete ŋu kpɔ ɣe alo ɣletiviwo le dziŋgɔlĩ me gɔ̃ hã o. Esia na be míebu mɔkpɔkpɔ keŋkeŋ.
Anɔ abe ŋkeke nanewo nye esi ene ame aɖeke meɖu naneke o, ke mlɔeba la, Paulo yɔ ʋua me nɔlawo ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be, “Ne wònye ɖe miese nye gbe eye míetsi Ʋudzeƒe Nyui la, anye ne dzɔgbevɔ̃e sia mava mía dzi o.
Ke milé dzi ɖe ƒo elabena togbɔ be tɔdziʋua anyrɔ hã la, mía dometɔ aɖeke mele tsɔtsrɔ̃ ge o.
Elabena le zã si va yi me la, nye Mawu si mesubɔna la ɖo eƒe dɔla ɖe gbɔnye wòva gblɔ nam be,
‘Paulo, mègavɔ̃ o, elabena ãva ɖo Kaisaro gbɔ dedie be wòadrɔ̃ ʋɔnu wò. Gawu la, Mawu se wò gbedodoɖa eya ta ame siwo katã le ʋua me kpli wo la atsi agbe.’
Eya ta, nɔvinyewo, milé dzi ɖe ƒo, elabena mexɔ Mawu dzi se nyuie eye menyae be nu si wògblɔ la ava eme tututu.”
Ke ele na mí be míadze go ɖe ƒukpo aɖe dzi.
Tɔdziʋu la ƒe gbagbã le míaƒe ƒudzinɔnɔ ƒe ŋkeke wuienelia ƒe zãtitina lɔƒo esi ahom la ganɔ mía nyamam le Adriaƒu me la, ʋua kulawo bu xaa be yewote ɖe anyigba aɖe ŋu.
Ale woda dzidzeka ɖe ƒua me, eye wokpɔ be tso ƒua dzi yi egɔme anɔ abe mita blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ ko ene. Sẽ la, wogadae eye azɔ la wokpɔ be anɔ afɔ blaasieke pɛ ko.
Ʋua kulawo nyae be madidi hafi míava ɖi go o, ke esi wonɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ míava ɖi go ɖe agakpewo dome ta la woda seke ene ɖe ʋua megbe henɔ agu ƒe dzedze lalam.
Ʋua kula aɖewo wɔ ɖoɖo be yewoasi le tɔdziʋua me ale woɖiɖi tɔdziʋu sue la ɖe tsia dzi abe seke da ge woyina ene.
Ke Paulo gblɔ na asrafoawo kple woƒe amegã bena, “Mía tɔwo, ne mia dometɔ aɖe dzo le tɔdziʋua me la, matsi agbe o.”
Ale asrafoawo lã ka si wosa ɖe tɔdziʋu sue la ŋu be wòge dze tsia dzi.
Le fɔŋli me la, Paulo gblɔ na ameawo be, “Mía tɔwo, kwasiɖa eve sɔŋ enye esi ame aɖeke meɖu naneke o.
Eya ta meɖe kuku na mi, miɖe dzi ɖi ne miaɖu nu elabena naneke mele dzɔdzɔ ge ɖe mía dometɔ aɖeke dzi o.”
Azɔ Paulo ŋutɔ tsɔ abolo aɖe eye esi wòdo gbe ɖa alo da akpe ɖe eta vɔ la, eka ɖe heɖu.
Nu sia do ŋusẽ ʋua me nɔlawo katã ale be ame sia ame di nane de nu me azɔ.
Ʋua me nɔlawo katã ƒe xexlẽme anɔ ame alafa eve blaadre-vɔ-ade.
Esi woɖu nu ɖi ƒo vɔ la, wolɔ bli kotoku mamlɛawo katã ƒu gbe ɖe ƒua me be ʋua nanɔ wodzoe ale be wòaganyrɔ o.
Esi ŋu ke la, womekpɔ anyigba dze si o elabena afu do gake wokpɔ ƒuta ƒe afi aɖe ɖaa. Esia na be wonɔ tame bum be ɖe yewoate ŋu ato agakpeawo dome ava do ɖe go ŋu dedie hã.
Mlɔeba la, woɖoe be yewoatee akpɔ, ale wolã sekeawo hegblẽ wo ɖe ƒua me, wotu kuɖɔkawo hã eye wodo abala heɖo ta gota.
Ke dzɔgbevɔ̃etɔe la, tɔdziʋua si ke. Eƒe ŋgɔgbe lɔƒo tsi teƒe ɖeka ale be ahom la hã nɔ eƒe megbe lɔƒo kakam.
Esi wòdzɔ alea ko la, asrafoawo gblɔ na woƒe amegã be wòaɖe mɔ na yewo yewoawu gamemɔlawo katã ale be wo dometɔ aɖeke nagadzo dze ƒua me aƒu tsi asi dzo le yewo gbɔ o.
Ke le esi woƒe amegã Yulio di be yeaɖe Paulo ƒe agbe ta la, melɔ̃ ɖe woƒe susu si wodo ɖa la dzi o. Ke boŋ eɖe gbe be ame siwo nya tsiƒuƒu la nadze agbagba aƒu tsi ayi gota.
Ke ame mamlɛawo dometɔ aɖewo nanɔ ʋuƒowo dzi eye bubuwo hã nanɔ ʋua ƒe kakɛwo dzi ayi gota. Ale ame sia ame dze agbagba alea ɖo gota dedie.
28
Emegbe la, míeva nya be ƒukpo si woyɔna be Mɔlta la dzie míeva do ɖo.
Ƒukpoa dzi tɔwo xɔ mí nyuie ŋutɔ. Esi tsi nɔ dzadzam eye vuvɔ nɔ wɔwɔm ta la, wodo dzo gã aɖe na mí be míaƒu.
Esi Paulo fɔ nake wuwului aɖewo be yeade dzoa me ko la, da vɔ̃ɖi aɖe do tso nake la me, le dzo xɔxɔa ta, eye wòbla ɖe Paulo ƒe alɔnu.
Nu sia wɔ nuku eye wòdo vɔvɔ̃ na ame siwo nɔ afi ma ŋutɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame sia la, hlɔ̃dola vɔ̃ɖi aɖee wònye. Togbɔ be metsi ƒu me ku o hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia melɔ̃ be wòatsi agbe o.”
Ke Paulo ʋuʋu da la le alɔnu ɖe dzobiabia me eye naneke mewɔe o.
Ameawo nɔ mɔ kpɔm be Paulo ƒe abɔ ate eye wòadze anyi aku, ke esi wolala ʋuu nya aɖeke medzɔ ɖe edzi o la, wotrɔ woƒe susuwo hegblɔ be Paulo la Mawu aɖe koko wòanye.
Ƒukpo sia ƒe gɔvina ŋkɔe nye Publio, ame sia ƒe anyigba kple aƒe te ɖe ƒuta, afi si míeva ɖi go ɖo. Publio xɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpɔ mía dzi nyuie ŋkeke etɔ̃ sɔŋ.
Publio fofo ƒe lãme menɔ kɔkɔm tututu o, elabena asrã kple kpeta nɔ fu ɖem nɛ. Paulo yi egbɔ hedo gbe ɖa heda asi ɖe edzi ale be eƒe lãme sẽ.
Enumake dɔléla siwo katã nɔ teƒea la, va Paulo gbɔ eye wòda gbe le wo katã ŋu.
Dzi dzɔ ƒukpoa dzi tɔwo ŋutɔ ale wotsɔ nunana ƒomevi geɖewo vɛ na mí, eye esi ɣeyiɣi de na mí be míadzo la, wodo agba na míaƒe tɔdziʋu la nyuie ŋutɔ kple nu siwo katã ava hiã mí le míaƒe mɔzɔzɔa me.
Míenɔ Mɔlta ƒukpo dzi ɣleti etɔ̃ hafi gadze mɔ. Míeɖo tɔdziʋu aɖe si woyɔna be “Venɔviwo” si tso Aleksandria eye wòva tsi ƒukpoa dzi le vuvɔŋɔli la.
Teƒe gbãtɔ si míetɔ ɖo lae nye Sirakusa eye míenɔ afi ma ŋkeke etɔ̃.
Tso Sirakusa la, mieƒo xlã heyi Regio, eye tso afi ma la ya aɖe ƒo mí tso anyigbe gome ale be le ŋkeke evea gbe la míeva ɖo Puteoli, afi si míedo go xɔsetɔ aɖewo le.
Xɔsetɔ siawo di tso mía si vevie be míanɔ yewo gbɔ vie ale míelɔ̃, nɔ wo gbɔ ŋkeke adre. Tso Puteoli la, míeɖo ta Roma.
Esi xɔsetɔ siwo le Roma la se be míegbɔna la wo dometɔ aɖewo va kpe mí le keke teƒe si woyɔna be Apioforo eye wòdidi tso Roma gbɔ abe kilometa blaenyi sɔŋ ene. Ame bubuwo hã va kpe mí le afi si woyɔna be “Amedzrodzeƒe etɔ̃awo.” Teƒe sia hã didi tso Roma gbɔ abe kilometa bladre ene. Esi Paulo kpɔ xɔsetɔ siawo la, dzi dzɔe ŋutɔ; dzi ɖo eƒo eye wòda akpe na Mawu."
Esi míeva ɖo Roma la, asrafowo ƒe amegã si ƒe kpɔkplɔ te Paulo nɔ la ɖe mɔ na Paulo be ate ŋu adze afi sia afi si eya ŋutɔ lɔ̃. Ke woɖe asrafo aɖe ɖe eŋu be wòadzɔ eŋu ɣesiaɣi.
Le ŋkeke etɔ̃agbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu eye wòƒo nu na wo gblɔ be," “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ le afii. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum.
Esi míeyi ʋɔnua la, Roma dziɖuɖu ƒe ame dɔdɔwo mekpɔ vodada aɖeke le ŋunye o, eya ta wodi be yewoaɖe asi le ŋunye elabena wokpɔ be nyemedze na ku abe ale si Yudatɔwo ƒe amegãwo dii ene o.
Ke esi mekpɔ be Yudatɔwo mekpɔ dzidzɔ le ale si wodrɔ̃ ʋɔnua ŋu o, eye wotsi tre ɖe nyametsotsoa ŋu vevie ta la, nye hã megblɔ na ʋɔnua be metsɔ nye nya de asi na Kaisaro le Roma be wòadrɔ̃ ʋɔnum.
Nu si ta meyɔ mi va afii egbeae nye be míadze si mía nɔewo eye be mana mianya nu si tututu ta wolém de game ɖo. Esiae nye be mexɔ se tso nye dzi me ke be, Mesia si mía tɔgbuiwo nɔ mɔ kpɔm na la va mía dome.”
Ameawo ɖo eŋu na Paulo be, “Míawo la ame aɖeke megagblɔ wò nya aɖeke na mí kpɔ loo alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mí tso Yudea le ŋuwò kpɔ o. Nɔvi kristotɔ siwo tso Yerusalem va hã dometɔ aɖeke megblɔ nya aɖeke na mí tso ŋuwò kpɔ o.
Ke míadi be nãɖe wò xɔse la me na mí nyuie elabena nu si míenya koe nye be, ame aɖeke media kristotɔwo ƒe nya le teƒe aɖeke o.”
Ale woɖo ŋkeke bubu na takpekpe eye esi ŋkekea ɖo la, ame geɖewo va ƒo ƒu ɖe Paulo ƒeme. Paulo ɖe mawunya me na wo tsitotsito, le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ŋu. Wonɔ takpekpea me tso ŋdi va se ɖe fiẽ ke.
Paulo ƒe nyawo sɔ tome na ame aɖewo eye wotrɔ zu kristotɔwo; ke mewɔ naneke kura le ame aɖewo hã ŋu o.
Wodzro nyawo me le wo ɖokuiwo me ʋuu hafi kaka dzo. Ke nya si tsi tome na wo eye wòɖe fu na wo dometɔ geɖewo lae nye esi Paulo gblɔ na wo be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nya si wogblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi la le eme tututu be,
‘Migblɔ na Yudatɔwo be, miaƒe towo ase nyawo gake miase wo gɔme o.’
Elabena miaƒe dziwo ku atri, miaƒe towo ku, eye miaƒe susuwo me meʋu be miase nu gɔme o. Le nyateƒe me la, menye miaƒe didi wònye be miakpɔ nu, ase nu gɔme eye miatrɔ ɖe ŋunye be mada gbe le mia ŋu o.”"
Eya ta medi be mianya be Mawu ƒe ɖeɖedɔ sia ɖo Trɔ̃subɔlawo gbɔ eye woaɖo toe.
Esi wògblɔ esia la Yudatɔwo dzo eye nyahehe geɖe ɖo wo dome.
Ke Paulo nɔ afi ma ƒe eve sɔŋ le xɔ si ta wòxe fe ɖo la me, eye ame geɖewo va nɔ ekpɔm ɖa le eƒe aƒeme.
Enɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la nɔ nu fiam le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti dzideƒotɔe eye ame aɖeke mexea mɔ nɛ le esiawo katã wɔwɔ me o."
- Holder of rights
- Multilingual Bible Corpus
- Citation Suggestion for this Object
- TextGrid Repository (2025). Ewe Collection. Acts (Ewe). Acts (Ewe). Multilingual Parallel Bible Corpus. Multilingual Bible Corpus. https://hdl.handle.net/21.11113/0000-0016-9700-D